Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Esi Mawu ƒe ‘ahomtugbea’ le aƒe tum la, ehiã vevie be amewo nase nuxlɔ̃amenyaa!

Mawu Ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃wo—Ðe Mawu Xlɔ̃a Nu Amewo Do Ŋgɔ Ale Si Dze Ɣesiaɣia?

Mawu Ƒe Ʋɔnudɔdrɔ̃wo—Ðe Mawu Xlɔ̃a Nu Amewo Do Ŋgɔ Ale Si Dze Ɣesiaɣia?

YAME ƒe nɔnɔme ŋuti nunyala aɖe nɔ ŋku lém ɖe nɔnɔmetata si ɖea ale si yame ƒe nɔnɔmewo ava nɔ la fiana le mɔ̃ dzi la ŋu. Ekpɔe be, eteƒe madidi o, ahom sesẽ aɖe si agblẽ nu eteƒe makɔ o la ava tu le nuto aɖe si me amewo sɔ gbɔ ɖo la me. Esi wònye be ŋutsu sia tsɔ ɖe le amewo ƒe dedienɔnɔ me ta la, ewɔ nu sia nu si wòate ŋui xlɔ̃ nu ame siwo le nutoa me la do ŋgɔ hafi wòava tsi megbe akpa.

Nenema kee, Yehowa le nu xlɔ̃m anyigbadzinɔlawo katã fifia tso “ahomtugbe” aɖe si ƒe nugblẽƒe anyra wu ahom sesẽtɔ ƒe nugblẽƒe la ŋu. Agblẽ nu wu ahom ɖe sia ɖe si ŋu yame ƒe nɔnɔme ŋuti nunyalawo xlɔ̃ nu amewo tsoe kpɔ. Aleke Yehowa le nu xlɔ̃m amewoe? Eye nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be ele ɣeyiɣi si asu la nam amewo be woawɔ ɖe yeƒe nuxlɔ̃amea dzi? Na míadzro ale si Yehowa xlɔ̃ nu amewo le blema la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo me be míaɖo biabia mawo ŋu.

ƔEYIƔI SIWO ME MAWU XLƆ̃ NU AMEWO

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, Yehowa xlɔ̃ nu amewo tso “ahom,” alo eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo wòahe ava ame siwo ɖoe koŋ gbe toɖoɖo eƒe sededewo dzi la ŋu. (Lod. 10:25; Yer. 30:23) Le wo dometɔ ɖe sia ɖe gome la, exlɔ̃ nu tomaɖolaawo tso nu si wòɖo be yeawɔ la ŋu ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ, eye ena wonya tɔtrɔ siwo wòle be woawɔ be woƒe nu nadze ye ŋu. (2 Fia. 17:12-15; Neh. 9:29, 30) Esi Yehowa di be ameawo nawɔ tɔtrɔ siwo hiã ta la, zi geɖe la, ezãa esubɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyigba dzi la be woaɖe gbeƒã yeƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ahakpe ɖe ameawo ŋu woase egɔme be ehiã be yewoawɔ nu kpata.—Amos 3:7.

Noa nye Mawu subɔla wɔnuteƒe mawo dometɔ ɖeka. Exlɔ̃ nu eŋɔlimetɔ siwo nye agbe ƒaƒã nɔlawo kple ŋutasẽlawo tso Tsiɖɔɖɔ si aɖe anyigba bliboa la ŋu ƒe geɖe do ŋgɔ. (1 Mose 6:9-13, 17) Egblɔ nu si wòhiã be woawɔ ale be woate ŋu atsi agbe la na wo. Edo vevie nu xlɔ̃ nu ameawo ale gbegbe be wova yɔe emegbe be “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela.”—2 Pet. 2:5.

Togbɔ be Noa ku kutri vevie xlɔ̃ nu eŋɔlimetɔ siwo nɔ agbe do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa hã la, wodo toku Mawu ƒe gbedeasia. Woɖee fia be xɔse mele yewo si kura o. Esia ta, wo katã wotsrɔ̃ esime Tsiɖɔɖɔa “va, eye wòkplɔ wo katã dzoe.” (Mat. 24:39; Heb. 11:7) Esime Tsiɖɔɖɔa va eye wokpɔe be yewo le tsɔtsrɔ̃ ge la, womate ŋu agblɔ gbeɖe be Mawu mexlɔ̃ nu yewo o.

Le go bubuwo me la, Yehowa xlɔ̃ nu ame ɖekaɖekawo ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ hafi eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va. Le go siawo gɔ̃ hã me la, ekpɔ egbɔ be yena ɣeyiɣi si asu la ameawo be woawɔ tɔtrɔ si hiã. Le kpɔɖeŋu me, exlɔ̃ nu blema Egiptetɔwo tso Fuwɔame Ewo siwo va wo dzi la dometɔ ɖe sia ɖe ŋu do ŋgɔ. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye esime Yehowa dɔ Mose kple Aron be woaɖaxlɔ̃ nu Farao kple eƒe subɔviwo tso fuwɔame adrelia, si nye kpetsi gã aɖe, si gblẽ nu eteƒe mekɔ o, la ŋu. Esi wònye be ŋkeke si akplɔe ɖo dzi koe kpetsia adza ta la, ɖe Mawu na ɣeyiɣi si asu la wo be woadi bebeƒe ahasi le enua? Biblia gblɔ be: “Farao ƒe subɔvi siwo Yehowa ƒe nya la tso dzika ƒo na la wɔ kaba yi ɖakplɔ woƒe subɔviwo kple woƒe lãhawo va aƒe me, ke ame si mebu Yehowa ƒe nya la ɖe naneke me o la gblẽ eƒe subɔviwo kple eƒe lãhawo ɖe gbedzi.” (2 Mose 9:18-21) Eme kɔ ƒãa be, Yehowa xlɔ̃ nu wo nyuie do ŋgɔ, si wɔe be kpetsia megblẽ nu boo le ame siwo wɔ nu kpata la ŋu abe ale si wògblẽ nu le ame bubuawo ŋu ene o.

Nenema kee, Yehowa xlɔ̃ nu Farao kple eƒe subɔviwo do ŋgɔ na fuwɔame ewolia. Ke hã, wowɔ bometsinu hegbe Yehowa ƒe nuxlɔ̃amea. (2 Mose 4:22, 23) Esia ta, wo viŋutsu siwo nye ŋgɔgbeviwo katã ku. Ewɔ nublanui loo! (2 Mose 11:4-10; 12:29) Ðe woate ŋu awɔ ɖe nuxlɔ̃amea dzi ɖe ɣeyiɣi dzi hafia? Ɛ̃! Mose na toklã Israel-viwo hã tso fuwɔame ewolia ŋu enumake, eye wògblɔ ale si woawɔ axɔ woƒe ƒomeawo ɖe agbe la na wo. (2 Mose 12:21-28) Ame nenie te ŋu wɔ ɖe aɖaŋu si Mose ɖo la dzi? Akɔntabubu aɖewo ɖee fia be, ame miliɔn etɔ̃, siwo dome Israel-viwo kple “ame siwo menye Israel-viwo o ƒe ha” kpakple Egiptetɔwo hã nɔ la, tsi agbe hedzo le Egipte.—2 Mose 12:38; etenuŋɔŋlɔa.

Abe ale si kpɔɖeŋu siawo ɖee fia ene la, Yehowa kpɔ egbɔ be woxlɔ̃ nu ameawo do ŋgɔ eye yena ɣeyiɣi si asu la wo be woate ŋu awɔ tɔtrɔ siwo hiã. (5 Mose 32:4) Nu ka tae? Apostolo Petro ɖe eme be, Yehowa “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (2 Pet. 3:9) Ɛ̃, Mawu tsɔ ɖe le eme na ameawo. Edi be woatrɔ dzi me eye woawɔ ɖe yeƒe aɖaŋuɖoɖo dzi hafi yeƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nava.—Yes. 48:17, 18; Rom. 2:4.

ALE SI AMEWO AWƆ ÐE MAWU ƑE NUXLƆ̃AME DZI EGBEA

Egbea hã, ele be amewo katã nawɔ ɖe nuxlɔ̃amenya vevi aɖe si wole gbeƒã ɖemee le anyigba katã dzi la dzi. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, exlɔ̃ nu amewo be fifi nuɖoanyi sia ava tsrɔ̃ mlɔeba le “xaxa gã” aɖe me. (Mat. 24:21) Esime wònɔ nu ƒom tso ʋɔnudɔdrɔ̃ ma si ava le etsɔme ŋu la, egblɔ nu vovovo siwo eyomedzelawo anɔ mɔ kpɔm na kple nu siwo me woato esime ɣeyiɣi ma le aƒe tum la ɖi tsitotsito. Aleae Yesu gblɔ nudzɔdzɔ ɖedzesi siwo teƒe kpɔm míele le xexea me katã egbea la ŋu nya ɖi.—Mat. 24:3-12; Luka 21:10-13.

Le ɖekawɔwɔ me kple nyagblɔɖi ma la, Yehowa le ame sia ame kpem be wòabɔbɔ ɖe Yeƒe dziɖuɖu te. Edi vevie be amegbetɔ toɖolawo nase vivi na agbea fifia, eye woava kpɔ yayra geɖe hã le xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me le etsɔme. (2 Pet. 3:13) Esi Yehowa di be yeakpe ɖe amewo ŋu woaxɔ yeƒe ŋugbedodowo dzi ase ta la, ena wole gbedeasi aɖe si xɔa ame ɖe agbe, si nye “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” si ŋu nya Yesu gblɔ ɖi be ‘woaɖe gbeƒãe le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã,’ la gblɔm na amewo. (Mat. 24:14) Mawu wɔ ɖoɖo esubɔla vavãwo le gbeƒã ɖem ‘ɖaseɖinya,’ alo gbedeasi sia si tso egbɔ la, na amewo le dukɔ 240 sɔŋ me. Yehowa ƒe didie wònye be amewo katã nawɔ ɖe yeƒe nuxlɔ̃amenyaa dzi eye woatsi agbe ne yeƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe, si nye “ahomtugbe,” la va.—Zef. 1:14, 15; 2:2, 3.

Menye nya vevitɔa ye nye be ɖe Yehowa na ɣeyiɣi si asu na amewo be woawɔ ɖe eƒe nuxlɔ̃amenyaa dzi la wo hã o. Kpeɖodziawo ɖee fia be ewɔa esia ɣesiaɣi. Gake biabia vevitɔa boŋue nye: Ðe amewo awɔ ɖe Mawu ƒe nuxlɔ̃amenyaa dzi esime ɣeyiɣi gakpɔtɔ lia? Neva eme be mí ame siwo le Mawu ƒe gbedeasia gblɔm na amewo la míayi edzi akpe ɖe ame geɖe ale si nu míate ŋui la ŋu be woatsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu.