Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 43

Subɔ Yehowa Bliboe

Subɔ Yehowa Bliboe

“Yehowa nye Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo.”—NAH. 1:2.

HADZIDZI 51 Mawue Míeɖe Adzɔgbe Na!

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae Yehowa dze be míasubɔe bliboe?

YEHOWA dze be míatsɔ mía ɖokui anae ahasubɔe bliboe, elabe eyae nye mía Wɔla kple Agbenala. (Nyaɖ. 4:11) Ke hã, afɔku aɖe li. Eyae nye be, togbɔ be míelɔ̃ Yehowa eye míedea bubu eŋu hã la, nu bubuwo ate ŋu ava nɔ vevie na mí le míaƒe agbe me ale gbegbe be míagava lɔ̃ Yehowa ahanɔ esubɔm bliboe ale si dze o. Ehiã be míase ale si esia ate ŋu adzɔe la gɔme. Gake, gbã, na míadzro nu si wòfia be míatsɔ mía ɖokui ana Yehowa bliboe la me.

2. Le 2 Mose 34:14 ƒe nya nu la, ne míetsɔ mía ɖokui na Yehowa bliboe la, nu kae míawɔ?

2 Le Biblia me la, ne wogblɔ be ame aɖe tsɔ eɖokui na Mawu bliboe la, esia fia be, amea lɔ̃e kple dzi blibo. Ne míetsɔ mía ɖokui na Yehowa bliboe la, ekema, míasubɔ eya ɖeka ko. Mímaɖe mɔ be naneke alo ame aɖeke nava xɔ eƒe nɔƒe le míaƒe dzi me o.—Xlẽ 2 Mose 34:14.

3. Susu nyui kawoe le mía si siwo tae míelɔ̃ Yehowa ɖo?

3 Gake susu nyui kawoe le mía si siwo tae míelɔ̃ Yehowa ɖo? Woawoe nye nyateƒenya siwo míesrɔ̃ tso eŋu. Eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo va lé dzi na mí. Míeva nya nu siwo wòlɔ̃ kple nu siwo wòlé fui, eye míawo hã míelɔ̃ nu siwo wòlɔ̃na eye míelé fu nu siwo wòléa fui. Míese tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la gɔme, eye míenɔa agbe le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖoa. Míesena le mía ɖokui me be ede bubu mía ŋu esi wòna mɔnukpɔkpɔ mí be míanye ye xɔlɔ̃wo. (Ps. 25:14) Nu sia nu si míeva srɔ̃ tso mía Wɔlaa ŋu la nana mía kplii dome gava nɔa kplikplikpli wu.—Yak. 4:8.

4. (a) Nu ka ŋu dɔe Abosam wɔna be yeatsɔ ana be lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa la me nagbɔdzɔ? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

4 Abosam ye kpɔ ŋusẽ ɖe nuɖoanyi sia dzi, eye ewɔa eŋu dɔ be yeana míasusu be nu siwo amegbetɔwo dina lae le vevie wu le agbe me eye wòasesẽ na mí be míaɖu míaƒe dzodzro vɔ̃wo dzi. (Ef. 2:1-3; 1 Yoh. 5:19) Eƒe taɖodzinue nye be yeana míaƒe dzi naku ɖe nu bubuwo ŋu, ale be míagava nɔ Yehowa subɔm bliboe o. Na míadzro mɔ eve aɖewo siwo dzi wòate ŋu ato awɔ esia la me. Gbã, edzea agbagba be yeana míati ŋutilãmenuwo yome, eye evelia, edzea agbagba be yeana míatia modzakaɖenu gbegblẽwo.

KPƆ NYUIE LE GALƆLƆ̃ ŊU

5. Nu ka tae wòle be míakpɔ nyuie be míagava nɔ ga lɔ̃m o?

5 Le dzɔdzɔme nu la, míedina be míakpɔ nuɖuɖu si asu na mí, awu nyuiwo nanɔ mía si, eye míanɔ aƒe nyui aɖe me. Ke hã, ele be míakpɔ nyuie be míagava nɔ ga lɔ̃m o. Ame geɖewo nye “galɔ̃lawo” le Satana ƒe xexea me, eye wolɔ̃ nu sia nu si ga ate ŋu aƒle. (2 Tim. 3:2) Yesu nyae be, galɔlɔ̃ ate ŋu azu tetekpɔ na ye yomedzelawo. Eya ta, exlɔ̃ nu wo be: “Ame aɖeke mate ŋu anye kluvi na aƒetɔ eve o; elabena alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo alé ɖe ɖeka ŋu, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” (Mat. 6:24) Ne ame aɖe le Yehowa subɔm evɔ wògazãa ɣeyiɣi geɖe hekua kutri be xexe sia me ŋutilãmenuwo nasu ye si la, efia be ele agbagba dzem be yeasubɔ aƒetɔ eve. Ame sia tɔgbi mele Yehowa subɔm bliboe o.

Ale si laodikeatɔ aɖewo bu wo ɖokuiwoe . . . kple ale si Yehowa kpakple Yesu ya bu woe (Kpɔ memama 6 lia)

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Yesu gblɔ na Laodikea hamea la me?

6 Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli ƒe nuwuwu lɔƒo la, Laodikea hamea me tɔwo ƒoa adegbe be: “Kesinɔtɔ menye, eye kesinɔnuwo le asinye, eye naneke mehiãm kura o.” Gake le Yehowa kple Yesu gbɔ la, “hiãtɔ, nublanuitɔ, ame dahe, ŋkuagbãtɔ kple amamanɔla” ye wonye. Menye esi kesinɔnu geɖe nɔ wo si tae Yesu xlɔ̃ nu wo ɖo o, ke esi wolɔ̃ kesinɔnu mawo ale gbegbe be eva le nu gblẽm le ƒomedodo si nɔ woa kple Yehowa dome ŋu tae. (Nyaɖ. 3:14-17) Ne míede dzesii be ŋutilãmenuwo yome titi ƒe dzodzro le gegem ɖe míaƒe dzi me la, ele be míaɖɔ míaƒe susu ɖo kaba. (1 Tim. 6:7, 8) Ne menye nenema o la, míaƒe dzi ava ku ɖe nu bubuwo ŋu ale gbegbe be Yehowa magakpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔ si míetsɔ nanɛ la ŋu o. Elabe Yehowa “biaa ɖokuitsɔtsɔna bliboe.” (5 Mose 4:24) Aleke wòate ŋu adzɔe be ga nava nye nu si le vevie na mí wu le agbe me?

7-9. Nu kae nèsrɔ̃ tso hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye David ƒe kpɔɖeŋua me?

7 Bu nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye David, si le Amerika la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ; enye hamemetsitsi dovevienu. Egblɔ be yenye dɔwɔla si doa vevie nu le dɔme. Wodoe ɖe ŋgɔ le dɔwɔƒea heda ɖe fetu dzi nɛ; eye wobunɛ gɔ̃ hã be enye ame siwo bi ɖe dɔ ma me wu le dukɔa me la dometɔ ɖeka. David gblɔ be: “Ɣemaɣi la, mesusui be dzidzedze si kpɔm menɔ le nye dɔwɔɖuia me la fia be Yehowa le yrayem.” Gake Yehowae le eyram nyateƒea?

8 David va te dzesi aɖewo kpɔkpɔ siwo ɖee fia be eƒe dɔwɔɖuia le nu gblẽm le ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome ŋu. Egblɔ be: “Mede dzesii be, ne mele kpekpewo alo gbeadzi gɔ̃ hã la, menɔa kuxi siwo le dɔme ŋu bum. Woxea ga geɖe nam le dɔa me, gake nye dzi medze eme kura o, eye nu nɔ gbegblẽm le nye ƒomea ŋu.”

9 David va kpɔe dze sii be ele be yeagbugbɔ atso nya me le nu siwo le vevie na ye wu le agbe me ŋu. Egblɔ be: “Meɖoe kplikpaa be maɖɔ nɔnɔmea ɖo.” David di be yeatrɔ asi le eƒe dɔwɔɖoɖowo ŋu, eye eyi ɖagblɔe na eƒe dɔmemegã. Nu kae do tso eme? Dɔ ge le David si! Nu kae wòwɔ? Egblɔ be: “Ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, mede asi agbalẽ te be mawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɖaa.” David kple srɔ̃a siaa va le ɔfiswo tutum le dɔwɔƒe gagãwo ale be yewoate ŋu akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva zu gbesiagbe mɔɖela, eye srɔ̃a hã va wɔ ɖeka kplii emegbe le mɔɖeɖedɔa me. Atsu kple asi sia tiae be yewoawɔ dɔ sia si amewo mebuna ɖe ɖeke me o, ke hã, menye dɔ si ƒomevi wɔm wole lae le vevie na wo o. Togbɔ be ga si wokpɔna le dɔ sia me la nye fetu si wòxɔna tsã ƒe memama ɖeka le ewo me hã la, wotea ŋu kpɔa ga si tututu wohiã hena woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ɣleti sia ɣleti. Wodi be Yehowa naxɔ nɔƒe gbãtɔ le yewoƒe agbe me, eye woawo ŋutɔwo kpɔe dze sii be Yehowa léa be na ame siwo tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ.—Mat. 6:31-33.

10. Aleke míate ŋu adzɔ míaƒe dzi ŋu?

10 Ŋutilãmenu ɖasɔ gbɔ le mía si alo nu ʋɛ aɖewo koe le mía si o, ehiã be míadzɔ míaƒe dzi ŋu. Aleke míawɔ esiae? Mele be míava nɔ ga lɔ̃m o. Eye mele be míaɖe mɔ be míaƒe dɔwɔɖuia nava nɔ vevie na mí wu Yehowa subɔsubɔ o. Aleke nàwɔ anya nenye be esia le dzɔdzɔm ɖe dziwò? Nya siwo nàte ŋu abia ɖokuiwò la dometɔ aɖewoe nye esiawo: ‘Ðe nye susu nɔa nye dɔwɔɖuia ŋu zi geɖe ne mele kpekpewo alo gbeadzia? Ðe metsia dzimaɖi ɣesiaɣi be ɖewomahĩ ga mava nɔ asinye le etsɔme oa? Ðe kuxiwo ɖoa nye kple srɔ̃nye dome le ga kple ŋutilãmenuwo ta? Ðe malɔ̃ faa awɔ dɔ si amewo mebuna ɖe ɖeke me o ne esia ana be makpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋua?’ (1 Tim. 6:9-12) Ne míele ŋugble dem le biabia mawo ŋu la, nenɔ susu me na mí be Yehowa lɔ̃ mí vevie eye edo ŋugbe sia na ame sia ame si tsɔ eɖokui nɛ bliboe la be: “Nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o.” Eya tae apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me.”—Heb. 13:5, 6.

TIA WÒ MODZAKAÐENUWO LE NUNYA ME

11. Ŋusẽ kae modzakaɖeɖe ate ŋu akpɔ ɖe ame dzi?

11 Yehowa di be míase vivi na agbea, eye modzakaɖeɖe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nyaa gblɔ be “naneke menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye wòakpɔ dzidzɔ le dɔ sesẽ siwo wòwɔna la ta o.” (Nyagb. 2:24) Ke hã, xexe sia me modzakaɖenu akpa gãtɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. Wonana amewo megava dea asixɔxɔ agbe nyui nɔnɔ ƒe sewo ŋu o, eye wova ɖea mɔ ɖe nu siwo Mawu lé fui la ŋu alo lɔ̃a wo gɔ̃ hã.

Ame ka ƒomevie le asi trɔm le nu siwo nètsɔ ɖea modzakae la ŋu? (Kpɔ memama 11-14 lia) *

12. Le 1 Korintotɔwo 10:21, 22 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle be míatia modzakaɖenuwo le nunya me?

12 Míedi be míatsɔ mía ɖokuiwo ana Yehowa bliboe ahasubɔ eya ɖeka ko, eya ta míate ŋu anɔ nu ɖum le “Yehowa ƒe kplɔ̃” ŋu aganɔ nu ɖum le “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe kplɔ̃” ŋu o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 10:21, 22.) Nuɖuɖu kple ame aɖe fia be xɔlɔ̃wɔwɔ le mía kple amea dome. Ne míetsɔa nu siwo doa ŋutasẽnuwɔwɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, gbɔdɔdɔ manɔsenu, alo ŋutilã ƒe nudzodzro kple agbenɔnɔ maɖɔʋu bubuwo ɖe ŋgɔ la ɖea modzakae la, efia be míele nu si Mawu ƒe futɔwo ɖa la ɖum kpli wo. Menye ɖeko esia agblẽ nu le míawo ŋutɔwo ŋu ko o, ke agblẽ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la hã me.

13-14. Le Yakobo 1:14, 15 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo ne míele modzakaɖenuwo tiam? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Mɔ kawo nue míate ŋu atsɔ modzakaɖeɖe asɔ kple nuɖuɖu le? Ne míele nu ɖum la, míate ŋu atia nu si míatsɔ ade nu me. Gake ne míenya mi nuɖuɖua ko la, míagate ŋu awɔ naneke le ale si nunyiameawo awɔ dɔ ɖe míaƒe ŋutilã dzi la ŋu o. Nu nyui ɖuɖu ate ŋu ana míanɔ lãmesẽ me; nu nyui maɖumaɖu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ ŋu. Ðewohĩ emetsonuawo madze enumake o, gake woava dze godoo le ɣeyiɣi aɖewo megbe.

14 Le mɔ ma ke nu la, míate ŋu atso nya me le nu siwo míatsɔ aɖe modzakae la ŋu. Gake ne míenya ɖe modzakaa vɔ ko la, míagate ŋu awɔ naneke le ale si modzakaɖeɖe ma akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusu kple seselelãme dzi ŋu o. Modzakaɖeɖe nyuiwo ate ŋu ana míaƒe dzi nadze eme; modzakaɖeɖe gbegblẽwo agblẽ nu le mía ŋu. (Xlẽ Yakobo 1:14, 15.) Ŋusẽ gbegblẽ siwo modzakaɖeɖe gbegblẽwo akpɔ ɖe mía dzi la madze enumake ya o, gake woava dze godoo mlɔeba. Eya tae Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Migana woable mi o: Mawu menye ame si woate ŋu aflu o. Elabena nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe; elabena ame si le nu ƒãm na eƒe ŋutilã la, aŋe gbegblẽ tso eƒe ŋutilã me.” (Gal. 6:7, 8) Aleke gbegbe wòle vevie ye nye esi be míaƒo asa na modzakaɖeɖe ɖe sia ɖe si doa nu siwo Yehowa lé fui la ɖe ŋgɔ!—Ps. 97:10.

15. Nu nyui kae Yehowa na mí be wòado dzidzɔ na mí?

15 Míaƒe JW Nyakakadɔwɔƒe, si nye Internet dzi television, la kpɔkpɔ doa dzidzɔ na Yehowa subɔla geɖe. * Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Marilyn la gblɔ be: “JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo kpɔkpɔ kpena ɖe ŋunye nye susu nɔa nu nyuiwo ŋu, eye metea ŋu kpɔa nu sia nu le edzi faa, elabena menya be nu nyuiwo sɔŋ koe le edzi. Ne metsi akogo alo dzi ɖe le ƒonye la, mekpɔa nuƒo dedziƒoname alo Ŋditadedeagu ƒe video aɖe le nyakakadɔwɔƒea. Esia kpena ɖe ŋunye be nye kple Yehowa dome gava nɔa kplikplikpli wu, eye megalɔ̃a eƒe habɔbɔa geɖe wu. JW Nyakakadɔwɔƒea na nye agbenɔnɔ ganyo ɖe edzi kuraa.” Ðe nunana nyui sia si tso Yehowa gbɔ la le vi ɖem na wòa? Tsɔ kpe ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe wɔna yeyeawo ŋu la, odio kple video kpakple ha dedziƒoname vovovo siwo nàte ŋu akpɔ alo ase ɣesiaɣi si nèdi la hã le JW Nyakakadɔwɔƒea.

16-17. Nu ka tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo vevie le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míezãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu la ŋu, eye aleke míate ŋu awɔ esiae?

16 Ele vevie be míaɖɔ ŋu ɖo le nu siwo ƒomevi míetsɔ ɖea modzakae kple ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míezãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu la ŋu. Ne menye nenema o la, ate ŋu adzɔ be míava nɔ ɣeyiɣi geɖe zãm ɖe modzakaɖeɖe ŋu wu esi míezãna ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Esesẽna na ame geɖe be woada asɔ le ɣeyiɣi si wozãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu la me. Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 18, si ŋkɔe nye Abigail la gblɔ be: “Ne mewɔ dɔ sesĩe ŋkeke bliboa vɔ la, televisionkpɔkpɔ kpena ɖe ŋunye meɖina ɖe eme. Gake ne nyemeɖɔ ŋu ɖo o la, mate ŋu anɔ ekpɔkpɔ dzi gaƒoƒo geɖe.” Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Samuel la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, mevuna ɖe video kpuikpuikpuiwo kpɔkpɔ ŋu le Internet dzi. Gake ɖeka aɖe ko medi be makpɔ hafi, eye kaka makpɔa, mele wo kpɔkpɔ dzi gaƒoƒo etɔ̃ alo ene sɔŋ.”

17 Nu kae nàte ŋu awɔ be nàda asɔ le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nèzãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu la me? Afɔ gbãtɔ si nàɖe ye nye be nàdze agbagba anya ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si tututu zãm nèle ɖe modzakaɖeɖe ŋu. Ðe manyo be nàwɔ eŋuti nuŋlɔɖi kwasiɖa ɖeka oa? Ŋlɔ gaƒoƒo agbɔsɔsɔme si nètsɔ kpɔa television, zãa Internet, kple esiwo nètsɔ ƒoa elektrɔnikfefewo la ɖe kalɛnda dzi. Ne èkpɔe be yele ɣeyiɣi gblẽm ɖe modzakaɖeɖe ŋu fũu akpa la, wɔ ɖoɖo ɖe ale si nàzã wò ɣeyiɣiwoe ŋu. Ðo ɣeyiɣi si nàzã ɖe nu siwo le vevie wu ŋu la ɖi gbã, eye eyome nàɖo ɣeyiɣi ɖi na modzakaɖeɖe. Emegbe, do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàlé wò ɖoɖowɔɖia me ɖe asi. Ne èwɔe alea la, àkpɔ ɣeyiɣi kple ŋusẽ si nèhiã ɖe ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃, ƒometadedeagu, hamea ƒe kpekpewo dede, kpakple Yehowa subɔsubɔ le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me la ŋu. Ne ètsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ alea la, esia ate ŋu awɔe be nàgase vivi na wò modzakaɖeɣiwo geɖe wu.

YI EDZI NÀSUBƆ YEHOWA BLIBOE

18-19. Aleke míate ŋu aɖee afia be míetsɔ mía ɖokui na Yehowa bliboe eye míele eyama ɖeka ko subɔm?

18 Esi apostolo Petro ŋlɔ nu tso Satana ƒe xexea ƒe nuwuwu kple xexe yeye si le vava ge la ŋu vɔ la, egblɔ be: “Lɔlɔ̃tɔwo, esi miele nu siawo lalam ŋuti la, miwɔ miaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be wòakpɔ mi mlɔeba ɖimaƒomaƒoe, mokakamanɔŋui, le ŋutifafa me.” (2 Pet. 3:14) Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi hewɔ míaƒe ŋutete katã be míanɔ agbe ahasubɔ Yehowa le mɔ si dzea eŋu nu la, míato esia me aɖee afia be míetsɔ mía ɖokui na Yehowa bliboe eye míele eyama ɖeka ko subɔm.

19 Satana ayi edzi anɔ mía tem kpɔ eye awɔ eƒe nuɖoanyia ŋu dɔ atsɔ adze agbagba be míana nu bubuwo nava nɔ vevie na mí wu Yehowa subɔsubɔ. (Luka 4:13) Gake aleke kee wòate mí akpɔ o, míaɖe mɔ be naneke alo ame aɖeke nava xɔ Yehowa ƒe nɔƒe le míaƒe dzi me gbeɖe o. Míeɖoe kplikpaa be míatsɔ nu si Yehowa ɖeɖe ko dze na la anae—eyae nye be míasubɔ eyama bliboe!

HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye

^ mm. 5 Míelɔ̃ Yehowa eye edzɔa dzi na mí be míasubɔe. Gake ɖe míele Yehowa subɔm bliboea? Tiatia siwo míewɔna ye aɖe esia afia. Na míadzro ale si tiatia siwo míewɔna le agbemenu eve aɖewo gome kple ale si esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be míele Yehowa subɔm bliboe loo alo míele esubɔm bliboe o la me.

^ mm. 15 Woate ŋu akpɔ JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo to satellite dzi le nuto aɖewo me.

^ mm. 54 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Míalɔ̃ aɖu nuɖuɖu si woɖa le dzodoƒe ƒoɖiƒoɖi eye dɔlékuiwo ge ɖe eme la gbeɖe o. Nu ka tae míatsɔ video siwo me woɖea ŋutasẽnuwɔwɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, alo gbɔdɔdɔ manɔsenu fiana le la anɔ modzaka ɖemee?