Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 42

Ame Ka Ƒomevie Yehowa Ana Nàva Zu?

Ame Ka Ƒomevie Yehowa Ana Nàva Zu?

“Mawue . . . doa ŋusẽ mi, eye wònaa didia kple ŋusẽ la mi be miawɔ nu si dzea eŋu.”—FLP. 2:13.

HADZIDZI 104 Mawu, Na Wò Gbɔgbɔ Kɔkɔea Mí

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae Yehowa ate ŋu awɔ be wòana eƒe tameɖoɖo nava eme?

YEHOWA ate ŋu azu nu sia nu si hiã be wòana eƒe tameɖoɖo nava eme. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa va zu Nufiala, Akɔfala, Nya Nyui Gblɔla, kple bubuawo. (Yes. 48:17; 2 Kor. 7:6; Gal. 3:8) Ke hã, ezãa amegbetɔwo zi geɖe tsɔ nana eƒe tameɖoɖowo vaa eme. (Mat. 24:14; 28:19, 20; 2 Kor. 1:3, 4) Azɔ hã, Yehowa ate ŋu ana nunya kple ŋusẽ si mía dometɔ ɖe sia ɖe hiã la mí ale be míate ŋu azu nu sia nu si wòdi ale be míate ŋu awɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Esiawo katã nye gɔmesese si le Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu la ƒe akpa aɖe, abe ale si agbalẽnyala aɖewo susui ene.

2. (a) Nu ka tae wòate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be míasusui be Yehowa mele mía zãm o? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Mí katã míedina be Yehowa nazã mí míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, gake mía dometɔ aɖewo ate ŋu asusui ɣeaɖewoɣi be Yehowa mele yewo zãm o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, wosena le wo ɖokuiwo me be, tsitsi, nɔnɔme si me yewole, alo yewoƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo wɔe be yewomate ŋu awɔ geɖe o. Gake le ame bubuwo ya gome la, akpa si wɔm wole la dzea wo ŋu eye wosena le wo ɖokuiwo me be megahiã be yewoawɔ geɖe o. Le nyati sia me la, míadzro ale si Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la me. Eyome, míadzro Biblia me kpɔɖeŋu siwo ana míakpɔ ale si Yehowa na didia kple ŋusẽa esubɔlawo—ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa—be wote ŋu wɔ nu si dzea eŋu la me. Mlɔeba, míadzro ale si míate ŋu alɔ̃ faa be Yehowa nazã mí la me.

MƆ SIWO DZI YEHOWA TONA NAA NU SI MÍEHIÃ MÍ

3. Le nya siwo dze le Filipitɔwo 2:13 nu la, aleke Yehowa ate ŋu ana didia mí be míawɔ nu si dzea eŋu?

3 Xlẽ Filipitɔwo 2:13. * Yehowa ate ŋu ana didia mí be míawɔ nu si dzea eŋu. Aleke wòate ŋu awɔ esiae? Ðewohĩ, míese be ame aɖe hiã kpekpeɖeŋu le hamea me, alo ehiã be woakpɔ nanewo gbɔ le hamea me. Alo ɖewohĩ, hamemetsitsiwo xlẽ lɛta aɖe si tso alɔdzedɔwɔƒea si gblɔ be hame bubu aɖewo siwo mele míaƒe nutoa me o la hiã kpekpeɖeŋu. Esia megbe la, ɖewohĩ, àbia ɖokuiwò be, ‘Nu kae mate ŋu awɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋu?’ Alo ɖewohĩ, wotsɔ subɔsubɔdɔdeasi sesẽ aɖe ɖo ŋkuwòme eye èle ɖokuiwò biam be ɖe yeate ŋu awɔ dɔa nyuie wòade edeƒe mahã. Alo esi nèxlẽ mawunyakpukpui aɖewo vɔ la, èbia ɖokuiwò be, ‘Aleke mate ŋu awɔ Biblia me ŋutinya sia ŋu dɔ wòaɖe vi na ame bubuwo?’ Yehowa mazi naneke ɖe mía dzi gbeɖe o. Ke hã, ne ekpɔe be míele nu si míate ŋu awɔ ŋu bum la, ate ŋu ana didia mí be míawɔ nu si ŋu bum míele.

4. Aleke Yehowa ate ŋu ana ŋusẽa mí be míawɔ nu si dzea eŋu?

4 Azɔ hã, Yehowa ate ŋu ana ŋusẽa mí be míawɔ nu si dzea eŋu. (Yes. 40:29) Ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ana míaƒe dzɔdzɔmeŋutetewo naganyo ɖe edzi. (2 Mose 35:30-35) Yehowa ate ŋu ato eƒe habɔbɔa dzi afia ale si míawɔ dɔ aɖewoe la mí. Eye ne ewɔ na wò be mènya ale si tututu nàwɔ dɔdeasi aɖe o la, bia kpekpeɖeŋu. Azɔ hã, àte ŋu abia mía Fofo dɔmenyotɔ si le dziƒo la ɣesiaɣi be wòana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la wò. (2 Kor. 4:7; Luka 11:13) Ale si Yehowa na didia kple ŋusẽa ŋutsu kple nyɔnu geɖewo le blema la ƒe kpɔɖeŋuwo sɔ gbɔ le Biblia me. Esi míele kpɔɖeŋu siawo dometɔ aɖewo me dzrom la, bu mɔ siwo nu Yehowa ate ŋu azã wò abe ale si wòzã woe ene la ŋu.

NU SI YEHOWA KPE ÐE ŊUTSUWO ŊU WOWƆ

5. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa zã Mose tsɔ ɖe Eƒe amewo kple ɣeyiɣi si wòzãe la me?

5 Yehowa na Mose zu ɖela na Israel-viwo. Gake ɣekaɣie Yehowa zã Mose? Esime “wofia Egiptetɔwo ƒe nunya blibo la katã” Mose eye wòse le eɖokui me be yesu te nyuie lae Yehowa zãea? (Dɔw. 7:22-25) Ao, ke boŋ, esime Yehowa kpe ɖe Mose ŋu wòva zu ɖokuibɔbɔla si fa tu la ko hafi wòzãe. (Dɔw. 7:30, 34-36) Yehowa na dzi nɔ Mose ƒo wòte ŋu yi ɖado ɖe dziɖula si si ŋusẽ le wu le Egipte la ŋkume. (2 Mose 9:13-19) Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa zã Mose kple ɣeyiɣi si wòzãe la me? Eyae nye be, ame siwo ɖea nɔnɔme nyui siwo le Yehowa si fiana eye woɖoa ŋu ɖe eŋu be wòado ŋusẽ yewo lae wòzãna.—Flp. 4:13.

6. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa zã Barzilai tsɔ kpe ɖe Fia David ŋu la me?

6 Ƒe alafa aɖewo megbe la, Yehowa zã Barzilai wòna kpekpeɖeŋu Fia David. Esime David kple ame siwo nɔ eŋu la nɔ sisim le via, Absalom nu la, ‘dɔ va nɔ wo wum, ɖeɖi te wo ŋu, eye tsikɔ nɔ wo wum.’ Amegãɖeɖi aɖe si ŋkɔe nye Barzilai la tsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe de afɔku me esime eya kple ame siwo nɔ eŋu la yi ɖana kpekpeɖeŋu David kple eŋumeawo. Barzilai meƒo nya ta be, esi yetsi heku amegã ta la, viɖe aɖeke megale ye ŋu na Yehowa o. Ke boŋ, ezã nu si le esi la tsɔ kpe ɖe Mawu subɔla siwo ɖo hiã me la ŋu dɔmenyotɔe. (2 Sam. 17:27-29) Nufiame kae le esia me na mí? Eyae nye be, ƒe ka kee míeɖaxɔ o, Yehowa ate ŋu azã mí ale be míakpɔ haxɔsetɔ siwo ɖo hiã me la ƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ na wo, woɖale míaƒe nutoa me loo alo dukɔ bubu me o. (Lod. 3:27, 28; 19:17) Ne míawo ŋutɔwo míate ŋu akpe ɖe wo ŋu tẽe o hã la, míate ŋu adzɔ ga ɖe xexea me katã ƒe dɔa ƒe nudzɔɖakaa me ale be ga si hiã la nanɔ anyi woatsɔ ana kpekpeɖeŋu mía nɔviwo ne eva hiã kple le afi sia afi si wòahiã le.—2 Kor. 8:14, 15; 9:11.

7. Aleke Yehowa zã Simeon amegãɖeɖi lae, eye aleke esia nyanya ate ŋu ade dzi ƒo na mí?

7 Yehowa do ŋugbe na Simeon, si nye amegãɖeɖi wɔnuteƒe si nɔ Yerusalem la, be maku o va se ɖe esime wòakpɔ Mesia la hafi. Ŋugbedodo ma anya de dzi ƒo na Simeon ale gbegbe, elabe enɔ Mesia la ƒe vava lalam ƒe geɖe. Yehowa ɖo eƒe xɔse kple dzidodo teƒe nɛ. Gbe ɖeka, “gbɔgbɔ la na” wòva gbedoxɔa me. Simeon kpɔ Yesu ɖevi la le afi ma, eye Yehowa to Simeon dzi gblɔ nya ɖi tso ɖevi sia si ava nye Kristo la ŋu. (Luka 2:25-35) Togbɔ be ɖewohĩ Simeon menɔ agbe didi kpɔ Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ teƒe o hã la, ekpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ ma si su esi la ŋu, eye yayra wɔnukuwo gale esi su ge le etsɔme! Le xexe yeyea me la, ŋutsu wɔnuteƒe ma akpɔ ale si Yesu ƒe dziɖuɖua ahe yayrawo vɛ na anyigbadziƒomewo katã la teƒe. (1 Mose 22:18) Míawo hã míate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si Yehowa na mí le eƒe subɔsubɔdɔa me la ŋu.

8. Mɔ ka nue Yehowa ate ŋu azã mí le abe ale si wòzã Barnaba ene?

8 Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli me la, ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe si ŋkɔe nye Yosef la lɔ̃ faa Yehowa zãe. (Dɔw. 4:36, 37) Anɔ eme be, esi Yosef doa vevie nu le akɔfafa na amewo me ta la, apostoloawo na ŋkɔe be Barnaba, si gɔmee nye “Akɔfafavi.” Le kpɔɖeŋu me, esime Saul va zu xɔsetɔ la, nɔvi geɖewo nɔ vɔvɔ̃m be yewoate ɖe eŋu le esi wonyae be eti Yesu yomedzelawo yome kutɔkutɔe ta. Ke hã, Barnaba kpe ɖe Saul ŋu hefa akɔ nɛ, eye Saul anya kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe dɔmenyonyo sia ŋu ale gbegbe. (Dɔw. 9:21, 26-28) Ƒe aɖewo megbe la, hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem la kpɔe be ehiã be yewoade dzi ƒo na nɔviawo yi keke Antiokia si nɔ Siria la ke. Ame kae wodɔ? Barnaba ye! Wotiae nyuie ŋutɔ. Biblia ka nya ta be, Barnaba ‘de dzi ƒo na nɔviawo katã be woayi edzi aɖoe kplikpaa le woƒe dzi me be yewoanɔ Aƒetɔ la me.’ (Dɔw. 11:22-24) Nenema kee egbea hã, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu be wòanye “akɔfafavi” na nɔvi Kristotɔwo. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu azã mí míade dzi ƒo na ame siwo ƒe ame veviwo ku. Alo ate ŋu aʋã mí be míayi aɖasrã ame aɖe si le dɔ lém alo ame aɖe si lé blanui la kpɔ, alo aƒo ka nɛ ahagblɔ akɔfanya aɖewo nɛ. Ðe àɖe mɔ be Yehowa nazã wò abe ale si wòzã Barnaba enea?—1 Tes. 5:14.

9. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si Yehowa kpe ɖe nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Vasily la ŋu be wòva zu hamemetsitsi nyui aɖe la me?

9 Yehowa kpe ɖe nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Vasily la ŋu wòva zu hamemetsitsi nyui aɖe. Vasily xɔ ƒe 26 esime woɖoe hamemetsitsi, gake enɔ vɔvɔ̃m be yemesu te nyuie ate ŋu akpe ɖe nɔviawo, vevietɔ esiwo le nɔnɔme sesẽwo me tom la, ŋu ale si dze o. Ke hã, hamemetsitsi kpɔnuteƒewo na hehee, eye exɔ hehe le Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Sukua hã me. Vasily ŋutɔ hã ku kutri vevie. Le kpɔɖeŋu me, eɖo taɖodzinu suesuesue siwo gbɔ wòaɖo la na eɖokui. Ɣesiaɣi si wòɖo wo dometɔ aɖe gbɔ la, esia kpena ɖe eŋu vivivi be wòva ɖu eƒe vɔvɔ̃a dzi. Fifia, egblɔ be: “Nu si mevɔ̃na tsã la va zu nu si doa dzidzɔ nam fifia wu. Ne Yehowa kpe ɖe ŋunye meke ɖe mawunyakpukpui aɖe si sɔ ŋu hetsɔe fa akɔ na nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe le hamea me la, esia nana mekpɔa dzidzɔ geɖe.” Nɔviŋutsuwo, ne mietsɔ mia ɖokuiwo na faa be Yehowa nazã mi abe ale si Vasily wɔe ene la, Yehowa ate ŋu ana miasu te nyuie be miawɔ geɖe le hamea me.

NU SI YEHOWA KPE ÐE NYƆNUWO ŊU WOWƆ

10. Nu kae Abigail wɔ, eye nu kae nèsrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

10 Fia Saul yɔ David kple eŋumewo ɖe nu ale gbegbe be wova hiã kpekpeɖeŋu vevie. David dɔ eƒe ameawo dometɔ aɖewo be woaɖabia Israel ŋutsu kesinɔtɔ aɖe si ŋkɔe nye Nabal la be wòana nuɖuɖu vi aɖe yewo, nu sia nu si wònya kpɔ ko. Meɖe fu na wo be yewoabia Nabal ƒe kpekpeɖeŋu o, elabe wokpɔ eƒe lãhawo ta tso adzoblasuwo si me. Gake Nabal ŋɔkula ɖokuitɔdila la gbe be yemana naneke wo o. Eya ta, dzi ku David vevie eye wòɖoe be yeawu ŋutsu sia ŋutsu le Nabal ƒe me. (1 Sam. 25:3-13, 22) Ke hã, Nabal srɔ̃, Abigail dzetugbe la dze aɖaŋu ŋutɔ. Elé dzi ɖe ƒo yi ɖabɔbɔ ɖe David ƒe afɔnu heɖe kuku nɛ be megakɔ ʋu maɖifɔ ɖi le esi wòdi be yeabia hlɔ̃ na ye ɖokui ta o. Eɖo aɖaŋu nɛ ŋuɖɔɖotɔe be negblẽ nyaa ɖe Yehowa si me. Nya siwo Abigail gblɔ ɖokuibɔbɔtɔe kple aɖaŋudzedze geɖe la wɔ dɔ ɖe David dzi. David kpɔe dze sii be Yehowae dɔe. (1 Sam. 25:23-28, 32-34) Abigail tu nɔnɔme nyui siwo na Yehowa te ŋu zãe la ɖo. Nenema kee Yehowa ate ŋu azã nyɔnu Kristotɔ siwo tu nɔnɔme nyui siwo nye ŋuɖɔɖɔɖo kple aɖaŋudzedze ɖo la be wòaɖe vi na woƒe ƒomea kple ame bubuwo le hamea me.—Lod. 24:3; Tito 2:3-5.

11. Nu kae Salum vinyɔnuwo wɔ, eye ame kawoe le woƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m egbea?

11 Ƒe alafa geɖe megbe la, Salum vinyɔnuwo hã nɔ ame siwo Yehowa zã woɖɔ Yerusalem ƒe gliwo ɖo la dome. (Neh. 2:20; 3:12) Togbɔ be amegãe wo fofo nye hã la, wolɔ̃ faa wɔ dɔ sesẽ ma si me afɔku le. (Neh. 4:15-18) Tekoatɔwo ƒe bubumewo ya mewɔ nu abe woawo ene kura o, elabe ‘womebɔbɔ wo ɖokuiwo ne woakpe asi ɖe’ dɔa ŋu o! (Neh. 3:5) Wò ya bu ale si gbegbe dzi anya dzɔ Salum vinyɔnuawoe esime wowu dɔa nu le ŋkeke 52 pɛ ko me la ŋu kpɔ! (Neh. 6:15) Le míaƒe ŋkekea me la, nɔvinyɔnu geɖewo kpɔa dzidzɔ le esi wotsɔ wo ɖokuiwo na faa hele gome kpɔm le subɔsubɔdɔ kɔkɔea me le mɔ tɔxɛ aɖe nu ta—eyae nye be, wole tadeaguƒewo tum hele be lém na wo. Míehiã woƒe aɖaŋuawo, woƒe dzonɔameme, kple nuteƒewɔwɔ siaa be dɔ sia nakpɔ dzidzedze nyuie.

12. Mɔ ka nue Yehowa ate ŋu azã mí le abe ale si wòzã Tabita ene?

12 Yehowa ʋã Tabita be ‘wòwɔ dɔ nyui geɖewo eye wòna nu amewo dɔmenyotɔe,’ vevietɔ, ahosiwo. (Dɔw. 9:36) Ale si gbegbe wònaa nu amewo henyoa dɔme na amewoe la wɔe be ame geɖe xa nu vevie esi wòku. Ke hã, esime apostolo Petro fɔe ɖe tsitre la, gbɔgblɔ bu ɖe wo. (Dɔw. 9:39-41) Nu kae míesrɔ̃ tso Tabita gbɔ? Míeɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, ŋutsu alo nyɔnu o, mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ nu ŋutɔŋutɔ aɖewo atsɔ akpe ɖe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu.—Heb. 13:16.

13. Mɔ ka nue Yehowa zã nɔvinyɔnu aɖe si ŋu kpena vevie la le, eye nya kae wòva gblɔ mlɔeba?

13 Nɔvinyɔnu aɖe si ŋu kpena vevie, si ŋkɔe nye Ruth la, di be yeava zu dutanyanyuigblɔla. Esi wònye ɖetugbuivi la, eɖea abla afɔtsɔtsɔe tso aƒe me yi aƒe me nɔa traktwo mam. Egblɔ be: “Dɔ sia wɔwɔ vivi nunye ale gbegbe.” Ke hã, esesẽ nɛ be eya ŋutɔ naɖo dze kple amewo le ʋɔtru nu, alo wòaƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na amewo. Togbɔ be ŋu kpena Ruth hã la, eva zu gbesiagbe mɔɖela esime wòxɔ ƒe 18. Le ƒe 1946 me la, ede Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Sukua eye emegbe woɖoe ɖe Hawaii; ƒe aɖewo megbe la, wova ɖoe ɖe Japan. Yehowa zãe le mɔ ɖedzesi aɖe nu tsɔ kaka nya nyuia le dukɔ mawo me. Esi Ruth wɔ subɔsubɔdɔa ƒe 80 kloe megbe la, egblɔ be: “Yehowae nye ame si do ŋusẽm. Ekpe ɖe ŋunye be meɖu nye ŋukpe dzi. Kakaɖedzi blibo le asinye be Yehowa ate ŋu azã ame sia ame si ɖoa ŋu ɖe eŋu.”

NA YEHOWA NAZÃ WÒ

14. Le Kolosetɔwo 1:29 ƒe nya nu la, nu kae wòle be míawɔ ne míedi be Yehowa nazã mí?

14 Le ŋutinya katã me la, Yehowa kpe ɖe esubɔlawo ŋu wote ŋu wɔ dɔ vovovowo. Ame ka ƒomevie Yehowa ana nàva zu? Ale si nàlɔ̃ faa aku kutri vevie la koŋ gbɔe esia atso. (Xlẽ Kolosetɔwo 1:29.) Ne èlɔ̃ faa tsɔ ɖokuiwò na be Yehowa nazã wò la, Yehowa ate ŋu ana nàva zu nya nyui gbeƒãɖela dzonɔamemetɔ, nufiala nyui, akɔfala lɔ̃ame, dɔwɔla bibi, xɔlɔ̃ vavã, alo nu sia nu si hiã be nàwɔ eƒe lɔlɔ̃nu.

15. Le aɖaŋuɖoɖo si dze le 1 Timoteo 4:12, 15 nu la, nu kae wòle be nɔviŋutsu ɖekakpuiwo naƒo koko na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoawɔ?

15 Ke mi nɔviŋutsu ɖekakpuiwo ya ɖe? Wohiã na ɖekakpuiwo le hamea me be woanye subɔsubɔdɔwɔlawo be woaxɔ agbanɔamedziwo le hamea me. Le hame geɖewo me la, hamemetsitsiwo sɔ gbɔ wu subɔsubɔdɔwɔlawo kuraa. Mi nɔviŋutsu ɖekakpuiwo, ɖe manyo be miatu didia ɖo be yewoaxɔ agbanɔamedzi geɖe wu le hamea me oa? Ɣeaɖewoɣi la, nɔviŋutsu aɖewo gblɔna be, “Esi menye gbeƒãɖela ko la, ema ɖeɖe su.” Ne aleae nèsena le ɖokuiwò me la, ekema, ƒo koko na Yehowa be wòana didia wò be nàdze anye subɔsubɔdɔwɔla, eye ƒo koko nɛ be wòana ŋusẽ si nèhiã la wò be nàwɔ wò ŋutete katã le subɔsubɔdɔ si nèwɔna nɛ lɔlɔ̃tɔe la me. (Nyagb. 12:1) Míehiã wò kpekpeɖeŋu!—Xlẽ 1 Timoteo 4:12, 15.

16. Nu kae wòle be míado gbe ɖa abia Yehowa, eye nu ka tae?

16 Yehowa ate ŋu ana nàzu nu sia nu si wòdi be nàte ŋu awɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Eya ta, do gbe ɖa nàbiae be wòana didia wò be nàwɔ eƒe dɔa; azɔ hã, do gbe ɖa nàbiae be wòana ŋusẽ si nèhiã la wò. Èɖanye sɔhɛ alo ame tsitsi o, wɔ wò ɣeyiɣi, ŋusẽ, aɖaŋu, kple wò nunɔamesi bubuwo ŋu dɔ nàtsɔ ade bubu Yehowa ŋu fifia. (Nyagb. 9:10) Mègaɖe mɔ gbeɖe be sese le ɖokuiwò be yemesu te o nawɔe be nàna mɔnukpɔkpɔ xɔasi siwo le ʋuʋu ɖi na wò be nàwɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me la nato ŋuwò o. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi su mí katã si be míawɔ akpa sue aɖe atsɔ ade bubu si mía Fofo lɔ̃amea dze na la eŋu!

HADZIDZI 127 Ame Si Ƒomevi Wòle Be Manye

^ mm. 5 Ðe nèsena le ɖokuiwò me be yeate ŋu awɔ geɖe na Yehowa hafia? Ðe wòwɔna na wò be viɖe aɖeke megale ye ŋu na Yehowa oa? Alo ɖe nèsena le ɖokuiwò me be mehiã be yeatsɔ ye ɖokui ana faa be yeawɔ geɖe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me oa? Nyati sia adzro mɔ vovovo siwo nu Yehowa ate ŋu ana didia kple ŋusẽ si nèhiã la wò be nàte ŋu awɔ nu si dzea eŋu la me.

^ mm. 3 Togbɔ be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me lae Paulo ŋlɔ eƒe lɛtaa na hã la, eƒe nyawo yi na Yehowa subɔlawo katã.