Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 41

Yi Edzi Nàwɔ Nuteƒe Le “Xaxa Gã” La Me

Yi Edzi Nàwɔ Nuteƒe Le “Xaxa Gã” La Me

“Milɔ̃ Yehowa, mi ame siwo katã wɔa nuteƒe nɛ! Yehowa kpɔa nuteƒewɔlawo ta.”—PS. 31:23.

HADZIDZI 129 Míayi Edzi Ado Dzi

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Nya kae xexemedziɖulawo aɖe gbeƒãe gbe ɖeka le etsɔme kpuie? (b) Biabia kawoe wòhiã be míakpɔ ŋuɖoɖo na?

KPƆE ɖa le susu me be, gbe ɖeka kple eƒe zãdodo ko la, xexemedziɖulawo ɖe gbeƒã nya si Biblia gblɔ ɖi la be “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” li. Woate ŋu aƒo adegbe be xexea mekpɔ ŋutifafa ma tɔgbi kpɔ o. Xexemedziɖulawo adi be míasusui be yewoate ŋu akpɔ xexea me ƒe kuxiwo katã gbɔ. Gake womate ŋu awɔ naneke le nu si adzɔ ɖe eyome la ŋu kura o! Nu ka tae? Nu si tae nye be, Biblia gblɔe ɖi be, “tsɔtsrɔ̃ kpata ava wo dzi kpoyi, . . . eye womate ŋu asi le enu le mɔ aɖeke nu o.”—1 Tes. 5:3.

2 Ke hã, biabia vevi aɖewo li siwo wòhiã be míakpɔ ŋuɖoɖo na; woawoe nye: Nu kawoe adzɔ le “xaxa gã” la me? Nu kawoe Yehowa adi be míawɔ ɣemaɣi? Eye aleke míate ŋu adzra mía ɖokui ɖo fifia be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa le xaxa gãa me?—Mat. 24:21.

NU KAWOE ADZƆ LE “XAXA GÔ LA ME?

3. Le Nyaɖeɖefia 17:5, 15-18 ƒe nyawo nu la, aleke Mawu le “Babilon Gã la” tsrɔ̃ gee?

3 Xlẽ Nyaɖeɖefia 17:5, 15-18. Woatsrɔ̃ “Babilon Gã la” gbidii! Abe ale si míegblɔe va yi ene la, xexemedziɖulawo mate ŋu awɔ naneke tso nu si adzɔ le ɣeyiɣi sia dzi la ŋu o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, “Mawu [atsɔe ade] woƒe dzi me be woawɔ nu si yeɖo ɖe tame la dzi.” Nu kae nye nu si Mawu ɖo ɖe tame? Eyae nye be yeana woatsrɔ̃ Babilon Gãa, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe, si ƒe akpa aɖee nye Kristodukɔa, * la keŋkeŋ. Mawu atsɔ nu si wòɖo ɖe tame la ade dzi me na ‘lã wɔadã si biã helĩhelĩ’ la ƒe ‘dzo ewoawo.’ Dzo ewo mawo le tsitre ɖi na dziɖuɖu siwo katã da megbe na Dukɔ Ƒoƒuawo—si “lã wɔadã la” le tsitre ɖi na. (Nyaɖ. 17:3, 11-13; 18:8) Ne dziɖuɖu mawo nya dze alakpasubɔsubɔhawo dzi ko la, esia anye dzesi be xaxa gãa dze egɔme. Anye ɣeyiɣi sesẽ aɖe si me nu dziŋɔwo adzɔ le eye akpɔ ŋusẽ ɖe ame sia ame si le anyigba dzi la dzi.

4. (a) Nya kae xexemedziɖulawo ate ŋu agblɔ atsɔ aɖe wo ɖokui nu be eya tae yewodze alakpasubɔsubɔhawo dzi ɖo? (b) Nu kae ame siwo nɔ subɔsubɔha mawo me tsã la ate ŋu awɔ?

4 Míenya nya siwo xexemedziɖulawo agblɔ atsɔ aɖe wo ɖokuiwo nu be emawo tae yewodze Babilon Gã la dzi ɖo o. Woate ŋu agblɔ be xexea me subɔsubɔhawoe na be ŋutifafa mele xexea me o eye wodina ɣesiaɣi be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe nu si wɔm dziɖuɖuwo le dzi. Alo woate ŋu agblɔ be subɔsubɔha mawo li kɔ kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo ɖi gleglegle. (Nyaɖ. 18:3, 7) Edze abe ne wodze subɔsubɔha mawo dzi la, womatsrɔ̃ woƒe hameviwo katã o ene. Ke boŋ, subɔsubɔ habɔbɔwo koŋue woatsrɔ̃ ɖa. Ne wonya tsrɔ̃ subɔsubɔha mawo ko la, ame siwo nye woƒe hameviwo tsã la akpɔe be yewoƒe hakplɔlawo do kpo nu eye woagblɔ be subɔsubɔha mawo ƒe nya aɖeke meka yewo o.

5. Ŋugbe kae Yehowa do ku ɖe xaxa gã la ŋu, eye nu ka tae?

5 Biblia megblɔ ɣeyiɣi didi si Babilon Gãa tsɔtsrɔ̃ axɔ la na mí o, ke hã, míenyae be esia adzɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. (Nyaɖ. 18:10, 21) Yehowa do ŋugbe be ‘yeatso’ xaxa gãa ƒe ‘ŋkekeawo dzi’ ale be woagatsrɔ̃ yeƒe ‘ame tiatiawo’ ahaɖe subɔsubɔ vavãtɔ ɖa o. (Marko 13:19, 20) Gake nu kawoe Yehowa adi tso mía si be míawɔ tso xaxa gãa ƒe gɔmedzedze va se ɖe Armagedon-ʋaa dzi?

YI EDZI NÀLÉ YEHOWA SUBƆSUBƆ ME ÐE ASI

6. Nu ka tae mía ɖokui ɖeɖe ɖa le alakpasubɔsubɔhawo ŋu ɖeɖe mesu o?

6 Abe ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, Yehowa di tso esubɔlawo si be woate wo ɖokuiwo ɖa tso Babilon Gãa gbɔ. Gake esia bia nu geɖe wu mía ɖokui ɖeɖe ɖa le alakpasubɔsubɔhawo ŋu ɖeɖe ko. Ele be míaɖoe kplikpaa be míalé subɔsubɔ vavãtɔ me ɖe asi—ɛ̃, ele be míaɖoe kplikpaa be míayi edzi asubɔ Yehowa. Bu mɔ eve aɖewo siwo nu míate ŋu awɔ esia le la ŋu kpɔ.

Neva eme be míagagblẽ míaƒe kpekpewo ɖi gbeɖe o, ne nɔnɔmeawo sesẽ alekeleke gɔ̃ hã (Kpɔ memama 7 lia) *

7. (a) Aleke míawɔ be míalé Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi sesĩe? (b) Aleke Hebritɔwo 10:24, 25 te gbe ɖe edzi be ele vevie be míakpe kple mía nɔviwo ahasubɔ Yehowa, eye nu ka tae esia le vevie ŋutɔ fifia?

7 Gbã, ele be míalé Yehowa ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi sesĩe. Mele be míada asi ɖe xexe sia ƒe agbe ƒaƒã nɔnɔ dzi gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, míedaa asi ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒomevi aɖeke dzi o, eɖanye ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe srɔ̃ɖeɖe loo alo woƒe agbenɔnɔ manɔdzɔdzɔmenu ƒomevi aɖe o. (Mat. 19:4, 5; Rom. 1:26, 27) Evelia, ele be míayi edzi anɔ kpekpem kple mía nɔvi Kristotɔwo ahanɔ Yehowa subɔm. Míate ŋu awɔ esia le teƒe sia teƒe—ate ŋu anye míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me, alo ne eva hiã la, míawɔe le mía nɔviwo ƒe aƒewo me, alo le ɣaɣlaƒe gɔ̃ hã. Nu ka kee ɖadzɔ o, míadzudzɔ kpekpewo dede be míasubɔ Yehowa gbeɖe o. Le nyateƒe me la, ehiã be míanɔ kpekpeawo dem “geɖe wu, zi ale si [míekpɔ] be ŋkeke la le ɖoɖom.”—Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25.

8. Aleke gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la ate ŋu ava trɔ le etsɔme?

8 Le xaxa gãa me la, gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la ate ŋu ava trɔ. Fifia, míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la eye míedzea agbagba be míawɔ amewo nusrɔ̃lawoe. Gake ɣemaɣi la, ate ŋu anɔ eme be míaɖe gbeƒã gbedeasi si nu asẽ si ave amewo abe ale si kpetsi kpekpewo gblẽa nu le ame ŋu vevie ene. (Nyaɖ. 16:21) Ate ŋu anye be, míaɖe gbeƒãe be wole Satana ƒe xexea tsrɔ̃ ge kpuie. Míava nya gbedeasi si tututu míaɖe gbeƒãe kple ale si míaɖe gbeƒã gbedeasiae la le etsɔme. Ðe míayi edzi awɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa abe ale si míele ewɔm ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye esia enea? Alo ɖe míazã gbeƒãɖeɖemɔnu bubuwoa? Míenya haɖe o. Mɔnu ka kee míaɖazã atsɔ aɖe gbeƒã ɣemaɣi o, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasia dzinɔameƒotɔe!—Eze. 2:3-5.

9. Aleke dukɔwo ate ŋu awɔ nu ɖe gbedeasi si míaɖe gbeƒãe ŋu, gake nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

9 Anɔ eme godoo be, gbedeasi si míaɖe gbeƒãe la ana dzi naku dukɔwo ale gbegbe be woadi be yewoana míadzudzɔ gbeƒãɖeɖedɔa keŋkeŋ. Ale si ko míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me fifiae la, nenema kee wòahiã be míaɖo ŋu ɖe eŋu ɣemaɣi. Míate ŋu aka ɖe edzi be mía Mawu la ado ŋusẽ mí be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu ade goe.—Mika 3:8.

DZRA ÐO FIFIA ÐE MAWU ƑE AMEWO DZI DZEDZE LA ŊU

10. Abe ale si wogblɔe ɖi le Luka 21:25-28 ene la, aleke ame akpa gãtɔ ase le wo ɖokui me tso nu siwo anɔ dzɔdzɔm le xaxa gãa me ŋu?

10 Xlẽ Luka 21:25-28. Le xaxa gãa me la, dzidzi aƒo amewo ne wokpɔe be nu siwo katã yewosusu be woli ke sesĩe, siwo ŋu yewoɖoa ŋu ɖo, la nu le yiyim. ‘Woase veve helĩhelĩ’ eye woanɔ vɔvɔ̃m be yewoƒe agbe ɖo afɔku me esime wova kpɔ wo ɖokuiwo le ɣeyiɣi doblukɔ tsiɖitsiɖitɔ kekeake si va kpɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me la me. (Zef. 1:14, 15) Ɣemaɣi la, anɔ eme be, agbea agasesẽ ɖe edzi na Yehowa ƒe amewo gɔ̃ hã. Esi míenye xexea ƒe akpa aɖeke o ta la, xaxawo ate ŋu ava mía dzi. Eye ɖewohĩ míakpɔ agbemenuhiahiã vevitɔ aɖewo gɔ̃ hã o.

11. (a) Nu ka tae amewo ava tɔ ŋku Yehowa Ðasefowo? (b) Nu ka tae mehiã be míavɔ̃ na xaxa gã la o?

11 Ɣeaɖeɣi le xaxa gãa me la, ave dɔ me na ame siwo nɔ subɔsubɔha siwo dziɖuɖuwo tsrɔ̃ me tsã la be wometsrɔ̃ Yehowa Ðasefowo ya o. Woadi godoo be yewoaɖe ale si gbegbe dzi le yewokumee la afia, eye woato Internet dzi hahoo kadodomɔnuwo kple mɔ vovovowo dzi awɔ esia. Dukɔawo kple wo dzi ɖula, Satana, alé fu mí le esi míawo koe ayi edzi anɔ Mawu subɔm ɣemaɣi ta. Woakpɔe be yewomete ŋu ɖo yewoƒe taɖodzinu si nye be yewoatsrɔ̃ subɔsubɔhawo katã ɖa le anyigba dzi la gbɔ o. Le esia ta la, woatɔ ŋku mí vevie. Ɣemaɣie dukɔawo ava nye Gog si tso Magog la. * Woawɔ ɖeka aho aʋa ɖe Yehowa ƒe amewo ŋu kple woƒe ŋusẽ katã. (Eze. 38:2, 14-16) Ne míele nu siwo ava dzɔ le xaxa gãa me ŋu bum la, esia ate ŋu ana míate dzimaɖitsitsi, vevietɔ, le esi míenya nu siwo katã ava dzɔ la tsitotsito o ta. Ke hã, míate ŋu aka ɖe nya sia dzi: Eyae nye be, mehiã be míavɔ̃ na xaxa gãa o. Yehowa ana mɔfiame siwo dzi wɔwɔ ana míatsi agbe la mí. (Ps. 34:19) Esia awɔe be ‘míatsi tre adzɔ kã, eye míafɔ ta dzi,’ elabena míanyae be míaƒe “ɖeɖe gogo.” *

12. Aleke “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la le kpekpem ɖe mía ŋu be míadzra ɖo ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme la ŋu?

12 Ƒe aɖewoe nye esia si “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la le míadzram ɖo be míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe le xaxa gãa me. (Mat. 24:45) Kluvia wɔ esia le mɔ geɖewo nu, gake na míadzro wo dometɔ ɖeka me: Eyae nye takpekpe gã siwo míewɔ tso ƒe 2016 va ɖo 2018 me. Wode dzi ƒo na mí le takpekpe mawo siwo va ɖe ɣeyiɣi dzi la me be míatu nɔnɔme nyui siwo míahiã esime Yehowa ƒe ŋkekea le aƒe tum la ɖo geɖe wu. Na míadzro nɔnɔme nyui mawo me.

YI EDZI NÀTU NƆNƆME NYUI SIWO NYE NUTEƑEWƆWƆ, DZIDODO, KPLE DZINƆAMEƑO ÐO GEÐE WU

Dzra ɖo fifia be nàtsi agbe le “xaxa gã” la me (Kpɔ memama 13-16 lia) *

13. Nu kae míate ŋu awɔ, si akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, eye nu ka tae wòle be míawɔe fifia?

13 Nuteƒewɔwɔ: Ƒe 2016 ƒe takpekpe gãa ƒe tanyae nye “Yi Edzi Nàwɔ Nuteƒe Na Yehowa!” Míesrɔ̃e le takpekpe ma me be, ne mía kple Yehowa dome le kplikplikpli la, míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ. Woɖo ŋku edzi na mí be, ne míedoa gbe ɖa na Yehowa vevie tso dzi me eye míeléa fɔ ɖe eƒe Nyaa sɔsrɔ̃ ŋu la, esia awɔe be mía kplii dome anɔ kplikplikpli. Esia doa ŋusẽ mí hã be míado dzi le kuxi sesẽtɔwo kekeake gɔ̃ hã me. Esi Satana ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, ele be míakpɔ mɔ be míava do go xɔse ƒe dodokpɔ siwo sẽ wu, siwo ado ale si míeɖoe kplikpaa be míawɔ nuteƒe na Mawu kple eƒe Fiaɖuƒea la akpɔ. Anɔ eme be, amewo ayi edzi anɔ fewu ɖum le mía ŋu. (2 Pet. 3:3, 4) Susu siwo tae woawɔ esia ɖo la dometɔ ɖekae nye be míedea Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖeke dzi o. Ele be míado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míawɔ nuteƒe na Yehowa la fifia ale be míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe nɛ le xaxa gãa me.

14. (a) Tɔtrɔ kae ava ku ɖe nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe amewo dome le anyigba dzi la ŋu? (b) Nu ka tae wòahiã be míawɔ nuteƒe ɣemaɣi?

14 Le xaxa gãa me la, tɔtrɔ aɖe ava ku ɖe nɔviŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe amewo dome le anyigba dzi la ŋu. Ɣeaɖeɣi le xaxa gãa me la, woaƒo amesiamina siwo katã gakpɔtɔ le anyigba dzi la nu ƒu ɖe dziƒo ale be woawɔ ɖeka kple dziƒoʋakɔawo woawɔ Armagedon-ʋa la. (Mat. 24:31; Nyaɖ. 2:26, 27) Esia fia be, Dɔdzikpɔhaa maganɔ mía gbɔ le anyigba dzi o. Ke hã, ameha gã la akpɔtɔ anɔ ɖoɖo nu. Nɔviŋutsu siwo dze, siwo nye alẽ bubuawo me tɔwo la axɔ ŋgɔ le Yehowa ƒe amewo dome. Ahiã be míakpe asi ɖe nɔviŋutsu siawo ŋu ahawɔ ɖe woƒe mɔfiafia si tso Mawu gbɔ la dzi atsɔ aɖee afia be míewɔa nuteƒe na wo. Esia ko hafi míate ŋu atsi agbe!

15. Nu kae míate ŋu awɔ, si akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi ado dzi, eye nu ka tae esia wɔwɔ le vevie fifia?

15 Dzidodo: Ƒe 2017 ƒe takpekpe gãa ƒe tanyae nye “Mègana Ta O!” Takpekpe sia kpe ɖe mía ŋu be míado ŋusẽ mía ɖokuiwo ale be míate ŋu ado dzi le dodokpɔwo me. Míesrɔ̃e be menye nɔnɔme deamedziwoe nana míedoa dzi o. Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, esia ate ŋu ado ŋusẽ mí míado dzi. (Rom. 12:12) Neva eme be, míagaŋlɔ ŋugbe sia si Yesu do be, “Ame si do dzi va se ɖe nuwuwu la, eyae akpɔ ɖeɖe” la be gbeɖe o. (Mat. 24:13) Yesu ƒe ŋugbedodo sia fia be, ele be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me. Ne míedoa dzi le nɔnɔme sesẽ siwo vaa mía dzi fifia la dometɔ ɖe sia ɖe me la, esia akpe ɖe mía ŋu míatu xɔse sẽŋu ɖo fifia hafi xaxa gã la nadze egɔme.

16. Nu ka gbɔe míaƒe dzinɔameƒo tsona, eye aleke míawɔ be dzi nanɔ mía ƒo fifia?

16 Dzinɔameƒo: Ƒe 2018 ƒe takpekpe gãa ƒe tanyae nye “Lé Dzi Ðe Ƒo!” Woɖo ŋku edzi na mí le takpekpe sia me be, menye míawo ŋutɔwo ƒe ŋutetewo gbɔe wòatso be dzi nanɔ mía ƒo o. Abe ale si wòle le dzidodo gome ene la, ehiã be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu hafi míate ŋu atu dzinɔameƒo vavãtɔ ɖo. Nu kae míawɔ be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu? Eyae nye be, míanɔ eƒe Nyaa xlẽm gbe sia gbe ahanɔ ŋugble dem le ale si wòɖe eƒe amewo le blema la ŋu. (Ps. 68:20; 2 Pet. 2:9) Ne dukɔwo va dze mía dzi le xaxa gãa me la, ɣemaɣie wòahiã vevie be dzi nanɔ mía ƒo eye míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. (Ps. 112:7, 8; Heb. 13:6) Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu fifia la, esia awɔe be dzinɔameƒo si míahiã be míate ŋu anɔ te sesĩe le Gog ƒe amedzidzedzea me la nasu mía si. *

MINA MIAƑE DZI NAKU ÐE MIAƑE ÐEÐEKPƆKPƆ ŊU

Yesu kple eƒe dziƒoʋakɔwo le sɔ ɣiwo dzi va Armagedon-ʋaa wɔ ge be woatsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo, eye ameha gã aɖe tsi agbe! (Kpɔ memama 17 lia)

17. Nu ka tae mele be míavɔ̃ na Armagedon o? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

17 Abe ale si míegblɔe le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, le mía dometɔ akpa gãtɔ gome la, ŋkeke mamlɛawo mee míele agbe le tso gbe si gbe wodzi mí ke. Gake mɔnukpɔkpɔ le ʋuʋu ɖi na mí be míanɔ agbe ato xaxa gã la me ado. Armagedon-ʋa lae anye nudzɔdzɔ mamlɛtɔ si ahe nuɖoanyi sia ava nuwuwui. Ke hã, mele be míavɔ̃ kura o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, Mawu tɔe aʋa la nye. (Lod. 1:33; Eze. 38:18-20; Zak. 14:3) Ne Yehowa nya ɖe gbe ko la, Yesu Kristo axɔ ŋgɔ na Mawu ƒe aʋakɔwo. Amesiamina siwo wofɔ yi dziƒo la kple mawudɔla akpe teƒe akpewo anɔ eŋu. Wo katã woawɔ aʋa kple Satana, kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, kpakple woƒe aʋakɔ siwo le anyigba dzi la siaa.—Dan. 12:1; Nyaɖ. 6:2; 17:14.

18. (a) Ŋugbe kae Yehowa do na mí? (b) Nu ka tae nya siwo dze le Nyaɖeɖefia 7:9, 13-17 la na kakaɖedzi su asiwò ɖe etsɔme ŋu?

18 Yehowa do ŋugbe be: “Lãnu sia lãnu si woatu ɖe ŋuwò la madze edzi o.” (Yes. 54:17) Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ƒe “ameha gã aɖe” atsi agbe ‘ado go tso xaxa gã la me’! Eye woayi edzi anɔ subɔsubɔ kɔkɔe tsɔm na eyama. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 7:9, 13-17.) Biblia na susu geɖe siwo tae míate ŋu aka ɖe edzi be míakpɔ ɖeɖe le etsɔme la mí! Míenyae be “Yehowa kpɔa nuteƒewɔlawo ta.” (Ps. 31:23) Anye dzidzɔ na ame siwo katã lɔ̃ Yehowa eye wokafunɛ la be yewoakpɔe wòakɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu.—Eze. 38:23.

19. Yayra wɔnuku kae asu mía si le etsɔme kpuie?

19 Bu ale si woaŋlɔ 2 Timoteo 3:2-5 me nyawo ne wòanye be ame siwo anɔ xexe yeyea me, siwo dzi Satana magakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖo o, la ɖɔmee wòle la ŋu kpɔ. (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Amewo Ƒe Nɔnɔme Anɔ Ɣemaɣi.”) Nɔviŋutsu George Gangas, * si nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ, si wu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu, la gblɔe ale: “Ne anyigbadzinɔlawo katã nye Yehowa subɔlawo la, aleke gbegbee agbea avivii ye nye esi! Eteƒe madidi o, mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nànɔ agbe le nuɖoanyi yeyea me. Zi ale si Yehowa le agbe ko la, wò hã ànɔ agbe. Míanɔ agbe tegbee.” Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye esi!

HADZIDZI 122 Minɔ Te Sesĩe, Maʋamaʋãe!

^ mm. 5 Míenyae be “xaxa gã” aɖe le ameƒomea dzi va ge kpuie. Nu kae adzɔ ɖe Yehowa subɔlawo dzi ɣemaɣi? Nu kawoe Yehowa adi tso mía si be míawɔ ɣemaɣi? Nɔnɔme nyui kawoe wòhiã be míagatu ɖo geɖe wu fifia be míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe le xaxa gãa me? Míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia siawo le nyati sia me.

^ mm. 3 NYAMEÐEÐE: Dzesideŋkɔ si nye Kristodukɔa fia subɔsubɔha siwo katã gblɔna be Kristotɔwo yewonye gake womefiaa amewo be woasubɔ Yehowa le mɔ si dzea eŋu nu o.

^ mm. 11 NYAMEÐEÐE: Dzesideŋkɔ si nye Gog si tso Magog (kple eƒe kpuitɔ si nye, Gog) la fia dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si aho aʋa ɖe Yehowa subɔlawo ŋu le xaxa gãa me.

^ mm. 11 Ne èdi numekɔkɔ geɖe ku ɖe nu siwo adzɔ va se ɖe Armagedon dzi ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum! ƒe ta 21. Ne èdi numekɔkɔ tsitotsitso ku ɖe Gog si tso Magog ƒe amedzidzedzea kple ale si Yehowa axɔ na eƒe amewo le Armagedon me ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Yehowa Ƒe Tadedeagu DzadzɛaWogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba! ƒe ta 17 kple 18.

^ mm. 16 Ƒe 2019 ƒe takpekpe gã, si ƒe tanyae nye “Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O!” la, kpe ɖe mía ŋu míeka ɖe edzi be míate ŋu ayi edzi anɔ dedie le Yehowa, mía Mawu si lɔ̃ mí la, ƒe ametakpɔkpɔ te.—1 Kor. 13:8.

^ mm. 19 Kpɔ nyati si nye “Eƒe Dɔwɔwɔwo Adze Eyome” si dze le December 1, 1994, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 65 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le xaxa gãa me la, Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe lé dzi ɖe ƒo va kpe ɖekae le ave aɖe me hele nu srɔ̃m le hamea ƒe kpekpe aɖe me.

^ mm. 67 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ƒe ameha gã aɖe atsi agbe ado tso xaxa gã la me kple dzidzɔ!