Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 44

Ðe Viwòwo Atsi Ava Subɔ Yehowa?

Ðe Viwòwo Atsi Ava Subɔ Yehowa?

“Yesu le tsitsim, eƒe nunya hã le dzidzim ɖe edzi, eye eƒe nu nyo Mawu kple amewo siaa ŋu.”—LUKA 2:52.

HADZIDZI 134 Ðeviwo Nye Domenyinu Tso Yehowa Gbɔ

NYA VEVIAWO *

1. Nyametsotso kae nye nyuitɔ kekeake si ame awɔ le agbe me?

ZI GEÐE LA, tiatia siwo dzilawo wɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo viwo dzi. Ne dzilawo wɔ tiatia siwo mesɔ o la, ate ŋu agblẽ nu le wo viwo ŋu. Gake ne dzilawo wɔ tiatia nyuiwo la, ana wo viwo nakpɔ dzidzɔ, eye agbea hã nadze edzi na wo. Gake ele be ɖeviawo ŋutɔwo hã nawɔ tiatia nyuiwo. Nyametsotso nyuitɔ kekeake si ame awɔ le agbe me ye nye be wòatiae be yeasubɔ Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame, si le dziƒo la.—Ps. 73:28.

2. Tiatia nyui kawoe Yesu kple edzilawo wɔ?

2 Yesu dzilawo ɖoe kplikpaa be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu woasubɔ Yehowa, eye tiatia siwo wowɔ la ɖee fia be Yehowa subɔsubɔe nye nu vevitɔ na wo le agbe me. (Luka 2:40, 41, 52) Yesu hã wɔ tiatia nyui siwo kpe ɖe eŋu wòte ŋu wɔ nu si Yehowa di be wòawɔ. (Mat. 4:1-10) Esi Yesu tsi la, elɔ̃ amewo, ewɔ nuteƒe, eye dzi nɔ eƒo. Dzidzɔ kple dadae wòanye na dzila siwo katã lɔ̃ Yehowa be yewo vi nanɔ abe Yesu ene.

3. Biabia kawo ŋue míaɖo le nyati sia me?

3 Le nyati sia me la, míadzro biabia siawo me: Tiatia nyui kawoe Yehowa wɔ ku ɖe Yesu ŋu? Nu kae dzila Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso tiatia siwo Yesu dzila siwo nye Yosef kple Maria wɔ me? Eye nu kawoe Kristotɔ sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ tso tiatia siwo Yesu wɔ la me?

SRƆ̃ YEHOWA ƑE KPƆÐEŊUA

4. Tiatia vevi kae Yehowa wɔ ku ɖe Via ŋu?

4 Yehowa tia dzila nyuitɔwo na Yesu. (Mat. 1:18-23; Luka 1:26-38) Maria ƒe dzimenya siwo wògblɔ woŋlɔ ɖe Biblia me la ɖee fia be elɔ̃ Yehowa kple eƒe Nya la vevie. (Luka 1:46-55) Ale si Yosef wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ɖee fia be evɔ̃a Mawu eye wòdina be yeawɔ nu si dzea eŋu.—Mat. 1:24.

5-6. Nu kawo me Yehowa ɖe mɔ Via to?

5 De dzesii be, Yehowa metia dzila siwo nye gatɔwo na Yesu o. Nu si Yosef kple Maria tsɔ sa vɔ le Yesu dziɣi ɖee fia be woda ahe. (Luka 2:24) Anye be kapitadɔwɔƒe sue aɖe nɔ Yosef si le woƒe aƒe me le Nazaret. Mlɔeba la, vi adre alo esiwo wu ema ye va nɔ wo si, si wɔe hã be ga kple nu boo menɔ wo si o.—Mat. 13:55, 56.

6 Yehowa kpɔ Yesu ta le afɔku aɖewo me, gake mekpɔ eta le kuxi ɖe sia ɖe me o. (Mat. 2:13-15) Le kpɔɖeŋu me, ele be Yesu nado dzi anɔ te ɖe ƒometɔ siwo mexɔ edzi se o la ƒe nuwɔnawo nu. Bu ale si wòanya te ɖe Yesu dzi be ame siwo nye eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo mexɔ edzi se le gɔmedzedzea me be eyae nye Mesia la o ŋu kpɔ. (Marko 3:21; Yoh. 7:5) Azɔ hã, anɔ eme be, ele be Yesu nanɔ te ɖe Fofoa si xɔe nyi, Yosef ƒe ku si do vevesese nɛ la nu. Anɔ eme be, Yosef ƒe kua wɔe be ele be Yesu nava xɔ ɖe fofoa teƒe anɔ dɔwɔɖui si fofoa wɔna la wɔm. (Marko 6:3) Esi Yesu nɔ tsitsim la, esrɔ̃ ale si wòalé be na nɔviawo kple nɔa. Anɔ eme be ewɔ dɔ sesĩe kpɔ wo dzi. Eya ta Yesu nya ale si ɖeɖi tea ame ŋu ne ewɔ dɔ ŋkeke bliboa.

Dzilawo, mikpe ɖe mia viwo ŋu woakpɔ ale si woate ŋu azã Biblia atsɔ anɔ te ɖe kuxi siwo ava wo dzi le agbe me la nu (Kpɔ memama 7 lia) *

7. (a) Nyabiase kawoe akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu le vihehe me? (b) Le Lododowo 2:1-6 ƒe nya nu la, nu kae wòle be dzilawo nafia wo viwo be woawɔ?

7 Ne srɔ̃tɔe mienye eye miadi be yewoadzi viwo la, mibia mia ɖokui be: Ðe míenye ɖokuibɔbɔla siwo lɔ̃ Yehowa kple eƒe Nya la? ‘Ðe Yehowa atia mí be míakpɔ vi, si nye nu xɔasi dzia?’ (Ps. 127:3, 4) Ne dzilae nènye la, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe mefiaa vinyewo be woawɔ dɔ sesẽa?’ (Nyagb. 3:12, 13) ‘Ðe mewɔa tɔnye sinua be makpɔ vinyewo ta tso afɔku siwo le Satana ƒe xexea me la si mea?’ (Lod. 22:3) Manya wɔ be nàkpɔ viwòwo ta le kuxi ɖe sia ɖe si me woato le agbe me la me o. Vivivi la, àte ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔ ale si woate ŋu azã Biblia atsɔ anɔ te ɖe kuxi siwo ava wo dzi le agbe me la nu. (Xlẽ Lododowo 2:1-6.) Le kpɔɖeŋu me, ne ƒometɔ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la, zã Biblia nàtsɔ akpe ɖe viwòwo ŋu be woakpɔ nu si tae wòle vevie be woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. (Ps. 31:23) Alo ne miaƒe ame vevi aɖe ku la, zã Biblia nàtsɔ akpe ɖe viwòwo ŋu woasrɔ̃ ale si woanɔ te ɖe nuxaxa nu eye woakpɔ akɔfafa.—2 Kor. 1:3, 4; 2 Tim. 3:16.

SRƆ̃ YOSEF KPLE MARIA ƑE KPƆÐEŊUA

8. Aleke Yosef kple Maria wɔ ɖe mɔfiame si dze le 5 Mose 6:6, 7 dzi?

8 Yosef kple Maria, siwo nye Yesu dzilawo la kpe ɖe eŋu wòtsi va zu ame si ƒe nu dzea Mawu ŋu, elabe wowɔ ɖe mɔfiame siwo Yehowa na dzilawo la dzi. (Xlẽ 5 Mose 6:6, 7.) Yosef kple Maria lɔ̃ Yehowa vevie, eye nu si le vevie na wo wue nye be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu woalɔ̃ Yehowa nenema ke.

9. Tiatia vevi kawoe Yosef kple Maria wɔ?

9 Yosef kple Maria kpakple wo viwo doa vevie Yehowa subɔsubɔ. Ðikeke mele eme o be, woyia ƒuƒoƒe si le Nazaret la kwasiɖa sia kwasiɖa, eye woyia Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe le Yerusalem ƒe sia ƒe. (Luka 2:41; 4:16) Anɔ eme be, ne ƒomea zɔ mɔ yina Yerusalem la, wowɔa mɔnukpɔkpɔ mawo ŋu dɔ tsɔ fiaa nu Yesu kple nɔviawo tso Yehowa ƒe amewo ƒe ŋutinyawo ŋu, eye anɔ eme be woyi teƒe aɖewo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Ŋɔŋlɔawo me hã. Anɔ eme be, esi ƒomea va nɔ ta kekem la, menɔ bɔbɔe na Yosef kple Maria be woanɔ wo viawo kplɔm ayi ƒuƒoƒea kwasiɖa sia kwasiɖa alo ayi Ŋutitotoa ɖuƒe ƒe sia ƒe o. Gake nu nyuiwo do tso eme, elabe esi wotsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me ta la, ena be ƒome bliboa va lé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu.

10. Nu kawoe dzila Kristotɔwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yosef kple Maria gbɔ?

10 Nu kae dzila siwo vɔ̃a Mawu la ate ŋu asrɔ̃ tso Yosef kple Maria gbɔ? Nu si le vevie wue nye be, nàna viwòwo nakpɔe le wò nuƒoƒo kple nuwɔnawo me be èlɔ̃ Yehowa vevie. Nunana gãtɔ kekeake si nàte ŋu ana viwòwo ye nye be nàkpe ɖe wo ŋu woalɔ̃ Yehowa. Eye nu vevi siwo nàte ŋu afia viwòwo dometɔ aɖewoe nye be nàkpe ɖe wo ŋu be woanɔ nu srɔ̃m, anɔ gbe dom ɖa eye woanɔ kpekpeawo kple gbeadzi dem. (1 Tim. 6:6) Ke hã, ele be nàkpɔ ɖeviawo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo hã gbɔ na wo. (1 Tim. 5:8) Gake ɖo ŋku edzi be menye ŋutilãmenuwoe ana viwòwo natsi agbe le xexe sia ƒe nuwuwu age ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me o, ke boŋ ale si wo kple Yehowa dome le kplikplikpli ye akpe ɖe wo ŋu. *Eze. 7:19; 1 Tim. 4:8.

Enye dzidzɔ be dzila Kristotɔ geɖewo le tiatia nyuiwo wɔm, si akpe ɖe wo viwo ŋu be wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli! (Kpɔ memama 11 lia) *

11. (a) Aleke aɖaŋuɖoɖo si dze le 1 Timoteo 6:17-19 akpe ɖe dzilawo ŋu woawɔ tiatia nyuiwo ne wole wo viwo hem? (b) Taɖodzinu kawoe miate ŋu aɖo le miaƒe ƒomea me, eye yayra kawoe ate ŋu ado tso eme? (Kpɔ aɖaka si nye, “ Taɖodzinu Kawoe Miate Ŋu Aɖo?”)

11 Enye dzidzɔ be dzila Kristotɔ geɖewo le tiatia nyuiwo wɔm, si akpe ɖe wo viwo ŋu be wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli! Wowɔa ɖeka subɔa Mawu. Wodea kpekpewo kple takpekpewo. Eye woɖea gbeƒã nya nyuia. Ƒome aɖewo gɔ̃ hã vae ɖea gbeƒã la teƒe siwo hiahiã le. Ƒome aɖewo ɖia tsa yia Betel alo kpea asi ɖe habɔbɔa ƒe xɔtudɔwo ŋu. Ƒome siwo tiae be yewoawɔ nu siawo la zãa ga ɖe nu siawo ŋu eye ate ŋu ana nuwo nasesẽ na wo. Gake Yehowa yraa wo geɖe ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. (Xlẽ 1 Timoteo 6:17-19.) Ðevi siwo wohe le ƒome siawo ƒomevi me la, yia edzi wɔa nu nyui mawo ne wo tsi, eye edzɔa dzi na wo be yewo dzilawo he yewo nenema! *Lod. 10:22.

SRƆ̃ YESU ƑE KPƆÐEŊUA

12. Tiatia kae wòhiã be Yesu nawɔ esime wònɔ tsitsim?

12 Yesu Fofo si le dziƒo wɔ tiatia nyuiwo ɣesiaɣi, eye edzila siwo nɔ anyigba dzi hã wɔ tiatia nyui siwo ɖe vi nɛ. Ke hã, esi Yesu nɔ tsitsim la, ehiã be eya ŋutɔ nawɔ eƒe tiatiawo. (Gal. 6:5) Tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe nɔ esi abe amegbetɔ ɖe sia ɖe ko ene. Ate ŋu atiae be yeawɔ nu si dze ye ŋu hafi. Gake mewɔe nenema o, ke boŋ etiae be ye kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. (Yoh. 8:29) Nu kae sɔhɛ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso eƒe kpɔɖeŋua me?

Sɔhɛwo, migagbe mia dzilawo ƒe mɔfiamewo gbeɖe o (Kpɔ memama 13 lia) *

13. Tiatia vevi kae Yesu wɔ esime wòkpɔtɔ nye sɔhɛ?

13 Esi Yesu nye ɖevi la, ebɔbɔ eɖokui na edzilawo. Megbe toɖoɖo edzilawo kpɔ le esi wòsusui be yenya nu wu wo ta o. Ke boŋ, ‘eyi edzi bɔbɔ eɖokui na wo.’ (Luka 2:51) Yesu wɔ etɔ sinua abe vi tsitsia ene le ƒomea me. Eku kutri vevie srɔ̃ kapitadɔ tso fofoa si xɔe nyi gbɔ ale be wòatsɔe akpe ɖe ƒomea ŋu.

14. Aleke míewɔ nya be Yesu srɔ̃a Mawu ƒe Nya la vevie?

14 Anɔ eme be Yesu dzilawo gblɔ nukumɔ si dzi woto dzii kple nya siwo Mawu ƒe amedɔdɔwo gblɔ tso eŋu la nɛ. (Luka 2:8-19, 25-38) Yesu mese nya mawo ko evɔ o; ke boŋ eya ŋutɔ srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo le eɖokui si. Aleke míewɔ nya be Yesu srɔ̃a Mawu ƒe Nya la vevie? Nu si tae nye be, esime wònye ŋutsuvi dzaa la, nufiala siwo nɔ Yerusalem “ƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.” (Luka 2:46, 47) Eye esime Yesu xɔ ƒe 12 pɛ ko la, eka ɖe edzi be Yehowae nye ye Fofo.—Luka 2:42, 43, 49.

15. Aleke Yesu ɖee fia be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le vevie na ye?

15 Esi Yesu va nya nu si Yehowa di tso esi la, etiae be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu. (Yoh. 6:38) Yesu nyae be amewo alé fu ye. Togbɔ be menye nenemae wòadi be amewo nawɔ nu ɖe ye ŋu o hã la, etiae be yeaɖo to Yehowa. Esime wonyrɔ Yesu le ƒe 29 K.Ŋ. me la, nu si nɔ vevie nɛ wu le agbe me ye nye be yeawɔ nu si Yehowa di tso ye si. (Heb. 10:5-7) Esime Yesu nɔ kukum le fuwɔametia ŋu gɔ̃ hã la, eɖoe kplikpaa be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu ade goe.—Yoh. 19:30.

16. Nu kae ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?

16 Ðo to dziwòlawo. Abe Yosef kple Maria ene la, dziwòlawo hã mede blibo o. Gake Yehowa de dɔ asi na dziwòlawo be woakpɔ tawò, ahe wò, eye woafia mɔ wò. Ne èɖoa to woƒe aɖaŋuɖoɖowo eye nèdea bubu wo ŋu la, ‘eme anyo na wò.’—Ef. 6:1-4.

17. Le Yosua 24:15 ƒe nya nu la, nyametsotso kae wòle be sɔhɛwo ŋutɔwo nawɔ?

17 Tia ame si nàsubɔ. Ele be wò ŋutɔ nànya ame si Yehowa nye, eƒe tameɖoɖo, kple ale si nàte ŋu awɔ eƒe lɔlɔ̃nu le wò agbe me. (Rom. 12:2) Ne èwɔe alea la, akpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ nyametsotso vevitɔ kekeake le agbe me, si nye be nàtiae be yeasubɔ Yehowa. (Xlẽ Yosua 24:15; Nyagb. 12:1) Ne èsrɔ̃a Biblia gbe sia gbe la, ale si nèlɔ̃ Yehowa anɔ dzidzim ɖe edzi eye wò xɔse hã anɔ sesẽm ɖe edzi.

18. Tiatia kae wòle be sɔhɛwo nawɔ, eye nu kae ado tso tiatia si woawɔ la me?

18 Na Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na wò le agbe me. Satana ƒe xexea donɛ ɖe ŋgɔ be ne èzã ŋutete siwo le asiwò na wò ŋutɔ wò viɖewo la, ana nàkpɔ dzidzɔ. Le nyateƒe me la, ame siwo tsɔa woƒe susu katã ɖoa ŋutilãmenuwo ŋu la ‘tsɔa vevesese geɖe ŋɔa wo ɖokuiwo flofloflo.’ (1 Tim. 6:9, 10) To vovo na woawo la, ne èɖo to Yehowa eye nètiae be eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na wò le agbe me la, àkpɔ dzidzedze eye “àwɔ nu le nunya me.”—Yos. 1:8.

TIATIA KAE NÀWƆ?

19. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na dzilawo?

19 Dzilawo, miwɔ mia tɔ sinua miakpe ɖe mia viwo ŋu woasubɔ Yehowa. Miɖo ŋu ɖe eŋu eye akpe ɖe mia ŋu miawɔ tiatia nyuiwo. (Lod. 3:5, 6) Miɖo ŋku edzi be nu siwo miewɔna akpɔ ŋusẽ ɖe mia viwo dzi wu nya siwo miegblɔna. Eya ta miwɔ tiatia siwo akpe ɖe mia viwo ŋu woawɔ nu siwo ana woƒe nu nadze Yehowa ŋu.

20. Yayra kawoe sɔhɛwo akpɔ ne wotiae be yewoasubɔ Yehowa?

20 Sɔhɛwo, mia dzilawo ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miawɔ tiatia nyuiwo. Gake ɖo ŋku edzi be wò ŋutɔe awɔ nu siwo ana be wò nu nadze Mawu ŋu. Eya ta srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua eye nàtiae be yeasubɔ Fofowò lɔ̃ame si le dziƒo la. Ne èwɔe alea la, ana nàwɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me, taɖodzinu anɔ wò agbe ŋu eye àkpɔ dzidzɔ fiafia. (1 Tim. 4:16) Eye le etsɔme la, àse vivi na agbea bliboe!

HADZIDZI 133 Sɔhɛwo—Misubɔ Yehowa Fifia

^ mm. 5 Dzila Kristotɔwo dina be yewoviwo nakpɔ dzidzɔ eye woatsi ava subɔ Yehowa. Tiatia kawoe dzilawo ate ŋu awɔ si akpe ɖe wo viwo ŋu be woaɖo taɖodzinu mawo gbɔ? Tiatia kawoe wòahiã be Kristotɔ sɔhɛwo nawɔ be woakpɔ dzidzedze vavãtɔ le agbe me? Nyati sia aɖo biabia mawo ŋu.

^ mm. 11 Kpɔ aɖaka si nye, “Dzinyelawo Ƒe Nu Nyo Ŋunye Ale Gbegbe” si dze le January 2012 ƒe Nyɔ! me, axa 20, kple nyati si nye, “Woŋlɔ Lɛta Tɔxɛ Aɖe Na Wo Dzilawo” si dze le July 8, 1999 ƒe Nyɔ! me, axa 30.

^ mm. 66 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA KPLE FOTOA ME: Maria ku ale si wòle vevie be Yesu nalɔ̃ Yehowa la ɖe dzi me nɛ. Vidada siwo li egbea hã ate ŋu afia wo viwo ale si woalɔ̃ Yehowa.

^ mm. 68 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA KPLE FOTOA ME: Anɔ eme be edzɔa dzi na Yosef be wòakplɔ eƒe ƒomea ayi ƒuƒoƒea. Ele vevie be vifofo siwo li egbea nakplɔ woƒe ƒomea ayi kpekpeawo

^ mm. 70 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA KPLE FOTOA ME: Yesu srɔ̃ asinudɔ tso fofoa gbɔ. Sɔhɛ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ dɔ aɖewo wɔwɔ tso wo fofowo gbɔ.