Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 41

Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Gbãtɔ

Ale Si Míakpe Ðe Biblia-nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ—Akpa Gbãtɔ

“Mieɖee fia be miawoe nye Kristo ƒe agbalẽ si mí subɔlawo míeŋlɔ.”—2 KOR. 3:3.

HADZIDZI 78 “Mawu Ƒe Nya La” Fialawo Míenye

NYA VEVIAWO *

Dzidzɔ gã ka gbegbee wòanye na hame bliboa ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe yi ŋgɔ va xɔ nyɔnyrɔ! (Kpɔ memama 1)

1. Aleke 2 Korintotɔwo 3:1-3 kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ wònye na mí be míasrɔ̃ Biblia kple ame aɖe wòava xɔ nyɔnyrɔ? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

ALEKE nèsena le ɖokuiwò me ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe si tso miaƒe hamea me la xɔ nyɔnyrɔ? Ðikeke mele eme o be dzi dzɔa wò ŋutɔ. (Mat. 28:19) Ne wòe srɔ̃ Biblia kple nusrɔ̃la yeye ma la, dzi adzɔ wò ŋutɔ be exɔ nyɔnyrɔ! (1 Tes. 2:19, 20) Nusrɔ̃la yeye mawo nye “kafukafugbalẽwo,” menye na ame siwo srɔ̃ nua kpli wo ko o, ke boŋ na hame bliboa katã.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 3:1-3.

2. (a) Biabia vevi ka ŋue wòhiã be míade ŋugble le, eye nu ka tae? (b) Nu kae nye Biblia-nusɔsrɔ̃? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

2 Dzi dzɔ mí ŋutɔ be le ƒe ene siwo va yi me la, míesrɔ̃ Biblia kple ame 10,000,000 ɣleti sia ɣleti le mama dedie nu le xexea me godoo. * Eye le mama dedie nu le ƒe mawo me la, ame siwo wu 280,000 ye xɔ nyɔnyrɔ ƒe sia ƒe zu Yehowa Ðasefowo kple Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la yeyewo. Aleke míate ŋu akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃vi miliɔn gbogbo siwo susɔ la ŋu woava xɔ nyɔnyrɔ? Zi ale si Yehowa yi edzi gbɔ dzi ɖi le ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔ nam amewo be woava zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo la, míedi be míawɔ nu sia nu si míate ŋui akpe ɖe wo ŋu be woayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ kaba ale si wòanya wɔe, elabena ɣeyiɣia vɔ vɔ!—1 Kor. 7:29a; 1 Pet. 4:7.

3. Nu ka me míadzro le nyati sia me ku ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋu?

3 Esi nusrɔ̃la wɔwɔ dɔa le vevie ta la, Dɔdzikpɔhaa ku nu me tso alɔdzedɔwɔƒewo gbɔ be woakpɔe ɖa be aleke míate ŋu akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ hã. Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míakpɔe ɖa be nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso mɔɖelawo, dutanyanyuigblɔlawo, kple nutome sue dzikpɔla bibiwo gbɔ. * (Lod. 11:14; 15:22) Woƒo nu tso nu si Biblia-nufialawo kple woƒe nusrɔ̃viwo ate ŋu awɔ be Biblia-nusɔsrɔ̃a natse ku la ŋu. Le nyati sia me la, míaƒo nu tso nu vovovo atɔ̃ siwo wòahiã be nusrɔ̃via nawɔ be wòate ŋu ayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ la ŋu.

MISRƆ̃ NUA KWASIÐA SIA KWASIÐA

Bia nusrɔ̃via be yewoate ŋu akpɔ teƒe aɖe anɔ anyi nɔm ɖo anɔ Biblia srɔ̃m hã (Kpɔ memama 4-6 lia)

4. Nu kae wòle be míanya tso Biblia-sɔsrɔ̃ kple amewo le ʋɔtru nu ŋu?

4 Mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu geɖe srɔ̃a Biblia kple amewo le woƒe ʋɔtruwo nu. Togbɔ be esia nyo be míatsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia-sɔsrɔ̃ ŋu hã la, zi geɖe la nusɔsrɔ̃ mawo nɔa kpuie eye meyia edzi kwasiɖa sia kwasiɖa o. Be nusɔsrɔ̃a nayi edzi la, nɔvi aɖewo xɔa ɖetsɔlemetɔawo ƒe telefon xexlẽdzesi eye emegbe la, woƒoa ka na wo alo ɖoa text message ɖe wo tsɔ dzroa ŋɔŋlɔ aɖe me kpli wo kpuie. Woate ŋu anɔ dze mawo ɖom ɣleti geɖe evɔ womaɖo Biblia-nusɔsrɔ̃ anyi o. Ðe dze kpui mawo ɖoɖo kple nusrɔ̃via ate ŋu akpe ɖe eŋu be wòayi ŋgɔ le eƒe Biblia-sɔsrɔ̃ me ava ɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔa? Kura o.

5. Nya kae Yesu gblɔ le Luka 14:27-33 si míate ŋu azã atsɔ akpe ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu?

5 Gbe ɖeka la, Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tso nu si wòle be ame nawɔ hafi anye eƒe nusrɔ̃la la ŋu. Le kpɔɖeŋua me la, eƒo nu tso ame aɖe si di be yeatu xɔ kple fia aɖe si yina aʋa kpe ge kple fia bubu ŋu. Yesu gblɔ tso ame si di be yeatu xɔa ŋu be, ele be ‘wòanɔ anyi abu eŋu kɔnta gbã’ akpɔe ɖa be yeate ŋu awu enu hã, eye egblɔ tso fia la ŋu be, ele be ‘wòanɔ anyi abu eŋuti gbã’ akpɔe ɖa be yeate ŋu aɖu aʋaa dzi hã. (Xlẽ Luka 14:27-33.) Le mɔ ma ke nu la, Yesu nyae be ele be ame si di be yeava zu yeƒe nusrɔ̃laa nanɔ anyi abu eŋu nyuie. Le susu sia ta la, ele be míade dzi ƒo na ame siwo di be yewoava zu nusrɔ̃lawo la be woalɔ̃ míanɔ nua srɔ̃m kpli wo kwasiɖa sia kwasiɖa. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

6. Be nusɔsrɔ̃a nayi ŋgɔ la, nu kae wòle be míawɔ?

6 Dze agbagba nàdzi ɣeyiɣi si mietsɔ srɔ̃a nua le ʋɔtrua nu ɖe edzi. Ðewohĩ ne mawunyakpukpui ɖeka me míedzrona la, àte ŋu adzro eve me kplii ɣesiaɣi si nètrɔ yi egbɔ. Ne nusrɔ̃via va le dzidzɔ kpɔm ɖe Biblia me dzeɖoɖo mawo siwo didi vie ŋu la, àte ŋu abiae be yewoate ŋu akpɔ teƒe aɖe anɔ anyi nɔm ɖo anɔ nua srɔ̃m hã. Ale si wòaɖo nya sia ŋu aɖe ale si gbegbe nusɔsrɔ̃a le vevie nɛ la afia. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, àte ŋu abia nusrɔ̃via be adi be yewoanɔ nua srɔ̃m zi eve le kwasiɖaa me be nusɔsrɔ̃a natsɔ afɔ hã. Ke hã, ebia nu geɖe wu nua sɔsrɔ̃ zi ɖeka alo zi eve kwasiɖa sia kwasiɖa.

DZRA ÐO ÐE NUSƆSRƆ̃ ÐE SIA ÐE ŊU

Wò ŋutɔ dzra ɖo ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃a ŋu nyuie, eye nàfia nusrɔ̃via hã ale si wòadzra ɖo (Kpɔ memama 7-9 lia)

7. Aleke Biblia-nufiala ate ŋu adzra ɖo nyuie ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu?

7 Ele be wò, si nye Biblia-nufialaa, nàdzra ɖo ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu. Gbãa, xlẽ nu si srɔ̃ ge miala to eme, eye nàxlẽ mawunyakpukpuiawo. De dzesi nya veviawo. Bu nusɔsrɔ̃a ƒe tanya, tanya sueawo, nyabiaseawo, mawunyakpukpui siwo gbɔ woŋlɔ ɖo be “xlẽ,” nɔnɔmetatawo kple fotoawo kple video siwo nàte ŋu azã atsɔ aɖe nyatia me la ŋu. Azɔ na nusrɔ̃via ƒe nu nanɔ susu me na wò nàde ŋugble le mɔ siwo dzi nàte ŋu ato aɖe nusɔsrɔ̃a me kpokploe be eme nakɔ nɛ wòate ŋu ase egɔme awɔ ɖe edzi la ŋu.—Neh. 8:8; Lod. 15:28a.

8. Nu kae apostolo Paulo ƒe nya siwo dze le Kolosetɔwo 1:9, 10 fia mí tso gbedodoɖa ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ta ŋu?

8 Nu bubu si nàte ŋu awɔ ne èle dzadzram ɖo ye nye be nàdo gbe ɖa na Yehowa tso nusrɔ̃via kple eƒe hiahiãwo ŋu. Do gbe ɖa na Yehowa nàbiae be wòakpe ɖe ŋuwò nàte ŋu azã Biblia atsɔ afia nu amea le mɔ si aɖo eƒe dzi gbɔ nu. (Xlẽ Kolosetɔwo 1:9, 10.) Dze agbagba nàkpɔe ɖa be nu kawo gɔme sesee asesẽ na nusrɔ̃via alo asesẽ nɛ be wòalɔ̃ ɖe wo dzi hã. Nenɔ susu me na wò be wò taɖodzinue nye be nàkpe ɖe eŋu be woàyi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ.

9. Aleke Biblia-nufiala aɖe ate ŋu akpe ɖe eƒe nusrɔ̃vi ŋu be wòadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu do ŋgɔ?

9 Míele mɔ kpɔm be ne míeva le nua srɔ̃m edziedzi la, esia aʋã nusrɔ̃via be wòakpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa kple Yesu wɔ la ŋu, eye esia awɔe be wòadi be yeagasrɔ̃ nu geɖe akpee. (Mat. 5:3, 6) Be nusɔsrɔ̃a nate ŋu aɖe vi na nusrɔ̃via bliboe la, ele be wòana eƒe susu katã nanɔ nu si srɔ̃m wòle la ŋu. Le esia ta la, kpe ɖe eŋu be wòakpɔ nu si tae wòle vevie be wòadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu do ŋgɔ eye wòade ŋugble tso eŋu akpɔ ale si wòate ŋu awɔ eŋu dɔe. Aleke Biblia-nufialaa ate ŋu awɔ esiae? Wò kple nusrɔ̃via midzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ aɖe ŋu ɖekae ne wòakpɔ ale si wòate ŋu awɔ esiae. * Kpe ɖe eŋu wòake ɖe nyabiaseawo ƒe ŋuɖoɖowo ŋu eye nàfiae ale si wòade dzesi nya vevi siwo akpe ɖe eŋu be wòaɖo ŋku ŋuɖoɖoawo dzi. Eyome fiae ale si wòaɖo nya ŋu le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me. Ne ete ŋu ɖoa nya ŋu le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me la, akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si gbegbe wòle nu siwo srɔ̃m wòle la gɔme semee. Gake nu bubu aɖe gali si nàte ŋu ade dzi ƒo na wò nusrɔ̃via be wòawɔ.

FIAE BE WÒANƆ DZE ÐOM KPLE YEHOWA GBE SIA GBE

Fia wò nusrɔ̃via ale si wòanɔ dze ɖom kple Yehowa (Kpɔ memama 10-11 lia)

10. Nu ka tae wòle vevie be nusrɔ̃via nanɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe, eye nu kae wòle be wòawɔ be Biblia xexlẽa naɖe vi nɛ bliboe?

10 Tsɔ kpe ɖe nu si Biblia-nufialaa kple Biblia-nusrɔ̃via wosrɔ̃na kwasiɖa sia kwasiɖa ŋu la, ele be nusrɔ̃via nanɔ nanewo wɔm le eɖokui si gbe sia gbe be woaɖe vi nɛ. Ele be wòanɔ dze ɖom kple Yehowa. Aleke wòawɔ esiae? Ele be wòanɔ to ɖom Yehowa eye wòanɔ nu ƒom kplii. Ate ŋu aɖo to Mawu ne exlẽa Biblia gbe sia gbe. (Yos. 1:8; Ps. 1:1-3) Fiae ale si wòate ŋu azã “Biblia Xexlẽ Ƒe Ðoɖowɔɖi” si le jw.org le eƒe Biblia xexlẽ me. * Nya lae nye be, be nàkpe ɖe eŋu be Biblia xexlẽa naɖe vi nɛ bliboe la, de dzi ƒo nɛ be wòade ŋugble le nu si Biblia xexlẽa le efiam tso Yehowa ŋu la ŋu eye wòawɔ nu siwo srɔ̃m wòle la ŋu dɔ le eƒe agbe me.—Dɔw. 17:11; Yak. 1:25.

11. Aleke nusrɔ̃vi awɔ asrɔ̃ ale si wòado gbe ɖa nyuie, eye nu ka tae wòle vevie be wòanɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi?

11 De dzi ƒo na wò nusrɔ̃via be wòato gbedodoɖa dzi anɔ nu ƒom na Yehowa gbe sia gbe. Do gbe ɖa tso dzi me le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze kple eƒe nuwuwu eye nàyɔ wò nusrɔ̃via ƒe ŋkɔ le gbedodoɖa mawo me. Ne nusrɔ̃via se ale si nèdoa gbe ɖae la, asrɔ̃ ale si wòado gbe ɖa tso dzi me na Yehowa Mawu to Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. (Mat. 6:9; Yoh. 15:16) Kpɔ ale si Biblia xexlẽ gbe sia gbe, si nye toɖoɖo Yehowa, kple gbedodoɖa, si nye nuƒoƒo kple Yehowa, akpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu be wòagate ɖe Yehowa ŋu kplikplikplii ɖa! (Yak. 4:8) Ne nusrɔ̃via wɔa nu siawo gbe sia gbe la, woakpe ɖe eŋu wòayi ŋgɔ ava ɖe adzɔgbe eye wòaxɔ nyɔnyrɔ. Nu bubu ka hãe akpe ɖe eŋu?

KPE ÐE EŊU BE XƆLƆ̃WƆWƆ NAVA NƆ EYA KPLE YEHOWA DOME

12. Aleke Biblia-nufiala ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be eya kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli?

12 Mele be nu siwo srɔ̃m Biblia-nusrɔ̃via le la nanya se nɛ ko evɔ o, ke boŋ ele be wòawɔ dɔ ɖe eƒe dzi dzi. Nu ka tae? Nu si tae nye be, míaƒe dzi, si nye míaƒe didiwo kple seselelãmewo, ye ʋãa mí míewɔa nu siwo srɔ̃m míele la dzi. Yesu fia nu geɖe amewo, eye edzɔa dzi na amewo be yewoasrɔ̃ nu tso egbɔ. Gake amewo dze Yesu yome, elabe eƒe nufiafiawo de dzi gbɔ na wo. (Luka 24:15, 27, 32) Na wò nusrɔ̃via nakpɔe be Ame ŋutɔŋutɔe Yehowa nye, eye ate ŋu ana woa kplii dome nava nɔ kplikplikpli. Na wòakpɔe hã be, ate ŋu ana Yehowa nanye Fofoa, eƒe Mawu, kple Exɔlɔ̃. (Ps. 25:4, 5) Le Biblia-nusrɔ̃ɣia, he nusrɔ̃via ƒe susu yi mía Mawu la ƒe nɔnɔme nyuiawo dzi. (2 Mose 34:5, 6; 1 Pet. 5:6, 7) Nyati ka ke me dzrom míeɖale o, he susu yi Ame si ƒomevi Yehowa nye la dzi. Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòase Yehowa ƒe nɔnɔme nyui siwo nye lɔlɔ̃, dɔmenyonyo kple nublanuikpɔkpɔ gɔme nyuie. Yesu gblɔ be “sedede gãtɔ kple gbãtɔ” ye nye be ‘nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu la.’ (Mat. 22:37, 38) Dze agbagba nàkpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòalɔ̃ Mawu vevie tso dzi me.

13. Gblɔ ale si míate ŋu akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòava srɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu la ƒe kpɔɖeŋu.

13 Le wò kple Biblia-nusrɔ̃via ƒe dzeɖoɖowo me la, na wòakpɔe be èlɔ̃ Yehowa vevie. Esia ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔe be ele be yeana ye hã ye kple Mawu dome nava nɔ kplikplikpli. (Ps. 73:28) Le kpɔɖeŋu me, ɖe nya aɖe dze le nusrɔ̃gbalẽa me, alo le ŋɔŋlɔ aɖe me, si ɖe nane fia tso Yehowa, eƒe lɔlɔ̃, nunya, dzɔdzɔenyenye alo ŋusẽ ŋu si wɔ dɔ ɖe dziwò veviea? Gblɔe na wò nusrɔ̃via, eye nàna wòanya be emae nye susu siwo ta nèlɔ̃ Fofowò si le dziƒo la dometɔ ɖeka. Nu bubu aɖe gali si wòhiã be Biblia-nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe nawɔ be wòayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ.

DE DZI ƑO NƐ BE WÒADE HAME ƑE KPEKPEWO

De dzi ƒo na wò nusrɔ̃via be wòadze kpekpeawo dede gɔme kaba ale si wòanya wɔ! (Kpɔ memama 14-15 lia)

14. Nya kawoe Hebritɔwo 10:24, 25 gblɔ tso kpekpeawo dede ŋu si ate ŋu akpe ɖe Biblia-nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòayi ŋgɔ?

14 Mí katã míedi be míaƒe nusrɔ̃viwo nayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ. Mɔ vevi aɖe si dzi míate ŋu ato akpe ɖe wo ŋue nye be míade dzi ƒo na wo be woanɔ hame ƒe kpekpewo dem. Gbeƒãɖela bibiwo gblɔ be nusrɔ̃vi siwo tea kpekpeawo dede enumake la yia ŋgɔ kabakaba. (Ps. 111:1) Gbeƒãɖela aɖewo ɖea eme na woƒe nusrɔ̃viwo be ne wodea kpekpeawo la, woagasrɔ̃ nu geɖewo akpe esiwo srɔ̃m yewole le nusrɔ̃gbalẽa me. Xlẽ Hebritɔwo 10:24, 25 na nusrɔ̃via, eye nàkpe ɖe eŋu wòakpɔ ale si kpekpeawo dede aɖe vi nɛ. Ðe video si nye, Nu Kawoe Yia Edzi Le Fiaɖuƒe Akpata Me? * la fiae. Kpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu be wòaɖoe kplikpaa be yeanɔ kpekpeawo dem kwasiɖa sia kwasiɖa.

15. Nu kawoe míate ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na nusrɔ̃vi aɖe be wòanɔ kpekpeawo dem edziedzi?

15 Nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wò nusrɔ̃vi ŋu ne mede hame ƒe kpekpe aɖeke kpɔ o alo medena edziedzi o? Tsɔ dzidzɔ ƒo nu tso nane si nèsrɔ̃ le kpekpe aɖe me nyitsɔ laa ŋu nɛ. Ne èwɔe nenema la, awɔ dɔ ɖe edzi wu be nàgblɔ nɛ ko be nede hame ƒe kpekpeawo. Tsɔ Gbetakpɔxɔ alo Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ si zãm míele le kwasiɖa ma me la nɛ. Tsɔ nu siwo míasrɔ̃ le kpekpe si akplɔe ɖo me fiae eye nàbiae be wo dometɔ ka ŋue wòadi vevie be yeanya nu tso. Nu siwo wò nusrɔ̃via akpɔ kple nya siwo wòase ne ede kpekpea zi gbãtɔ la aƒo nu siwo katã wòkpɔ kpɔ alo se kpɔ le tsɔtsi siwo katã wòde me kpɔ va yi. (1 Kor. 14:24, 25) Le kpekpeawo me la, ado go nɔvi siwo ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo wòate ŋu asrɔ̃ kple ame siwo ate ŋu akpe ɖe eŋu be wòayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ.

16. Nu kawoe wòle be Biblia-nufiala nawɔ atsɔ akpe ɖe eƒe nusrɔ̃vi ŋu be wòayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ, eye nu ka me míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

16 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Biblia kple nusrɔ̃viwo be woava xɔ nyɔnyrɔ? Míate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu ade dzi ƒo nɛ be wòadzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu, eye wòana míanɔ nua srɔ̃m kwasiɖa sia kwasiɖa. Ele be míade dzi ƒo nɛ hã be wòanɔ dze ɖom kple Yehowa gbe sia gbe eye wòana eya kplii dome nanɔ kplikplikpli. Anyo be míade dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòanɔ hame ƒe kpekpewo dem edziedzi. (Kpɔ aɖaka si le axa 12 lia si ƒe tanyae nye, “ Nu Siwo Wòle Be Nusrɔ̃viwo Nawɔ Be Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ.”) Ke hã, abe ale si míasrɔ̃e le nyati si kplɔ esia ɖo me ene la, nu atɔ̃ bubu aɖewo li siwo wòle be Biblia-nufiala nawɔ atsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ.

HADZIDZI 76 Ðe Dzi Medzɔa Wò Oa?

^ mm. 5 Be woafia nane ame aɖe bia be woakpe ɖe amea ŋu “wòabu tame, atrɔ eƒe nɔnɔme alo ale si wòsena le eɖokui me tso nane ŋu.” Míaƒe ƒe 2020 ƒe mawunyakpukpuia, si nye Mateo 28:19, ɖo ŋku ale si wòle vevie be míasrɔ̃ Biblia kple amewo eye míakpe ɖe wo ŋu be woava zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la xɔnyɔnyrɔwo la dzi na mí. Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míakpɔ ale si míagabi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa sia me.

^ mm. 2 NYAMEÐEÐE: Ne èdzroa Biblia me kple ame aɖe edziedzi la, efia be èle Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm ye nye ema. Ne èsrɔ̃ nu kple ame aɖe zi eve esi nèɖe ale si míewɔa nusɔsrɔ̃ me nɛ vɔ megbe, eye nèka ɖe edzi be nusɔsrɔ̃a ayi edzi ko la, ekema àte ŋu abu eŋuti kɔnta be enye Biblia-nusɔsrɔ̃.

^ mm. 3 Woɖe nya aɖewo siwo ate ŋu aɖe vi na mí tso Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ July 2004 va se ɖe May 2005 ƒe nyati siwo nye, “Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ” me de nyati siawo me.

^ mm. 9 Kpɔ miniti ene ƒe video si nye Kpe Ðe Nusrɔ̃viwo Ŋu Woadzra Ðo Do Ŋgɔ. Ele JW Library®, àkpɔe le MEDIA > MÍAƑE KPEKPEWO KPLE SUBƆSUBƆDƆA > ALE SI NÀWƆ ABI ÐE EDZI.

^ mm. 10 Àkpɔe le BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > BIBLIASƆSRƆ̃ ƑE DƆWƆNUWO.

^ mm. 14 Ele JW Library®, àkpɔe le, MEDIA > MÍAƑE KPEKPEWO KPLE SUBƆSUBƆDƆA > ÐASEÐIÐI ƑE DƆWƆNUWO.