Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzra Wò Kple Yehowa Dome Ðo

Dzra Wò Kple Yehowa Dome Ðo

ƑE SIA ƑEA, wogbugbɔ xɔa Yehowa ƒe alẽ xɔasi siwo woɖe le hamea me siwo trɔ dzi me la ɖe haa me ake. Bu ‘dzidzɔ si gbegbe wònyena le dziƒo’ ne alẽ siawo trɔ va Yehowa gbɔ ŋu kpɔ! (Luka 15: 7, 10) Ne wotrɔ xɔ wò ɖe haa mea, ka ɖe edzi be Yesu, mawudɔlawo, kple Yehowa ŋutɔ kpɔa dzidzɔ be ègatrɔ gbɔ va nyateƒea me. Ke hã, esi nèle agbagba dzem be yeadzra wò kple Yehowa dome ɖoa, àdo go kuxi aɖewo. Kuxi mawo dometɔ aɖewoe nye kawo, eye nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu wo dzi?

KUXIAWOE NYE KAWO?

Dzi ɖena le nɔvi geɖe siwo wotrɔ xɔ ɖe haa me la ƒo. Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me abe Fia David ene. Esi wotsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee vɔ gɔ̃ hã, egblɔ be: “Nye vodada gbogboawo kɔ gbɔ tanye.” (Ps. 40:12; 65:3) Ame siwo trɔ va Yehowa gbɔ ate ŋu anɔ fɔ bum wo ɖokui alo anɔ ŋu kpem hena ƒe geɖe. Isabelle, si woɖe le haa me, si wogaxɔ ƒe 20 megbe la gblɔ be: “Esesẽ nam be maxɔe ase be Yehowa tsɔe kem.” * Eya ta ne dzi ɖe le ƒowòa, wò kple Yehowa dome agate ŋu ava gbɔdzɔ. (Lod. 24:10) Mègana esia nadzɔ ɖe dziwò o.

Ame bubuwo sena le wo ɖokui me be, menye dɔ vie wòanye be yewoagadzra yewo kple Yehowa dome ɖo o. Antoine, si wogbugbɔ xɔ ɖe haa me gblɔ be, “Meŋlɔ nu akpa gãtɔ siwo mewɔna esime menye Ðasefo la be.” Esiawo ate ŋu ana wòasesẽ na ame aɖewo be woagatso ɖe woƒe afɔwo dzi.

Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ahom sesẽ aɖe gbã ame aɖe ƒe aƒe. Ne ebu dɔ si gbegbe wòbia be wòagadzra aƒe ma ɖo ŋua, dzi ate ŋu aɖe le eƒo. Nenema kee ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe si na mía kple Yehowa dome gblẽ, eye míebu dɔ si gbegbe wòabia be míadzra mí kple Yehowa dome ɖoa, dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo. Gake nu kae akpe ɖe mía ŋu?

Yehowa kpe mí be: “Miva ne míakpɔ mía dome nyawo gbɔ.” (Yes. 1:18) Yehowa lɔ̃ wò le esi nèdze agbagba ‘kpɔ mi kplii dome nyawo gbɔ’ ta. Esi nètrɔ va Yehowa gbɔ ta la, èna Yehowa kpɔ nu si dzi wòanɔ te ɖo aɖo nya ŋu na Satana si le alɔme ɖem le eŋu!—Lod. 27:11.

Esi nètrɔ va Yehowa gbɔ taa, ète ɖe eŋu, eye eya hã do ŋugbe be yeate ɖe ŋuwò. (Yak. 4:8) Enyo be nɔvi bubuwo nakpɔe be ètrɔ va hamea me, gake ele be nàwɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Ele be nàyi edzi awɔ nu siwo ana nàgalɔ̃ Yehowa, si nye Fofowo kple Xɔ̃wò, geɖe wu. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

ÐO TAÐODZINU SIWO GBƆ NÀTE ŊU AÐO

Ðo taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo. Anɔ eme be mèŋlɔ nu siwo nènya tso Yehowa kple tame siwo wòɖo ku ɖe etsɔme ŋu la be o. Gake ahiã be nàwɔ nu siwo ana nàgatso ɖe wò afɔwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, gbeƒãɖeɖe kple kpekpeawo dede edziedzi kpakple hadede kple nɔviwo le vevie. Àte ŋu aɖo taɖodzinu siawo.

Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi. Fofowò si le dziƒo la nyae be, ne wò dzi le fɔ bum wò la, ate ŋu asesẽ be nàdo gbe ɖa na ye. (Rom. 8:26) Ke hã, Yehowa di be ‘nànɔ gbe ɖom ɖa’ na ye agblɔ ale si nèdi be ye kplii dome nanɔ la na ye. (Rom. 12:12) Andrej gblɔ be: “Mebua fɔ ɖokuinye ŋutɔ, eye ŋu kpeam. Gake ɣesiaɣi si medo gbe ɖa na Yehowa la, nye dzi dzea eme, eye nye susu dzea akɔ anyi.” Ne mènya nya si tututu nàgblɔ le gbedodoɖa me oa, àte ŋu ade ŋugble tso nya siwo Fia David si trɔ dzi me la gblɔ woŋlɔ ɖe Psalmo 51 kple 65 lia me ŋu.

Nɔ Biblia srɔ̃m edziedzi. Esia ana wò xɔse nasẽ, eye wòana ale si nèlɔ̃ Yehowa nade to. (Ps. 19:7-11) Felipe gblɔ be: “Esi nyemenɔ Biblia srɔ̃m o taa, ena meva gbɔdzɔ, eye mewɔ nu si va te ɖe Yehowa dzi. Esi nyemedi be nu ma nagadzɔ ɖe dzinye o taa, meva nɔ Biblia srɔ̃m le ɖokuinye si.” Wò hã àte ŋu awɔe nenema. Ne èhiã kpekpeɖeŋu le nu siwo tɔgbi nàte ŋu asrɔ̃ le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ mea, àte ŋu abia nɔvi aɖe si tsi le xɔse me be wòakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe nyati mawo ŋu.

Dze agbagba nàna wò kple nɔviwo dome naganɔ kplikplikpli. Ame siwo wogbugbɔ xɔ ɖe haa me la dometɔ aɖewo ate ŋu anɔ sesem le wo ɖokuiwo me be ame siwo le hamea me ate ŋu anɔ susu manyomanyowo bum ɖe yewo ŋu. Larissa gblɔ be: “Ŋu kpem vevie. Mese le ɖokuinye be medo ŋukpe nɔviawo. Eye mese le ɖokuinye me alea hena ɣeyiɣi didi aɖe.” Ka ɖe edzi be hamemetsitsiwo kple nɔvi siwo tsi le xɔse me la le klalo be yewoakpe ɖe ŋuwò ale be wò kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli. (Kpɔ aɖaka si nye “ Kpekpeɖeŋu Si Hamemetsitsiwo Ate Ŋu Ana.”) Edzɔ dzi na nɔviawo be nègatrɔ va Yehowa gbɔ, eye wodi be nàkpɔ dzidzɔ!—Lod. 17:17.

Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàgate ɖe nɔvi siwo le hamea me ŋu wu? Nɔ kpekpeawo dem edziedzi, eye nàwɔ ɖeka kple nɔviawo anɔ gbeadzi yim. Aleke esia akpe ɖe ŋuwòe? Felix gblɔ be: “Nɔviawo nɔ mɔ kpɔm be matrɔ ava Yehowa gbɔ. Esia na mekpɔe be wolɔ̃m. Woxɔm atuu va hamea me, si na mekpɔe be wotsɔe kem, eye esia kpe ɖe ŋunye meyi Yehowa subɔsubɔ dzi.”—Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Si Nàte Ŋu Awɔ.

MÈGANA TA O!

Satana ayi edzi ahe nɔnɔme sesẽ siwo le abe “ahom” ene ava dziwò. (Luka 4:13) Ke hã, yi edzi nàwɔ nu siwo ana wò kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wu.

Yehowa do ŋugbe sia ku ɖe eƒe alẽwo ŋu be: “Madi esiwo bu la, makplɔ esiwo tra mɔ agbɔe, mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, eye mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ.” (Eze. 34:16) Yehowa kpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu wogadzra wò kplii dome ɖo. Eya ta ka ɖe edzi be akpe ɖe ŋuwò nàdzra wò kplii dome si gblẽ la hã ɖo.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.