Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 42

Ka Ðe Edzi Be Yeke Ðe Nyateƒea Ŋu

Ka Ðe Edzi Be Yeke Ðe Nyateƒea Ŋu

“Mido nuwo katã kpɔ; milé ɖe nu si nyo la ŋu.”—1 TES. 5:21.

HADZIDZI 142 Míalé Míaƒe Mɔkpɔkpɔa Me Ðe Asi Sesĩe

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae na ame geɖe tɔtɔ?

 AME akpa gãtɔ siwo le subɔsubɔha vovovowo mea, gblɔna be yewosubɔa Mawu le mɔ nyuitɔ nu. Esia na ame geɖe tɔtɔ, eye wobiana be: “Ðe subɔsubɔhawo katã dzea Mawu ŋua alo subɔsubɔha vavã ɖeka koe lia?” Ðe mí Yehowa Ðasefowo míeka ɖe edzi be míawoe fiaa nyateƒea, eye míezɔna ɖe subɔsubɔ vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu si dzea Yehowa ŋu nu la dzia? Ðe míate ŋu akpɔ kakaɖedzi ŋutɔŋutɔ na nya siawoa? Na míakpɔ kpeɖodziawo ɖa.

2. Le 1 Tesalonikatɔwo 1:5 ƒe nya nua, nu kae na apostolo Paulo ka ɖe edzi be nu si dzi yexɔ se la nye nyateƒe?

2 Kakaɖedzi sẽŋu nɔ apostolo Paulo si be nu si dzi yexɔ se la nye nyateƒe. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 1:5.) Mexɔ nyateƒe nya mawo dzi se le esi wonya se nɛ ta ko o. Paulo srɔ̃a Mawu ƒe Nyaa veviedodotɔe, exɔe se be “Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.” (2 Tim. 3:16) Nu kawoe Paulo va de dzesii le Ŋɔŋlɔawo me? Eva kpɔ nu siwo ɖo kpe edzi kɔtɛ be Yesue nye Mesia si ŋugbe wodo, evɔ Yuda subɔsubɔhakplɔlawo ya ŋe aɖaba ƒu kpeɖodzi mawo dzi. Subɔsubɔhakplɔla alakpanuwɔla mawo gblɔna be yewofiaa nu amewo tso Mawu ŋu, evɔ woawo ŋutɔwo wɔa nu siwo Mawu lé fui. (Tito 1:16) To vovo na woawo la, Paulo ya metiae be yeaxɔ Mawu ƒe Nyaa ƒe akpa aɖewo dzi ase evɔ yemaxɔ bubuawo ya dzi ase o. Enɔ klalo be yeafia “Mawu ƒe lɔlɔ̃nu blibo la katã” amewo, eye yeawɔ ɖe wo dzi.—Dɔw. 20:27.

3. Ðe wòle be míakpɔ ŋuɖoɖo na míaƒe nyabiase ɖe sia ɖe hafi aka ɖe edzi be nu siwo dzi míexɔ sea, nye nyateƒea? (Kpɔ aɖaka si nye “ Yehowa Ƒe Dɔwo Kple Susuwo—‘Mele Xexlẽ Me O.’”)

3 Ame aɖewo susuna be ele be subɔsubɔha vavãtɔ nate ŋu aɖo nyabiase ɖe sia ɖe ŋu, esiwo mele Biblia me o gɔ̃ hã. Gake ɖe susu ma sɔa? Bu Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Ede dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo be ‘Woado nuwo katã kpɔ,’ gake elɔ̃ ɖe edzi be menye nu sia nu gɔmee yese o. (1 Tes. 5:21) Paulo gblɔ be: “sidzedze afãafã ye le mía si,” eye wògblɔ kpee be, “míekpɔa nu flukpee to gahuhɔ̃e aɖe me.” (1 Kor. 13:9, 12) Menye nu sia nu gɔmee Paulo se o, eye menye nu sia nu gɔmee míawo hã míese o. Ke hã, Paulo nya nyateƒenya vevi siwo ku ɖe Yehowa ŋu, eye esia na wòka ɖe edzi be nu siwo dzi yexɔ se la, nye nyateƒe!

4. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi be míeke ɖe nyateƒea ŋu, eye nu ka mee míadzro ku ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu?

4 Mɔ aɖe si dzi míato aka ɖe edzi be míeke ɖe nyateƒea ŋue nye be míatsɔ subɔsubɔ vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖoa, asɔ kple ale si Yehowa Ðasefowo subɔna egbeae. Le nyati sia mea, míakpɔ ale si Kristotɔ vavãwo (1) ƒoa asa na trɔ̃subɔsubɔ, (2) wodea bubu ŋkɔ Yehowa ŋu, (3) wolɔ̃ nyateƒea, kple (4) ale si wolɔ̃a wo nɔewo tso dzi me.

MÍEƑOA ASA NA TRƆ̃SUBƆSUBƆ

5. Nu kae míesrɔ̃ tso Yesu gbɔ le mɔ nyuitɔ si dzi míato asubɔ Mawu la ŋu, eye aleke míate ŋu awɔ ɖe nu siwo wòfia la dzi?

5 Yesu lɔ̃ Mawu vevie, eya ta esubɔ eya ɖeka ko, esime wònɔ dziƒo kple esime wòva anyigba dzi siaa. (Luka 4:8) Efia eƒe nusrɔ̃lawo hã be woawɔe nenema. Yesu loo alo eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo mezã nɔnɔmewɔwɔwo le woƒe subɔsubɔ me o. Mawu nye gbɔgbɔ, eya ta ame aɖeke mate ŋu awɔ naneke si ɖii o! (Yes. 46:5) Ke ɖe wòasɔ be woawɔ ame kɔkɔewo ƒe kpetatawo anɔ gbe dom ɖa na woa? Le Se Ewoawo ƒe evelia mea, Yehowa gblɔ be: “Mègawɔ legba alo nu siwo le dziƒo, alo anyigba dzi, . . . ƒe nɔnɔme na ɖokuiwò o. Mègade ta agu na wo o.” (2 Mo. 20:4, 5) Nya sia me kɔ nyuie na ame siwo di be yewo ƒe nu nadze Mawu ŋu.

6. Subɔsubɔ ƒe kpɔɖeŋu ka dzie Yehowa Ðasefowo zɔna ɖo egbea?

6 Ŋutinyaŋlɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ mea, subɔ Mawu ɖeka ko. Le kpɔɖeŋu me, ŋutinyagbalẽ aɖe gblɔ be: “Anyɔ ŋu na Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me be woazã nɔnɔme wɔwɔwo le subɔsubɔ me.” (History of the Christian Church) Egbea, Yehowa Ðasefowo zɔna ɖe kpɔɖeŋu si Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖo ɖi la dzi. Mímedoa gbe ɖa na “ame kɔkɔewo,” alo mawudɔlawo, alo na Yesu gɔ̃ hã o. Mímedoa gbe na aflaga alo wɔa nu bubu aɖeke si fia be míele dukɔa subɔm o. Nu ka kee ɖadzɔ o, míeɖoe kplikpaa be míaɖo to nya si Yesu gblɔ. Egblɔ be: “Yehowa wò Mawue nàde ta agu na.”—Mat. 4:10.

7. Mɔ kawo nue Yehowa Ðasefowo to vovo na subɔsubɔha bubuwo le?

7 Egbea, ame geɖe dina be yewoaɖo to hakplɔla xɔŋkɔwo. Woƒe nu dzɔa dzi na wo ale gbegbe be ɖeko wòle abe ɖe wole wo subɔm ene. Amewo lɔna hoo yia woƒe tsɔtsiwo, ƒlea woƒe agbalẽwo, eye wodzɔa ga gbogbo aɖewo be yewoatsɔ akpe asi ɖe woƒe dɔ bubuwo ŋu. Ame aɖewo wɔna ɖe woƒe nya sia nya dzi. Wokpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu abe Yesue wokpɔ ene! To vovo na woawo la, kplɔlawo mele Yehowa subɔla vavãwo ya si o. Togbɔ be míedea bubu ame siwo xɔa ŋgɔ le mía dome ŋu hã, míewɔna ɖe nya si Yesu gblɔ la dzi. Egblɔ be: “Mi katã la, nɔviwo mienye.” (Mat. 23:8-10) Mímesubɔa subɔsubɔhakplɔlawo alo dunyahelawo o, eye mímekpea asi ɖe woƒe ɖoɖowo ŋu o. Míedea akpa aɖeke dzi o. Míetoa mɔ siawo dzi ɖenɛ fiana be míeto vovo na ame akpa gãtɔ siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye.—Yoh.18:36.

MÍEDEA BUBU ŊKƆ YEHOWA ŊU

Dadae wònye na Kristotɔ vavãwo be wofia nu amewo tso Yehowa ŋu (Kpɔ memama 8-10 lia) *

8. Aleke míewɔ nya be Yehowa di be woado yeƒe ŋkɔ ɖe dzi eye woana amewo nanyae?

8 Ɣeaɖeɣia, Yesu do gbe ɖa be: “Fofo, do wò ŋkɔ ɖe dzi.” Enumake gbe gã aɖe ɖi tso dziƒo be, medoe ɖe dzi. (Yoh. 12:28) Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa katã wɔɣia, edo Fofoa ƒe ŋkɔ ɖe dzi. (Yoh. 17:26) Eya ta esɔ be míakpɔ mɔ be wòanye dada na Kristotɔ vavãwo be yewoazã Mawu ƒe ŋkɔa, eye yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu woanyae.

9. Aleke Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖee fia be yewodea bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu?

9 Esi woɖo Kristo hamea anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, Yehowa “trɔ susu ɖe dukɔwo ŋu . . . be yeaɖe amewo tso wo dome hena yeƒe ŋkɔ la.” (Dɔw. 15:14) Dadae wònye na Kristotɔ gbãtɔ mawo be yewoazã Mawu ƒe ŋkɔa, eye yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu woanyae. Wozã Mawu ƒe ŋkɔa enuenu le woƒe subɔsubɔdɔa kple woƒe nuŋlɔɖiwo me. * Woto esia dzi ɖee fia be yewo koe nye ame si na amewo nya Mawu ƒe ŋkɔa.—Dɔw. 2:14, 21.

10. Nu kawoe ɖo kpe edzi be Yehowa Ðasefowo koe zãa ŋkɔ Yehowa?

10 Yehowa Ðasefowo koe nana amewo nyaa Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa. Bu kpeɖodzi sia ŋu kpɔ. Egbea, subɔsubɔhakplɔlawo to mɔ ɖe sia ɖe dzi be yewoana Mawu ƒe ŋkɔa nanɔ ɣaɣla. Woɖe ŋkɔa ɖa le woƒe Bibliawo me, eye le go aɖewo mea, wode se na woƒe hameviwo be woagazã ŋkɔa o. * Ðe malɔ̃ ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo koe dea bubu si dze ŋkɔ Yehowa ŋu oa? Míawo koe nana amewo nyana Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le xexea me godoo! Subɔsubɔha bubu aɖeke mete ŋu wɔ esia o. Míeto esia dzi ɖee fiaa be ŋkɔ Yehowa Ðasefo si le mía ŋu la sɔ ŋutɔ. (Yes. 43:10-12) Míeta Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia miliɔn 240 kple edzivɔ. Eye le Biblia sia mea, míezã ŋkɔ Yehowa le teƒe siwo woɖee ɖa le le Biblia bubuwo me. Eye míeta Biblia srɔ̃gbalẽ siwo me wozã ŋkɔ Yehowa le, le gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 kple edzivɔ sɔŋ me!

MÍELƆ̃ NYATEƑEA

11. Aleke Kristotɔ gbãtɔwo ɖee fia be yewolɔ̃ nyateƒea?

11 Yesu lɔ̃ nyateƒe siwo ku ɖe Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. Ale si Yesu nɔ agbe la ɖee fia be enya nyateƒea, eye wokpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã woanyae. (Yoh. 18:37) Yesu yomedzela vavãwo hã lɔ̃ nyateƒea vevie. (Yoh. 4:23, 24) Le nyateƒe mea, apostolo Petro gblɔ tso Kristotɔnyenye ŋu be enye “nyateƒemɔ la.” (2 Pet. 2:2) Esi Kristotɔ gbãtɔwo lɔ̃ nyateƒea vevie taa, woƒo asa na subɔsubɔdzixɔsewo, dekɔnuwo kple ame ŋutɔ ƒe susu siwo mewɔ ɖeka kple nyateƒea o. (Kol. 2:8) Nenema kee egbea, Kristotɔ vavãwo ‘yia edzi zɔna le nyateƒe la me’ eye nu siwo dzi woxɔ se kple ale si wonɔa agbee la, wɔ ɖeka kple nu siwo le Yehowa ƒe Nyaa me.—3 Yoh. 3, 4.

12. Ne Dɔdzikpɔha kpɔe be ehiã be woawɔ asitɔtrɔ aɖe le nu siwo dzi míexɔ se ŋua, nu kae wowɔna, eye nu ka tae?

12 Mawu ƒe amewo megblɔna be yewose nu sia nu si le Biblia me la gɔme bliboe o. Ɣeaɖewoɣi la, wowɔa vodada aɖewo le woƒe dzixɔsewo kple ale si nuwo zɔna le hamea me la ŋu. Mele be esia nawɔ nuku na mí o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be sidzedze vavãtɔ nɔa dzidzim ɖe edzi. (Kol. 1:9, 10) Yehowa ɖea nyateƒea ɖe go vivivi, eya ta ele be míagbɔ dzi ɖi be nyateƒea ƒe kekelia me nakɔ ɖe edzi. (Lod. 4:18) Ne Dɔdzikpɔha kpɔe be ehiã be woatrɔ asi le nane si dzi míexɔ se ŋu la, womehena ɖe megbe o. Subɔsubɔha geɖe siwo li egbea, wɔa tɔtrɔwo be yewoƒe nu nadze xexea ŋu, gake Yehowa ƒe habɔbɔa ya wɔa tɔtrɔwo be míate ɖe Yehowa ŋu geɖe wu, eye míazɔ ɖe subɔsubɔ vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la dzi. (Yak. 4:4) Menye nu si dzi ame geɖe lɔ̃ ɖo, alo di la dzie míenɔa te ɖo wɔa tɔtrɔ mawo o, ke boŋ esi Ŋɔŋlɔawo me gava kɔ na mí tae. Míelɔ̃ nyateƒea!—1 Tes. 2:3, 4.

MÍELƆ̃ MÍA NƆVIWO VEVIE TSO DZI ME

13. Nɔnɔme vevi kae Kristotɔ vavãwo ɖena fiana, eye aleke esia ɖe dzesi le Yehowa Ðasefowo dome egbea?

13 Lɔlɔ̃e nye nɔnɔme vevitɔ si ɖe dzesi le Kristotɔ gbãtɔwo ŋu. Yesu gblɔ: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:34, 35) Egbea, Yehowa Ðasefowo wɔ ɖeka le xexea me godoo, eye togbɔ be míetso dukɔ vovovowo me, eye míaƒe dekɔnuwo le vovovo hã, míele abe ƒome ɖeka ene. Míekpɔa lɔlɔ̃ vavã sia ƒe kpeɖodzi le míaƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo me. Esia ganana míekana ɖe edzi be ale si míesubɔa Yehowa la, dzea eŋu.

14. Le Kolosetɔwo 3:12-14 ƒe nya nua, mɔ vevi ka dzie míato alɔ̃ mía nɔviwo tso dzi me?

14 Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na mí be ‘míalɔ̃ mía nɔewo vevie’ tso dzi me. (1 Pet. 4:8) Mɔ aɖe si dzi míato awɔ esiae nye be míatsɔe ake mía nɔewo eye míaŋe aɖaba aƒu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Azɔ hã, míedzea agbagba nyoa dɔme na ame sia ame si le hamea me, ne amea dze agɔ le mía dzi gɔ̃ hã. (Xlẽ Kolosetɔwo 3:12-14.) Esiawo ɖoa kpe edzi be míenye Kristotɔ vavãwo.

“XƆSE ÐEKA” YE LE MÍA SI

15. Mɔ bubu kawo nue míewɔna ɖe subɔsubɔ vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu si Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖo ɖi la dzi?

15 Míezɔna ɖe kpɔɖeŋu si Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ɖo ɖi la dzi pɛpɛpɛ. Le kpɔɖeŋu me, dzikpɔla mɔzɔlawo, hamemetsitsiwo, kple subɔsubɔdɔwɔlawo le mía si abe ale si wònɔ ɣemaɣi ene. (Flp. 1:1; Tito 1:5) Míedea bubu Yehowa ƒe se si ku ɖe gbɔdɔdɔ, srɔ̃ɖeɖe kple ʋu zazã ŋu, eye míekpɔa hamea ta tso nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo si me, abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene.—Dɔw. 15:28, 29; 1 Kor. 5:11-13; 6:9, 10; Heb. 13:4.

16. Nu kae míesrɔ̃ tso Efesotɔwo 4:4-6?

16 Yesu gblɔ be ame geɖewo agblɔ be yewo nye ye yomedzelawo, gake alakpa tɔwo anɔ wo dome. (Mat. 7:21-23) Azɔ hã, Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be le ŋkeke mamlɛawo mea, “ame siwo ŋu ɖokuitsɔtsɔ na Mawu ƒe nɔnɔme dzena le” la anɔ anyi. (2 Tim. 3:1, 5) Ke hã, Biblia na eme kɔ ƒãa be, “xɔse ɖeka” koe dzea Mawu ŋu.—Xlẽ Efesotɔwo 4:4-6.

17. Ame kawoe nye subɔsubɔha vavãtɔ siwo dzea Yesu ƒe kpɔɖeŋua yome egbea?

17 Eya ta subɔsubɔha kae nye vavãtɔ egbea? Míekpɔ kpeɖodziawo, míedzro subɔsubɔ vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi, kple ale si Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la, zɔ ɖe kpɔɖeŋu ma dzi la me. Ðikeke aɖeke mele eme o be Yehowa Ðasefowoe nye ha vavãtɔ ma. Mɔnukpɔkpɔ gãe wònye na mí be míele Yehowa ƒe amewo dome, eye míeva nya nyateƒe si ku ɖe Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. Eya ta mina kakaɖedzi sẽŋu sia si su mía la, nawɔe be míayi edzi alé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ.

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

^ mm. 5 Le nyati sia mea, míadzro subɔsubɔ vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi kple ale si eƒe nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la zɔ ɖe kpɔɖeŋu ma dzi la me. Azɔ hã, míakpɔ nu siwo ɖo kpe edzi be Yehowa Ðasefowoe zɔna ɖe kpɔɖeŋu ma dzi le subɔsubɔ vavãtɔ me egbea.

^ mm. 9 Kpɔ aɖaka si nye “Ðe Kristotɔ Gbãtɔwo Zã Mawu Ƒe Ŋkɔa?” si dze le July 1, 2010 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 6 lia.

^ mm. 10 Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2008 mea, Pope Benedict wuiadelia (XVI) de se be “womegazã Mawu ƒe ŋkɔ alo ayɔe le Katoliko subɔsubɔwɔnawo, hadzidziwo alo gbedodoɖawo me o.”

^ mm. 63 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Yehowa ƒe habɔbɔa ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia si me wozã Mawu ƒe ŋkɔa le la ɖe gbegbɔgblɔ 200 kple edzivɔ me be amewo nate ŋu axlẽe le wo degbe me.