Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 40

Nu Kae Dzimetɔtrɔ Ŋutɔŋutɔ Fia?

Nu Kae Dzimetɔtrɔ Ŋutɔŋutɔ Fia?

“Nu vɔ̃ wɔlawo yɔ gee meva be woatrɔ dzi me.”—LUKA 5:32.

HADZIDZI 36 Míadzɔ Míaƒe Dzi Ŋu

NYA VEVIAWO *

1-2. Vovototo kae le Ahab kple Manase dome, eye biabia kawo mee míadzro?

 NA MÍALÉ ŋku ɖe fia eve aɖewo siwo nɔ anyi le blema la ŋu kpɔ. Ðeka ɖu Israel-to ewo fiaɖuƒea dzi, eye evelia ɖu Yuda-to eve fiaɖuƒea dzi. Wonɔ anyi le ɣeyiɣi vovovowo me, gake woƒe nuwɔnawo de sɔsɔ ge kloe. Fia eve siawo dze aglã ɖe Yehowa ŋu, eye wokplɔ eƒe amewo trae. Wo ame evea wosubɔ trɔ̃ eye wowu ame. Ke hã, vovototo aɖe le fia eve siawo dome. Ðeka le nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ʋuu va se ɖe ku me, gake evelia trɔ dzi me eye wotsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee. Ame kawoe wonye?

2 Woawoe nye Israel-fia Ahab, kple Yuda-fia Manase. Vovototo si le ŋutsu eve siawo domea ate ŋu afia nu vevi aɖe mí tso dzimetɔtrɔ ŋu. (Dɔw. 17:30; Rom. 3:23) Nu kae nye dzimetɔtrɔ, eye aleke ame aɖee afiae? Ele be míanya, elabe míedi be Yehowa natsɔe ake mí ne míewɔ nu vɔ̃. Be míakpɔ nya siawo ƒe ŋuɖoɖowoa, míadzro fia eve siawo ƒe ŋutinyawo me kple nu siwo míasrɔ̃ tso eme. Eyome míadzro nu si Yesu fia tso dzimetɔtrɔ ŋu la me.

NU SI MÍATE ŊU ASRƆ̃ TSO FIA AHAB GBƆ

3. Fia ka tɔgbie Ahab nye?

3 Ahab ye nye fia adrelia si ɖu Israel-to ewo fiaɖuƒea dzi. Eɖe Sidon fiavinyɔnu Izebel, si tso dukɔ aɖe si le dziehe, si me kesinɔnu bɔ ɖo la me. Anɔ eme be woƒe srɔ̃ɖeɖea he ga geɖe vɛ na Israel dukɔa. Gake ɖeko woƒe srɔ̃ɖeɖea gava te dukɔa ɖa le Yehowa ŋu kuraa. Izebel nye Baal subɔla, eye wòƒoe ɖe Ahab nu be wòado subɔsubɔ nyɔŋu ma, si me wowɔa gbolo le gbedoxɔa me, eye wotsɔa ɖeviwo saa vɔ le gɔ̃ hã ɖe ŋgɔ. Zi ale si Izebel nye fianyɔnu koa, Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo ƒe agbe ɖo afɔku me. Ena wowu wo dometɔ geɖe. (1 Fia. 18:13) Ahab ŋutɔ hã “wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume wu ame siwo katã do ŋgɔ nɛ.” (1 Fia. 16:30) Yehowa kpɔ nu si wɔm Ahab kple Izebel nɔ la eye meŋe aɖaba ƒu edzi o. Ke hã, esi Yehowa kpɔa nublanui taa, edɔ nyagblɔɖila Eliya be woava xlɔ̃ nu yeƒe amewo be woatrɔ hafi wòatsi megbe akpa. Gake Ahab kple Izebel tri to.

4. Nu kae Yehowa gblɔ be yeawɔ Ahab, eye aleke Ahab wɔ nui?

4 Mlɔebaa, Yehowa tso be yeaɖe afɔ. Edɔ Eliya be wòagblɔ nu si ava dzɔ ɖe Ahab kple Izebel dzi la na wo. Atsrɔ̃ woƒe ƒome bliboa katã. Eliya ƒe nyawo te ɖe Ahab dzi vevie. Nukutɔea, fia dadala sia “bɔbɔ eɖokui.”—1 Fia. 21:19-29.

Esi Fia Ahab metrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ o taa, ena wode Mawu ƒe nyagblɔɖilaa gaxɔ me (Kpɔ memama 5-6 lia) *

5-6. Nu kawoe ɖee fia be Ahab metrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ o?

5 Togbɔ be Ahab bɔbɔ eɖokui le nɔnɔme ma me hã, ale si wòwɔ nu emegbe fia be metrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ o. Meɖe Baal subɔsubɔ ɖa le eƒe fiaɖuƒea me o, eye medo Yehowa subɔsubɔ hã ɖe ŋgɔ o. Ahab gaɖee fia le mɔ bubuwo nu be yemetrɔ dzi me o.

6 Emegbe esi wòho aʋa ɖe Siria ŋu eye wòkpe Yuda-fia nyui Yehosafat be wòava kplɔ ye ayi aʋaa, Yehosafat doe ɖa be yewoabia gbe Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe gbã. Gake gbãa, Ahab melɔ̃ ɖe edzi o, eye wògblɔ be: “Ame ɖeka gali si gbɔ míabia gbe Yehowa le; ke melé fui, elabena megblɔa nya nyui aɖeke ɖi le ŋunye o, negbe nya vɔ̃wo ko.” Togbɔ be ele alea hã, wobia gbe nyagblɔɖila Mikaya. Eye nya siwo wògblɔa nye vɔ̃ siwo ava Ahab dzi vavã! Le esi Ahab natrɔ dzi me be Yehowa natsɔe akee teƒea, elé nyagblɔɖilaa de gaxɔ me. (1 Fia. 22:7-9, 23, 27) Togbɔ be ena wolé Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa de gaxɔ me hã, mete ŋu xe mɔ na nyagblɔɖia be wòagava eme o. Le aʋaa mea, wowu Ahab.—1 Fia. 22:34-38.

7. Nya kae Yehowa gblɔ tso Ahab ŋu le eƒe ku megbe?

7 Le Ahab ƒe ku megbea, Yehowa ɖe ale si wòbunɛ la fia. Esi fia nyui Yehosafat gbɔ tso aʋaa dediea, Yehowa dɔ nyagblɔɖila Yehu be wòava gbe nya nɛ le ale si wòwɔ ɖeka kple fia Ahab ta. Yehowa ƒe nyagblɔɖilaa gblɔ nɛ be: “Ame vɔ̃ɖi ŋue nèyi ɖakpe ɖo, eye ame siwo lé fu Yehowa ye nèlɔ̃a?” (2 Kron. 19:1, 2) Bu eŋu kpɔ, ne ɖe Ahab trɔ dzi me ŋutɔŋutɔa, nyagblɔɖilaa maɖɔe be enye ame vɔ̃ɖi si lé fu Yehowa o. Togbɔ be adze be Ahab se veve ɖe nu si wòwɔ la nu hã, metrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ o.

8. Nu kae Ahab ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa fia mí tso eƒe dzimetɔtrɔ ŋu?

8 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Ahab ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa me? Esi wòse vɔ̃ si Eliya gblɔ be adzɔ ɖe eƒe ƒomea dzia, ebɔbɔ eɖokui. Nu nyui aɖee nye ema wòwɔ. Ke hã, nu siwo wòva wɔ emegbe ɖee fia be metrɔ dzi me o. Be ame natrɔ dzi me la, menye ɖeko wòagblɔ be yese veve ɖe yeƒe nu vɔ̃wo ta ko evɔ o. Mina míaƒo nu tso ame bubu aɖe ƒe kpɔɖeŋu ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia.

NU SI MÍATE ŊU ASRƆ̃ TSO FIA MANASE GBƆ

9. Fia ka tɔgbie Manase nye?

9 Ƒe alafa eve aɖewo megbea, Manase va zu fia le Yuda. Ewɔ nu siwo vɔ̃ɖi kura wu Ahab tɔ! Biblia gblɔ be: “Ewɔ nu vɔ̃ɖi geɖe le Yehowa ŋkume tsɔ do dziku nɛ.” (2 Kron. 33:1-9) Manase ɖi vɔsamlekpuiwo na alakpamawuwo, eye wòtsɔ legba, si anya nye vidzidzimawunɔ si wòwɔ la, va da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ kɔkɔea me! Ewɔ akunya, eka afa eye wòsa dzo. Azɔ hã, ‘ekɔ ʋu maɖifɔ geɖe ŋutɔ hã ɖi.’ Ewu ame geɖe eye wòna “eya ŋutɔ viawo to dzo me” tsɔ sa vɔ na alakpamawuwo.—2 Fia. 21:6, 7, 10, 11, 16.

10. Aleke Yehowa he to na Manase, eye aleke wòwɔ nui?

10 Abe Ahab enea, Manase tsɔ aglãdzedze gbe Yehowa ƒe nuxlɔ̃ame siwo wòto eƒe nyagblɔɖilawo dzi nɛ la. Mlɔebaa, “Yehowa na Asiria-fia ƒe aʋakplɔlawo va dze [Yuda] dzi, eye wode ga Manase hee do goe eye wode akɔblikunyowu evee hekplɔe yi Babilon.” Esi Manase nɔ gaxɔ me le Babilon la, anɔ eme be eva nɔ ŋugble dem le nu siwo wòwɔ la ŋu vevie. “Eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi vevie le tɔgbuiawo ƒe Mawu la ŋkume.” Gake menye ema koe wòwɔ o. “Eƒo koko na Yehowa eƒe Mawu la be wòave ye nu.” Le nyateƒe mea, Manase ‘yi edzi do gbe ɖa nɛ.’ Azɔ fia vɔ̃ɖi ma va nɔ tɔtrɔm. Eva nɔ Yehowa kpɔm azɔ be enye ‘yeƒe Mawu,’ eye wòyi edzi nɔ gbe dom ɖa nɛ.—2 Kron. 33:10-13.

Esi Fia Manase trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ taa, eho aʋa ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu (Kpɔ memama 11 lia) *

11. Le 2 Kronika 33:15, 16 ƒe nya nua, aleke Manase ɖee fia be yetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ?

11 Le ɣeyiɣi aɖe megbea, Yehowa se Manase ƒe gbedodoɖawo. Le gbe siwo wòdo ɖa mea, Yehowa kpɔe le eƒe dzi me be etrɔ. Eya ta Yehowa tsɔe ke Manase eye wògatsɔe ɖo fiazikpuia dzi. Manase wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ ɖee fia be yeƒe dzimetɔtrɔa de to nyateƒe. Etrɔ eƒe agbenɔnɔ, ewɔ nu si Ahab mete ŋu wɔ o la. Eho aʋa ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu eye wòdo subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ. (Xlẽ 2 Kronika 33:15, 16.) Esia bia xɔse kple dzinɔameƒo, elabe Manase kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe eƒe ƒomea, amegãwo kple dukɔ bliboa dzi ƒe geɖe. Gake le Manase ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe mamlɛawo mea, eɖɔ nu siwo katã wògblẽ la ɖo. Anɔ eme be ekpɔ ŋusẽ nyui ɖe etɔgbuiyɔvi Yosiya, si va nye fia nyui emegbe la dzi.—2 Fia. 22:1, 2.

12. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Manase ƒe dzimetɔtrɔa me?

12 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Manase gbɔ? Ebɔbɔ eɖokui, gake menye ema ko wòwɔ o. Edo gbe ɖa na Yehowa, eye wòɖe kuku nɛ be wòakpɔ nublanui na ye. Eye wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ kura. Edze agbagba ɖɔ nu siwo wògblẽ la ɖo. Eku kutri subɔ Yehowa, eye wòkpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woawɔe nenema ke. Manase ƒe kpɔɖeŋua na míekpɔe be mevɔ na ame siwo wɔ nu vɔ̃ gãwo la keŋkeŋ o. Míekpɔ kpeɖodzi sẽŋuwo be Yehowa Mawu ƒe ‘dɔme nyo, eye wòlɔ̃a tsɔtsɔke.’ (Ps. 86:5) Yehowa le klalo be yeatsɔe ake ame siwo trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ.

13. Nu kae dzimetɔtrɔ fia? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Le Manase gomea, menye ɖeko wòse veve ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta ko evɔ o, ewɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Esia fia nu vevi aɖe mí tso dzimetɔtrɔ ŋu. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be èyi fiase aɖe me be yeaƒle yevubolo, gake fiasetɔa tsɔ koklozi na wò. Àlɔ̃ axɔea? Kura o! Tsɔe be fiasetɔa ɖe eme na wò be azia hã le nu vevi siwo wotsɔ wɔ yevuboloa me, àlɔ̃ axɔe azɔa? Ao ɖe! Le mɔ ma ke nua, Yehowa di tso ame si wɔ nu vɔ̃ la si be wòatrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ. Ne ame si wɔ nu vɔ̃ se veve ɖe eƒe nu vɔ̃ taa, esia sɔ, elabe enye dzimetɔtrɔ ƒe akpa vevi aɖe. Gake ele be wòawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Nu bubu kae gahiã? Míasrɔ̃e le lo wɔdɔɖeamedzi aɖe si Yesu do la me.

ALE SI MÍAWƆ ADE DZESII NE AME AÐE TRƆ DZI ME ŊUTƆŊUTƆ

Esi vi búbu la nyɔ le eɖokui mea, ezɔ mɔ didi trɔ gbɔ va aƒe (Kpɔ memama 14-15 lia) *

14. Le Yesu ƒe lododoa mea, nu kae vi búbua wɔ gbã si ɖee fia be etrɔ dzi me?

14 Yesu gblɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe le Luka 15:11-32 ku ɖe vi búbu aɖe ŋu. Ðevia dze aglã ɖe tɔa ŋu, dzo le aƒe me, eye ‘wòzɔ mɔ yi dukɔ didi aɖe me.’ Le afi ma, eva nɔ agbe baɖa. Esi wòva ɖo nɔnɔme sesẽwo mea, eva bu tame vevie tso eƒe agbea ŋu, eye wòkpɔe be nuwo de ye dzi wu esime yenɔ ye tɔ ƒe me. Yesu gblɔ be ɖekakpuia ‘nyɔ le eɖokui me,’ eye wòɖoe be yeayi ye fofo gbɔ abia be wòatsɔe ake ye. Enyo be wòde dzesii be yewɔ nu gbegble geɖe. Gake ɖe ema ɖeɖe sua? Kura o! Ele be wòawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema!

15. Nu kae vi búbu si le Yesu ƒe lododoa me la wɔ si ɖee fia be etrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ?

15 Nu si vi búbua wɔ la ɖee fia be etrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ. Ezɔ mɔ legbee trɔ gbɔ va aƒe me. Esi wògogo fofoa, egblɔ be: “Fofo, mewɔ nu vɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò. Nyemegadze be nàyɔm be viwò o.” (Luka 15:21) Ale si ɖekakpuia ʋu eƒe nu vɔ̃ me tso dzi mea ɖee fia be edi be ye kple Yehowa dome naganɔ nyuie. Ede dzesii be yeƒe nuwɔnaa te ɖe ye fofo dzi. Ele klalo be yeawɔ nu sia nu si ana ye fofo nagalɔ̃ ye. Egblɔ gɔ̃ hã be newɔ ye abe eƒe apadɔwɔlawo dometɔ ɖeka ene. (Luka 15:19) Menye ɖeko ŋutinya sia wɔ dɔ ɖe ame dzi ko evɔ o. Mɔfiame si le eme la, ate ŋu akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu ne wodi be yewoanya ne nɔvi aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ.

16. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na hamemetsitsiwo be woade dzesii ne ame aɖe trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ?

16 Mele bɔbɔe be hamemetsitsiwo nanya ne nɔvi aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã la, trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ o. Nu ka tae? Elabe hamemetsitsiwo mate ŋu anya nu si le amewo ƒe dzi me o, ke boŋ wodzea agbagba be yewoakpɔ nu siwo ɖee fia le amea ŋu be etrɔ dzi me. Le go aɖewo mea, amea tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔ ɖo dɔe ale gbegbe be ne hamemetsitsiwo do go kplii la, asesẽ be woade dzesii ne etrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ.

17. (a) Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be ne ame aɖe gblɔ be yese veve ɖe nu vɔ̃ si yewɔ taa, mefia be etrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ o? (b) Le 2 Korintotɔwo 7:11 ƒe nya nua, nu kae wòle be ame si trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ la nawɔ?

17 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Nɔviŋutsu aɖe wɔ ahasi ƒe geɖe. Le esi wòabia kpekpeɖeŋu teƒea, eɣlãe ɖe srɔ̃a, exɔlɔ̃wo kple hamemetsitsiwo. Emegbe eƒe nu vɔ̃a va dze go. Esi hamemetsitsiwo te ɖe eŋu gblɔ nɛ be ewɔ ahasia, elɔ̃ ɖe edzi, eye wòse veve ɖe nu si wòwɔ la ta vevie. Ðe ema fia be etrɔ dzi me ŋutɔŋutɔa? Menye ale si amea se veve ɖe nu vɔ̃ si wòwɔa ta ŋu koe wòle be hamemetsitsiwo nalé ŋku ɖo o. Menye ɖe nu vɔ̃a ɖi ɖee o, ɖe wòɖoe koŋ wɔe dzimesesẽtɔe ƒe geɖe. Menye amea ŋutɔe va ʋu nu vɔ̃a me o, ɖe eƒe nu vɔ̃a va dze go. Eya ta ahiã be hamemetsitsiwo nalé ŋku ɖe nu siwo ɖo kpe edzi ŋutɔŋutɔ be ame si wɔ nu vɔ̃a trɔ eƒe nuŋububu, ale si wòsena le eɖokui me, kple eƒe agbenɔnɔ. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 7:11.) Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi amea naɖee afia be yetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ. Eya ta ɖewohĩ, ahiã be woaɖee le Kristo hamea me, va se ɖe esime wòɖee fia be yetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ.—1 Kor. 5:11-13; 6:9, 10.

18. Aleke ame aɖe si woɖe le haa me la ate ŋu aɖee afia be yetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ, eye nu kae ado tso eme nɛ?

18 Be ame si woɖe le hamea me naɖee afia be yetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔa, ele be wòanɔ kpekpeawo dem edziedzi, eye wòawɔ ɖe aɖaŋu si hamemetsitsiawo ɖo nɛ be wòanɔ gbe dom ɖa, anɔ nu srɔ̃m la dzi. Azɔ hã, ele be wòadze agbagba vevie aƒo asa na nu si kplɔe de nu vɔ̃ ma me, eye wòadze agbagba adzra eya kple Yehowa dome ɖo. Ne ewɔe alea, ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa tsɔe ke ye eye hamemetsitsiwo hã atrɔ axɔe ɖe hamea me. Ke hã, esi ame sia ame ƒe nyaa ate ŋu ato vovo taa, ne hamemetsitsiwo le nu vɔ̃ wɔla aɖe ƒe nyaa gbɔ kpɔm la, ele be woada nyaa akpɔ nyuie hafi atso nya me, eye mele be woana woƒe nya me nasẽ o.

19. Nu kae wòfia be ame natrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ? (Ezekiel 33:14-16)

19 Abe ale si míesrɔ̃e ene la, menye ɖeko ame si trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ la agblɔ be yese veve ɖe nu si yewɔ la ta ko evɔ o. Ele be wòatrɔ ale si wòbua nuwo ŋu, ale si wòsena le eɖokui me, kple eƒe agbenɔnɔ kura. Esia bia hã be wòadzudzɔ nuvɔ̃gbe ma, eye wòawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. (Xlẽ Ezekiel 33:14-16.) Eye ele be ame si wɔ nu vɔ̃a ƒe taɖodzinu vevitɔ nanye be yeadzra ye kple Yehowa dome si gblẽ la ɖo.

KPE ÐE NU VƆ̃ WƆLAWO ŊU WOATRƆ DZI ME

20-21. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã ŋu?

20 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa mea, eɖe susu vevi siwo ta wòva anyigba dzi ɖo la dometɔ ɖeka gblɔ. Egblɔ be: “Nu vɔ̃ wɔlawo yɔ gee meva be woatrɔ dzi me.” (Luka 5:32) Esiae wòle be wòanye míawo hã míaƒe taɖodzinu. Tsɔe be míeva nya be mía xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe wɔ nu vɔ̃ gã. Nu kae wòle be míawɔ?

21 Ne míetsyɔ nu mía xɔlɔ̃a ƒe nu vɔ̃a dzi la, míele nu gblẽm le eŋu. Esia manɔ ɣaɣla ɖaa o, elabe Yehowa le ekpɔm. (Lod. 5:21, 22; 28:13) Míate ŋu akpe ɖe mía xɔlɔ̃a ŋu, ne míegblɔ nɛ be wòagblɔe na hamemetsitsiwo ne woakpe ɖe eŋu. Ne egbe be yemaʋu yeƒe nu vɔ̃a me na hamemetsitsiwo o la, ele be míana hamemetsitsiwo nanya atsɔ aɖee afia be míedi be míakpe ɖe eŋu ŋutɔŋutɔ, elabe ƒomedodo si le eya kple Yehowa domea ɖo afɔku me!

22. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

22 Ke ne amea tsɔ nu vɔ̃ wɔwɔa ɖo dɔe ale gbegbe be hamemetsitsiwo tso nya me be woaɖee le hamea me ya ɖe? Ðe esia fia be womekpɔ nublanui nɛ oa? Le nyati si kplɔ esia ɖo mea, míakpɔ ale si Yehowa hea to na nu vɔ̃ wɔlawo le lɔlɔ̃ me, kple ale si míate ŋu asrɔ̃e.

HADZIDZI 103 Alẽkplɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo

^ mm. 5 Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ evɔ wòtrɔ dzi me la, menye ɖeko wògblɔna be nu si yewɔa te ɖe ye dzi ko evɔ o. Le nyati sia mea, míazã Fia Ahab, Fia Manase, kple vi nudomegblẽla ƒe lo si Yesu do la be wòakpe ɖe mía ŋu míanya nu si dzimetɔtrɔ ŋutɔŋutɔ fia. Azɔ hã, woaƒo nu tso nu siwo hamemetsitsiwo ada akpɔ ne wole ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã ƒe nyaa gbɔ kpɔm akpɔe ɖa nenye be etrɔ dzi me nyateƒe.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Dzi ku Fia Ahab eye wòɖe gbe na eƒe dzɔlawo be woalé Yehowa ƒe nyagblɔɖila Mikaya de gaxɔ me.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Fia Manase ɖe gbe na amewo be woamu legba siwo yeli ɖe gbedoxɔa me la aƒu anyi.

^ mm. 64 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Vi búbu la, si zɔ mɔ didi si na ɖeɖi te eŋu belibeli la ƒe dzi dze eme esi wòkpɔ woƒe aƒea ɖaa.