Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 41

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ

“Dzidzɔtɔe nye ame si vɔ̃a Yehowa, ame si zɔa eƒe mɔwo dzi.”—PS. 128:1.

HADZIDZI 110 “Dzidzɔ Si Tsoa Yehowa Gbɔ”

NYA VEVIAWO *

1. Didi vevi kae Wɔlaa de amegbetɔwo me, eye aleke esia nana míekpɔa dzidzɔe?

 DZIDZƆ vavãtɔ menye seselelãme si nana ame tsoa aseye alo koa nu hahaha, gake sẽ kple sẽ koa enu yina o. Dzidzɔ vavãtɔ yi ŋgɔ wu ema; enye nu si ate ŋu anɔ anyi ame ƒe agbe me katã. Le mɔ ka nu? Yesu gblɔ le eƒe Todzimawunyaa me be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.” (Mat. 5:3) Yesu nyae be Yehowa Mawu wɔ amegbetɔwo le mɔ tɔxɛ sia nu be woadi vevie be yewoanya yewo Wɔla eye yewoasubɔe. Emae nye ‘gbɔgbɔmenuhiahiã’ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe. Esi Yehowa nye “Mawu dzidzɔtɔ” taa, ame siwo subɔnɛ hã ate ŋu akpɔ dzidzɔ.—1 Tim. 1:11.

“Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ta.”—Mat. 5:10 (Kpɔ memama 2-3 lia) *

2-3. (a) Ame kawo hãe Yesu gblɔ be woate ŋu akpɔ dzidzɔ? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me, eye nu ka tae?

2 Ðe wòhiã kokoko be nu sia nu nadze edzi na mí le agbe me hafi míate ŋu akpɔ dzidzɔa? Ao. Yesu gblɔ le Todzimawunyaa me be: “Ame siwo le nu xam,” ɖewohĩ le nu vɔ̃ aɖe si wowɔ alo nɔnɔme sesẽ aɖe si me tom wole ta, gɔ̃ hã ate ŋu akpɔ dzidzɔ. Yesu gblɔ hã be “ame siwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ta” kple ‘ame siwo wodoa vloe le ye ta’ hã ate ŋu akpɔ dzidzɔ. (Mat. 5:4, 10, 11) Gake aleke wòanya wɔ be ame nakpɔ dzidzɔ le nɔnɔme mawo me?

3 Yesu nɔ nu fiam mí be menye nɔnɔme deamedziwoe ana míakpɔ dzidzɔ o; nu si ana míakpɔ dzidzɔe nye be míanya Mawu eye míate ɖe eŋu. (Yak. 4:8) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Le nyati sia mea, míadzro nu vevi etɔ̃ siwo ana míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ me.

SRƆ̃ NU TSO YEHOWA ŊU

4. Gblɔ nu gbãtɔ si wòle be míawɔ be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. (Psalmo 1:1-3)

4 NU GBÃTƆ: Be míakpɔ dzidzɔa, ele be míanɔ nu srɔ̃m tso Mawu ŋu. Amegbetɔwo kple lãwo siaa hiã nuɖuɖu be woanɔ agbe. Gake amegbetɔwo ya hiã gbɔgbɔmenuɖuɖu hã. Esia tae Yesu gblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me la hã nu.” (Mat. 4:4) Eya ta mele be míaɖe mɔ ŋkeke ɖeka pɛ hã nava yi esime míexlẽ Biblia o. Hakpalaa gblɔ be: ‘Dzidzɔtɔe nye ame si kpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòxlẽnɛ zã kple keli.’—Xlẽ Psalmo 1:1-3.

5-6. (a) Nu nyui kawoe míesrɔ̃ le Biblia me? (b) Aleke Biblia xexlẽ ate ŋu aɖe vi na mí?

5 Esi Yehowa lɔ̃ mí taa, ena Biblia mí be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ le agbe me. Biblia na míenya tame si Mawu ɖo ɖe mía ŋu, ale si míawɔ ate ɖe Mawu ŋu, kple nu siwo míawɔ be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Ena míenya etsɔme nyui si ŋugbe Mawu do na mí hã. (Yer. 29:11) Nu nyui siwo Biblia fia mí nana míekpɔa dzidzɔ ŋutɔ!

6 Abe ale si míenyae enea, Biblia ɖo aɖaŋu geɖe hã siwo ate ŋu aɖe vi na mí gbe sia gbe. Ne míewɔ wo dzia, míakpɔ dzidzɔ. Eya ta ne agbemekuxiwo ɖe kpe na wòa, xlẽ Yehowa ƒe Nyaa geɖe wu eye nàde ŋugble le eŋu. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”—Luka 11:28.

7. Ne èle Biblia xlẽmaa, nu kae nàte ŋu awɔ be wòaɖe vi na wò?

7 Ne èle Biblia xlẽmaa, gbɔ dzi ɖe eŋu eye nàna wòawɔ dɔ ɖe dziwò. Tsɔe be ame aɖe kpɔ nuɖuɖu si doa dzidzɔ nɛ ŋutɔ gake wòtsɔ dzitsitsi ɖui kabakaba. Èsusu be ase vivi nɛa? Ao, ele be wòagbɔ dzi ɖi aɖu nua hafi ate ŋu ase vivi nɛ. Esia ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi ne míele Biblia xlẽm. Ɣeaɖewoɣia, míexlẽa Biblia kabakaba ale gbegbe be míete ŋu dea dzesi nufiame si le eme na mí o, eye mevivia mía nu o. Eya ta gbɔ dzi ɖe Biblia xexlẽ ŋu; kpɔ nudzɔdzɔawo le susu me, se gbeɖiɖiawo, eye nàde ŋugble le nu si xlẽm nèle ŋu. Esia ana nuxexlẽa navivi nuwò eye àkpɔ dzidzɔ.

8. Aleke “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la le dɔ si wode esi la wɔmee? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

8 Yesu ɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la be wòana nu siwo akpe ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa nyuie mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, eye kluvia le nu siawo nam mí le agbɔsɔsɔ me. * (Mat. 24:45) Biblia koŋue kluvia zãna tsɔ trɔa asi le wo ŋu na mí, eye wokpena ɖe mía ŋu míenyaa Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu. (1 Tes. 2:13) Esia tae wòle be míadze agbagba anɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo kpakple nyati siwo le jw.org la xlẽm. Azɔ hã, ele be míanɔ dzadzram ɖo ɖe kwasiɖa domedome kple kwasiɖanuwuwu kpekpeawo ŋu, eye míadze agbagba akpɔ JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo ɣleti sia ɣleti. Ne míedzea agbagba xlẽa Biblia eye míewɔa nu siwo kluvia nana mí ŋu dɔa, awɔe be míate ŋu awɔ nu evelia si ana míakpɔ dzidzɔ.

NƆ AGBE ÐE YEHOWA ƑE NUDIDIWO NU

9. Gblɔ nu evelia si wòle be míawɔ be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ.

9 NU EVELIA: Be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔa, ele be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi. Hakpalaa gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si vɔ̃a Yehowa, ame si zɔa eƒe mɔwo dzi.” (Ps. 128:1) Yehowa vɔvɔ̃ fia be míade bubu eŋu eye míaƒo asa na nu sia nu si madze eŋu oa wɔwɔ. (Lod. 16:6) Ne míevɔ̃a Yehowaa, míawɔ ɖe se siwo wòde na mí le Biblia me ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋua dzi. (2 Kor. 7:1) Ne míewɔa nu siwo Yehowa lɔ̃ eye míetsria nu siwo wòlé fuia, míakpɔ dzidzɔ geɖe.—Ps. 37:27; 97:10; Rom. 12:9.

10. Le Romatɔwo 12:2 ƒe nya nua, nu kae wòle be míadze agbagba awɔ?

10 Xlẽ Romatɔwo 12:2. Míenya be Yehowae dze ade se na mí ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu. Gake ema nyanya ɖeɖe mesu o; ele be míalɔ̃ faa awɔ ɖe eƒe sewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, amewo nya be dziɖuɖua kpɔ mɔ ade se ku ɖe ale si woaku ʋu le dukɔa me ŋu, gake menye wo katãe lɔ̃na faa wɔna ɖe se mawo dzi o. Wo dometɔ aɖewo kua ʋu sesĩe wu ale si dze. Edze ƒãa be míaƒe nuwɔnae aɖee afia ne míeka ɖe edzi vavã be Yehowa ƒe mɔwoe nye nyuitɔ. (Lod. 12:28) David ka ɖe Yehowa ƒe mɔwo dzi bliboe; egblɔ tso Yehowa ŋu be: “Èna menya agbemɔ la, dzidzɔ bɔ ɖe ŋkuwòme; vivisese le wò ɖusime tegbee.”—Ps. 16:11.

11-12. (a) Ne nu te ɖe mía dzia, nu ka ŋue wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖo? (b) Aleke nya siwo le Filipitɔwo 4:8 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatia dzidzɔdonamenu siwo sɔ?

11 Ɣeaɖewoɣi ne nu te ɖe mía dzia, míedina be míawɔ nu si ana míaɖe susu ɖa le míaƒe kuxiwo ŋu. Esia megblẽ o, gake ele be míakpɔ nyuie be míagawɔ nane si Yehowa lé fui o.—Ef. 5:10-12, 15-17.

12 Apostolo Paulo de dzi ƒo na Filipitɔwo be woanɔ “nu siwo katã le dzɔdzɔe, nu siwo katã le dzadzɛ, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, [kple] nu siwo katã nye nuwɔna nyui” ŋu bum. (Xlẽ Filipitɔwo 4:8.) Togbɔ be menye dzidzɔdonamenuwo ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe o hãa, eƒe nyawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatia dzidzɔdonamenu nyuiwo. Te nu sia kpɔ: Tsɔe be èdi be yeakpɔ film aɖe, yeaƒo ha aɖe, yeaxlẽ agbalẽ aɖe alo aƒo videofefe aɖe. Zã Filipitɔwo 4:8 me nyawo nàtsɔ ade ŋugble le nu vovovo mawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe agbalẽ sia dze na bubua? Ðe ha alo film sia le dzadzɛa? Ðe videofefe sia dze na kafukafua?’ Esia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ wo dometɔ siwo dzea Mawu ŋu kple esiwo medzea eŋu o. Ele be míadze agbagba anɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu. (Ps. 119:1-3) Esia ana dzitsinya nyui nasu mía si, eye akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu etɔ̃lia si ana míakpɔ dzidzɔ.—Dɔw. 23:1.

NA YEHOWA SUBƆSUBƆ NANYE NU VEVITƆ NA WÒ

13. Gblɔ nu etɔ̃lia si míate ŋu awɔ be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. (Yohanes 4:23, 24)

13 NU ETƆ̃LIA: Tsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ. Yehowae nye mía Wɔla, eya ta edze be míasubɔe. (Nyaɖ. 4:11; 14:6, 7) Ele be Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ na mí eye míasubɔe ale si wòdi “le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Xlẽ Yohanes 4:23, 24.) Ele be míana gbɔgbɔ kɔkɔea nafia mɔ mí ale be míasubɔ Mawu wòawɔ ɖeka kple nyateƒenya siwo le eƒe Nyaa me. Ne woɖo asi míaƒe dɔa dzi hãa, ele be Yehowa subɔsubɔ nakpɔtɔ anye nu vevitɔ na mí. Mía nɔvi 100 kple edzivɔe le gaxɔ me fifia le esi wonye Yehowa Ðasefowo ko ta. * Togbɔ be ele alea hãa, wotsɔ dzidzɔ le Mawu subɔm; wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ nu, yewoado gbe ɖa eye yewoaƒo nu tso Mawu kple eƒe Fiaɖuƒea ŋu na amewo. Ne amewo do vlo mí alo ti mía yomea, míate ŋu akpɔ dzidzɔ elabe míenya be Yehowa li kpli mí eye aɖo eteƒe na mí.—Yak. 1:12; 1 Pet. 4:14.

EGBEGBE KPƆÐEŊU AÐE

14. Nu kae dzɔ ɖe mía nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe dzi, eye nu ka tae?

14 Mía nɔvi aɖewo to nɔnɔme sesẽwo me, gake woyi edzi kpɔ dzidzɔ le esi wowɔ ɖe nu vevi etɔ̃ siwo me míedzro va yia dzi ta. Wo dometɔ ɖekae nye Nɔviŋutsu Jovidon Bobojonov, si xɔ ƒe 19, eye wòtso Tajikistan. Egbe be yemawɔ asrafodɔ o, ta le October 4, 2019 dzia, wovɛ dze edzi le aƒe me kplɔe sesẽe yi gaxɔ me. Enɔ gaxɔ me ɣleti aɖewo eye wowɔ nu ɖe eŋu abe nu vlo wɔla ene. Nyadzɔdzɔdɔwɔƒe siwo le dukɔ vovovowo me gblɔ eŋu nya. Woka nya ta be woƒo nɔvia vevie tsɔ zi edzi be wòaka atam be yeawɔ asrafodɔ eye wozi edzi be wòado asrafowu. Emegbe wodrɔ̃ ʋɔnui be eɖi fɔ eye wokplɔe yi dɔsesẽwɔsaɖa aɖe me. Mlɔebaa, dukplɔlaa va de nu nyaa me eye wòna woɖe asi le eŋu. Le nɔnɔme sesẽ mawo katã mea, mía nɔvia yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa eye wòkpɔ dzidzɔ. Aleke wòwɔe? Edze agbagba be yeawɔ nu siwo ana ye kple Yehowa dome nanɔ nyuie.

Jovidon yi edzi srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu, enɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu, eye wòna Yehowa subɔsubɔ nye nu vevitɔ nɛ (Kpɔ memama 15-17 lia)

15. Aleke mía nɔviŋutsua wɔ srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu esime wònɔ gaxɔ me?

15 Esime Jovidon nɔ gaxɔ mea, eyi edzi srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Aleke wòwɔ esia esi Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖeke menɔ esi o? Ne nɔvi siwo le nutoa me tsɔ nuɖuɖu yina nɛa, woŋlɔa gbe ma gbe ƒe mawunyakpukpuia ɖe aŋe si me wode nuɖuɖuae la dzi. Ema na be mía nɔviŋutsua tea ŋu xlẽa Biblia eye wòdea ŋugble le eŋu gbe sia gbe. Esi woɖee le gaxɔ mea, egblɔ nya wɔdɔɖeamedzi sia tsɔ ɖo aɖaŋu na ame siwo mekpɔ to dodokpɔ sesẽwo me haɖe oa be: “Ele vevie ŋutɔ be nàwɔ ablɔɖe si su asiwò fifia ŋu dɔ bliboe atsɔ axlẽ Biblia kple míaƒe agbalẽwo ale be nàganya Yehowa geɖe wu.”

16. Nu kawo ŋue mía nɔviŋutsua tsɔ susu ɖo?

16 Jovidon nɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu. Menɔ dzodzro vɔ̃wo ŋu bum alo wɔ nu gbegblẽ o. Ke boŋ etsɔ susu ɖo Yehowa kple nu siwo dzea Yehowa ŋua ŋu. Edea ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu. Efɔna ŋdi sia ŋdi sea xeviwo ƒe hadzidzi eye eléa ŋku ɖe ɣleti kple ɣletiviwo ŋu le zã me. Egblɔ be: “Yehowa ƒe nunana mawo nana mekpɔa dzidzɔ eye wodea dzi ƒo nam.” Ne míedea asixɔxɔ nu siwo Yehowa na mí le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa ŋua, míakpɔ dzidzɔ eye esia ado ŋusẽ mí míado dzi.

17. Aleke 1 Petro 1:6, 7 me nyawo ate ŋu ado ŋusẽ ame aɖe si le Jovidon ƒe nɔnɔmea tɔgbi me tom?

17 Jovidon na Yehowa subɔsubɔ nye nu vevitɔ nɛ. Enya ale si gbegbe wòle vevie be yeawɔ nuteƒe na Mawu vavã la. Yesu gblɔ be: “Yehowa wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.” (Luka 4:8) Asrafowo di be mía nɔvia nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Gake edoa gbe ɖa na Yehowa vevie ŋkeke sia ŋkeke kple zã sia zã be wòakpe ɖe ye ŋu yeagana ta o. Togbɔ be wowɔ fui madzemadzee hãa, megbe nu le eƒe xɔse gbɔ o. Fifiaa, ele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ elabe nane va su esi si menɔ esi hafi wova lée de gaxɔ me o. Nu mae nye “xɔse si wodo kpɔ.”—Xlẽ 1 Petro 1:6, 7.

18. Nu kae míawɔ be míayi edzi akpɔ dzidzɔ?

18 Yehowa nya nu siwo míehiã be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Ne èwɔ nu vevi etɔ̃ siwo me míedzroa, àyi edzi akpɔ dzidzɔ ne èle nɔnɔme sesẽwo me tom hã. Ekema wò hã àte ŋu agblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye [ame si] ƒe Mawu Yehowa nye!”—Ps. 144:15.

HADZIDZI 89 Ðo To Mawu Ne Wòayra Wò

^ Ame geɖe susuna be yewoakpɔ dzidzɔ ne kesinɔnuwo bɔ ɖe yewo si, yewoɖua agbe, yewoxɔ ŋkɔ alo yewozu amegã. Gake nu siawo menana ame kpɔa dzidzɔ vavãtɔ o. Esi Yesu nɔ anyigba dzia, eƒo nu tso ale si amewo awɔ akpɔ dzidzɔ ŋu. Le nyati sia mea, míadzro nu etɔ̃ siwo wòle be míawɔ be míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ la me.

^ Kpɔ nyati si nye “Èle ‘Nuɖuɖu Xɔm Ðe Ɣeyiɣi Nyuitɔ Dzia’?” le August 15, 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ Be nàkpɔ nyatakaka bubuwoa, ʋu jw.org eye nàdi “Wode Wo Ga Le Woƒe Xɔse Ta.”

^ NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le wɔwɔfia ƒe foto sia mea, wolé nɔviŋutsu aɖe yina ʋɔnu be woadrɔ̃ nya nɛ eye Ðasefo siwo le afi ma le asikpe ƒom tsɔ le dzi dem ƒo nɛ.