Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 44

Lé Wò Mɔkpɔkpɔ Me Ðe Asi Sesĩe

Lé Wò Mɔkpɔkpɔ Me Ðe Asi Sesĩe

“Kpɔ mɔ na Yehowa.”—PS. 27:14.

HADZIDZI 144 Wò Ŋku Nenɔ Fetu La Dzi!

NYA VEVIAWO *

1. Mɔkpɔkpɔ kae Yehowa na mí?

 YEHOWA na mɔkpɔkpɔ wɔnuku mí be míava nɔ agbe tegbee. Ame aɖewo le mɔ kpɔm be yewoava zu gbɔgbɔmenuwɔwɔ makumakuwo anɔ agbe tegbee le dziƒo. (1 Kor. 15:50, 53) Ame akpa gãtɔ le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee akpɔ dzidzɔ le anyigba dzi le lãmesẽ blibo me. (Nyaɖ. 21:3, 4) Mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale mía si o, míedea asixɔxɔ eŋu.

2. Nu ka tae kakaɖedzi le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu?

2 Le Biblia mea, nya “mɔkpɔkpɔ” fia be woanɔ nu nyui aɖe lalam. Kakaɖedzi le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu elabe etso Yehowa gbɔ. (Rom. 15:13) Míenya nu siwo ƒe ŋugbe wòdo na mí eye míenya be ewɔa eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi. (4 Mose 23:19) Míeka ɖe edzi be Yehowa di vevie be yeawɔ nu siwo katã ƒe ŋugbe wòdo na mí dzi, eye ŋusẽ le esi be wòawɔe hã. Eya ta menye drɔ̃ewo alo nu siwo míesusu be woava dzɔe míele mɔ kpɔm na o; ke boŋ nu siwo ŋu kpeɖodzi le be woava dzɔ ŋutɔŋutɔ ye.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me? (Psalmo 27:14)

3 Mía Fofo si le dziƒo la lɔ̃ mí, eye edi be míaka ɖe ye dzi. (Xlẽ Psalmo 27:14.) Ne míekpɔa mɔ na Yehowa veviea, dzi anɔ mía ƒo eye míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me fifia kple etsɔme siaa, eye míayi edzi akpɔ dzidzɔ. Na míadzro ale si míaƒe mɔkpɔkpɔ kpɔa mía ta la me. Gbãa, míakpɔ ale si míaƒe mɔkpɔkpɔ le abe seke kple gakuku ene. Eyome míadzro ale si míana míaƒe mɔkpɔkpɔ me nasẽ hã me.

MÍAƑE MƆKPƆKPƆ LE ABE SEKE ENE

4. Mɔ ka nue míaƒe mɔkpɔkpɔ le abe seke ene le? (Hebritɔwo 6:19)

4 Apostolo Paulo tsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ sɔ kple seke. (Xlẽ Hebritɔwo 6:19.) Esi Paulo zɔa mɔ to ƒudzi taa, enya be wozãa seke tsɔ léa tɔdziʋu ɖe te be wòagatra o. Gbe ɖeka esi wònɔ tɔdziʋu mea, ya sesẽ aɖe ƒo. Tɔdziʋua kulawo ɖiɖi sekewo ɖe ƒua me ale be ya nagakɔ tɔdziʋua ɖe enu o. (Dɔw. 27:29, 39-41) Ale si ko seke léa tɔdziʋu ɖe tea, nenema kee míaƒe mɔkpɔkpɔ léa mí ɖe te ale be kuxi siwo le abe ya sesẽ ene nagakplɔ mí adzo le Yehowa gbɔ o. Mɔkpɔkpɔ ma kpena ɖe mía ŋu be míetsia dzimaɖi fũu ɖe míaƒe kuxiwo ŋu o, elabe míenya be etsɔme anyo. Ðo ŋku edzi be Yesu na míenya be woati mía yome. (Yoh. 15:20) Eya ta ele be míanɔ ŋugble dem le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi asubɔ Yehowa.

5. Aleke mɔkpɔkpɔ lé Yesu ɖe te esime wòdze ŋgɔ ku?

5 Esi Yesu dze ŋgɔ kua, mɔkpɔkpɔ do ŋusẽe wòyi edzi wɔ nuteƒe eye metsi dzimaɖi o. Le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzia, apostolo Petro yɔ nyagblɔɖi aɖe le Psalmowo me si ɖee fia be Yesu ka ɖe Yehowa dzi bliboe. Petro gblɔ be: “Manɔ mɔkpɔkpɔ me; elabena màgblẽm ɖe Tsiẽƒe o, eye màɖe mɔ be ame si wɔa nuteƒe na wò la nanyunyɔ o. . . . Àtsɔ dzidzɔ gã aɖi ƒo nam le ŋkuwòme.” (Dɔw. 2:25-28; Ps. 16:8-11) Yesu nyae be yeava ku, gake enɔ mɔ kpɔm vevie be Mawu afɔ ye ɖe tsitre eye yeagava nɔ egbɔ le dziƒo le dzidzɔ me.—Heb. 12:2, 3.

6. Nya kae nɔviŋutsu aɖe gblɔ tso mɔkpɔkpɔ ŋu?

6 Míaƒe mɔkpɔkpɔa kpe ɖe nɔvi geɖe ŋu wodo dzi. Bu nɔviŋutsu wɔnuteƒe Leonard Chinn, si nɔ England ŋu kpɔ. Le Xexemeʋa Gbãtɔ mea, wolée de gaxɔ me le esi wògbe be yemazu asrafo o ta. Enɔ ameɖekɛgaxɔ me ɣleti eve, eyome wozi edzi be wòawɔ dɔ sesẽ ɣeyiɣi aɖe. Egblɔ be: “Nu siwo me meto na mekpɔ ale si gbegbe mɔkpɔkpɔ kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi. Yesu, apostoloawo kple nyagblɔɖilawo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na mí eye ŋugbedodo xɔasiwo hã le Biblia me na mí. Nu siawo nana míaƒe mɔkpɔkpɔ me sẽna eye wodoa ŋusẽ mí míedoa dzi.” Mɔkpɔkpɔ lé Leonard ɖe te eye ate ŋu alé míawo hã ɖe te egbea.

7. Aleke xaxawo wɔnɛ be míaƒe mɔkpɔkpɔ me gasẽna ɖe edzi? (Romatɔwo 5:3-5; Yakobo 1:12)

7 Ne míedo dzi le xaxawo me eye míekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe mía ŋua, míaƒe mɔkpɔkpɔ me gasẽna ɖe edzi. (Xlẽ Romatɔwo 5:3-5; Yakobo 1:12.) Esia wɔnɛ be míaƒe mɔkpɔkpɔa me va sẽna wu ale si wònɔ esime míexɔ nya nyuia. Satana di be kuxiwo nakpe mía dzi, gake Yehowa akpe ɖe mía ŋu míado dzi le wo katã me.

MÍAƑE MƆKPƆKPƆ LE ABE GAKUKU ENE

8. Mɔ ka nue mɔkpɔkpɔ le abe gakuku ene le? (1 Tesalonikatɔwo 5:8)

8 Biblia gatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ sɔ kple gakuku. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:8.) Asrafowo ɖɔa gakuku tsɔ kpɔa woƒe ta ta be futɔwo nagaxlã nu ɖee o. Nenema kee ehiã be míawo hã míakpɔ míaƒe susu ta tso míaƒe futɔ, Satana, si me. Ewɔa nu vovovowo tsɔ tea mí kpɔ be míagabu nu vɔ̃ abe ale si Mawu bunɛ ene o. Ale si ko gakuku kpɔa asrafowo ƒe ta taa, nenema kee míaƒe mɔkpɔkpɔ kpɔa míaƒe susu ta be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa.

9. Aleke ame siwo si mɔkpɔkpɔ mele o nɔa agbee?

9 Mɔkpɔkpɔ si le mía si be míava nɔ agbe tegbee la akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu le nunya me. Gake ne míaƒe mɔkpɔkpɔa me mesẽ o eye míeva le míaƒe nudzodzrowo ŋu bumaa, esia ate ŋu ahe míaƒe susu ɖa le agbe mavɔ si míele mɔ kpɔm na ŋu. Bu nu si dzɔ ɖe blema Korintotɔ aɖewo dzi ŋu kpɔ. Womegava xɔ Mawu ƒe ŋugbedodo vevi si nye tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi se o. (1 Kor. 15:12) Paulo gblɔ be ame siwo si mɔkpɔkpɔ mele be woava nɔ agbe le etsɔme o la wɔa nu sia nu si dzro wo. (1 Kor. 15:32) Egbea, ame siwo mexɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se o la dometɔ geɖe nɔa agbe ɖe sia ɖe ƒomevi si dzro wo fifia. Gake míawo ya míeka ɖe etsɔme nyui si ŋugbe Mawu do na mí dzi. Abe gakuku enea, míaƒe mɔkpɔkpɔa kpɔa míaƒe tamesusu ta, ale be míaganɔ agbe blibaa alo awɔ naneke si agblẽ mía kple Yehowa dome o.—1 Kor. 15:33, 34.

10. Aleke míaƒe mɔkpɔkpɔ ate ŋu akpɔ mía ta tso nuŋububu totrowo si me?

10 Azɔ hã, míaƒe mɔkpɔkpɔa kpɔa mía ta tso nuŋububu totro siwo awɔe be míagadze agbagba be míawɔ nu siwo adze Yehowa ŋu o la si me. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ate ŋu agblɔ be: ‘Nyemeka ɖe edzi be mate ŋu akpɔ agbe mavɔ o. Nye nu mate ŋu adze Mawu ŋu o. Nyemate ŋu awɔ Mawu ƒe nudidiwo dzi ale si dze o.’ Ðo ŋku edzi be Hiob xɔlɔ̃ Elifaz gblɔ nya mawo tɔgbi. Egblɔ be: “Nu kae amegbetɔ nye, be wòanɔ dzadzɛ?” Egblɔ tso Mawu hã ŋu be: “Kpɔ ɖa! Mexɔ eƒe kɔkɔetɔwo ke hã dzi se o, eye dziƒowo ŋutɔ hã medza le eŋkume o.” (Hiob 15:14, 15) Alakpanya vɔ̃ɖi ka gbegbee nye esi! Ðo ŋku edzi be Satana di be nàbu nuwo ŋu nenema, ale be mɔkpɔkpɔ nabu ɖe wò. Eya ta gbe nu le susu totro mawo gbɔ, eye nàtsɔ susu aɖo Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu. Ka ɖe edzi bliboe be Yehowa di be nànɔ agbe tegbee eye akpe ɖe ŋuwò esia nava eme na wò.—1 Tim. 2:3, 4.

LÉ WÒ MƆKPƆKPƆ ME ÐE ASI SESĨE

11. Nu ka tae wòle be míagbɔ dzi ɖi akpɔ Mawu sinu?

11 Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be míalé mɔkpɔkpɔ me ɖe asi o. Ɣeaɖewoɣia, esesẽna be míalala akpɔ Yehowa sinu. Yehowa li tso mavɔ me yi mavɔ me, eya ta ɣeyiɣi si míesusu be edidi la le kpuie le eya gbɔ. (2 Pet. 3:8, 9) Awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi pɛpɛpɛ, gake ɖewohĩ menye le ɣeyiɣi si míele mɔ kpɔm nɛ dzi o. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míalé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe esi míele Mawu ƒe ŋugbedodowo lalam?—Yak. 5:7, 8.

12. Le Hebritɔwo 11:1, 6 ƒe nya nua, kadodo kae le mɔkpɔkpɔ kple xɔse dome?

12 Ne míena mía kple Yehowa dome le kplikplikplia, esia awɔe be míalé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi goŋgoŋ, elabe Yehowa ana nu siwo míele mɔ kpɔm na nava eme. Le nyateƒe mea, Biblia gblɔ be hafi mɔkpɔkpɔ nasu mía sia, ele be míaxɔ edzi ase be Yehowa li eye enye “teƒeɖola na ame siwo dinɛ vevie la.” (Xlẽ Hebritɔwo 11:1, 6.) Ne míexɔe se ŋutɔŋutɔ be Yehowa lia, míagaka ɖe edzi geɖe be awɔ nu siwo katã ƒe ŋugbe wòdo dzi. Na míadzro nu siwo míate ŋu awɔ be mía kple Yehowa dome naganɔ kplikplikpli wu ale be míate ŋu alé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi goŋgoŋ la dometɔ aɖewo me.

Gbedodoɖa kple ŋugbledede ana míaƒe mɔkpɔkpɔ me nasẽ ɖe edzi (Kpɔ memama 13-15 lia) *

13. Nu kawoe míawɔ be míate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli?

13 Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa, eye nànɔ eƒe Nyaa xlẽm. Togbɔ be míate ŋu akpɔ Yehowa o hãa, míate ŋu ate ɖe eŋu. Míate ŋu ado gbe ɖa nɛ, eye míeka ɖe edzi be aɖo to mí. (Yer. 29:11, 12) Míawo hã míate ŋu aɖo to Mawu ne míexlẽa eƒe Nyaa eye míedea ŋugble le eŋu. Ne míexlẽa nu tso ale si Yehowa lé be na ame siwo wɔ nuteƒe nɛ le blema ŋua, míaƒe mɔkpɔkpɔ me agasẽ ɖe edzi. Ðe woŋlɔ nu siwo katã le Biblia me ɖi “be woatsɔ afia nu mí, ale be to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.”—Rom. 15:4.

14. Nu ka tae wòle be míanɔ ŋugble dem le nu siwo Yehowa wɔ na ame bubuwo ŋu?

14 De ŋugble le ale si Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodowo dzi ŋu. Bu nu si Mawu wɔ na Abraham kple Sara ŋu kpɔ. Wotsi to vidzidzi ŋu. Gake Yehowa do ŋugbe na wo be woadzi vi. (1 Mose 18:10) Aleke Abraham wɔ nui? Biblia gblɔ be: “Exɔe se be yeazu dukɔ geɖewo fofo.” (Rom. 4:18) Togbɔ be amegbetɔwo asusu be ŋugbedodo ma mate ŋu ava eme o hãa, Abraham ka ɖe Yehowa dzi be ana wòava eme, eye eva eme hã. (Rom. 4:19-21) Ŋutinya siawo tɔgbi fia mí be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi, ne edze abe mate ŋu ava eme o ene gɔ̃ hã.

15. Nu ka tae wòle be míanɔ ŋugble dem le nu siwo Mawu wɔ na mí ŋu?

15 De ŋugble le nu si Yehowa wɔ na wò ŋu. Bu ale si ŋugbe siwo Mawu do le Biblia mea ɖe vi na wò ŋutɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Yesu do ŋugbe be ye Fofo akpɔ wò agbemenuhiahiãwo gbɔ na wò. (Mat. 6:32, 33) Yesu ka ɖe edzi na wò be ne èbia gbɔgbɔ kɔkɔea, Yehowa ana wò. (Luka 11:13) Yehowa wɔ ŋugbedodo mawo dzi. Ðewohĩ èɖo ŋku eƒe ŋugbedodo bubuwo dzi. Le kpɔɖeŋu me, edo ŋugbe be yeatsɔ ake wò, yeafa akɔ na wò, eye yeakpe ɖe ŋuwò be nàsubɔ ye eye ele wo katã dzi wɔm. (Mat. 6:14; 24:45; 2 Kor. 1:3) Ne èdea ŋugble le nu siwo Mawu wɔ na wò va yi ŋua, esia ana nàganɔ mɔ kpɔm vevie na nu siwo ƒe ŋugbe wòdo be yeawɔ na wò le etsɔme hã.

DZI NEDZƆ WÒ LE MƆKPƆKPƆ ME

16. Nu ka tae mɔkpɔkpɔ nye nunana xɔasi?

16 Mɔkpɔkpɔ si le mía si be míava nɔ agbe tegbee nye nunana xɔasi tso Mawu gbɔ. Míele mɔ kpɔm na etsɔme nyui si ŋu kakaɖedzi le. Abe seke enea, míaƒe mɔkpɔkpɔa léa mí ɖe te. Enana míedoa dzi le dodokpɔwo kple yometitiwo me, eye míedzea ŋgɔ ku gɔ̃ hã. Abe gakuku enea, míaƒe mɔkpɔkpɔa kpɔa míaƒe tamesusu ta, ale be míatsri vɔ̃ eye míawɔ nu dzɔdzɔe. Biblia ƒe ŋugbedodo siwo míele mɔ kpɔm na ɖee fia be Mawu lɔ̃ mí eye wokpena ɖe mía ŋu míetena ɖe eŋu. Eɖea vi na mí ŋutɔ ne míelé míaƒe mɔkpɔkpɔa me ɖe asi sesĩe.

17. Nu ka tae míaƒe mɔkpɔkpɔa nana dzi dzɔa mí?

17 Apostolo Paulo de dzi ƒo na Romatɔwo be: “Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me.” (Rom. 12:12) Paulo ŋutɔ te ŋu kpɔ dzidzɔ elabe eka ɖe edzi be ne yeyi edzi wɔ nuteƒea, yeava nɔ agbe tegbee le dziƒo. Míawo hã míate ŋu akpɔ dzidzɔ le míaƒe mɔkpɔkpɔ me elabe míeka ɖe edzi be Yehowa awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi. Hakpalaa gblɔe wòsɔ nyuie be: ‘Dzidzɔtɔe nye ame si da eƒe mɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa eƒe Mawu, Ame si wɔa nuteƒe ɖaa tegbee, la dzi.’—Ps. 146:5, 6.

HADZIDZI 139 Kpɔ Ðokuiwò Le Xexe Yeyea Me

^ Yehowa na mɔkpɔkpɔ nyui aɖe mí ku ɖe etsɔme ŋu. Mɔkpɔkpɔ sia dea dzi ƒo na mí eye wòkpena ɖe mía ŋu míeɖea susu ɖa le kuxi siwo ɖe kpe na mí egbea dzi. Edoa ŋusẽ mí be míawɔ nuteƒe, nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míele o. Eye edzɔa míaƒe susu ŋu ale be míaƒe nuŋububu nawɔ ɖeka kple Yehowa tɔ ɣesiaɣi. Esiawo katã nye susu nyui siwo ta wòle be míalé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe.

^ NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Ale si ko gakuku kpɔa asrafo ƒe ta ta eye seke léa tɔdziʋu ɖe tea, nenema kee míaƒe mɔkpɔkpɔ kpɔa míaƒe susu ta eye wònana míedoa dzi le dodokpɔwo me. Nɔvinyɔnu aɖe le gbe dom ɖa na Yehowa vevie. Nɔviŋutsu aɖe le ŋugble dem le ale si Yehowa wɔ ŋugbe siwo wòdo na Abraham dzi ŋu. Nɔviŋutsu bubu aɖe hã le ŋku ɖom ale si Yehowa yrae va yi dzi.