Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 42

HADZIDZI 103 Alẽkplɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo

De Asixɔxɔ Ame Siwo Yehowa Tia Be Woaxɔ Ŋgɔ La Ŋu

De Asixɔxɔ Ame Siwo Yehowa Tia Be Woaxɔ Ŋgɔ La Ŋu

“Esi wòlia yi dzi ʋĩi la . . . , ena nunana siwo nye amewo.”EF. 4:8.

TAÐODZINUA

Míakpɔ ale si subɔsubɔdɔwɔlawo, hamemetsitsiwo kple nutome sue dzikpɔlawo kpena ɖe mía ŋu, kple nu si míate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be míedea asixɔxɔ ŋutsu nuteƒewɔla siawo ŋu.

1. Nu kawoe Yesu wɔ na mí?

 AMEGBETƆ aɖeke menyo dɔme na amewo kpɔ de Yesu nu o. Esi wònɔ anyigba dzi la, ezã ŋusẽ si Mawu nae tsɔ kpe ɖe amewo ŋu faa. (Luka 9:​12-17) Eƒe nunana gãtɔe nye eƒe agbe si wòtsɔ na ɖe mía ta. (Yoh. 15:13) Tso esime wofɔ Yesu ɖe tsitre la, ekpɔtɔ le kpekpem ɖe mía ŋu. Abe ale si wòdo eƒe ŋugbe enea, eɖe kuku na Yehowa be wòakɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe mía dzi, wòafia nu mí eye wòafa akɔ na mí. (Yoh. 14:​16, 17, etenuŋɔŋlɔ; 16:13) Yesu toa hamea ƒe kpekpewo dzi naa hehe mí be míawɔ amewo nusrɔ̃lawo le xexe bliboa me.—Mat. 28:​18-20.

2. “Nunana siwo nye amewo” si woyɔ le Efesotɔwo 4:​7, 8 la dometɔ aɖewo ɖe?

2 Yesu na nunana bubu aɖe hã mí. Apostolo Paulo gblɔ be esi Yesu yi dziƒoa, ena “nunana siwo nye amewo” la mí. (Xlẽ Efesotɔwo 4:​7, 8.) Paulo ɖe eme be Yesu na nunana siawo be woawɔ dɔ vovovowo le hamea me. (Ef. 1:​22, 23; 4:​11-13) Egbea, “nunana siwo nye amewo” dometɔ aɖewoe nye subɔsubɔdɔwɔlawo, hamemetsitsiwo kple nutome sue dzikpɔlawo. a Esi wònye ŋutsu siawo mede blibo o ta la, wowɔa vodada ɣeaɖewoɣi. (Yak. 3:2) Gake míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo zãa wo tsɔ kpena ɖe mía ŋu; wonye nunanawo na mí.

3. Wɔ ale si mí katã míakpe asi ɖe “nunana siwo nye amewo” ŋu la ƒe kpɔɖeŋu.

3 Yesu de dɔ asi na ŋutsu siawo siwo nye “nunana” la be woatu hamea ɖo. (Ef. 4:12) Anyo be mí katã míakpe ɖe wo ŋu be woawɔ dɔ vevi si wode wo si. Míate ŋu atsɔ esia asɔ kple Fiaɖuƒe Akpata tutudɔ. Le kpɔɖeŋu me: Ame aɖewo wɔa xɔtudɔa ŋutɔ, ɖewo ɖaa nu, ɖewo hã zãa woƒe ʋuwo eye bubuwo hã kpea asi ɖe dɔa ŋu le mɔ vovovowo nu. Nenema kee mí katã míate ŋu ato míaƒe nyagbɔgblɔ alo nuwɔnawo dzi akpe asi ɖe subɔsubɔdɔwɔlawo, hamemetsitsiwo kple nutome sue dzikpɔlawo ŋu. Azɔ míadzro nu eve siawo me. Gbã, ale si míaɖee afia ŋutsu dɔ sesẽwɔla siawo be míekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe dɔwo ŋu. Evelia, ale si míaɖee afia Yesu be míede asixɔxɔ eƒe “nunana siwo nye amewo” la ŋu.

SUBƆSUBƆDƆWƆLAWO WƆA “KPEKPEÐEŊUNADƆWO”

4. ‘Kpekpeɖeŋunadɔ’ kawoe subɔsubɔdɔwɔlawo wɔ le ƒe alafa gbãtɔ me?

4 Le ƒe alafa gbãtɔ mea, wotia nɔviŋutsu aɖewo wonye subɔsubɔdɔwɔlawo. (1 Tim. 3:8) Anɔ eme be woawo ŋue Paulo ƒo nu tsoe be wowɔa “kpekpeɖeŋunadɔwo.” (1 Kor. 12:28) Edze ƒãa be subɔsubɔdɔwɔlawo kpɔa dɔ vevi aɖewo gbɔ ale be hamemetsitsiwo navo ɖe nufiafia kple alẽkpɔkplɔ dɔa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔdɔwɔlawo anya kpe asi ɖe Ŋɔŋlɔawo gbugbɔgaŋlɔ kple asi kpakple dɔwɔnu siwo hiã le dɔ sia wɔwɔ me la ƒeƒle ŋu.

5. Kpekpeɖeŋunadɔ kawoe subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna egbea?

5 Bu kpekpeɖeŋunadɔ siwo subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna le miaƒe hamea me la ŋu kpɔ. (1 Pet. 4:10) Wodea dɔ wo si be woakpɔ hamea ƒe gakɔntawo, anyigbamamawo, agbalẽwo dɔdɔ na nɔviawo, nuƒomɔ̃wo kple videoɖemɔ̃wo gbɔ kpɔkpɔ, zikpui nana amewo, vavalawo xexlẽ kple beléle na Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu nyawo gbɔ. Dɔ siawo katã hiã be nuwo nazɔ nyuie le hamea me. (1 Kor. 14:40) Azɔ hã, subɔsubɔdɔwɔla aɖewo wɔa dɔdeasiwo le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea me eye woƒoa dutoƒonuƒowo. Woate ŋu ade dɔ subɔsubɔdɔwɔla si be wòakpe asi ɖe ƒuƒoƒodzikpɔla ŋu. Ɣeaɖewoɣia, hamemetsitsiwo miaa asi subɔsubɔdɔwɔla siwo dze be woakpe ɖe yewo ŋu le nɔviawo sasrãkpɔ me.

6. Susu kawo tae míekpɔa ŋudzedze ɖe subɔsubɔdɔwɔlawo ŋu?

6 Aleke dɔ siwo subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna la ɖea vi na hamea? Nɔvinyɔnu Beberly b si le Bolivia gblɔ be: “Dɔ siwo subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna la nana kpekpeawo vivia nunye. Woƒe dɔa nana wònɔa bɔbɔe nam be madzi ha, aɖo nya ŋu, ase nuƒowo, asrɔ̃ nu tso videowo kple nɔnɔmetatawo me. Wokpɔa egbɔ be nɔviwo le dedie le kpekpeawo me, wokpena ɖe nɔvi siwo le kaa dzi ŋu be woate ŋu ase kpekpea me nyawo nyuie. Ne kpekpea wu enua, woxɔa ŋgɔ le Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖo me, wokpɔa gakɔntawo gbɔ eye wokpɔa egbɔ be agbalẽ siwo míehiã la su mía si. Medaa akpe ɖe wo ta ŋutɔ!” Nɔvinyɔnu Leslie, si le Colombia eye srɔ̃a nye hamemetsitsi gblɔ be: “Dɔ vovovo siwo subɔsubɔdɔwɔlawo wɔnaa nana wònɔa bɔbɔe na srɔ̃nye be eya hã tea ŋu kpɔa eƒe dɔwo gbɔ. Woawo manɔmee la, anye ne srɔ̃nye axaxa ale gbegbe, eya ta medaa akpe ɖe ale si wodoa vevie nu helɔ̃na faa kpea asi ɖe dɔawo ŋu ta.” Ðikeke mele eme o be mí katã míekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ vevi siwo subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna ŋu.—1 Tim. 3:13.

7. Aleke míaɖee afia subɔsubɔdɔwɔlawo be míekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

7 Míekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ siwo subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna ŋu, enyo eye wòsɔ nenema hã, gake ema ɖeɖe mesu o. Biblia de dzi ƒo na mí be: ‘Míanye akpedalawo.’ Esia fia be míaɖee agblɔ na wo. (Kol. 3:15) Nɔviŋutsu Kristofer, si nye hamemetsitsi le Finland, ɖo kpɔɖeŋu nyui le esia me. Egblɔ be: “Meɖoa agbalẽvi alo text message ɖe subɔsubɔdɔwɔla. Meŋlɔa mawunyakpukpui aɖe, nu nyui aɖe si wòwɔ alo nya aɖe si wògblɔ si de dzi ƒo nam la ɖe eme tsɔ daa akpe nɛ.” Pascal kple Jael, siwo le New Caledonia, la doa gbe ɖa ɖe subɔsubɔdɔwɔlawo ta zi geɖe. Pascal gblɔ be: “Le ŋkeke siawo mea, míedoa gbe ɖa eye míedaa akpe ɖe subɔsubɔdɔwɔlawo ta, eye míeƒoa koko na Yehowa hã be wòakpe ɖe wo ŋu woayi edzi awɔ woƒe dɔwo.” Yehowa sea gbedodoɖa siawo eye esia ɖea vi na hame bliboa.—2 Kor. 1:11.

HAMEMETSITSI SIWO “LE DƆ WƆM VEVIE LE MIA DOME”

8. Nu ka tae Paulo gblɔ be hamemetsitsi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔ dɔ “vevie”? (1 Tesalonikatɔwo 5:​12, 13)

8 Hamemetsitsi siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me wɔ dɔ sesĩe le hamea me. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:​12, 13; 1 Tim. 5:17) Wowɔa woƒe “dzikpɔkpɔdɔa nyuie” le hamea me. Wokpɔa kpekpewo dzi eye hamemetsitsiwo ƒe haa tsoa nya me le nya veviwo ŋu. ‘Woxlɔ̃a nu’ nɔviwo heɖoa aɖaŋu nyuiwo na wo ale be woate ŋu ali ke le xɔse la me. (1 Tes. 2:​11, 12; 2 Tim. 4:2) Azɔ hã, ŋutsu siawo wɔa dɔ sesĩe tsɔ kpɔa woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ eye wokpɔa egbɔ be ƒomedodo nyui gakpɔtɔ le yewo kple Yehowa dome.—1 Tim. 3:​2, 4; Tito 1:​6-9.

9. Dɔ vovovo kawoe hamemetsitsiwo wɔna egbea?

9 Egbea, dɔ geɖe le hamemetsitsiwo dzi. Wowɔa nya nyui gbɔgblɔ dɔa. (2 Tim. 4:5) Woxɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me veviedodotɔe, wowɔa ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le woƒe anyigbamamawo me eye wonaa hehe nɔviwo be woate ŋu aɖe gbeƒã ahafia nu amewo nyuie. Azɔ hã, wodrɔ̃a ʋɔnu. Ne hamea me tɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya la, hamemetsitsiawo dzea agbagba kpena ɖe eŋu be wòadzra eya kple Yehowa dome ɖo. Ne wole esia wɔm la womekpɔa ame ŋkume o. Wokpɔa nublanui ne ehiã, gake wokpɔa egbɔ be hamea le dzadzɛ. (1 Kor. 5:​12, 13; Gal. 6:1) Hamemetsitsiawo ƒe dɔ vevitɔe nye be woakplɔ Mawu ƒe alẽhaa. (1 Pet. 5:​1-3) Wodzrana ɖo ɖe Biblia me nuƒowo ŋu nyuie va ƒona, wodzea agbagba dzea si ame sia ame le hamea me eye wosrãa wo kpɔ. Hamemetsitsi aɖewo kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpatawo tutu kple beléle na wo ŋu. Ðewo wɔa ɖoɖo ɖe takpekpewo ŋu, wo dometɔ aɖewo hã nye Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti kple Dɔnɔsasrãkpɔhawo me tɔwo. Hamemetsitsi siawo dometɔ geɖe gawɔa dɔ bubuwo hã. Nyateƒee, hamemetsitsiwo le dɔ dzi vevie ŋutɔ!

10. Susu siwo tae míedea asixɔxɔ hamemetsitsi siwo doa vevie nu ŋu dometɔ aɖewo ɖe?

10 Yehowa gblɔe ɖi be yeaɖo alẽkplɔla siwo alé be na mí nyuie la mía nu ale be ‘míagavɔ̃ azɔ o eye ŋɔ magadzi mí o.’ (Yer. 23:4) Nɔvinyɔnu Johanna si le Finland kpɔ nya sia ƒe nyateƒenyenye esime nɔa dze dɔ vevie. Egblɔ be: “Togbɔ be esesẽna nam be magblɔ nye seselelãmewo na amewo hã, hamemetsitsi aɖe si nyemenya nyuie o gbɔ dzi ɖo tom nyuie, edo gbe ɖa kplim eye wòka ɖe edzi nam be Yehowa lɔ̃m. Nyemeɖo ŋku nya si tututu wògblɔ dzi ya o, gake meɖo ŋku edzi be mese le ɖokuinye me be mele dedie. Mekpɔe be Yehowae dɔe be wòava kpe ɖe ŋunye le ɣeyiɣi si tututu me mehiãe me.” Aleke hamemetsitsi siwo le miaƒe hamea me la kpe ɖe ŋuwòe?

11. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe hamemetsitsiwo ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

11 Yehowa di be míada akpe na hamemetsitsiawo tso dzi me “le woƒe dɔwɔwɔ ta.” (1 Tes. 5:​12, 13) Nɔvinyɔnu Henrietta, si le Finland, gblɔ be: “Hamemetsitsiwo kpena ɖe amewo ŋu faa, gake esia mefia be ɖe wovo, ŋusẽ le wo ŋu wu ame bubuwo alo kuxi aɖeke mele wo dzi o. Ɣeaɖewoɣia, megblɔna na wo be: ‘Ðeko medi be magblɔ na wò be hamemetsitsi nyui aɖee nènye. Èdzena agbagba ŋutɔ.’” Nɔvinyɔnu Sera si le Türkiye c gblɔ be: “Hamemetsitsiwo hiã na ŋusẽdodo be woate ŋu ayi woƒe dɔa dzi. Eya ta míate ŋu aŋlɔ dzideƒonya ɖe agbalẽvi dzi atsɔ ana wo, míate ŋu akpe wo be woava ɖu nu kpli mí, alo míawɔ dɔ kpli wo le gbeadzi.” Ðe hamemetsitsi aɖe koŋ ƒe agbagbadzedze wɔa dɔ ɖe dziwòa? Ekema di mɔ siwo dzi nàto ana wòanya.—1 Kor. 16:18.

Àte ŋu awɔ nu siwo ado ŋusẽ nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm be woayi woƒe dɔa dzi (Kpɔ memama 7, 11, 15)


NUTOME SUE DZIKPƆLAWO DOA ŊUSẼ HAMEAWO

12. Ðoɖo kae Yesu wɔ tsɔ do ŋusẽ hameawo le ƒe alafa gbãtɔ me? (1 Tesalonikatɔwo 2:​7, 8)

12 Kristo Yesu de dɔ asi na nɔviŋutsu aɖewo hã be woakpe ɖe hameawo ŋu le mɔ bubuwo nu. Yesu to hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem la dzi de dɔ asi na Paulo, Barnaba, kple ame bubuwo be woanye dzikpɔla mɔzɔlawo. (Dɔw. 11:22) Nu ka tae? Eyae nye be woado ŋusẽ hameawo. (Dɔw. 15:​40, 41) Ŋutsu siawo tsɔ nu geɖe sa vɔe ale be woate ŋu awɔ dɔ sia. Ɣeaɖewoɣia, wotsɔa woƒe agbe dea afɔku me gɔ̃ hã be woate ŋu afia nu nɔviawo eye woade dzi ƒo na wo.—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:​7, 8.

13. Dɔ siwo nutome sue dzikpɔlawo wɔna dometɔ aɖewo ɖe?

13 Nutome sue dzikpɔlawo ƒe dɔa bia be woanɔ mɔ zɔm tso teƒe yi teƒe. Wo dometɔ aɖewo zɔa mɔ kilometa alafa geɖe tso hame ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ. Kwasiɖa sia kwasiɖaa, nutome sue dzikpɔla ƒoa nuƒo geɖe, esrãa nɔviawo kpɔ, ewɔa kpekpe kple mɔɖelawo, ewɔa kpekpe kple hamemetsitsiwo, eye wòkpɔa kpekpewo hena gbeadziyiyi dzi. Edzraa nuƒowo ɖo eye wòwɔa ɖoɖo ɖe takpekpe suewo kple gãwo ŋu. Efiaa nu le mɔɖelawo ƒe suku, ewɔa kpekpe tɔxɛ kple mɔɖela siwo le nutome suea me. Azɔ hã ekpɔa nya vevi alo nya kpata siwo alɔdzedɔwɔƒea de esi la gbɔ.

14. Susu kawo tae míekpɔa ŋudzedze ɖe nutome sue dzikpɔla dɔ sesẽ wɔla siawo ŋu?

14 Aleke nutome sue dzikpɔlawo ƒe dɔa ɖea vi na hameawo? Nɔvi aɖe si le Türkiye gblɔ tso woƒe dɔa ŋu be: “Woƒe sasrãkpɔ ɖe sia ɖe ʋãam be madi ɣeyiɣi akpe ɖe nɔviawo ŋu geɖe wu. Nutome sue dzikpɔla geɖe va srã mí kpɔ, ke hã wo dometɔ aɖeke mena mese le ɖokuinye me kpɔ be vovo mele ye ŋu o. Wonana wònɔa bɔbɔe nam be mate ɖe wo ŋu.” Johanna si ŋu míeƒo nu tsoe va yia wɔ dɔ kple nutome sue dzikpɔla le gbeadzi gbe ɖeka, gake womekpɔ ame aɖeke le aƒeawo me o. Johanna gblɔ be: “Ke hã nyemaŋlɔ ŋkeke ma be akpɔ o. Ɣemaɣia, nɔvinyenyɔnu eveawo ʋu dzo teti koe nye ema eye menɔ wo susum ŋutɔ. Nutome sue dzikpɔlaa de dzi ƒo nam eye wòkpe ɖe ŋunye mekpɔe be togbɔ be nye kple nye ƒometɔwo mele teƒe ɖeka fifia o hã, ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu koe wònye. Elabe le xexe yeyea me la, mɔnukpɔkpɔ geɖe asu mía si míanɔ míaƒe ƒometɔwo gbɔ ale si míedi.” Mía dometɔ geɖe míekpɔa ŋudzedze ɖe ale si nutome sue dzikpɔlawo kpe ɖe mía ŋu hedo ŋusẽ mí va yii la ŋu.—Dɔw. 20:37–21:1.

15. (a) Le 3 Yohanes 5-8 ƒe nya nua, aleke míate ŋu aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia nutome sue dzikpɔlawo? (Kpɔ fotoa hã.) (b) Nu ka tae wòle be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm la srɔ̃wo hã, eye aleke míate ŋu awɔ esiae? (Kpɔ aɖaka si nye “ Mègaŋlɔ Wo Srɔ̃wo Be O.”)

15 Apostolo Yohanes de dzi ƒo na Gayo be wòayi eƒe amedzrowɔwɔa dzi eye wògblɔ nɛ be ‘wòado mɔ mɔzɔlawo ale si dze Mawu ŋu.’ (Xlẽ 3 Yohanes 5-8.) Mɔ aɖe si dzi míato awɔ esiae nye be míakpe nutome sue dzikpɔla be wòava ɖu nu kpli mí. Mɔ bubue nye be míawɔ ɖoɖo ayi gbeadzi kpli wo ne wova srã hamea kpɔ. Leslie, si ƒe nya míegblɔ va yia, ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia le mɔ bubuwo hã nu. Egblɔ be: “Medoa gbe ɖa be Yehowa nakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Nye kple srɔ̃nye míeŋlɔa lɛta na wo gblɔa ale si gbegbe woƒe sasrãkpɔa ɖe vi na mí la ɖe eme.” Ðo ŋku edzi be amegbetɔ koe nutome sue dzikpɔlawo hã wonye. Ɣeaɖewoɣia, wodzea dɔ, wotsia dzimaɖi eye dzi ɖena le wo ƒo gɔ̃ hã. Ðewohĩ wò dzideƒonyawo kple wò nunana sue si nàna nutome sue dzikpɔlaa, anye woƒe gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖo!—Lod. 12:25.

MÍEHIÃ NA “NUNANA SIWO NYE AMEWO” LA GEÐE WU

16. Le ɖekawɔwɔ me kple Lododowo 3:27 la, nya kawoe nɔviŋutsuwo ate ŋu abia wo ɖokuiwo?

16 Le xexea me godoa, míehiã na “nunana siwo nye amewo” la geɖe wu be woasubɔ le hamewo me. Ne nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ̃e nènye la, ke ɖe “ŋutete le ŋuwò” be nàtsɔ ɖokuiwò ana? (Xlẽ Lododowo 3:27.) Ðe nèdi be yeava dze anye subɔsubɔdɔwɔla? Ne subɔsubɔdɔwɔlae nènye la, ɖe didia le mewò be nàva nye hamemetsitsi asubɔ nɔviawo geɖe wua? d Ðe nàte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu ale be nà de Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua? Suku sia akpe ɖe ŋuwò nàsu te nyuie be Yesu nazã wò geɖe wu. Ne ewɔ na wò be yemate ŋu awɔ nu siawo oa, ke do gbe ɖa na Yehowa tso eŋu. Biae be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu awɔ dɔ ɖe sia ɖe si woade asiwò la nyuie.—Luka 11:13; Dɔw. 20:28.

17. Nu kae “nunana siwo nye amewo” la ɖe fia tso míaƒe Fia, Kristo Yesu ŋu?

17 Nɔvi siwo Yesu ɖo wonye “nunana siwo nye amewo” la nye kpeɖodzi be eyae le mɔ fiam mí le ŋkeke mamlɛ siawo me. (Mat. 28:20) Ðe medzɔa dzi na wò ŋutɔ be míaƒe Fia Yesu lɔ̃ mí eye wònyoa dɔme na mí oa? Ðe medzɔa dzi na wò be enya nu siwo míehiã eye wòna nɔviŋutsu siawo siwo léa be na ame vevie la mí oa? Ekema di mɔnukpɔkpɔwo nàtsɔ aɖee afia be yekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ siwo nɔviŋutsu siawo wɔna la ŋu. Neva eme be nànɔ akpe dam na Yehowa, Mawu si gbɔ “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã tso” la ɣesiaɣi.—Yak. 1:17.

HADZIDZI 99 Nɔvi Akpeakpewo

a Hamemetsitsi siwo nye Dɔdzikpɔha Me Tɔwo, Dɔdzikpɔhaa ƒe kpeɖeŋutɔwo, Alɔdzekɔmitia Me Tɔwo, kple hamemetsitsi siwo wɔa subɔsubɔdɔ bubuwo hã nye “nunana siwo nye amewo.”

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

c Woyɔnɛ tsã be Turkey.

d Ne èdi be yeanya ale si yeawɔ adze anye subɔsubɔdɔwɔla alo hamemetsitsi la, kpɔ nyati siwo nye “Nɔviŋutsuwo—Ðe Miele Subɔsubɔdɔwɔlawo Ƒe Dɔa Minyama?” kple “Nɔviŋutsuwo—Ðe Miele Hamemetsitsiwo Ƒe Dɔa Minyama?” siwo dze le November 2024 ƒe Gbetakpɔxɔ me.