Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 40

HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye

‘Yehowa Daa Gbe Le Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã Ŋu’

‘Yehowa Daa Gbe Le Ame Siwo Ƒe Dzi Gbã Ŋu’

“Edaa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu; eye wòblaa abi na wo.”PS. 147:3.

TAÐODZINUA

Yehowa léa be na ame siwo ƒe dzi gbã la vevie. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu siwo Yehowa wɔna be yeatsɔ afa akɔ na mí, kple ale si míawo ŋutɔwo hã míate ŋu afa akɔ na ame bubuwo.

1. Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso esubɔlawo ŋu?

 NE YEHOWA lé ŋku ɖe esubɔla siwo le anyigba dzi ŋu la, nu kae wòdea dzesii? Edea dzesii ne míele dzidzɔ kpɔm alo míele nu xam. (Ps. 37:18) Ekpɔa dzidzɔ ŋutɔ ne ekpɔe be míele agbagba ɖe sia ɖe dzem be míasubɔ ye togbɔ be dzigbãnyawo ɖea fu na mí hã. Edi vevie be yeakpe ɖe mía ŋu eye yeafa akɔ na mí.

2. Nu kae Yehowa wɔna na ame siwo ƒe dzi gbã, eye nu kae wòle be woawo hã nawɔ?

2 Psalmo 147:3 gblɔ be Yehowa ‘blaa ame siwo ƒe dzi gbã la ƒe abiwo.’ Woɖɔ Yehowa le afi sia be eléa be na ame siwo le veve sem le dzi me. Ke nu kae nàwɔ be Yehowa nalé be na wò? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Ðɔkta bibi ate ŋu akpe ɖe ame si xɔ abi ŋu be abia naku. Gake ele be ame si xɔ abia nawɔ ɖe ɖɔktaa ƒe mɔfiamewo dzi pɛpɛpɛ. Nenema kee wòhiã be míawɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi be míaƒe dzi nadze eme. Le nyati sia mea, míakpɔ nya siwo Yehowa gblɔ na ame siwo ƒe dzi gbã, eye míadzro eƒe mɔfiame siwo ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ míi fia la me.

YEHOWA NA MÍENYA BE YEDEA ASIXƆXƆ MÍA ŊU

3. Nu ka tae ame aɖewo sena le wo ɖokui me be viɖe aɖeke mele yewo ŋu o?

3 Lɔlɔ̃ zu dze bu ɖe ama me le xexe sia me eye nublanuitɔe la, ale si wowɔa nu ɖe amewo ŋui la nana wosena le wo ɖokui me be viɖe aɖeke mele yewo ŋu o. Nɔvinyɔnu Helen a gblɔ be: “Dzinyelawo meɖe lɔlɔ̃ fiam kura o. Tɔnye sẽa tame le ŋunye eye wògblɔna nam gbe sia gbe be viɖe aɖeke mele ŋunye o.” Ðewohĩ wò hã womewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o, wodzu wò enuenu alo womeɖe lɔlɔ̃ fia wò o, abe ale si wòdzɔ ɖe Helen dzi ene. Ne nenemae la, ate ŋu asesẽ na wò be nàka ɖe edzi be ame aɖe lɔ̃ wò ŋutɔŋutɔ.

4. Le Psalmo 34:18 ƒe nya nu la, nu ka dzie Yehowa di be míaka ɖo?

4 Ne amewo mewɔ nu ɖe ŋuwò nyuie o gɔ̃ hã la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò eye wòdea asixɔxɔ ŋuwò. “[Etsɔ] ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ.” (Xlẽ Psalmo 34:18.) Ne ‘nu te ŋuwò’ eye dzi ɖe le ƒowò la, ɖo ŋku edzi be Yehowa kpɔ nɔnɔme nyui aɖewo le mewò eye wòhe wò va eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44) Ele klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe ŋuwò elabe èxɔ asi nɛ vevie ŋutɔ.

5. Aleke Yesu wɔ nu ɖe ame siwo amewo mebuna ɖe ɖeke me o ŋu, eye nu kae míesrɔ̃ tso eme?

5 Yesu ƒe kpɔɖeŋu me dzodzro ana míanya ale si Yehowa sena le eɖokui me. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ede dzesi ame siwo amewo mebuna ɖe ɖeke me o, eye wòse veve ɖe wo nu hewɔ nu ɖe wo ŋu nyuie. (Mat. 9:​9-12) Gbe ɖeka esi nyɔnu aɖe di be yeahaya tso dɔlelé vɔ̃ɖi aɖe si mea, eka asi Yesu ƒe awu ŋu; Yesu fa akɔ nɛ hekafui ɖe eƒe xɔse ta. (Marko 5:​25-34) Yesu ɖea Fofoa ƒe nɔnɔmewo fiana pɛpɛpɛ. (Yoh. 14:9) Eya ta àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ ŋuwò, edea dzesi wò xɔse, wò lɔlɔ̃ kple wò nɔnɔme nyui bubuawo.

6. Ne èsena le ɖokuiwò me be yemele ɖeke me o la, nu kae akpe ɖe ŋuwò?

6 Ne èsena le ɖokuiwò me be yemele ɖeke me o la, nu kae nàte ŋu awɔ? Xlẽ mawunyakpukpui siwo akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be Yehowa dea asixɔxɔ ŋuwò eye nànɔ ŋugble dem le wo ŋu. b (Ps. 94:19) Ne mète ŋu ɖo wò taɖodzinu aɖe gbɔ o alo mètea ŋu wɔa geɖe abe ame bubuwo ene o si na dzi ɖe le ƒowò la, mègasusu be yedo kpo nu o. Yehowa mebiaa nu siwo gbɔ míaƒe ŋutete ŋu la tso mía si o. (Ps. 103:​13, 14) Ne ame aɖe wɔ ŋutasẽnu ɖe ŋuwò va yia, mègabu fɔ ɖokuiwò ɖe nu si wòwɔa ta o. Mesɔ be wòawɔ nu ma ɖe ŋuwò kura hafi o! Ðo ŋku edzi be nu gbegblẽ wɔlawoe Yehowa ahe to na, ke menye ame siwo ŋu wowɔ nu gbegblẽa ɖo o. (1 Pet. 3:12) Sandra, si ŋu wowɔ ŋutasẽnuwo ɖo le ɖevime, la gblɔ be: “Medoa gbe ɖa na Yehowa edziedzi be wòakpe ɖe ŋunye mabu ɖokuinye ɖe ame me eye mabu ɖokuinye abe ale si wòbuam ene.”

7. Togbɔ be míanya to nɔnɔme madeamedzi aɖewo me le agbe me hã la, aleke Yehowa ate ŋu azã mí?

7 Le nyateƒe me la, Yehowa ate ŋu azã wò nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ede bubu ŋuwò eye wòna nèva nye eƒe hadɔwɔla le gbeƒãɖeɖedɔa me. (1 Kor. 3:9) Anɔ eme be nu siwo me nèto le agbe me la na nèsea veve ɖe amewo nu hesea nu gɔme na wo geɖe wu. Eya ta àte ŋu akpe ɖe ame siwo hã le nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋu. Nɔviwo kpe ɖe Helen si ŋu míeƒo nu tsoe va yia ŋu, eye fifia, eya hã le kpekpem ɖe ame bubuwo ŋu. Egblɔ be: “Yehowa kpe ɖe nye, ame si mele ɖeke me o la ŋu. Meva kpɔe be elɔ̃m vevie eye viɖe le ŋunye.” Helen zu gbesiagbe mɔɖela eye wòle dzidzɔ kpɔm ŋutɔ.

YEHOWA DI BE NÀKA ÐE EDZI BE NE YETSƆE KE WÒ LA, YETSƆE KE WÒ VAVÃ

8. Kakaɖedzinya kae le Yesaya 1:18 na mí?

8 Yehowa subɔla aɖewo sea veve vevie ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi alo esiwo wowɔ le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la ta. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be esi Yehowa lɔ̃ mí vevie tae wòwɔ ɖoɖo ɖe tafea ŋu be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Míate ŋu aka ɖe edzi be edi be míaxɔ yeƒe nunana sia alɔeve. Yehowa ka ɖe edzi na mí be ne míenya ‘kpɔ mía kpli ye dome nyawo gbɔ’ c vɔ ko la, yemagabu míaƒe vodadawo na mí azɔ o. (Xlẽ Yesaya 1:18.) Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yehowa megaɖoa ŋku nu vɔ̃ siwo míewɔ va yia dzi o! Gake eɖoa ŋku nu nyui siwo míewɔ va yi ya dzi.—Ps. 103:​9, 12; Heb. 6:10.

9. Nu ka tae mele be míanɔ nu vɔ̃ siwo míewɔ va yia ŋu bum o?

9 Ne nu siwo nèwɔ va yi le fu ɖem na wò la, anyo be nàtrɔ susu ɖe nu siwo wɔm nèle fifia kple nu siwo nàva wɔ le etsɔme la ŋu. Bu apostolo Paulo ŋu kpɔ. Ete ɖe edzi be yeti Kristotɔwo yome kutɔkutɔe va yi, gake enya be Yehowa tsɔe ke ye. (1 Tim. 1:​12-15) Ðe wòyi edzi nɔ nu vɔ̃ siwo wòwɔ va yi la ŋu buma? Anɔ eme be mewɔe nenema o, abe ale si ko meyi edzi nɔ ale si wòxɔ ŋkɔ le Yudasubɔsubɔ me ŋu bum alo tsɔe nɔ adegbe ƒomee o la ene. (Flp. 3:​4-8, 13-15) Ke boŋ etsɔ dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu eye wòkpɔ ŋgɔ tẽe. Nu siwo dzɔ va yia dzɔ xoxo, Paulo mate ŋu atrɔe o. Wò hã màte ŋu atrɔ nu siwo dzɔ va yi o. Gake àte ŋu awɔ nu siwo ahe kafukafu vɛ na Yehowa fifia eye nànɔ mɔ kpɔm na nu siwo ƒe ŋugbe wòdo na wò.

10. Ne wò nuwɔna gblẽ nu le ame aɖewo ŋu la, nu kae nàte ŋu awɔ?

10 Ðewohĩ ete ɖe dziwò be nu siwo yewɔ va yi la gblẽ nu le ame aɖewo ŋu. Ke esi wòle alea ɖe, nu kae nàte ŋu awɔ? Dze agbagba nàwɔ nane tso nɔnɔmea ŋu. Esia ate ŋu abia be nàɖe kuku na wo eye nàna wòadze ƒãa be nu si dzɔ la te ɖe ye dzi. (2 Kor. 7:11) Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ame siwo ŋu wò nuwɔnaa gblẽ nu le la ŋu. Ate ŋu akpe ɖe wò kple woawo siaa ŋu be miado dzi eye miakpɔ ŋutifafa.

11. Nu kae míesrɔ̃ tso nyagblɔɖila Yona gbɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi hã.)

11 Srɔ̃ nu tso wò vodadawo me eye nàlɔ̃ faa Yehowa nazã wò le mɔ si wòdi nu. Bu nyagblɔɖila Yona ŋu kpɔ. Mawu dɔe ɖe Niniwe gake esi ɖo ta teƒe bubu kura. Yehowa he to na Yona eye wòsrɔ̃ nu tso eƒe vodadawo me. (Yona 1:​1-4, 15-17; 2:​7-10) Yehowa megbe nu le Yona gbɔ o. Egana mɔnukpɔkpɔ bubu Yona be wòayi Niniwe. Fifia ya eɖo to eye wòyi. Togbɔ be nu si Yona wɔ va yi te ɖe edzi hã la, elɔ̃ faa xɔ dɔ si Yehowa de esi.—Yona 3:​1-3.

Esi Yehowa na Yona tsi agbe le tɔmelã gã la ƒe dɔme megbe la, Yehowa gabia tso esi be wòayi Niniwe aɖagblɔ yeƒe gbedeasia na wo (Kpɔ memama 11)


YEHOWA TOA GBƆGBƆ KƆKƆEA DZI FAA AKƆ NA MÍ

12. Ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe mía dzi la, aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu? (Filipitɔwo 4:​6, 7)

12 Ne nya vɔ̃ alo dzigbãnya aɖe dzɔ ɖe mía dzi la, Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi faa akɔ na mí. Bu nu si me Ron kple Carol to ŋu kpɔ. Nublanuitɔe la, wo viŋutsu wu eɖokui. Wogblɔ be: “Togbɔ be míeto nɔnɔme sesẽwo me va yi hã la, esia ya gaƒo wo ta sãsãsã. Míetsi zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe henɔ gbedodoɖa dzi, eye esia wɔe be ŋutifafa si ŋu woƒo nu tsoe le Filipitɔwo 4:​6, 7 la su mía si.” (Xlẽe.) Ne dzigbãnya aɖe dzɔ ɖe dziwò la, àte ŋu ado gbe ɖa na Yehowa agblɔ wò dzimenyawo nɛ zi gbɔ zi geɖe ale si nèdi. (Ps. 86:3; 88:1) Bia Yehowa enuenu be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò. Mado toku wò o, akpe ɖe ŋuwò.—Luka 11:​9-13.

13. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔe akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa? (Efesotɔwo 3:16)

13 Ðe nèle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom si na nèse le ɖokuiwò me be wɔna vɔ le ye ŋua? Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu ado ŋusẽ wò be nàyi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. (Xlẽ Efesotɔwo 3:16.) Bu nu si me nɔvinyɔnu Flora to ŋu kpɔ. Eya kple srɔ̃a wonye dutanyanyuigblɔlawo nɔ subɔsubɔm ɖekae, gake ŋutsua meva wɔ nuteƒe nɛ o si wɔe be wogbe wo nɔewo. Flora gblɔ be: “Eƒe nuteƒemawɔmawɔa na melé blanui vevie; nu bliboa xɔ susu me nam. Medoa gbe ɖa na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nado ŋusẽm be mate ŋu ado dzi. Yehowa fa akɔ nam, eye togbɔ be mesusui be nyemate ŋu anɔ te ɖe enu o hã, Yehowa kpe ɖe ŋunye be mete ŋu do dzi.” Flora se le eɖokui me be Yehowa kpe ɖe ye ŋu yeva ka ɖe eyama dzi geɖe wu eye enya be alé ye ɖe te le yeƒe xaxawo katã me. Egblɔ be: “Nya siwo le Psalmo 119:32 va eme nam: ‘Manɔ wò sewo yome vevie elabena èna wòkpɔ nɔƒe le nye dzi me.’”

14. Nu kawoe nàwɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔa nakpe ɖe ŋuwò?

14 Ne èbia Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe ŋuwò la, nu kae wòle be wò ŋutɔ hã nàwɔ? Wɔ nu siwo ana gbɔgbɔa nawɔ dɔ ɖe dziwò. Nu mawo ƒe ɖewoe nye kpekpeawo dede kple gbeƒãɖeɖe na amewo. Nɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽm gbe sia gbe be wòaxɔ susu me na wò. (Flp. 4:​8, 9) Ne èle Biblia xlẽm la, de ŋugble le Bibliameme siwo to nɔnɔme sesẽwo me eye Yehowa kpe ɖe wo ŋu wodo dzi la ŋu. Sandra si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la to nɔnɔme sesẽ geɖe me le agbe me. Egblɔ be: “Yosef ƒe ŋutinyaa koŋue wɔa dɔ ɖe dzinye. Meɖe mɔ nɔnɔme sesẽ siwo me wòto kple nu madzɔmadzɔ siwo wowɔ ɖe eŋu la gblẽ nu le eya kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu o.”—1 Mose 39:​21-23.

YEHOWA TOA MÍA NƆVIWO DZI FAA AKƆ NA MÍ

15. Ame kawo gbɔe míate ŋu akpɔ akɔfafa tso, eye mɔ kawo nue woate ŋu afa akɔ na mí le? (Kpɔ fotoa hã.)

15 Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, mía nɔvi Kristotɔwo ate ŋu anye ‘akɔfafatsoƒe gã’ na mí. (Kol. 4:11) Yehowa toa mía nɔviwo dzi ɖenɛ fiana be yelɔ̃ mí vevie. Wofaa akɔ na mí le mɔ vovovowo nu. Wonɔa mía ŋu, woɖoa to mí veveseɖeamenutɔe, woxlẽa mawunyakpukpui aɖewo tsɔ dea dzi ƒo na mí, alo doa gbe ɖa kpli mí gɔ̃ hã. d (Rom. 15:4) Ɣeaɖewoɣia, mía nɔvi Kristotɔwo kpena ɖe mía ŋu míebua nuwo ŋu nyuie abe ale si Yehowa bunɛ ene, eye esia kpena ɖe mía ŋu míeɖea dzi ɖi. Mía nɔvi aɖewo hã ɖaa nu na mí alo kpɔa hiahiã bubuwo gbɔ na mí.

Nɔvi siwo tsi le xɔse me eye wolɔ̃ Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ahafa akɔ na wò (Kpɔ memama 15)


16. Ɣeaɖewoɣi la, nu kae wòhiã be nàwɔ ale be nɔviwo nate ŋu akpe ɖe ŋuwò?

16 Ɣeaɖewoɣia, ahiã be nàɖe afɔ abia kpekpeɖeŋu tso mía nɔviwo gbɔ. Wolɔ̃ mí eye wodina be yewoakpe ɖe mía ŋu. (Lod. 17:17) Gake womate ŋu anya nu si nèhiã kple ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò me o. (Lod. 14:10) Ne nu le tetem ɖe dziwò la, gblɔe na nɔvi siwo tsi le xɔse me. Na woanya nu si nèdi be woawɔ atsɔ akpe ɖe ye ŋu. Àte ŋu agblɔ wò dzimenyawo na hamemetsitsi ɖeka alo eve siwo ŋu nètena ɖo bɔbɔe. Nɔvinyɔnu aɖewo kpɔe be yewoƒe dzi dzea eme ne yewogblɔ yewoƒe dzimenyawo na nɔvinyɔnu aɖe si tsi le xɔse me.

17. Nu kae ate ŋu ana wòasese na mí be míana mía nɔviwo nade dzi ƒo na mí, gake nu kae wòle be míawɔ?

17 Mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga o. Vevesese ate ŋu awɔe be màdi be yeayi amewo dome aɖo dze kpli wo o. Ate ŋu adzɔ hã be nɔviwo mase nu gɔme na wò bliboe o alo woagblɔ nya aɖe si mavivi nuwò o. (Yak. 3:2) Ne edzɔ alea la, mègana nu mawo nawɔe be nàte ɖokuiwò ɖa tso wo gbɔ o. Yehowa ate ŋu ato wo dzi ade dzi ƒo na wò. Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Gavin, si le blanuiléle dɔ lém la gblɔ be: “Zi geɖe la, nyemedina be manɔ xɔlɔ̃wo dome alo aɖo dze kpli wo o.” Gake ne Gavin se le eɖokui me nenema hã, ekua kutri vevie tena ɖe nɔviwo ŋu eye esia nana eƒe dzi dzea eme. Nɔvinyɔnu Amy gblɔ be: “Nu siwo me meto va yi la nana wòsesẽna nam be maka ɖe ame dzi. Gake mele agbagba dzem be malɔ̃ nɔviawo ahaka ɖe wo dzi abe ale si Yehowa wɔnɛ ene. Menya be esia doa dzidzɔ na Yehowa eye nye hã mekpɔa dzidzɔ.”

NA ŊUGBE SIWO YEHOWA DO KU ÐE ETSƆME ŊU NAFA AKƆ NA WÒ

18. Nu kae míele mɔ kpɔm na, eye nu kae míate ŋu awɔ fifia?

18 Eteƒe madidi o, Yehowa ada gbe le mía ŋu keŋkeŋ le ŋutilã kple seselelãme gome, eye míele mɔ kpɔm na esia vevie. (Nyaɖ. 21:​3, 4) Ɣemaɣia, dzigbãnya siwo katã dzɔ ɖe mía dzi la ‘magava susu alo dzi me na mí o.’ (Yes. 65:17) Míeva srɔ̃e be fifia kura gɔ̃ hã Yehowa le ‘míaƒe abiwo blam na mí.’ Eya ta na mɔ vovovo siwo dzi Yehowa to le akɔ fam na wò la naɖe vi na wò bliboe. Ka ɖe edzi ɣesiaɣi be ‘eléa be na wò.’—1 Pet. 5:7.

HADZIDZI 7 Yehowa, Míaƒe Ŋusẽ

a Míetrɔ ŋkɔawo.

b Kpɔ aɖaka si nye “ Yehowa Dea Asixɔxɔ Ŋuwò.”

c Be ‘míakpɔ mía kple Yehowa dome nyawo gbɔ’ la, ehiã be míabia Yehowa ƒe tsɔtsɔke, eye míatrɔ míaƒe agbenɔnɔ atsɔ aɖee afia be míetrɔ dzi me vavã. Ne míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe la, ahiã be míabia hamemetsitsiwo be woakpe ɖe mía ŋu.—Yak. 5:​14, 15.

d Le kpɔɖeŋu me, kpɔ agbalẽ si nye Biblia Me Mɔfiamewo Na Kristotɔwo ƒe nyati siwo nye “Akɔfafa” kple “Dzimaɖitsitsi,” eye nàxlẽ mawunyakpukpui siwo le akpa mawo.