Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yi Edzi Nànɔ Lɔlɔ̃ Ðem Fia, Elabe Lɔlɔ̃ Tua Ame Ðo

Yi Edzi Nànɔ Lɔlɔ̃ Ðem Fia, Elabe Lɔlɔ̃ Tua Ame Ðo

“Lɔlɔ̃ tua ame ɖo.”​—1 KOR. 8:1.

HADZIDZI: 109, 121

1. Nu vevi ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe na eƒe nusrɔ̃lawo le zã si do ŋgɔ na eƒe ku la me?

LE ZÃ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, eƒo nu tso lɔlɔ̃ ŋu na eƒe nusrɔ̃lawo zi 30 kloe. Ena eme kɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be ele be ‘woalɔ̃ wo nɔewo.’ (Yoh. 15:12, 17) Woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo aɖe dzesi ale gbegbe be ana amewo nakpɔe kɔtɛ be ye yomedzela vavãwoe wonye. (Yoh. 13:34, 35) Menye seselelãme dzro koe lɔlɔ̃ sia nye o. Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ si nye nɔnɔme nyui deŋgɔ aɖe la ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Yesu gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si, be ame natsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o. Ne miewɔa nu siwo ƒe se mede na mi la, ekema xɔ̃nyewoe mienye.”—Yoh. 15:13, 14.

2. (a) Aleke amewo nya Mawu subɔlawo egbeae? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ akuakua kple ɖekawɔwɔ sẽŋu si le Yehowa ƒe amewo dome egbea la nana amewo kpɔnɛ be woawoe nye Mawu subɔla vavãwo. (1 Yoh. 3:10, 11) Enyea dzidzɔ na mí ŋutɔ be lɔlɔ̃ si Kristo ɖe fia la xɔ aƒe ɖe Yehowa subɔlawo dome togbɔ be wonye dukɔ kple to vovovo me tɔwo eye wodoa gbe vovovowo gɔ̃ hã! Gake ɖewohĩ míabia be: ‘Nu ka tae wòhiã vevie be míaɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔewo egbea? Aleke Yehowa kple Yesu tua mí ɖo le lɔlɔ̃ me? Aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ sia afia be míafa akɔ na ame bubuwo ahado ŋusẽ wo?’—1 Kor. 8:1.

NU SI TA LƆLƆ̃ HIÃ VEVIE EGBEA

3. Aleke “ɣeyiɣi sesẽ” siawo le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzii?

3 Esi agbea me “yɔ fũu kple fukpekpe kple nuxaxa” le “ɣeyiɣi sesẽ” siawo me ta la, ame geɖe le nuteɖeamedzi kple seselelãmekuxiwo me tom. (Ps. 90:10; 2 Tim. 3:1-5) Ame geɖe le fu kpem ale gbegbe be ɖeko wodina be yewoana ta. Akɔntabubuwo ɖee fia be ame 800,000 kple edzivɔwo wua wo ɖokui ƒe sia ƒe—esia fia be le sekɛnd 40 ɖe sia ɖe me la, ame aɖe wua eɖokui. Nublanuitɔe la, mía nɔvi aɖewo hã se le wo ɖokuiwo me nenema eye wowu wo ɖokuiwo.

4. Ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo se le wo ɖokuiwo me ɣeaɖewoɣi be agbea ti yewo la dometɔ aɖewo ɖe?

4 Le Biblia ŋlɔɣiwo la, Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖewo to fukpekpe me ale gbegbe be wodi be yewoaku. Le kpɔɖeŋu me, esime Hiob nɔ veve sem helĩhelĩ la, egblɔ be: “Menyɔ ŋu nye agbe; nyemegadi be manɔ agbe o.” (Hiob 7:16; 14:13) Ale si nuwo va yii le Yona ƒe dɔdeasia me la na nu te ɖe edzi ale gbegbe be egblɔ be: “Eya ta Oo Yehowa, meɖe kuku ɖe nye agbe ɖa, elabena ne meku la, enyo wu be manɔ agbe.” (Yona 4:3) Gakpe ɖe eŋu la, nɔnɔme siwo me tom nyagblɔɖila wɔnuteƒe Eliya nɔ la na nu te ɖe edzi ale gbegbe be wòbia be yeaku. Egblɔ be: “Esɔ gbɔ! Oo Yehowa, ɖe nye agbe ɖa azɔ.” (1 Fia. 19:4) Ke hã, Yehowa de asixɔxɔ esubɔla wɔnuteƒe mawo ŋu eye wòdi be woanɔ agbe. Mebu fɔ wo ɖe ale si wose le wo ɖokuiwo me ta o, ke boŋ ekpe ɖe wo ŋu wova di be yewoayi edzi anɔ agbe, eye etu wo ɖo le lɔlɔ̃ me ale be woate ŋu ayi edzi asubɔ ye nuteƒewɔwɔtɔe.

5. Nu ka tae mía nɔvi Kristotɔwo hiã na míaƒe lɔlɔ̃ egbea?

5 Togbɔ be menye mía nɔvi Kristotɔwo katãe adi be yewoaku o hã la, nu te ɖe nɔvi geɖewo dzi egbea eye ehiã be míatu wo ɖo le lɔlɔ̃ me. Nɔvi aɖewo le yometitiwo me tom eye woɖua fewu le ɖewo hã ŋu. Woƒoa nu tsia tsitre ɖe nɔvi aɖewo hã ŋu alo wogblɔa nya vɔ̃wo tso wo ŋu madzemadzee le woƒe dɔwɔƒewo. Le nɔvi aɖewo gome la, nu ti kɔ na wo le dɔwɔwɔ atraɖii ta alo le esi dɔ li kɔ ɖe wo dzi ta. Nɔvi bubuwo hã le ƒomekuxi sesẽwo me tom, ɖewohĩ wo srɔ̃ si mele nyateƒea me o la hea nya ɖe wo ŋu madzudzɔmadzudzɔe. Le esiawo kple bubuwo ta la, ɖeɖi te hamea me tɔ geɖe ŋu eye wosena le wo ɖokuiwo me be yewomele ɖeke me o. Ame kae akpe ɖe wo ŋu?

YEHOWA ƑE LƆLƆ̃ TUA MÍ ÐO

6. Aleke Yehowa tua esubɔlawo ɖo le lɔlɔ̃ me?

6 Yehowa kana ɖe edzi na esubɔlawo be yelɔ̃ wo eye yeayi edzi alɔ̃ wo tegbee. Esi Yehowa gblɔ na Israel dukɔa be, “Èxɔ asi le ŋkunyeme, mede bubu ŋuwò, eye melɔ̃ wò. . . . Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò” la, aleke gbegbe nya mawo anya de dzi ƒo na woe nye esi! (Yes. 43:4, 5) Esi nènye Yehowa subɔla ta la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò vevie ŋutɔ. * Edo ŋugbe na ame siwo léa fɔ ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la le eƒe Nya, Biblia, me be: “Kalẽtɔ si xɔna na ame wònye. Akpɔ dzidzɔ ahatso aseye ɖe ŋuwò.”—Zef. 3:16, 17.

7. Mɔ kawo nue Yehowa ƒe lɔlɔ̃ la le abe vidada tɔ ene le? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

7 Nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava Yehowa ƒe amewo dzi o, edo ŋugbe be yeakpe ɖe wo ŋu ahafa akɔ na wo. Egblɔ be: ‘Miano no, eye woakɔ mi ɖe axadame, eye woakɔ mi ɖe ata ta. Ale si vidada faa akɔ na via la, nenemae manɔ akɔ fam na mi.’ (Yes. 66:12, 13) Nya siawo léa dzi na ame ŋutɔ—vidada lɔ̃ame si tsɔ via ɖe eƒe axadame, alo kɔe ɖe eƒe ata ta hele fefem kplii! Yehowa to kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi sia dzi ɖe lɔlɔ̃ gã si le esi na mí kple ale si gbegbe melɔ̃a nu le mía gbɔ o la fia. Mègake ɖi gbeɖe o be èxɔ asi na Yehowa ŋutɔ eye elɔ̃ wò ale gbegbe.—Yer. 31:3.

8, 9. Aleke lɔlɔ̃ si le Yesu si na mí la doa ŋusẽ mí?

8 Susu bubu aɖe si nana Kristotɔ vavãwo kana ɖe edzi be Mawu lɔ̃ yewo ye nye esi: Elɔ̃ “xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yoh. 3:16) Lɔlɔ̃ ka gbegbee nye esi Yesu hã ɖe fia mí esi wòtsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta! Eƒe lɔlɔ̃ sia wɔa dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe! Mawu ƒe Nya la gblɔ be “fukpekpe loo alo xaxa” gɔ̃ hã mate ŋu ‘ama mí ɖa tso Kristo ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o.’—Rom. 8:35, 38, 39.

9 Ne míele nɔnɔme sesẽ siwo tea ɖeɖi mía ŋu, siwo nana nu tena ɖe mía dzi alo nana míaƒe xɔse gbɔdzɔna me tom eye míeɖo ŋku ale si gbegbe Kristo lɔ̃ míi dzi la, esia doa ŋusẽ mí míedoa dzi. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 5:14, 15.) Yesu ƒe lɔlɔ̃ la ate ŋu alé mí ɖe te ahado ŋusẽ mí be míagana ta o ne míele nɔnɔme sesẽwo abe dzɔdzɔmefɔkuwo, yometitiwo, dzigbãnyawo alo nu siwo nana míetsia dzimaɖi ene me tom gɔ̃ hã.

MÍA NƆVIWO HIÃ NA MÍAƑE LƆLƆ̃

Yesu ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàde dzi ƒo na amewo (Kpɔ memama 10, 11 lia)

10, 11. Ame kawo ƒe agbae wònye be woatu nɔvi siwo ƒo dzi ɖe le la ɖo? Ðe eme.

10 Mɔ ɖeka aɖe si dzi Yehowa tona tua mí ɖo le lɔlɔ̃ mee nye to Kristo hamea dzi. Ne míeɖea lɔlɔ̃ fiaa mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo la, míetoa esia me ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa. Eya ta, míewɔa nu sia nu si míate ŋui be míakpe ɖe wo ŋu woakpɔe be wole vevie na mí eye Yehowa lɔ̃ wo. (1 Yoh. 4:19-21) Apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be: “Miyi edzi mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo, eye mianɔ mia nɔewo tum ɖo, abe ale si ko miele ewɔm vavã hã ene.” (1 Tes. 5:11) Ɛ̃, hamea me tɔwo katã ate ŋu asrɔ̃ Yehowa kple Yesu le dzidede ƒo na nɔviawo kple wo tutu ɖo me, ke menye hamemetsitsiwo ɖeɖe ko o.—Xlẽ Romatɔwo 15:1, 2.

11 Mía nɔvi aɖewo siwo le seselelãmedɔwo lém la ahiã na kpekpeɖeŋu kple atike tso ɖɔkta siwo nya nu tso woƒe nɔnɔmea ŋu la gbɔ. (Luka 5:31) Hamemetsitsiwo kple hamea me tɔ bubuwo nyae be yewomenye susumedɔdalawo o. Ke hã, akpa vevi aɖe li si hamemetsitsiwo kple hamea me tɔ bubuwo awɔ—eyae nye be ‘woafa akɔ na ame siwo lé blanui, woakpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu eye woagbɔ dzi ɖi na amewo katã.’ (1 Tes. 5:14) Ehiã be Kristotɔwo katã nase veve ɖe ame siwo ƒo dzi ɖe le la nu ahawɔ nu ɖe wo ŋu le dzigbɔɖi kple lɔlɔ̃ me be woafa akɔ na wo ahatu wo ɖo. Ðe nèfaa akɔ na nɔviawo hedea dzi ƒo na woa? Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànye ame si faa akɔ na ame hedea dzi ƒo na ame geɖe wu?

12. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si me hamea me tɔwo ƒe lɔlɔ̃ tu nɔvi aɖe si ƒo dzi ɖe le la ɖo.

12 Aleke míaƒe lɔlɔ̃ ate ŋu atu ame siwo woƒe seselelãmewo ɖea fu na vevie la ɖoe? Nɔvinyɔnu aɖe si le Europa la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, evaa susu me nam be mawu ɖokuinye. Gake kpeɖeŋutɔ geɖe le asinye. Míaƒe hamea ƒe kpekpeɖeŋue wɔe be megakpɔtɔ le agbe. Nɔviawo dea dzi ƒo nam ale gbegbe eye wolɔ̃m vevie. Togbɔ be hamea me tɔ ʋɛ aɖewo koe nyae be blanuiléledɔ ɖea fu nam hã la, hame bliboa le klalo ɣesiaɣi be yewoakpe ɖe ŋunye. Atsu kple asi aɖe ya le nam abe fofonye kple danye ene. Woléa be nam nyuie, eye woli nam zã kple keli.” Ele eme be ame sia ame kple kpekpeɖeŋu si wòate ŋu ana ya. Gake agbagba siwo míadze tso dzi me be míakpe ɖe ame siwo le fu kpem ŋu la awɔ akpa vevi aɖe be woakpɔ akɔfafa. *

ALE SI MÍATU AMEWO ÐO LE LƆLƆ̃ ME

13. Nu vevi kae hiã ne míedi be míafa akɔ na amewo?

13 Nye toɖola nyui. (Yak. 1:19) Lɔlɔ̃ɖeɖefiae wònye be nàɖo to ame si ƒo dzi ɖe le la veveseɖeamenutɔe. Dze agbagba nàkpɔe ɖa be aleke nàse le ɖokuiwò me ne wòe le nɔnɔme ma me tom. Bia nya aɖewoe ameŋububutɔe be nàse ale si wòle sesem le eɖokui me la gɔme nyuie. Esia akpe ɖe ŋuwò nàse veve ɖe nɔviwòa nu ahatui ɖo. Na ale si nàɖo moe nana wòakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na ye vavã eye èlɔ̃ ye. Ne nɔviwòa le nu ƒom tso ale si nɔnɔmeawo le nɛ ŋu tsitotsito la, gbɔ dzi ɖi eye nàɖu ɖokuiwò dzi be nàgatso nya le enu o. Ne èɖo toe dzigbɔɖitɔe la, esia ate ŋu ana nàse eƒe seselelãmewo gɔme nyuie wu. Esia ate ŋu akpe ɖe nɔviwò si le fu kpem la ŋu be wòaka ɖe dziwò, si awɔe be alɔ̃ faa aɖo to wò ne èle agbagba dzem be yeatui ɖo. Ne èɖenɛ fiana be yetsɔ ɖe le eme na amewo vavã la, esia afa akɔ na wo ŋutɔ.

14. Nu ka tae wònyo be nàƒo asa na nyahehe ɖe ame siwo ƒo dzi ɖe le la ŋu?

14 Mègahe nya ɖe wo ŋu o. Ne míehe nya ɖe ame siwo ƒo dzi ɖe le ŋu la, ɖeko esia adzi woƒe vevesesewo ɖe edzi eye agbagba siwo míadze be míatui wo ɖo le lɔlɔ̃ me la ate ŋu azu dzodzro. “Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene, ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lod. 12:18) Le dzɔdzɔme nu la, míeɖonɛ koŋ gblɔa nya veamewo be ‘woatɔ’ ame siwo ƒo dzi ɖe le la o. Ke hã, ne míegblɔ ‘nya tɔamewo’ ɖe wo ŋu le manyamanya me gɔ̃ hã la, ate ŋu ate ɖe wo dzi ŋutɔ. Eya ta, hafi míate ŋu atu mía nɔvi siwo ƒo dzi ɖe le la ɖo ahade dzi ƒo na wo la, ehiã be míase veve ɖe wo nu, si fia be míadze agbagba akpɔ mía ɖokui le nɔnɔme si me tom wole la me.—Mat. 7:12.

15. Dɔwɔnu vevi ka ŋu dɔe míate ŋu awɔ be míatu amewo ɖo le lɔlɔ̃ me?

15 Zã Mawu ƒe Nya la nàtsɔ afa akɔ na amewo. (Xlẽ Romatɔwo 15:4, 5.) Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo nye kesinɔnu nyui aɖe si me akɔfanyawo bɔ ɖo. “Mawu si naa dzidodo kple akɔfafa la” gbɔe Biblia tso. Tsɔ kpe ɖe mawunyakpukpui siwo faa akɔ na ame ŋu la, nya tuameɖo geɖe le Biblia-srɔ̃gbalẽwo hã me míakpɔ. Míate ŋu awɔ Watch Tower Publications Index (alo Index des publications Watch Tower) kple Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo hã ŋu dɔ. Numekugbalẽ siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míake ɖe Ŋɔŋlɔawo me nya tuameɖo siwo akpe ɖe ame siwo le kuxi ɖe sia ɖe ƒomevi me tom ŋu be woado dzi la ŋu. Dɔwɔnu siawo akpe ɖe mía ŋu míake ɖe mawunyakpukpui kple agbalẽ siwo míate ŋu azã atsɔ afa akɔ na mía nɔviwo ahade dzi ƒo na wo nyuie wu la ŋu.

16. Nɔnɔme nyui kawoe wòle be míaɖe afia ne míele dzi dem ƒo na mía nɔvi siwo dzi nu te ɖo?

16 Na wò dɔme natrɔ ɖe wo ŋu eye nàwɔ nu ɖe wo ŋu tufafatɔe. Dɔmetɔtrɔ kple tufafa nye nɔnɔme nyui siwo wɔa akpa vevi aɖe le ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ si míeɖena fiana ne míele dzi dem ƒo na ame hele etum ɖo la me. Yehowa ŋutɔ nye “dɔmetɔtrɔ Fofo kple akɔfafawo katã ƒe Mawu,” eye eƒe ‘dɔme trɔna’ ɖe esubɔlawo ŋu. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 1:3-6; Luka 1:78; Rom. 15:13) Paulo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le go sia me esi wòŋlɔ bena: “Míewɔa nu ɖe mia ŋu tufafatɔe, abe ale si vidada léa be na eya ŋutɔ viawo nyuie ene. Eya ta esi míelɔ̃a nu le mia gbɔ o ta la, edzɔ dzi na mí vevie be, menye Mawu ƒe nya nyui la ɖeɖe ko míatsɔ ana mi o, ke míawo ŋutɔ mía ɖokuiwo hãe, elabena mieva zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.” (1 Tes. 2:7, 8) Ne míaƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu abe ale si Mawu wɔnɛ ene la, ekema míana wòato mía dzi aɖo nɔvi aɖe si dzi nu te ɖo la ƒe gbedodoɖawo ŋu nɛ.

17. Ne míeda sɔ le ale si míebua mía nɔviwoe me la, aleke esia akpe ɖe mía ŋu míatu wo ɖo le lɔlɔ̃ me?

17 Mèganɔ blibodede dim tso nɔviwòwo gbɔ o. Da sɔ le ale si nèbua nɔviwò Kristotɔwoe me. Ne míekpɔa mɔ be mía nɔviwo nawɔ nu si le eteƒe ɣeawokatãɣi la, afia be míeda sɔ o eye dzivee ko wòahe vɛ na mí. (Nyagb. 7:21, 22) Ðo ŋku edzi be Yehowa dana sɔna le nu siwo wòdina tso mía si la me. Ne míesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua la, esia awɔe be míagbɔ dzi ɖi na mía nɔewo. (Ef. 4:2, 32) Míadi gbeɖe be míana mía nɔviwo nase le wo ɖokuiwo me be yewomele agbagba dzem o, ke boŋ míaɖoe kplikpaa anɔ wo kafum ɖe nu siwo wɔm wole la ta. Esia ate ŋu ade dzi ƒo na wo. Kafukafunya siwo míegblɔna na amewo tso dzi me la ate ŋu atu wo ɖo le lɔlɔ̃ me eye ana ‘woatso aseye’ le subɔsubɔdɔ kɔkɔe si wɔm wole la ŋu. Enyo ŋutɔ be míawɔe nenema tsɔ wu be míatsɔ wo asɔ kple ame bubuwo, si awɔe be woase le wo ɖokuiwo me be yewomele agbagba dzem o.—Gal. 6:4.

18. Susu kawo tae míedi be míatu amewo ɖo le lɔlɔ̃ me?

18 Yehowa ƒe alẽawo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ asi na eya kple Yesu, si tsɔ eƒe agbe sa vɔe ɖe mía ta la siaa ŋutɔ. (Gal. 2:20) Míelɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo vevie. Eye míedi be míalé be na wo lɔlɔ̃tɔe. Be míanye akɔfafatsoƒe na mía nɔviwo la, “mina míati nu siwo hea ŋutifafa vanɛ kple nu siwo tua ame ɖo la yome.” (Rom. 14:19) Míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Paradisoa ava, esime susu aɖeke manɔ anyi si tae dzi naɖe le mía ƒo akpɔ gbeɖe o, la vevie! Dɔléle, aʋawɔwɔ, ku si ƒe dome míenyi tso mía dzila gbãtɔwo gbɔ, yometiti, ƒomekuxi sesẽwo kple dzigbãnya aɖeke maganɔ anyi o. Kaka Ƒe Akpe Ðeka la nawu enu la, amegbetɔwo katã ade blibo. Yehowa Mawu axɔ ame siwo awɔ nuteƒe le dodokpɔ mamlɛtɔa me la abe viawo ene eye woakpɔ “Mawu ƒe viwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe” la le anyigba dzi. (Rom. 8:21) Neva eme be mí katã míatu mía nɔewo ɖo le lɔlɔ̃ me eye míakpe ɖe mía nɔewo ŋu ale be teƒeɖoɖo nyui ma si ahe dzidzɔ gã vɛ na mí la nasu mía si.

^ mm. 12 Be nàkpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo akpe ɖe ŋuwò be nàna kpekpeɖeŋu ame siwo bua wo ɖokui wuwu ŋu la, kpɔ Nyɔ! me nyati siawo: “Nu Ka Tae Maganɔ Agbe Ðo? Susu Etɔ̃ Siwo Tae Wòle Be Nàyi Edzi Anɔ Agbe” (April 2014); “Ne Agbenɔnɔ Ti Kɔ Na Wò” (April 2012); kple “Xexea Me Katã Ƒe Kuxi Aɖe,” kple nyati eve siwo kplɔe ɖo (November 8, 2001).