Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Eyae Nye Ŋusẽkatãtɔ La, Ke Hã Ebua Ame Ŋu

Eyae Nye Ŋusẽkatãtɔ La, Ke Hã Ebua Ame Ŋu

“[Yehowa nya] míaƒe wɔwɔme nyuie, eɖoa ŋui be kewɔe míenye.”—PS. 103:14.

HADZIDZI: 30, 10

1, 2. (a) Aleke ale si Yehowa wɔa nu ɖe amewo ŋui la to vovo na ale si amegbetɔ siwo nye ŋusẽtɔwo la wɔa nui? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

ZI GEÐE la, ŋusẽtɔwo kple ame ŋkutawo “ɖua aƒetɔ ɖe” ame bubuwo dzi, woɖua fia ɖe wo dzi gɔ̃ hã. (Mat. 20:25; Nyagb. 8:9) Yehowa ya mele nenema kura o! Togbɔ be enye Ŋusẽkatãtɔ hã la, ebua amegbetɔ madeblibowo ŋu ale gbegbe. Enyoa dɔme eye wòsea nu gɔme na ame. Ebua ale si míesena le mía ɖokui me kple míaƒe hiahiãwo ŋu. “Eɖoa ŋui be kewɔe míenye,” eya ta mebiaa nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu la tso mía si gbeɖe o.—Ps. 103:13, 14.

2 Míate ŋu akpɔ ale si Yehowa wɔ nu ɖe esubɔlawo ŋu ameŋububutɔe la ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me. Na míadzro wo dometɔ etɔ̃ aɖewo me kpɔ. Gbãtɔe nye ale si Mawu kpe ɖe Samuel ɖevi la ŋu ameŋububutɔe esime wòde ʋɔnudrɔ̃gbedeasi aɖe asi nɛ be wòagblɔ na Nunɔlagã Eli; eveliae nye ale si Yehowa gbɔ dzi ɖi na Mose esime Mose se le eɖokui me be yemate ŋu akplɔ Israel-viwo adzoe le Egipte o; eye etɔ̃liae nye ale si Mawu wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu ameŋububutɔe esime wòkplɔ wo dzoe le Egipte. Esi míele kpɔɖeŋu siawo me dzrom la, na míade dzesi nu si wofia mí tso Yehowa ŋu kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me.

EWƆ NU ÐE ÐEVI SUE AÐE ŊU AMEŊUBUBUTƆE

3. Nu wɔmoyaa kae dzɔ ɖe Samuel ɖevi la dzi le zã aɖe me, eye biabia kae esia fɔ ɖe te? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Esime Samuel nye ŋutsuvi dzaa koe wònɔ “Yehowa subɔm” le avɔgbadɔa me. (1 Sam. 3:1) Le zã aɖe me esime Samuel mlɔ anyi la, nu wɔmoyaa aɖe dzɔ. * (Xlẽ 1 Samuel 3:2-10.) Ese gbe aɖe yɔ eŋkɔ. Esi Samuel susu be Nunɔlagã Eli ye yɔ ye ta la, eƒu du yi egbɔ bubutɔe hegblɔ nɛ be: “Nyee nye esi, elabena èyɔm.” Eli gblɔ nɛ be yemeyɔe o. Esi nu sia gadzɔ zi gbɔ zi etɔ̃lia la, Eli de dzesii be Mawue nɔ Samuel yɔm. Eya ta, efia Samuel ale si wòatɔ ne gbea gayɔe ake, eye Samuel ɖevi la wɔe nenema. Nu ka tae Yehowa mena Samuel nya le gɔmedzedzea me be yee le eyɔm o? Biblia megblɔe o, gake ale si nuwo va yii la ate ŋu ana míaƒo nya ta be esi wòbu Samuel ɖevi la ŋu tae. Nu ka tae?

4, 5. (a) Aleke Samuel se le eɖokui me esi Mawu de gbe aɖe asi nɛ be wòagblɔ na Eli, eye aleke nuwo va yii le ŋufɔke? (b) Nu kae ŋutinya sia fia mí tso Yehowa ŋu?

4 Xlẽ 1 Samuel 3:11-18. Yehowa gblɔ le Sea me be ɖeviwo nade bubu ame tsitsiwo ŋu, vevietɔ ne amea nye dumegã. (2 Mose 22:28; 3 Mose 19:32) Eya ta, bu ale si gbegbe wòasesẽ na Samuel be wòafɔ ŋdi ma ko aɖagblɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi sesẽ la na Eli ŋu kpɔ. Nuŋlɔɖia gblɔ be Samuel nɔ “vɔvɔ̃m be yeagblɔ ŋutega la na Eli.” Ke hã, Mawu na eme kɔ na Eli be yee nɔ Samuel yɔm. Eya ta, Eli ŋutɔ ɖe afɔ hegblɔ na Samuel be wòagblɔ nyaa na ye. Eli gblɔ nɛ be ‘mègaɣla naneke ɖem le nya siwo katã wògblɔ na wò la dome o.’ Samuel ɖo to Eli eye ‘wògblɔ nya sia nya nɛ.’

5 Nya siwo Samuel gblɔ na Eli la mawɔ nuku nɛ o. Nu si tae nye be, nya mawo wɔ ɖeka kple nya si “Mawu ƒe ame” aɖe si ŋkɔ womeyɔ o la va gblɔ na nunɔlagã la ɣeaɖeɣi do ŋgɔ. (1 Sam. 2:27-36) Ŋutinya si ku ɖe Samuel kple Eli ŋu la ɖe ale si gbegbe Yehowa bua ame ŋui kple eƒe nunya fia.

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Mawu kpe ɖe Samuel ɖevi la ŋui me?

6 Ðevi alo sɔhɛe nènyea? Ne nenemae la, Samuel ɖevi la ƒe ŋutinyaa ana nàkpɔe be Yehowa nya kuxi siwo nèdoa goe kple ale si nèsena le ɖokuiwò me. Ðewohĩ, ŋu kpea wò eye wòsesẽna na wò be nàɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia na ame tsitsiwo alo nàna wò nuwɔna nato vovo le hawòtiwo dome. Ka ɖe edzi be Yehowa di be yeakpe ɖe ŋuwò. Eya ta, do gbe ɖa nàgblɔ ale si nèsena le ɖokuiwò me la nɛ. (Ps. 62:8) De ŋugble le Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe sɔhɛ siwo le abe Samuel ene ŋu la ŋu. Eye nàɖo dze kple hati Kristotɔwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, siwo hã to kuxi siwo me tom nèle la tɔgbi me va yi. Anɔ eme be woaƒo nu tso ale si Yehowa kpe ɖe wo ŋu le mɔ siwo nu womenɔ mɔ kpɔm na o la ŋu na wò.

EWƆ NU ÐE MOSE ŊU AMEŊUBUBUTƆE

7, 8. Aleke Yehowa wɔ nu ɖe Mose ŋu ameŋububutɔe wòɖe dzesi?

7 Esime Mose xɔ ƒe 80 la, Yehowa de dɔ gã aɖe asi nɛ. Egblɔ na Mose be wòayi aɖaɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me le Egipte. (2 Mose 3:10) Esia anya wɔ nuku na Mose ŋutɔ, elabe alẽkplɔla koe wònye le Midian ƒe 40. Mose gblɔ be: “Ame kae menye, be mayi Farao gbɔ, eye makplɔ Israel-viwo adzoe tso Egipte?” Mawu ka ɖe edzi na Mose be: “Manɔ kpli wò.” (2 Mose 3:11, 12) Egblɔ nɛ hã be: Israel ƒe ametsitsiwo ‘aɖo to wò gbe.’ Gake Mose biae be: ‘Ne womeɖo to nye gbe o ɖe?’ (2 Mose 3:18; 4:1) Esia fia be, Mose nɔ gbɔgblɔm be ɖewohĩ nuwo manɔ abe ale si Yehowa gblɔe ene o! Ke hã, Yehowa gbɔ dzi ɖi nɛ. Ewɔ nu si yi ŋgɔ wu ema gɔ̃ hã. Ena ŋusẽ Mose be wòawɔ nukunuwo. Le nyateƒe me la, Mose ye nye ame gbãtɔ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe be Mawu na ŋusẽ be wòawɔ nukunuwo.—2 Mose 4:2-9, 21.

8 Le esia megbe gɔ̃ hã la, Mose gakpɔtɔ nɔ taflatsɛ dom esi wògblɔ be nu menya ƒona na ye o. Eya ta, Mawu gblɔ nɛ be: “Nye ŋutɔ manɔ kpli wò ne èle nu ƒom, eye mafia nya si nàgblɔ la wò.” Ðe esia na Mose lɔ̃ xɔ dɔdeasia azɔa? Ao, ke boŋ eɖe kuku na Mawu be wòadɔ ame bubu. Ale Yehowa do dziku, eye esɔ nenema. Ke hã, ese nu gɔme nɛ. Eya ta, Mawu gaɖe afɔ bubu tsɔ ɖee fia be yebu Mose ƒe seselelãmewo ŋu esi wòtia Aron be wòanye Mose ƒe nyanuɖela.—2 Mose 4:10-16.

9. Aleke ale si Yehowa gbɔ dzi ɖi na Mose kple ale si wòwɔ nu ɖe eŋu ameŋububutɔe la kpe ɖe Mose ŋu le dɔ si wòde asi nɛ la wɔwɔ me?

9 Nu kae ŋutinya sia fia mí tso Yehowa ŋu? Esi wònye be eyae nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ ta la, ate ŋu ado vɔvɔ̃ na Mose be wòawɔ yeƒe didi dzi hafi. Gake le ema teƒe la, Yehowa gbɔ dzi ɖi nɛ eye wòbu eƒe seselelãmewo ŋu, eye wòde dzi ƒo na esubɔla bɔbɔɖokui la. Ðe ameŋububu sia ɖe via? Ɛ̃, eɖe vi! Mose va zu kplɔla nyui si dze agbagba wɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu le tufafa kple ameŋububu me, abe ale si ko Yehowa wɔ nu ɖe eŋui ene.—4 Mose 12:3.

Ðe nèsrɔ̃a Yehowa le ale si nèwɔa nu ɖe amewo ŋui mea? (Kpɔ memama 10 lia)

10. Ne míesrɔ̃ Yehowa ƒe ameŋububu la, aleke esia ɖea vi na mí?

10 Nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso eme: Ðe nènye srɔ̃ŋutsu, dzila alo hamemetsitsia? Ne nenemae la, ke ame bubuwo le wò dzikpɔkpɔ te. Le esia ta, ele vevie ŋutɔ be nàsrɔ̃ Yehowa ale be nàwɔ nu ɖe ame siwo le wò dzikpɔkpɔ te la ŋu ameŋububutɔe eye nànyo dɔme na wo ahagbɔ dzi ɖi na wo! (Kol. 3:19-21; 1 Pet. 5:1-3) Ne èdzea agbagba srɔ̃a Yehowa kpakple Mose Gãtɔ, si nye Yesu Kristo la, anɔ bɔbɔe be amewo nate ɖe ŋuwò eye àna woƒe dzi nadze eme. (Mat. 11:28, 29) Azɔ hã, ànye kpɔɖeŋu nyui na ame bubuwo hã be woasrɔ̃.—Heb. 13:7.

ENYE ÐELA SI ŊU ŊƆDZI LE GAKE EBUA AME ŊU

11, 12. Esime Yehowa nɔ Israel-viwo kplɔm dzoe le Egipte la, aleke wòna wose le wo ɖokuiwo me be yewole dedie?

11 Esi Israel-viwo ʋu le Egipte le ƒe 1513 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, woƒe xexlẽme ade miliɔn etɔ̃ kple edzivɔ. Wonye dzidzime etɔ̃ alo ene, siwo me ɖeviwo, tɔgbuiwo kple nyagãwo, kple ɖewohĩ dɔnɔwo kpakple nuwɔametɔwo hã nɔ. Ðikeke mele eme o be ele be ame si akplɔ ha gã ma tso Egipte la nanye Kplɔla si sea nu gɔme na ame hebua ame ŋu. Yehowa ɖee fia to Mose dzi be Kplɔla sia tututue yenye. Eya ta, Israel-viwo se le wo ɖokuiwo me be yewole dedie esime wonɔ ʋuʋum tso Egipte, afi si nɔnɔ ma wo.—Ps. 78:52, 53.

12 Mɔ ka dzie Yehowa to na eƒe amewo se le wo ɖokuiwo me be yewole dedie? Ena woʋu le Egipte “le ɖoɖo nu abe asrafohawo ene.” (2 Mose 13:18) Ale si Yehowa kplɔ ha gã ma gbegbe le ɖoɖo nui la ana Israel-viwo naka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe yewo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa to nu si wokpɔna dzi ɖee fia wo be yeli kpli wo, elabena ena “alilikpo kplɔ wo le ŋkeke me,” eye “dzo keklẽ” dzena wokpɔna le zã me. (Ps. 78:14) Esia fia be Yehowa nɔ gbɔgblɔm na wo be: “Migavɔ̃ o. Meli kpli mi be mafia mɔ mi ahakpɔ mia ta.” Nu si va dzɔ le esia megbe kpuie la ɖo kpe edzi be Israel-viwo hiã na kakaɖedzinya mawo vavã!

Aleke Yehowa wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu ameŋububutɔe le Ƒudzĩa nu? (Kpɔ memama 13 lia)

13, 14. (a) Aleke Yehowa wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu ameŋububutɔe le Ƒudzĩa nu? (b) Aleke Yehowa ɖee fia be yetri akɔ sãsãsã wu Egiptetɔwo?

13 Xlẽ 2 Mose 14:19-22. Kpɔe ɖa le susu me be wò hã èle Israel-viwo dome esime Farao kple eƒe aʋakɔwo le mia yome gbɔna eye Ƒudzĩa hã xe mɔ na mi. Kasia, Mawu de asi nyaa me. Alilikpo dodo si le mia ŋgɔ la dzo yi mia megbe eye wòxe mɔ na Egiptetɔwo hena viviti do le woƒe akpa dzi. Gake kekeli wɔnuku aɖe klẽ na miawo ya! Eyome èkpɔe be Mose do eƒe asi ɖe atsiaƒua dzi eye ɣedzeƒeya sesẽ aɖe ƒo si wɔe be Ƒudzĩa me ma eye wòɖe mɔ gã aɖe to atsiaƒua me. Wò kple wò ƒomea kpakple miaƒe aƒemelãwo kple ha blibo la zɔ le ɖoɖo nu to atsiaƒua me. Enumake, ède dzesi nu wɔmoyaa aɖe. Èkpɔe be anyigba mewɔ ba finyafinya henɔ ɖiɖim o, ke boŋ eƒu nyuie, si wɔe be edzi zɔzɔ nɔ bɔbɔe na mi. Eya ta, ame siwo ƒe azɔli le blewu la gɔ̃ hã te ŋu ɖo ƒua ƒe go kemɛ dzi dedie.

14 Xlẽ 2 Mose 14:23, 26-30. Farao dadala la wɔ movinu esi eya kple eƒe aʋakɔwo ti mia yome ge ɖe atsiaƒua me. Mose gado asi ɖe atsiaƒua dzi ake. Atsiaƒutsi, si li kɔ ɖi le goawo kple evea me abe gli ene la, mu tsyɔ Farao kple eƒe aʋakɔwo dzi. Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã metsi agbe o.—2 Mose 15:8-10.

15. Nu kae ŋutinya sia fia wò tso Yehowa ŋu?

15 Ŋutinya sia na míekpɔe be Yehowa nye ɖoɖo ƒe Mawu, eye eƒe nɔnɔme sia nana míesena le mía ɖokui me be míele dedie. (1 Kor. 14:33) Yehowa ɖee fia hã be yenye alẽkplɔla si léa be na yeƒe amewo hekpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Enana wonɔa dedie eye wòkpɔa wo ta tso woƒe futɔwo si me. Aleke gbegbe nyateƒenya siawo faa akɔ na míi ye nye esi esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum!—Lod. 1:33.

16. Aleke mɔ si nu Yehowa ɖe Israel-viwo le la me dzodzro aɖe vi na mí?

16 Egbea hã, Yehowa tsɔ ɖe le eme na eƒe amewo eye wòkpɔa woƒe gbɔgbɔme kple ŋutilãme nuhiahiãwo gbɔ na wo. Eye ayi edzi awɔ esia le xaxa gã si gogo ŋutɔ la hã me. (Nyaɖ. 7:9, 10) Eya ta, Mawu ƒe amewo mavɔ̃ o, eye ŋɔ madzi wo le xaxa gã la me o, woɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, woɖale lãmesẽ me alo wonye nuwɔametɔwo o. * Le esi woavɔ̃ teƒe la, woaɖo ŋku Yesu Kristo ƒe nya siwo wògblɔ be, “Mitsi tre miadzɔ kã, eye miafɔ ta dzi, elabena miaƒe ɖeɖe gogo” la dzi. (Luka 21:28) Dzi akpɔtɔ anɔ wo ƒo alea ne Gog si le tsitre ɖi na dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo si ŋu ŋɔdzi le sãsãsã wu Farao kple eƒe aʋakɔwo la dze wo dzi gɔ̃ hã. (Eze. 38:2, 14-16) Nu ka tae dzi anɔ Mawu ƒe amewo ƒo nenema? Nu si tae nye be wonya be Yehowa metrɔna o. Agaɖee afia ake be yenye Ðela si léa be na ame hebua ame ŋu.—Yes. 26:3, 20.

17. (a) Aleke ŋugbledede le Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe ale si Yehowa lé be na eƒe amewo ŋu ate ŋu aɖe vi na mí? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Kpɔɖeŋu siwo me míedzro le nyati sia me la ɖe ale si Yehowa nyoa dɔme hebua ame ŋu ne ele be lém na eƒe amewo, ne ele mɔ fiam wo alo le wo ɖem tso woƒe futɔwo si me la fia. Ne èle ŋugble dem le ŋutinya siawo tɔgbi ŋu la, de dzesi nu suesuesue siwo ana nàkpɔ Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ƒe akpa siwo mènya tsã o. Esia wɔwɔ ana Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋu mawo natsi susu kple dzi me na wò, eye ana wò lɔlɔ̃ na Mawu kple eyama dzi xɔxɔ se me nagasẽ ɖe edzi. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míakpɔ mɔ siwo nu míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le le go sia me, ale be míate ŋu awɔ nu ɖe amewo ŋu ameŋububutɔe. Míakpɔ ale si míawɔ esia le ƒomea me, le Kristo hamea me kple le gbeƒãɖeɖedɔa me.

^ mm. 3 Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus (Joseph) gblɔ be Samuel xɔ ƒe 12 ɣemaɣi.

^ mm. 16 Esɔ be míaƒo nya ta be ame siwo atsi agbe le Armagedon me la dometɔ aɖewo anye nuwɔametɔwo. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eda gbe le ame siwo ŋu “lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi” le la ŋu, eye esia na míekpɔ nu siwo wòawɔ na ame siwo atsi agbe le Armagedon me. (Mat. 9:35) Le ame siwo woafɔ ɖe tsitre gome la, woafɔ le lãmesẽ blibo me.