Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔ Tsitsiwo—Yehowa Dea Asixɔxɔ Miaƒe Nuteƒewɔwɔ Ŋu

Kristotɔ Tsitsiwo—Yehowa Dea Asixɔxɔ Miaƒe Nuteƒewɔwɔ Ŋu

LE XEXEA me godoo la, hamemetsitsiwo dea asixɔxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su wo si le Yehowa ƒe amewo dome la ŋu. Yayra ka gbegbee nye esi wonye na mí katã! Ke hã, nyitsɔ laa la, habɔbɔa wɔ asitɔtrɔ aɖe. Wobia tso hamemetsitsi siwo tsi le ƒe me la si be woatsɔ woƒe agbanɔamedzi kpekpeawo dometɔ aɖewo ana hamemetsitsi siwo nye ɖekakpuiwo. Le mɔ ka nu?

Ðoɖo yeyea ye nye be nutome sue dzikpɔlawo kple habɔbɔa ƒe sukunufialawo naɖe asi le subɔsubɔdɔ siawo ŋu ne woxɔ ƒe 70. Eye hamemetsitsi siwo xɔ ƒe 80 la natsɔ agbanɔamedzi vovovowo abe Alɔdzekɔmiti ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla ƒe dɔa alo hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla ƒe dɔa ade asi na hamemetsitsi siwo nye ɖekakpuiwo. Aleke hamemetsitsi malɔ̃nugbɔ siawo siwo tsi le ƒe me la wɔ nu ɖe asitɔtrɔ sia ŋui? Wowɔ nuteƒe na Yehowa kple eƒe habɔbɔa!

Nɔviŋutsu Ken, si nye Alɔdzekɔmiti ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla ƒe 49 kloe la gblɔ be: “Melɔ̃ ɖe nyametsotsoa dzi bliboe. Le nyateƒe me la, ŋdi ma tututu hafi mase nyaa la, medo gbe ɖa na Yehowa hegblɔ ale si wòhiã be nɔviŋutsu si nye ɖekakpui la nanye ɖoɖowo gbɔ kpɔla.” Nɔviŋutsu Ken ƒe seselelãmewo wɔ ɖeka kple nya siwo nɔvi tsitsi wɔnuteƒe siwo le xexea me godoo la gblɔ. Ke hã, esi wònye be nɔviawo subɔsubɔ doa dzidzɔ na wo ta la, ete ɖe wo dzi vie le gɔmedzedzea me.

Esperandio si nye hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla le woƒe hamea me la gblɔ be: “Tɔtrɔ yeyea te ɖe dzinye vie.” Gake egblɔ hã be, “Mehiã na ɣeyiɣi geɖe wu be matsɔ akpɔ nye lãmesẽnya siwo nɔ gbegblẽm ɖe edzi la gbɔ.” Abe ale si míakpɔ mɔe ene la, Esperandio yi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe eye wògakpɔtɔ nye yayra na woƒe hamea.

Ke nɔvi siwo nye dzikpɔla mɔzɔlawo ƒe geɖe hafi va le subɔsubɔdɔ bubuwo wɔm ya ɖe? Nɔviŋutsu Allan, si nye dzikpɔla mɔzɔla ƒe 38 la gblɔ be, “Esi mese tɔtrɔ yeyea zi gbãtɔ la, nye nu ku.” Togbɔ be enɔ alea hã la, ekpɔ viɖe siwo dona tso eme ne wona hehe ɖekakpuiwo be woawɔ dɔa, eye eyi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.

Nɔviŋutsu Russell, si tsɔ ƒe 40 wɔ dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa hefia nu le habɔbɔa ƒe sukuwo me la gblɔ be, le gɔmedzedzea me la, dzi ɖe le ye kple ye srɔ̃ ƒo. Egblɔ be: “Míenɔ dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si nɔ mía si la me ale gbegbe eye míese le mía ɖokui me be ŋusẽ gakpɔtɔ le mía ŋu be míayi dɔa dzi.” Fifia, Nɔviŋutsu Russell kple srɔ̃a wole hehe si woxɔ kple nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si la zãm le woƒe hamea me, eye esia na dzi dzɔa gbeƒãɖela siwo wɔa dɔ kpli wo.

Ne mèse le ɖokuiwò me abe nɔvi siwo ƒe nya míegblɔ va yi ene o gɔ̃ hã la, nuŋlɔɖi aɖe si le 2 Samuel me la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse nu gɔme na ame siwo se le wo ɖokuiwo me nenema.

ŊUTSU AÐE SI NYA AFI SI EƑE ŊUTETE SE ÐO EYE WÒDA SƆ

Bu ɣeyiɣi si me Fia David vi Absalom dze aglã la ŋu kpɔ. David si tso Yerusalem yi Mahanayim, si le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒekpa dzi. Le afi ma la, agbemenu vevi aɖewo va hiã David kple eŋumewo. Èɖo ŋku nu si dzɔ la dzia?

Ŋutsu etɔ̃ aɖewo siwo nɔ nutoa me la tsɔ abawo, nuɖuɖu vovovowo kple nuzazã siwo wohiã la vɛ na wo. Ŋutsuawo dometɔ ɖekae nye Barzilai. (2 Sam. 17:27-29) Le Absalom ƒe aglãdzedzea megbe la, David gatrɔ ɖo ta Yerusalem, eye Barzilai ɖoe ɖa yi ɖase Yordan-tɔsisia nu. David ƒoe ɖe enu be wòayi Yerusalem kpli ye. Fia la do ŋugbe be yeana nuɖuɖui togbɔ be “alɔme le esi ŋutɔ,” eye nuɖuɖu si ƒe ŋugbe David do la mahiãe o hã. (2 Sam. 19:31-33) Gake anɔ eme be David di be Barzilai nanɔ ye ŋu le Yerusalem ale be eƒe aɖaŋuɖoɖowo naɖe vi na ye, elabena nuteƒekpɔkpɔ geɖe su esi. Le nyateƒe me la, anye ne mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wòanye na Barzilai be wòanɔ fiasãa me ahawɔ dɔ le afi ma hafi!

Ke hã, Barzilai nya afi si eƒe ŋutete se ɖo eye wòda sɔ hã, eya ta egblɔ na David be yexɔ ƒe 80. Eyome egblɔ kpee be: “Ðe magate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ domea?” Nu kae eƒe nyawo fia? Esi Barzilai tsi ta la, anɔ eme be nunya geɖe su esi le agbe me. Eye agate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo na ame, abe ale si “ame tsitsi” aɖewo ɖo aɖaŋu na Fia Rehabeam le ɣeyiɣi aɖe megbe la ene. (1 Fia. 12:6, 7; Ps. 92:12-14; Lod. 16:31) Eya ta, Barzilai anya nɔ susu hem yi ŋusẽ si megale ye ŋu o le tsitsi ta la dzi esime wònɔ nu ƒom tso vovototodede nyui kple vɔ̃ dome ŋu. Eʋu eme be tsitsi wɔe be yemegatea ŋu sea vivi na nuɖuɖu kple nunono kpakple hadzilawo ƒe ha viviwo o. (Nyagb. 12:4, 5) Eya ta, Barzilai de dzi ƒo na David be wòakplɔ Kimham, si nye ɖekakpui, si anya nye Barzilai ƒe vi la boŋ ayi Yerusalem.—2 Sam. 19:35-40.

ÐOÐOWƆWƆ ÐE ETSƆME ŊU

Susu si tae wowɔ tɔtrɔ si ŋu míeƒo nu tsoe, si ku ɖe nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo ƒe ƒexɔxɔ ŋu la do ƒome kple susu si Barzilai ɖe gblɔ. Eme kɔ ƒãa be, le míaƒe ŋkekeawo me la, menye ame ɖeka ko ƒe nɔnɔme kple ŋutetewo ŋue wobu hafi tso nya me, abe ale si wònɔ le Barzilai gome ene o. Wobu nu si aɖe vi na hamemetsitsi wɔnuteƒe siwo le subɔsubɔm le xexea me godoo la ŋu nyuie.

Nɔviŋutsu Kristotɔ tsitsi siawo siwo nye ɖokuibɔbɔlawo la kpɔe kɔtɛ be ne nɔviŋutsu ɖekakpuiwo le agbanɔamedzi siwo yewotsɔ ƒe geɖewoe nye esia la tsɔm la, Yehowa ƒe habɔbɔa ali ke nyuie ne dzidziɖedzi le vavam le etsɔme. Le go geɖe me la, nɔvi tsitsiawoe na hehe ɖekakpuiawo, abe ale si Barzilai anya na hehe via eye apostolo Paulo hã na hehe Timoteo ene. (1 Kor. 4:17; Flp. 2:20-22) Eye nɔviŋutsu ɖekakpui siawo ɖee fia be fifia yewonye “nunana siwo nye amewo,” siwo ate ŋu akpe asi ɖe dɔa ŋu “na Kristo la ƒe ŋutilã tutu ɖo.”—Ef. 4:8-12; tsɔe sɔ kple 4 Mose 11:16, 17, 29.

MƆNUKPƆKPƆ BUBU SIWO LE ƲUƲU ÐI BE MIAWƆ GEÐE

Mawu ƒe amewo ƒe hame siwo le xexea me godoo la me tɔ siwo ɖe asi le woƒe agbanɔamedzi aɖewo ŋu la te ŋu wɔ mɔnukpɔkpɔ yeye siwo le ʋuʋu ɖi le Yehowa ƒe dɔa me la ŋu dɔ.

Nɔviŋutsu Marco, si wɔ dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa ƒe 19 la gblɔ be: “Fifia, nye nɔnɔmeawo wɔe be mete ŋu le kpekpem ɖe ŋutsu siwo menye haxɔsetɔwo o siwo srɔ̃wo nye nɔvinyɔnuwo le hamea me la ŋu.”

Nɔviŋutsu Geraldo, si nye dzikpɔla mɔzɔla ƒe 28 la gblɔ be: “Míaƒe taɖodzinu yeyeawo dometɔ aɖewoe nye be míakpe ɖe ame siwo dzudzɔ gbeadzidede ŋu eye míawɔ Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe wu.” Egblɔ be Biblia nusrɔ̃vi 15 ye le ye kple ye srɔ̃ si fifia, eye ame siwo dzudzɔ gbeadzidede la dometɔ geɖe le kpekpeawo dem azɔ.

Allan, si ŋu nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Fifia mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaƒo mía ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔa me bliboe wu. Míele vivi sem le ɖaseɖiɖi le dutoƒo, ɖaseɖiɖi le dɔwɔƒewo kple ɖaseɖiɖi na míaƒe aƒelikawo me ŋutɔ, eye míaƒe aƒelika eve de kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpataa me.”

Ne nɔviŋutsu wɔnuteƒe si xɔ agbanɔamedzi yeye le Mawu ƒe amewo dome ye nènye la, mɔ tɔxɛ bubu aɖe li si dzi nàte ŋu ato akpe asi ɖe dɔa ŋu. Àte ŋu akpe asi ɖe Yehowa ƒe dɔa ŋu to ale si nàna wò nuteƒekpɔkpɔ gbogboawo naɖe vi na ɖekakpui siwo le miaƒe hamea me. Nɔviŋutsu Russell, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Yehowa le hehe nam ɖekakpui nyui siwo si dzɔdzɔmeŋutetewo le eye wòle wo zãm. Ale si wofiaa nu dzonɔamemetɔe hewɔa dzikpɔkpɔdɔae la le vi ɖem na habɔbɔa ale gbegbe!”—Kpɔ aɖaka si nye “ Kpe Ðe Ðekakpuiwo Ŋu Be Woawɔ Woƒe Ŋutete Katã.

YEHOWA DEA ASIXƆXƆ MIAƑE NUTEƑEWƆWƆ ŊU

Ne èxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ yeye nyitsɔ laa la, dzi megaɖe le ƒowò o. Dɔ siwo nèwɔ tso dzi blibo me va yi la wɔ dɔ geɖe ɖe nɔvi gbogbo manyaxlẽ aɖewo dzi xoxo, eye àte ŋu ayi edzi awɔe nenema. Nɔviwo lɔ̃ wò, eye kakaɖedzitɔe la, woayi edzi alɔ̃ wò.

Nu si gale vevie wu ye nye be Yehowa aɖo ŋku dziwò ɖaa. ‘Maŋlɔ wò dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si nèɖe fia le eƒe ŋkɔ la ta, esi nèsubɔ ame kɔkɔewo, eye nègale edzi le wo subɔm la be o.’ (Heb. 6:10) Kpukpui sia si me nyawo tso gbɔgbɔ me la ka ɖe edzi na mí katã be menye dɔ siwo míewɔ va yi la koe Yehowa maŋlɔ be o. Asixɔxɔ le ŋuwò na Yehowa ale gbegbe be maŋlɔ agbagba siwo nèdze va yi kple agbagba siwo dzem nèle fifia be yeadze eŋu la be akpɔ gbeɖe o!

Ke ne wò agbanɔamedziwo metrɔ abe ale si míegblɔe va yi ene o ya ɖe? Ðewohĩ nya sia agate ŋu aka wò tẽe. Le mɔ ka nu?

Ne kadodo va le wò kple nɔvi tsitsi aɖe si ƒe agbanɔamedziwo trɔ dome fifia la, àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso eƒe nunya kple nuteƒekpɔkpɔ geɖe siwo su esi ƒe gbogbo aɖewoe nye esia la me. Bia aɖaŋuɖoɖo tso egbɔ. Bia eƒe susu le nyawo ŋu. Eye nàlé ŋku ɖe ale si wòle nuteƒekpɔkpɔ siwo su esi la zãm le eƒe subɔsubɔdɔa me fifia la ŋu.

Ne nɔvi tsitsi si le subɔsubɔm le mɔ yeye nu loo alo nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu si ate ŋu asrɔ̃ nu tso nɔvi tsitsiawo gbɔe nènye la, nenɔ susu me na wò be Yehowa dea asixɔxɔ geɖe ame siwo subɔe ƒe gbogbo aɖewoe nye esia eye wogale esubɔm la ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu.