Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ne Mienya Nu Siawo La, Ekema Dzidzɔtɔwoe Mianye Ne Miewɔa Wo Dzi”

“Ne Mienya Nu Siawo La, Ekema Dzidzɔtɔwoe Mianye Ne Miewɔa Wo Dzi”

“Nye nuɖuɖue nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu dɔ si wòde asi nam la nu.”​—YOH. 4:34.

HADZIDZI: 80, 35

1. Aleke ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ si xexea ɖena fiana la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi?

NU KA TAE wòsesẽna na mí be míawɔ nu siwo míesrɔ̃na tso Mawu ƒe Nyaa me la dzi? Susu ɖekae nye be míehiã ɖokuibɔbɔ hafi míate ŋu awɔ nu si le eteƒe. Le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me la, esesẽ be ame nanye ɖokuibɔbɔla, elabe ame geɖe nye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, dadalawo,” kple “ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o.” (2 Tim. 3:1-3) Esi míenye Mawu subɔlawo ta la, míenyae be nɔnɔme siawo medzea Mawu ŋu o, ke hã, ɣeaɖewoɣi la, ewɔna na mí be agbea dze edzi na ame siwo ɖea nɔnɔme mawo fiana eye wole vivi sem. (Ps. 37:1; 73:3) Ðewohĩ, míabia mía ɖokui be: ‘Vi ka gɔ̃e wòaɖe nam ne medi ame bubuwo ƒe nyonyo gbã? Ne mewɔa ɖokuinye “suetɔ” le amewo dome la, ɖe esia awɔe be womagade bubu ŋunye oa?’ (Luka 9:48) Ne míeɖe mɔ xexe sia ƒe ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔa kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la, ate ŋu agblẽ lɔlɔ̃ ƒe kadodo si le mía kple nɔviwo dome le hamea me la me eye awɔe be wòasesẽ na amewo be woakpɔe be Kristotɔwoe míenye. Ke hã, ne míesrɔ̃ nu tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo me eye míewɔna ɖe nu siwo míesrɔ̃ dzi la, aɖe vi geɖe na mí.

2. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema la gbɔ?

2 Ne míedi be míasrɔ̃ nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo la, ehiã be míaku nu me anya nu siwo wowɔ si he viɖe nyuiwo vɛ. Aleke wowɔ zu Mawu xɔlɔ̃wo? Aleke wowɔ dze Mawu ŋu? Eye nu kae do ŋusẽ wo wowɔ eƒe lɔlɔ̃nu? Numekuku sia tɔgbi nye mɔ vevi aɖe si dzi míetona tsɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu nyia mía ɖokuiwoe.

GBƆGBƆMENUÐUÐUA​—MENYE NYATAKAKA DZRO KOE WÒNYE O

3, 4. (a) Aleke Yehowa fiaa nu mí? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be gbɔgbɔmenuɖuɖu bia nu geɖe wu Biblia me nyawo nyanya ko?

3 Yehowa toa Biblia, míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo, míaƒe Internet nyatakakadzraɖoƒewo, JW Nyakakadɔwɔƒea, kple míaƒe kpekpewo kpakple takpekpewo dzi fiaa nu mí heɖoa aɖaŋu na mí. Ke hã, le Yesu ƒe nya si dze le Yohanes 4:34 ƒe nya nu la, gbɔgbɔmenuɖuɖu bia nu geɖe wu Biblia me nyawo nyanya ko. Nu ka hãe wòbia? Yesu gblɔ be: “Nye nuɖuɖue nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu si wòde asi nam la nu.”

4 Le Yesu gbɔ la, gbɔgbɔmenuɖuɖu bia be wòawɔ Mawu ƒe mɔfiamewo dzi. Mɔ ka nue esia le abe nuɖuɖu ene le? Abe ale si ko nuɖuɖu nyui nana míekpɔa dzidzeme eye wònyia míaƒe ŋutilã ene la, nenema kee ŋusẽ ɖoa míaƒe dzi ŋu eye míaƒe xɔse sẽa ŋu ɖe edzi hena agbe mavɔ kpɔkpɔ ne míewɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be dzi menɔ dzɔwòm tututu hafi nèyi kpekpe hena gbeadziyiyi o, gake kaka nàtrɔ agbɔ va aƒe me tso gbeadzi la, dzi va le dzɔwòm eye wò dzi dze emea?

5. Viɖe kae míakpɔ ne míedze nunya?

5 Nu si koŋ wòfia be ame nadze nunya ye nye be wòanɔ agbe ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo nu. (Ps. 107:43) Agbagba siwo míedzena be míadze nunya la manye dzodzro o. Biblia gblɔ be: “Nu siwo dzroa wò la dometɔ aɖeke mede enu o. . . . Agbeti wònye na ame siwo lée ɖe asi, eye woayɔ ame siwo vàe goŋgoŋ la be dzidzɔtɔwo.” (Lod. 3:13-18) Yesu gblɔ be: “Ne mienya nu siawo la, ekema dzidzɔtɔwoe mianye ne miewɔa wo dzi.” (Yoh. 13:17) Zi ale si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le nu siwo wògblɔ na wo be woawɔ la dzi wɔm ko la, woakpɔ dzidzɔ. Menye zi ɖeka koe wowɔ nu siwo Yesu fia wo la dzi hesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu o. Ke boŋ, wowɔ nu siwo wosrɔ̃ tso egbɔ la dzi ɣeawokatãɣi.

6. Nu ka tae wòle vevie be míayi edzi anɔ nu siwo míesrɔ̃ la dzi wɔm?

6 Egbea hã, ele vevie be míayi edzi anɔ nu siwo míesrɔ̃ la dzi wɔm. Le kpɔɖeŋu me, dɔwɔnuwo, ŋudɔwɔnuwo kple dɔ ŋuti nunya ate ŋu anɔ gbede aɖe si. Gake nu mawo maɖe vi nɛ nenye be mewɔa wo ŋu dɔ o. Ne ewɔ gbededɔ va yi eye nuteƒekpɔkpɔ geɖe su esi le dɔa me hã la, ele be wòayi edzi anɔ aɖaŋu si wòsrɔ̃ la ŋu dɔ wɔm hafi ko wòate ŋu abi ɖe dɔa me. Le mɔ ma ke nu la, esi míesrɔ̃ nyateƒea zi gbãtɔ la, dzi dzɔ mí, elabena míenɔ nu siwo míesrɔ̃ le Biblia me la dzi wɔm. Gake hafi dzidzɔ ma nanɔ anyi ɖaa la, ele be míayi edzi anɔ nu siwo Yehowa fiaa mí la dzi wɔm gbe sia gbe.

7. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ƒe kpɔɖeŋuwo me?

7 Le nyati sia me la, míadzro go siwo me wòate ŋu asesẽ le be míabɔbɔ mía ɖokuiwo la dometɔ aɖewo me, eye míakpɔ ale si nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la bɔbɔ wo ɖokuiwo le nɔnɔme mawo tɔgbi me. Gake menye nya mawo me dzodzro ɖeɖe dzaa koe ana míasẽ ŋu le xɔse me o. Eya ta, de ŋugble le mɔ siwo nu nàte ŋu awɔ nya mawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi le la ŋu eye nàwɔe enumake.

BU WO BE WOLE ABE WÒ KE ENE

8, 9. Nu kae nudzɔdzɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo 14:8-15 ɖe fia tso apostolo Paulo ƒe ɖokuibɔbɔ ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

8 Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.” (1 Tim. 2:4) Aleke nèbua ame ƒomevi vovovo siwo mekpɔ srɔ̃ nyateƒea haɖe o lae? Togbɔ be apostolo Paulo ɖea gbeƒã na Yudatɔ siwo nya nane tso Mawu ŋu xoxo la le ƒuƒoƒewo hã la, eɖea gbeƒã na trɔ̃subɔlawo hã. Gbeƒãɖeɖe na ame siawo do Paulo ƒe ɖokuibɔbɔ kpɔ. Le mɔ ka nu?

9 Le kpɔɖeŋu me, le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me la, Likaoniatɔwo susui vodadatɔe be eya kple Barnaba wonye yewoƒe mawu Zeus kple Hermes siwo trɔ zu amegbetɔwo heɖi va yewo gbɔ. Ðe esia wɔe be Paulo kple Barnaba ƒe ta tea? Esi wònye be woti wo yome vevie le du eve siwo me woyi hafi va afi sia ta la, ɖe wobui be esia nye mɔnukpɔkpɔ na yewo be yewoakpɔ gbɔdzɔe viea? Ðe wobui be Likaoniatɔwo ƒe nuwɔwɔ ɖe yewo ŋu alea ana nya nyuia nakaka kabakaba wua? Kura o! Wogbe na wo enumake eye wodze woƒe awuwo eye woƒu du ɖo ameha la dome gblɔ kple ɣli be: “Nu ka tae miele nu siawo wɔm? Amegbetɔ siwo ŋu gbɔdzɔgbɔdzɔwo le koe míawo hã míenye abe miawo ke ene.”—Dɔw. 14:8-15.

10. Nu ka tae Paulo kple Barnaba mese le wo ɖokuiwo me be yewonyo wu Likaoniatɔwo o?

10 Esi Paulo kple Barnaba ʋu eme be yewo hã yewomede blibo o la, menye ɖe wòfia be wonɔ gbɔgblɔm be yewoƒe mawusubɔsubɔ sɔ kple trɔ̃subɔla mawo tɔ o. Paulo kple Barnaba nye dutanyanyuigblɔla siwo Mawu dɔ be woaɖe gbeƒã na amewo. (Dɔw. 13:2) Gbɔgbɔ kɔkɔea ye ɖo wo, eye mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe nɔ wo ŋgɔ. Gake esia mefia be ele be woasusui be yewonyo wu o. Wonyae be dziƒoyiyi ƒe mɔnukpɔkpɔ la ate ŋu asu Likaoniatɔwo hã si nenye be woxɔ nya nyuia.

11. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe ɖokuibɔbɔ ɖedzesi la le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

11 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ƒe ɖokuibɔbɔ ɖedzesi lae? Gbã, ele be míaɖu mía ɖokui dzi be míagakpɔ mɔ na amewo ƒe kafukafu alo alɔ̃ axɔ kafukafu ɖe nu siwo Yehowa do ŋusẽ mí míewɔ la ta o. Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Aleke mebua ame siwo meɖea gbeƒã na lae? Ðe mebua susu manyomanyowo ɖe nuto si me mele la me tɔ aɖewo ŋu le nye manyamanya mea?’ Eɖe dzesi be Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo la dzea agbagba be yewoakpɔe ɖa be ɖe ame bubuwo gale yewoƒe anyigbamamawo me siwo adi be yewoase nya nyuia hã. Ɣeaɖewoɣi la, esia biana be woasrɔ̃ ame siwo nutoa me tɔwo buna ame tsɛwoe la ƒe gbegbɔgblɔ kple dekɔnuwo. Mele be wòadzɔ gbeɖe be Ðasefo siwo ɖea gbeƒã na ame siawo la nasusui be yewonyo wu wo o. Le ema teƒe la, wodzea agbagba be yewoase nu gɔme na ame sia ame ale be yewoate ŋu akpe ɖe wo ŋu woaxɔ Fiaɖuƒegbedeasia.

YƆ AMEWO ŊKƆ NÀDO GBE ÐA ÐE WO TA

12. Aleke Epafra ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na amewo vavã?

12 Go bubu si me míaɖee afia le be míebɔbɔa mía ɖokui zɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi le ye nye be míanɔ gbe dom ɖa ɖe ame siwo “si xɔse, si xɔ asi abe mía tɔ ke ene, la su” xoxo la ta. (2 Pet. 1:1) Esia tututue Epafra wɔ. Zi etɔ̃ pɛ koe Biblia ƒo nu tso eŋu, eye agbalẽ siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ la mee eƒe ŋkɔa dze le le go etɔ̃awo katã me. Esime asrafowo sika Paulo ɖe eƒe me le Roma nɔ eŋu dzɔm la, egblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Kolose la me be Epafra ‘doa gbe ɖa vevie ɖe wo ta ɣesiaɣi.’ (Kol. 4:12) Epafra nya nɔviawo nyuie eye wòtsɔ ɖe le eme na wo vevie. Togbɔ be enɔ ‘gaxɔ me kple’ Paulo hã la, esia mena wòɖe susu ɖa le ame bubuwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ŋu o. (Filem. 23) Eye ewɔ nane be yeatsɔ akpe ɖe wo ŋu. Ðe esia meɖee fia kɔtɛ be media eɖokui tɔ oa? Epafra yɔ nɔviawo ŋkɔ ɖekaɖeka do gbe ɖa ɖe wo ta, eye míawo hã míate ŋu awɔ nenema ke. Ŋusẽ le gbedodoɖa siawo tɔgbi ŋu eye wowɔa dɔ.—2 Kor. 1:11; Yak. 5:16.

13. Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Epafra ƒe kpɔɖeŋu ne èle gbe dom ɖa?

13 Bu ame siwo ŋkɔ nàte ŋu ayɔ ado gbe ɖa ɖe wo ta la ŋu kpɔ. Abe ale si Epafra wɔe ene la, mía nɔvi geɖe doa gbe ɖa ɖe woƒe hamea me tɔwo kple ƒome siwo dzi agba kpekpewo le kpakple ame siwo nyametsotso veviwo dze ŋgɔe alo ame siwo le tetekpɔwo me tom la ta. Ame geɖe doa gbe ɖa ɖe nɔvi siwo ƒe ŋkɔ dze le jw.org nyatakakadzraɖoƒea dzi nyati si nye “Yehowa Ðasefo Siwo Wolé De Ga Ðe Woƒe Xɔse Ta” la ta. (Àkpɔe le NYADZƆDZƆWO > SENYAWO.) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, anyo be míanɔ ŋku ɖom ame siwo ame vevi aɖe ku na, ame siwo kpe fu le dzɔdzɔmefɔkuwo alo aʋawɔwɔwo ta, kple ame siwo le gakuxi sesẽwo me tom la dzi. Eme kɔ ƒãa be, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe hiã míaƒe gbedodoɖawo eye aɖe vi na wo hã. Ne míedoa gbe ɖa ɖe ame siawo ta la, míeɖenɛ fiana be menye míawo ŋutɔwo míaƒe nyonyo koe míedina o, ke míedia ame bubuwo hã ƒe nyonyo. (Flp. 2:4) Yehowa sea gbedodoɖa siawo tɔgbi.

‘ÐE ABLA LE NUSESE ME’

14. Aleke Yehowa nye toɖola nyuitɔ kekeake?

14 Mɔ bubu aɖe si nu míaɖee afia le be míebɔbɔ mía ɖokui ye nye be míanye toɖola nyuiwo. Yakobo 1:19 gblɔ be ele be ‘míaɖe abla le nusese me.’ Yehowa ŋutɔe ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi. (1 Mose 18:32; Yos. 10:14) De ŋugble le Yehowa kple Mose dome dzeɖoɖo aɖe si dze le 2 Mose 32:11-14 la ŋu kpɔ. (Xlẽe.) Togbɔ be nya siwo Mose gblɔ la mehiã Yehowa o hã la, ena mɔnukpɔkpɔ Mose wòɖe eƒe dzimenyawo gblɔ. Ðe nàgbɔ dzi ɖi aɖo to ame aɖe si daa vo le eƒe nuŋububuwo me la ƒe nyawo ahawɔ susu si wòdo ɖa la dzia? Ke hã, Yehowa gbɔa dzi ɖi ɖoa to ame siwo katã yɔnɛ le xɔse me la ƒe nyawo.

15. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le bubudede amewo ŋu me?

15 Anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ne Yehowa bɔbɔ eɖokui ale gbegbe be wòɖoa to sea amewo ƒe nyawo abe ale si wòwɔe le Abraham, Rahel, Mose, Yosua, Manoa, Eliya kple Hizkiya gome ene la, ɖe mele be madze agbagba geɖe wu be made bubu nɔviwo katã ŋu, ase woƒe susuwo ahawɔ wo dzi gɔ̃ hã ne susua nyo oa? Ðe ame aɖe le nye hamea alo ƒomea me si ŋu wòle be makpɔ vovo ɖo wua? Nu kae wòle be mawɔ? Nu kae mawɔ tso eŋu?’—1 Mose 30:6; Ʋɔn. 13:9; 1 Fia. 17:22; 2 Kron. 30:20.

“ÐEWOHĨ YEHOWA AKPƆ NYE FUKPEKPEWO”

David gblɔ be: “Miɖe asi le eŋu!” Ne wòe ɖe, nu kae nàwɔ? (Kpɔ memama 16, 17 lia)

16. Aleke Fia David wɔ nui esi Simei do vloe?

16 Mɔ bubu si nu míaɖee afia be míebɔbɔ mía ɖokui le ye nye be míaɖu mía ɖokui dzi ne ame aɖe wɔ nu wòve mí. (Ef. 4:2) Esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe dze le 2 Samuel 16:5-13. (Xlẽe.) Simei, si nye Fia Saul ƒe ƒometɔ aɖe la, gblɔ vlodoamenyawo ɖe David kple eƒe subɔviwo ŋu eye wònɔ kpe dam wo henɔ ke hlẽm ɖe wo ŋu. David do dzi le esiawo katã me togbɔ be ate ŋu awɔ nane atsɔ atsi enu hafi hã. Aleke David wɔ ɖu eɖoku.i dzi nenema gbegbe? Psalmo etɔ̃lia me dzodzro akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖoa.

17. Nu kae kpe ɖe David ŋu wòɖu eɖokui dzi, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

17 Psalmo 3 lia ƒe etamenuŋɔŋlɔ la ɖee fia be David kpa psalmo sia esime “wònɔ sisim le via Absalom nu.” Kpukpui 1 kple 2 lia me nyawo sɔ kple nu siwo ŋu woƒo nu tsoe le Samuel Ƒe Agbalẽ Evelia ƒe ta 16 lia me. Eye Psalmo 3:4 ɖe ale si David ɖo ŋu ɖe Mawu ŋui la fia. Egblɔ be: “Makɔ gbe dzi ayɔ Yehowa, atɔ nam tso eƒe to kɔkɔe la dzi.” Míawo hã míate ŋu ado gbe ɖa ne amewo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o. Yehowa ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí be wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi. Ðe nàte ŋu abu nɔnɔme aɖe si me wòahiã le be nàɖu ɖokuiwò dzi alo atsɔ nu manyomanyo aɖe si wowɔ ɖe ŋuwò la ake faa la ŋua? Ðe nèka ɖe edzi be Yehowa akpɔ wò fukpekpewo eye wòayra wòa?

“NUNYAE NYE NU VEVITƆ”

18. Viɖe kae míakpɔ ne míeyia edzi wɔa Mawu ƒe mɔfiamewo dzi?

18 Ne míewɔa nu siwo míenya be ele eteƒe la, míekpɔa yayra geɖe. Mewɔ nuku o be Lododowo 4:7 gblɔ be “nunyae nye nu vevitɔ”! Togbɔ be nunya bia be ame nawɔ sidzedze ŋu dɔ hã la, míaƒe nyametsotsowo koŋ mee nunya ŋu dɔ wɔwɔ dzena le, ke menye ale si míese nu siwo míenya gɔmee o. Anyidiwo gɔ̃ hã wɔa nu le nunya me. Ale si wodzraa nuɖuɖu ɖo le dzomeŋɔli la ɖenɛ fiana be dzɔdzɔmenunya le wo si. (Lod. 30:24, 25) Kristo, ame si nye “Mawu ƒe nunya” la, wɔa nu si dzea Fofo la ŋu ɣesiaɣi. (1 Kor. 1:24; Yoh. 8:29) Mawu nya vovototo si le nyametsotso nyui wɔwɔ kple nuwɔwɔ wòasɔ ɖe nyametsotsoa nu dome. Eye eɖoa eteƒe na ame siwo yia edzi bɔbɔa wo ɖokuiwo eye wowɔa nu siwo wonya be ele eteƒe. (Xlẽ Mateo 7:21-23.) Eya ta, yi edzi nànɔ tɔwò sinua wɔm atsɔ akpe asi ɖe eŋu be hamea nanye teƒe si ame sia ame subɔa Yehowa le ɖokuibɔbɔ me le. Ebia ɣeyiɣi kple dzigbɔɖi geɖe be míawɔ nu siwo míenya be wole eteƒe, ke hã, esia wɔwɔ afia be míebɔbɔ mía ɖokuiwo, eye ɖokuibɔbɔ ana míakpɔ dzidzɔ fifia yi ɖe mavɔmavɔ me.