Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Ameŋububu Kple Eƒe Dɔmenyonyo

Srɔ̃ Yehowa Ƒe Ameŋububu Kple Eƒe Dɔmenyonyo

“Dzidzɔtɔe nye ame si bua ame tsɛ ŋu.”​—PS. 41:1.

HADZIDZI: 130, 107

1. Aleke lɔlɔ̃ ɖea dzesi le Mawu ƒe amewo dome?

YEHOWA subɔla siwo le xexea me godoo la nye ƒome gã ɖeka. Wonye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo lɔ̃ wo nɔewo. (1 Yoh. 4:16, 21) Ɣeaɖewoɣi la, wotsɔa nu gãwo saa vɔe ɖe wo nɔviwo ta, gake zi geɖe la, woɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo le nu suesuesue geɖe siwo wowɔna na wo me. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔa nya tuameɖowo na wo nɔewo eye wonyoa dɔme na wo nɔewo. Ne míebua ame bubuwo ŋu eye míewɔa nu ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe la, ekema míezua “Mawu srɔ̃lawo abe via lɔlɔ̃awo ene.”—Ef. 5:1.

2. Aleke Yesu srɔ̃ Fofoa ƒe lɔlɔ̃e?

2 Yesu srɔ̃ Fofoa le mɔ deblibo nu. Yesu gblɔ be: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi . . . , elabena mefa tu, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me.” (Mat. 11:28, 29) Ne míesrɔ̃ Kristo ƒe kpɔɖeŋua eye ‘míebua ame tsɛ ŋu’ la, mía Fofo si le dziƒo la akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye míakpɔ dzidzɔ geɖe. (Ps. 41:1) Na míakpɔ ale si míate ŋu awɔ nu ɖe amewo ŋu ameŋububutɔe le ƒomea me, le hamea me kple gbeƒãɖeɖedɔa me ɖa.

WƆ NU ÐE AMEWO ŊU AMEŊUBUBUTƆE LE ƑOMEA ME

3. Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu awɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu ameŋububutɔe? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Ele be srɔ̃ŋutsuwo naɖo kpɔɖeŋu na woƒe ƒomea le ameŋububu gome. (Ef. 5:25; 6:4) Le kpɔɖeŋu me, Biblia de dzi ƒo na wo be woanɔ anyi kple wo srɔ̃wo “le nunya me,” si ate ŋu afia hã be ‘woanɔ wo ŋu bum; woanɔ nu gɔme sem na wo.’ (1 Pet. 3:7; etenuŋɔŋlɔ) Nugɔmesela nye ame si bua ame ŋu hã. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ŋutsu si sea nu gɔme la nyae be ye srɔ̃, si nye yeƒe kpeɖeŋutɔ la, to vovo na ye le go geɖe me, gake esia mefia be srɔ̃anyɔnua le tsɛ wu o. (1 Mose 2:18) Eya ta, ebua eƒe seselelãmewo ŋu, eye edea asixɔxɔ eŋu hewɔa nu ɖe eŋu bubutɔe. Nyɔnu aɖe si le Canada la gblɔ tso srɔ̃a ŋu be: “Mebua nye seselelãmewo gbeɖe be womele vevie o alo gblɔna be ‘Mele be nàse le ɖokuiwò me nenema o.’ Eɖoa to sea nye nyawo nyuie. Ne ele kpekpem ɖe ŋunye be matrɔ nye susu le nya aɖe ŋu la, ewɔa esia ameŋububutɔe.”

4. Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu aɖee afia be yebua ye srɔ̃ ƒe seselelãmewo ŋu le ale si wòwɔa nu ɖe nyɔnu bubuwo ŋu me?

4 Srɔ̃ŋutsu si bua nuwo ŋu nyuie la bua srɔ̃a ƒe seselelãmewo hã ŋu ne ele nu wɔm kple nyɔnu bubuwo. Meɖoa ahiãmo na wo alo nana eƒe ŋku nɔa wo ŋu madzemadzee o; nenema kee mezãa Internet dzi hahoo kadodomɔnuwo tsɔ dea nyɔnuha o eye meʋua Internet nyatakakadzraɖoƒe siwo mesɔ o. (Hiob 31:1) Ɛ̃, ewɔa nuteƒe na srɔ̃a, menye le esi wòlɔ̃ srɔ̃a ta ko o, ke esi wòlɔ̃ Mawu hetsri vɔ̃ hã tae.—Xlẽ Psalmo 19:14; 97:10.

5. Aleke srɔ̃nyɔnu ate ŋu awɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu ameŋububutɔe?

5 Ne srɔ̃ŋutsu srɔ̃a Yesu Kristo si nye eƒe ta ƒe kpɔɖeŋu la, esia nana wònɔa bɔbɔe be srɔ̃a nade “bubu deto” eŋu. (Ef. 5:22-25, 33) Srɔ̃nyɔnu si dea bubu srɔ̃a ŋu alea la adze agbagba ase nu gɔme nɛ ahawɔ nu ɖe eŋu ameŋububutɔe ne ehiã be wòazã ɣeyiɣi geɖe ɖe teokrasidɔwo ŋu alo ne ele kuxi sesẽ aɖewo gbɔ kpɔm. Srɔ̃ŋutsu aɖe si le Britain la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃nye dea dzesii le ŋunye be nane le fu ɖem nam. Eye ewɔa gɔmeɖose si dze le Lododowo 20:5 la ŋu dɔ, ne esia bia gɔ̃ hã be wòalala va se ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi hafi wòana maɖe nu si le fu ɖem nam la dzi nɛ, nenye be enye nu si ŋu mate ŋu aƒo nu tsoe nɛ.”

6. Aleke mí katã míate ŋu ade dzi ƒo na ɖeviwo be woabu ame bubuwo ŋu, eye vi kae esia aɖe na ɖeviawo?

6 Ne dzilawo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu ameŋububutɔe la, esia nyea kpɔɖeŋu nyui aɖe na wo viwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dzilawo ƒe agbanɔamedzi vevi aɖee nye be woafia wo viwo ale si woabu ame bubuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, dzilawo ate ŋu afia wo be woaganɔ du ƒum le Fiaɖuƒe Akpataa me o. Le hadomewɔnawo me la, ne eɖo edzi be amewo naɖo fli axɔ nuɖuɖu la, dzilawo ate ŋu agblɔ na wo viwo be woaɖe mɔ ame tsitsiwo nayi gbã. Eye mí katã míate ŋu akpe asi ɖe dzilawo ŋu le go sia me. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖevi aɖe wɔ nu nyui aɖe na mí, ɖewohĩ eʋu ʋɔ na mí be míava yi la, ele be míakafui. Esia ado dzidzɔ na ɖevia, eye wòakpɔe be vavãe, “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔw. 20:35.

‘MINƆ MIA NƆEWO ŊU BUM’ LE HAMEA ME

7. Aleke Yesu wɔ nu ɖe ŋutsu aɖe si nye tokunɔ la ŋu ameŋububutɔe, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?

7 Ɣeaɖeɣi esi Yesu nɔ Dekapoli nutoa me la, wokplɔ “ŋutsu tokunɔ aɖe si metea ŋu ƒoa nu nyuie o la” va egbɔ. (Marko 7:31-35) Yesu meda gbe le eŋu le amehaa dome o, ke boŋ ekplɔe yi “adzɔge” hafi da gbe le eŋu. Nu ka tae? Nu si tae nye be ŋutsua ƒe lãmesẽkuxia ate ŋu awɔe be maɖe dzi ɖi le ameha la dome o. Ðewohĩ, esi Yesu de dzesi esia tae wòkplɔe yi adzɔge hafi da gbe le eŋu ɖo. Ele eme be míawo ya míate ŋu ada gbe le amewo ŋu nukutɔe ya o. Gake míate ŋu abu mía nɔvi Kristotɔwo ƒe hiahiãwo kple woƒe seselelãmewo ŋu ahawɔ nu ɖe wo ŋu ameŋububutɔe, eye ele be míawɔe hã. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ.” (Heb. 10:24) Yesu de dzesi ale si tokunɔa nɔ sesem le eɖokui me eye ewɔ nu ɖe eŋu ameŋububutɔe. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi!

8, 9. Mɔ kawo nue míate ŋu awɔ nu ɖe ame tsitsiwo kple dɔnɔwo ŋu ameŋububutɔe le? (Gblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.)

8 Wɔ nu ɖe ame tsitsiwo kple dɔnɔwo ŋu ameŋububutɔe. Nu si koŋ ɖea dzesi le Kristo hamea ŋue nye lɔlɔ̃, ke menye be míawɔ geɖe le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me o. (Yoh. 13:34, 35) Lɔlɔ̃ sia ʋãa mí míewɔa nu si míate ŋui tsɔ kpena ɖe ame tsitsiwo kple nuwɔametɔwo ŋu be woade Kristotɔwo ƒe kpekpewo eye woaɖe gbeƒã nya nyuia. Míewɔa esia, nenye be woƒe nɔnɔmeawo meɖea mɔ na wo be woawɔ geɖe o gɔ̃ hã. (Mat. 13:23) Michael, si tsi bunɔkeke me la kpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si eƒe ƒomea me tɔwo kple woƒe gbeadziƒuƒoƒoa me tɔwo nanɛ la ŋu ŋutɔ. Egblɔ be: “Ale si wokpena ɖe ŋunye la wɔe be metea ŋu dea kpekpeawo kple gbeadzi edziedzi. Dutoƒoɖaseɖiɖidɔa koŋue doa dzidzɔ nam.”

9 Le Betel-ƒe geɖewo me la, ame tsitsiwo kple dɔnɔwo hã li. Dzikpɔla lɔ̃amewo wɔa nu ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒe siawo ŋu ameŋububutɔe hewɔa ɖoɖo na wo be woaɖe gbeƒã na amewo to telefondziɖaseɖiɖi kple lɛtaŋɔŋlɔ dzi. Bill, si xɔ ƒe 86, si ŋlɔa lɛta na ame siwo le nuto saɖeagawo me la, gblɔ be: “Mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míaŋlɔ lɛta na amewo la doa dzidzɔ na mí ŋutɔ.” Nancy, si axɔ ƒe 90 kpuie la gblɔ be: “Le gbɔnye la, menye lɛtawo dede agbalẽkotoku me dzro koe ɖaseɖiɖi to lɛtaŋɔŋlɔ dzi nye o. Gbeƒãɖeɖedɔe wònye. Amewo hiã nyateƒegbedeasia!” Ethel, si wodzi le ƒe 1921 me la gblɔ be: “Vevesese dzi ko menɔna gbe sia gbe. Ɣeaɖewoɣi la, awudodo kple dzadzraɖo zua avu kple kɔ nam.” Togbɔ be ele alea hã la, telefondziɖaseɖiɖidɔa dzɔa dzi nɛ eye ewɔa tɔtrɔyi nyuiwo. Barbara, si xɔ ƒe 85 la gblɔ be: “Le nye lãmesẽkuxiwo ta la, nyemetea ŋu dea gbeadzi edziedzi o. Gake telefondziɖaseɖiɖidɔa kpena ɖe ŋunye meɖia ɖase na amewo. Meda akpe na Yehowa!” Le ɣeyiɣi ƒe didime si mede ƒe ɖeka o me la, ame tsitsi malɔ̃nugbɔa aɖewo zã gaƒoƒo 1,228 tsɔ ɖe gbeƒã, eye le esia wɔwɔ me la, woŋlɔ lɛta 6,265 sɔŋ, woƒo ka zi gbɔ zi 2,000 kple edzivɔwo, eye wona agbalẽ 6,315 sɔŋ! Ðikeke mele eme o be woƒe agbagbadzedzeawo do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi!—Lod. 27:11.

10. Aleke míate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo ŋu be Kristotɔwo ƒe kpekpewo naɖe vi na wo bliboe?

10 Wɔ nu ameŋububutɔe le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Míedi be kpekpeawo naɖe vi na mía nɔviwo bliboe. Ne míebua mía nɔviwo ŋu la, míate ŋu ana kpekpeawo naɖe vi na wo. Le mɔ ka nu? Mɔ ɖekae nye be míava kaba ale be míaganɔ mía nɔviwo ƒe susu hem madzemadzee o. Ele eme be nuɖiɖeamewo ate ŋu ana míatsi megbe ɣeaɖewoɣi ya. Gake ne megbetsitsi va zu numame na mí la, ele be míabu nu si míate ŋu awɔ atsɔ aɖe ameŋububu afia geɖe wu la ŋu. Nenɔ susu me na wò hã be Yehowa kple Via ye kpe mí. (Mat. 18:20) Wodze be míade bubu gã wo ŋu!

11. Nu ka tae wòle be ame siwo si dɔ le le kpekpeawo me la nawɔ mɔfiame si dze le 1 Korintotɔwo 14:40 la dzi?

11 Mía nɔviwo ŋu bubu bia hã be míawɔ mɔfiame si nye, “Mina nuwo katã nayi edzi nyuie ɖe ɖoɖo nu” la dzi. (1 Kor. 14:40) Nɔvi siwo si dɔ le le kpekpea me la wɔa nya sia dzi ne wowɔa woƒe dɔdeasia le game si woɖo na wo la me. Esia wɔwɔ afia be wobu nuƒola si akplɔ wo ɖo la kpakple hame bliboa hã ŋu. Le nɔvi aɖewo gome la, ahiã be woazɔ mɔ didi hafi aɖo woƒe aƒewo me. Ele be ame aɖewo hã naɖo ʋu. Eye ɖewohĩ nɔvi aɖewo hã srɔ̃wo menye haxɔsetɔwo o, eye wotsi dzi be yewo srɔ̃ nagbɔ kaba.

12. Nu ka tae wòle be ‘míade bubu geɖe ŋutɔ’ hamemetsitsi siwo doa vevie nu la “ŋu le lɔlɔ̃ me”? (Kpɔ aɖaka si nye “ De Bubu Ame Siwo Le Ŋgɔ Xɔm La Ŋu.”)

12 Hamemetsitsi siwo doa vevie nu le hamea me eye woxɔa ŋgɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe la dze na bubu geɖe ŋutɔ. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:12, 13.) Ðikekemanɔmee la, èkpɔa ŋudzedze ɖe dɔ siwo gbegbe hamemetsitsiwo wɔna ɖe hamea ta la ŋu. Eya ta, ɖee fia to ale si nàlɔ̃ faa awɔ nu aduadu kpli wo ahakpe asi ɖe wo ŋu dzi. Nya lae nye be, ‘wole mía ŋu dzɔm, abe ame siwo ana akɔnta ene.’—Heb. 13:7, 17.

ÐE AMEŊUBUBU FIA LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu wɔ nu ɖe amewo ŋui me?

13 Yesaya gblɔ nya ɖi tso Yesu ŋu be: “Maɖe aƒla ŋeŋe la le enu o, eye mele ɖovu bibi si le tsitsim la tsi ge o.” (Yes. 42:3) Esi Yesu lɔ̃ amewo ta la, esea veve ɖe ame nu. Enya ale si ame siwo nɔ abe aƒla ŋeŋe alo akaɖigbɛ me ɖovu bibi si le tsitsim ene le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la sena le wo ɖokuiwo me. Esia wɔe be ewɔ nu ɖe wo ŋu le ameŋububu, dɔmenyonyo kple dzigbɔɖi me. Ðeviwo gɔ̃ hã tena ɖe eŋu bɔbɔe. (Marko 10:14) Ele eme baa be míate ŋu ase amewo ƒe nɔnɔmewo gɔme alo afia nu wo abe ale si tututu Yesu wɔe ene ya o! Gake míate ŋu awɔ nu ɖe amewo ŋu ameŋububutɔe le míaƒe anyigbamamaa me, eye ele be míawɔe hã. Míate ŋu awɔ esia le ale si míeƒoa nu na wo, ɣeyiɣi si me míeyia wo gbɔ kple ɣeyiɣi didi si míenɔa wo gbɔ la me.

14. Nu ka tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo etɔxɛe le ale si míeƒoa nu na amewoe me?

14 Aleke wòle be míaƒo nu na amewo? Egbea, ame siwo xɔa ŋgɔ le asitsatsa, dunyahehe kple subɔsubɔnyawo me ƒe nu fitifiti wɔwɔ dzimesesẽtɔe la ‘wɔ fu’ ame miliɔn geɖe eye “wotsi yame.” (Mat. 9:36) Esia wɔe be amewo megakana ɖe ame aɖeke dzi o eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo. Ðe mele vevie ŋutɔ be míase veve ɖe wo nu ahawɔ nu ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe eye esia nadze le nya siwo míegblɔna kple gbe si míetsɔ ƒoa nu na wo me oa? Le nyateƒe me la, menye míaƒe Biblia nyanya alo ale si míeɖea nu me nyuie ta koe amewo ɖoa to míaƒe gbedeasia o, ke ale si míetsɔa ɖe le eme na wo tso dzi me kple ale si míewɔa nu ɖe wo ŋu ameŋububutɔe hã wɔa akpa vevi aɖe.

15. Mɔ kawo nue míate ŋu awɔ nu ɖe ame siwo míeɖea gbeƒã na la ŋu ameŋububutɔe le?

15 Mɔ vovovowo li siwo dzi míate ŋu ato awɔ nu ɖe ame siwo míeɖea gbeƒã na la ŋu ameŋububutɔe. Le kpɔɖeŋu me, nyabiasewo zazã nye nufiafia ƒe mɔnu nyui aɖe. Gake ele be míabia nyawo ameŋububutɔe le bubu me. Mɔɖela aɖe si ɖea gbeƒã le anyigbamama si me ŋu kpea ame geɖe le me la srɔ̃ ale si wòabia nya siwo mana ŋu nakpe aƒemenɔlawo o. Biabia siawo ƒe ɖewoe nye esiwo ŋu amea mate ŋu aɖo o alo be maɖo eŋu nyuie o. Le kpɔɖeŋu me, eƒoa asa na nya siawo tɔgbi biabia: ‘Ènya Mawu ƒe ŋkɔa?’ alo ‘Ènya nu si Mawu Fiaɖuƒea nyea?’ Le ema teƒe la, etea ŋu gblɔna be, “Mesrɔ̃e le Biblia me be ŋkɔ le Mawu si. Àdi be mafia eƒe ŋkɔa wò le Biblia mea?” Esi wònye be dekɔnuwo kple amewo ƒe amenyenyewo le vovovo ta la, mehiã be míade se kpaɖiwo o. Ke hã, ele be ɣeawokatãɣi la, míabu amewo ŋu ahade bubu wo ŋu, eye esia bia be míadze agbagba anya nutoa me tɔwo nyuie.

16, 17. Ne míebua míaƒe nutoa me tɔwo ŋu la, (a) ɣekaɣie míayi wo gbɔ le aƒe me? (b) ɣeyiɣi didi kae míaƒo nu na wo?

16 Ɣekaɣie wòanyo be míayi míaƒe nutoa me tɔwo gbɔ le aƒe me? Ne míele tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔm la, aƒemenɔlawo mekpea mí hafi míeyia wo gbɔ o. Eya ta, ele vevie ŋutɔ be míayi amewo gbɔ le ɣeyiɣi si asɔ na wo be yewoaɖo dze kpli mí la me. (Mat. 7:12) Le kpɔɖeŋu me, ɖe miaƒe anyigbamama me tɔwo dina be yewoadɔ alɔ̃ aɖi ɖe eme vie wu le kwasiɖanuwuwuwoa? Ne nenemae la, ɖewohĩ àte ŋu awɔ ɖoɖo be yeadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme kple ablɔdziɖaseɖiɖi, dutoƒoɖaseɖiɖi, alo atrɔ ayi ame siwo nènya be woanɔ klalo aɖo dze kpli wò la gbɔ.

17 Ɣeyiɣi didi kae míanɔ wo gbɔ? Vovo mele ame geɖe ŋu kura o, eya ta ne míeyi amewo gbɔ la, mele be míanɔ wo gbɔ eteƒe nadidi o, vevietɔ le gɔmedzedzea me. Enyo be míawu dzeɖoɖoa nu kaba tsɔ wu be dzeɖoɖoa nadidi. (1 Kor. 9:20-23) Ne amewo kpɔe be míedea dzesii be vovo mele yewo ŋu o la, ate ŋu ana woalɔ̃ axɔ mí ne míegatrɔ yi. Eme kɔ ƒãa be ele be Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea naɖe dzesi le ale si míewɔa gbeƒãɖeɖedɔae me. Ne míewɔnɛ alea la, míezua “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” vavã, eye Yehowa ate ŋu ato esia dzi ahe amewo ava nyateƒea me.—1 Kor. 3:6, 7, 9.

18. Ne míebua ame bubuwo ŋu la, yayra kawoe míate ŋu akpɔ mɔ na?

18 Eya ta, mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míabu amewo ŋu le míaƒe ƒomea me, le hamea me kple gbeƒãɖeɖedɔa me. Ne míewɔe alea la, míakpɔ yayra geɖe fifia kple etsɔme siaa. Psalmo 41:1, 2 gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si bua ame tsɛ ŋu; Yehowa axɔ nɛ le xaxaɣi. . . . Woabui dzidzɔtɔe le anyigba dzi.”