GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA September 2019

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso October 28 va se ɖe December 1, 2019 la le tata sia me.

Yehowa Dea Asixɔxɔ Esubɔla Siwo Bɔbɔ Wo Ðokuiwo La Ŋu

Ðokuibɔbɔ nye nɔnɔme vevitɔ siwo wòle be míatu ɖo la dometɔ ɖeka. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na mí be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me?

Armagedon—Nu Nyui Aɖee Wònye!

Nu ɖedzesi kawoe adzɔ do ŋgɔ teti na Armagedon? Nu kawoe míate ŋu awɔ be míayi edzi awɔ nuteƒe esime nuwuwua le aƒe tum?

Nu Ka Tae Nàlɔ̃ Faa Abɔbɔ Ðokuiwò Na Yehowa, Eye Aleke Nàwɔe?

Hamemetsitsiwo, vifofowo, kple vidadawo ate ŋu asrɔ̃ ɖokuibɔbɔ tso Nutodziɖula Nehemiya, Fia David, kple Yesu dada, Maria, ƒe kpɔɖeŋuawo me.

“Miva Gbɔnye, . . . Eye Nye La, Mana Gbɔdzɔe Mi”

Afɔ kawoe wòhiã be míaɖe be míawɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzi? Míayi edzi akpɔ gbɔdzɔe le Yesu ƒe kɔkutia te ɖaa ne míewɔ nu etɔ̃ aɖewo.

“Kpɔ Ða, Ameha Gã Aɖe”

Yehowa ɖe ame siwo anye ‘ameha gã la,’ siwo atsi agbe le xaxa gãa me eye woava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi la fia Yohanes le nyagblɔɖiŋutega me; eɖee fiae hã be, woasɔ gbɔ ŋutɔ eye woatso dukɔ sia dukɔ kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.