Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 39

“Kpɔ Ða, Ameha Gã Aɖe”

“Kpɔ Ða, Ameha Gã Aɖe”

“Kpɔ ɖa, ameha gã aɖe si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, . . . le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple Alẽvi la ŋkume.”—NYAÐ. 7:9.

HADZIDZI 60 Míagblɔ Agbenya La

NYA VEVIAWO *

1. Aleke agbea nɔ na apostolo Yohanes le ƒe 95 Kristotɔwo Ŋɔli me lɔƒo?

LE ƑE alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe nuwuwu lɔƒo la, apostolo Yohanes nɔ nɔnɔme wɔnublanui aɖe me. Enye amegãɖeɖi; wodee gaxɔ me le ƒukpo sue aɖe si woyɔna be Patmo la dzi, eye anɔ eme be eya ɖeka koe nye apostolo si gale agbe ɣemaɣi. (Nyaɖ. 1:9) Enyae be xɔsegbelawo nɔ alakpanyawo fiam le hameawo me eye wona mama ɖo Kristotɔwo dome. Edze abe, eteƒe madidi o, Kristotɔ vavãwo nu ayi keŋkeŋ, ene.—Yuda 4; Nyaɖ. 2:15, 20; 3:1, 17.

Apostolo Yohanes kpɔ “ameha gã aɖe” siwo do awu ʋlaya ɣiwo eye wolé deʋayawo ɖe asi (Kpɔ memama 2 lia)

2. Le Nyaɖeɖefia 7:9-14 ƒe nyawo nu la, nyagblɔɖiŋutega kae Mawu na Yohanes kpɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

2 Esi Yohanes nɔ nɔnɔme wɔnublanui ma me la, Mawu na wòkpɔ nyagblɔɖiŋutega dodzidzɔname aɖe. Le ŋutegaa me la, wogblɔ na mawudɔlawo be woalé xaxa gãa ƒe ya tsrɔ̃nuawo ɖe asi goŋgoŋ va se ɖe esime kluviwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe naxɔ woƒe amenutetre mamlɛtɔ hafi. (Nyaɖ. 7:1-3) Ƒuƒoƒo ma me tɔwo nye ame 144,000 siwo aɖu fia kple Yesu le dziƒo. (Luka 12:32; Nyaɖ. 7:4) Eyome, Yohanes ƒo nu tso ƒuƒoƒo bubu aɖe ŋu; ƒuƒoƒo sia me tɔwo sɔ gbɔ ale gbegbe be edo ɣli be: “Kpɔ ɖa”!—si fia be, nu si wòkpɔ la nye nu si menɔ mɔ kpɔm na kura o, si wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Nu kae Yohanes kpɔ? Ekpɔ “ameha gã aɖe si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ame ƒomeviwo katã kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple Alẽvi la ŋkume.” (Xlẽ Nyaɖeɖefia 7:9-14.) Wò ya de ŋugble le ale si gbegbe dzi anya dzɔ Yohanes esime wona wòkpɔe be ame akpeakpewo ava nɔ Mawu subɔm le mɔ nyuitɔ nu le etsɔme ŋu kpɔ!

3. (a) Nu ka tae wòle be Yohanes ƒe ŋutega sia nado ŋusẽ míaƒe xɔse? (b) Nu kawo ŋue míasrɔ̃ nu tsoe le nyati sia me?

3 Ðikeke mele eme o be ŋutega ma do ŋusẽ Yohanes ƒe xɔse. Ele be wòagado ŋusẽ míawo ya ƒe xɔse geɖe wu le esi ŋutega sia le eme vam le míaƒe ɣeyiɣia me ta! Míele eteƒe kpɔm Yehowa le ame miliɔn geɖe siwo le mɔ kpɔm be yewoatsi agbe le xaxa gãa me ahanɔ agbe le anyigba dzi tegbee la nu ƒom ƒu. Le nyati sia me la, míasrɔ̃ nu tso ale si Yehowa na eƒe amewo kpɔ ame siwo ava nye ameha gã ma la dze sii ƒe blaenyi aɖewoe nye esi va yi la ŋu. Eyome, míadzro nu vevi eve aɖewo me ku ɖe ameha ma ŋu; woawoe nye be: (1) woasɔ gbɔ ŋutɔ, eye (2) woatso dukɔ kpakple gbegbɔgblɔ vovovowo me. Ele be nyateƒenya siawo siwo me míadzro la nado ŋusẽ ame siwo katã le mɔ kpɔm be yewoanye ƒuƒoƒo ma me tɔwo la ƒe xɔse.

AFI KAE AMEHA GÃ LA ANƆ AGBE LE?

4. Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe ka gɔmee Kristodukɔa mese o, eye aleke Biblia Nusrɔ̃viwo ya to vovo le go sia me?

4 Le nyateƒe me la, Kristodukɔa mefiaa Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe si nye be amegbetɔ toɖolawo ava nɔ agbe le anyigba dzi tegbee o. (2 Kor. 4:3, 4) Egbea, Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo dometɔ akpa gãtɔ fiaa nu be ame nyuiwo katã ayi dziƒo le woƒe ku megbe. Gake menɔ alea le ƒuƒoƒo sue si me tɔwo woyɔna be Biblia Nusrɔ̃viwo, * siwo taa Gbetakpɔxɔ magazinea tso keke ƒe 1879 me ke, ya gome o. Wose egɔme be Mawu ana anyigbaa nagazu Paradiso ake eye amegbetɔ toɖola miliɔn geɖe anɔ agbe tegbee le anyigba dzi afi sia—ke menye dziƒo o. Ke hã, exɔ ɣeyiɣi geɖe hafi wova nya ame siwo tututu amegbetɔ toɖola siawo anye la nyuie.—Mat. 6:10.

5. Nu kae nye Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe dzixɔse ku ɖe ame 144,000 la ŋu?

5 Enye nyateƒe be, Biblia Nusrɔ̃viawo nyae hã be Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Mawu atia ame aɖewo “tso anyigba dzi” be woaɖu fia kple Yesu le dziƒo. (Nyaɖ. 14:3) Ƒuƒoƒo ma me tɔwo katã anye ame 144,000 siwo nye Kristotɔ dzonɔamemetɔ siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Mawu hesubɔe nuteƒewɔwɔtɔe esime wonɔ anyigba dzi. Ke nu kae nye Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe dzixɔse ku ɖe ameha gãa ya ŋu?

6. Nu ka dzie Biblia Nusrɔ̃viwo xɔ se ku ɖe ameha gãa ŋu?

6 Le ŋutega si Yohanes kpɔ me la, ekpɔe be ƒuƒoƒo ma me tɔwo “le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple Alẽvi la ŋkume.” (Nyaɖ. 7:9) Biblia me nya mawo na Biblia Nusrɔ̃viawo ƒo nya ta be ameha gã la hã anɔ dziƒo, abe ame 144,000 la ke ene. Gake biabia lae nye be, ne nyateƒee wònye be ame 144,000 la kple ameha gã la siaa anɔ agbe le dziƒo la, vovototo kae anɔ ƒuƒoƒo eve siawo dome? Biblia Nusrɔ̃viawo susui be ameha gã la me tɔwo anye Kristotɔ siwo meɖo to Mawu bliboe esime wonɔ anyigba dzi o. Wosusui hã be ameha gãa me tɔ aɖewo anye Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo me tɔwo, evɔ woanye ame siwo nɔa agbe ɖe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu si le Biblia me la nu. Biblia Nusrɔ̃viawo ƒo nya ta be ame siawo ƒe dzi aku ɖe Mawu ŋu ya, gake woƒe lɔlɔ̃ na Mawu nu masẽ ale gbegbe be woadze aɖu fia kple Yesu o. Wosusui be, esi wònye be ameha gã la me tɔwo ƒe lɔlɔ̃ na Mawu nu mesẽ tututu o ta la, woadze be woayi dziƒo aɖanɔ tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ ya, gake womanɔ fiazikpuiwo dzi o.

7. Le Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe dzixɔse nu la, ame kawoe anɔ agbe le anyigba dzi le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɣia me, eye nu kae nye Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe dzixɔse ku ɖe nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema ŋu?

7 Ekema, ame kawoe anɔ agbe le anyigba dzi? Biblia Nusrɔ̃viawo xɔe se be, ne woƒo ame 144,000 la kple ameha gã la nu ƒu ɖe dziƒo vɔ la, woana ame miliɔn bubuwo nanɔ agbe le anyigba dzi ale be woase vivi na Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe yayrawo. Biblia Nusrɔ̃viawo menɔ mɔ kpɔm be ame miliɔn geɖe mawo asubɔ Yehowa do ŋgɔ na Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe gɔmedzedze o. Ke boŋ, wosusui be Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɣia mee woafia Yehowa ƒe mɔwo ƒuƒoƒo sia me tɔwo. Esia megbe la, Yehowa aɖe mɔ na wo dometɔ siwo trɔ woƒe agbenɔnɔ wòwɔ ɖeka kple eƒe nudidiwo la be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi, gake woatsrɔ̃ wo dometɔ siwo dze aglã ya. Biblia Nusrɔ̃viawo susui hã be, ɖewohĩ, ame siwo asubɔ le anyigba dzi abe ‘amegãwo’ ene le Ƒe Akpe Ðekaa me la dometɔ aɖewo ayi dziƒo le Ƒe Akpe Ðekaa ƒe nuwuwu. Woxɔe se hã be, ‘amegã’ mawo dometɔ aɖewo anye “blematɔ siwo dze” (alo, nuteƒewɔla siwo ku do ŋgɔ na Kristo) siwo woafɔ ɖe tsitre le Ƒe Akpe Ðekaa me.—Ps. 45:16.

8. Le Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe susu nu la, ƒuƒoƒo etɔ̃ kawoe le Mawu ƒe tameɖoɖoa me?

8 Edze kɔtɛ be, Biblia Nusrɔ̃viawo susui be ƒuƒoƒo etɔ̃e li: (1) ame 144,000 siwo aɖu fia kple Yesu le dziƒo; (2) ameha gã siwo nye Kristotɔ siwo ƒe lɔlɔ̃ na Mawu nu mesẽ tututu o, siwo anɔ tsitre ɖe Yesu ƒe fiazikpui la ŋgɔ le dziƒo; kple (3) ame miliɔn geɖe siwo woafia Yehowa ƒe mɔwoe le anyigba dzi le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɣia me. * Gake, ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa kpe ɖe wo ŋu wova se nya mawo gɔme nyuie.—Lod. 4:18.

NYATEƑE ƑE KEKELI LA ME GAKƆ ÐE EDZI

Le ƒe 1935 ƒe takpekpe gãa me la, ame geɖe siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la xɔ nyɔnyrɔ (Kpɔ memama 9 lia)

9. (a) Gɔmesese ka nue ameha gã si le anyigba dzi la ate ŋu anɔ tsitre ɖe “fiazikpui la ŋgɔ kple Alẽvi la ŋkume” le? (b) Nu ka tae susu le ale si wova se Nyaɖeɖefia 7:9 me nyawo gɔme la me?

9 Le ƒe 1935 me la, Yehowa Ðasefowo va kpɔ ame siwo ava nye ameha gã si Yohanes kpɔ le ŋutegaa me la dze sii. Yehowa Ðasefowo va se egɔme mlɔeba be, mehiã kokoko be ameha gã la nanɔ dziƒo ŋutɔŋutɔ hafi woanɔ tsitre ɖe “fiazikpui la ŋgɔ kple Alẽvi la ŋkume” o. Ke boŋ, kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe nya ma nye. Togbɔ be ameha gãa anɔ anyigba dzi hã la, woate ŋu anɔ tsitre ɖe “fiazikpui la ŋgɔ” le gɔmesese sia nu be wolɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye xexea me katã ƒe Dziɖulagã eye woɖoa toe. (Yes. 66:1) Eye woate ŋu anɔ tsitre ɖe “Alẽvi la ŋkume” le gɔmesese sia nu be woxɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi se. Nenema kee wogblɔ le Mateo 25:31, 32 be “woaƒo dukɔwo katã”—siwo dome ame vɔ̃ɖiwo hã le la—“nu ƒu ɖe” Yesu ƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la “ŋkume.” Eme kɔ ƒãa be, menye dziƒoe dukɔ mawo katã le o, ke boŋ, anyigba dzie wole. Eya ta, susu le gɔmesese yeye si va su Yehowa Ðasefowo si le ƒe 1935 me la me. Gɔmesese sia wɔe be míese nu si tae Biblia megblɔ be wokɔ ameha gã la yi dziƒo o la gɔme. Ƒuƒoƒo ɖeka koe Mawu do ŋugbe be woava nɔ agbe tegbee le dziƒo—eyae nye ame 144,000 la me tɔ siwo awɔ ɖeka kple Yesu “woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.”—Nyaɖ. 5:10.

10. Nu ka tae wòle be woafia Yehowa ƒe mɔwo ameha gã la do ŋgɔ na Ƒe Akpe Ðekaa ƒe gɔmedzedze?

10 Tso ƒe 1935 me la, Yehowa Ðasefowo va se egɔme be ameha gã si Yohanes kpɔ le ŋutegaa me la me tɔwo anye Kristotɔ wɔnuteƒe siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Hafi ameha gã la me tɔwo nate ŋu atsi agbe le xaxa gãa me la, ele be woafia Yehowa ƒe mɔwo woamawo do ŋgɔ na Ƒe Akpe Ðekaa ƒe gɔmedzedze. Ahiã be xɔse sẽŋu nanɔ wo si hafi woate ŋu “asi le nu siawo katã, siwo gbɔna dzɔdzɔ ge” do ŋgɔ na Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe gɔmedzedze “la nu.”—Luka 21:34-36.

11. Nu ka tae Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ aɖewo susu be, ɖewohĩ, woakɔ ame aɖewo ayi dziƒo le Ƒe Akpe Ðekaa megbe?

11 Ke susu si nye be woakɔ nuteƒewɔla ɖedzesi aɖewo ayi dziƒo le Ƒe Akpe Ðekaa megbe ya ɖe? Wodo susu ma ɖa ƒe geɖe do ŋgɔ le February 15, 1913, ƒe Gbetakpɔxɔ me. Ɣemaɣi la, ame aɖewo biaa wo ɖokuiwo be, ‘Nu ka tae anyigbaa dome nyinyi dzro koe asu nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la si, evɔ Kristotɔ siwo mewɔ nuteƒe de wo nu o ya aɖanɔ agbe le dziƒo?’ Nu si ta wobiaa nya ma ye nye be, ɣemaɣi la, wosusui vodadatɔe be: (1) ameha gã la ayi dziƒo, eye (2) ameha gã la me tɔwo anye Kristotɔ siwo ƒe lɔlɔ̃ na Mawu nu mesẽ tututu o.

12-13. Nu kae amesiaminawo kple ameha gã la me tɔwo siaa nya tso teƒeɖoɖo si ŋugbe Mawu do na wo la ŋu?

12 Gake abe ale si míekpɔe va yi ene la, tso keke ƒe 1935 me ke la, Yehowa Ðasefowo va se egɔme nyuie be ame siwo atsi agbe le Armagedon me lae nye ameha gã si Yohanes kpɔ le ŋutegaa me. ‘Woado go tso xaxa gã la me’ le anyigba dzi afi sia, eye ‘woanɔ ɣli dom kple gbe gã aɖe anɔ gbɔgblɔm be: “Míaƒe xɔname tso mía Mawu, ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi kple Alẽvi la gbɔ.”’ (Nyaɖ. 7:10, 14) Gakpe ɖe eŋu la, Ŋɔŋlɔawo fia nu be ame siwo woafɔ ayi dziƒo la xɔ “nane si nyo wu” nu si nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la xɔ. (Heb. 11:40) Gɔmesese sia wɔe be nɔviwo va te amewo kpekpe dzonɔamemetɔe be woava subɔ Yehowa kple mɔkpɔkpɔ be woava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi.

13 Ameha gã la me tɔwo kpɔa dzidzɔ ɖe woƒe mɔkpɔkpɔa ŋu. Wonyae be Yehowae tsoa nya me le afi si esubɔlawo asubɔe le ŋu—ne anye le dziƒo loo alo anyigba dzi. Amesiaminawo kple ameha gãa me tɔwo siaa nyae be Yehowa ƒe amenuveve si yewomedze na o, si wòɖe fia to Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa dzi, la ta koe yewoƒe teƒeɖoɖoa su yewo si ɖo.—Rom. 3:24.

WOSƆ GBƆ VAVÃ

14. Le ƒe 1935 megbe la, nu ka tae ame geɖe nɔ didim be yewoanya ale si nyagblɔɖi si ku ɖe ameha gãa ŋu la ava eme?

14 Esi gɔmesese nyuitɔa va su Yehowa ƒe amewo si le ƒe 1935 me megbe la, ame geɖe gakpɔtɔ nɔ didim be yewoase ale si wòadzɔe be ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la ava zu ameha gã aɖe la gɔme. Le kpɔɖeŋu me, Ronald Parkin xɔ ƒe 12 esime Yehowa na ƒuƒoƒo si ava nye ameha gã la va dze ƒãa. Nɔviŋutsu Parkin gblɔ be: “Ɣemaɣi la, gbeƒãɖela siwo ade 56,000 ye nɔ xexea me godoo, eye wo dometɔ geɖe, alo akpa gãtɔ gɔ̃ hã, nye amesiaminawo. Eya ta, edze abe ameha gãa me tɔwo mesɔ gbɔ nenema tututu o ene.”

15. Aleke Yehowa na be ameha gã la nu ƒoƒo ƒu nɔ zɔ ɖem henɔ dzidzim ɖe edzi?

15 Gake ƒe aɖewo megbe la, habɔbɔa te dutanyanyuigblɔlawo ɖoɖo ɖe dukɔ geɖe me, eye esia wɔe be ɖeko Yehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi. Eyome, le ƒe 1968 me la, habɔbɔa dze Biblia-nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe gɔme eye wozãa agbalẽ si nye Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Mee tsɔ srɔ̃a nu kple amewo. Ale si woɖe Biblia me nyateƒea gɔme le agbalẽa me ale be egɔmesese le bɔbɔe la wɔe be ame geɖe lɔ̃ wosrɔ̃ Biblia kpli wo wova zu Yehowa subɔlawo. Le ƒe ene pɛ ko me la, nusrɔ̃la yeye siwo wu ame 500,000 la xɔ nyɔnyrɔ. Eye esi Katoliko-haa megate ŋu va nɔ ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi le Latin Amerika kple dukɔ bubuwo me o eye wova ɖe mɔxeɖenuwo ɖa le míaƒe dɔa dzi le Ɣedzeƒe Europa kple Afrika ƒe dukɔ aɖewo me la, ame miliɔn geɖe bubuwo hã va xɔ nyɔnyrɔ. (Yes. 60:22) Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Yehowa ƒe habɔbɔa ɖe dɔwɔnu vovovo siwo wɔa dɔ nyuie la ɖe go be míazã wo atsɔ akpe ɖe amewo ŋu woanya nu si Biblia fia. Ðikeke mele eme o be, Yehowa ƒo ameha gã aɖe—si ƒe xexlẽme wu ame miliɔn enyi fifia la—nu ƒu vavã.

WOTSO DUKƆ VOVOVO KPLE GBEGBƆGBLƆ VOVOVOWO ME

16. Afi kae wole ameha gã la me tɔwo nu ƒom ƒu tsoe?

16 Esi Yohanes nɔ nu siwo wòkpɔ le ŋutegaa me ŋlɔm ɖi la, egblɔ be ameha gã la atso “dukɔ sia dukɔ, to sia to, ame ƒomeviwo katã kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” Nyagblɔɖila Zakariya gblɔ nya sia tɔgbi ɖi ƒe gbogbo aɖewo do ŋgɔ. Eŋlɔ ɖi be: “Le ŋkeke mawo me la, ame ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu toga agblɔ be: ‘Míayi kpli mi, elabena míese be Mawu li kpli mi.’”—Zak. 8:23.

17. Nu ka wɔm habɔbɔa le tsɔ le kpekpem ɖe dukɔwo katã kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me tɔwo ŋu?

17 Yehowa Ðasefowo de dzesii be, esi wònye be woaƒo amewo nu ƒu tso gbegbɔgblɔwo katã me ta la, ele be yewoaɖe gbeƒã nya nyuia le gbegbɔgblɔ geɖe ale si yewoate ŋui la me. Ƒe 130 kple edzivɔe nye esia míele Biblia-srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖem ɖe gbe bubuwo me, gake fifia, míele gbegɔmeɖeɖedɔ gãtɔ kekeake si wowɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me kpɔ la wɔm, elabe míele agbalẽwo gɔme ɖem ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 900 sɔŋ la me fifia. Eme kɔ ƒãa be, Yehowa le nukunu aɖe wɔm le míaƒe ŋkekea me—ɛ̃, ele ameha gã aɖe nu ƒom ƒu tso dukɔwo katã me. Esi wònye be Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo va le gbegbɔgblɔ gbogbo mawo me ta la, ƒuƒoƒo sia me tɔwo le Yehowa subɔm le ɖekawɔwɔ me, togbɔ be wotso dukɔ siwo katã le anyigbaa dzi la me gɔ̃ hã. Eye wonya Ðasefowo nyuie ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔna dzonɔamemetɔe kple dadavilɔlɔ̃ si le wo si na wo nɔewo ta. Esia doa ŋusẽ míaƒe xɔse ale gbegbe!—Mat. 24:14; Yoh. 13:35.

NU KAE ŊUTEGA SIA FIA NA MÍ?

18. (a) Le ɖekawɔwɔ me kple Yesaya 46:10, 11 ƒe nyawo la, nu ka tae mewɔ nuku na mí be Yehowa na nyagblɔɖi si ku ɖe ameha gãa ŋu la le eme vam o? (b) Nu ka tae ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi la mesena le wo ɖokuiwo me be nane to yewo ŋu o?

18 Susu geɖewo le mía si siwo tae wòle be míakpɔ dzidzɔ le nyagblɔɖi si ku ɖe ameha gãa ŋu la ta ɖo! Mewɔ nuku na mí be Yehowa na nyagblɔɖi ma va eme le mɔ wɔnuku ma gbegbe nu o. (Xlẽ Yesaya 46:10, 11.) Ameha gãa me tɔwo kpɔa dzidzɔ ɖe mɔkpɔkpɔ si Yehowa na wo la ta. Womesena le wo ɖokuiwo me be nane to yewo ŋu le esi Mawu metsɔ eƒe gbɔgbɔa si ami na yewo be yewoaɖasubɔ kple Yesu le dziƒo o ta o. Le Ŋɔŋlɔ bliboa me la, míexlẽa nu tso ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ siwo dzi gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ dɔ ɖo le mɔ ɖedzesiwo nu la ŋu; ke hã, womenye ame 144,000 la me tɔwo o. Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa nye esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. (Mat. 11:11) Bubu hãe nye David. (Dɔw. 2:34) Woafɔ ame eve siawo kple bubu geɖe siwo xexlẽme meli na o la ɖe tsitre be woava nɔ agbe le paradiso me le anyigba dzi. Mɔnukpɔkpɔ asu ame siawo katã kple ameha gãa me tɔwo siaa si be woaɖee afia be yewolɔ̃ Yehowa hewɔa nuteƒe nɛ eye yewolɔ̃ ɖe eƒe dziɖuɖu dzi.

19. Ne míese Yohanes ƒe ŋutega si ku ɖe ameha gãa ŋu gɔme la, nu kae wòle be míaku kutri vevie awɔ?

19 Esia ye nye zi gbãtɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me si Mawu ƒo ame miliɔn geɖewo nu ƒu tso dukɔwo katã me be woasubɔ ye le ɖekawɔwɔ me. Mɔkpɔkpɔ ɖale mía si be míaɖanɔ agbe le dziƒo alo míanɔ agbe le anyigba dzi o, ele be míakpe ɖe ame geɖe ale si nu míate ŋui la ŋu be woava nye ‘alẽ bubuawo’ ƒe ameha gã la me tɔwo. (Yoh. 10:16) Eteƒe madidi o, Yehowa ahe xaxa gã si ŋu nya wogblɔ ɖi la avɛ, eye le xaxa gãa me la, woatsrɔ̃ dziɖuɖuwo kple subɔsubɔha siwo na amegbetɔwo kpe fu ale gbegbe la katã. Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi asu ameha gãa me tɔwo katã si—be woasubɔ Yehowa le anyigba dzi tegbee!—Nyaɖ. 7:14.

HADZIDZI 139 Kpɔ Ðokuiwò Le Xexe Yeyea Me

^ mm. 5 Nyati sia adzro ŋutega si Yohanes kpɔ, si nye nyagblɔɖi si ku ɖe “ameha gã aɖe” nu ƒoƒo ƒu ŋu, la me. Ðikeke mele eme o be, nyati sia ado ŋusẽ ame siwo katã nye ameha gãa me tɔwo la ƒe xɔse godoo.

^ mm. 4 Alea ye woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi.

^ mm. 8 Kpɔ agbalẽ si nye Jehovah’s WitnessesProclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu) axa 159-163.