Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 36

Armagedon—Nu Nyui Aɖee Wònye!

Armagedon—Nu Nyui Aɖee Wònye!

“Woƒo wo nu ƒu ɖe . . . Armagedon.”—NYAÐ. 16:16.

HADZIDZI 150 Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Nu ka tae Armagedon aɖe vi na amegbetɔwo? (b) Biabia kawo me míadzro le nyati sia me?

AME aɖewo xɔe se be aʋa aɖe si me woazã nukliaʋawɔnuwo le alo dzɔdzɔmefɔku aɖe ye ava tsrɔ̃ anyigbaa. Gake menye nu si Biblia fia ye nye ema o. Nu si Biblia fia boŋue nye be, aʋa aɖe le dzɔdzɔ ge kpuie, eye nu nyui geɖe ado tso eme. Woyɔa aʋa sia be Armagedon, eye nya siwo Biblia gblɔ tso aʋa sia ŋu la ado dzidzɔ na mí godoo. (Nyaɖ. 1:3) Armagedon-ʋa la matsrɔ̃ ameƒomea o, ke ɖe wòaxɔ na ameƒomea boŋ! Le mɔ ka nu?

2 Biblia ɖee fia be Armagedon-ʋaa axɔ na ameƒomea, elabe ahe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu ava nuwuwui. Armagedon-ʋa la axɔ na ameƒomea, elabe aɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa eye wòaxɔ ame dzɔdzɔewo ɖe agbe. Azɔ hã, axɔ na ameƒomea, elabe aɖe ame siwo le anyigbaa gblẽm la ɖa, ale be woagatsrɔ̃ anyigba la o. (Nyaɖ. 11:18) Be míate ŋu ase nya vevi siawo gɔme nyuie la, na míadzro biabia ene siawo me: Nu kae nye Armagedon? Nu kawoe adzɔ do ŋgɔ teti na Armagedon? Nu kawoe míawɔ be míawo hã míanɔ ame siwo atsi agbe le Armagedon me la dome? Nu kawoe míate ŋu awɔ be míayi edzi awɔ nuteƒe esime Armagedon le aƒe tum?

NU KAE NYE ARMAGEDON?

3. (a) Nu kae nya “Armagedon” fia? (b) Le Nyaɖeɖefia 16:14, 16 ƒe nyawo nu la, nu ka tae míate ŋu agblɔ be menye teƒe ŋutɔŋutɔe Armagedon nye o?

3 Xlẽ Nyaɖeɖefia 16:14, 16. Zi ɖeka pɛ koe ŋkɔnya “Armagedon” dze le Ŋɔŋlɔawo me, eye Hebrigbe me nya si gɔmee nye “Megido To” la mee woɖee tsoe. (Nyaɖ. 16:16; etenuŋɔŋlɔ) Megido nye dugã aɖe si nɔ anyi le blema Israel. (Yos. 17:11) Gake, menye teƒe aɖe koŋ si le anyigba dzi ye Armagedon ya nye o. Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, efia nɔnɔme aɖe, si me “anyigba blibo la dzi fiawo” aƒo ƒu atsi tre ɖe Yehowa ŋu le. (Nyaɖ. 16:14) Ke hã, le nyati sia me la, míazã ŋkɔnya “Armagedon” wòaku ɖe aʋa si adzɔ le anyigba dzi fiawo nu ƒoƒo ƒu megbe teti la hã ŋu. Gake aleke míewɔ nya be menye teƒe aɖe si li ŋutɔŋutɔe Armagedon nye o? Gbã, to aɖeke meli si woyɔna be Megido To o. Evelia, nuto siwo ƒo xlã Megido la mekeke be “anyigba blibo la dzi fiawo” kple woƒe aʋalɔgowo kpakple woƒe aʋawɔnuwo naƒo ƒu ɖo o. Etɔ̃lia, abe ale si míava kpɔe le nyati sia me ene la, Armagedon-ʋa afe ati ne anyigba dzi “fiawo” dze Mawu ƒe ame siwo le teƒe vovovowo le anyigba katã dzi la dzi.

4. Nu ka tae ŋkɔ si Mawu yɔ na eƒe aʋa gã mamlɛa la ku ɖe Megido ŋu?

4 Nu ka tae ŋkɔ si Yehowa yɔ na eƒe aʋa gã mamlɛa la ku ɖe Megido ŋu? Megido kple Yezreel Bali si tsɔ ɖe egbɔ la nye teƒe siwo wowɔ aʋa geɖe le le blema. Ɣeaɖewoɣi la, Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu woɖu dzi le aʋa mawo me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu kpe ɖe Israel-viwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃la Barak ŋu wòɖu Kanaantɔwo ƒe aʋafia Sisera kple eƒe aʋakɔa dzi “le Megido-tɔ la nu.” Barak kple nyɔnunyagblɔɖila Debora da akpe na Yehowa be ekpe ɖe yewo ŋu nukutɔe yewoɖu dzi. Wodzi ha be: “Ɣletiviwo wɔ aʋa tso dziƒo; [wokpe] aʋa kple Sisera. Kison-tɔʋu la kplɔ wo dzoe.”—Ʋɔn. 5:19-21.

5. Mɔ vevi ka nue Armagedon-ʋaa ato vovo na aʋa si Barak wɔ la le?

5 Barak kple Debora ƒe haa wu enu kple nya siawo be: “Oo Yehowa, wò futɔwo katã nu neyi, gake na ame siwo lɔ̃a wò la nanɔ abe ɣe si dze le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo gã me ene.” (Ʋɔn. 5:31) Nenema kee Mawu ƒe futɔwo atsrɔ̃ le Armagedon me, gake ame siwo lɔ̃ Mawu ya akpɔ agbe. Ke hã, Armagedon-ʋaa ato vovo na aʋa si Barak wɔ la le mɔ vevi aɖe nu. Eyae nye be, le Armagedon-ʋaa me la, Mawu ƒe amewo mawɔ aʋa o. Aʋawɔnuwo gɔ̃ hã manɔ wo si o! Ke boŋ, ‘woakpɔ ŋusẽ ne woɖe dzi ɖi heɖo ŋu ɖe’ Yehowa kple eƒe dziƒoʋakɔwo ŋu.—Yes. 30:15; Nyaɖ. 19:11-15.

6. Mɔ vovovo kawo dzie Yehowa ate ŋu ato aɖu eƒe futɔwo dzi le Armagedon me?

6 Mɔ kawo dzie Yehowa ato aɖu eƒe futɔwo dzi le Armagedon me? Ate ŋu ato mɔ vovovowo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu azã anyigbaʋuʋuwo, kpetsi, kple dzikedzo. (Hiob 38:22, 23; Eze. 38:19-22) Ate ŋu ana eƒe futɔwo nawu wo nɔewo. (2 Kron. 20:17, 22, 23) Eye ate ŋu azã mawudɔlawo woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo. (Yes. 37:36) Mɔnu ka kee Mawu ɖazã o, aɖu wo dzi keŋkeŋ. Eƒe futɔwo katã atsrɔ̃. Eye akpɔ ame dzɔdzɔewo katã ta.—Lod. 3:25, 26.

NU KAWOE ADZƆ DO ŊGƆ TETI NA ARMAGEDON?

7-8. (a) Le 1 Tesalonikatɔwo 5:1-6 ƒe nyawo nu la, gbeƒã wɔmoya kae xexemedziɖulawo aɖe? (b) Nu ka tae esia anye alakpanya vɔ̃ɖi?

7 Gbeƒã si woaɖe be “Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” li la ado ŋgɔ na “Yehowa ƒe ŋkeke la.” (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:1-6.) “Yehowa ƒe ŋkeke” si ŋu woƒo nu tsoe le 1 Tesalonikatɔwo 5:2 la, ku ɖe “xaxa gã la” ŋu. (Nyaɖ. 7:14) Aleke míawɔ anya be ɣeyiɣia de be xaxa gãa nadze egɔme? Biblia gblɔ be woaɖe gbeƒã nya aɖe si anye nukunya gã aɖe. Gbeƒãɖeɖe sia ye anye dzesi be xaxa gãa le egɔme dze ge.

8 Gbeƒãɖeɖe mae anye nyagblɔɖi si nye be woagblɔ be “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” li la mevava. Nu ka tae xexemedziɖulawo agblɔ nya ma? Ðe subɔsubɔhakplɔlawo awɔ ɖeka kpli wo le nya sia mea? Ðewohĩ. Aleke kee wòɖale o, míenyae be gbeƒãɖeɖe ma aganye alakpanya bubu si tso gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔ. Gake alakpanya sia ya avɔ̃ ɖi ŋutɔ, elabena alakpanya sia ana amewo nasusu be yewole ŋutifafa kple dedienɔnɔ me, evɔ esusɔ vie ko xaxa gã si tɔgbi meva kpɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me o la nadze egɔme. Ɛ̃, “tsɔtsrɔ̃ kpata ava wo dzi kpoyi, abe ale si fuɖuame va lilia funɔ ene.” Ke nu kae adzɔ ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ya dzi? Ale si Yehowa ƒe ŋkeke la ava le vo me la ana woaɖi vo ya, ke hã, woanɔ dzadzraɖoɖi.

9. Ðoɖo ka nue Mawu atsrɔ̃ Satana ƒe xexea le?

9 Yehowa matsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi bliboa ɖa zi ɖeka, abe ale si wòwɔe le Noa ƒe ŋkekea me ene o. Ke boŋ, atsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa ɖeka gbã, eye atsrɔ̃ akpa susɔea emegbe. Gbã la, atsrɔ̃ Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la. Eyome, le Armagedon me la, Mawu atsrɔ̃ Satana ƒe xexea ƒe akpa susɔea, si nye eƒe dunyahehe, asrafo kple asitsatsa ƒe nuɖoanyiawo. Na míadzro nudzɔdzɔ vevi eve mawo me tsitotsito.

10. Le Nyaɖeɖefia 17:1, 6 kple 18:24 ƒe nyawo nu la, nu ka tae Yehowa le Babilon Gã la tsrɔ̃ ge?

10 ‘Ʋɔnudɔdrɔ̃ gbolo gã la.’ (Xlẽ Nyaɖeɖefia 17:1, 6; 18:24.) Babilon Gãa, alo alakpasubɔsubɔhawo, do vlo Mawu ƒe ŋkɔa ale gbegbe. Wowɔ esia esi wofia alakpanyawo tso Mawu ŋu. Abe nyɔnu ahasitɔ ene la, Babilon Gãa mewɔ nuteƒe na Yehowa o, ewɔ gbɔgbɔmehasi, le esi wòde amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dzi ta. Ewɔ eƒe ŋusẽa ŋu dɔ tsɔ te amewo ɖe anyi heha woƒe kesinɔnuwo. Azɔ hã, ewu ame geɖewo, eye ewu Mawu subɔlawo hã. (Nyaɖ. 19:2) Aleke Yehowa le Babilon Gã la tsrɔ̃ gee?

11. Nu kae nye ‘lã wɔadã si biã helĩhelĩ’ la, eye aleke Mawu azãe atsɔ ana Eƒe tameɖoɖo si nye be yeatsrɔ̃ Babilon Gã la nava eme?

11 Yehowa azã “lã wɔadã aɖe si biã helĩhelĩ” la ƒe ‘dzo ewoawo’ atsɔ atsrɔ̃ ‘gbolo gã la.’ Kpɔɖeŋulã wɔadã ma le tsitre ɖi na Dukɔ Ƒoƒuawo. Dzo ewoawo le tsitre ɖi na dunyahedziɖuɖu siwo katã da megbe na habɔbɔ sia. Le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia dzi la, dunyahedziɖuɖu mawo adze Babilon Gãa, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã la, dzi. “Woagblẽe aɖe amae” ne woha eƒe kesinɔnuwo heʋu go eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo. (Nyaɖ. 17:3, 16) Tsɔtsrɔ̃ ma si ava edzi kpata—abe ɖe nu mawo va edzi le ŋkeke ɖeka dzi ene—la awɔ nuku na ame siwo katã dea edzi la ŋutɔ. Elabe eƒoa adegbe gblɔna be: “Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, nyemenye ahosi o, eye nyemaxa nu akpɔ o.”—Nyaɖ. 18:7, 8.

12. Nu kae Yehowa maɖe mɔ na dukɔawo be woawɔ o, eye nu ka tae?

12 Mawu maɖe mɔ na dukɔawo be woatsrɔ̃ yeƒe amewo o. Enye dada na eƒe amewo be eƒe ŋkɔa le yewo ŋu, eye wowɔ ɖe eƒe sedede si nye be woado go le Babilon Gãa me la dzi. (Dɔw. 15:16, 17; Nyaɖ. 18:4) Azɔ hã, woku kutri vevie kpe ɖe ame bubuwo ŋu be woado go le eme. Eya ta, Yehowa subɔlawo ‘maxɔ eƒe fuwɔameawo ƒe ɖeke o.’ Ke hã, ehiã be xɔse sẽŋu nanɔ wo si be woado dzi le nu siwo adzɔ ɖe eyome la me.

Afi ka kee Mawu ƒe amewo ɖale le anyigba dzi o, woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ne aʋakɔwo va dze wo dzi (Kpɔ memama 13 lia) *

13. (a) Nu kae nye Gog? (b) Le Ezekiel 38:2, 8, 9 ƒe nyawo nu la, ɣekaɣie Gog ava ɖo kpɔɖeŋuteƒe si woyɔ be Armagedon la?

13 Gog ƒe amedzidzedze la. (Xlẽ Ezekiel 38:2, 8, 9.) Ne Yehowa tsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo katã vɔ la, subɔsubɔha ɖeka koe asusɔ ɖe anyigbaa dzi—ɛ̃, Yehowa subɔlawo koe asusɔ. Esia ado dziku na Satana godoo. Eye aɖe eƒe dzikua afia le mɔ sia nu be, ato ‘gbɔgbɔmenya makɔmakɔwo,’ siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ameflunyawo, dzi aƒo dukɔwo nu ƒu be woadze Yehowa subɔlawo dzi. (Nyaɖ. 16:13, 14) Dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo ma ye nye “Gog, si tso Magog-nyigba dzi.” Ne dukɔwo nya dze Yehowa ƒe amewo dzi ko la, efia be wova ɖo kpɔɖeŋuteƒe si woyɔ be Armagedon.—Nyaɖ. 16:16.

14. Nu kae Gog ava de dzesii?

14 Gog aɖo ŋu ɖe ‘amegbetɔ ƒe alɔ’—alo eƒe aʋakɔwo ŋu. (2 Kron. 32:8) Míawo ya míaɖo ŋu ɖe mía Mawu, Yehowa, ŋu, evɔ dukɔwo abu be esia nye bometsinu. Elabe wonyae be Babilon Gãa si sesẽ ŋutɔ la ƒe mawuwo mete ŋu ɖee tso “lã wɔadã la” kple eƒe ‘dzo ewoawo’ si me o! (Nyaɖ. 17:16) Eya ta, Gog asusu be yeate ŋu atsrɔ̃ mí ɖa bɔbɔe. Ava dze Yehowa ƒe amewo dzi “abe ale si alilikpo tsyɔa anyigba ŋkume ene.” (Eze. 38:16) Gake, eteƒe madidi o, Gog ade dzesii be yege ɖe mɔ̃ me, eye yemate ŋu ado le eme o. Abe ale si Farao va kpɔe dze sii le Ƒudzĩa me ene la, Gog ava de dzesii be Yehowae yele aʋa wɔm kplii.—2 Mose 14:1-4; Eze. 38:3, 4, 18, 21-23.

15. Nu kawoe Yesu awɔ le Armagedon me?

15 Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔawo axɔ na Mawu ƒe amewo ahatsrɔ̃ Gog ƒe aʋakɔawo katã gbidii. (Nyaɖ. 19:11, 14, 15) Ke nu kae adzɔ ɖe Yehowa ƒe futɔ gãtɔ, Satana, si ƒe alakpanyawo flu dukɔawo wova dze Mawu ƒe amewo dzi la dzi le Armagedon-ʋa la me? Yesu atsɔ eya kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aƒu gbe ɖe aʋli me, eye atu nu ɖe wo nu woanɔ afi ma ƒe akpe ɖeka.—Nyaɖ. 20:1-3.

NU KAWOE MÍAWƆ BE MÍATSI AGBE LE ARMAGEDON ME?

16. (a) Aleke míeɖenɛ fiana be ‘míenya Mawu’? (b) Aleke nuwo anɔ na ame siwo nya Yehowa la le Armagedon-ʋa la me?

16 Míeɖale Yehowa subɔm ƒe geɖe ye nye esia loo alo nyitsɔ laa koe míete esubɔsubɔ o, ele be míaɖee afia be ‘míenya Mawu’ eye ‘míeɖoa to mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la’ hafi ko míate ŋu atsi agbe le Armagedon-ʋa la me. (2 Tes. 1:7-9) Míeɖenɛ fiana be ‘míenya Mawu’ ne míenya nu siwo wòlɔ̃na, nu siwo wòtsri, kpakple eƒe sewo kple ɖoɖowo. Gakpe ɖe eŋu la, míeɖenɛ fiana be míenyae ne míelɔ̃ eyama heɖoa toe eye míesubɔa eya ɖeka ko. (1 Yoh. 2:3-5; 5:3) Ne míeɖenɛ fiana be míenya Mawu la, eya hã ‘anya’ mí, eye esiae ana mɔnukpɔkpɔ nasu mía si míatsi agbe le Armagedon me! (1 Kor. 8:3) Nu ka tae? Nu si tae nye be, ne “Mawu nya” ame aɖe la, efia be ekpɔ ŋudzedze ɖe amea ŋu.

17. Nu kae wòfia be ‘míaɖo to mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la’?

17 “Mía Aƒetɔ Yesu ŋuti nya nyui la” ku ɖe nyateƒenya siwo katã Yesu fia, siwo le Mawu ƒe Nyaa me ŋu. Míeɖoa to nya nyui la ne míewɔna ɖe eƒe nufiafiawo dzi le míaƒe agbenɔnɔ me. Toɖoɖo nya nyui la fia hã be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me, míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe se dzɔdzɔeawo nu, eye míanɔ nu ƒom tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na amewo. (Mat. 6:33; 24:14) Efia hã be, míakpe asi ɖe Kristo nɔvi amesiaminawo ŋu esime wole woƒe agbanɔamedzi kpekpeawo tsɔm.—Mat. 25:31-40.

18. Mɔ ka nue Kristo nɔvi amesiaminawo ate ŋu aɖo ‘alẽ bubuawo’ ƒe dɔmenyo teƒe na wo le?

18 Madidi o, Mawu subɔla amesiaminawo ate ŋu aɖo ale si ‘alẽ bubuawo’ nyo dɔme na woe la teƒe na wo. (Yoh. 10:16) Le mɔ ka nu? Hafi Armagedon-ʋaa nadze egɔme la, woafɔ ame 144,000-awo ƒe ame susɔeawo ayi dziƒo xoxo woazu gbɔgbɔwo, abe mawudɔlawo ene, eye womaku gbeɖe o. Azɔ ame 144,000 la katã awɔ ɖeka kple dziƒoʋakɔawo woatsrɔ̃ Gog gbidii eye woaxɔ na Yehowa subɔla siwo anye “ameha gã aɖe.” (Nyaɖ. 2:26, 27; 7:9, 10) Ɛ̃, ameha gã la akpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yewote ŋu kpe asi ɖe Yehowa subɔla amesiaminawo ŋu esime wogakpɔtɔ nɔ anyigba dzi!

NU KAWOE MÍATE ŊU AWƆ BE MÍAYI EDZI AWƆ NUTEƑE ESIME NUWUWUA LE AƑE TUM?

19-20. Togbɔ be míele kuxi geɖe me tom hã la, nu kawoe míate ŋu awɔ be míayi edzi awɔ nuteƒe esime Armagedon le aƒe tum?

19 Le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me la, Yehowa ƒe amewo le nɔnɔme sesẽ geɖe me tom. Togbɔ be ele alea hã la, míate ŋu ado dzi kple dzidzɔ. (Yak. 1:2-4) Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋue nye be míanɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo dzi ɖaa. (Luka 21:36) Tsɔ kpe ɖe gbedodoɖa ŋu la, ele be míanɔ Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m gbe sia gbe ahanɔ ŋugble dem le eŋu, eye anyo be míasrɔ̃ nu tso nyagblɔɖi dodzidzɔname siwo ku ɖe míaƒe ŋkekea ŋu hã ŋu. (Ps. 77:12) Ne míele nu siawo wɔm eye míelé fɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu veviedodotɔe la, xɔse sẽŋu akpɔtɔ anɔ mía si eye míaƒe dzi aku ɖe míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu goŋgoŋ!

20 Wò ya bu ale si gbegbe dzi adzɔ wòe ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la eye Armagedon-ʋa la wu enu la ŋu kpɔ! Azɔ hã, bu ale si gbegbe wòado dzidzɔ na wòe ne èkpɔe be anyigbadzinɔlawo katã le bubu dem Mawu ƒe ŋkɔa ŋu eye wo katã wolɔ̃ ɖe edzi be eyae dze aɖu dzi ŋu kpɔ! (Eze. 38:23) Ɛ̃, nu nyui aɖee Armagedon nye na ame siwo nya Mawu, siwo ɖo to Via, eye wodo dzi va se ɖe nuwuwu la vavã!—Mat. 24:13.

HADZIDZI 143 Míanɔ Ŋudzɔ, Anɔ Dɔ Dzi, Anɔ Mɔ Kpɔm

^ mm. 5 Yehowa ƒe amewo le mɔ kpɔm na Armagedon ɣeyiɣi didi aɖee nye esia. Le nyati sia me la, míadzro nu si Armagedon nye la me. Míaƒo nu tso nu siwo adzɔ do ŋgɔ teti na Armagedon la ŋu, eye míadzro nu siwo míate ŋu awɔ be míayi edzi awɔ nuteƒe esime nuwuwua le aƒe tum la me.

^ mm. 71 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Nu ɖedzesiwo anɔ dzɔdzɔm ƒo xlã mí. Míawo ya (1) míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem zi ale si wòanya wɔ ko, (2) míalé míaƒe ɖokuisi alo ƒome nusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa me ɖe asi, eye (3) míayi edzi aɖo ŋu ɖe Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ŋu.

^ mm. 85 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Poliswo le zɔ ɖem be yewoagbã Kristotɔwo ƒe ƒome aɖe ƒe ʋɔ age ɖe wo dzi; ke hã, Kristotɔawo ka ɖe edzi be Yesu kple eƒe dziƒodɔlawo nya nu siwo le edzi yim la nyuie.