Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 37

Nu Ka Tae Nàlɔ̃ Faa Abɔbɔ Ðokuiwò Na Yehowa, Eye Aleke Nàwɔe?

Nu Ka Tae Nàlɔ̃ Faa Abɔbɔ Ðokuiwò Na Yehowa, Eye Aleke Nàwɔe?

‘Ðe míalɔ̃ faa abɔbɔ mía ɖokui na Fofo la oa?’—HEB. 12:9.

HADZIDZI 9 Yehowae Nye Míaƒe Fia!

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae wòle be míabɔbɔ mía ɖokui na Yehowa?

ELE be míabɔbɔ mía ɖokui * na Yehowa elabe eyae nye mía Wɔla. Esi wònye eyae wɔ mí ta la, eyae dze be wòagblɔ nu si wòle be míawɔ kple nu si mele be míawɔ o na mí. (Nyaɖ. 4:11) Ke hã, susu vevi bubu aɖe si tae wòle be míaɖo to Yehowae nye be, ale si wòɖua eƒe nuwɔwɔwo dzii lae nye nyuitɔ kekeake. Le ŋutinya katã me la, amegbetɔwo ɖu wo hati amegbetɔwo dzi. Ke hã, ne míetsɔ ale si amegbetɔwo ɖua wo teviwo dzii la sɔ kple ale si Yehowa ɖua eƒe nuwɔwɔwo dzii la, edze ƒãa be Yehowae nye Dziɖula si ƒe nunya de ŋgɔ ale gbegbe, si wɔa eƒe dziɖuŋusẽ ŋu dɔ le lɔlɔ̃ me, eye wòkpɔa nublanui na ame hesea veve ɖe ame nu wu dziɖula bubu ɖe sia ɖe.—2 Mose 34:6; Rom. 16:27; 1 Yoh. 4:8.

2. Le Hebritɔwo 12:9-11 ƒe nyawo nu la, susu kawo tae míebɔbɔa mía ɖokui na Yehowa?

2 Yehowa di be míanyae be yenye mía Fofo si lɔ̃ mí vevie eye lɔlɔ̃ vavã si le mía si na ye naʋã mí míaɖo to ye, ke menye vɔvɔ̃ na ye o. Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo me la, eɖe eme be ele be ‘míalɔ̃ faa abɔbɔ mía ɖokui na Fofo la’ elabe ehea mí “le míaƒe viɖe ta.”—Xlẽ Hebritɔwo 12:9-11.

3. (a) Aleke míaɖee afia be míebɔbɔa mía ɖokui na Yehowa? (b) Biabia kawo mee míadzro?

3 Míebɔbɔa mía ɖokui na Yehowa ne míedzea agbagba be míaɖo to eyama le nu sia nu me eye mímedina be míatso nya me na mía ɖokui le nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ ŋu o. (Lod. 3:5) Ne míeva de dzesi Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo la, esia nana wònɔa bɔbɔe na mí be míabɔbɔ mía ɖokui na eyama. Nu ka tae? Nu si tae nye be, nɔnɔme nyui siawo dzena le nu sia nu si wòwɔna me. (Ps. 145:9) Eya ta, zi ale si míesrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu la, zi nenemae míagalɔ̃e geɖe wu. Eye ne míelɔ̃ Yehowa la, ekema, míehiã se gbogbowo ku ɖe nu si wòle be míawɔ kple nu si mele be míawɔ o ŋu hafi míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu o. Míedzea agbagba be míana míaƒe nuŋububu kple seselelãmewo nawɔ ɖeka kple Yehowa tɔ, eye míeƒoa asa na nu si nye vɔ̃ le eŋkume. (Ps. 97:10) Ke hã, ate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míaɖo to Yehowa. Nu ka tae? Eye nu vevi kawoe hamemetsitsiwo, vifofowo, kple vidadawo ate ŋu asrɔ̃ tso Nutodziɖula Nehemiya, Fia David, kple Yesu dada, Maria, ƒe kpɔɖeŋuawo me? Míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo le nyati sia me.

NU SI TA WÒATE ŊU ASESẼ NA MÍ BE MÍABƆBƆ MÍA ÐOKUI NA YEHOWA

4-5. Le Romatɔwo 7:21-23 ƒe nya nu la, nu ka tae wòate ŋu asesẽ na mí be míabɔbɔ mía ɖokui na Yehowa?

4 Susu aɖe si tae wòate ŋu asesẽ na mí be míabɔbɔ mía ɖokui na Yehowae nye be mí katã míenyi nu vɔ̃ dome eye míede blibo o. Esia ta, le dzɔdzɔmenu la, míedina be míaɖo to o. Esi Adam kple Xawa dze aglã ɖe Mawu ŋu heɖu atikutsetse si ŋu Mawu de se ɖo na wo be woagaɖu o la, efia be woawo ŋutɔwo tso nya me na wo ɖokuiwo le nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ ŋu. (1 Mose 3:22) Nenema kee egbea hã, ame geɖe ŋea aɖaba ƒua Yehowa ƒe nudidiwo dzi, eye wotsoa nya me le nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ ŋu na wo ɖokuiwo.

5 Togbɔ be míawo míenya Yehowa eye míelɔ̃e hã la, ate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míawɔ nu ale si wòdii. Enɔ alea le apostolo Paulo hã gome. (Xlẽ Romatɔwo 7:21-23.) Abe Paulo ene la, míedi be míawɔ nu si sɔ le Yehowa ŋkume. Ke hã, ele be míayi edzi aku kutri vevie ɣesiaɣi be míaɖu didi si nɔa mía me be míawɔ nu si mesɔ o la dzi.

6-7. Susu bubu ka tae wòate ŋu asesẽ na mí be míabɔbɔ mía ɖokui na Yehowa? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

6 Susu bubu aɖe si tae wòate ŋu asesẽ na mí be míabɔbɔ mía ɖokui na Yehowa ye nye be ame siwo dome míenɔ tsi la ƒe dekɔnuwo kple nuŋububu kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi. Ame geɖewo aɖo aɖaŋu na mí be míawɔ nu si to vovo na nu si Yehowa di tso mía si. Eya ta, ele be míadze agbagba ɣesiaɣi be míaganɔ nuwo ŋu bum abe woawo ene o. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko ŋu kpɔ.

7 Enye nu si bɔ le dukɔ aɖewo me be woaƒoe ɖe sɔhɛwo nu be woaku kutri vevie le agbe me be woakpɔ ga geɖe. Kuxi sia dze ŋgɔ nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Mary. * Hafi wòava srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la, ede Yunivɛsiti nyuitɔ kekeake siwo le woƒe dukɔa me la dometɔ ɖeka. Mary ƒe ƒometɔwo ƒoe ɖe enu be wòawɔ dɔ si ŋu amewo dea bubui, si me ga geɖe le. Eya ŋutɔ hã dii nenema. Gake esi wòva srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye wòva lɔ̃ Yehowa la, etrɔ eƒe taɖodzinuwo. Ke hã, egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, mɔnukpɔkpɔwo ʋuna nam be mawɔ dɔ si ana makpɔ ga geɖe evɔ dɔa maɖe mɔ nam be masubɔ Yehowa abe ale si mele ewɔm fifia ene o. Le hehe si dzinyelawo nam esi menɔ tsitsim ta la, esesẽna nam be magbe mɔnukpɔkpɔ mawo. Ehiãna ɣeaɖewoɣi be maƒo koko na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ŋunye be nyemalɔ̃ axɔ dɔ si maɖe mɔ nam be masubɔ eyama bliboe o la o.”—Mat. 6:24.

8. Nu kawo mee míadzro fifia?

8 Ne míebɔbɔ mía ɖokuiwo na Yehowa la, eɖea vi na mí. Ke hã, susu bubu aɖe li si tae wòle be ame siwo si ŋusẽ aɖe sinu le, abe hamemetsitsiwo, vifofowo, kple vidadawo ene, nawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi: eyae nye be, esia wɔwɔ aɖe vi na ame siwo le woƒe kpɔkplɔ te. Na míadzro Biblia me kpɔɖeŋu siwo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ mɔ siwo nu ame siwo le ŋusẽnɔƒewo la ate ŋu awɔ woƒe ŋusẽa ŋu dɔ le be wòadze Yehowa ŋu la dometɔ aɖewo me.

NU SI HAMEMETSITSIWO ATE ŊU ASRƆ̃ TSO NEHEMIYA ƑE KPƆÐEŊUA ME

Hamemetsitsiwo kpea asi ɖe Fiaɖuƒe Akpata me dzadzraɖodɔa ŋu, abe ale si ko Nehemiya ŋutɔ hã ƒo eɖokui ɖe Yerusalem gbugbɔgatudɔa me ene (Kpɔ memama 9-11 lia) *

9. Kuxi kawoe dze ŋgɔ Nehemiya?

9 Yehowa de dɔ vevi aɖe asi na hamemetsitsiwo be woalé be na yeƒe amewo. (1 Pet. 5:2) Hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ale si Nehemiya wɔ nu ɖe Yehowa ƒe amewo ŋui la me. Esi Nehemiya nye Yuda ƒe nutodziɖula ta la, ŋusẽ geɖe nɔ esi. (Neh. 1:11; 2:7, 8; 5:14) Bu kuxi siwo Nehemiya do goe la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ. Ekpɔe be Yudatɔwo nɔ nu siwo mede bubu Yehowa ŋu o la wɔm le gbedoxɔa me, eye womenɔ nu siwo Sea bia be woana Lewi-viwo la nam wo o. Yudatɔwo menɔ wɔwɔm ɖe Yehowa ƒe se si ku ɖe Sabat ŋu la dzi o, eye Yuda ŋutsu aɖewo ɖe dutanyɔnuwo. Ehiã be Nutodziɖula Nehemiya nawɔ nane tso nɔnɔme sesẽ sia ŋu.—Neh. 13:4-30.

10. Aleke Nehemiya wɔ kpɔ kuxi siawo gbɔ?

10 Nehemiya mewɔ eƒe ŋusẽa ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu o; mezi Mawu ƒe amewo dzi be woawɔ nu abe ale si yedi ene o. Ke boŋ, edo gbe ɖa na Yehowa vevie hebia eƒe mɔfiame, eye efia Yehowa ƒe Se la dukɔ la. (Neh. 1:4-10; 13:1-3) Nehemiya bɔbɔ eɖokui hewɔ dɔ aduadu kple ehati Yudatɔwo, ekpe asi ɖe wo ŋu gɔ̃ hã le Yerusalem ƒe gliwo gbugbɔgaɖodɔa me.—Neh. 4:15.

11. Le 1 Tesalonikatɔwo 2:7, 8 ƒe nyawo nu la, aleke wòle be hamemetsitsiwo nawɔ nu ɖe hamea me tɔwo ŋu?

11 Ele eme be hamemetsitsiwo mado go kuxi siwo tututu Nehemiya do goe ya o, ke hã, woate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua le mɔ geɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, hamemetsitsiwo kua kutri vevie kpena ɖe wo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu. Eye womebunɛ be yewole vevie wu yewo nɔviwo le ŋusẽ si le yewo si ta o. Ke boŋ, wowɔa nu ɖe hamea me tɔwo ŋu le lɔlɔ̃ me. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:7, 8.) Esi hamemetsitsiwo bɔbɔa wo ɖokuiwo eye wolɔ̃ wo nɔviwo tso dzi me ta la, woƒoa nu na wo le tufafa me. Andrew, si nye hamemetsitsi ƒe geɖe ye nye esia la, gblɔ be: “Mede dzesii be, zi geɖe la, ne hamemetsitsi aɖe doa vivi ɖe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu hewɔa nu ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe la, esia wɔa dɔ ɖe nɔviawo dzi ale gbegbe. Nɔnɔme nyui siawo ʋãa hamea me tɔwo be woawɔ nu aduadu kple hamemetsitsiwo.” Nɔviŋutsu bubu si ŋkɔe nye Tony, si hã nye hamemetsitsi ƒe geɖe la, gblɔ be: “Medzea agbagba be mawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si dze le Filipitɔwo 2:3 la dzi, eye medzea agbagba ɣesiaɣi be mabu ame bubuwo be wonye gã wum. Esia kpena ɖe ŋunye be nyemezia nɔviawo dzi be woawɔ nye gbe dzi o.”

12. Nu ka tae wòle vevie be hamemetsitsiwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo?

12 Yehowa bɔbɔa eɖokui, eya ta, ele na hamemetsitsiwo hã be woabɔbɔ wo ɖokuiwo. Togbɔ be Yehowae nye xexea katã ƒe Dziɖulagã hã la, ‘ebɔbɔna ɖe anyi’ be yeafɔ “ame tsɛ ɖe tsitre tso ʋuʋudedi me.” (Ps. 18:35; 113:6, 7) Le nyateƒe me la, ame siwo dana eye wodoa wo ɖokuiwo ɖe dzi la nye ŋunyɔ na Yehowa.—Lod. 16:5.

13. Nu ka tae wòhiã be hamemetsitsi ‘nalé eƒe aɖe’?

13 Ehiã be hamemetsitsi si bɔbɔa eɖokui na Yehowa la ‘nalé eƒe aɖe.’ Ne menye nenema o la, ate ŋu aƒo nu eŋumabumabui ne ame aɖe mede bubu eŋu o. (Yak. 1:26; Gal. 5:14, 15) Andrew, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ne mekpɔe be nɔvi aɖe mede bubu ŋunye o la, ewɔna nam be mada gbe ɖe egbɔ. Ke hã, mede ŋugble le ŋutsu wɔnuteƒe siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu, eye esia kpe ɖe ŋunye mekpɔe be ele vevie be mabɔbɔ ɖokuinye ahafa tu.” Hamemetsitsiwo ɖenɛ fiana be yewobɔbɔa yewo ɖokuiwo na Yehowa ne woƒoa nu na wo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kpakple wo hati hamemetsitsiwo hã le tufafa kple lɔlɔ̃ me.—Kol. 4:6.

NU SI VIFOFOWO ATE ŊU ASRƆ̃ TSO FIA DAVID ƑE KPƆÐEŊUA ME

14. Dɔ kae Yehowa de asi na vifofowo, eye nu kae wòdi tso wo si be woawɔ?

14 Dɔ si Yehowa de asi na vifofo ye nye be wòanye ƒomea ƒe ta, eye Mawu di tso esi be wòafia nu viawo, afia mɔ wo ahaɖɔ wo ɖo. (1 Kor. 11:3; Ef. 6:4) Ke hã, esia mefia be vifofowo ate ŋu awɔ woƒe ŋusẽa ŋu dɔ ale si woawo ŋutɔwo dii o. Yehowa ye nye Ame si ɖo ƒomea anyi, eya ta, vifofowo abu akɔnta le ale si wowɔ nu ɖe woƒe ƒomea me tɔwo ŋui la ŋu na Yehowa. (Ef. 3:14, 15) Vifofowo ɖenɛ fiana be yewo bɔbɔ yewo ɖokuiwo na Yehowa Mawu ne wowɔa woƒe ŋusẽa ŋu dɔ le mɔ si dzea Mawu ŋu la nu. Woate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Fia David ƒe ŋutinyaa me.

Nya siwo gblɔm vifofo Kristotɔ aɖe le le gbedodoɖa me la ɖee fia be ebɔbɔa eɖokui na Yehowa (Kpɔ memama 15-16 lia) *

15. Nu ka tae Fia David nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na vifofowo?

15 Yehowa ɖo David wònye eƒe ƒomea ƒe ta, eye egaɖoe wònye Israel dukɔ bliboa ƒe fia hã. Esi David nye fia ta la, ŋusẽ geɖe nɔ esi. Ɣeaɖewoɣi la, ewɔ ŋusẽ ma ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu hewɔ vodada gãwo. (2 Sam. 11:14, 15) Ke hã, eɖee fia be yebɔbɔ ye ɖokui na Yehowa esi wòlɔ̃ faa xɔ tohehe. Edo gbe ɖa na Yehowa hegblɔ eƒe dzimenyawo nɛ. Eye edze agbagba wɔ ɖe Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. (Ps. 51:1-4) Azɔ hã, ebɔbɔ eɖokui ale gbegbe be elɔ̃ faa xɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo tso nyɔnuwo gbɔ, ke menye tso ŋutsuwo ko gbɔ o. (1 Sam. 19:11, 12; 25:32, 33) David srɔ̃ nu tso eƒe vodadawo me eye ena Yehowa subɔsubɔ nye nu vevitɔ le eƒe agbe me.

16. Nu kawoe vifofowo ate ŋu asrɔ̃ tso Fia David ƒe kpɔɖeŋua me?

16 Nu siwo vifofowo ate ŋu asrɔ̃ tso Fia David ƒe kpɔɖeŋua me la dometɔ aɖewoe nye esi: Mègawɔ ŋusẽ si Yehowa na wò la ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu o. Lɔ̃ ɖe wò vodadawo dzi; ne wotsɔ Biblia ɖo aɖaŋu na wò la, lɔ̃ faa nàxɔe. Ne èwɔ esia la, wò ƒomea ade bubu ŋuwò le wò ɖokuibɔbɔ ta. Ne èle gbe dom ɖa na Yehowa ɖe wò ƒomea ta la, gblɔ wò dzimenyawo na Yehowa faa—na wò nyawo nana woakpɔ ale si gbegbe nèɖoa ŋu ɖe eyama ŋui. Eye ƒo wo katã ta la, na Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ na wò le agbe me. (5 Mose 6:6-9) Kpɔɖeŋu nyui si nàɖo na wò ƒomea la anye nunana xɔasitɔ kekeake siwo nàte ŋu ana wo la dometɔ ɖeka.

NU SI VIDADAWO ATE ŊU ASRƆ̃ TSO MARIA ƑE KPƆÐEŊUA ME

17. Dɔ kae Yehowa de asi na vidadawo?

17 Yehowa de dɔ vevi aɖe si ŋu bubu le la asi na vidada ɖe sia ɖe le ƒomea me, eye ena ŋusẽ aɖe sinu woamawo ɖe wo viwo dzi. (Lod. 6:20) Le nyateƒe me la, akpa si vidada wɔna la ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe viawo dzi le woƒe agbemeŋkekewo katã me. (Lod. 22:6) Nu kawoe vidadawo ate ŋu asrɔ̃ tso Yesu dada, Maria, gbɔ?

18-19. Nu kawoe vidadawo ate ŋu asrɔ̃ tso Maria ƒe kpɔɖeŋua me?

18 Maria nya Ŋɔŋlɔawo nyuie. Enye ame si dea bubu Yehowa ŋu ŋutɔ, eye eya kplii dome va nɔ kplikplikpli. Elɔ̃ faa be yeawɔ ɖe Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi, togbɔ be esia wɔwɔ ana nu sia nu natrɔ le eƒe agbe me gɔ̃ hã.—Luka 1:35-38, 46-55.

Ne ɖeɖi te vidada ŋu belibeli la, ɖewohĩ, ahiã be wòaku kutri geɖe wu be wòaɖe lɔlɔ̃ afia eƒe ƒomea me tɔwo (Kpɔ memama 19 lia) *

19 Vidadawo, miate ŋu asrɔ̃ Maria ƒe kpɔɖeŋua le mɔ geɖe nu. Gbã, miate ŋu ato Biblia-sɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa dzi ana mia kple Yehowa dome nava nɔ kplikplikpli. Evelia, miate ŋu asrɔ̃ Maria ƒe kpɔɖeŋua ne mielɔ̃ faa be yewoawɔ tɔtrɔwo le miaƒe agbe me ale be yewoadze Yehowa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ, mia dzilawo nye ame siwo doa dziku kabakaba eye woƒoa nu na mi adãtɔe esime mienye ɖeviwo. Eye esi wònye be nenemae wohe mi ta la, ɖewohĩ, miesusuna be aleae wòle be woahe ɖeviwo. Esi mieva srɔ̃ Yehowa ƒe dzidzenuwo gɔ̃ hã la, ɖewohĩ, egasesẽna na mi kokoko be mialé mia ɖokuiwo ahagbɔ dzi ɖi na mia viwo, vevietɔ, ne wowɔ nu gbegblẽ aɖe esime ɖeɖi te mia ŋu vevie. (Ef. 4:31) Ɣeyiɣi mawo tɔgbi mee wòhiã vevie le be miado gbe ɖa na Yehowa ahabiae be wòakpe ɖe mia ŋu. Vidada aɖe si ŋkɔe nye Lydia la gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi, ne vinyea wɔ nu gbegblẽ aɖe la, ehiãna be maƒo koko na Yehowa vevie ale be nyemaƒo nu nɛ adãtɔe o. Edzɔna ɣeaɖewoɣi be esime mele nya aɖe gblɔm la, meɖoa asi ɖokuinye dzi be magawu nyaa nu o eye medoa gbe ɖa na Yehowa le ta me be wòakpe ɖe ŋunye. Gbedodoɖa kpena ɖe ŋunye meléa ɖokuinye kpoo.”—Ps. 37:5.

20. Kuxi kae ɖea fu na vidada aɖewo, eye aleke woate ŋu aɖu kuxi ma dzi?

20 Kuxi bubu si ɖea fu na vidada aɖewoe nye be, esesẽna na wo be woaɖee afia wo viwo be yewolɔ̃ wo. (Tito 2:3, 4) Wohe nyɔnu aɖewo le ƒome si me dzilawo medoa vivi ɖe wo viwo ŋu le o me. Ne ƒome ma tɔgbi mee nètsi le la, mele be wò ya nàwɔ dziwòlawo ƒe vodada ma ke o. Ehiã be vidada si bɔbɔa eɖokui helɔ̃na faa be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la nasrɔ̃ ale si wòaɖe lɔlɔ̃ afia viawo. Ele eme be ate ŋu asesẽ nɛ be wòatrɔ eƒe nuŋububu, seselelãme, kple nuwɔnawo ya. Gake ate ŋu akpɔ dzidzedze le esia wɔwɔ me, eye tɔtrɔ mawo aɖe vi na eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea siaa.

YI EDZI NÀBƆBƆ ÐOKUIWÒ NA YEHOWA

21-22. Le Yesaya 65:13, 14 ƒe nya nu la, viɖe kawoe míekpɔna ne míebɔbɔa mía ɖokui na Yehowa?

21 Fia David nya viɖe siwo gbegbe ame kpɔna ne ebɔbɔa eɖokui na Yehowa la nyuie. Egblɔ be: “Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sedede dza, enana ŋku dzi kɔna. Woawoe wotsɔ xlɔ̃ nu wò subɔla; fetu gã le wo me léle ɖe asi me.” (Ps. 19:8, 11) Egbea, míate ŋu akpɔ vovototo si le ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo na Yehowa kple ame siwo gbe eƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiawo la dome nyuie. Ɛ̃, ame siwo lɔ̃na faa bɔbɔa wo ɖokuiwo na Yehowa la “atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta.”—Xlẽ Yesaya 65:13, 14.

22 Ne hamemetsitsiwo, vifofowo, kple vidadawo lɔ̃ faa bɔbɔ wo ɖokuiwo na Yehowa la, woƒe agbea ganyona ɖe edzi, woƒe ƒomea kpɔa dzidzɔ geɖe wu, eye hame bliboa ƒe ɖekawɔwɔa me gasẽna ɖe edzi. Esi ƒo wo katã tae nye be, wodoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lod. 27:11) Ðe teƒeɖoɖo aɖe ganyo wu esia?

HADZIDZI 123 Ðokuibɔbɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Ðe Teokrasiɖoɖowo Te

^ mm. 5 Nyati sia adzro susu siwo tae wòle be míabɔbɔ mía ɖokui na Yehowa la me. Azɔ hã, adzro ale si wòle be hamemetsitsiwo, vifofowo, kple vidadawo nawɔ ŋusẽ si Yehowa na wo la ŋu dɔe me. Woate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Nutodziɖula Nehemiya, Fia David, kple Yesu dada, Maria, ƒe kpɔɖeŋuawo me.

^ mm. 1 NYA AÐEWO ME ÐEÐE: Ne wozi amewo dzi be woabɔbɔ wo ɖokui na ame aɖe alo woaɖo to ame aɖe la, medzɔa dzi na wo kura o. Ke hã, le Mawu ƒe amewo ya gome la, woawo ŋutɔwoe tiae be yewoaɖo to eyama, eya ta, metena ɖe wo dzi be yewoabɔbɔ yewo ɖokui nɛ o.

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO KPLE NƆNƆMETATAA ME: Hamemetsitsi aɖe le dɔ wɔm kple viaŋutsu le Fiaɖuƒe Akpata dzadzraɖodɔa me, abe ale si ko Nehemiya ŋutɔ hã kpe asi ɖe Yerusalem ƒe gliwo gbugbɔgaɖodɔa ŋu ene.

^ mm. 64 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Vifofo aɖe le eƒe ƒomea teƒe le gbe dom ɖa na Yehowa.

^ mm. 66 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Ŋutsuvi aɖe le videofefe ƒom gaƒoƒo geɖe evɔ mewɔ eƒe aƒemedɔwo alo sukudɔdeasiwo o. Nɔa si gbɔ tso dɔme, si ŋu ɖeɖi te la le eɖɔm ɖo, gake mele nu ƒom nɛ adãtɔe alo do dziku ɖe eŋu helĩhelĩ o.