Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 38

“Miva Gbɔnye, . . . Eye Nye La, Mana Gbɔdzɔe Mi”

“Miva Gbɔnye, . . . Eye Nye La, Mana Gbɔdzɔe Mi”

“Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi.”—MAT. 11:28.

HADZIDZI 17 “Melɔ̃”

NYA VEVIAWO *

1. Yesu ƒe ŋugbedodo kae dze le Mateo 11:28-30?

GBE ɖeka, esime Yesu nɔ nu ƒom na ameha aɖe si nɔ to ɖomee la, edo ŋugbe nyui aɖe na wo. Egblɔ na wo be: ‘Miva gbɔnye, eye nye la, mana gbɔdzɔe mi.’ (Xlẽ Mateo 11:28-30.) Menye nya gbɔloe ŋugbedodo sia nye o. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nu si wòwɔ na nyɔnu aɖe si nɔ fu kpem vevie le dɔléle vɔ̃ɖi aɖe si me la ŋu kpɔ.

2. Nu kae Yesu wɔ na nyɔnu aɖe si nɔ dɔ lém?

2 Nyɔnua nɔ kpekpeɖeŋu dim do kpoe. Eyi gbedala vovovowo gbɔ henɔ mɔ kpɔm be woana yeahaya. Enɔ fu kpem ƒe 12 sɔŋ, gake ame aɖeke mete ŋu da dɔa nɛ o. Le Mose ƒe Sea nu la, eŋuti mekɔ o. (3 Mose 15:25) Azɔ la, esee be Yesu tea ŋu daa dɔ na dɔnɔwo, eya ta, eyi ɖanɔ edim. Esi wòke ɖe Yesu ŋu la, eka asi eƒe awutoga, eye wòhaya enumake! Gake menye ɖeko Yesu da dɔa nɛ ko evɔ o. Ale si Yesu wɔ nu ɖe eŋui hã na wòse le eɖokui me be Yesu lɔ̃ ye eye ede bubu ye ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu nɔ nu ƒom nɛ la, eyɔe be “vinyenyɔnu”; esia nye ŋkɔnya si ɖea vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃kadodo si nɔa vi kple tɔa dome fiana. Vavãe, esiawo katã ana dzi naɖo nyɔnu ma ƒo eye wòakpɔ gbɔdzɔe ale gbegbe!—Luka 8:43-48.

3. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na?

3 De dzesii be nyɔnua yi Yesu gbɔ. Eya ŋutɔe tso le eɖokui si yi egbɔ. Nenema kee wòle be míawo hã míawɔ egbea—esi Yesu le mía kpem be ‘míava ye gbɔ’ ta la, ele be míatso le mía ɖokui si ayi egbɔ. Fifia ya, Yesu mada dɔ na ame siwo ‘va egbɔ’ la nukutɔe o. Gake, egale amewo kpem kokoko be: “Miva gbɔnye, . . . eye nye la, mana gbɔdzɔe mi.” Le nyati sia me la, míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase atɔ̃ siawo: Aleke míate ŋu ‘ava Yesu gbɔ’? Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi”? Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ? Nu ka tae dɔ si wòde asi na mí la nana míekpɔa gbɔdzɔe? Eye nu kawoe míate ŋu awɔ be míakpɔ gbɔdzɔe ɖaa le Yesu ƒe kɔkutia te?

“MIVA GBƆNYE”

4-5. Gɔmesese siwo nu míate ŋu ‘ava Yesu gbɔ’ le la dometɔ aɖewo ɖe?

4 Afɔ aɖe si míate ŋu aɖe be ‘míava Yesu gbɔ’ ye nye be míasrɔ̃ nu ale si gbegbe míate ŋui tso nya siwo wògblɔ kple nu siwo wòwɔ la ŋu. (Luka 1:1-4) Ame aɖeke mate ŋu awɔ esia ɖe mía nu o—ele be míawo ŋutɔwo míaɖoe mía ɖokui dzi be míasrɔ̃ Biblia me ŋutinya siwo ku ɖe Yesu ŋu. Afɔ bubu si míaɖe, si afia be ‘míeva Yesu gbɔ,’ ye nye be míatso nya me axɔ nyɔnyrɔ ahazu Kristo ƒe nusrɔ̃la.

5 Gɔmesese bubu si nu ‘míevaa Yesu gbɔ’ lee nye ne míetena ɖe hamemetsitsiwo ŋu esime míehiã kpekpeɖeŋu. Yesu zãa ŋutsu siawo siwo nye “nunana siwo nye amewo” la tsɔ léa be na eƒe alẽawo. (Ef. 4:7, 8, 11; Yoh. 21:16; 1 Pet. 5:1-3) Gake, ele be míawo ŋutɔwo míatso le mía ɖokuiwo si abia wo be woakpe ɖe mía ŋu. Hamemetsitsiwo mate ŋu anya míaƒe tamesusuwo kple míaƒe hiahiã aɖewo o, negbe ɖe míeɖe wo gblɔ na wo. De ŋugble le nya si nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Julian gblɔ ŋu kpɔ; egblɔ be: “Eva hiã be maɖe asi le Betel subɔsubɔdɔa ŋu le lãmegbegblẽ ta, eye xɔ̃nye aɖe gblɔ nam be mabia tso hamemetsitsiwo si be woava srãm kpɔ. Gbã la, ewɔ nam be nyemehiã sasrãkpɔ o. Gake emegbe mebia be woava srãm kpɔ, eye sasrãkpɔ ma va nye nunana nyuitɔ kekeake siwo mexɔ le nye agbe me kpɔ la dometɔ ɖeka.” Hamemetsitsi wɔnuteƒewo, abe esiwo yi ɖasrã Julian kpɔ ene la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be “Kristo ƒe tamesusu” nasu mía si, si fia be, míase eƒe tamesusu kple eƒe amenyenye gɔme ahasrɔ̃ eya amea. (1 Kor. 2:16; 1 Pet. 2:21) Nyateƒee, esiae nye nunana nyuitɔ kekeake siwo woate ŋu ana mí la dometɔ ɖeka.

“MITSƆ NYE KƆKUTI LA ÐO MIA ÐOKUI DZI”

6. Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi”?

6 Esi Yesu gblɔ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi” la, anɔ eme be nu si wòwɔnɛ ye nye, “Mibɔbɔ ɖe nye ŋusẽ te.” Le go bubu me la, ate ŋu anye be enɔ gbɔgblɔm be, “Miva nɔ nye kɔkuti la te kplim, eye nye kpli mi siaa míawɔ dɔ na Yehowa.” Le go evea siaa me la, esia bia be míawɔ dɔ.

7. Le Mateo 28:18-20 ƒe nyawo nu la, dɔ kae wode mía si be míawɔ, eye nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

7 Esime míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ ko la, míelɔ̃ ɖe Yesu ƒe amekpekpea dzi. Yesu ƒe amekpekpea yi na amewo katã, eye megbea ame sia ame si lɔ̃ faa be yeasubɔ Mawu la gbeɖe o. (Yoh. 6:37, 38) Mɔnukpɔkpɔ su Kristo yomedzelawo katã si be woakpɔ gome le dɔ si Yehowa bia tso Yesu si be wòawɔ la me. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu anɔ anyi kpli mí ɣeawokatãɣi ahakpe ɖe mía ŋu be míawɔ dɔ ma ade goe.—Xlẽ Mateo 28:18-20.

“MISRƆ̃ NU TSO GBƆNYE”

Na amewo nakpɔ gbɔdzɔe abe ale si Yesu wɔe ene (Kpɔ memama 8-11 lia) *

8-9. Nu ka tae ɖokuibɔbɔlawo te ŋu te ɖe Yesu ŋu bɔbɔe, eye nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?

8 Ðokuibɔbɔlawo te ŋu te ɖe Yesu ŋu bɔbɔe. (Mat. 19:13, 14; Luka 7:37, 38) Nu ka tae? De ŋugble le vovototo si le Yesu kple Farisitɔwo dome ŋu kpɔ. Subɔsubɔhakplɔla mawo melɔ̃a ame o, eye azɔ hã, wodoa wo ɖokuiwo ɖe dzi. (Mat. 12:9-14) Gake Yesu ya doa vivi ɖe amewo ŋu eye wòbɔbɔa eɖokui. Farisitɔwo nye nɔƒe gã dilawo eye wodana ɖe ɖoƒe kɔkɔ si le wo si ta. Gake Yesu gblɔ be nɔnɔme mawo menyo o, eye efia nu eƒe nusrɔ̃lawo be woabu wo ɖokuiwo abe subɔla tsɛwo ene. (Mat. 23:2, 6-11) Farisitɔwo dea vɔvɔ̃ lãme na amewo henana wokpɔnɛ be yewomele ɖeke me o eye woɖua aƒetɔ ɖe wo dzi. (Yoh. 9:13, 22) Gake Yesu ya toa eƒe nuwɔwɔ ameŋububutɔe kple eƒe nya tuameɖowo dzi nana amewo ƒe dzi dzea eme bɔkɔɔ.

9 Ðe nèsrɔ̃ Yesu ƒe nɔnɔme nyui mawoa? Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wonyam be menye ame fatu kple ɖokuibɔbɔla? Ðe melɔ̃na faa wɔa dɔ siwo ŋu amewo medea bubui o la tsɔ subɔa ame bubuwoa? Ðe mewɔa nu ɖe amewo ŋu ameŋububutɔea?’

10. Aleke ame siwo wɔ dɔ kple Yesu la se le wo ɖokuiwo me?

10 Yesu na eƒe hadɔwɔlawo ƒe dzi dze eme eye wokpɔ dzidzɔ le dɔwɔwɔ kplii me, eye edzɔ dzi na eya ŋutɔ hã be yele hehe nam wo. (Luka 10:1, 19-21) Nɔnɔme si wòɖena fiana la nana wònɔa bɔbɔe na eƒe nusrɔ̃lawo be woabia nyawoe, eye eya ŋutɔ hã dina be yeanya woƒe susu. (Mat. 16:13-16) Abe ale si ko atiwo tsina hetsea ku nyuie le abɔ si wolé be na nyuie me ene la, nenemae nusrɔ̃lawo tsi le xɔse mee. Ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋui la wɔe be wolɔ̃ faa xɔ eƒe nufiafiawo eye wotse ku le dɔ nyuiwo wɔwɔ me.

Na amewo ƒe dzi nadze eme eye do vivi ɖe wo ŋu

Lé fɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu veviedodotɔe

Bɔbɔ ɖokuiwò eye ku kutri le dɔ sesẽ wɔwɔ me *

11. Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?

11 Ðe ame bubuwo le wò ŋusẽ tea? Ne nenemae la, bia ɖokuiwò be: ‘Aleke mewɔa nu ɖe amewo ŋu le dɔme alo aƒe me? Ðe menana woɖea dzi ɖia? Ðe ale si mewɔa nu ɖe amewo ŋui la nana wònɔa bɔbɔe na wo be woabia nyama? Eye ɖe medina be mase woƒe susuwoa?’ Míadi gbeɖe be míanɔ abe Farisitɔ siwo doa dziku ne amewo bia nya wo eye wotia ame siwo ɖe woƒe susu gblɔ wòtsi tre ɖe wo tɔ ŋu la yome ene o.—Marko 3:1-6; Yoh. 9:29-34.

“MIAKPƆ GBƆDZƆE”

12-14. Nu ka tae dɔ si Yesu de mía si la wɔwɔ nana míekpɔa gbɔdzɔe?

12 Susu kawo tae dɔ si Yesu de asi na mí la wɔwɔ nana míekpɔa gbɔdzɔe? Susuawo sɔ gbɔ, gake míadzro wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko me.

13 Dzikpɔla nyuitɔ kekeakewoe le mía si. Yehowa, si nye míaƒe Dzikpɔla Gãtɔ Kekeake la, menye akpemadala alo ame si ƒe nya me sẽ kpaɖii o. Ekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ si míewɔna nɛ ŋu. (Heb. 6:10) Eye enaa ŋusẽ si míehiã be míate ŋu awɔ dɔ si wòde mía si la mí. (2 Kor. 4:7; Gal. 6:5) Yesu, míaƒe Fia la, ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na mí le ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋui me. (Yoh. 13:15) Eye hamemetsitsi siwo léa be na alẽawo la dzea agbagba srɔ̃a Yesu, alẽawo ƒe “kplɔla gã” la, ƒe kpɔɖeŋu. (Heb. 13:20; 1 Pet. 5:2) Ne wole nu fiam mí alo le mía ta kpɔm la, wokua kutri vevie wɔa nu ɖe mía ŋu ameŋububutɔe, wodea dzi ƒo na mí, eye wowɔa nu dzinɔameƒotɔe.

14 Zɔhɛ nyuitɔ kekeakewoe le mía si. Habɔbɔ aɖeke megali si me tɔwo si taɖodzinu vavã le, siwo nye ame siwo wɔ ɖeka le lɔlɔ̃ me abe míawo ene o. Wò ya bu eŋu kpɔ ko: Mɔnukpɔkpɔ su mía si míele dɔ wɔm kple ame siwo nɔa agbe ɖe Mawu ƒe agbe nyui nɔnɔ ŋuti se deŋgɔawo nu evɔ womesusuna be yewonyo wu ame bubuwo o. Wobi ɖe dɔ me ale gbegbe, gake wometsɔnɛ ƒoa adegbe o, eye wobua ame bubuwo be wonye gã wu yewo. Menye ɖeko wobua mí be míenye yewoƒe hadɔwɔlawo ko o, ke wobua mí be míenye yewo xɔlɔ̃wo hã. Eye wolɔ̃ mí ale gbegbe be wolɔ̃na faa be yewoatsɔ yewoƒe agbe aɖo anyi ɖe mía ta!

15. Aleke wòle be míase le mía ɖokui me tso dɔ si wɔm míele ŋu?

15 Míele dɔ nyuitɔ kekeake wɔm. Míele nyateƒe si ku ɖe Yehowa ŋu la fiam amewo eye míekloa nu le Abosam ƒe alakpanyawo dzi. (Yoh. 8:44) Satana to alakpanyawo dzi te amewo ɖe anyi ale gbegbe be mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo keŋkeŋ. Le kpɔɖeŋu me, edi be míaxɔe ase be Yehowa matsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí o eye asixɔxɔ aɖeke mele mía ŋu o. Esiawo nye alakpanya vɔ̃ɖi siwo nana dzi ɖena le ame ƒo kura! Ne ‘míeva Kristo gbɔ’ la, woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Eye nyateƒea ye nye be Yehowa lɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖe vevie. (Rom. 8:32, 38, 39) Dzidzɔ gãe wònyena na mí ne míekpe ɖe amewo ŋu wova ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu eye míekpɔe be woƒe agbenɔnɔ va nyo kura wu ale si wònɔ tsã!

NU SIWO NÀWƆ BE NÀKPƆ GBƆDZƆE ÐAA LE YESU ƑE KƆKUTIA TE

16. Mɔ kawo nue agba si Yesu bia tso mía si be míatsɔ la to vovo na agba bubu siwo wòle be míatsɔ la le?

16 Agba si Yesu bia tso mía si be míatsɔ la to vovo na agbanɔamedzi bubu siwo wòle be míatsɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne míeyi dɔme ɖawɔ dɔ ʋuu ŋkekea wu enu la, ɖeɖi tea mía dometɔ geɖe ŋu belibeli evɔ dɔwɔɖuia mehea dzidzeme vanɛ na mí hã o. Gake ne míewɔ dɔ na Yehowa kple Kristo ya la, dzi dzɔa mí ale gbegbe. Ðewohĩ, ɖeɖi tea mía ŋu belibeli le ŋkekea ƒe nuwuwu eye ehiãna be míaku kutri vevie hafi ade hamea ƒe kpekpewo le fiẽ me. Gake zi geɖe la, míaƒe dzi dzea eme eye ŋusẽ yeye gaɖoa mía ŋu le kpekpeawo me hafi míegbɔna vaa aƒe me. Alea kee wònɔna ne ehiã be míado vevie nu hafi ayi gbeadzi alo asrɔ̃ Biblia le mía ɖokui si. Ɣesiaɣi si míeku kutri yi gbeadzi alo srɔ̃ nu le mía ɖokui si la, ŋusẽ yeye gaɖoa mía ŋu eye míaƒe dzi dzea eme bɔkɔɔ!

17. Nu ka tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo ahada asɔ?

17 Gake ele be míada asɔ. Ŋutete alo ŋusẽ aɖe si nu le mía dometɔ ɖe sia ɖe si. Ke hã, ele be míanya nu siwo míate ŋu awɔ kple nu siwo míate ŋu awɔ o. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be míanɔ agbagba dzem be nunɔamesi geɖe nasu mía si eye esia awɔe be ɖeɖi nate mía ŋu dzodzro. De dzesi nya si Yesu gblɔ na ɖekakpui kesinɔtɔ aɖe si biae be: “Nu kae mawɔ be manyi agbe mavɔ la dome?” Ðekakpuia wɔna ɖe Sea dzi xoxo. Anɔ eme be ame ɖɔʋu aɖee wònye, elabe eƒe ŋutinya si dze le Marko Ƒe Nyanyuigbalẽa me la gblɔ be Yesu ‘lɔ̃e.’ Yesu tsɔ amekpekpe aɖe ɖo ɖekakpui sia si nye kplɔla la ŋkume. Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi nàdzra nu siwo le asiwò la, . . . eye nàva dze yonyeme.” Ðekakpuia tsi evedomesi, eye edze abe esesẽ nɛ be wòaɖe asi le “nu geɖe” siwo nɔ esi la ŋu ene. (Marko 10:17-22) Esia wɔe be egbe kɔkuti si Yesu tsɔ ɖo eŋkume la eye wògakpɔtɔ nye ‘Kesinɔnuwo ƒe’ kluvi. (Mat. 6:24) Nenye wòe ɖe, tiatia kae nàwɔ?

18. Nu kae wòle be míanɔ wɔwɔm edziedzi, eye nu ka tae?

18 Anyo be míanɔ nu siwo le vevie na mí wu le agbe me la me dzrom edziedzi. Nu ka tae? Nu si tae nye be, esia akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi be míele míaƒe ŋusẽa ŋu dɔ wɔm le nunya me. De ŋugble le nya si ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Mark la gblɔ ŋu kpɔ; egblɔ be: “Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, mesusu be mele agbe tsɛ nɔm. Menɔ mɔɖeɖedɔa wɔm, gake menɔa ga kple ale si mawɔ ana nu geɖe wu nasu asinye la ŋu bum ɣesiaɣi. Menɔ agbagba dzem be mase nu si tae agbea va sesẽ nam ŋutɔ la gɔme. Mlɔeba, meva de dzesii be, nye ŋutɔ nye nyonyo koŋ ko dim menɔ gbã eye emegbe mezãa nye ɣeyiɣi kple ŋusẽ susɔea ɖe Yehowa ƒe dɔwo ŋu.” Mark trɔ eƒe susu kple eƒe agbenɔnɔ, eye wòtsɔ eɖokui na faa be yeawɔ geɖe wu le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me. Fifia, Mark gblɔ be: “Metsia dzimaɖi ɣeaɖewoɣi ya, gake le Yehowa kple Yesu ƒe kpekpeɖeŋu me la, mete ŋu ɖu nye kuxiawo dzi.”

19. Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be susu nyuitɔ nanɔ mía si?

19 Míayi edzi akpɔ gbɔdzɔe le Yesu ƒe kɔkutia te ɖaa ne míewɔ nu etɔ̃ siawo. Gbã, ele be susu nyuitɔ nanɔ mía si. Esi wònye be Yehowa ƒe dɔ wɔm míele ta la, ele be míawɔe ale si Yehowa dii. Míawoe nye dɔwɔlawo, eye Yehowa ye nye Aƒetɔa. (Luka 17:10) Ne míewɔa Yehowa ƒe dɔa ale si míawo ŋutɔwo míedii la, esia ana be ewɔwɔ nasesẽ na mí. Ne nyitsu aɖe gbe be yemazɔ ɖe yeƒe aƒetɔ ƒe mɔfiafia dzi o eye wòle ʋiʋlim le kɔkutia te la, aleke kee ŋusẽ ɖale eŋu o, nu vevi ate ŋu awɔe bɔbɔe eye ɖeɖi ate eŋu. Ke hã, ne míewɔa Yehowa ƒe dɔa ale si wòdii la, míate ŋu awɔ nu siwo míesusu be míate ŋu awɔ o la gɔ̃ hã, eye míate ŋu aɖu kuxi siwo míesusu be wosesẽ ŋutɔ gɔ̃ hã la dzi. Anyo be wòanɔ susu me na mí be ame aɖeke mate ŋu axe mɔ be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu nagava eme o!—Rom. 8:31; 1 Yoh. 4:4.

20. Nu kae wòle be wòaʋã mí be míava nɔ Yesu ƒe kɔkutia te?

20 Evelia, ele be susu nyuitɔ naʋã mí. Míaƒe taɖodzinu le dɔ si Yehowa de mía si la wɔwɔ me ye nye be míahe kafukafu avɛ na mía Fofo lɔ̃ame la. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame siwo wɔ Yehowa ƒe dɔa le ŋukeklẽ alo woawo ŋutɔwo ƒe viɖe ta la megava nɔ dzidzɔ kpɔm o eye woɖe ta le Yehowa ƒe dɔa te. (Yoh. 6:25-27, 51, 60, 66; Flp. 3:18, 19) Gake, ame siwo wɔ Yehowa ƒe dɔa le esi wolɔ̃e vevie eye wolɔ̃ wo havi ta ya yi edzi tsɔ Yesu ƒe kɔkutia le woƒe agbemeŋkekewo katã me eye mɔkpɔkpɔ nɔ wo si be yewoaɖawɔ dɔ kple Kristo le dziƒo. Míawo hã míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne susu nyuitɔ le mía si le Yesu ƒe kɔkutia tsɔtsɔ me abe woawo ke ene.

21. Le Mateo 6:31-33 ƒe nyawo nu la, nu kae míate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa awɔ?

21 Etɔ̃lia, ele be míada asɔ le nu siwo míekpɔa mɔ na la me. Míetiae be míatsɔ mía ɖokui ana Yehowa eye míaku kutri vevie le dɔ si wòde asi na mí la wɔwɔ me. Yesu na míenya be woati mía yome. Ke hã, míate ŋu akpɔ mɔ be nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava mía dzi o, Yehowa ana ŋusẽ si míehiã be míate ŋu ado dzi la mí. Zi ale si míele dzi dom la, zi nenemae míesẽa ŋu. (Yak. 1:2-4) Míate ŋu anɔ mɔ kpɔm hã be Yehowa ana nu siwo míehiã la mí, Yesu alé be na mí, eye mía nɔvi Kristotɔwo ade dzi ƒo na mí. (Xlẽ Mateo 6:31-33; Yoh. 10:14; 1 Tes. 5:11) Vavãe, Yehowa na nu sia nu si míehiã be míayi edzi ado dzi la mí!

22. Susu ka tae dzi dzɔa mí ɖo?

22 Nyɔnu si Yesu yɔ dɔ na la kpɔ gbɔdzɔe le ŋkeke ma ke dzi. Gake ne ezu Kristo ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe ko hafi wòate ŋu akpɔ gbɔdzɔe tegbee. Le wò susu nu la, nu kae nèsusu be nyɔnu ma wɔ? Ne elɔ̃ va nɔ Yesu ƒe kɔkutia te la, bu teƒeɖoɖo si asu esi ŋu kpɔ—anɔ subɔsubɔm kple Yesu le dziƒo! Nu sia nu si wòanya tsɔ sa vɔe la maɖi naneke kura le yayra ma gbɔ o. Míeɖale mɔ kpɔm be míanɔ agbe tegbee le dziƒo alo le anyigba dzi o, enye dzidzɔ na mí ŋutɔ be míelɔ̃ ɖe Yesu ƒe amekpekpe si nye, “Miva gbɔnye,” la dzi!

HADZIDZI 13 Kristo, Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola

^ mm. 5 Yesu le mía kpem be míava ye gbɔ. Afɔ kawoe wòhiã be míaɖe be míawɔ ɖe eƒe amekpekpea dzi? Nyati sia aɖo biabia sia ŋu. Azɔ hã, aɖo ŋku ale si míate ŋu akpɔ gbɔdzɔe le dɔwɔwɔ kple Kristo me la dzi na mí.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Yesu wɔ nu vovovowo tsɔ kpe ɖe amewo ŋu wokpɔ gbɔdzɔe.

^ mm. 66 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le mɔ ma ke nu la, nɔviŋutsu aɖe wɔ nu vovovowo tsɔ kpe ɖe amewo ŋu wokpɔ gbɔdzɔe.