Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 35

Yehowa Dea Asixɔxɔ Esubɔla Siwo Bɔbɔ Wo Ðokuiwo La Ŋu

Yehowa Dea Asixɔxɔ Esubɔla Siwo Bɔbɔ Wo Ðokuiwo La Ŋu

‘Yehowa dzea si ɖokuibɔbɔla.’—PS. 138:6.

HADZIDZI 48 Zɔ Kple Yehowa Gbe Sia Gbe

NYA VEVIAWO *

1. Aleke Yehowa bua ɖokuibɔbɔlawo? Ðe eme.

YEHOWA lɔ̃a ame siwo bɔbɔa wo ɖokui. Ɛ̃, Yehowa lɔ̃a ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ŋutɔŋutɔ, eye ame siawo koe ate ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii. Gake, “ekpɔa dadala ya [dzea sii] tso adzɔge ʋĩi ke.” (Ps. 138:6) Mí katã míedina be míadze Yehowa ŋu eye ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kplii dome, eya ta, enye míaƒe dzidzɔ be míasrɔ̃ ale si míatu ɖokuibɔbɔ ɖo.

2. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Le nyati sia me la, míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase etɔ̃ siawo: (1) Nu kae nye ɖokuibɔbɔ? (2) Nu ka tae wòle be míatu nɔnɔme nyui sia ɖo? (3) Nɔnɔme vovovo kawoe ate ŋu ado míaƒe ɖokuibɔbɔ kpɔ? Abe ale si míele ekpɔ ge ene la, ne míetu ɖokuibɔbɔ ɖo la, míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi eye aɖe vi na míawo ŋutɔwo hã.—Lod. 27:11; Yes. 48:17.

NU KAE NYE ÐOKUIBƆBƆ?

3. Nu kae nye ɖokuibɔbɔ?

3 Ðokuibɔbɔ fia tamebɔbɔɖeanyi; eye efia be dada alo ɖokuidodoɖedzi ƒe gbɔgbɔ naganɔ ame me o. Biblia ɖee fia be ɖokuibɔbɔla nyanɛ be Yehowa Mawu kɔ boo wu ye, eye mebua eɖokui ŋu fũu o, ke boŋ, ekpɔa akpa vevi si wɔm ame bubuwo le la dzea sii. Ðokuibɔbɔla lɔ̃na ɖe edzi be ame ɖe sia ɖe nye gã wu ye le mɔ aɖe nu.—Flp. 2:3, 4.

4-5. Nu ka tae ame si dzena ɖokuibɔbɔlae la ate ŋu anye ame aɖe si mebɔbɔa eɖokui ŋutɔŋutɔ o?

4 Ame aɖewo dzena be wonye ɖokuibɔbɔlawo, gake womebɔbɔ wo ɖokuiwo ŋutɔŋutɔ o. Le dzɔdzɔme nu la, woate ŋu adze ame fafawo. Alo woate ŋu anye ame siwo dea bubu ame ŋu le hehe si woxɔ alo le woƒe dekɔnu ta. Gake le ememe la, woate ŋu anye dadala si tɔgbi meva susu me na wò kpɔ o. Ke hã, gbe ɖeka, woava ɖe ame si ƒomevi ŋutɔŋutɔ wonye le ememe la afia.—Luka 6:45.

5 Gake, ame siwo ɖea woƒe susu gblɔna faa alo ame siwo dzena be woka ɖe wo ɖokuiwo dzi la menyea dadalawo kokoko o. (Yoh. 1:46, 47) Ke hã, ele be ame siawo ƒomevi nanɔ ŋudzɔ be woagaɖo ŋu ɖe woƒe dzɔdzɔmeŋutete mawo ŋu fũu o. Dzɔdzɔmeŋutete mawo ɖale mía si loo alo womele mía si o, ele be mí katã míaku kutri vevie be míanye ame siwo bɔbɔa mía ɖokui le ememe ke.

Apostolo Paulo bɔbɔ eɖokui eye mesusu be yele vevie wu nɔvi bubuawo o (Kpɔ memama 6 lia) *

6. Abe ale si wòdze le 1 Korintotɔwo 15:10 ene la, nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua me?

6 Bu apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Yehowa zãe le mɔ ɖedzesiwo nu ale be eɖo hame yeyewo ɖe dugã vovovowo me. Anya wɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me wu Yesu Kristo ƒe apostoloawo dometɔ ɖe sia ɖe. Ke hã, Paulo mesusu be yele vevie wu nɔvi bubuawo o. Ke boŋ, egblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Nyee nye suetɔ le apostoloawo dome, eye nyemedze woayɔ be apostolo o, elabena meti Mawu ƒe hame la yome.” (1 Kor. 15:9) Eyome, Paulo gblɔe wòsɔ nyuie be, Mawu ƒe amenuveve si li kpli ye lae wɔe be ƒomedodo kplikplikpli le ye kple Yehowa dome, ke menye ye ŋutɔ yeƒe ŋutetewo gbɔ wòtso o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:10.) Paulo ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Esi wòŋlɔ eƒe lɛtaa na Korintotɔwo la, medo eɖokui ɖe dzi o, togbɔ be hamea me tɔ aɖewo nɔ didim be yewoaɖee afia be yewonye gã wui gɔ̃ hã!—2 Kor. 10:10.

Nɔviŋutsu Karl F. Klein si nye ɖokuibɔbɔla la subɔ le Dɔdzikpɔhaa me (Kpɔ memama 7 lia)

7. Aleke nɔvi aɖe si wɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me le míaƒe ŋkekea me la bɔbɔ eɖokui?

7 Nɔviŋutsu Karl F. Klein si nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ, si wu eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu, la ƒe agbemeŋutinyaa de dzi ƒo na Yehowa subɔla geɖe. Nɔviŋutsu Klein ƒo nu tso eya ŋutɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple kuxi vovovo siwo wòdo goe le agbe me la ŋu faa ɖokuibɔbɔtɔe le eƒe agbemeŋutinyaa me. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 1920-awo me esime wòyi gbeadzi zi gbãtɔ la, ekpɔe be tso aƒe me yi aƒe me dɔa sesẽ ŋutɔ, eya ta, megayi gbeadzi o ƒe eve sɔŋ. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva nɔ subɔsubɔm le Betel, eye esi nɔviŋutsu aɖe ɖo aɖaŋu nɛ la, elé nɔviŋutsua ɖe dɔ me. Azɔ hã, blanuiléledɔ va ɖe fu nɛ le esi nu te ɖe edzi vevie ta, gake eto eme do. Ke hã, subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ vevi geɖewo hã su esi. Esi wònye be Nɔviŋutsu Klein nye ame si ŋu ame geɖe dea bubui ŋutɔ ta la, wò ya bu ale si gbegbe wòahiã be wòabɔbɔ eɖokuii hafi alɔ̃ faa aƒo nu tso eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu la ŋu kpɔ! Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe gakpɔtɔ ɖoa ŋku Nɔviŋutsu Klein kpakple ale si wòƒo nu tso eɖokui ŋu anukwaretɔe le eƒe agbemeŋutinyaa me la dzi vevie va de asi na egbe. *

NU KA TAE WÒLE BE MÍATU ÐOKUIBƆBƆ ÐO?

8. Aleke nya siwo dze le 1 Petro 5:6 la kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ɖokuibɔbɔ dzea Yehowa ŋu?

8 Susu vevitɔ si tae wòle be míatu ɖokuibɔbɔ ɖoe nye be edzea Yehowa ŋu. Apostolo Petro na nya sia me kɔ nyuie. (Xlẽ 1 Petro 5:6.) Esi wonɔ Petro ƒe nya siwo dze le 1 Petro 5:6 me ɖem le agbalẽ si nye “Va Dze Yonyeme” (si le yevugbe me) la me la, wogblɔ be: “Dada nye aɖi wuame. Etea ŋu gblẽa nu geɖe. Enye nɔnɔme aɖe si ate ŋu awɔe be amegbetɔ si si ŋutete ɖedzesiwo le la ava zu ame si ŋu asixɔxɔ aɖeke mele o le Mawu ŋkume. Gake, ɖokuibɔbɔ ate ŋu awɔe be ame si meɖi naneke le amegbetɔwo ŋkume o la ava zu ame si ŋu Yehowa dea asixɔxɔ gãe. . . . Ado dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ be yeaɖo wò ɖokuibɔbɔ teƒe na wò.” * Ɛ̃, nu nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔe nye be míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi!—Lod. 23:15.

9. Aleke ɖokuibɔbɔ nana amewo tena ɖe mía ŋu?

9 Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, menye ɖeko míadze Yehowa ŋu ko evɔ o, ke aɖe vi na míawo ŋutɔwo hã le mɔ geɖe nu. Ðokuibɔbɔ nana amewo tena ɖe mía ŋu. Be nàse nu si tae gɔme la, dze agbagba nàtsɔ ɖokuiwò aɖo ame bubuwo teƒe. (Mat. 7:12) Ame aɖeke medina be yeade ha kple ame siwo tea tɔ ɖe woawo ŋutɔwo ƒe susuwo dzi eye womedina be yewoaxɔ ame bubuwo ƒe susuwo gbeɖe o la o. Gake, ne míele nu wɔm kple mía nɔvi Kristotɔ siwo ‘sea veve ɖe ame nu, siwo lɔ̃a ame, siwo ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu, eye wobɔbɔa wo ɖokuiwo’ la, míaƒe dzi dzea eme eye míeɖea dzi ɖi. (1 Pet. 3:8) Ne ame siawo ƒomevi gbɔ nɔnɔ dzɔa dzi na mí la, anɔ eme godoo be woawo hã woate ɖe mía ŋu, ne míebɔbɔa mía ɖokui.

10. Ne míenye ɖokuibɔbɔlawo la, aleke wòana be agbea nanɔ bɔbɔe na mí?

10 Azɔ hã, ɖokuibɔbɔ nana agbea nɔa bɔbɔe na mí. Anɔ eme godoo be míekpɔa nu siwo dze abe womesɔ o ene la teƒe alo nu mawo tɔgbi vaa mía dzi le agbe me. Nunyala Fia Salomo gblɔ be: “Mekpɔ subɔviwo le sɔ dzi, gake bubumewo le afɔ zɔm abe subɔviwo ene.” (Nyagb. 10:7) Zi geɖe la, womedea bubu ame siwo si ŋutete ɖedzesiwo le la ŋu o. Eye ɣeaɖewoɣi la, ame siwo si ŋutete boo mele o la ŋu ye wodea bubu geɖee. Ne edzɔ alea gɔ̃ hã la, Salomo ɖo aɖaŋu na mí be, enyo wu kura be míalɔ̃ ɖe edzi be alea ye agbea le, tsɔ wu be míanɔ veve sem dzodzro ɖe ale si nuwo le edzi yim le agbea me ta. (Nyagb. 6:9) Ne míebɔbɔa mía ɖokui la, anɔ bɔbɔe na mí be míalɔ̃ ɖe ale si agbea le la dzi eye míanɔ mɔ kpɔm be nuwo nanɔ abe ale si míesusui ene o.

NƆNƆME KAWOE ATE ŊU ADO MÍAƑE ÐOKUIBƆBƆ KPƆ?

Aleke nɔnɔme sia tɔgbi ate ŋu ado míaƒe ɖokuibɔbɔ kpɔ? (Kpɔ memama 11-12 lia) *

11. Ne woɖo aɖaŋu na mí la, nu ka tae wòle be míabɔbɔ mía ɖokui?

11 Mɔnukpɔkpɔ geɖe sua mía si gbe sia gbe siwo me míaɖee afia le be míebɔbɔa mía ɖokui. Bu eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ. Ne woɖo aɖaŋu na mí. Anyo be míaɖo ŋku edzi be, ne ame aɖe tsɔe ɖo eɖokui dzi ɖɔ mí ɖo la, anɔ eme godoo be míetra ɖa le mɔ dzɔdzɔea dzi wu ale si míesusui. Le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, nu si míewɔna zi geɖee nye be míegbea aɖaŋuɖoɖoa. Ate ŋu anɔ eme be míahe nya ɖe ame si ɖo aɖaŋua na mí la ŋu alo míagblɔ be ale si wòɖo aɖaŋua na mí la mesɔ o. Gake ne míebɔbɔa mía ɖokui la, míadze agbagba aɖe nɔnɔme nyuitɔa afia.

12. Le Lododowo 27:5, 6 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe ame si ɖo aɖaŋu na mí la ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Edzɔa dzi na ɖokuibɔbɔla ne woɖo aɖaŋu nɛ. Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be ède Kristotɔwo ƒe kpekpe aɖe. Esi nèva ɖo kpekpewɔƒea la, èɖo dze kple hati Kristotɔ vovovowo, gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, nɔvi aɖe ɖe wò ɖe aga hegblɔ na wò ŋuɖɔɖotɔe be nuɖuɖu kui aɖe tsi aɖu ŋu na wò. Ðikeke mele eme o be akpe ŋu na wò ŋutɔ. Gake, ɖe màda akpe ŋutɔ be nɔvia na nènya oa? Le nyateƒe me la, ado dzidzɔ na wò ŋutɔ ne ɖe ame aɖe gblɔe na wò do ŋgɔ! Nenema kee wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe haxɔsetɔ si lé dzi ɖe ƒo ɖo aɖaŋu na mí esime míehiã nɛ la ŋu ɖokuibɔbɔtɔe. Míebua ame sia mía xɔlɔ̃e, ke menye míaƒe futɔ o.—Xlẽ Lododowo 27:5, 6; Gal. 4:16.

Nu ka tae wòhiã be míabɔbɔ mía ɖokui ne ame bubuwo xɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo? (Kpɔ memama 13-14 lia) *

13. Aleke míate ŋu aɖee afia be míenye ɖokuibɔbɔlawo ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo su ame bubuwo si?

13 Ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo su ame bubuwo si. Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Jason la gblɔ be: “Ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo su nɔvi bubuwo si la, ɣeaɖewoɣi la, mebiaa ɖokuinye be, Nu ka tae wometiam o?” Ðe wò hã èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa? Menye nu gbegblẽe wònye be ‘míaminya’ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ geɖe wu o. (1 Tim. 3:1) Ke hã, ele be míaɖɔ ŋu ɖo. Ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu aɖe mɔ dada nage ɖe míaƒe dzi me. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ ŋutsu aɖe ate ŋu ava nɔ susum be yee dze na dɔdeasi aɖe wɔwɔ wu ame bubu ɖe sia ɖe. Alo Kristotɔ srɔ̃nyɔnu aɖe ate ŋu agblɔ le susu me be, ‘Srɔ̃nye dze awɔ dɔ si alo ekemɛ wu asimasi!’ Ke hã, ne míebɔbɔa mía ɖokui ŋutɔŋutɔ la, míaƒo asa na dadagbɔgbɔ ma.

14. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Mose wɔ nui esime subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo su ame bubuwo si la me?

14 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso ale si Mose wɔ nui esime subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo su ame bubuwo si la me. Mose de asixɔxɔ gã dɔ si Mawu de esi be wòakplɔ Israel dukɔa la ŋu. Aleke Mose wɔ nui esi Yehowa ɖe mɔ be ame bubuwo naxɔ eƒe dɔa ƒe ɖe awɔ? Meʋã ŋu o. (4 Mose 11:24-29) Eɖe mɔ na ame bubuwo ɖokuibɔbɔtɔe be woadrɔ̃ dukɔa ƒe nya aɖewo ɖe ye teƒe. (2 Mose 18:13-24) Ale Israel-viwo kpɔ ʋɔnudrɔ̃la geɖe siwo akpɔ woƒe nyawo gbɔ eye mahiã be woalala ɣeyiɣi didi o. Esia ɖee fia be Mose di ame bubuwo ƒe nyonyo tsɔ wu be ye ɖeka yeaxɔ agbanɔamedzi geɖe. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi! Ne míedi be Yehowa nazã mí le eƒe subɔsubɔdɔa me la, ele be wòanɔ susu me na mí be míaƒe ɖokuibɔbɔ le vevie na Yehowa wu míaƒe ŋutetewo. Togbɔ be “Yehowa le dzi boo hã la, edzea si ɖokuibɔbɔla la.”—Ps. 138:6.

15. Aleke nuwo va trɔ le nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo ƒe agbe me?

15 Ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me. Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo subɔ Yehowa ƒe geɖe le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me la ƒe dɔdeasiwo va trɔ. Le kpɔɖeŋu me le ƒe 2014 me la, wobia tso nutome gã dzikpɔlawo kple wo srɔ̃wo si be woaɖe asi le woƒe dɔa ŋu aɖawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ bubu. Le ƒe ma ke me la, habɔbɔa gblɔ be ne nutome sue dzikpɔla aɖe tsi xɔ ƒe 70 la, aɖe asi le eƒe dɔa ŋu. Azɔ hã, nɔviŋutsu siwo tsi xɔ ƒe 80 alo esi wu ema la meganyea hamemetsitsiwo ƒe haa ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla le hamea me azɔ o. Gakpe ɖe eŋu la, ƒe geɖe ye nye esi va yi la, wode dɔ asi na nɔvi geɖe siwo nɔ Betel-ƒomea me la be woaɖawɔ mɔɖeɖedɔa. Eye eva hiã be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖewo hã naɖe asi le woƒe dɔdeasia ŋu le lãmegbegblẽ, ƒomegbanɔamedziwo, alo susu bubuwo ta.

16. Aleke mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe bɔbɔ wo ɖokuiwo helɔ̃ faa trɔ ɖe woƒe nɔnɔme yeyeawo ŋu?

16 Menɔ bɔbɔe na mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo be woatrɔ ɖe woƒe nɔnɔme yeyeawo ŋu o. Eme kɔ ƒãa be, subɔsubɔdɔ si wɔm wonɔ tsã la doa dzidzɔ na wo; wo dometɔ geɖe ƒe dzi ku ɖe dɔ si wɔm wonɔ ƒe geɖe la ŋu vevie. Ete ɖe wo dometɔ aɖewo dzi be yewomegale subɔsubɔdɔ si yewowɔna tsã la wɔm o, eye esia na woxa nu vevie. Ke hã, le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wote ŋu trɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Nu kae kpe ɖe wo ŋu? Nu vevitɔ si kpe ɖe wo ŋue nye be, wolɔ̃ Yehowa. Wonyae be Mawue yewoɖe adzɔgbe na, ke menye na subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe alo dɔdeasi aɖe o. (Kol. 3:23) Edzɔa dzi na wo be yewoayi edzi asubɔ Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe, dɔ ka kee wòɖade yewo si o. ‘Wodroa woƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi,’ elabena wonyae be eléa be na yewo.—1 Pet. 5:6, 7.

17. Nu ka tae míedaa akpe be Mawu ƒe Nyaa dea dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ?

17 Ðe míedaa akpe ŋutɔ be Mawu ƒe Nyaa dea dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ oa? Ne míetu nɔnɔme nyoameŋu sia ɖo la, eɖea vi na míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo siaa. Ewɔnɛ be míetea ŋu doa dzi le agbemekuxiwo me nyuie wu. Ƒo wo katã ta la, enana míegatena ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu kplikplikpli wu. Aleke wòdoa dzidzɔ na míi ye nye esi be, togbɔ be mía Fofo la nye “Ame si kɔ heƒo nuwo katã ta” hã la, elɔ̃a esubɔla siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo hedea asixɔxɔ wo ŋu!—Yes. 57:15.

HADZIDZI 45 Nye Ŋugbledede Nedze Ŋuwò

^ mm. 5 Nɔnɔme vevitɔ siwo wòle be míatu ɖo la dometɔ ɖekae nye ɖokuibɔbɔ. Nu kae nye ɖokuibɔbɔ? Nu ka tae wòle be míatu ɖokuibɔbɔ ɖo? Eye nu ka tae wòate ŋu asesẽ na mí be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me? Nyati sia adzro nyabiase vevi siawo me.

^ mm. 7 Kpɔ nyati si nye “Yehowa Ðo Eteƒe Nam Geɖe,” si dze le Eŋlisigbe me ƒe Gbetakpɔxɔ, October 1, 1984, alo Fransegbe me ƒe Gbetakpɔxɔ, May 1, 1985, ƒe tatawo me.

^ mm. 8 Kpɔ agbalẽ si nye Come Be My Follower ta 3, mm. 23 (“ Viens, suis-moi ” ta 3, mm. 23).

^ mm. 53 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Esi apostolo Paulo le nɔviŋutsu aɖe ƒe me la, ebɔbɔ eɖokui le ha dem kple nɔviawo, eye ɖeviwo hã le eme.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu tsitsi aɖe lɔ̃ faa le nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo tso Biblia me la xɔm.

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu tsitsia meʋã ŋu nɔviŋutsu ɖekakpuia si si subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ su le hamea me la o.