Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 39

Kpe Ðe Nɔvinyɔnu Siwo Le Miaƒe Hamea Me Ŋu

Kpe Ðe Nɔvinyɔnu Siwo Le Miaƒe Hamea Me Ŋu

“Nyɔnu nya nyui gblɔlawo de ha kpaŋ.”—PS. 68:11.

HADZIDZI 137 Nyɔnu Nuteƒewɔlawo, Nɔvinyɔnu Kristotɔwo

NYA VEVIAWO *

Mía nɔvinyɔnu dzonɔamemetɔ siawo siwo ŋu vovo menɔna o la ɖoa nya ŋu le kpekpeawo, woɖea gbeƒã nya nyuia, wokpea asi ɖe beléle na Fiaɖuƒe Akpatawo ŋu, eye wokpɔa dzidzɔ le kpekpeɖeŋunana hati Kristotɔwo hã me (Kpɔ memama 1)

1. Akpa kae nɔvinyɔnuwo wɔna le habɔbɔa me, gake nɔnɔme sesẽ kawo me tom wo dometɔ geɖe le? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

EDZƆA dzi na mí ŋutɔ be nɔvinyɔnu geɖe siwo nye dɔ sesẽ wɔlawo la le hamea me! Le kpɔɖeŋu me, woɖoa nya ŋu eye wowɔa dɔdeasiwo hã le kpekpeawo me. Azɔ hã, woɖea gbeƒã nya nyuia, wo dometɔ aɖewo kpea asi ɖe beléle na Fiaɖuƒe Akpataa ŋu, eye bubuwo hã kpɔa dzidzɔ ɖe kpekpeɖeŋunana hati Kristotɔwo ŋu. Ke hã, wole nɔnɔme sesẽwo hã me tom. Wo dometɔ aɖewo le dzila tsitsiwo dzi kpɔm, bubuwo hã le dzi dom le ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu me. Azɔ hã, mía nɔvinyɔnu siwo nye dzila ɖekɛwo la, wɔa dɔ sesĩe kpɔa wo viwo dzi.

2. Nu ka tae wòhiã be míadze agbagba akpe ɖe mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo ŋu?

2 Nu ka tae wòle be míakpe ɖe mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo ŋu? Nu si tae nye be, zi geɖe la, xexea me tɔwo medea bubu si nyɔnuwo dze na la wo ŋu o. Azɔ hã, Biblia de dzi ƒo na mí be míakpe ɖe nyɔnuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo gblɔ na hame si nɔ Roma la me tɔwo be woaxɔ Foibe nyuie eye ‘woana kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si wòhiã lae.’ (Rom. 16:1, 2) Esime Paulo nye Farisitɔ la, enɔ ame siwo xɔe se be nyɔnuwo mele ɖeke me o la dome, eye womewɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋu nyuie o. Gake esi wòva zu Kristotɔ azɔ la, esrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua eye wòwɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋu nyuie hedea bubu wo ŋu.—1 Kor. 11:1.

3. Aleke Yesu wɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋu eye aleke wòbu nyɔnu siwo wɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu?

3 Yesu de bubu nyɔnuwo katã ŋu. (Yoh. 4:27) Mebu nyɔnuwo abe ale si Yuda subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la bu woe ene o. Le nyateƒe me la, agbalẽ aɖe si ƒo nu tso Biblia ŋu la gblɔ be: “Yesu megblɔ nya aɖeke si ɖi gbɔ̃ nyɔnuwo alo da wo ɖe anyi kpɔ o.” Nyateƒeae nye be, Yesu de bubu gã nyɔnu siwo wɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu la ŋu. Nu si ɖe dzesi ye nye be, Yesu bu nyɔnu Kristotɔwo be wonye ye nɔvinyɔnuwo eye eyɔ wo kpe ɖe ŋutsu Kristotɔ siwo wòbu be wonye ye nɔviŋutsuwo la ŋu.—Mat. 12:50.

4. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

4 Yesu nɔ klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe nyɔnu siwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ŋu. Ena wokpɔe be wole vevie na ye eye eʋli wo ta. Na míakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ Yesu atsɔ ɖe le eme na nɔvinyɔnuwo ɖa.

TSƆ ÐE LE EME NA MÍA NƆVINYƆNU KRISTOTƆWO

5. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na nɔvinyɔnu aɖewo be woade ha tuameɖowo kple nɔviwo le hamea me?

5 Mí katã, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo siaa, míehiã na hadede tuameɖowo. Gake ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu asesẽ na nɔvinyɔnuwo be woakpɔ gome le hadede tuameɖowo me. Nu ka tae? Bu nya siwo nɔvinyɔnu aɖewo gblɔ ŋu kpɔ. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jordan * la gblɔ be, “Esi nyemeɖe srɔ̃ o ta la, zi geɖe la, nyemenyaa ame siwo made ha kplii le hamea me o, eye mesena le ɖokuinye me be nyemele vevie na hamea o.” Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Kristen, si ʋu yi nuto bubu me be yeakeke yeƒe subɔsubɔa ɖe enu, la gblɔ be, “Ne ènye ame yeye le hame aɖe me la, ate ŋu adzɔ be nàtsi akogo.” Nɔviŋutsu aɖewo hã ate ŋu ase le wo ɖokui me nenema. Ame siwo le hamea me siwo ƒe ƒometɔwo menye Yehowa Ðasefowo o la ate ŋu ase le wo ɖokuiwo me be ƒomedodo kplikplikpli mele yewo kple yewoƒe ƒometɔwo dome o, nenema kee woate ŋu ase le wo ɖokuiwo me hã be kadodo kplikplikpli mele yewo kple nɔviwo dome le hamea me o. Nɔvinyɔnu aɖewo ate ŋu atsi akogo le esi wodze dɔ, eye wotsi teƒe ɖeka alo esi wole woƒe ƒometɔ aɖewo siwo nye dɔnɔwo dzi kpɔm la ta. Annette gblɔ be, “Ne nɔviwo kpem na hadomewɔnawo la, menana wonyana be nyemate ŋu ayi o, elabe nye koŋue léa be na nɔnye si tsi teƒe ɖeka.”

Abe Yesu ene la, míate ŋu atsɔ ɖe le eme na nɔvinyɔnu wɔnuteƒewo lɔlɔ̃tɔe (Kpɔ memama 6-9 lia) *

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si dze le Luka 10:38-42 ku ɖe ale si Yesu kpe ɖe Marta kple Maria ŋu la me?

6 Yesu kpɔ vovo ɖe nyɔnu siwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la ŋu, eye ebu wo be wonye xɔlɔ̃ vavãwo na ye. Bu xɔlɔ̃kadodo si le Yesu kple Maria kpakple Marta dome ŋu kpɔ. Anɔ eme be trewoe nɔvinyɔnu eveawo nye. (Xlẽ Luka 10:38-42.) Edze ƒãa be Yesu to eƒe nyagbɔgblɔ kple eƒe nuwɔnawo dzi na woƒe dzi dze eme. Enɔ bɔbɔe na Maria be wòanɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔnu abe ale si nusrɔ̃lawo wɔnɛ ene. * Eye esi wòte ɖe Marta dzi be Maria meva le kpekpem ɖe ye ŋu o la, ete ɖe Yesu ŋu faa hegblɔ nu si le fu ɖem nɛ la nɛ. Yesu kpe ɖe nyɔnu eveawo ŋu wosrɔ̃ nu vevi aɖewo le nudzɔdzɔ ma me. Eye eɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na nyɔnu siawo kple wo nɔviŋutsu, Lazaro, le esi wòyina ɖasrãa wo kpɔ le ɣebubuɣiwo la me. (Yoh. 12:1-3) Eya tae mewɔ nuku o be, esime Lazaro dze dɔ vevie la, Maria kple Marta nyae be yewoate ŋu ate ɖe Yesu ŋu ahabia eƒe kpekpeɖeŋu.—Yoh. 11:3, 5.

7. Mɔ siwo dzi míate ŋu ato ade dzi ƒo na nɔvinyɔnuwo la dometɔ ɖekae nye eka?

7 Le nɔvinyɔnu aɖewo gome la, kpekpeawo koŋ mee mɔnukpɔkpɔ sua wo si be woade ha kple wo nɔvi Kristotɔwo. Eya ta míedi be míawɔ ɣeyiɣi mawo ŋu dɔ atsɔ ado vivi ɖe mía nɔvinyɔnuawo ŋu, míaɖo dze kpli wo, eye míana woakpɔe be míetsɔ ɖe le eme na wo. Jordan si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be, “Edea dzi ƒo nam ŋutɔ ne nɔviawo kafum ɖe ale si meɖo nya ŋu le kpekpeawo me ta, ne wowɔ ɖoɖo be yewoayi gbeadzi kplim alo woto mɔ bubu aɖewo dzi ɖee fia be yewotsɔ ɖe le eme nam.” Ele be míana mía nɔvinyɔnuawo nakpɔe be wole vevie na mí. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Kia la gblɔ be, “Ne edzɔ be nyemete ŋu yi kpekpe o la, menyana be nɔviawo aɖo text message ɖem godoo ahabia nye fɔfɔme ta se. Esia nana mekpɔnɛ be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo tsɔ ɖe le eme nam.”

8. Mɔ bubu kawo nue míagate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua le?

8 Abe Yesu ene la, míate ŋu adi ɣeyiɣi ade ha kple mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo. Ðewohĩ míate ŋu akpe wo be woava ɖu nu kpli mí alo woava míaɖe modzaka. Ne míele ha dem kple nɔvinyɔnuwo la, anyo be míakpɔ egbɔ be míaƒe dzeɖoɖowo tua ame ɖo. (Rom. 1:11, 12) Ele be hamemetsitsiwo nasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua. Le kpɔɖeŋu me, Yesu nyae be trenɔnɔ ate ŋu asesẽ na ame aɖewo, gake ena eme kɔ ƒãa be, menye srɔ̃ɖeɖe loo alo vidzidzi gbɔe dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsona o. (Luka 11:27, 28) Ke boŋ, ne míena Yehowa subɔsubɔ nye nu vevitɔ na mí le agbe me la, emae ana míakpɔ dzidzɔ si nɔa anyi ɖaa.—Mat. 19:12.

9. Nu kae hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu?

9 Ehiã be hamemetsitsiwo koŋ nawɔ nu ɖe nyɔnu Kristotɔwo ŋu abe wo nɔvinyɔnuwo kple wo nɔwo ene. (1 Tim. 5:1, 2) Anyo be hamemetsitsiwo nadi ɣeyiɣi aɖo dze kple nɔvinyɔnuwo do ŋgɔ na kpekpeawo kple kpakpã vɔ megbe. Nɔvinyɔnu Kristen gblɔ be: “Hamemetsitsi aɖe de dzesii be vovo menɔa ŋunye kura o, eye edi be yeanya nu tso nye ɖoɖowo ŋu. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be etsɔ ɖe le eme nam.” Ne hamemetsitsiwo dia ɣeyiɣi ɖoa dze kple nɔvinyɔnuwo edziedzi la, wotoa esia me ɖenɛ fiana be yewotsɔ ɖe le eme na wo. * Nɔvinyɔnu Annette he susu yi mɔ aɖe si nu dzeɖoɖo kple hamemetsitsiwo ɖea vi le la dzi. Egblɔ be: “Esia wɔnɛ be meva nyaa wo nyuie eye woawo hã wo nyaam. Eye ne meva le dodokpɔ sesẽwo me tom la, enɔa bɔbɔe nam be mabia wo be woakpe ɖe ŋunye.”

DE ASIXƆXƆ MÍA NƆVINYƆNUWO ŊU

10. Nu kae ate ŋu ana be mía nɔvinyɔnuwo nanɔ dzidzɔ kpɔm?

10 Míeɖanye ŋutsu alo nyɔnu o, mí katã míekpɔa dzidzɔ ne amewo de asixɔxɔ mía ŋu eye wokpɔa ŋudzedze ɖe dɔ siwo míewɔna ŋu. Gake ne amewo medea asixɔxɔ mía ŋu o, eye womekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ siwo míewɔna ŋu o la, dzi ɖena le mía ƒo. Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Abigail la gblɔ be, ɣeaɖewoɣi la, yesena le ye ɖokui me be ame aɖeke metsɔ ɖeke le eme na ye o. Egblɔ be: “Ðeko wonyam ko be menye asimasi nɔvinyɔnu alo asimasi ƒe vinyɔnu. Ɣeaɖewoɣi la, mesena le ɖokuinye me be ame aɖeke menya be meli o.” Gake bu nya si nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Pam, si gakpɔtɔ nye tre, ya gblɔ ŋu kpɔ. Ewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe geɖe eye mlɔeba la, etrɔ yi wo de be yeaɖakpɔ ye dzilawo dzi. Pam xɔ ƒe 70 kple edzivɔ fifia, eye egakpɔtɔ le mɔɖeɖedɔa wɔm. Pam gblɔ be: “Ne amewo gblɔ nam be yewokpɔa ŋudzedze ɖe dɔ siwo wɔm mele ŋu la, esia kpena ɖe ŋunye ale gbegbe.”

11. Aleke Yesu de asixɔxɔ nyɔnu siwo nɔ eŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu?

11 Yesu de asixɔxɔ nyɔnu mawuvɔ̃la siwo ‘tsɔ woƒe nunɔamesiwo subɔe’ la ŋu. (Luka 8:1-3) Menye ɖeko wòɖe mɔ na wo be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ ma su wo si ko evɔ o, ke efia nyateƒenya vevi siwo ku ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu hã wo. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ na wo be amewo awu ye, eye emegbe Mawu afɔ ye ɖe tsitre. (Luka 24:5-8) Edzra nyɔnu mawo ɖo ɖe dodokpɔ si ava wo dzi la ŋu abe ale si wòdzra apostoloawo ɖo ene. (Marko 9:30-32; 10:32-34) Eye togbɔ be apostoloawo si esime wolé Yesu hã la, nyɔnu siwo subɔe la dometɔ aɖewo kpɔtɔ nɔ egbɔ esime wònɔ kukum le fuwɔametia ŋu.—Mat. 26:56; Marko 15:40, 41.

12. Dɔ kae Yesu de asi na nyɔnuwo?

12 Yesu de dɔ vevi aɖe asi na nyɔnuwo. Le kpɔɖeŋu me, esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, nyɔnu mawuvɔ̃lawoe nye ame gbãtɔ siwo kpɔe. Edɔ nyɔnu mawo be woaɖagblɔ na apostoloawo be wofɔ ye tso ame kukuwo dome. (Mat. 28:5, 9, 10) Eye le ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli ƒe Pentekostea dzi la, anɔ eme be nyɔnuwo nɔ eteƒe esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe nusrɔ̃lawo dzi. Ne nenemae la, anɔ eme be nyɔnu siawo siwo wosi ami na la hã xɔ nukunu nunana si nye gbegbɔgblɔ bubuwo dodo, eye woƒo nu tso “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” ŋu na ame bubuwo.—Dɔw. 1:14; 2:2-4, 11.

13. Dɔ kawo wɔm nɔvinyɔnu Kristotɔwo le egbea, eye aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ siwo wɔm wole la ŋu?

13 Mía nɔvinyɔnuwo dze na kafukafu ɖe dɔ siwo wɔm wole le Yehowa subɔsubɔ me la ta. Dɔ siwo wɔm wole la dometɔ aɖewoe nye xɔtudɔwo kple beléle na xɔwo, asikpekpe ɖe dutagbe ƒe ƒuƒoƒowo ŋu, kple wo ɖokuiwo tsɔtsɔna faa aɖakpe asi ɖe dɔ ŋu le Betel-ƒewo me. Wokpea asi ɖe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋu ne dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔ, wokpea asi ɖe gbegɔmeɖeɖedɔwo ŋu, eye wo dometɔ aɖewo nye mɔɖelawo kple dutanyanyuigblɔlawo. Abe nɔviŋutsuwo ene la, nɔvinyɔnuwo hã dea mɔɖelawo ƒe suku, Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku, kple Gilead sukua. Azɔ hã, srɔ̃nyɔnuwo kpea asi ɖe wo srɔ̃wo ŋu wokpɔa dɔ siwo katã kpɔ wo ŋkume le hamea me kple le habɔbɔa me la gbɔ. Nɔviŋutsu siawo siwo nye ‘nunanawo’ le hameawo me la, mate ŋu awɔ woƒe dɔwo bliboe wo srɔ̃wo ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o. (Ef. 4:8) Àte ŋu abu mɔ siwo dzi nàte ŋu ato akpe ɖe mía nɔvinyɔnu siawo ŋu le dɔ siwo wɔm wole me la ŋua?

14. Le nya siwo dze le Psalmo 68:11 nu la, nu kae hamemetsitsi siwo dze aɖaŋu la wɔna?

14 Hamemetsitsi siwo dze aɖaŋu la nyae be nɔvinyɔnuwo “de ha kpaŋ,” wole abe aʋakɔ gã aɖe ene, wonye dɔwɔla siwo tsɔa wo ɖokuiwo nana faa, eye zi geɖe la, woawo hã wonɔa nya nyui gbeƒãɖela bibiwo dome. (Xlẽ Psalmo 68:11.) Eya ta, hamemetsitsiwo ate ŋu adi mɔ siwo dzi woato asrɔ̃ nu tso nɔvinyɔnuwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo me. Abigail, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be, edzɔa dzi na ye ŋutɔ ne nɔviŋutsuwo te ɖe ye ŋu hebia ye be gbeƒãɖeɖemɔnu kawoe wɔa dɔ wu le yewoƒe anyigbamama me mahã. Egblɔ be, “Esia nana mekpɔnɛ be Yehowa na mele akpa vevi aɖe wɔm le eƒe habɔbɔa me.” Gakpe ɖe eŋu la, hamemetsitsiwo nyae be nɔvinyɔnu wɔnuteƒe siwo tsi le xɔse me la tea ŋu kpena ɖe nɔvinyɔnu sɔhɛ siwo le kuxiwo me tom la ŋu nyuie wu. (Tito 2:3-5) Eme kɔ ƒãa be, mía nɔvinyɔnuwo dze na míaƒe lɔlɔ̃ kple kafukafu!

ƲLI NƆVINYƆNUWO TA EYE KPE ÐE WO ŊU

15. Nɔnɔme kawo mee wòhiã le be míaʋli mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo ta le?

15 Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be ame aɖe naƒo nu ɖe mía nɔvinyɔnuwo nu ne wole nɔnɔme sesẽ aɖe me tom. (Yes. 1:17) Le kpɔɖeŋu me, ahiã be ame aɖe naƒo nu ɖe ahosi aɖe alo nɔvinyɔnu aɖe si ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ la nu ahakpe ɖe eŋu le nanewo siwo srɔ̃a wɔna nɛ tsã la me. Nɔvinyɔnu aɖe si nye ame tsitsi ate ŋu ahiã ame aɖe ƒe kpekpeɖeŋu be wòaƒo nu na ɖɔkta aɖe. Alo ahiã be ame aɖe naƒo nu ɖe nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si kpɔa gome le habɔbɔa ƒe dɔ bubuwo me la nu le esi nɔvi aɖewo le nya hem ɖe eŋu be megakpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me abe mɔɖela bubuawo ene o ta. Go bubu kawo me míagate ŋu akpe ɖe mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo ŋu le? Azɔ, na míagadzro Yesu ƒe kpɔɖeŋua me.

16. Aleke Yesu xɔ nya ɖe Maria nu abe ale si wòdze le Marko 14:3-9 ene?

16 Ne amewo mese nu gɔme na nyɔnu siwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o la, Yesu xɔa nya ɖe wo nu enumake. Le kpɔɖeŋu me, esi Marta he nya ɖe Maria ŋu la, Yesu xɔ nya ɖe Maria nu. (Luka 10:38-42) Yesu gaxɔ nya ɖe Maria nu ake esi amewo he nya ɖe eŋu be mewɔ nu le nunya me o ta. (Xlẽ Marko 14:3-9.) Yesu nya nu si ʋã Maria wòwɔ nu ma eye wòkafui hegblɔ be: “Dɔ nyui aɖee wòwɔ nam. . . . Ewɔ nu si wòate ŋui.” Egblɔ ɖi gɔ̃ hã be woaƒo nu tso dɔmenyonu si wòwɔ la ŋu le “afi sia afi si woaɖe gbeƒã nya nyui la le le xexe bliboa me,” abe ale si ko nyati sia le ewɔm fifia ene. Aleke gbegbee esia wɔ nuku ye nye esi! Togbɔ be amewo mese nu gɔme na Maria o hã, aleke gbegbee Yesu ƒe nya siawo anya de dzi ƒo nɛ ye nye esi!

17. Gblɔ nɔnɔme siwo me wòahiã be míaʋli nɔvinyɔnu aɖe ta la ƒe kpɔɖeŋu aɖe.

17 Ðe nèʋlia nɔviwònyɔnu Kristotɔwo ta le nɔnɔme siwo me wòhiã le la mea? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Gbeƒãɖela aɖewo kpɔe be, zi geɖe la, nɔvinyɔnu aɖe si srɔ̃a menye Ðasefo o la tsia megbe vaa kpekpeawo eye eya kee gadzona gbã ne kpekpeawo wu enu. Eye wode dzesii be ƒãa hafi wòkplɔa viawo vaa kpekpeawo. Eya ta, wonɔ nya hem ɖe eŋu; wosusu be menɔ agbagba dzem o, eye wosusu be ɖe wòle be wòasẽ ŋkume abia srɔ̃a be wòaɖe mɔ na ye yeakplɔ ɖeviawo ava kpekpeawo hafi. Ke hã, nyateƒea ye nye be, nɔvinyɔnua le nu sia nu si wòate ŋu awɔ la wɔm hafi. Mate ŋu awɔ nu sia nu le eɖokui si ko o; eye nenema kee menye eya ɖeɖee atso nya me le nu si ɖeviawo awɔ ŋu o. Ne èsee be nɔvi aɖewo le nya hem ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋu alea la, nu kae nàte ŋu awɔ? Ne ègblɔ agbagba siwo gbegbe dzem nɔvinyɔnua le na ame siwo le nya hem ɖe eŋu eye nèkafui ɖe eƒe agbagbadzedzeawo ta la, esia ate ŋu awɔe be woadzudzɔ nyahehe ɖe eŋu.

18. Mɔ bubu kawo nue míagate ŋu akpe ɖe mía nɔvinyɔnuwo ŋu le?

18 Míate ŋu ana mía nɔvinyɔnuwo nakpɔ ale si gbegbe míetsɔ ɖe le eme na wo ne míena kpekpeɖeŋu si wohiã la wo. (1 Yoh. 3:18) Nɔvinyɔnu Annette, si le nɔa si dze dɔ dzi kpɔm la gblɔ be: “Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo va kpea asi ɖe dɔ aɖewo ŋu nam, si wɔnɛ be mekpɔa gbɔdzɔe vie; ɣeaɖewoɣi hã, woƒlea nuɖuɖu vɛ nam. Esia na mekpɔe be wolɔ̃m eye mele vevie na hamea.” Nɔviwo na kpekpeɖeŋu nɔvinyɔnu Jordan hã. Nɔviŋutsu aɖe fia nanewoe tso ale si wòadzra eƒe ʋua ɖo ŋu. Jordan gblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo tsɔ ɖe le nye dedienɔnɔ me.”

19. Mɔ bubu kawo nue hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu le?

19 Hamemetsitsiwo hã dzea agbagba be yewoakpɔ nɔvinyɔnuwo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo. Wonyae be Yehowa di be woawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie. (Yak. 1:27) Eya ta, hamemetsitsiwo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋua, eye wosea nu gɔme na ame, womedea se kpaɖiiwo o, ke boŋ, wodzea agbagba ɖea dɔmenyonyo kple nugɔmesese fiana le afi si wòhiã le. (Mat. 15:22-28) Ne hamemetsitsiwo dze agbagba kpe ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu la, esia nana wosena le wo ɖokuiwo me be Yehowa kple eƒe habɔbɔa tsɔ ɖe le eme na yewo. Nɔvinyɔnu Kia gblɔ be, esi yewoƒe ƒuƒoƒoa dzi kpɔla see be yele ʋuʋum yina aƒe bubu aɖe me la, ewɔ ɖoɖo enumake be nɔviwo nakpe ɖe ye ŋu. Kia gblɔ be: “Esia ɖe nye dzimaɖitsitsiwo dzi kpɔtɔ ale gbegbe. Hamemetsitsiwo ƒe dzideƒonyawo kple kpekpeɖeŋu siwo wonam la na mekpɔe kɔtɛ be, mele vevie na hamea eye ena mekpɔe hã be, ne meɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me la, nɔviwo li akpe ɖe ŋunye.”

MÍA NƆVINYƆNU KRISTOTƆWO KATÃ HIÃ NA MÍAƑE KPEKPEÐEŊU

20-21. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo katã ŋu?

20 Ne míelé ŋku ɖe míaƒe hamewo me egbea, míekpɔnɛ be nyɔnu Kristotɔ geɖewo li siwo hiã na míaƒe kpekpeɖeŋu. Abe ale si míesrɔ̃e le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me ene la, míate ŋu akpe ɖe wo ŋu ne míekpɔ ɣeyiɣi ɖe wo ŋu eye míedze agbagba nya wo nyuie wu. Míate ŋu akafu wo ɖe nu siwo wɔm wole le Mawu subɔsubɔ me la ta. Eye ɣesiaɣi si wòhiã la, míate ŋu aƒo nu ɖe wo nu.

21 Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Romatɔwo ƒe nuwuwu la, eyɔ nyɔnu Kristotɔ asieke ƒe ŋkɔwo tẽe. (Rom. 16:1, 3, 6, 12, 13, 15) Ðikeke mele eme o be, esi nyɔnu mawo see be, Paulo do gbe ɖo ɖe yewo hekafu yewo la, esia de dzi ƒo na wo ŋutɔ. Mina míakpe ɖe nɔvinyɔnu siwo katã le míaƒe hamea me la ŋu nenema ke. Ne míewɔnɛ alea la, míele eɖem fia be míelɔ̃ wo vevie eye wowɔa akpa vevi aɖe le hamea me.

HADZIDZI 136 Àxɔ “Fetu Blibo” Tso Yehowa Gbɔ

^ mm. 5 Mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo le nɔnɔme sesẽ geɖe me tom. Le nyati sia me la, míakpɔ ale si míakpe ɖe mía nɔvinyɔnu Kristotɔwo ŋu le Yesu sɔsrɔ̃ me. Nyatia akpe ɖe mía ŋu hã be, míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua le ale si wòkpɔ vovo ɖe nyɔnuwo ŋu, ale si wòde asixɔxɔ wo ŋu, kple ale si wòʋli wo tae la me.

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 6 Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Nusrɔ̃lawo nɔa anyi ɖe woƒe nufialawo ƒe afɔnu. Wotoa esia me xɔa hehe be yewoava zu nufialawo—evɔ womeɖe mɔ na nyɔnuwo be woanye nufialawo o. Eya ta, awɔ nuku na Yuda ŋutsuwo be woakpɔe be Maria bɔbɔ nɔ Yesu ƒe afɔnu be yeasrɔ̃ nu tso egbɔ.”

^ mm. 9 Hamemetsitsiwo ɖɔa ŋu ɖo ne wole kpekpem ɖe nɔvinyɔnuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, mele be hamemetsitsi ɖeka nayi aɖasrã nɔvinyɔnu aɖe kpɔ o.

^ mm. 65 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA KPLE FOTOAWO ME: Le ale si Yesu tsɔ ɖe le eme na nyɔnu wɔnuteƒewo ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me la, nɔviŋutsu aɖe le kpekpem ɖe nɔvinyɔnu eve ŋu; ele woƒe ʋua ƒe taya ɖɔlim na wo, nɔviŋutsu aɖe hã yi ɖasrã nɔvinyɔnu tsitsi aɖe si tsi teƒe ɖeka la kpɔ, eye nɔviŋutsu bubu aɖe hã kple srɔ̃a le gome kpɔm le ƒometadedeagu me kple nɔvinyɔnu aɖe kpakple vianyɔnuvi.