Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 37

“Wò Alɔ Megadzudzɔ O”

“Wò Alɔ Megadzudzɔ O”

“Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye wò alɔ megadzudzɔ o va se ɖe fiẽ.”—NYAGB. 11:6.

HADZIDZI 68 Fiaɖuƒea Ƒe Nukuwo Wuwu

NYA VEVIAWO *

1-2. Aleke nya siwo dze le Nyagblɔla 11:6 la ku ɖe gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ŋu?

LE DUKƆ aɖewo me la, amewo xɔa nya nyuia nyuie eye wodina be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu. Wosena le wo ɖokui me be nu ma tututu dim yewole! Le dukɔ aɖewo hã me la, amewo medina be yewoanya nu tso Mawu alo Biblia ŋu o. Aleke ame akpa gãtɔ wɔa nu ɖe nya nyuia ŋu le afi si nèle? Aleke kee amewo ɖawɔa nui o, Yehowa di be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi va se ɖe esime yeagblɔ be dɔa wu enu.

2 Le Yehowa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, gbeƒãɖeɖedɔa awu enu, eye “nuwuwu la ava.” (Mat. 24:14, 36) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, aleke míate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si nye “wò alɔ megadzudzɔ o” * la dzi?—Xlẽ Nyagblɔla 11:6.

3. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

3 Nyati si do ŋgɔ na esia la dzro nu ene siwo wòhiã be míawɔ be míava zu ‘amewo ɖela’ siwo kpɔa dzidzedze la me. (Mat. 4:19) Nyati sia adzro mɔ vovovo etɔ̃ siwo dzi míate ŋu ato ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi kuxi ka kee míeɖado goe o la me. Míasrɔ̃ (1) nu si tae wòle vevie be míana gbeƒãɖeɖedɔa nanye nu vevitɔ na mí le agbe me, (2) nu si tae wòle vevie be míagbɔ dzi ɖi, eye (3) nu si tae wòle vevie be míado ŋusẽ míaƒe xɔse.

NA GBEƑÃÐEÐEDƆA NANYE NU VEVITƆ NA WÒ LE AGBE ME

4. Nu ka tae wòhiã be míana dɔ si Yehowa de asi na mí la nanye dɔ vevitɔ na mí le agbe me?

4 Yesu gblɔ nɔnɔme si amewo aɖe afia le ŋkeke mamlɛawo me kple nu siwo adzɔ le ŋkeke mawo me la ɖi. Enyae be nu mawo ate ŋu ahe ye yomedzelawo ƒe susu ɖa le gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Eya ta exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be, “minɔ ŋudzɔ.” (Mat. 24:42) Le Noa ƒe ŋkekea me la, nu geɖewo he amewo ƒe susu si wɔe be womeɖo to nuxlɔ̃amegbedeasi si Noa gblɔ na wo o. Nu mawo ke ate ŋu ahe míawo hã míaƒe susu egbea. (Mat. 24:37-39; 2 Pet. 2:5) Eya ta míedi be míana dɔ si Yehowa de asi na mí be míawɔ la nanye dɔ vevitɔ na mí le agbe me.

5. Keke afi ka kee Dɔwɔwɔwo 1:6-8 gblɔ be woaɖe gbeƒã nya nyuia ase ɖo?

5 Egbea, míedi vevie be gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia nanye dɔ vevitɔ na mí le agbe me. Yesu gblɔe ɖi be, gbeƒãɖeɖedɔ sia akeke ta, eye ye yomedzelawo ayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le yeƒe ku megbe eye woaɖe gbeƒã nya nyuia wu ye gɔ̃ hã. (Yoh. 14:12) Esime wowu Yesu la, eƒe nusrɔ̃la aɖewo trɔ yi woƒe tɔƒodededɔa dzi. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, ewɔ nukunu ale be eƒe nusrɔ̃la aɖewo ɖe lã gbogbo aɖe. Ewɔ mɔnukpɔkpɔ ma ŋu dɔ tsɔ te gbe ɖe edzi na wo be, dɔ si yede asi na wo be woanye amewo ɖela la le vevie wu dɔ bubu ɖe sia ɖe. (Yoh. 21:15-17) Do ŋgɔ teti hafi Yesu nayi dziƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ ɖaseɖiɖidɔa va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 1:6-8.) Ƒe geɖe megbe la, Yesu na apostolo Yohanes kpɔ ŋutega aɖe, eye le ŋutegaa me la, ena wòkpɔ nu siwo adzɔ le “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la me.” * Nu vovovo siwo wòkpɔ la dometɔ ɖekae nye nu wɔnuku sia: Ekpɔe be mawudɔlawo le mɔ fiam amewo wole gbeƒã ɖem “nya nyui mavɔ” na amewo le “dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple ame ɖe sia ɖe ƒomevi.” (Nyaɖ. 1:10; 14:6) Eme kɔ ƒãa be, Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be míayi edzi anɔ gome kpɔm le ɖaseɖiɖidɔ gã sia me va se ɖe esime dɔa nawu enu.

6. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míana gbeƒãɖeɖedɔa nanye dɔ vevitɔ na mí le agbe me?

6 Ne míeyia edzi dea ŋugble le nu siwo gbegbe wɔm Yehowa le tsɔ le kpekpem ɖe mía ŋu ŋu la, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míana gbeƒãɖeɖedɔa nyanye dɔ vevitɔ na mí le agbe me. Le kpɔɖeŋu me, enaa agbalẽ siwo wota kple esiwo le mɔ̃ dzi, esiwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi kple videowo kpakple internet nyakakadɔwɔƒe ƒe wɔna gbogbo aɖewo mí be woakpe ɖe mía ŋu be míaƒe xɔse nasẽ. Wò ya bu eŋu kpɔ, àkpɔ agbalẽwo le gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 sɔŋ me le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea! (Mat. 24:45-47) Egbea ame aɖewo le dunyaheha vovovowo me, ame aɖewo hã le subɔsubɔha vovovowo me, eye ame aɖewo nye kesinɔtɔwo evɔ ame aɖewo da ahe. Esiawo katã wɔe be, ɖekawɔwɔ aɖeke mele xexea me o. Ke hã, Mawu subɔla siwo wu miliɔn enyi la wɔ ɖeka le xexea me godoo le nɔviwo ƒe habɔbɔ ɖeka me. Le kpɔɖeŋu me, le Fiɖa April 19, 2019 dzi la, Ðasefo siwo le xexea me godoo la dzro ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me ɖekae. Le ŋkeke ma ƒe fiẽ me la, ame gbogbo siwo ƒe xexlẽme ye nye 20,919,041 la ƒo ƒu le xexea me godoo heɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi. Ne míebu mɔnukpɔkpɔ si wònye na mí be míawo hã míekpɔ nudzɔdzɔ wɔnuku ma teƒe hekpɔ gome le eme ŋu la, esia ʋãa mí be míayi edzi ado vevie Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa.

Yesu meɖe mɔ be naneke nahe eƒe susu be wòagaɖi ɖase tso nyateƒea ŋu o (Kpɔ memama 7 lia)

7. Aleke kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi na mí la kpena ɖe mía ŋu be míana gbeƒãɖeɖedɔa nanye dɔ vevitɔ na mí le agbe me?

7 Mɔ bubu si dzi míate ŋu ato ana gbeƒãɖeɖedɔa nanye dɔ vevitɔ na mí le agbe me ye nye be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua. Meɖe mɔ be naneke nahe eƒe susu be wòagaɖi ɖase tso nyateƒea ŋu o. (Yoh. 18:37) Yesu meɖe mɔ Satana blee esi wòtsɔ “xexemefiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” ɖo eŋkume o, nenema kee esi amewo di be yewoaɖoe fia la, meɖe mɔ esia dzroe kura o. (Mat. 4:8, 9; Yoh. 6:15) Yesu meti ŋutilãme kesinɔnuwo yome o, nenema kee tsitretsiɖeŋulawo ƒe ŋɔdzidodowo meɖe dzi le eƒo o. (Luka 9:58; Yoh. 8:59) Ne xɔse ƒe dodokpɔwo va mía dzi la, míate ŋu ayi edzi alé fɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ne míeɖo ŋku aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na mí la dzi. Ede dzi ƒo na ehati Kristotɔwo be woasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua ale be ‘ɖeɖi nagate wo ŋu woana ta o’!—Heb. 12:3.

NU SI TAE DZIGBƆÐI LE VEVIE

8. Nu kae wòfia be ame nagbɔ dzi ɖi, eye nu ka tae esia le vevie fifia?

8 Nu si wòfia be ame nagbɔ dzi ɖi ye nye be wòalala va se ɖe esime nɔnɔme aɖe trɔ. Eɖanye be míele mɔ kpɔm be nɔnɔme madeamedzi aɖe nava trɔ loo alo míele mɔ kpɔm na nu nyui aɖe ɣeyiɣi didi aɖee nye esia o, ehiã be míagbɔ dzi ɖi. Le kpɔɖeŋu me, nyagblɔɖila Habakuk di vevie be ŋutasesẽ nu nayi le Yuda. (Hab. 1:2) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nɔ mɔ kpɔm be Fiaɖuƒea ‘nado enumake’ ale be yewoavo tso Romatɔwo ƒe teteɖeanyi me. (Luka 19:11) Míawo hã míele mɔ kpɔm vevie be Mawu Fiaɖuƒea nava ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa, eye wòahe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la vɛ. (2 Pet. 3:13) Ke hã, ehiã be míagbɔ dzi ɖi ahalala va se ɖe esime Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia nava. Bu mɔ siwo nu Yehowa fiaa dzigbɔɖi mí le la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

9. Kpɔɖeŋu kawoe ɖee fia be Yehowa gbɔa dzi ɖi?

9 Yehowa ye ɖo dzigbɔɖi ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi na mí. Ena ɣeyiɣi geɖe Noa wòtsɔ kpa aɖakaʋua, eye be wòasubɔ abe “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” ene. (2 Pet. 2:5; 1 Pet. 3:20) Esime Abraham nɔ nya geɖewo biam Yehowa ku ɖe nyametsotso si Yehowa wɔ be yeatsrɔ̃ Sodom kple Gomora ŋu la, Yehowa ɖo to Abraham dzigbɔɖitɔe. (1 Mose 18:20-33) Yehowa ɖe dzigbɔɖi ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe fia le ale si wòwɔ nu kple Israel-dukɔ mawɔnuteƒea ƒe alafa geɖe la me. (Neh. 9:30, 31) Egbea, míate ŋu akpɔe be Yehowa gbɔa dzi ɖi, elabena ena ɣeyiɣi geɖe ame siwo katã wòdi be woava nye ye xɔlɔ̃wo la be “woatrɔ dzi me.” (2 Pet. 3:9; Yoh. 6:44; 1 Tim. 2:3, 4) Dzigbɔɖi ƒe kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo ɖi na mí la nye susu nyui si tae wòle be míayi edzi agbɔ dzi ɖi ne míele gbeƒã ɖem hele nu fiam amewo. Azɔ hã, efia ale si míagbɔ dzi ɖi la mí le kpɔɖeŋu aɖe si le eƒe Nya, Biblia, me la me.

Ale si agbledela dɔ sesẽ wɔla lalana be yeƒe nukuwo nawɔ nyuie la, ele be míawo hã míalala be nu nyuiwo nado tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me (Kpɔ memama 10-11 lia)

10. Nu kae agbledela ƒe kpɔɖeŋu si dze le Yakobo 5:7, 8 la fia mí?

10 Xlẽ Yakobo 5:7, 8. Kpɔɖeŋu si ku ɖe ale si agbledela ƒãa nuku eye wòlalana dzigbɔɖitɔe la fia ale si míagbɔ dzi ɖii la mí. Enye nyateƒe be, nuku aɖewo tsina kabakaba. Ke hã, wo dometɔ geɖe, vevietɔ esiwo tsea ku la, xɔa ɣeyiɣi geɖe hafi tsina. Le blema Israel la, nuƒãɣi va de asi na nuŋeɣi xɔa abe ɣleti ade sɔŋ ene. Agbledelaa ƒãa eƒe nukuwo ne adatsi nya te dzadza ko, eye exaa nukuwo le kele me. (Marko 4:28) Eya ta anyo ŋutɔ be míayi edzi asrɔ̃ ale si agbledela gbɔa dzi ɖii. Ke hã, esia menɔa bɔbɔe o.

11. Aleke dzigbɔɖi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me?

11 Zi geɖe la, amegbetɔ madeblibowo dina be yewoakpɔ viɖe tso yewoƒe dɔwo me enumake. Ke hã, ne míedi be míaƒã nu ɖe abɔ me eye wòawɔ nyuie la, ele be míalé be nɛ ɣesiaɣi. Esia bia be míadzobo anyigba, aƒã nukua, anɔ gbewo hom le eme eye míanɔ tsi demee. Nenema kee nusrɔ̃lawɔwɔdɔa hã bia kutrikuku geɖe. Le kpɔɖeŋu me, exɔa ɣeyiɣi hafi míetea ŋu kpena ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu wosrɔ̃a ale si woalɔ̃ ame ƒomevi ɖe sia ɖe. Ne míegbɔa dzi ɖi la, esia akpe ɖe mía ŋu be dzi maɖe le mía ƒo ne amewo meɖo to mí le gbeƒãɖeɖedɔa me o. Eye ne amewo lɔ̃ faa be yewoaɖo to nya nyuia gɔ̃ hã la, ehiã be míagbɔ dzi ɖi. Nya lae nye be mímate ŋu azi Biblia-nusrɔ̃vi aɖeke dzi be wòatsi le xɔse me o. Esesẽ na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi be woase nu siwo fiam wòle wo la gɔme. (Yoh. 14:9) Mina míaɖo ŋku edzi be, míate ŋu aɖe gbeƒã eye míafia nu amewo, gake Mawue akpe ɖe wo ŋu be woatsi le xɔse me.—1 Kor. 3:6.

12. Aleke míate ŋu aɖe dzigbɔɖi afia ne míele ɖase ɖim na míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o?

12 Ate ŋu asesẽ na mí be míagbɔ dzi ɖi ne míele ɖase ɖim na míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o. Ke hã, gɔmeɖose si dze le Nyagblɔla 3:1, 7 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. Afi ma gblɔ be: “Ðoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.” Míaƒe agbenɔnɔ nyui ate ŋu awɔe be míaƒe ƒometɔwo nadi be yewoase nya nyuia. Eye ele be míanɔ klalo ɣesiaɣi hã be míaƒo nu tso Yehowa ŋu na wo. (1 Pet. 3:1, 2) Ele eme be, ele be míatsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa ŋu ya, ke hã, ele be míagbɔ dzi ɖi na amewo katã, eye míaƒe ƒometɔwo hã le eme.

13-14. Kpɔɖeŋu nyui kae Mawu subɔla aɖewo ɖo ɖi na mí le ale si míagbɔ dzi ɖi gome?

13 Míate nu asrɔ̃ ale si míagbɔ dzi ɖi tso Mawu subɔla siwo nɔ anyi le Biblia-ŋlɔɣiwo kple Mawu subɔla siwo li egbea la gbɔ. Habakuk di vevie be ŋutasesẽ nu nayi, gake elala kpɔ Yehowa sinu. Egblɔ be: “Matsi tsitre ɖe nye gbetakpɔƒe la.” (Hab. 2:1) Nenema kee apostolo Paulo hã gblɔ be, yedi be ‘yeawu’ yeƒe subɔsubɔdɔa nu. Ke hã, eyi edzi ‘ɖi ɖase le nya nyui la ŋu tsitotsito’ dzigbɔɖitɔe.—Dɔw. 20:24.

14 Bu atsu kple asi aɖe siwo de Gilead sukua ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi wowu sukua nu la, wobia tso wo si be woaɖasubɔ le dukɔ aɖe si me Ðasefo ʋɛ aɖewo ko le eye ame akpa gãtɔ mexɔ Mawu dzi se o la me. Dukɔa me tɔ ʋɛ aɖewo koe tsɔ ɖe le Biblia me gbedeasia me. Ke hã, nɔvi siwo de Gilead sukua kpli wo siwo le subɔsubɔm le dukɔ bubuwo me la ɖoa nyatakaka nyuiwo ɖe wo ku ɖe ale si wole Biblia srɔ̃m kple ame geɖe kple ale si wole kpekpem ɖe ame geɖe ŋu wova le nyateƒea xɔm la ŋu. Togbɔ be ame akpa gãtɔ siwo le atsu kple asia ƒe anyigbamamaa me meɖoa to nya nyuia o hã la, woyi edzi ɖe gbeƒã dzigbɔɖitɔe. Le ƒe enyi megbe la, wokpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi woƒe Biblia-nusrɔ̃viwo dometɔ ɖeka wɔ ŋgɔyiyi hexɔ nyɔnyrɔ. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu siawo siwo Mawu subɔla siwo nɔ anyi le Biblia-ŋlɔɣi kple Mawu subɔla siwo li egbea la ɖo ɖi na mí la me? Mawu subɔla siawo yi edzi do vevie gbeƒãɖeɖedɔa, eye womena woƒe alɔwo dzudzɔ o, eye Yehowa yra wo ɖe woƒe dzigbɔɖia ta. Neva eme be, “[míanye] ame siwo to xɔse kple dzigbɔɖi me nyi ŋugbedodowo dome la srɔ̃lawo.”—Heb. 6:10-12.

YI EDZI NÀDO ŊUSẼ WÒ XƆSE

15. Mɔ siwo nu xɔse kpena ɖe mía ŋu míedoa ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míayi edzi aɖe gbeƒã la dometɔ ɖekae nye eka?

15 Míexɔ gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la dzi se, eya ta míedina vevie be míaɖe gbeƒã na ame geɖe ale si nu míate ŋui. Míeka ɖe ŋugbedodo siwo le Mawu ƒe Nyaa me la dzi. (Ps. 119:42; Yes. 40:8) Míekpɔ Biblia me nyagblɔɖi aɖewo me vava teƒe le míaƒe ŋkekea me. Míekpɔ ale si amewo ƒe agbe va nyo ɖe edzi esi wowɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Kpeɖodzi sia na míegaka ɖe edzi geɖe wu be ehiã be ame sia ame nase Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia.

16. Aleke Psalmo 46:1-3 kpe ɖe mía ŋu míese egɔme be ne míexɔ Yehowa kple Yesu dzi se la, ana míagaɖoe kplikpaa wu be míaɖe gbeƒã?

16 Azɔ hã, míexɔ Yehowa, Ame si gbɔ gbedeasi si míeɖea gbeƒãe, la tso la dzi se. Eye míexɔ Yesu, ame si Yehowa na ŋusẽ be wòanye Fiaɖuƒea ƒe Fia, la hã dzi se. (Yoh. 14:1) Nu ka kee ɖadzɔ ɖe mía dzi o, Yehowa ayi edzi anye míaƒe sitsoƒe kple míaƒe ŋusẽ ɖaa. (Xlẽ Psalmo 46:1-3.) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míeka ɖe edzi be Yesu yi edzi le ŋusẽ si Yehowa nɛ la zãm tsɔ le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔ sia tso dziƒo.—Mat. 28:18-20.

17. Nu ka tae wòle be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

17 Xɔse nana míegakana ɖe edzi geɖe wu be Yehowa ayra ɖe agbagba siwo míedzena le gbeƒãɖeɖedɔa me la dzi le mɔ siwo nu míesusu o gɔ̃ hã nu. (Nyagb. 11:6) Le kpɔɖeŋu me, gbe sia gbe la, ame akpe geɖewo kpɔa míaƒe agbalẽ siwo míeɖo ɖe kekeviwo kple kplɔ̃wo dzi. Ðe míele dzidzedze kpɔm le gbeƒãɖeɖemɔnu sia mea? Ɛ̃, míele dzidzedze kpɔm ŋutɔ! Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ November 2014 ƒe tata ƒo nu tso ɖetugbui aɖe si nye yunivɛsiti sukuvi, si di be yeaŋlɔ nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu, la ŋu. Ðetugbuia mete ŋu ke ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖeke ŋu o, ke hã, eva do go mía nɔviwo le suku kpoa dzi, siwo ɖo míaƒe agbalẽwo ɖe kplɔ̃ dzi le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me, eye eke ɖe nyatakaka siwo dim wòle be yeatsɔ aŋlɔ nu tso mía ŋu la hã ŋu. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ eye ezu gbesiagbe mɔɖela hã fifia. Nuteƒekpɔkpɔ mawo dea dzi ƒo na mí be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi, wona míekpɔnɛ be ame geɖe gakpɔtɔ le didim be yewoase Fiaɖuƒegbedeasia.

DOE KPLIKPAA BE YEMANA YEƑE ALƆWO NADZUDZƆ O

18. Nu ka tae míeka ɖe edzi be míawu Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nu abe ale si Yehowa dii ene?

18 Míate ŋu aka ɖe edzi be míawu Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nu ɖe ɣeyiɣi dzi. Bu nu si dzɔ le Noa ƒe ŋkekea me ŋu kpɔ. Yehowa ɖee fia be yenye ame si wɔa nu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi ɣesiaɣi. Hafi Tsiɖɔɖɔa nava la, Yehowa ɖo ɣeyiɣi si tututu dzi Tsiɖɔɖɔa ava la ɖi ƒe 120 aɖewo do ŋgɔ. Ƒe aɖewo megbe la, Yehowa de dɔ asi na Noa be wòakpa aɖakaʋua. Anɔ abe ƒe 40 alo 50 aɖewo ene do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, Noa yi edzi nɔ dɔ si wode esi la wɔm vevie. Togbɔ be amewo gbe be yewomaɖo toe o gɔ̃ hã la, eyi edzi ɖe gbeƒã nuxlɔ̃ame gbedeasia va se ɖe esime Yehowa gblɔ nɛ be ɣeyiɣia de be wòakplɔ lãwo ayi aɖakaʋua me. Eyome le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖo ɖi dzi tututu la, Yehowa “do ʋɔa.”—1 Mose 6:3; 7:1, 2, 16.

19. Ne mímena míaƒe alɔwo dzudzɔ o la, yayra kawoe ate ŋu ava su mía si?

19 Madidi o, Yehowa ana míanya be dɔ si ye de mía si be míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la wu enu. Eyome, atsrɔ̃ Satana ƒe xexea eye wòana xexe yeye si me ame siwo ɖoa to eyama sɔŋ anɔ la ava. Hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míasrɔ̃ Noa, Habakuk, kple mawuvɔ̃la bubu siwo mena woƒe alɔwo dzudzɔ o la ƒe kpɔɖeŋua. Mina míayi edzi ana gbeƒãɖeɖedɔa nanye dɔ vevitɔ na mí le míaƒe agbe me, míasrɔ̃ dzigbɔɖi, eye míado ŋusẽ míaƒe xɔse ahanɔ mɔ kpɔm na Yehowa ƒe ŋugbedodowo.

HADZIDZI 75 “Nyee Nye Esi, Dɔm!”

^ mm. 5 Nyati si do ŋgɔ na esia la de dzi ƒo na Biblia-nusrɔ̃vi siwo wɔ tɔtrɔwo le woƒe agbe me la be woaxɔ Yesu ƒe amekpekpe si nye be woava zu amewo ɖela la. Le nyati sia me la, míadzro mɔ vovovo etɔ̃ siwo ate ŋu akpe ɖe gbeƒãɖelawo katã ŋu be woado ŋusẽ tame si woɖo kplikpaa be yewoayi Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi va se ɖe esime Yehowa nagblɔ be dɔa wu enu la me. Esia aɖe vi na gbeƒãɖela yeyewo kple gbeƒãɖela siwo kpɔ nuteƒe la siaa.

^ mm. 2 NYAMEÐEÐE: Le nyati sia me la, nyagbɔgblɔ si nye “wò alɔ megadzudzɔ o” la fia ale si wòhiã be míaɖoe kplikpaa ayi nya nyui gbeƒãɖeɖedɔa dzi va se ɖe esime Yehowa nagblɔ be dɔa wu enu.

^ mm. 5 “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la” dze egɔme esime woɖo Yesu Fia le ƒe 1914 me, eye ayi edzi va de asi na eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu.