Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 38

Wɔ Nu Le Nunya Me Le Ŋutifafaɣi

Wɔ Nu Le Nunya Me Le Ŋutifafaɣi

“Anyigba la kpɔ tomefafa, eye womeho aʋa aɖeke ɖe eŋu le ƒe siawo me o, elabena Yehowa na wòkpɔ gbɔdzɔe.”—2 KRON. 14:6.

HADZIDZI 60 Míagblɔ Agbenya La

NYA VEVIAWO *

1. Ɣekaɣiwoe wòate ŋu asesẽ na mí be míasubɔ Yehowa?

ƔEKAƔIWOE nèsusu be ate ŋu asesẽ na wò wu be nàsubɔ Yehowa—ɣeyiɣi siwo me nèle kuxi sesẽwo me tom ye loo alo ɣeyiɣi siwo me nuwo le edzi yim nyuie le wò agbe me yea? Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Gake aleke míewɔa nui ne nuwo le edzi yim na mí nyuie? Ðe wòtea ŋu dzɔna ɣeaɖewoɣi be míeŋlɔa Mawu bea? Nu sia tututu ŋue Yehowa xlɔ̃ nu Israel-viwo tso.—5 Mose 6:10-12.

Fia Asa wɔ nu dzinɔameƒotɔe heɖe alakpasubɔsubɔ ɖa (Kpɔ memama 2 lia) *

2. Kpɔɖeŋu nyui kae Fia Asa ɖo ɖi na mí?

2 Fia Asa ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ŋutɔ ɖi na mí, elabena ewɔ nu le nunya me heɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Menye xaxaɣiwo me ko wòsubɔ Yehowa le o, ke esubɔe le tomefafaɣiwo hã. “Asa ƒe dzi ku ɖe Yehowa ŋu bliboe” tso gɔmedzedzea me ke. (1 Fia. 15:14) Mɔ aɖe si dzi Asa to ɖee fia be yesubɔa Yehowa kple dzi blibo ye nye esime wòɖe alakpasubɔsubɔ ɖa keŋkeŋ le Yuda. Biblia gblɔ be, “eɖe vɔsamlekpui tutɔwo kple nuxeƒewo ɖa, egbã trɔ̃sɔtiwo, eye wòlã Asera-tiwo.” (2 Kron. 14:3, 5) Eɖe mamaa Maaka gɔ̃ hã ɖa be wòaganye nyɔnufia le fiaɖuƒea me azɔ o. Nu ka tae? Nu si tae nye be, Maaka de dzi ƒo na amewo be woasubɔ legba.—1 Fia. 15:11-13.

3. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

3 Menye ɖeko Asa ɖe alakpasubɔsubɔ ɖa keŋkeŋ ko evɔ o, ke edo subɔsubɔ dzadzɛa hã ɖe ŋgɔ esi wòkpe ɖe Yuda fiaɖuƒea me nɔlawo ŋu wogatrɔ ɖe Yehowa ŋu ake. Esia ta Yehowa yra Asa kple Israel-viawo eye wokpɔ tomefafa. * “Anyigba la kpɔ tomefafa” ƒe ewo sɔŋ le Asa ƒe dziɖuɣi. (2 Kron. 14:1, 4, 6) Le nyati sia me la, míadzro ale si Asa wɔ tomefafaɣi ma ŋu dɔe la me. Eyome, míadzro kpɔɖeŋu nyui si Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ɖo ɖi na mí la me. Woawo hã wowɔ tomefafaɣi si su wo si la ŋu dɔ nyuie, abe ale si Asa wɔe ene. Eye mlɔeba la, míakpɔ ŋuɖoɖo na biabia sia: Ne èle dukɔ aɖe si me dziɖuɖua ɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woasubɔ le ablɔɖe me la me la, aleke nàte ŋu awɔ tomefafaɣi ma ŋu dɔ le nunya me?

ALE SI ASA WƆ TOMEFAFAƔI SI SU ESI LA ŊU DƆE

4. Le 2 Kronika 14:2, 6, 7 ƒe nya nu la, aleke Asa wɔ tomefafaɣi aɖe si su esi la ŋu dɔe?

4 Xlẽ 2 Kronika 14:2, 6, 7. Asa gblɔ na dukɔa be, Yehowa ye ‘na gbɔdzɔe yewo godoo va kpe.’ Asa mebui be dziɖeɖi ƒe ɣeyiɣi koe tomefafaɣi sia nye o. Ke boŋ, ezã ɣeyiɣi ma tsɔ tso duwo, ɖo gliwo, tu xɔ tsralawo hede agbowo wo nu. Egblɔ na Yuda nɔlawo be: “Anyigba la ŋu vo na mí.” Nu kae wòwɔnɛ? Nu si wòwɔnɛ ye nye be dukɔa me tɔwo ate ŋu atsa le anyigba si Mawu na wo la dzi le ablɔɖe me, eye woawɔ xɔtudɔwo futɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu manɔmee. Eya ta ede dzi ƒo na dukɔa be woawɔ tomefafaɣi sia ŋu dɔ nyuie.

5. Nu ka tae Asa do ŋusẽ eƒe aʋakɔa hena hehe wo be woanɔ klalo na aʋawɔwɔ?

5 Azɔ hã, Asa wɔ tomefafaɣia ŋu dɔ tsɔ do ŋusẽ eƒe aʋakɔa hena hehe wo be woanɔ klalo na aʋawɔwɔ. (2 Kron. 14:8) Ðe ema fia be meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu oa? Ao. Ke boŋ, Asa nyae be esi wònye be yee nye fia ta la, yeƒe dɔe wònye be yeadzra dukɔa ɖo be woate ŋu akpe akɔ kple xaxa si woava do go le etsɔme. Asa nyae be tomefafaɣi si su dukɔa si la manɔ anyi ɖaa o, eye nenemae wòva dzɔ hã.

ALE SI KRISTOTƆ SIWO NƆ ANYI LE ƑE ALAFA GBÃTƆ ME LA WƆ ŊUTIFAFAƔI AÐE SI SU WO SI LA ŊU DƆ

6. Aleke Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔ ŋutifafaɣi aɖe si su wo si la ŋu dɔe?

6 Togbɔ be woti Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔwo me la yome enuenu hã la, wokpɔ ŋutifafaɣi aɖewo hã. Aleke Kristo ƒe nusrɔ̃lawo wɔ tomefafaɣi mawo ŋu dɔe? Ŋutsu kple nyɔnu xɔsetɔ mawo wɔ mɔnukpɔkpɔ mawo ŋu dɔ tsɔ ɖe gbeƒã nya nyuia madzudzɔmadzudzɔe. Nuŋlɔɖi si dze le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la gblɔ be “woyi edzi zɔ le Yehowa vɔvɔ̃ me.” Woyi edzi nɔ gbeƒã ɖem nya nyuia, eye esia wɔe be “wonɔ dzidzim ɖe edzi.” Esia fia be Yehowa yra ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔ dzonɔamemetɔe le ŋutifafaɣi mawo me la dzi.—Dɔw. 9:26-31.

7-8. Nu kae Paulo kple ame bubuwo wɔ esi mɔnukpɔkpɔa su wo si? Ðe eme.

7 Nusrɔ̃la siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ kaka nya nyuia. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye be, esime apostolo Paulo nɔ Efeso eye wòkpɔe be yeate ŋu aɖe gbeƒã na ame geɖe le afi ma la, eyi edzi nɔ afi ma eye wòwɔ nusrɔ̃la geɖewo le dugã ma me.—1 Kor. 16:8, 9.

8 Mɔnukpɔkpɔ bubu gasu Paulo ŋutɔ kple Kristotɔ bubuwo hã si esime wokpɔ aʋatsotso ƒe nyaa gbɔ le ƒe 49 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me. (Dɔw. 15:23-29) Esi wotsɔ apostoloawo ƒe nyametsotsoawo yi na hameawo vɔ la, nusrɔ̃lawo ku kutri vevie kaka “Yehowa ƒe nya la ŋuti nya nyui la.” (Dɔw. 15:30-35) Nu kae do tso eme? Biblia gblɔ be “hameawo ƒe xɔse nɔ ŋu sẽm ɖe edzi, eye woƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi gbe sia gbe.”—Dɔw. 16:4, 5.

ALE SI MÍAWƆ TOMEFAFAƔIWO ŊU DƆ EGBEA

9. Aleke nɔnɔmeawo le le dukɔ geɖe me egbea, eye nya kae míate ŋu abia mía ɖokuiwo?

9 Egbea, míetea ŋu ɖea gbeƒã le ablɔɖe me le dukɔ geɖe me. Ðe dukɔ aɖe si me dziɖuɖua ɖe mɔ na dukɔa me viwo be woasubɔ Mawu le ablɔɖe me la mee nèlea? Ne nenemae la, ekema bia ɖokuiwò be, ‘Aleke mele ablɔɖe sia ŋu dɔ wɔmee?’ Yehowa ƒe amewo le dzidzɔ kpɔm le ŋkeke mamlɛ siawo me ŋutɔ, elabena wole gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ gã si womewɔ le anyigba dzi kpɔ o la wɔm veviedodotɔe. (Marko 13:10) Nu geɖe ŋutɔ li míate ŋu awɔ le dɔ sia me.

Nɔvi siwo yi ɖasubɔ le dukɔ bubu me alo esiwo ɖe gbeƒã na amewo le gbe bubu me la, kpɔ yayra geɖe (Kpɔ memama 10-12 lia) *

10. Nu kae 2 Timoteo 4:2 de dzi ƒo na mí be míawɔ?

10 Aleke nàte ŋu awɔ tomefafaɣiwo ŋu dɔ nyuie? (Xlẽ 2 Timoteo 4:2.) Ðe manyo be nàgalé ŋku ɖe wò nɔnɔmeawo ŋu kpɔ nenye be wò ŋutɔ loo alo wò ƒometɔ aɖe ate ŋu awɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me oa? Ðewohĩ wò ŋutɔ loo alo wò ƒometɔ aɖe ate ŋu awɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔ̃ hã. Menye fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míaƒo kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo nu ƒu na mía ɖokui o, elabena nu mawo maɖe vi aɖeke le xaxa gã la me o.—Lod. 11:4; Mat. 6:31-33; 1 Yoh. 2:15-17.

11. Nu kae ame aɖewo wɔ te ŋu kpe ɖe ame geɖe ŋu wose nya nyuia?

11 Gbeƒãɖela geɖe le gbe bubu aɖe srɔ̃m ale be yewoate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Mawu ƒe habɔbɔa hã le asi kpem ɖe wo ŋu esi wokpɔ egbɔ be wole Biblia-srɔ̃gbalẽwo tam ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me fifia wu tsã. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2010 me la, míetaa míaƒe agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ 500 aɖewo me. Gake egbea, gbegbɔgblɔ siwo me míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo, odiowo kple videowo le la wu 1,000 sɔŋ!

12. Ne amewo se Fiaɖuƒegbedeasia le wo degbe me la, aleke wòɖea vi na woe? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.

12 Ne amewo se nu tso nyateƒe si tso Mawu ƒe Nyaa me ŋu le wo degbe me la, aleke esia wɔa dɔ ɖe wo dzi? Bu nɔvinyɔnu aɖe si de takpekpe gã aɖe si wowɔ le Memphis, Tennessee, le Amerika la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Wowɔ takpekpea le Kinyarwandagbe, si nye gbe si koŋ wodona le Rwanda, Kongo (Kinshasa), kple Uganda, la me. Esi takpekpea wu enu la, nɔvinyɔnua gblɔ be: “Esiae nye zi gbãtɔ si mete ŋu se nufiame siwo yi edzi le takpekpe aɖe me la gɔme nyuie tso esime meʋu yi Amerika ƒe 17 ye nye esia.” Eme kɔ ƒãa be, esi nɔvinyɔnu sia se takpekpea ƒe wɔnawo le wo degbe me la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Ne wò nɔnɔmeawo ɖe mɔ na wò la, ɖe nàte ŋu asrɔ̃ gbe bubu aɖe ale be nàte ŋu akpe ɖe ame aɖewo ŋu le miaƒe anyigbamama mea? Ðe ame aɖewo le miaƒe hamea ƒe anyigbamama me siwo alɔ̃ faa ase nya nyuia ne èɖe gbeƒã na wo le wo degbe mea? Wò kutrikuku ana nàkpɔ dzidzɔ geɖe.

13. Aleke mía nɔvi siwo le Russia la wɔ ŋutifafaɣi aɖe ŋu dɔe?

13 Menye mía nɔviwo katãe kpɔa ablɔɖe tea ŋu ɖea gbeƒã le dutoƒo o. Le dukɔ aɖewo me la, mía nɔviwo mate ŋu aɖe gbeƒã le ablɔɖe me o, elabena dziɖuɖua ɖo asi míaƒe dɔa dzi. Bu mía nɔvi siwo le Russia la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Dziɖuɖua ti wo yome ƒe geɖe, gake subɔsubɔ ƒe ablɔɖe va su wo si le se nu le March 1991 me. Ɣemaɣi la, Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo anɔ abe 16,000 ene le Russia. Ƒe blaeve megbe la, woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi wu gbeƒãɖela 160,000 sɔŋ! Eme kɔ ƒãa be, mía nɔviawo wɔ nu le nunya me esime mɔnukpɔkpɔa su wo si be woaɖe gbeƒã le ablɔɖe me. Ke hã, tomefafaɣi ma menɔ anyi eteƒe didi o. Gake togbɔ be nɔnɔmeawo va trɔ le dukɔ ma me hã la, dzo gakpɔtɔ le nɔviawo me ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Woyi edzi le woƒe ŋutete ɖe sia ɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me.

TOMEFAFAƔIA MANƆ ANYI ETEƑE NADIDI O

Esi Fia Asa do gbe ɖa tso dzi blibo me vɔ la, Yehowa kpe ɖe Yuda ŋu wòɖu futɔawo ƒe aʋakɔ gã nyadri la dzi (Kpɔ memama 14-15 lia)

14-15. Aleke Yehowa zã eƒe ŋusẽ tsɔ xɔ na Asa?

14 Le Asa ƒe ŋkekea me la, tomefafaɣi si su wo si la va wu enu mlɔeba. Aʋakɔ gã si me aʋawɔla miliɔn ɖeka le la tso Etiopia va ho aʋa ɖe wo ŋu. Aʋafia si ŋkɔe nye Zera la ka ɖe edzi be ye kple yeƒe aʋakɔa yewoaɖu Yudatɔwo dzi. Ke hã, Fia Asa ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, ke menye ɖe eƒe aʋawɔlawo ƒe agbɔsɔsɔme ŋu o. Asa do gbe ɖa gblɔ be: “Oo Yehowa, . . . mía Mawu, kpe ɖe mía ŋu, elabena ŋuwò míeɖo ŋu ɖo, eye wò ŋkɔ mee míeho ɖe ameha sia ŋu le.”—2 Kron. 14:11.

15 Togbɔ be Etiopiatɔwo ƒe asrafowo sɔ gbɔ wu Asa tɔwo zi gbɔ zi eve kloe hã la, Asa ɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ kple ŋutete si le esi be wòaxɔ na eƒe amewo la ŋu. Yehowa hã megblẽ wo ɖi o; ena woɖu Etiopiatɔwo dzi.—2 Kron. 14:8-13.

16. Aleke míewɔ nya be ŋutifafaɣi si me míele la manɔ anyi adidi o?

16 Togbɔ be míenya nu siwo ava dzɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi le etsɔme la tsitotsito o hã la, míenyae be ŋutifafaɣi si me míele fifia manɔ anyi eteƒe nadidi o. Yesu gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo me la, “dukɔwo katã alé fu” yeƒe nusrɔ̃lawo. (Mat. 24:9) Nenema kee apostolo Paulo hã gblɔe ɖi be “ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (2 Tim. 3:12) “Dzi le [Satana kum] vevie,” eye mímate ŋu asi le nu siwo eƒe dzikua agblẽ le mía ŋu la nu o.—Nyaɖ. 12:12.

17. Mɔ kawo nue woate ŋu ado míaƒe xɔse kpɔ le?

17 Eteƒe madidi o, dodokpɔwo ava mí katã dzi, si ado míaƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ. Ɛ̃, eteƒe madidi o, “xaxa gã si tɔgbi meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o la ava” xexe bliboa katã dzi. (Mat. 24:21) Ɣemaɣi la, míaƒe ƒometɔwo ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu, eye woate ŋu aɖo asi míaƒe dɔa dzi. (Mat. 10:35, 36) Abe Asa ene la, ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu ahakpɔ ye ta?

18. Le Hebritɔwo 10:38, 39 ƒe nya nu la, nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ dzadzraɖoɖi ne ŋutifafaɣi si me míele la va wu enu?

18 Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu fifia be xɔse sẽŋu nasu mía si be míate ŋu ado dzi le nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la me. Ele mɔ fiam “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la be wòana ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ be ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ mía ŋu le xɔse me. (Mat. 24:45) Gake ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ eƒe akpa dzi eye wòado ŋusẽ eƒe xɔse.—Xlẽ Hebritɔwo 10:38, 39.

19-20. Le 1 Kronika 28:9 ƒe nya nu la, nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo, eye nu ka tae wòle be míabia nya mawo?

19 Abe Fia Asa ene la, ehiã be míawo hã ‘míadi Yehowa.’ (2 Kron. 14:4; 15:1, 2) Míedze Yehowa didi gɔme esime míeva srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye míexɔ nyɔnyrɔ. Míewɔa nu sia nu si míate ŋui be míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa nasẽ ɖe edzi. Be míanya ale si gbegbe míelɔ̃ Yehowae la, míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Ðe medea hame ƒe kpekpewo edziedzia?’ Kpekpeawo doa ŋusẽ mí be míayi edzi asubɔ Yehowa, eye mía kple mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo míedea dzi ƒo na mía nɔewo le kpekpeawo me. (Mat. 11:28) Míate ŋu abia mía ɖokuiwo hã be, ‘Ðe mesrɔ̃a nu le ɖokuinye si edziedzia?’ Le kpɔɖeŋu me, ne ƒomee mienye la, ɖe mieɖo ɣeyiɣi ɖi hewɔa ƒometadedeagu kwasiɖa sia kwasiɖaa? Alo ne wò ɖeɖee li la, ɖe nèɖo ɣeyiɣi ɖi hesrɔ̃a nu le ɖokuiwò sia? Azɔ hã, ɖe nèwɔa wò ŋutete katã le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa mea?

20 Nu ka tae wòle be míabia nya mawo mía ɖokuiwo? Biblia gblɔ na mí be Yehowa dzroa míaƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo me, eya ta ele be míawo hã míawɔe nenema ke. (Xlẽ 1 Kronika 28:9.) Ne míekpɔe be ehiã be míawɔ tɔtrɔ aɖewo le míaƒe agbemetaɖodzinuwo, míaƒe agbenɔnɔ, alo míaƒe nuŋububu ŋu la, ele be míabia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ mawo. Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míado ŋusẽ míaƒe xɔse ɖe dodokpɔ siwo le ŋgɔ na mí la ŋu. Mègana naneke naxe mɔ na wò be nàgawɔ tomefafaɣi si su mía si fifia ŋu dɔ le nunya me o!

HADZIDZI 62 Ha Yeye La

^ mm. 5 Ðe nèle dukɔ aɖe si me àte ŋu asubɔ Yehowa le ablɔɖe me la mea? Ne nenemae la, aleke nèle ŋutifafaɣi sia ŋu dɔ wɔmee? Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si nàte ŋu asrɔ̃ Fia Asa si nɔ Yuda kple Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ƒe kpɔɖeŋuawo. Wowɔ ɣeyiɣi siwo me wonɔ tomefafa me la ŋu dɔ le nunya me.

^ mm. 3 NYAMEÐEÐE: “Tomefafa” alo “ŋutifafa” me nɔnɔ fia nu geɖe wu aʋamawɔmawɔ. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be tomefafa alo ŋutifafa la fia lãmesẽ nyui me nɔnɔ, dedienɔnɔ, kple nudzedziname hã.

^ mm. 57 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Fia Asa ɖe mamaa ɖa le ɖoƒe si wònɔ, elabena edo alakpasubɔsubɔ ɖe ŋgɔ. Ame siwo nɔ Asa ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe la dze eƒe kpɔɖeŋua yome eye wogbã legbawo.

^ mm. 59 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Atsu kple asi dovevienu aɖewo tso nya me be yewoanɔ agbe tsɛ ale be yewoate ŋu aɖasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le.