Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 35

De Asixɔxɔ Mía Nɔvi Tsitsi Wɔnuteƒewo Ŋu

De Asixɔxɔ Mía Nɔvi Tsitsi Wɔnuteƒewo Ŋu

“Ta ƒowɔ nye atsyɔ̃fiakuku.”—LOD. 16:31.

HADZIDZI 138 Ta Ƒowɔ Ƒe Atsyɔ̃

NYA VEVIAWO *

1-2. (a) Le Lododowo 16:31 ƒe nya nua, aleke wòle be míabu nɔvi tsitsi wɔnuteƒewoe? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

ABƆ aɖe le Arkansas, le Amerika, si me amewo vae ɖia tsa le. Àte ŋu akpɔ lotamekpe bɔbɔe le abɔ ma me. Gake esi wònye ɖeko lotamekpe mawo le anyigba eye wometrɔ asi le wo ŋu wole dzo dam o taa, ɖeko tsaɖila geɖe zɔa kpe xɔasi siawo dzi alo toa wo ŋu yina.

2 Le mɔ aɖe nua, mía nɔvi tsitsi wɔnuteƒewo le abe kpe xɔasi mawo ene. Mawu ƒe Nyaa tsɔ woƒe ta ƒowɔa sɔ kple fiakuku. (Xlẽ Lododowo 16:31; 20:29) Gake ate ŋu adzɔ bɔbɔe be míava nɔ asixɔxɔ dem wo ŋu o. Ke hã, ne míedea asixɔxɔ nɔvi tsitsiwo ŋua, esia aɖe vi na mí wu ŋutilãmenu ɖe sia ɖe si ate ŋu asu mía si. Le nyati sia mea, míadzro biabia vevi etɔ̃ me: Nu ka tae Yehowa dea asixɔxɔ nɔvi tsitsi wɔnuteƒewo ŋu? Akpa vevi kae wowɔna le Yehowa ƒe habɔbɔa me? Aleke míana woƒe nuteƒekpɔkpɔwo naɖe vi na mí?

NU SI TAE YEHOWA DEA ASIXƆXƆ NƆVI TSITSI WƆNUTEƑEWO ŊU

Nɔvi tsitsi wɔnuteƒewo xɔ asi na Yehowa Mawu kple hamea siaa (Kpɔ memama 3 lia)

3. Le Psalmo 92:12-15 ƒe nya nua, nu ka tae nɔvi tsitsi wɔnuteƒewo xɔ asi na Yehowa?

3 Mía nɔvi tsitsi wɔnuteƒewo xɔ asi na Yehowa Mawu ŋutɔ. Enya ame si wonye le dzi me, eye edea asixɔxɔ woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Edzɔa dzi nɛ ŋutɔ ne nɔvi tsitsiwo gblɔ nu siwo me woto le Yehowa subɔsubɔ me la na sɔhɛwo. (Hiob 12:12; Lod. 1:1-4) Azɔ hã, Yehowa dea asixɔxɔ woƒe dzidodo ŋu. (Mal. 3:16) Togbɔ be woto nɔnɔme sesẽwo me le agbe me hãa, woka ɖe Yehowa dzi bliboe, eye wogaxɔ mɔkpɔkpɔ si le wo si le etsɔme ŋu la dzi se wu tsã. Yehowa lɔ̃ nɔvi tsitsi wɔnuteƒe siawo vevie, elabe woyi edzi le gbeƒã ɖem eƒe ŋkɔa “le woƒe tsitsime gɔ̃ hã.”—Xlẽ Psalmo 92:12-15.

4. Nya kawoe ate ŋu afa akɔ na mía nɔvi tsitsiwo?

4 Ne ènye ame tsitsia, ka ɖe edzi be Yehowa ɖoa ŋku dɔ siwo nèwɔ va yi nɛa dzi. (Heb. 6:10) Èdo vevie gbeƒãɖeɖedɔa, eye esia doa dzidzɔ na Yehowa ŋutɔ. Eye togbɔ be èto nɔnɔme sesẽ gbãdzinamewo me hã, èdo dzi, eye nèyi edzi wɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame dzɔdzɔeawo dzi le wò agbenɔnɔ me. Azɔ hã, èwɔ dɔ veviwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me, eye èna hehe nɔvi bubuwo hã. Ɣesiaɣi si Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ tɔtrɔ aɖea, wò hã èdze agbagba be yeatrɔ ɖe eŋu. Ède dzi ƒo na nɔviwo eye nèkpe ɖe wo ŋu wowɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Yehowa lɔ̃ wò vevie ŋutɔ ɖe wò nuteƒewɔwɔ ta. Edo ŋugbe be ‘yemagblẽ ame siwo wɔa nuteƒe na ye la ɖi o’! (Ps. 37:28) Eye eka ɖe edzi na wò be: ‘Matsɔ wò va se ɖe wò wɔƒoɣi.’ (Yes. 46:4) Eya ta mègasusui be, esi wònye yetsi taa, wɔƒe gobii aɖeke megale ye si le Yehowa ƒe habɔbɔa me o. Wò wɔƒe li!

NƆVI TSITSIWO WƆA AKPA VEVI AÐE LE YEHOWA ƑE HABƆBƆA ME

5. Nya ka dzie wòle be nɔvi tsitsiwo naɖo ŋkui?

5 Nɔvi tsitsiwo wɔa akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Anɔ eme be ŋusẽ meganɔa wo ŋu abe tsã ene o. Gake esi wònye ami mevɔna le agalãgo me o taa, woƒe nuteƒekpɔkpɔwo ate ŋu aɖe vi na mí. Azɔ hã, abe ale si blema kple egbegbe kpɔɖeŋu siwo me míadzro fifia aɖee fia enea, Yehowa ate ŋu azã ame tsitsiwo le mɔ vovovowo nu le eƒe habɔbɔa me.

6-7. Gblɔ ale si Yehowa yra esubɔla tsitsi wɔnuteƒewo le blema ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

6 Míate ŋu akpɔ ame siwo wɔ nuteƒe na Yehowa va se ɖe woƒe tsitsime la ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Mose xɔ ƒe 80 esime Yehowa tiae wònye eƒe nyagblɔɖila kple Israel dukɔa kplɔla. Eye anɔ eme be, esime Daniel le eƒe ƒe 90-awo me hã, Yehowa kpɔtɔ zãe wònye eƒe nyagblɔɖila. Nenema kee apostolo Yohanes hã anya nɔ eƒe ƒe 90-awo me esime Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa.

7 Nuteƒewɔla bubu geɖe nɔ anyi le blema, gake Biblia meƒo nu tso wo ŋu fũu o, eye ɖewohĩ amewo menya nu tso wo ŋu ale o. Gake Yehowa ya nya wo, eye wòyra wo geɖe. Le kpɔɖeŋu me, nya ʋɛ aɖewo koe Biblia gblɔ tso Simeon, si nye “ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la” ŋu, gake Yehowa nya ame si wònye le dzi me, eye wòna mɔnukpɔkpɔe wòkpɔ Yesu, ɖevi sue la, eye wògblɔ nya ɖi ku ɖe Yesu kple Maria ŋu. (Luka 2:22, 25-35) Bu nyagblɔɖila Hana, si nye ahosi, hã ŋu kpɔ. Togbɔ be exɔ ƒe 84 hãa, eƒe “afɔ metsona le gbedoxɔa me gbeɖe o.” Esi medaa “kpekpeawo” ƒuna o taa, Yehowa yrae be eya hã kpɔ Yesu, ɖevi sue la, le gbedoxɔa me gbe ma gbe. Ðikeke mele eme o be, Yehowa de asixɔxɔ Simeon kple Hana ŋu ŋutɔ.—Luka 2:36-38.

Nɔvinyɔnu Didur, si le eƒe ƒe 80-awo me fifia, yi edzi le Yehowa subɔm (Kpɔ memama 8 lia)

8-9. Aleke nɔvinyɔnu ahosi aɖe yi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe?

8 Egbea hã, nɔvi tsitsi wɔnuteƒe geɖewo li, siwo ƒe kpɔɖeŋu míate ŋu asrɔ̃. Bu Nɔvinyɔnu Lois Didur ƒe nuteƒekpɔkpɔa ŋu kpɔ. Ƒe 21 pɛ ko wòxɔ esime woɖoe mɔɖela vevi le Canada. Eyome eya kple srɔ̃a, John, wowɔ dzikpɔla mɔzɔla ƒe dɔa ƒe aɖewo. Emegbe wova subɔ le Canada Alɔdzedɔwɔƒea ƒe 20 kple edzivɔ sɔŋ. Esime Lois xɔ ƒe 58 la, wokpe eya kple srɔ̃a be woava subɔ le Ukraine. Nu kae woawɔ? Ðe woagblɔ be yewotsi akpa be yewoaʋu avɛ subɔ le dukɔ bubu mea? Ao, ke boŋ wolɔ̃ yi, eye John va zu Ukraine Alɔdzekɔmitia me tɔ. Ƒe adre megbea, John ku; ke hã, Lois tiae be yeakpɔtɔ anɔ Ukraine. Fifia exɔ ƒe 81, eye eyi edzi le subɔsubɔm le Ukraine Alɔdzedɔwɔƒea, eye nɔviawo lɔ̃e vevie ŋutɔ.

9 Nublanuitɔea, ame aɖewo megadea bubu kple asixɔxɔ ahosiwo, abe Lois ene, ŋu abe ale si wodea asixɔxɔ wo ŋu esime wo srɔ̃ le agbe ene o. Ke hã, wokpɔtɔ xɔ asi na Yehowa ŋutɔ. Nɔvinyɔnu siwo kpe asi ɖe wo srɔ̃wo ŋu le Yehowa subɔsubɔ me ƒe geɖe va se ɖe esime wo srɔ̃ ku, eye woyi edzi le nuteƒe wɔm na Yehowa la xɔ asi nɛ ŋutɔ; mefena le wo ŋu kura o. (1 Tim. 5:3) Eye woƒe kpɔɖeŋu dea dzi ƒo na hamea me tɔwo katã.

10. Kpɔɖeŋu nyui kae Tony ɖo na mí?

10 Mía nɔvi tsitsi wɔnuteƒe siwo tsi aƒe me la hã xɔ asi na Yehowa kple hamea siaa. Le kpɔɖeŋu me, woxɔ Nɔviŋutsu Tony ɖe ame tsitsiwo dzi kpɔƒe aɖe le Amerika. Exɔ nyɔnyrɔ le Pennsylvania, le Amerika, le August 1942 me esime wòxɔ ƒe 20. Emegbe kpuiea, wolée de gaxɔ me ƒe eve kple afã le esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o ta. Eya kple srɔ̃a, Hilda, wodzi vi eve, siwo wohe le nyateƒea me. Tony wɔ dzikpɔla zimenɔla (si míeyɔna fifia be hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla) ƒe dɔa le hame vovovo etɔ̃ me ƒe geɖe, eye ewɔ nutome sue takpekpe dzi kpɔla ƒe dɔa hã ƒe geɖe. Eyina vae srɔ̃a Biblia kple amewo le gaxɔ me, eye wòwɔa hamea ƒe kpekpewo na wo. Fifia Tony xɔ ƒe 98; ke hã, eƒe alɔ medo agblɔ o. Dzo gakpɔtɔ le eme ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye wòle asi kpem ɖe hamea ŋu!

11. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ nɔvi tsitsi siwo tsi teƒe ɖeka ŋu?

11 Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ nɔvi tsitsi siwo tsi teƒe ɖeka ŋu? Ele be hamemetsitsiwo nakpe ɖe wo ŋu woade kpekpeawo kple gbeadzi ale si wòanya wɔe. Míate ŋu ayɔ wo le telefon alo video kadodo dzi abia woƒe fɔfɔme ta se. Ne míekpɔ nyuie oa, míate ŋu aŋlɔ nɔvi tsitsi siawo be bɔbɔe. Azɔ hã, esi dze mekafua eɖokui o ta, wo dometɔ aɖewo ate ŋu ahe ɖe megbe be yewoagblɔ yewoƒe nuteƒekpɔkpɔwo na mí. Gake ne míebia nya wo ŋuɖɔɖotɔe, eye míeɖo to nyuie woƒo nu tso ale si Yehowa yra wo le subɔsubɔdɔa me ŋu na mía, esia aɖe vi na mí ŋutɔ.

12. Ðe míate ŋu akpɔ nɔvi tsitsi wɔnuteƒewo le míaƒe hamea hã mea? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Míate ŋu akpɔ nɔvi tsitsi wɔnuteƒewo le míaƒe hamea hã me. Nɔvinyɔnu Harriette subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe le woƒe hamea me le New Jersey le Amerika. Ke hã, eʋu va nɔ vianyɔnu gbɔ le du bubu me. Nɔvi siwo le eƒe hame yeyea me te ɖe eŋu be yewoanyae nyuie wu, eye wokpɔe be nuteƒekpɔkpɔ geɖe su esi. Eƒo nu tso ale si wowɔa gbeƒãɖeɖedɔa esime wòxɔ nyateƒea teti le ƒe 1920-awo me ŋu na wo. Ɣemaɣia, esi wònye woate ŋu alé wo le vo me ade gaxɔ me taa, ɣesiaɣi si wòyina gbeadzia, etsɔa numeklɔti ɖe asi. Le nyateƒe mea, le ƒe 1933 mea, wolée de gaxɔ me kwasiɖa ɖeka zi gbɔ zi eve sɔŋ. Ɣemaɣi katãa, srɔ̃a si menye Ðasefo o kpe asi ɖe eŋu. Eya ta esi Harriette nɔ gaxɔ mea, srɔ̃a ye léa be na wo vi sue etɔ̃awo. Ðikeke mele eme o be ele be míade asixɔxɔ mía nɔvi tsitsi siwo wɔa nuteƒe abe Harriette ene ŋu!

13. Aleke akpa si nɔvi tsitsiwo wɔna le Yehowa ƒe habɔbɔa me ate ŋu aɖe vi na míi?

13 Mía nɔvi tsitsiwo wɔa akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Wokpɔ ale si Yehowa yra woawo ŋutɔwo kple eƒe habɔbɔa hã le mɔ vovovowo nu. Eye wosrɔ̃ nu tso woƒe vodadawo hã me. Bu wo be wonye “nunya ƒe vudo,” eye nàsrɔ̃ nu tso woƒe nuteƒekpɔkpɔwo me. (Lod. 18:4) Ne èdzea agbagba be yeanya wo nyuiea, àsrɔ̃ nu ɖeka eve aɖewo tso wo gbɔ, siwo ado ŋusẽ wò xɔse!

NA NƆVI TSITSIWO ƑE NUTEƑEKPƆKPƆWO NAÐE VI NA WÒ BLIBOE

Ale si ko hadede kple Eliya ɖe vi na Elisa la, nenema kee hadede kple mía nɔvi siwo le nuteƒe wɔm na Yehowa ƒe geɖe la ana woƒe nuteƒekpɔkpɔwo naɖe vi na mí (Kpɔ memama 14-15 lia)

14. Nu kae 5 Mose 32:7 de dzi ƒo na mí be míawɔ?

14 Lɔ̃ faa nàte ɖe nɔvi tsitsiwo ŋu nàɖo dze kpli wo. (Xlẽ 5 Mose 32:7.) Ðewohĩ womegatea ŋu kpɔa nu nyuie, ɖea abla, alo ƒoa nu eme kɔna o. Gake le ememea, wogatsɔa dzo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu, eye wowɔ “ŋkɔ nyui” le Yehowa gbɔ. (Nyagb. 7:1) Ðo ŋku edzi be Yehowa dea asixɔxɔ wo ŋu ŋutɔ, eye wò hã nàyi edzi ade asixɔxɔ wo ŋu. Srɔ̃ Elisa ƒe kpɔɖeŋua. Megblẽ Eliya ɖi gbeɖe o, ke boŋ eku ɖe eŋu va se ɖe esime woklã ɖa le wo nɔewo ŋu. Elisa gblɔ enuenu zi etɔ̃ be: “Nyemagblẽ wò ɖi o.”—2 Fia. 2:2, 4, 6.

15. Nya kawoe míate ŋu abia nɔvi tsitsiwo?

15 Tsɔ ɖe le eme na mía nɔvi tsitsiwo, eye nàbia nya wo ŋuɖɔɖotɔe. (Lod. 1:5; 20:5; 1 Tim. 5:1, 2) Àte ŋu abia wo be: “Hafi nàva zu Ðasefoa, nu kae na nèka ɖe edzi be yeke ɖe nyateƒea ŋu?” “Aleke nu siwo me nèto na nègava te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu?” “Nu kae kpe ɖe ŋuwò be nèyi edzi le Yehowa subɔm kple dzidzɔ?” (1 Tim. 6:6-8) Emegbe ɖo to nàse woƒe nuteƒekpɔkpɔwo.

16. Ne sɔhɛwo kple ame tsitsiwo ɖoa dze kple wo nɔewoa, vi kae wòaɖe na akpa evea siaa?

16 Ne sɔhɛwo ɖoa dze kple nɔvi tsitsiwoa, woatu wo nɔewo ɖo. (Rom. 1:12) Dzeɖoɖo ma ana sɔhɛawo nakpɔ ale si gbegbe Yehowa léa be na esubɔla wɔnuteƒewoe. Ana nɔvi tsitsiawo hã nase le wo ɖokuiwo me be sɔhɛwo dea asixɔxɔ yewo ŋu, eye dzi adzɔ wo woagblɔ ale si Yehowa yra woe la na wo.

17. Nu ka gbɔ wòtso be mía nɔvi tsitsiwo ganya kpɔna ɖe edzi esi ƒeawo va le yiyim?

17 Ne amegbetɔ le tsitsima, eƒe tugbedzedze alo ɖekadzedze nu yina vivivi. Gake le Yehowa subɔlawo gomea, zi ale si wole tsitsima, zi nenemae woganya kpɔna le eŋkume. (1 Tes. 1:2, 3) Nu ka tae? Elabe woɖea mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa fiaa mɔ wo, eye wotua nɔnɔme nyuiwo ɖo. Zi ale si míedzea agbagba be míaɖo dze kple mía nɔvi tsitsi malɔ̃nugbɔ siawo be míanya wo nyuie, asrɔ̃ nu tso wo gbɔ, eye míade asixɔxɔ wo ŋua, zi nenemae míava kpɔe be, wole vevie na hamea!

18. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Ne sɔhɛwo dea asixɔxɔ nɔvi tsitsiwo ŋua, enana hamea tsina ɖe edzi. Nenema kee ne nɔvi tsitsiwo hã dea asixɔxɔ sɔhɛwo ŋua, ana hamea nagatsi ɖe edzi. Le nyati si kplɔe ɖo mea, míakpɔ ale si nɔvi tsitsiwo ate ŋu aɖee afia be yewodea asixɔxɔ sɔhɛwo ŋu le hamea me.

HADZIDZI 144 Wò Ŋku Nenɔ Fetu La Dzi!

^ mm. 5 Yehowa dea asixɔxɔ nɔvi tsitsi siwo wɔa nuteƒe ŋu ŋutɔ. Nyati sia ade dzi ƒo na mí be míawo hã míade asixɔxɔ wo ŋu, eye akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míana woƒe nunya kple nuteƒekpɔkpɔ naɖe vi na mí bliboe. Azɔ hã, nyati sia ana nɔvi tsitsiwo naka ɖe edzi be yewole vevie le Yehowa ƒe habɔbɔa me.