Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 37

“Maʋuʋu Dukɔwo Katã”

“Maʋuʋu Dukɔwo Katã”

“Maʋuʋu dukɔwo katã, eye dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo ava.”—HAG. 2:7.

HADZIDZI 24 Miva Yehowa Ƒe To La Dzi

NYA VEVIAWO *

1-2. Nu kae nyagblɔɖila Hagai gblɔ ɖi be adzɔ le míaƒe ŋkekea me?

ESI anyigba ʋuʋu le Nepal le ƒe 2015 me la, ame siwo tsi agbea dometɔ ɖeka gblɔ be: “Kasia, fiasewo kple xɔwo te mumu.” Ame bubu gblɔ be: “Vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame . . . Ame geɖe gblɔ be exɔ abe miniti eve ko ene. Gake nye ya, ewɔ nam abe exɔ ɣeyiɣi didi aɖe ene.” Ne nu ɖivɔvɔ̃ sia tɔgbi dzɔ ɖe dziwò kpɔa, ɖewohĩ màŋlɔe be akpɔ gbeɖe o.

2 Ke hã, kpɔɖeŋu ƒe anyigbaʋuʋu aɖe le edzi yim fifi laa, gake menye le dugã alo dukɔ ɖeka aɖe me ko o. Yehowa le dukɔwo katã ʋuʋum, eye ele esia wɔm ƒe gbogbo aɖewoe nye esia. Nyagblɔɖila Hagai gblɔe ɖi be: “Elabena ale aʋakɔwo ƒe Yehowa gblɔe nye esi: ‘Egasusɔ zi ɖeka—eteƒe madidi o—maʋuʋu dziƒowo kple anyigba, atsiaƒu kple ƒuƒuiƒe.’”—Hag. 2:6.

3. Aleke dukɔwo ʋuʋu si ŋu nya Hagai gblɔ ɖi la to vovo na anyigbaʋuʋu ŋutɔŋutɔ?

3 Ne anyigba ʋuʋua, nuwo sɔŋ koe wògblẽna, gake nu nyuiwo ado tso kpɔɖeŋu ƒe anyigbaʋuʋu si ŋu Hagai ƒo nu tsoe ya me. Yehowa ŋutɔ gblɔ na mí be: “Maʋuʋu dukɔwo katã, eye dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo ava; eye matsɔ ŋutikɔkɔe ayɔ xɔ sia taŋ.” (Hag. 2:7) Nu kae nyagblɔɖi sia fia na ame siwo nɔ anyi le Hagai ƒe ɣeyiɣia me? Eye nu kae wòfia na míawo hã egbea? Míadzro biabia mawo me le nyati sia me. Azɔ hã, míakpɔ akpa si míawo hã míawɔ le dukɔwo ʋuʋu ƒe dɔa me egbea.

GBEDEASI SI DE DZI ƑO NA AMEWO LE HAGAI ƑE ŊKEKEA ME

4. Nu ka tae Yehowa ɖo nyagblɔɖila Hagai ɖe eƒe amewo?

4 Yehowa de dɔ vevi aɖe asi na nyagblɔɖila Hagai. Bu ale si nuwo nɔ na Mawu ƒe amewo ɣemaɣi ŋu kpɔ. Hagai anya nɔ aboyome siwo trɔ gbɔ tso Babilon le ƒe 537 D.Y. me la dome. Esi Yehowa subɔla wɔnuteƒe mawo va ɖo Yerusalem teti la, wodze gbedoxɔa tutu gɔme. (Ezra 3:8, 10) Ke hã, eteƒe medidi o, nutoa me tɔwo tsi tsitre ɖe wo ŋu vevie. Esia wɔe be dzi ɖe le wo ƒo wodzudzɔ dɔa. (Ezra 4:4; Hag. 1:1, 2) Eya ta le ƒe 520 D.Y. mea, Yehowa de dɔ asi na Hagai be wòade dzi ƒo na wo ale be dzo nagaɖo wo me woayi dɔa dzi awu enu. *Ezra 6:14, 15.

5. Nu ka tae Hagai ƒe gbedeasia anya de dzi ƒo na Mawu ƒe amewo ŋutɔ?

5 Hagai ƒe gbedeasia ƒe taɖodzinue nye be wòade dzi ƒo na Yudatɔ siwo ƒo dzi ɖe le la be woaxɔ Yehowa dzi se. Hagai de dzi ƒo na wo be: “‘Mi dukɔ la me tɔwo katã, mido ŋusẽ nu,’ Yehowa ye gblɔe, ‘eye miwɔ dɔ la. Elabena meli kpli mi,’ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.” (Hag. 2:4) Nyagbe “aʋakɔwo ƒe Yehowa,” anya de dzi ƒo na Yudatɔwo ŋutɔ. Eɖee fia be mawudɔlawo ƒe aʋakɔ gã nyadri aɖe le Yehowa si; eya ta, ele be woaka ɖe Yehowa dzi be akpe ɖe yewo ŋu yewoawɔ dɔa ade goe.

6. Ne Mawu ʋuʋu dukɔwo abe ale si wòdo ŋugbe na Yudatɔwo enea, nu kae ado tso eme?

6 Yehowa dɔ Hagai be wòagblɔ na Yudatɔwo be yeaʋuʋu dukɔwo katã. Nya sia de dzi ƒo na Yudatɔ siwo ƒo dzi ɖe le wodzudzɔ gbedoxɔa tutu la ŋutɔ. Ena wokpɔe be Yehowa aʋuʋu Persia Fiaɖuƒea, si nɔ xexea katã dzi ɖum ɣemaɣi. Nu kae ado tso esia me? Gbãa, awɔe be Mawu ƒe amewo nawu gbedoxɔa tutu nu. Eye evelia, awɔe be ame siwo menye Yudatɔwo o gɔ̃ hã nava wɔ ɖeka kpli wo woasubɔ Yehowa le gbedoxɔ si wogbugbɔ tu la me. Ðikeke mele eme o be gbedeasi ma de dzi ƒo na Mawu ƒe amewo!—Zak. 8:9.

DƆ SI DZI YEHOWA TO LE DUKƆWO KATÃ ƲUƲUM EGBEA

Ðe nèƒo ɖokuiwò ɖe dɔ vevi si dzi Yehowa to le dukɔwo katã ʋuʋum egbea la me bliboea? (Kpɔ memama 7-8 lia) *

7. Dɔ ka wɔm míele si le dukɔwo ʋuʋum egbea? Ðe eme.

7 Nu kae Hagai ƒe nyagblɔɖia fia na mí egbea? Yehowa gale dukɔwo katã ʋuʋum egbea hã, eye míele akpa aɖe wɔm le esia me. Bu nya sia ŋu kpɔ: Le ƒe 1914 mea, Yehowa ɖo Yesu Kristo zi dzi wòzu Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia. (Ps. 2:6) Esia medzɔ dzi na xexea me dziɖulawo kura o. Nudzɔdzɔ ma fia be “dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi”—si nye ɣeyiɣi siwo me ame aɖeke menɔ fia ɖum ɖe Yehowa teƒe tẽe o—la wu enu. (Luka 21:24) Esia ta tso keke ƒe 1919 mea, Yehowa ƒe amewo le gbeƒã ɖem na amewo be Mawu Fiaɖuƒea koe nye amegbetɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. Gbeƒãɖeɖe “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” sia ʋuʋu xexe bliboa.—Mat. 24:14.

8. Le ɖekawɔwɔ me kple Psalmo 2:1-3 la, aleke dukɔwo ƒe dziɖulawo wɔ nu ɖe Fiaɖuƒegbedeasia ŋui?

8 Aleke amewo wɔ nu ɖe gbedeasi sia ŋui? Medzɔ dzi na ame akpa gãtɔ o. (Xlẽ Psalmo 2:1-3.) Le nyateƒe mea, dukɔwo nyrã. Wogbe Dziɖula si Yehowa tia. Eye womekpɔnɛ be Fiaɖuƒegbedeasi si míeɖea gbeƒãe la nye “nya nyui” o. Dziɖuɖu aɖewo ɖo asi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi gɔ̃ hã! Eye togbɔ be dziɖula mawo dometɔ geɖe gblɔna be yewosubɔa Mawu hãa, womedi be yewoabɔbɔ ɖe Mawu ƒe Fia la te o. Dziɖula siwo li egbea la tia Yesu yomedzela wɔnuteƒewo yome abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene, eye esia ɖenɛ fiana be wotsi tsitre ɖe Yehowa ƒe Amesiamina ŋu.—Dɔw. 4:25-28.

9. Esi Fiaɖuƒegbedeasia na dukɔwo do dzikua, nu kae Yehowa wɔ?

9 Esi Fiaɖuƒegbedeasia na dukɔwo do dzikua, nu kae Yehowa wɔ? Psalmo 2:10-12 gblɔ be: “Eya ta mi fiawo, midze nunya; mi anyigbadziʋɔnudrɔ̃lawo, mina woaɖɔ mi ɖo. Mitsɔ vɔvɔ̃ subɔ Yehowa, eye mitsɔ mawuvɔvɔ̃ tso aseye. Mide bubu via ŋu, be Mawu nagado dɔmedzoe, ne miatsrɔ̃ ɖa le mɔ la dzi o, elabena eƒe dziku flana kaba. Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo katã sinɛ tsona.” Edze ƒãa be Yehowa na ɣeyiɣi wo dɔmenyotɔe be woatrɔ woƒe susu ava nɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi. Ke hã, ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ. Míele nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me. (2 Tim. 3:1; Yes. 61:2) Eya ta, ehiã fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be amewo nava nya Yehowa eye woatiae be yewoasubɔe.

NU NYUI SIWO LE DODOM TSO DUKƆWO ƲUƲU ƑE DƆA ME

10. Le Hagai 2:7-9 ƒe nya nua, nu nyui kae ado tso dukɔwo ʋuʋu ƒe dɔa me?

10 Dukɔwo ʋuʋu ƒe nya si Hagai gblɔ ɖi la le ŋusẽ nyui kpɔm ɖe ame aɖewo dzi egbea. Esia wɔe be “dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo,” alo dzinyuitɔwo, va le Yehowa subɔm. * (Xlẽ Hagai 2:7-9.) Yesaya kple Mika hã gblɔe ɖi be nu sia adzɔ “le ŋkeke mamlɛawo me.”—Yes. 2:2-4; Mik. 4:1, 2.

11. Aleke nɔviŋutsu aɖe wɔ nui esi wòse Fiaɖuƒegbedeasia zi gbãtɔ?

11 Bu ŋusẽ nyui si Fiaɖuƒegbedeasi si le xexe bliboa ʋuʋum la kpɔ ɖe Nɔviŋutsu Ken dzi ŋu kpɔ. Ken le subɔsubɔm le míaƒe dɔwɔƒegã fifia. Togbɔ be anye ƒe 40 ye nye esia tso esime wòse Fiaɖuƒegbedeasia zi gbãtɔ hã, egaɖoa ŋku ŋusẽ si wòkpɔ ɖe edzi ɣemaɣi la dzi nyuie. Egblɔ be: “Zi gbãtɔ si woɖe gbeƒã nam la, edzɔ dzi nam ŋutɔ be meva nyae be míele ŋkeke mamlɛawo me. Mekpɔe be hafi nye nu nate ŋu adze Yehowa ŋua, ele be manɔ eƒe akpa dzi, eye nyemaganye xexe sia si ɖo ta tsɔtsrɔ̃ me la ƒe akpa aɖeke o. Medo gbe ɖa na Yehowa, eye Yehowa kpe ɖe ŋunye medo le xexea me enumake va di bebeƒe le Mawu Fiaɖuƒea, si mate ŋu atsrɔ̃ gbeɖe o la me.”

12. Aleke Yehowa tsɔ ŋutikɔkɔe yɔ eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa fũu le ŋkeke mamlɛ siawo me?

12 Edze ƒãa be Yehowa le eƒe amewo yram. Ame gbogbo aɖewo va le Yehowa subɔm le ŋkeke mamlɛ siawo me. Le ƒe 1914 mea, ame akpe ʋɛ aɖewo koe nɔ nyateƒea me. Fifia míewu ame miliɔn enyi sɔŋ, eye ame miliɔn geɖe va wɔa ɖeka kpli mí ƒe sia ƒe le Ŋkuɖodzia. Esia wɔe be “dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo” va sɔ gbɔ ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi—si fia ɖoɖo si wòwɔ ɖe subɔsubɔ dzadzɛa ŋu—la me. Eye tɔtrɔ siwo ame siwo va le Yehowa subɔm la wɔna be yewoado amenyenye yeyea la hã hea ŋutikɔkɔe vanɛ na Yehowa ƒe ŋkɔa.—Ef. 4:22-24.

13. Ale si ame geɖe va le Yehowa subɔm la na nyagblɔɖi kawo le eme vam? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

13 Nudzɔdzɔ dodzidzɔname mawo na nyagblɔɖi bubu aɖewo hã va eme. Le kpɔɖeŋu me, Yesaya 60:22 gblɔ be: “Ame ʋɛwo azu akpe, eye ame suewo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa ŋutɔ, mado tsɔtsɔe le ewɔɣi.” Ale si ame geɖe va le Yehowa subɔm la wɔe be nu wɔnuku aɖe dzɔ. Dzinyuitɔ siawo, siwo nye dukɔwo ƒe “nu vevitɔwo” la, lɔ̃ faa le woƒe aɖaŋu kple ŋutetewo zãm tsɔ le asi kpem ɖe gbeƒãɖeɖe “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la ŋu. Esia wɔe be, woƒe aɖaŋu kple ŋutete mawo, siwo Yesaya yɔ be “dukɔwo ƒe notsi” la, le vi ɖem na Yehowa ƒe amewo. (Yes. 60:5, 16) Ɛ̃, ŋutsu kple nyɔnu xɔasi mawo le asi kpem ɖe eŋu be fifia, míele gbeƒã ɖem le dukɔ 240 me, eye míele míaƒe agbalẽwo gɔme ɖem ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 me.

FIFIAE NYE TIATIAWƆƔI

Mawu ƒe amewo tsɔ dzidzɔ le gbeƒã ɖem na amewo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu le xexea me godoo (Kpɔ memama 13 lia)

14. Tiatia kae dze ŋgɔ amewo fifia?

14 Gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele le nuwuɣi sia, si le dukɔwo katã ʋuʋum la, le mɔnukpɔkpɔ nam amewo be woawɔ tiatia vevi aɖe. Ehiã be woatso nya me be yewoava nɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi loo alo yewoaɖo ŋu ɖe xexea me dziɖuɖuwo ŋu. Togbɔ be Yehowa subɔlawo wɔna ɖe dukɔ siwo me wole ƒe sewo dzi hãa, womedea akpa aɖeke dzi le xexe sia ƒe dziɖuɖunyawo me o. (Rom. 13:1-7) Wonya be Fiaɖuƒea koe ate ŋu ava kpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ wòade eteƒe. Eye Fiaɖuƒe ma menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.—Yoh. 18:36, 37.

15. Aleke Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖee fia be woado Mawu ƒe amewo kpɔ?

15 Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖee fia be le ŋkeke mamlɛawo mea, woado Mawu ƒe amewo kpɔ be woayi edzi awɔ nuteƒe nɛ hã. Eya ta woati mía yome vevie. Xexemedziɖuɖuwo abia tso mía si be míava nɔ yewoƒe akpa dzi asubɔ yewo, eye woati ame sia ame si gbe la yome. (Nyaɖ. 13:12, 15) Woazi “amewo katã, ɖeviwo kple tsitsiawo, kesinɔtɔwo kple ame dahewo, ablɔɖemewo kple kluviwo dzi be woaxɔ dzesi ɖe woƒe nuɖusi alo woƒe ŋgonu.” (Nyaɖ. 13:16) Le blema, wodea dzesi kluviwo ale be amewo nate ŋu anya ame si tɔ wonye. Nenema kee ame siwo le míaƒe ŋkekea me la anɔ mɔ kpɔm be kpɔɖeŋudzesi nanɔ ame sia ame ƒe asi alo ŋgonu. Woaƒoe ɖe amewo katã nu be woƒe nuŋububu kple nuwɔna naɖee afia be wode dunyaheha aɖe dzi.

16. Nu ka tae wòhiã vevie be míalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa goŋgoŋ fifia?

16 Biabiae nye be, ɖe míaxɔ kpɔɖeŋudzesi ma ahade xexe sia me dunyaheha aɖe dzia? Ame siwo agbe be yewomaxɔ dzesia o la akpe fu, eye agbea asesẽ na wo. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa yi edzi gblɔ be: “Ame aɖeke [mate] ŋu aƒle nu alo adzra nu o, negbe ame si ŋu dzesi . . . le la ko.” (Nyaɖ. 13:17) Gake Mawu ƒe amewo ya nya nu si Nyaɖeɖefia 14:9, 10 gblɔ be ava dzɔ ɖe ame siwo xɔ dzesia dzi. Eya ta womalɔ̃ axɔ dzesi ma o. Ke boŋ woawɔ nu abe ɖe woŋlɔ ɖe woƒe asi ŋu be, wonye “Yehowa tɔ” ene. (Yes. 44:5) Fifiae wòhiã be míalé nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi goŋgoŋ. Esia ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ ɖe mía ŋu be míenye ye tɔ!

DUKƆWO ƲUƲU MAMLƐTƆ

17. Nu ka dzi wòhiã be míaɖo ŋkui le Yehowa ƒe dzigbɔɖi ŋu?

17 Yehowa gbɔ dzi ɖi na amewo ŋutɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me. Medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o. (2 Pet. 3:9) Ena mɔnukpɔkpɔ amewo katã be woatrɔ dzi me, eye woatiae be yewoasubɔ ye. Ke hã, Yehowa magbɔ dzi ɖi na wo ɖaa o. Ne womewɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu dɔ va subɔe o la, anɔ na wo abe ale si wònɔ na Farao le Mose ƒe ŋkekea me ene. Yehowa gblɔ na Farao be: “Mate ŋu ado nye asi ɖa atsɔ dɔvɔ̃ aƒo wò ŋutɔ kple wò dukɔ ale be nàtsrɔ̃ le anyigba la dzi xoxoxo hafi. Gake susu si tae mena nèle agbe ɖoe nye be, maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woaɖe gbeƒã nye ŋkɔ le anyigba blibo la dzi.” (2 Mose 9:15, 16) Mlɔeba dukɔwo katã ava dze sii be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka kolia. (Eze. 38:23) Aleke esia adzɔe?

18. (a) Nuwo ʋuʋu ka ŋue woƒo nu tsoe le Hagai 2:6, 20-22? (b) Aleke míewɔ nya be Hagai ƒe nyawo agava eme le etsɔme?

18 Ƒe alafa geɖe le Hagai ƒe ŋkekea megbea, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ be Hagai ƒe nya siwo dze le Hagai 2:6, 20-22 la agava eme le etsɔme. (Xlẽe.) Paulo ŋlɔ bena: “Azɔ edo ŋugbe be: ‘Egasusɔ zi ɖeka, eye menye anyigba ɖeɖe koe maʋuʋu o, ke dziƒo hãe.’ Ke nyagbɔgblɔ ‘egasusɔ zi ɖeka’ la fia nu siwo ʋuʋum wole—si nye nu siwo wowɔ—la ɖeɖe ɖa, ale be nu siwo womeʋuʋu o la natsi anyi.” (Heb. 12:26, 27) Nuwo ʋuʋu sia to vovo na esi ŋu woƒo nu tsoe le Hagai 2:7, elabena awɔe be ame siwo gbe Yehowa ƒe dziɖuɖu abe ale si Farao wɔe ene la natsrɔ̃ ɖikaa.

19. Nu kae womaʋuʋu o, eye aleke míewɔ nya?

19 Ke nu kae womaʋuʋu alo aɖe ɖa o? Paulo gagblɔ be: “Esi Fiaɖuƒe si womate ŋu aʋuʋu o lae míaxɔ ta la, mina míayi edzi ana eƒe amenuveve nanɔ mía dzi be míate ŋu awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu wòadze eŋu le mawuvɔvɔ̃ kple bubu deto me.” (Heb. 12:28) Ɛ̃, ne woʋuʋu nuwo zi mamlɛtɔ eye nu sia nu nu yi vɔa, Mawu Fiaɖuƒea ɖeɖe koe asusɔ, eye ali ke tegbee!—Ps. 110:5, 6; Dan. 2:44.

20. Tiatia kae dze ŋgɔ amewo fifia, eye aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu?

20 Eya ta, mele be míagblẽ ɣeyiɣi kura o! Ehiã kpata be amewo natia nu si woawɔ: Ehiã be woatso nya me ne woayi edzi anɔ agbe abe xexea ene, si akplɔ wo ayi tsɔtsrɔ̃ me loo alo woatso nya me be yewoatrɔ ɖe Mawu ŋu ahasubɔe, be woakpɔ agbe. (Heb. 12:25) Míetoa gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpena ɖe amewo ŋu be woatia nu si woawɔ le nya vevi sia me. Eya ta, mina míayi edzi akpe ɖe dzinyuitɔ geɖe ŋu be woava nɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi. Eye mía Aƒetɔ Yesu ƒe nya siawo nanɔ susu me na mí esime wògblɔ be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mat. 24:14.

HADZIDZI 40 Ame Ka Tɔe Míenye?

^ mm. 5 Le nyati sia mea, míakpɔ gɔmesese yeye si su mía si ku ɖe Hagai 2:7 ŋu. Azɔ hã , míakpɔ ale si míaƒo mía ɖo kui ɖe dɔ vevi si dzi Yehowa to le dukɔwo katã ʋuʋum la me bliboe. Eye míava srɔ̃e hã be, ame aɖewo wɔa nu ɖe dɔ sia ŋu nyuie eye woxɔa nyaa, gake ame aɖewo ya mewɔa nu ɖe eŋu nyuie o.

^ mm. 4 Míenyae be Xagai te ŋu wɔ dɔ si Yehowa de esi, elabena wowu gbedoxɔa tutu nu le ƒe 515 D.Y. me.

^ mm. 10 Esiae nye gɔmesese yeye si su mía si. Míegblɔe ɣeaɖewoɣi va yi be, menye ale si Yehowa le dukɔwo katã ʋuʋum ye na be dzinyuitɔwo va le esubɔm ɖo o. Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le May 15, 2006 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 63 NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO KPLE FOTOAWO ME: Hagai le dzi dem ƒo na Mawu ƒe amewo le blema be woatsɔ dzo ɖe gbedoxɔa gbugbɔgatudɔa ŋu; le míaƒe ŋkekea mea, Mawu ƒe amewo tsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a ƒo wo ɖokui ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si le amewo ʋuʋum le xexea me godoo la me. Wole gbeƒã ɖem tso amewo ʋuʋu mamlɛtɔ si ayi edzi le etsɔmea ŋu.