Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 39

Ne Ame Aɖe Si Míelɔ̃ Vevie La Dzudzɔ Yehowa Subɔsubɔ

Ne Ame Aɖe Si Míelɔ̃ Vevie La Dzudzɔ Yehowa Subɔsubɔ

‘Zi nenie womedo vevesese nɛ o!’—PS. 78:40.

HADZIDZI 102 Míakpe Ðe Ame Siwo Gbɔdzɔ Ŋu

NYA VEVIAWO *

1. Aleke ame aɖewo sena le wo ɖokui me ne woɖe woƒe ame vevi aɖe le haa me?

ÐE WOÐE wò ame vevi aɖe le hamea me kpɔa? Ne nenemaea, ke anya gbã dzi na wò ŋutɔ. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Hilda gblɔ be: “Esi srɔ̃nye ku le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 41 megbea, mexa nu ŋutɔ, eye nyemesusu be naneke ate ŋu ado nuxaxa nam de enu o. * Gake esi vinyeŋutsua va gbe nyateƒea, eye wòdzo le srɔ̃a kple viawo gbɔa, ena mese veve wu tsã, eye nye dzi gbã gudugudu.”

Ne èle nu xam le esi wò ame vevi aɖe gbe nyateƒea taa, ka ɖe edzi be Yehowa nya wò vevesesewo keŋ (Kpɔ memama 2-3 lia) *

2-3. Le Psalmo 78:40, 41 ƒe nya nua, aleke Yehowa sena le eɖokui me ne esubɔlawo gbee?

2 Bu ale si wòanya gbã dzi na Yehowa esime mawudɔla siwo nɔ eƒe ƒomea me la dometɔ aɖewo trɔ megbe dee ŋu kpɔ! (Yuda 6) Eye bu ale si Israel-vi siwo Yehowa lɔ̃ vevie la ƒe nuwɔna anya do nuxaxa nɛ esime wodze aglã ɖe eŋu zi gbɔ zi geɖe la hã ŋu kpɔ. (Xlẽ Psalmo 78:40, 41.) Ka ɖe edzi be, etena ɖe mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la dzi ŋutɔ ne ame aɖe si nèlɔ̃ vevie la gbee. Yehowa nya ale si gbegbe esia na nèle nu xamee, eye afa akɔ na wò ahakpe ɖe ŋuwò.

3 Le nyati sia mea, míakpɔ nu siwo míate ŋu awɔ be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu ne míaƒe ame vevi aɖe gbe nyateƒea. Azɔ hã, míakpɔ nu siwo míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nɔvi siwo ƒe ƒometɔwo woɖe le haa me la ŋu. Gake gbãa, míadzro nuŋububu aɖewo siwo wòhiã be míaƒo asa na la me.

MÈGANƆ FƆ BUM ÐOKUIWÒ O

4. Aleke dzila geɖe sena le wo ɖokui me ne wo viwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?

4 Le dzila geɖe gomea, ne woɖe wo vi le nyateƒea mea, wobua fɔ wo ɖokui be ɖewohĩ yewomewɔ yewoƒe ŋutete katã be yewoakpe ɖe yewo via ŋu wòanɔ nyateƒea me o. Esi woɖe nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Luke ƒe viŋutsu le haa mea, egblɔ be: “Mebu fɔ ɖokuinye. Metsi zãdomadɔalɔ̃e. Mefa avi ɣeaɖewoɣi, eye mese veve ŋutɔ.” Nɔvinyɔnu Elizabeth, si hã ƒe viŋutsu woɖe le haa mea, gblɔ kple vevesese be: “Ðe nyemehe vinyea nyuie oa? Nu kae susɔ nyemewɔ o? Alo ɖe nyemefia Bibliae wòɖo eƒe dzi gbɔ oa?”

5. Ne ame aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔa, ame kae woabu fɔe?

5 Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa na ablɔɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe be míatia nu si míawɔ. Esia fia be, míate ŋu atiae be míaɖo toe loo alo míaɖo toe o. Sɔhɛ aɖewo dzilawo meɖo kpɔɖeŋu nyui na wo o. Ke hã, wotiae be yewoasubɔ Yehowa. Gake sɔhɛ aɖewo hã dzilawo he wo le nyateƒea me, ke hã, esi wova tsi la, wodo le nyateƒea me. Mlɔeba, ame ŋutɔe atiae be asubɔ Yehowa. (Yos. 24:15) Eya ta, mi dzila siwo le veve sem le esi mia viwo do le nyateƒea me taa, menye mia gbɔe vodadaa tso o. Eya ta migaɖu dze akɔ nave mi o!

6. Ne dzila aɖe do le nyateƒea mea, aleke esia ate ŋu agblẽ nu le ɖeviawo ŋui?

6 Ɣeaɖewoɣi hã, dzila aɖewo dzudzɔa Yehowa subɔsubɔ. (Ps. 27:10) Eye wogblẽa woƒe ƒomea ɖi gɔ̃ hã. Esia gblẽa nu le wo viwo ŋu ŋutɔ, vevietɔ ne ɖeviawo dea bubu wo dzilaa ŋu, eye wodina be yewoasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. Esther, si fofo woɖe le nyateƒea mea, gblɔ be: “Mefa avi ŋutɔ. Menye ɖe wòtra ɖa le nyateƒea gbɔ vivivi o, ke boŋ ɖe wòɖoe koŋ be yemagasubɔ Yehowa o. Melɔ̃ fofonye ŋutɔ. Eya ta esi wòdo le nyateƒea mea, metsi dzi ɖe eƒe dedienɔnɔ ŋu. Ena be meɖia vo le ɖokuinye me ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã.”

7. Aleke Yehowa sena le eɖokui me ɖe ɖevi siwo dzilawo do le nyateƒea me la ŋu?

7 Mía vi lɔlɔ̃awo, ne mia dzila aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔa, etena ɖe mí katã dzi le hamea me, eye míenya be enana miawo hã miesea veve. Mika ɖe edzi be, Yehowa nya miaƒe vevesesewo. Elɔ̃ mi, eye ne mieyi edzi le esubɔm la, ekpɔa dzidzɔ, eye míawo hã míekpɔa dzidzɔ. Miɖo ŋku edzi hã be, menye mia gbɔe wòtso be mia dzilaa tiae be yeado le nyateƒea me o. Abe ale si míegblɔe va yi enea, Yehowa na ablɔɖe ame sia ame be wòatia nu si wòdi be yeawɔ. Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ ɖe sia ɖe “atsɔ eya ŋutɔ ƒe agbanɔamedzi.”—Gal. 6:5, etenuŋɔŋlɔ.

8. Ne ame aɖe do le nyateƒea mea, nu kae ƒometɔwo ate ŋu awɔ fifia esime wole lalam be wòatrɔ ava Yehowa gbɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “ Trɔ Va Yehowa Gbɔ” hã.)

8 Ne ame aɖe si nèlɔ̃ vevie do le nyateƒea mea, esɔ be nànɔ mɔ kpɔm be wòatrɔ agbɔ gbe ɖeka. Ke hã, nu kae wò ŋutɔ nàte ŋu anɔ wɔwɔm fifia? Dze agbagba nàtu wò xɔse ɖo. Esia ana nàɖo kpɔɖeŋu nyui na ƒomea me tɔ bubuwo, kple ɖewohĩ ame si do le nyateƒea me la hã. Eye ate ŋu akpe ɖe ŋuwò hã be wò dzi nadze eme. Na míadzro nu siwo nàte ŋu awɔ be nàtu wò xɔse ɖo la dometɔ aɖewo me.

NU SIWO NÀTE ŊU AWƆ BE NÀYI EDZI ASẼ ŊU LE XƆSE ME

9. Nu kawoe nàte ŋu awɔ be nàyi edzi asẽ ŋu le xɔse me? (Kpɔ aɖaka si nye “ Mawunyakpukpui Siwo Afa Akɔ Na Wò Ne Ame Aɖe Do Le Haa Me.”)

9 Wɔ nu sia nu si nàte ŋui be nàyi edzi asubɔ Yehowa. Ele vevie ŋutɔ be nàyi edzi ado ŋusẽ wò xɔse kple ƒomea me tɔ bubuwo hã ƒe xɔse. Aleke nàte ŋu awɔ esia? Nɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽm gbe sia gbe, nɔ ŋugble dem le nu siwo nèxlẽna ŋu, eye nànɔ kpekpeawo dem edziedzi be Yehowa nado ŋusẽ wò. Joanna, si nɔvianyɔnu kple fofoa do le nyateƒea mea, gblɔ be: “Mexlẽa nu tso amewo abe Abigail, Ester, Hiob, Yosef, kple Yesu ene ŋu le Biblia me. Woƒe ŋutinyawo faa akɔ nam ŋutɔ. Wonana nye susu nɔa nu nyuiwo ŋu. Eye wole abe atike si ɖea nye vevesesea dzi kpɔtɔ ene. Míaƒe hakpakpawo hã dea dzi ƒo nam ŋutɔ.”

10. Le Psalmo 32:6-8 ƒe nya nua, nu kae wòle be míawɔ ne nu te ɖe mía dzi?

10 Gblɔ wò dzimenyawo na Yehowa. Ne nu te ɖe dziwò la, do gbe ɖa na mía Mawu lɔ̃amea. Biae be wòakpe ɖe ŋuwò nàbu nɔnɔmea abe ale si wòbunɛ ene, eye ‘wòana gɔmesese deto nasu asiwò, eye wòafia mɔ si nàto la wò.’ (Xlẽ Psalmo 32:6-8.) Ele eme be ate ŋu asesẽ be nàgblɔ ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò me na Yehowa. Ke hã, Yehowa nya wò vevesesewo katã. Elɔ̃ wò vevie, eye edi be nàgblɔ wò dzimenyawo na ye faa.—2 Mose 34:6; Ps. 62:7, 8.

11. Le Hebritɔwo 12:11 ƒe nya nua, nu ka ta wòle be míaka ɖe Yehowa ƒe amehehe si me lɔlɔ̃ le la dzi? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ameɖeɖelehame Ƒe Ðoɖoa Nye Kpeɖodzi Be Yehowa Lɔ̃ Mí” hã.)

11 Lɔ̃ ɖe hamemetsitsiawo ƒe nyametsotsoa dzi. Ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖoa tso Yehowa gbɔ. Etoa edzi ɖɔa nu gbegblẽ wɔlaa ɖo lɔlɔ̃tɔe, eye esia ɖea vi na ame sia ame. (Xlẽ Hebritɔwo 12:11.) Ne hamemetsitsiwo ɖe ame aɖe le haa mea, nɔvi aɖewo gblɔna be womekpɔ nyaa gbɔ nyuie o. Gake zi geɖea, nɔvi mawo medina be yewoagblɔ nya gbegblẽ tso amea ŋu o. Nya lae nye be, míenya nya bliboa o. Eya ta nunya anɔ eme be míaka ɖe hamemetsitsi siwo kpɔ nyaa gbɔ dzi be wozɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiame dzi ale si dze, eye be “Yehowa ye” wodrɔ̃ ʋɔnua na, ke menye amegbetɔ o.—2 Kron. 19:6.

12. Esi nɔvi aɖewo wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzia, nu nyui kawoe do tso eme?

12 Ne woɖe ame aɖe si nèlɔ̃ vevie le haa me, eye nèlɔ̃ ɖe nyametsotsoa dzia, esia ate ŋu akpe ɖe eŋu be wòatrɔ ava Yehowa gbɔ. Elizabeth, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, gblɔ be: “Esi woɖe vinyeŋutsu tsitsia le haa mea, esesẽ nam ŋutɔ be magbe hadede kplii keŋkeŋ. Gake esi wòtrɔ va Yehowa gbɔa, eya ŋutɔ gblɔ be esɔ be woɖe ye le haa me. Edzɔ dzi nɛ be yesrɔ̃ nu geɖe tso tohehea me. Esia na meva ka ɖe edzi be Yehowa ƒe amehehee nye nyuitɔ.” Srɔ̃a, Mark, gblɔ kpee be: “Ƒe aɖewo megbea, mía viŋutsua gblɔ nam be susu siwo ta yetrɔ gbɔ la dometɔ ɖekae nye be míegbe hadede kpli ye kura. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be Yehowa kpe ɖe mía ŋu míewɔ eƒe mɔfiame dzi.”

13. Ne ètsi akogo la, nu kae nàte ŋu awɔ?

13 Gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la na xɔ̃wò aɖe si dzi nèka ɖo. De ha kple Kristotɔ siwo tsi le xɔse me, siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. (Lod. 12:25; 17:17) Joanna, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, gblɔ be: “Gbãa, metsi akogo. Gake esi megblɔ ale si menɔ sesem le ɖokuinye me na xɔ̃nye siwo dzi meka ɖoa, wokpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Ke ne nɔviwo gblɔ nya aɖe si gado vevesese na wò ɖe?

14. Nu ka tae wòhiã be ‘míayi edzi ado dzi anɔ anyi kple mía nɔewo, eye míatsɔ anɔ mía nɔewo kem faa’?

14 Gbɔ dzi ɖi na nɔviwò Kristotɔwo. Le nyateƒe mea, menye ame sia amee ate ŋu agblɔ nya si sɔ ɣesiaɣi o. (Yak. 3:2) Mía dometɔ aɖeke mede blibo o, eya ta ate ŋu adzɔ be nɔvi aɖewo manya nya si tututu woagblɔ atsɔ afa akɔ na wò o, eye ɖewo hã ate ŋu agblɔ nya aɖe si ate ŋu ave wò, evɔ womeɖoe hafi o. Paulo ɖo aɖaŋu be: “Miyi edzi miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo, eye miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu.” (Kol. 3:13) Nɔvinyɔnu aɖe si ƒe ƒometɔ woɖe le haa me gblɔ be: “Yehowa kpe ɖe ŋunye metsɔ ke nɔvi siwo ƒe nyawo do vevesese nam, evɔ ɖe wogblɔe be yewoatsɔ ade dzi ƒo nam hafi la faa.” Ke nu kae hamea me tɔwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nɔvi siwo ƒe ƒometɔ woɖe le haa me la ŋu?

ALE SI HAMEA ME TƆWO ATE ŊU AKPE ÐE WO ŊU

15. Ne woɖe ame aɖe le haa me megbe tetia, aleke míate ŋu akpe ɖe eƒe ƒometɔwo ŋui?

15 Lɔ̃ wo, eye nàwɔ nu ɖe wo ŋu nyuie. Esi woɖe Miriam nɔviŋutsu le haa mea, egblɔ be yetsi dzimaɖi le ale si yease le ye ɖokui me ne yeyi kpekpeawo ŋu. Egblɔ be: “Nyemenya nya si amewo agblɔ o. Gake nɔviawo se nu gɔme nam, eye wowɔ nu ɖe ŋunye nyuie. Womegblɔ nya gbegblẽ aɖeke tso nɔvinyeŋutsua ŋu o. Woƒe kpekpeɖeŋu wɔe be nyemetsi akogo o.” Nɔvinyɔnu bubu aɖe hã gblɔ be: “Esi woɖe mía viŋutsua le haa mea, nɔviwo va fa akɔ na mí. Wo dometɔ aɖewo gblɔ be yewomenya nya si yewoagblɔ o. Wo dometɔ aɖewo fa avi kplim, eye ɖewo hã ŋlɔ lɛta nam tsɔ fa akɔ nam. Nɔvi siawo kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ!”

Ne woɖe ame aɖe le haa mea, ele be hamea naɖe lɔlɔ̃ afia eƒe ƒometɔ siwo le nuteƒe wɔm, eye woakpe ɖe wo ŋu (Kpɔ memama 17 lia) *

16. Ne woɖe ame aɖe le haa me eye ɣeyiɣiawo va le yiyima, nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe eƒe ƒometɔ siwo le hamea me ŋu?

16 Kpe ɖe wo ŋu, eye nàde dzi ƒo na wo. Wohiã esia fifia wu tsã. (Heb. 10:24, 25) Ɣeaɖewoɣia, ame siwo woɖe le haa mea ƒe ƒometɔ aɖewo sena le wo ɖokui me abe ɖe woɖe woawo hã le haa me ene, elabe nɔviwo megatena ɖe wo ŋu o. Ke hã, mele be míawɔ nu ɖe wo ŋu nenema o! Azɔ hã, ele be míanɔ dzi dem ƒo na sɔhɛ siwo dzilawo do le nyateƒea me. Maria, si srɔ̃ woɖe le haa me, eye wòdzo le eƒe ƒomea gbɔ la, gblɔ be: “Nɔvi aɖewo va mía ƒe me. Woɖa nu míeɖu, eye wokpe ɖe nye kple vinyewo ŋu míewɔ ƒomenusɔsrɔ̃. Wose veve ɖe nunye, eye wofa avi kplim. Esime ame aɖewo kaka alakpanyawo tso ŋunyea, woʋli tanye. Nɔviawo de dzi ƒo nam ŋutɔ!”—Rom. 12:13, 15.

17. Nu kae hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ atsɔ afa akɔ na nɔvi siwo dzi nu te ɖo?

17 Hamemetsitsiwo, miwɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ miatsɔ ade dzi ƒo na wo. Yehowa de dɔ vevi aɖe asi na mi be miafa akɔ na haxɔsetɔ siwo ƒe ƒometɔ do le nyateƒea me. (1 Tes. 5:14) Do ŋgɔ na kpekpeawo alo le kpekpeawo megbea, mite ɖe wo ŋu miaɖo dze kpli wo ade dzi ƒo na wo. Mivae srã wo kpɔ, eye mido gbe ɖa kpli wo. Miyi gbeadzi kpli wo, eye mikpe wo woawɔ ɖeka kpli mi le miaƒe ƒometadedeagu me. Ele be hamemetsitsiwo natsɔ ɖe le eme na nɔvi siwo dzi nu te ɖo, eye woalɔ̃ wo ahalé be na wo.—1 Tes. 2:7, 8.

YI EDZI NÀÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU, EYE NÀNƆ MƆ KPƆM BE WOATRƆ AGBƆ

18. Le 2 Petro 3:9 ƒe nya nua, nu kae Yehowa di be ame siwo wɔ nu vɔ̃ la nawɔ?

18 Yehowa “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (Xlẽ 2 Petro 3:9.) Ne ame aɖe gawɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya hã, eƒe agbe kpɔtɔ xɔ asi na Yehowa. Ðo ŋku edzi be Yehowa xe fe gã aɖe, etsɔ eya ŋutɔ Via malɔ̃nugbɔa ƒe agbe na, ɖe nu vɔ̃ wɔlawo ta. Yehowa le agbagba dzem be yeakpe ɖe wo ŋu woatrɔ ava ye gbɔ. Ele mɔ kpɔm be woatrɔ agbɔ, abe ale si wòdze le vi bubú la ŋuti kpɔɖeŋu si Yesu wɔ me ene. (Luka 15:11-32) Ame siwo do le nyateƒea me la dometɔ geɖe trɔ va wo Fofo lɔ̃amea gbɔ emegbe. Eye hamea me tɔwo xɔ wo alɔ eve. Dzi dzɔ Elizabeth, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, ŋutɔ esime wogbugbɔ xɔ viaŋutsua ɖe haa me. Egblɔ be: “Meda akpe ŋutɔ be nɔvi geɖe de dzi ƒo na mí be míagabú mɔkpɔkpɔ o.”

19. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi ɣesiaɣi?

19 Míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi ɣesiaɣi. Eƒe mɔfiamewo katã ɖea vi na mí. Esea veve ɖe esubɔla siwo lɔ̃e la katã nu, eye wòlɔ̃ wo vevie. Eya ta ka ɖe edzi be ne èle nɔnɔme sesẽ me tom la, Yehowa magblẽ wò ɖi gbeɖe o. (Heb. 13:5, 6) Mark, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe mía gbɔ ɣesiaɣi. Ne míele xaxawo me tom la, megblẽa mí ɖi gbeɖe o.” Yehowa ayi edzi ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la wò. (2 Kor. 4:7) Ɛ̃, Yehowa ado ŋusẽ wò be, ne ame aɖe si nèlɔ̃ vevie do le nyateƒea me hã, wò ya nàte ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, esi nèle mɔ kpɔm be wòatrɔ agbɔ.

HADZIDZI 44 Ame Si Dzi Nu Te Ðo Ƒe Gbedodoɖa

^ mm. 5 Ne ame aɖe si míelɔ̃ vevie la dzudzɔ Yehowa subɔsubɔa, etena ɖe mía dzi ŋutɔ! Le nyati sia mea, míakpɔ ale si esia nana Mawu hã sena le eɖokui me. Eye míakpɔ nu siwo ame siwo woɖe le haa mea ƒe ƒometɔwo ate ŋu awɔ be woakpɔ akɔfafa, eye woayi edzi asubɔ Yehowa. Azɔ hã, míakpɔ nu siwo nɔvi siwo le hamea me ate ŋu awɔ be woafa akɔ na ƒomea, eye woakpe ɖe wo ŋu.

^ mm. 1 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 79 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ hegblẽ eƒe ƒomea ɖi, eye esia do nuxaxa na srɔ̃a kple viawo.

^ mm. 81 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Hamemetsitsi eve va srã ƒome aɖe si le hamea me kpɔ be yewoade dzi ƒo na wo.