Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 38

Nye Ame Si Dzi Woate Ŋu Aka Ðo

Nye Ame Si Dzi Woate Ŋu Aka Ðo

“Ame si dzi woate ŋu aka ɖo ɣlaa nya.”LOD. 11:13.

HADZIDZI 101 Mina Míawɔ Dɔ Le Ðekawɔwɔ Me

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae ɖea dzesi le ame si dzi woate ŋu aka ɖo ŋu?

 AME si dzi woate ŋu aka ɖo toa nyateƒe eye wòwɔa eƒe ŋugbedodowo dzi. (Ps. 15:4) Amewo nyae be yewoate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu. Nenemae míedi be mía nɔviwo nabu míi. Nu kawoe míate ŋu awɔ be woaka ɖe mía dzi?

2. Nu kae ana míanye ame si dzi woate ŋu aka ɖo?

2 Mímate ŋu azi amewo dzi be woaka ɖe mía dzi o. Míaƒe nuwɔnawoe ana woaka ɖe mía dzi. Ðeko wòle abe ga ene. Ekpɔkpɔ sesẽ, gake ebuna bɔbɔe. Nenema kee exɔa ɣeyiɣi be amewo nava ka ɖe mía dzi. Gake nane si míawɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me ate ŋu awɔe be womagaka ɖe mía dzi o. Míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi bliboe ɣesiaɣi, elabe “eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe.” (Ps. 33:4) Edi be míasrɔ̃ ye. (Ef. 5:1) Le nyati sia mea, míadzro Yehowa subɔla siwo srɔ̃ eyama eye woɖee fia be woate ŋu aka ɖe yewo dzi la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo me. Azɔ hã míakpɔ nɔnɔme atɔ̃ siwo wòhiã be míatu ɖo be míanye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo.

SRƆ̃ YEHOWA SUBƆLA SIWO DZI WOTE ŊU KA ÐO ƑE KPƆÐEŊU

3-4. Aleke nyagblɔɖila Daniel ɖee fia be yenye ame si dzi woate ŋu aka ɖo, eye nya kawoe míate ŋu abia mía ɖokui?

3 Yehowa subɔla siwo dzi amewo te ŋu ka ɖo le blema dometɔ ɖekae nye nyagblɔɖila Daniel. Togbɔ be wokplɔ Daniel yi aboyo me le Babilon hãa, eteƒe medidi hafi amewo kpɔe be enye ame si dzi woate ŋu aka ɖo o. Eye esi Yehowa kpe ɖe Daniel ŋu wòɖe Babilon Fia Nebukadnezar ƒe drɔ̃ea gɔmea, wogaka ɖe edzi geɖe wu. Gbe ɖekaa, eva hiã be Daniel nagblɔ Yehowa ƒe gbedeasi sesẽ aɖe si mavivi fia la nu kura oa nɛ. Esia bia dzinɔameƒo, elabe dzi kuna fiaa kabakaba ŋutɔ! (Dan. 2:12; 4:20-22, 25) Ƒe geɖe megbea, nu wɔmoyaa aɖe dzɔ. Asi aɖe va ŋlɔ nu ɖe Babilon fiasãa ƒe gli ŋu, eye ame aɖeke mete ŋu ɖe nuŋɔŋlɔa gɔme o. Gake Daniel ɖe egɔme pɛpɛpɛ eye esia na amewo gaka ɖe edzi geɖe. (Dan. 5:5, 25-29) Emegbe Media Fia Dario kple eŋumewo de dzesii be Daniel ɖe dzesi le etɔwo dome. “Enye ame si dzi woate ŋu aka ɖo, eléa fɔ ɖe dɔ ŋu, eye mewɔa nu fitifiti aɖeke o.” (Dan. 6:3, 4) Ɛ̃, dziɖuɖumegã mawo siwo mesubɔa Yehowa o gɔ̃ hã de dzesii be Daniel nye ame si dzi woate ŋu aka ɖo!

4 Esi míele ŋugble dem le Daniel ƒe kpɔɖeŋua ŋua, anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Alekee ame siwo menye Ðasefowo o la bunam? Ðe amewo nyam be mewɔa dɔ ɖe sia ɖe si wode asinyea nyuie eye woate ŋu aka ɖe dzinyea?’ Biabia siawo le vevie elabe ne míenye ame si dzi woate ŋu aka ɖoa, enana wokafua Yehowa.

Nehemiya tia ŋutsu siwo dzi woate ŋu aka ɖo eye wòde dɔ veviwo wo si (Kpɔ memama 5 lia)

5. Nu kae na wobu Hananiya be enye ame si dzi woate ŋu aka ɖo?

5 Le ƒe 455 D.Y. me esime Nutodziɖula Nehemiya gbugbɔ tu Yerusalem gliawo vɔa, edi ŋutsu siwo dzi woate ŋu aka ɖo eye wòde dɔ vovovowo wo si. Wo dometɔ ɖekae nye Hananiya si nye Mɔ́ la ƒe amegã. Biblia gblɔ be Hananiya nye “ŋutsu si dzi woate ŋu aka ɖo, eye wòvɔ̃a Mawu vavã la wu ame bubu geɖewo.” (Neh. 7:2) Esi Hananiya lɔ̃ Yehowa eye wòwɔa nu si dzea eŋu taa, ewɔ dɔ ɖe sia ɖe si wode esi la nyuie. Ne míawo hã míetu nɔnɔme nyui mawo ɖoa, awɔe be amewo naka ɖe mía dzi.

6. Aleke Tikiko ɖee fia be yenye xɔlɔ̃ nyui si dzi apostolo Paulo ate ŋu aka ɖo?

6 Yehowa subɔla bubu si dzi wote ŋu ka ɖoe nye apostolo Paulo ƒe zɔhɛ Tikiko. Esi wosika Paulo ɖe aƒe mea, eɖo ŋu ɖe Tikiko ŋu eye wògblɔ tso eŋu be enye “subɔla nuteƒewɔla.” (Ef. 6:21, 22) Esi Paulo ŋlɔ lɛta na Efeso kple Kolose nɔviawoa, menye ɖeko wòka ɖe Tikiko dzi be atsɔ lɛtaawo ayi na wo ko o, ke eka ɖe edzi hã be ade dzi ƒo na wo afa akɔ na wo. Tikiko ƒe kpɔɖeŋua nana míeɖoa ŋku nɔviŋutsu wɔnuteƒe siwo kpena ɖe mía ŋu egbea be míali ke le xɔse mea dzi.—Kol. 4:7-9.

7. Kpɔɖeŋu nyui kae hamemetsitsi kple subɔsubɔdɔwɔla siwo le miaƒe hamea mea ɖona, eye nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ?

7 Egbea, míedaa akpe be hamemetsitsi kple subɔsubɔdɔwɔla siwo dzi woate ŋu aka ɖo le mía si. Abe Daniel, Hananiya, kple Tikiko enea, wowɔa woƒe dɔwo nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ɣesiaɣi si míade kwasiɖa domedome kpekpea, míenya be hamemetsitsiawo wɔ ɖoɖo ɖe ame siwo awɔ dɔdeasiawo katã ŋu. Eye edzɔa dzi na wo ŋutɔ ne nɔvi siwo wode dɔ asi na la dzra ɖo ɖe eŋu nyuie va wɔe! Nenema kee ne míekpe míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo na kwasiɖanuwuwu kpekpea, míenya be hamemetsitsiawo wɔ ɖoɖo xoxo be nɔvi aɖe naƒo dutoƒonuƒoa. Azɔ hã, míekana ɖe edzi be agbalẽ siwo míazã le gbeƒãɖeɖedɔa mea anɔ anyi. Vavãe, nɔvi siawo léa be na mí eye míedaa akpe na Yehowa ɖe wo ta! Ke nu kae míawo hã míate ŋu awɔ be míanye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo?

AME SI DZI WOATE ŊU AKA ÐO MEƲUA GO NYA ƔAƔLA O

8. Togbɔ be míetsɔ ɖe le eme na mía nɔewo hãa, aleke míate ŋu ada asɔ? (Lododowo 11:13)

8 Míelɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo eye míetsɔ ɖe le eme na wo. Gake ele be míada asɔ eye míagake ŋku ɖe woƒe nyawo me o. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo nɔ ‘ame ŋu nya gblɔm,’ eye “wonɔa nu dem amewo ƒe nyawo me henɔa nya siwo mele be woagblɔ o la gblɔm.” (1 Tim. 5:13) Mímadi be míawɔ nu abe woawo ene gbeɖe o. Tsɔe be ame aɖe gblɔ eƒe nya na wò, ɖewohĩ egblɔ dɔ aɖe si lém wòle alo dodokpɔ sesẽ aɖe si me tom wòle ŋu nya na wò, eye wòbia tso asiwò be nàmia nu ɖe edzi. Nu kae wòle be nàwɔ? Ele be nàwɔ ɖe eƒe didia dzi amia nu ɖe nyaa dzi. * (Xlẽ Lododowo 11:13.) Fifia míadzro nɔnɔme bubu siwo me wòhiã vevie be míaɣla nya le la me.

9. Aleke ƒomea me tɔwo ate ŋu aɖee afia be woate ŋu aka ɖe yewo dzi?

9 Le ƒomea me. Agba le ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe dzi be wòagaʋu go ƒomea ƒe nya siwo mehiã be ame bubuwo nase o. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ srɔ̃nyɔnu aɖe wɔa nane wòɖia kokoe na srɔ̃a. Ðe wòasɔ be srɔ̃ŋutsua nanɔ nu ƒom tso eŋu na ame bubuwoa? Ao, elabe ate ŋu ana ŋu nakpe nyɔnua. Ŋutsua lɔ̃ srɔ̃a eye madi be yeawɔ nu wòate ɖe edzi o. (Ef. 5:33) Sɔhɛwo hã dina be woade bubu yewo ŋu. Ele vevie be dzilawo nade dzesi esia. Mele be woanɔ ɖeviawo ƒe vodadawo gblɔm na amewo atsɔ ado ŋukpe wo o. (Kol. 3:21) Ele be ɖeviwo hã nakpɔ nyuie be woaganɔ nu siwo le edzi yim le ƒomea me, siwo mehiã be ame bubuwo nase o la gblɔm na amewo o. (5 Mose 5:16) Ne ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe dzea agbagba be yemaʋu go ƒomea me nyawo oa, esia ana ɖekawɔwɔ nayi edzi anɔ ƒomea me.

10. Aleke míaɖee afia be míenye xɔlɔ̃ vavã? (Lododowo 17:17)

10 Le xɔlɔ̃wo dome. Ɣeaɖewoɣia, míesena le mía ɖokui me be míagblɔ míaƒe dzimenya na mía xɔlɔ̃ aɖe. Gake esia menya wɔna na ame aɖewo o. Ate ŋu anye be mema wo o, eye ate ɖe wo dzi ŋutɔ ne wosee be yewo xɔlɔ̃a vɛ gblɔ nyaa na ame bubuwo. Eya ta ne míekpɔ xɔlɔ̃ aɖe si tea ŋu ɣlaa nyaa, míedea asixɔxɔ eŋu ŋutɔ. ‘Xɔlɔ̃ vavãe!’—Xlẽ Lododowo 17:17.

Hamemetsitsiwo meʋua go nya ɣaɣlawo na woƒe ƒometɔwo o (Kpɔ memama 11 lia) *

11. (a) Aleke hamemetsitsiwo kple wo srɔ̃wo ate ŋu aɖee afia be yewonye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso hamemetsitsi si le fotoa me gbɔ?

11 Le hamea me. Hamemetsitsi siwo meʋua go nya ɣaɣlawo o la nye ‘sitsoƒe kple bebeƒe’ na nɔviawo. (Yes. 32:2) Míenya be míate ŋu agblɔ míaƒe nyawo na wo faa elabe míeka ɖe edzi be womagblɔe na ame bubuwo o. Míedea aɖe nu me na wo be woaʋu go nya ɣaɣlawo na mí o. Azɔ hã míedea asixɔxɔ hamemetsitsiwo srɔ̃wo ŋu ŋutɔ, elabe womeƒonɛ ɖe wo srɔ̃wo nu ayetɔe be woagblɔ nya ɣaɣlawo na yewo o. Le nyateƒe mea, eɖea vi na hamemetsitsiwo srɔ̃wo ne womegblɔa nɔviawo ƒe nya ɣaɣlawo na wo o. Hamemetsitsi aɖe srɔ̃ gblɔ be: “Srɔ̃nye megblɔa nɔvi siwo wòvɛ srã kpɔ alo nɔvi siwo hiã gbɔgbɔmekpekpeɖeŋua ŋu nyawo nam o, eye meyɔa woƒe ŋkɔ gɔ̃ hã nam o. Edzɔa dzi nam ŋutɔ be srɔ̃nye metsɔa nya mawo doa agba nam o, elabe nyemate ŋu awɔ naneke tso wo ŋu hã o. Esia ta metea ŋu ɖoa dze kple ame sia ame faa le hamea me. Eye meka ɖe edzi be ne nye hã megblɔ nye dzimenyawo nɛa, atsi nye kplii dome.” Nyaa ye nye be mí katã míedi be míanye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo. Nɔnɔme kawoe esia bia be míatu ɖo? Na míadzro wo dometɔ atɔ̃ me.

TU NƆNƆME NYUI SIWO ANA AMEWO NAKA ÐE DZIWÒA ÐO

12. Nɔnɔme kae wòhiã be míatu ɖo hafi amewo nate ŋu aka ɖe mía dzi? Ðe eme.

12 Lɔlɔ̃: Hafi amewo nate ŋu aka ɖe mía dzia, ele be woakpɔe be míelɔ̃ yewo. Yesu gblɔ be sedede gãtɔwoe nye be míalɔ̃ Yehowa eye míalɔ̃ mía havi. (Mat. 22:37-39) Míelɔ̃ Yehowa, ta míedina be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua anye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo. Míelɔ̃ mía nɔviwo, ta ne wogblɔ woƒe dzimenyawo na mía, ele be míaɣlae. Masɔ gbeɖe be míaʋu go woƒe nya aɖe si agblẽ nu le wo ŋu, ana woaɖu ŋukpe, alo ana woase veve o.—Yoh. 15:12.

13. Ne míebɔbɔ mía ɖokuia, aleke esia awɔe be amewo naka ɖe mía dzi?

13 Ðokuibɔbɔ: Ne míebɔbɔa mía ɖokuia, anɔ bɔbɔe na amewo be woaka ɖe mía dzi. Kristotɔ si bɔbɔa eɖokui medzea agbagba be yeanye ame gbãtɔ si aʋu go nya aɖe ale be yeahe susu ava ye ɖokui dzi o. (Flp. 2:3) Medzea agbagba be yeana amewo nabu ye be yenye ame vevi eye nyatakaka aɖewo le ye si siwo womeɖe mɔ be yeaʋu go o. Ne míebɔbɔa mía ɖokuia, míaɖo ŋku edzi be Biblia meƒo nu tso nya aɖewo ŋu o eye womedzro wo me le míaƒe agbalẽwo me o. Le go sia mea, ɖokuibɔbɔ awɔe be míawo ŋutɔ mímasusu nya aɖewo anɔ gbɔgblɔm na amewo o.

14. Ne míeɖɔa ŋu ɖoa, aleke esia ate ŋu awɔe be amewo naka ɖe mía dzi?

14 Ŋuɖɔɖo: Ne míeɖɔa ŋu ɖoa, míanya ‘ɣeyiɣi si míazi ɖoɖoe kple ɣeyiɣi si míaƒo nu.’ (Nyagb. 3:7) Tsitsiawo gblɔna zi geɖe be “Zi kpi nyo wu ɖe gblɔ.” Ɣeaɖewoɣia, eɖea vi be míazi ɖoɖoe tsɔ wu be míaƒo nu. Eya ta esɔ ŋutɔ be Lododowo 11:12 ɖo aɖaŋu be: “Nugɔmesela zia kpi.” Bu hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Wodea dɔ asi nɛ enuenu be wòavɛ kpe ɖe hame aɖewo ŋu woakpɔ kuxi aɖewo gbɔ. Hamemetsitsi bubu aɖe gblɔ tso eŋu be, “Eɖɔa ŋu ɖo eye meʋua go hame bubuwo ƒe nya ɣaɣlawo o.” Hamemetsitsi siwo le eƒe hamea me dea bubu eŋu le eƒe kpɔɖeŋu nyuia ta. Woka ɖe edzi be maʋu go yewoƒe nya ɣaɣlawo o.

15. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be ne míeɖia anukwarea, ana amewo naka ɖe mía dzi.

15 Anukwareɖiɖi: Ne míeɖia anukwarea, amewo ate ŋu aka ɖe mía dzi, elabe ame si ɖia anukware toa nyateƒe ɣesiaɣi. (Ef. 4:25; Heb. 13:18) Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èdi be nɔvi aɖe nalé to ɖe yeƒe dɔdeasi aɖe ŋu eye wòaɖo aɖaŋu na ye. Nɔvi ka ŋue nàte ɖo? Esi agblɔ nya si avivi to me na wòa, alo esi agblɔ nyateƒea na wò? Ðikeke mele eme o be, àtia nɔvi si agblɔ nyateƒea na wò tufafatɔe. Biblia gblɔ be: “Mokaname le gaglãgbe nyo wu amelɔlɔ̃ le adzame. Xɔlɔ̃ ƒe abideameŋu nye nuteƒewɔwɔ.” (Lod. 27:5, 6) Ðewohĩ mía xɔlɔ̃ si to nyateƒe na mí ƒe nyawo mavivi mía nu ya o, gake woava ɖe vi na mí emegbe.

16. Aleke Lododowo 10:19 ɖee fia be ehiã be míaɖu mía ɖokui dzi?

16 Ðokuidziɖuɖu: Hafi amewo nate ŋu aka ɖe mía dzia, ehiã be míanye ame siwo ɖua mía ɖokui dzi. Nɔnɔme nyui sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe nuyiwo dzi. (Xlẽ Lododowo 10:19.) Ate ŋu asesẽ be míaɖu mía ɖokui dzi ne míele Internet dzi hahoo kadodowo zãm. Ne míekpɔ nyuie oa, míava ʋu go nya ɣaɣlawo na ame gbogbowo evɔ míeɖoe hafi o. Eye ne míenya ɖo nyatakaka ɖe amewo koa, mímagate ŋu awɔ naneke tso nu si wòagblẽ kple ale si amewo azãe ŋu o. Ðokuidziɖuɖu awɔe hã be ne tsitretsiɖeŋulawo ble mía nu alo poliswo bia gbe mí be míaʋu go nyatakakawo tso mía nɔviwo ŋua, míazi ɖoɖoe. Esia ate ŋu adzɔ ne woɖo asi míaƒe dɔa dzi alo xe mɔ ɖe enu. Le nɔnɔme siawo tɔgbi mea, asɔ be míawɔ ɖe gɔmeɖose si nye be ‘míade ga míaƒe nu’ la dzi. (Ps. 39:1) Míeɖale míaƒe ƒometɔwo, haxɔsetɔwo, xɔlɔ̃wo alo ame bubuwo dome o, ele be míawɔ nu wòaɖee afia be míenye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo. Esia bia ɖokuidziɖuɖu.

17. Nu kawoe míate ŋu awɔ be wòanɔ bɔbɔe be míate ŋu aka ɖe mía nɔewo dzi le hamea me?

17 Míedaa akpe na Yehowa ŋutɔ be ena míele eƒe habɔbɔ si me tɔwo lɔ̃ wo nɔewo eye wonye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖoa me! Agba le mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi be míaku kutri vevie anye ame siwo dzi mía nɔviwo ate ŋu aka ɖo. Ne mía dometɔ ɖe sia ɖe dzea agbagba be yeaɖe lɔlɔ̃ afia, yeabɔbɔ ye ɖokui, yeaɖɔ ŋu ɖo, yeaɖi anukware, eye yeaɖu ye ɖokui dzia, awɔe be ame sia ame nate ŋu aka ɖe nɔvia dzi le hamea me. Mina míaku kutri vevie atu nɔnɔme nyui siawo ɖo. Eye neva eme be míasrɔ̃ mía Mawu, Yehowa, anye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo ɣesiaɣi.

HADZIDZI 123 Ðokuibɔbɔ Nuteƒewɔwɔtɔe Ðe Teokrasiɖoɖowo Te

^ Hafi amewo nate ŋu aka ɖe mía dzia, ele be míaɖee afia be míenye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo. Le nyati sia mea, míadzro nu si tae wòle vevie be míaka ɖe mía nɔewo dzi la me, eye míakpɔ nɔnɔme siwo wòle be míatu ɖo be amewo nate ŋu aka ɖe mía dzi.

^ Gake ne míeva nyae be hamea me tɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnyaa, ele be míade dzi ƒo nɛ be wòagblɔe na hamemetsitsiwo woakpe ɖe eŋu. Ne mewɔe oa, ke ele be míagblɔe na hamemetsitsiwo, elabe míedi be míawɔ nuteƒe na Yehowa kple Kristo hamea.

^ NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Hamemetsitsi aɖe wɔ ɖoɖo kple hamemetsitsi bubu wovɛ srã nɔvinyɔnu aɖe kpɔ. Esi wòtrɔ va aƒe mea, meva ʋu go sasrãkpɔa ŋu nya na eƒe ƒomea o.