Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 40

Àte Ŋu Ayi Edzi Awɔ Nuteƒe Abe Petro Ene

Àte Ŋu Ayi Edzi Awɔ Nuteƒe Abe Petro Ene

“Aƒetɔ, dzo le gbɔnye, elabena nu vɔ̃ wɔlae menye.” —LUKA 5:8.

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàsẽ Ŋu

NYA VEVIAWO a

1. Aleke Petro se le eɖokui me esi Yesu kpe ɖe eŋu wòɖe lã nukutɔe?

 PETRO nɔ tɔ dzi zã bliboa gake mekpɔ lã aɖeke ɖe o. Yesu gblɔ nɛ be: “Ku ʋua yi afi si goglo, ne miaɖi miaƒe ɖɔawo aɖe lã.” (Luka 5:4) Petro meka ɖe edzi be yeakpɔ lã aɖe ya o, gake ewɔe abe ale si Yesu gblɔe ene. Esi eya kple ame siwo le eŋu da ɖɔa la, woɖe lã ale gbegbe be ɖɔawo te vuvu. Wode dzesii be nukunue Yesu wɔ; ale gbɔgblɔ bu ɖe wo. Enumake Petro gblɔ be: “Aƒetɔ, dzo le gbɔnye, elabena nu vɔ̃ wɔlae menye.” (Luka 5:​6-9) Anɔ eme be Petro se le eɖokui me be yemedze anɔ Yesu gbɔ o.

2. Nu ka tae wònyo be míasrɔ̃ nu tso Petro ŋu?

2 Nyateƒee Petro to; “nu vɔ̃ wɔlae” wònye. Ewɔa nanewo alo gblɔa nya aɖewo siwo va venɛ emegbe. Ðe nèsena le ɖokuiwò me abe Petro ene ɣeaɖewoɣia? Ðe nèle agbagba dzem be yeatu nɔnɔme nyui aɖe ɖoa, alo ɖe nèle avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe ɣeyiɣi didi aɖee nye esia? Ne nenemaea, ke Petro ƒe kpɔɖeŋua me dzodzro ade dzi ƒo na wò. Le mɔ ka nu? Bu nya sia ŋu kpɔ: Yehowa ate ŋu atiae be yemana woaŋlɔ vodada siwo Petro wɔa ɖe Biblia me o. Gake ena woŋlɔ wo ɖi ale be míasrɔ̃ nu tso eme. (2 Tim. 3:​16, 17) Ne míesrɔ̃ nu tso Petro ŋu eye míekpɔ agbagba siwo wòdze hafi te ŋu yi edzi subɔ Yehowa, akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be menye blibodede dim Yehowa le tso mía si o. Ke boŋ edi be míayi edzi asubɔ ye eye míagana ta o, togbɔ be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le mía ŋu hã.

3. Nu ka tae mele be míana ta o?

3 Nu ka tae mele be míana ta o? Elabe ne míena ta oa, míaɖo míaƒe taɖodzinua gbɔ. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Haƒola ate ŋu azã ƒe geɖe atsɔ asrɔ̃ ale si wòabi ɖe eƒe haƒonu ƒoƒo me. Esi wòle esrɔ̃ma, awɔ vodada geɖe, gake ne eyi edzi srɔ̃ea, ava bi ɖe eme. Ne eva zu haƒola bibi hãa, ate ŋu ada vo ɣeaɖewoɣi ne ele ha ƒom. Ke hã menaa ta o. Nenema kee ne míete ŋu ɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi hãa, ate ŋu adzɔ be míagakli nu. Gake ne edzɔ alea, ele be míaku kutri vevie be míaɖu edzi. Mí katã míedaa vo le nuƒoƒo kple nuwɔna me eye wòvea mí emegbe. Gake ne míeku ɖe Yehowa ŋua, akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nu si sɔ. (1 Pet. 5:10) Mina míadzro kpɔɖeŋu nyui si Petro ɖo le ale si míaku ɖe Yehowa ŋua me. Azɔ hã míakpɔ ale si Yesu wɔ nu ɖe eŋu togbɔ be eda vo geɖe hã, eye esia aʋã mí míayi edzi aku ɖe Yehowa ŋu.

AGBAGBA SIWO PETRO DZE KPLE YAYRA SIWO WÒKPƆ

Ne nu si dzɔ ɖe Petro dzi la tɔgbi dzɔ ɖe dziwòa, nu kae nàwɔ? (Kpɔ memama 4 lia)

4. Nya kae Petro gblɔ tso eɖokui ŋu le Luka 5:​5-10, eye aleke Yesu do ŋusẽe?

4 Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso nu si tae Petro gblɔ be “nu vɔ̃ wɔlae” ye nye ŋu o eye megblɔ nu vɔ̃ siwo Petro anya wɔ hã na mí o. (Xlẽ Luka 5:​5-10.) Gake Petro anya wɔ vodada gã aɖewo. Yesu kpɔe be vɔvɔ̃ ɖoe le esi wòsusui be yemedze o ta. Ke hã enya be Petro ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe. Eya ta egblɔ nɛ dɔmenyotɔe be, “mègavɔ̃ o.” Ale si Yesu ka ɖe Petro dzia wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe. Esia wɔe be emegbea, eya kple nɔvia Andrea ɖe asi le lãɖeɖedɔa ŋu eye wodze Mesia la yome. Yehowa yra wo ɖe esia ta.—Marko 1:​16-18.

5. Esi Petro te ŋu ɖu eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi dze Yesu yomea, yayra kawoe wòkpɔ?

5 Esi Petro va dze Kristo yomea, ekpɔ nu geɖe teƒe. Ekpɔ eteƒe Yesu da dɔ na dɔnɔwo, nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. b (Mat. 8:​14-17; Marko 5:​37, 41, 42) Azɔ hã woɖe akpa si Yesu ava wɔ le Fiaɖuƒea me fia Petro le ŋutega me; maŋlɔ nudzɔdzɔ ma be akpɔ gbeɖe o. (Marko 9:​1-8; 2 Pet. 1:​16-18) Ɛ̃, ne ɖe Petro medze Yesu yome oa, anye ne makpɔ nu siawo dometɔ aɖeke teƒe o. Dzi anya dzɔ Petro ŋutɔ be yemeɖe mɔ yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple ale si yebua ye ɖokui be yemedze o wɔe be mɔnukpɔkpɔ gã ma gbegbe to ye ŋu o!

6. Ðe Petro te ŋu ɖu eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi bɔbɔea? Ðe eme.

6 Togbɔ be Petro kpɔ nu mawo katã teƒe hãa, eganɔ avu wɔm kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kokoko. Bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ. Esi Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo nya be yeakpe fu aku abe ale si Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi enea, Petro gbe nya nɛ. (Marko 8:​31-33) Petro kple apostolo bubuawo ʋli nya le wo nɔewo dome zi geɖe le ame si nye gãtɔ ŋu. (Marko 9:​33, 34) Le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku mea, Petro kpa to na ame aɖe. (Yoh. 18:10) Le zã ma ke mea, amegbetɔvɔvɔ̃ wɔe be Petro gbe nu le exɔlɔ̃ Yesu gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ. (Marko 14:​66-72) Esia wɔe be Petro fa avi vevie.—Mat. 26:75.

7. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, mɔnukpɔkpɔ kae wòna Petro?

7 Yesu megbe nu le eƒe apostolo si ƒe dzi gbãa gbɔ o. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, ena mɔnukpɔkpɔ Petro be wòaɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ ye afia; ede dɔ asi na Petro be wòanyi yeƒe alẽawo. (Yoh. 21:​15-17) Petro lɔ̃ faa be yeawɔ dɔa. Eya ta eya hã nɔ ame gbãtɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na le Pentekoste ŋkekea dzia dome.

8. Vodada kae Petro wɔ le Antiokia?

8 Esi wosi ami na Petro gɔ̃ hãa, egahiã be wòawɔ avu kple eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo kokoko. Le ƒe 36 K.Ŋ. mea, Yehowa Mawu dɔ Petro ɖe Kornelio, ame si menye Yudatɔ o gbɔ. Afi mae Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na Kornelio le tsɔ ɖo kpe edzi be “Mawu mekpɔa ame ŋkume o,” eye be ame siwo menye Yudatɔwo o hã ate ŋu ava nye Kristotɔwo. (Dɔw. 10:​34, 44, 45) Le ema megbea, Petro lɔ̃na faa ɖua nu kple Dukɔwo me tɔwo. Ne tsãe wònyea, malɔ̃ awɔ nu ma gbeɖe o. (Gal. 2:12) Gake Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo dometɔ aɖewo kpɔe be mesɔ be Yudatɔwo kple Dukɔwo me tɔwo nanɔ anyi ɖekae aɖu nu o. Esi Yudatɔ Kristotɔ siwo bua nuwo ŋu nenema va Antiokia la, Petro dzudzɔ nuɖuɖu kple Dukɔwo me tɔ siwo va zu Kristotɔwo, ɖewohĩ le esi wònɔ vɔvɔ̃m be yeava dze agɔ le Yudatɔ Kristotɔ mawo dzi ta. Esi apostolo Paulo kpɔ Petro ƒe alakpanuwɔwɔ maa, egbe nya nɛ le amewo katã ŋkume. (Gal. 2:​13, 14) Togbɔ be Petro gakli nu alea hãa, mena ta o. Nu kae kpe ɖe eŋu?

NU KAE KPE ÐE PETRO ŊU WÒYI EDZI SUBƆ YEHOWA?

9. Aleke nya siwo dze le Yohanes 6:​68, 69 na míekpɔe be Petro nye nuteƒewɔla?

9 Petro yi edzi wɔ nuteƒe, eku ɖe Yesu ŋu eye meɖe mɔ naneke xe mɔ nɛ wòdo kpo eyome dzedze o. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi Yesu gblɔ nya aɖe si gɔme eƒe nusrɔ̃lawo mese oa, wotrɔ le eyome eye womelala alo biae gɔ̃ hã be wòaɖe nyaa me o. (Xlẽ Yohanes 6:​68, 69.) Gake Petro ya mewɔe nenema o. Elabe ekpɔe dze sii be Yesu ɖeɖe ko sie “agbe mavɔ nyawo le.”

Nu ka tae ale si Yesu ka ɖe Petro dzi wɔ dɔ ɖe dziwò? (Kpɔ memama 10 lia)

10. Aleke Yesu ɖee fia be yeka ɖe Petro dzi? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

10 Yesu meɖe asi le Petro ŋu o. Le zã mamlɛtɔ si Yesu naku mea, enya be Petro kple apostolo bubuawo agblẽ ye ɖi. Ke hã, eka ɖe edzi be Petro ƒe xɔse agasẽ eye wòayi edzi awɔ nuteƒe. (Luka 22:​31, 32) Yesu se egɔme hã be, “gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.” (Marko 14:38) Eya ta togbɔ be Petro gbe nu le Yesu gbɔ hãa, Yesu ya megbee o. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, eɖe eɖokui fia Petro, eye anɔ eme be ame bubu aɖeke menɔ eteƒe o. (Marko 16:7; Luka 24:34; 1 Kor. 15:5) Ðikeke mele eme o be esia de dzi ƒo na Petro si lé blanui la vevie!

11. Nu kae Yesu wɔ tsɔ ɖo kpe edzi na Petro be Yehowa akpe ɖe eŋu?

11 Yesu wɔ nu bubu aɖe tsɔ ɖo kpe edzi na Petro be Yehowa alé be nɛ. Esi Petro kple apostolo bubuawo yi tɔƒoa, Yesu gana woɖe lã nukutɔe. (Yoh. 21:​4-6) Ðikeke mele eme o be, nukunu sia na Petro ka ɖe edzi be ele bɔbɔe ŋutɔ be Yehowa nakpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ na ye. Ðewohĩ esia na wòɖo ŋku nya si Yesu gblɔ be Yehowa akpɔ ame siwo le ‘Fiaɖuƒea dim gbã’ ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woa dzi. (Mat. 6:33) Esiawo katã kpe ɖe Petro ŋu wòtsɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me, ke menye lãɖeɖedɔa o. Dzi nɔ eƒo wòɖe gbeƒã le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi eye esia ʋã ame akpe geɖe woxɔ nya nyuia. (Dɔw. 2:​14, 37-41) Emegbe ekpe ɖe Samariatɔwo kple Dukɔwo me tɔwo ŋu wova zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. (Dɔw. 8:​14-17; 10:​44-48) Le nyateƒe mea, Yehowa zã Petro le mɔ geɖe nu tsɔ he ame ƒomevi vovovowo va hamea me.

NU KAE MÍESRƆ̃?

12. Ne ɣeyiɣi didi aɖee nye esia míele avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖea, aleke Petro ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

12 Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ mí míawɔ nuteƒe. Ɣeaɖewoɣia, ate ŋu anye avu kple kɔ na mí be míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi, vevietɔ ne ɣeyiɣi didi aɖee nye esia míele agbagba dzem le eŋu. Ate ŋu awɔ na mí be míaƒe kuxia kpe wu Petro tɔ, gake aleke kee wòɖakpee o, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu edzi. (Ps. 94:​17-19) Le kpɔɖeŋu me, hafi nɔviŋutsu aɖe nava srɔ̃ nyateƒea, eƒo eɖokui ɖe ŋutsu kple ŋutsu ƒe dɔdɔ me ƒe geɖe. Gake etrɔ eƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ eye wònɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiafiawo nu. Ke hã ɣeaɖewoɣia, egawɔa avu kple dzodzro vɔ̃wo. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu ɖu eɖokui dzi? Egblɔ be: “Yehowae doa ŋusẽm.” Egblɔ kpee be: “Meva srɔ̃e be Yehowa ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe ale si wòdii. Togbɔ be nyemede blibo o hãa, Yehowa te ŋu zãm eye wòyi edzi le ŋusẽ domem.”

Horst Henschel dze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le January 1, 1950 me. Ðe nèsusu be evee be yetsɔ yeƒe agbe bliboa subɔ Yehowa? (Kpɔ memama 13, 15 lia) d

13. Abe ale si wòdze le Dɔwɔwɔwo 4:​13, 29, 31 enea, aleke míate ŋu asrɔ̃ Petro ƒe kpɔɖeŋua? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

13 Abe ale si míesrɔ̃e va yi enea, amegbetɔvɔvɔ̃ wɔe be Petro ɖe afɔ siwo mesɔ o. Gake gbedodoɖa kpe ɖe eŋu wòwɔ nu dzinɔameƒotɔe. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 4:​13, 29, 31.) Míawo hã míate ŋu aɖu vɔvɔ̃ dzi. Bu nu si dzɔ ɖe nɔviŋutsu sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Horst si nɔ Nazi Germany ŋu kpɔ. Vɔvɔ̃ na amegbetɔ na wògblɔ “Heil Hitler!” ƒe gbedonamea ɣeaɖewoɣi le suku. Horst dzilawo mehe nya ɖe eŋu o, ke boŋ wodo gbe ɖa kplii be Yehowa nana dzi naɖo eƒo. Wokpe ɖe eŋu wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye vivivia, dzi ɖo eƒo eye wòte ŋu nɔ te sesĩe. Emegbe egblɔ be: “Yehowa megblẽm ɖi kpɔ gbeɖe o.” c

14. Aleke hamemetsitsi lɔ̃amewo ate ŋu ado ŋusẽ ame siwo ƒo dzi ɖe le?

14 Yehowa kple Yesu magblẽ mí ɖi o. Esi Petro gbe nu le Yesu gbɔa, nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔe; ‘Ðe wòana taa? Alo ɖe wòayi edzi anye Yesu ƒe nusrɔ̃la?’ Yesu ɖe kuku na Yehowa ɖe Petro ta be eƒe xɔse nu nagatsi o. Yesu gblɔ na Petro be yedo gbe ɖa ɖe eta eye yeka ɖe edzi be ado ŋusẽ nɔviawo hã. (Luka 22:​31, 32) Ŋkuɖoɖo nya siwo Yesu gblɔ nɛ dzi anya do ŋusẽe ŋutɔ! Ne eva hiã be míatso nya me le nya vevi aɖe ŋua, Yehowa ate ŋu ato hamemetsitsiwo dzi akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe. (Ef. 4:​8, 11) Hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Paul dzea agbagba doa ŋusẽ nɔviawo. Ne dzi ɖe le nɔviwo ƒo eye wose le wo ɖokui me be yewoana taa, edea dzi ƒo na wo be woade ŋugble le zi gbãtɔ si Yehowa he wo va nyateƒea me ŋu. Ekana ɖe edzi na wo be Yehowa magblẽ wo ɖi o le eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ta. Egblɔ be, “Mekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe nɔvi geɖe siwo ƒo dzi ɖe lea ŋu woyi edzi le esubɔm.”

15. Aleke Petro kple Horst ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be nya siwo dze le Mateo 6:33 nye nyateƒe?

15 Ale si ko Yehowa kpɔ Petro kple apostolo mamlɛawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woa, nenema kee wòakpɔ míawo hã míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí, ne míena esubɔsubɔ nye nu vevitɔ na mí. (Mat. 6:33) Le Xexemeʋa Evelia megbea, Horst, si ŋu míeƒo nu tsoe va yia di be yeawɔ mɔɖeɖedɔa. Gake nu mede edzi kura o, ta esusu be yemate ŋu akpɔ ye ɖokui dzi ahawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o. Mlɔebaa, eɖoe be yeado Yehowa kpɔ be akpɔ yeƒe nuhiahiãwo gbɔ na ye hãa. Eya ta esime nutome sue dzikpɔla va srã wo kpɔa, ede gbeadzi kwasiɖa bliboa katã. Esi kwasiɖaa wu enua, eƒe nu ku esi nutome sue dzikpɔlaa tsɔ agbalẽkotoku si me ga lea nɛ, gake megblɔ ame si gbɔ gaa tso o. Ga si le emea asu nɛ wòawɔ mɔɖeɖedɔa ɣleti geɖe. Horst bu nunana sia be enye kpeɖodzi be Yehowa alé be na ye. Tso ema dzia, etsɔ subɔsubɔdɔa ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me.—Mal. 3:10.

16. Nu ka tae wònyo be míadzro Petro ƒe kpɔɖeŋua kple agbalẽ siwo wòŋlɔa me?

16 Dzi anya dzɔ Petro ŋutɔ be Yesu medzo le ye gbɔ abe ale si yegblɔe ene o. Kristo yi edzi na hehe Petro be wòawɔ nuteƒe eye wòanye kpɔɖeŋu nyui na Kristotɔwo. Míesrɔ̃ nu nyui geɖe le hehe si wònɛ me. Gbɔgbɔ ʋã Petro wòŋlɔ nu siwo wòsrɔ̃a ɖe agbalẽ eve siwo wòŋlɔ na hameawo le ƒe alafa gbãtɔ mea me. Le nyati si kplɔe ɖo mea, míadzro nya vevi aɖewo me le agbalẽ mawo me eye míakpɔ ale si míawɔ wo ŋu dɔe egbea.

HADZIDZI 126 Nɔ Ŋudzɔ, Nɔ Tsitre Sesĩe, Nàsẽ Ŋu

a Wota nyati sia be woatsɔ ade dzi ƒo na ame siwo le avu wɔm kple woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Akpe ɖe wo ŋu woaka ɖe edzi be yewoate ŋu aɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ mawo dzi eye yewoate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa.

b Mawunyakpukpui siwo le nyati sia mea dometɔ geɖe tso Marko ƒe Nyanyuigbalẽa me. Anɔ eme be nu siwo teƒe Petro ŋutɔ kpɔ ye wògblɔ na Marko wòŋlɔ.

c Kpɔ Horst Henschel ƒe agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye Motivated by My Family’s Loyalty to God (alo « Affermi par la fidélité de ma famille ») si dze le February 22, 1998 ƒe Nyɔ! me.

d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Abe ale si wòdze le fotoa me enea, Horst Henschel dzilawo do gbe ɖa kplii eye wokpe ɖe eŋu wòyi edzi nɔ te sesĩe.