Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 41

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Petro Ƒe Agbalẽ Eveawo Me

Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Petro Ƒe Agbalẽ Eveawo Me

“Meɖoe be manɔ ŋku ɖom nu siawo dzi na mi ɣesiaɣi.” —2 PET. 1:12.

HADZIDZI 127 Ame Si Ƒomevi Wòle Be Manye

NYA VEVIAWO a

1. Esi wòsusɔ vie apostolo Petro nakua, nu kae Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòwɔ?

 APOSTOLO Petro subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe. Ezɔ kple Yesu, ekpe asi ɖe eŋu woɖe gbeƒã le nuto yeye geɖe me, eye wòva zu dɔdzikpɔha me tɔ. Azɔ ede dzesii be yeƒe kuɣi le ɖoɖom. Gake Yehowa de dɔ vevi aɖe esi. Le ƒe 62-64 K.Ŋ. me lɔ̃ƒoa, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ Biblia-gbalẽ siwo nye Petro Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ kple Evelia. Eƒe didie nye be agbalẽ eve siawo naɖe vi na Kristotɔwo le yeƒe ku megbe.—2 Pet. 1:​12-15.

2. Nu ka tae agbalẽ siwo Petro ŋlɔa sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi ŋutɔ?

2 Esi Petro nɔ eƒe agbalẽawo ŋlɔmaa, nɔvia Kristotɔwo nɔ ‘nɔnɔme sesẽ vovovowo’ me tom. (1 Pet. 1:6) Ame vɔ̃ɖiwo nɔ agbagba dzem be yewoado alakpanufiafiawo kple agbenɔnɔ siwo mesɔ oa ɖe ŋgɔ le hamea me. (2 Pet. 2:​1, 2, 14) Azɔ hã eteƒe madidi o, Kristotɔ siwo le Yerusalem akpɔ nudzɔdzɔ gã aɖe teƒe; Roma-srafowo ava tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa eye woahe nuɖoanyi ma ava “nuwuwu.” (1 Pet. 4:7) Ðikeke mele eme o be Petro ƒe agbalẽawo kpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woanya nu si woawɔ be woate ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo me tom wolea me eye wòdzra wo ɖo ɖe xaxa siwo me woava to le etsɔme hã ŋu. b

3. Nu ka tae wòle vevie be míadzro Petro ƒe agbalẽawo me?

3 Togbɔ be Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ mee Petro ŋlɔ eƒe agbalẽawo na hãa, Yehowa na wotsɔ wo kpe ɖe eƒe Nyaa ŋu ale be wòaɖe vi na míawo hã. (Rom. 15:4) Egbea, míawo hã míele xexe si me agbe makɔmakɔ nɔnɔ bɔ ɖo me eye esia ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míasubɔ Yehowa. Azɔ hã madidi o, míato xaxa si lolo wu esi va Yudatɔwo dzi esime wotsrɔ̃ Yerusalem la me. Ŋkuɖodzinya veviwo le agbalẽ eve siwo Petro ŋlɔa me na mí. Woakpe ɖe mía ŋu míanɔ mɔ kpɔm na Yehowa ƒe ŋkekea, míaɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi, eye míalɔ̃ mía nɔviwo ɖe edzi. Ŋkuɖodzinya mawo tɔgbi akpe ɖe hamemetsitsiwo hã ŋu be woakpɔ ale si woalé be na nɔviawo le hamea me.

NƆ MƆ KPƆM NƐ VEVIE

4. Abe ale si wòdze le 2 Petro 3:​3, 4 enea, nu kae ate ŋu ana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ?

4 Ame geɖe mexɔ Biblia me nyagblɔɖiwo dzi se o. Tsitretsiɖeŋulawo tea ŋu ɖua fewu le mía ŋu elabe ƒe geɖee nye esia míele mɔ kpɔm na nuwuwua. Ame aɖewo gblɔna gɔ̃ hã be nuwuwu aɖeke mava o. (Xlẽ 2 Petro 3:​3, 4.) Ne míese nya siawo tɔgbi tso míaƒe ƒometɔ, dɔwɔhati, alo ame aɖe si míeɖe gbeƒã na gbɔa, ate ŋu ana míaƒe xɔse nagbɔdzɔ. Gake nya siwo Petro gblɔ ate ŋu akpe ɖe mía ŋu.

5. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe be wòatsrɔ̃ nuɖoanyi sia? (2 Petro 3:​8, 9)

5 Ame aɖewo ate ŋu asusui be Yehowa le wɔwɔm blewu akpa na xexe vɔ̃ɖi sia tsɔtsrɔ̃. Gake Petro ƒe nyawo kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ale si Yehowa bua ɣeyiɣii la to vovo sãsãsã na ale si mí amegbetɔwo míebunɛ. (Xlẽ 2 Petro 3:​8, 9.) Le Yehowa gbɔa, ƒe akpe ɖeka le abe ŋkeke ɖeka ene. Yehowa gbɔ dzi ɖi, elabe medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o. Ne ŋkeke si wòɖo la dea, ahe xexe sia ava nuwuwu. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee nye esia su mía si be míazã ɣeyiɣi si susɔ atsɔ aɖe gbeƒã na amewo le xexea me godoo.

6. Nu kae míawɔ be Yehowa ƒe ŋkekea nanɔ susu me na mí vevie? (2 Petro 3:​11, 12)

6 Petro de dzi ƒo na mí be ‘míana míaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkekea ŋu vevie.’ (Xlẽ 2 Petro 3:​11, 12.) Aleke míawɔe? Anyo be míadze agbagba ade ŋugble le yayra siwo míakpɔ le xexe yeyea me ŋu gbe sia gbe. Kpɔe ɖa le susu me be wòe nye ema le xexe yeyea me le ya gbagbe si me kɔa gbɔm, èle nuɖuɖu si ade wò lãmesẽ dzi ɖum, wofɔ wò ame vevi siwo ku ɖe tsitre eye nèle atuu wɔm na wo, eye mɔnukpɔkpɔ su asiwò nèle ale si Biblia me nyagblɔɖiwo va emee la me ɖem na blematɔ siwo wofɔ ɖe tsitre. Ŋugbledede alea akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋkekea ava kpuie eye nàyi edzi anɔ mɔ kpɔm nɛ. ‘Esi míenya ale si nuwo ava yii’ le etsɔme “do ŋgɔ ta la,” alakpanufialawo ‘makplɔ mí atrae o.’—2 Pet. 3:17.

MÈGAVƆ̃ AMEGBETƆ O

7. Nu kae amegbetɔvɔvɔ̃ ate ŋu agblẽ le mía ŋu?

7 Esi Yehowa ƒe ŋkekea le susu me na mí taa, míekua kutri gblɔa nya nyuia na amewo. Ke hã ɣeaɖewoɣia, dzi menɔa mía ƒo be míaɖi ɖase na amewo o. Nu ka tae? Elabe míevɔ̃na be womawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o. Nu ma tɔgbie dzɔ ɖe Petro dzi. Le zã si me wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu mea, Petro nɔ vɔvɔ̃m be yeana amewo nanya be Yesu ƒe nusrɔ̃lae yenye eye wògbe nu le egbɔ gɔ̃ hã. (Mat. 26:​69-75) Gake Petro va ɖu vɔvɔ̃ dzi eye wògblɔ emegbe be: “Migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole la o, eye dzika negatso mia ƒo hã o.” (1 Pet. 3:14) Petro ƒe nyawo na míeka ɖe edzi be míate ŋu aɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi.

8. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi? (1 Petro 3:15)

8 Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi? Petro gblɔ be: “Mikɔ Kristo la si nye Aƒetɔ ŋu le miaƒe dziwo me.” (Xlẽ 1 Petro 3:15.) Esia bia be míade ŋugble le ɖoƒe kple ŋusẽ si gbegbe le míaƒe Aƒetɔ kple Fia, Kristo Yesu, si la ŋu. Eya ta ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi be nàgblɔ nya nyuia na amewo gake vɔvɔ̃ ɖo wòa, ɖo ŋku míaƒe Fia la dzi. Kpɔe ɖa le susu me be ele dzi ɖum le dziƒo eye mawudɔla akpe teƒe akpewo ƒo xlãe. Ðo ŋku edzi be “wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de [esi]” eye ‘eli kpli wò ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.’ (Mat. 28:​18-20) Petro de dzi ƒo na mí be míanɔ “dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi” be míaɖe míaƒe dzixɔsewo me. Ðe nàdi be yeaɖi ɖase le dɔ me, suku alo teƒe bubu aɖea? Bu ɣeyiɣi si me nàte ŋu awɔ esia ŋu eye nàdzra ɖo ɖe nya si nàgblɔ ŋu. Do gbe ɖa na Yehowa be wòana dzi nanɔ ƒowò eye nàka ɖe edzi be akpe ɖe ŋuwò nàɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi.—Dɔw. 4:29.

“MILƆ̃ MIA NƆEWO VEVIE”

Petro lɔ̃ Paulo ɖɔe ɖo. Agbalẽ eve siwo Petro ŋlɔa fia mí be míalɔ̃ mía nɔviwo (Kpɔ memama 9 lia)

9. Ɣekaɣie Petro mete ŋu ɖe lɔlɔ̃ fia o? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

9 Petro srɔ̃ ale si wòalɔ̃ ame. Enɔ eteƒe esime Yesu gblɔ be: “Mele se yeye nam mi be mialɔ̃ mia nɔewo; ale si melɔ̃ mi la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo nenema ke.” (Yoh. 13:34) Togbɔ be Petro nya nu siawo katã hãa, vɔvɔ̃ wɔe be wògbe be yemaɖu nu kple Dukɔwo me tɔ siwo va zu Kristotɔwo o. Apostolo Paulo gblɔ be nu si Petro wɔa nye “alakpanuwɔwɔ.” (Gal. 2:​11-14) Petro lɔ̃ woɖɔe ɖo eye wòsrɔ̃ nu tso eme. Le agbalẽ eve siwo wòŋlɔ mea, ete gbe ɖe edzi be ne míese le mía ɖokui me be míelɔ̃ mía nɔviwoa, ema ɖeɖe mesu o, ele be míaɖee afia le míaƒe nuwɔnawo hã me.

10. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖe “nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o” afia mía nɔviwo? Ðe eme. (1 Petro 1:22)

10 Petro gblɔ be ele be “nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o” nanɔ mía si na mía nɔviwo. (Xlẽ 1 Petro 1:22.) Míate ŋu alɔ̃ mía nɔviwo alea ne ‘míewɔna ɖe nu siwo katã míesrɔ̃ le nyateƒea mea’ dzi. Nu siwo míesrɔ̃ ƒe ɖee nye be “Mawu mekpɔa ame ŋkume o.” (Dɔw. 10:​34, 35) Ne míelɔ̃ ame aɖewo le hamea me, evɔ míelɔ̃ ɖewo oa, ke mímele wɔwɔm ɖe se si Yesu de be míalɔ̃ mía nɔewoa dzi o. Ele eme be mía kple nɔvi aɖewo dome anɔ kplikplikpli wu bubuawo, abe ale si wònɔ le Yesu gome ene ya. (Yoh. 13:23; 20:2) Gake Petro gblɔ be ele be míaku kutri vevie aɖe “nɔvilɔlɔ̃” afia mía nɔviwo katã, elabe ƒome ɖekae míenye.—1 Pet. 2:17.

11. Nu kae wòfia be ‘míalɔ̃ mía nɔewo vevie tso dzi me ke’?

11 Petro gblɔ be, “milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzi me ke.” Nya milɔ̃ mia nɔewo “vevie” si Petro zãa fia be míayi edzi alɔ̃ mía nɔviwo, ne esia wɔwɔ sesẽ na mí gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ne mía nɔvi aɖe wɔ nu wòve mía, ele bɔbɔe be míawɔ wɔɖenui tsɔ wu be míalɔ̃e. Ke hã, Petro srɔ̃e tso Yesu gbɔ be wɔɖenui wɔwɔ medzea Mawu ŋu o. (Yoh. 18:​10, 11) Eya ta egblɔ be: “Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o. Ke miyra amewo boŋ.” (1 Pet. 3:9) Ne míelɔ̃ amewo veviea, aʋã mí be míase nu gɔme na wo eye míawɔ nu ɖe wo ŋu nyuie, ne wowɔ nu wòve mí gɔ̃ hã.

12. (a) Ne míelɔ̃ mía nɔewo veviea, nu kae wòaʋã mí be míawɔ? (b) Abe ale si wòdze le video si nye Kpɔ Egbɔ Be Míaƒe Ðekawɔwɔ Xɔasia Me Nagagblẽ O me enea, nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa be míawɔ?

12 Petro gblɔ le eƒe agbalẽ gbãtɔa me be ‘míalɔ̃ mía nɔviwo vevie.’ Ne míelɔ̃ mía nɔviwo alea, míatsɔ nu vɔ̃ siwo wowɔ ɖe mía ŋu ake wo, metsɔ le zi gbɔ zi ale si wowɔe ɖe mía ŋu me o, elabe “lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.” (1 Pet. 4:8) Petro anya ɖo ŋku nu si Yesu fiae ƒe aɖewo va yi tso tsɔtsɔke ŋua dzi. Ɣemaɣia, Petro susui be ne yetsɔ ke ye nɔvi “va se ɖe zi adre” la, ke yenyo dɔme ŋutɔ. (Mat. 18:​21, 22) Gake Yesu fiae be ele be wòatsɔ ake “va se ɖe zi blaadre vɔ adre,” si fia be seɖoƒe mele tsɔtsɔke ŋu o. Nufiame ma yi na míawo hã. (Mat. 18:​21, 22) Ne ele sesẽm na wò be nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzia, dzi megaɖe le ƒowò o! Esi míede blibo o taa, esesẽna ɣeaɖewoɣi be míatsɔ ake. Nu vevitɔ si nàwɔ fifiae nye be nàwɔ nu sia nu si nàte ŋui atsɔ ake nɔviwòa, eye nàwɔ ŋutifafa kplii. c

HAMEMETSITSIWO, MILÉ BE NA YEHOWA ƑE ALẼAWO

13. Nu kae ate ŋu ana wòasesẽ na hamemetsitsiwo be woalé be na nɔviawo?

13 Esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, egblɔ na Petro be: “Kplɔ nye alẽ sueawo.” Ðikeke mele eme o be Petro meŋlɔ nya mawo be gbeɖe o. (Yoh. 21:16) Ne hamemetsitsie nènyea, ke ènya be nya siawo yi na wò hã tẽe. Ɣeaɖewoɣia, ate ŋu asesẽ na hamemetsitsi be wòakpɔ ɣeyiɣi awɔ dɔ vevi sia. Gbãa, ele be hamemetsitsiwo nakpɔ woƒe ƒomewo dzi, woakpɔ vovo ɖe wo ŋu awɔ nu siwo ana woakpɔe be yewolɔ̃ wo, eye woakpe ɖe wo ŋu wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. Azɔ hã, woxɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye wodzrana ɖo ɖe dɔ siwo woava wɔ le hame ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo mea ŋu. Hamemetsitsi aɖewo gɔ̃ hã wɔa dɔ le Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo me eye ɖewo hã wɔa dɔ kple Dukɔa Me Xɔtuɖaŋu Kple Xɔtudɔ Dzikpɔƒea. Nyateƒee, vovo menɔa hamemetsitsiwo ŋu kura o!

Hamemetsitsi lɔ̃amewo léa be na Mawu ƒe alẽhaa, togbɔ be vovo menɔa wo ŋu o hã (Kpɔ memama 14-15 lia)

14. Nu kae akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu woayi edzi akplɔ Mawu ƒe alẽhaa? (1 Petro 5:​1-4)

14 Petro de dzi ƒo na nɔvia hamemetsitsiwo be: “Mikplɔ Mawu ƒe alẽha . . . la.” (Xlẽ 1 Petro 5:​1-4.) Ne hamemetsitsie nènyea, míenya be èlɔ̃ nɔviawo eye èdi be yealé be na wo. Ke hã ɣeaɖewoɣia, ɖeɖiteameŋu kple dɔ geɖe siwo le dziwò ate ŋu ana wòasesẽ na wò be nàwɔ dɔ vevi sia. Ne edzɔ alea, nu kae nàte ŋu awɔ? Do gbe ɖa nàgblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me na Yehowa. Petro gblɔ be: “Ne ame aɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ si Mawu nana la subɔ.” (1 Pet. 4:11) Ðewohĩ kuxi siwo me tom nɔviawo lea dometɔ aɖewo nye esiwo gbɔ womate ŋu akpɔ bliboe le nuɖoanyi sia me o. Gake ɖo ŋku edzi be Yesu Kristo, ame si nye “alẽkplɔla gã la” ate ŋu akpe ɖe wo ŋu wu ame bubu ɖe sia ɖe fifia kple etsɔme siaa. Nu si Mawu di tso hamemetsitsiwo si koe nye be woalɔ̃ nɔviawo, woalé be na wo eye woazu “kpɔɖeŋu na alẽha la.”

15. Agbagba kae hamemetsitsi aɖe dze lé be na nɔviawo? (Kpɔ fotoa hã.)

15 William, si nye hamemetsitsi ƒe geɖee nye esia kpɔe be nɔviawo sasrãkpɔ le vevie ŋutɔ. Esi corona dɔvɔ̃a te kakaa, eya kple hamemetsitsi bubuawo ɖoe woƒe taɖodzinu be kwasiɖa sia kwasiɖaa, yewoaƒo ka na nɔvi siwo le yewoƒe ƒuƒoƒoa me dometɔ ɖe sia ɖe ade dzi ƒo nɛ. Nu ka tae? Egblɔ be: “Nɔvi geɖe tsi akogo le aƒe me eye ele bɔbɔe be woava nɔ nu siwo aɖe dzi le wo ƒoa ŋu bum.” Ne nɔvi aɖe le kuxi aɖe me tomaa, William ɖoa toe nyuie be yeanya nu si gbɔ kuxia tso kple nu si nɔvia hiã. Eyome ekua nu me le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea dia nyatiwo kple videowo tsɔ kpena ɖe nɔvia ŋu. Egblɔ be: “Nɔviawo sasrãkpɔ hiã vevie fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Míekua kutri vevie kpena ɖe amewo ŋu be woava srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu; nenema kee wòle be míaku kutri vevie alé be na Mawu ƒe alẽhaa eye míakpe ɖe wo ŋu woali ke le nyateƒea me.”

NA YEHOWA NAWU WÒ HEHEXƆXƆA NU

16. Mɔ kawo nue míate ŋu awɔ ɖe mɔfiame siwo le Petro ƒe agbalẽawo mea dzi le?

16 Nu ʋɛ aɖewo me koe nye ema míedzro le agbalẽ eve siwo Petro ŋlɔa me. Ðewohĩ esia na nèva de dzesi akpa siwo me nàgate ŋu ayi ŋgɔ le. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàdi be yeagade ŋugble le yayra siwo míakpɔ le xexe yeyea me ŋu geɖe wua? Ðe nèɖoe wò taɖodzinu be yeaɖi ɖase le dɔ me, suku alo afi ka kee yeɖale oa? Ðe nède dzesi mɔ siwo dzi nàto alɔ̃ nɔviawo geɖe wua? Hamemetsitsiwo, ɖe mieɖoe kplikpaa be yewoatsɔ lɔlɔ̃nu faa kple dzi faa alé be na Yehowa ƒe alẽawoa? Ame ɖokui me dzodzro anukwaretɔe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàde dzesi gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo, gake dzi megaɖe le ƒowò o. Elabena “Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo,” eye akpe ɖe ŋuwò. (1 Pet. 2:3) Petro ka ɖe edzi na mí be: “Mawu, . . . ŋutɔ ana miawu miaƒe hehexɔxɔa nu. Ana miali ke, ana miasẽ ŋu, ana mianɔ te sesĩe.”—1 Pet. 5:10.

17. Ne míeɖe mɔ Yehowa na hehe mí eye míena ta oa, nu kae ado tso eme?

17 Petro se le eɖokui me kpɔ be yemedze ate ɖe Mawu ƒe Vi la ŋu o. (Luka 5:8) Gake Yehowa kple Yesu kpe ɖe Petro ŋu lɔlɔ̃tɔe wòte ŋu yi edzi nɔ Yesu ŋu hewɔ nuteƒe nɛ. Esia wɔe be Yehowa na mɔnukpɔkpɔ Petro be “[wòayi] ɖe mía Aƒetɔ kple Ðela Yesu Kristo ƒe Fiaɖuƒe mavɔ la me.” (2 Pet. 1:11) Teƒeɖoɖo gã ka gbegbee nye esi! Ne èsrɔ̃ Petro ƒe kpɔɖeŋua eye nèɖe mɔ Yehowa na hehe wòa, aɖo eteƒe na wò hã; ana nànɔ agbe tegbee. Ekema àɖo “xɔse ƒe taɖodzinu si nye . . . ɖeɖekpɔkpɔ la gbɔ.”—1 Pet. 1:9.

HADZIDZI 109 Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke

a Le nyati sia mea, míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso agbalẽ eve siwo Petro ŋlɔa me kple ale si woate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me. Azɔ hã míakpɔ ale si nufiame siwo le agbalẽ mawo me akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu woawɔ woƒe dɔa nyuie.

b Anɔ eme be Petro ƒe agbalẽ evea siaa su Kristotɔ siwo nɔ Palestina si hafi Romatɔwo va dze Yerusalem dzi zi gbãtɔ le ƒe 66 K.Ŋ. me.