Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 37

Srɔ̃ Samson​—Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Srɔ̃ Samson​—Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

“Dziɖulagã Yehowa, meɖe kuku ɖo ŋku dzinye; Oo Mawu, meɖe kuku do ŋusẽm.”—ƲƆN. 16:28.

HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye

NYA VEVIAWO  a

1-2. Nu ka tae wòle vevie be míadzro Samson ƒe kpɔɖeŋua me?

 NE ÈSE ŋkɔ Samson la, nu kae vaa susu me na wò? Ðewohĩ, èɖoa ŋku ale si ŋusẽ nɔ eŋui dzi. Nyateƒee, ŋusẽ nɔ eŋu ŋutɔ! Gake Samson da vo si na wòkpe fu vevie. Ke hã, Yehowa de dzesi ale si Samson wɔ nuteƒee, eye wòna woŋlɔ eƒe ŋutinya ɖe Biblia me be wòaɖe vi na mí.

2 Yehowa to Samson dzi wɔ nu ɖedzesi geɖe tsɔ kpe ɖe eƒe dukɔ Israel ŋu. Ƒe alafa geɖe le Samson ƒe ku megbea, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòyɔ Samson ƒe ŋkɔ kpe ɖe ame siwo ƒe xɔse ɖe dzesia ŋu. (Heb. 11:​32-34) Kpɔɖeŋu nyui si Samson ɖo ate ŋu ade dzi ƒo na mí. Eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. Le nyati sia mea, míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Samson ƒe kpɔɖeŋua me, eye míade dzesi ale si eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ade dzi ƒo na míi.

SAMSON ÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU

3. Dɔ kae Yehowa de Samson si?

3 Ɣeyiɣi siwo me Filistitɔwo nɔ Israel dukɔa dzi ɖum henɔ wo tem ɖe anyi mee wodzi Samson. (Ʋɔn. 13:1) Israel-viwo nɔ fu kpem vevie le teteɖeanyia ta. Yehowa tia Samson be ‘wòaxɔ ŋgɔ aɖe Israel tso Filistitɔwo si me.’ (Ʋɔn. 13:5.) Dɔ sesẽ aɖe ŋutɔe nye ema! Hafi Samson nate ŋu awɔ dɔ sia ade goea, ele be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe.

Samson ka ɖe Yehowa dzi eye wòlɔ̃ faa wɔ tɔtrɔ siwo hiã be wòate ŋu asubɔ Yehowa nyuie. Ewɔ nu si su esi ŋu dɔ tsɔ wɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu (Kpɔ memama 4-5 lia)

4. Aleke Yehowa ɖe Samson tso Filistitɔwo si me? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 15:​14-16)

4 Samson ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye wòka ɖe edzi be akpe ɖe ye ŋu. Bu nudzɔdzɔ aɖe si me wòwɔ esia lea ŋu kpɔ. Gbe ɖekaa, Filistitɔwo va be yewoalé Samson le du aɖe si nye Lehi, si anya nɔ Yuda me. Esi vɔvɔ̃ ɖo Yuda ŋutsuwo taa, wotso nya me be yewoatsɔ Samson ade asi na futɔawo. Wobla woawo ŋutɔwo nɔvi Samson eye wokplɔe yi na Filistitɔwo. (Ʋɔn. 15:​9-13) Gake “Yehowa ƒe gbɔgbɔ do ŋusẽe” be kawo tso le eƒe alɔnu. “Ekpɔ tedzitsu ƒe glãƒu mumu aɖe,” eye wòdo asi ɖa tsɔe wu Filistitɔ 1,000.—Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 15:​14-16.

5. Aleke Samson ɖee fia be Yehowa ŋue yeɖo ŋu ɖo?

5 Nu ka tae Samson zã tedzitsu ƒe glãƒu, evɔ menye aʋawɔnu wònye o? Ðikeke mele o be Samson nyae be nu ka kee yeɖazã o, Yehowa akpe ɖe ye ŋu yeaɖu Filistitɔwo dzi. Ɛ̃, ŋutsu wɔnuteƒe sia zã nu si su esi tsɔ wɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. Esi Samson ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu taa, ete ŋu ɖu futɔwo dzi.

6. Ne Yehowa ƒe habɔbɔa de dɔ aɖe mía sia, aleke Samson ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe vi na mí?

6 Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ míawo hã be míawɔ dɔ ɖe sia ɖe si wòde mía si, ne esesẽ gɔ̃ hã. Ate ŋu awɔ esia le mɔ siwo míesusu o gɔ̃ hã nu. Eya ta ka ɖe edzi be Yehowa, ame si do ŋusẽ Samson ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàwɔ eƒe lɔlɔ̃nu, ne èɖo ŋu ɖe eŋu ko.—Lod. 16:3.

7. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be ele vevie be míadi mɔfiame tso Yehowa gbɔ.

7 Mía nɔvi geɖe siwo kpe asi ɖe teokrasixɔtudɔwo ŋua ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Tsãa, mía nɔviwo ŋutɔe wɔa Fiaɖuƒe Akpata yeyewo kple míaƒe xɔ bubuawo ƒe tatawo hetua wo. Gake esi míele dzidzim ɖe edzi taa, eva hiã be habɔbɔa nawɔ tɔtrɔ aɖewo. Nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm la do gbe ɖa bia Yehowa ƒe mɔfiame eye wote mɔnu yeyewo kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, wowɔ ɖoɖo be woaƒle xɔ siwo wotu xoxo atrɔ asi le wo ŋu. Robert, si wɔ dɔ kple Xexea Me Katã Ƒe Xɔtuɖaŋu Kple Xɔtudɔ Dzikpɔƒea gblɔ be: “Gbãa, menɔ bɔbɔe na nɔvi geɖe be woatrɔ ɖe ɖoɖo yeye sia ŋu o. Elabe eto vovo sãsãsã na ale si míewɔnɛ tsã. Gake nɔviawo lɔ̃ faa trɔ ɖe ɖoɖo yeyea ŋu, eye edze ƒãa be Yehowa yra ɖe edzi.” Nu siwo ɖee fia be Yehowa le mɔ fiam eƒe amewo be woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu dometɔ ɖeka koe nye esia. Tso ŋkeke yi ŋkekea, anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ðe media mɔfiame tso Yehowa gbɔa? Eye ɖe melɔ̃na faa trɔna ɖe mɔfiame yeyewo ŋua?’

SAMSON WƆ NU SIWO YEHOWA NƐA ŊU DƆ

8. Gbe ɖeka esi tsikɔ wu Samson veviea, nu kae wòwɔ?

8 Ànya xlẽ nu tso nu wɔnuku bubu siwo Samson wɔa ŋu. Ekpe akɔ kple dzata hewui, eyome eyi Askelon ɖawu Filistitɔ 30. (Ʋɔn. 14:​5, 6, 19) Samson nyae be yemate ŋu awɔ nu mawo ne ɖe Yehowa mekpe ɖe ye ŋu o. Esia dze ƒãa esi wòwu Filistitɔ 1,000 eye tsikɔ wui vevie. Nu kae wòwɔ? Etrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu; meɖo ŋu ɖe eɖokui ŋu o.—Ʋɔn. 15:18.

9. Esi Samson do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋua, nu kae Yehowa wɔ? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 15:19)

9 Yehowa ɖo Samson ƒe gbedodoɖaa ŋu eye wòna tsi do nukutɔe. Esi Samson no tsia, “ŋusẽ ɖo eŋu, eye agbe gaɖo eme.” (Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 15:19.) Anɔ eme be tsidzɔƒe ma kpɔtɔ nɔ anyi esime gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Samuel wòŋlɔ Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe agbalẽa. Ɣesiaɣi si Israel-viwo kpɔ tsisisi maa, anya ɖo ŋku edzi na wo be ne yewowɔ nuteƒe na Yehowa eye yewoɖo ŋu ɖe eŋua, akpe ɖe yewo ŋu le hiãɣi.

Esi Samson no tsi si Yehowa nɛa, agbe ɖo eme. Ne míewɔ nu siwo Yehowa nana mí ŋu dɔa, esia ado ŋusẽ míaƒe xɔse eye míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ (Kpɔ memama 10 lia)

10. Nu kae wòle be míawɔ be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu? (Kpɔ fotoawo hã.)

10 Ne ŋutete tɔxɛwo le mía si alo míete ŋu wɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me hãa, ele be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu. Ele be míabɔbɔ mía ɖokui eye míade dzesii be Yehowa koe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hafi míakpɔ dzidzedze. Esi Samson no tsi si Yehowa nɛa, agbe ɖo eme. Nenema kee ne míewɔ nu siwo katã Yehowa nana mí ŋu dɔa, esia ado ŋusẽ míaƒe xɔse eye míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ.—Mat. 11:28.

11. Nu kawoe míawɔ be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu, eye nu kae nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a wɔ?

11 Bu mía nɔviŋutsu Aleksey, si le Russia, si yome tim wole vevie ŋu kpɔ. Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu le dzi dom le nɔnɔme sesẽ ma me? Eya kple srɔ̃a wowɔ ɖoɖo nyui ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu eye wolé fɔ ɖe eŋu. Aleksey gblɔ be: “Medzea agbagba srɔ̃a nu le ɖokuinye si eye mexlẽa Biblia gbe sia gbe. Ŋdi sia ŋdia, nye kple srɔ̃nye míedzroa Ŋɔŋlɔawo me eye míedoa gbe ɖa ɖekae.” Nu kae míesrɔ̃ tso wo gbɔ? Mele be míaɖo ŋu ɖe mía ɖokui ŋu o, ke boŋ míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Aleke míawɔe? Míate ŋu awɔ esia ne míexlẽa Biblia, míedoa gbe ɖa, míedea kpekpeawo, míeɖea gbeƒã, eye míewɔa nu bubu siwo hã ado ŋusẽ míaƒe xɔse. Ne míewɔe alea, Yehowa ayra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo dzi. Edo ŋusẽ Samson eye ado ŋusẽ míawo hã godoo.

SAMSON MENA TA O

12. Nyametsotso gbegblẽ kae Samson wɔ, eye nu ka tae eya kple Delila dome kadodoa ya to vovo?

12 Samson hã mede blibo o, eya ta metso nya me nyuie ɣeaɖewoɣi o. Nyametsotso aɖe ya gblẽ nu le eŋu vevie, elabe eƒe susu menɔ dɔ si Mawu de esia ŋu o. Esime wònye ʋɔnudrɔ̃laa, “nyɔnu aɖe si le Sorek Bali me, si ŋkɔe nye Delila la ƒe nu lé dzi nɛ.” (Ʋɔn. 16:4) Gake do ŋgɔa, Samson di be yeaɖe Filisti nyɔnu aɖe. Yehowa gbɔe esia tso, elabe Yehowa ‘nɔ mɔnu dim le Filistitɔwo ŋu.’ Emegbea, Samson va dze gbolo aɖe ƒeme le Filistitɔwo ƒe du si nye Gaza me. Le zã ma mea, Yehowa do ŋusẽ Samson wòho dua ƒe agbowo hekɔ wo dzoe, si na dua tsi nuvo. (Ʋɔn. 14:​1-4; 16:​1-3) Gake nu si dzɔ le Samsom kple Delila dome ya to vovo, elabe menye Filistitɔe Delila nye o, anɔ eme be Israel-vie. Azɔ hã Samson ŋutɔe tso le eɖokuisi vae dze ahiãe; Yehowa ƒe asi menɔ eme o.

13. Nu kae Delila wɔ si gblẽ nu le Samson ŋu?

13 Delila lɔ̃ be yeaxɔ ga gbogbo aɖe le Filistitɔwo si be yeade Samson asi. Ðe wòanye be lɔlɔ̃e gbã ŋku na Samson wòka ɖe Delila dzi nenema gbegbe be mete ŋu de dzesi nu si wòɖo be yeawɔ oa? Míenya o. Gake aleke kee wòɖale o, esi Delila nɔ eƒom ɖe enu be wòagblɔ nu si gbɔ wòtso be ŋusẽ le eŋu nenema gbegbea, eva gblɔe nɛ mlɔeba. Nublanuitɔea, Samson ƒe vodada sia na ŋusẽ vɔ le eŋu eye eƒe nu megava dze Yehowa ŋu o hena ɣeyiɣi aɖe.—Ʋɔn. 16:​16-20.

14. Esi Samson ka ɖe Delila dzia, nu kae do tso eme?

14 Esi Samson ka ɖe Delila dzi le esi teƒe be wòaka ɖe Yehowa dzi taa, ekpe fu vevie. Filistitɔwo lée eye wogbã ŋku nɛ. Wodee gaxɔ me le Gaza, si nye du si ƒe agbowo wòho, eye wona wòzu kluvi nɔ wɔ tum na wo. Gbe ɖeka Filistitɔwo ɖu azã na woƒe alakpamawu Dagon eye wosa vɔ gã aɖe nɛ, elabe wosusu be eyae tsɔ Samson si nye yewoƒe futɔa de yewo si. Wokplɔ Samson va azãɖuƒea be ‘wòado nukokoe na yewo.’ Gbɔɖiame ka gbegbee nye esi!—Ʋɔn. 16:​21-25.

Yehowa do ŋusẽ Samson wòbia hlɔ̃ Filistitɔwo (Kpɔ memama 15 lia)

15. Nu kae Samson wɔ si ɖee fia be egava ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ake? (Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:​28-30) (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

15 Togbɔ be Samson da vo gã aɖe hãa, mena ta o. Ewɔ mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi nɛa ŋu dɔ wɔ dɔ si Yehowa de esi, si nye be wòatsrɔ̃ Filistitɔwo. (Xlẽ Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:​28-30.) Samson ɖe kuku na Yehowa vevie be: “Na mabia hlɔ̃ Filistitɔwo.” Mawu vavã la ɖo Samson ƒe gbedodoɖaa ŋu eye wòna ŋusẽ tɔxɛa gaɖo eŋu. Esia wɔe be Filistitɔ siwo Samson wu gbe ma gbea sɔ gbɔ wu esiwo katã wòwu kpɔ.

16. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Samson gbɔ?

16 Vodada si Samson wɔ na wòto nɔnɔme sesẽ geɖe me, gake ema mena wòdzudzɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ o. Eya ta ne míeda vo eye woɖɔ mí ɖo alo subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe ge le mía si hãa, mele be míana ta o. Ðo ŋku edzi be Yehowa le klalo be yeatsɔ ake. (Ps. 103:​8-10) Togbɔ be míedaa vo ɣeaɖewoɣi hãa, Yehowa ate ŋu ado ŋusẽ mí míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, abe ale si wòdo ŋusẽ Samson ene.

Anɔ eme be ete ɖe Samson dzi be yeda vo, gake mena ta o—mele be míawo hã míana ta o (Kpɔ memama 17-18 lia)

17-18. Aleke Michael ƒe nuteƒekpɔkpɔa de dzi ƒo na wòe? (Kpɔ fotoawo hã.)

17 Bu nu si me nɔviŋutsu Michael to ŋu kpɔ. Enye Yehowa subɔla dovevienu, eye wònye subɔsubɔdɔwɔla kple gbesiagbe mɔɖela. Nublanuitɔea, ewɔ nane si mesɔ o si wɔe be subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ mawo katã ge le esi. Egblɔ be: “Menɔ geɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me, gake kasia, nu sia nu va tɔ kpe. Menya be Yehowa magblẽm ɖi ya o, gake mesena le ɖokuinye me be nye kplii dome magate ŋu anɔ kplikplikpli o, eye mesusuna be mɔnukpɔkpɔ magasu asinye mawɔ dɔ geɖe nɛ le hamea me abe tsã ene o.”

18 Dzidzɔtɔea, Michael mena ta o. Egblɔ be: “Mekua kutri doa gbe ɖa edziedzi, mesrɔ̃a nu vevie eye medea ŋugble ale be mate ŋu adzra nye kple Yehowa dome ɖo.” Ɣeyiɣi aɖe megbea, mɔnukpɔkpɔwo gasu Michael si le hamea me. Fifia enye hamemetsitsi eye wòle gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm. Egblɔ be: “Ale si nɔviawo, vevietɔ hamemetsitsiawo, kpe ɖe ŋunye hede dzi ƒo nam na mekpɔe be Yehowa gakpɔtɔ lɔ̃m. Fifia megale Yehowa subɔm kple dzitsinya si ŋu kɔ. Nu siwo me meto na mekpɔe be Yehowa ate ŋu atsɔ ake ame sia ame si trɔ dzi me vavã.” Míawo hã ne edzɔ be míeda vo gake míetrɔ dzi me eye míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋua, míate ŋu aka ɖe edzi be agate ŋu azã mí míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu eye wòayra mí.—Ps. 86:5; Lod. 28:13.

19. Aleke Samson ƒe ŋutinyaa de dzi ƒo na wòe?

19 Le nyati sia mea, míedzro nu siwo dzɔ le Samson ƒe agbe me dometɔ aɖewo me. Mede blibo o, ke hã esi wòda voa, medzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Eye Yehowa hã megblẽe ɖi o. Mawu gado ŋusẽe etɔxɛe wòwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Yehowa kpɔtɔ bu Samson be enye ŋutsu si si xɔse sẽŋu le eye wòna woŋlɔ eƒe ŋkɔ kpe ɖe nuteƒewɔla siwo woyɔ le Hebritɔwo ta 11 lia me ŋu. Dzi ɖoa mía ƒo ŋutɔ be mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo di vevie be yeado ŋusẽ mí, vevietɔ ne míegbɔdzɔ. Eya ta neva eme be míasrɔ̃ Samson aɖe kuku na Yehowa be: “Ðo ŋku dzinye; Oo Mawu, meɖe kuku do ŋusẽm.”—Ʋɔn. 16:28.

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

a Samson nye Biblia me me si ŋu ame geɖe nya nu tsoe. Ame siwo menya nu boo aɖeke tso Ŋɔŋlɔawo ŋu o gɔ̃ hã nya nu tso eŋu. Amewo ŋlɔ agbalẽwo tso eŋu, hadzilawo kpa hawo tso eŋu eye fefewɔlawo zã eƒe ŋutinyaa tsɔ wɔ filmwoe. Gake menye glie eƒe ŋutinyaa nye o. Samson nye mawusubɔla si ƒe xɔse ɖe dzesi si gbɔ míate ŋu asrɔ̃ nu tso.