Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Esia Kpɔ

Te Esia Kpɔ

Dɔdeasiwo Na Ðeviwo

Agba gã aɖe le dzilawo dzi be woafia nu wo viwo tso Yehowa ŋu. (Ef. 6:4) Yehowa ƒe habɔbɔa trɔ asi le nyatiwo, videowo, hawo kple dɔwɔnu vovovo siwo dzilawo ate ŋu azã atsɔ afia nu wo viwo ŋu. Aleke nàte ŋu azã nu siawo atsɔ afia nu viwò?

  • Di dɔwɔnuawo. Ne èʋu JW.ORG la, àkpɔ nu siwo katã ŋu wotrɔ asi le na ɖeviwo le afi ma. Àkpɔ videowo, dɔdeasiwo kple dɔwɔgbalẽvi siwo dzi ɖeviwo ate ŋu aŋlɔ nu ɖo alo ata nu ɖo. a Be nàke ɖe dɔwɔnu mawo ŋua, ŋlɔ “Ðeviwo” alo “Sɔhɛwo” ɖe nyadiƒea.

  • Tia wo dometɔ si asɔ na viwòa. Le jw.org ƒe akpa si nye “Ðeviwo” la, àkpɔ videowo, hawo kple nyati siwo aɖe vi na viwòa. Be nàke ɖe wo ŋua, ŋlɔ “Hena Ƒometadedeagu” ɖe nyadiƒea.

  • Kpɔ vovo ɖe viwòa ŋu. Mègaɖe asi le ɖevia ŋu eya ɖeɖe nanɔ videoawo kpɔm ko alo anɔ dɔdeasiawo wɔm le eɖokui si o. Ke boŋ dzro wo me kplii eye nàkpe ɖe eŋu be wòava nye Yehowa xɔlɔ̃.

a Video siwo ŋu wotrɔ asi le na ɖeviwo kple sɔhɛwo le Eʋegbe me le JW Library® dɔwɔnua me, gake dɔdeasiwo kple dɔwɔgbalẽviwo mele eme haɖe o.