Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 39

Tufafa​—Menye Gbɔdzɔgbɔdzɔe Wònye O

Tufafa​—Menye Gbɔdzɔgbɔdzɔe Wònye O

“Mele be Aƒetɔ la ƒe kluvi nawɔ dzre o, ke boŋ wòafa tu na amewo katã.”—2 TIM. 2:24.

HADZIDZI 120 Srɔ̃ Kristo Ƒe Tufafa

NYA VEVIAWO a

1. Nya kawoe woate ŋu abia mí le dɔ me alo suku?

 ALEKE nèsena le ɖokuiwò me ne wò dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo bia nya wò tso wò dzixɔsewo ŋu? Ðe nèvɔ̃na alo tsia dzodzodzoea? Mía dometɔ geɖe sena le mía ɖokui me nenema. Gake amewo ƒe nyabiasewo nana míenyana woƒe susu alo nu si dzi woxɔ se eye esia ʋua mɔnukpɔkpɔ na mí be míagblɔ nya nyuia na wo. Ɣeaɖewoɣi hãa, amewo biaa nya mí elabe womelɔ̃ ɖe míaƒe dzixɔsewo dzi o alo wodi be yewoahe nya kpli mí. Nu si tae nye be, wo dometɔ aɖewo se alakpanyawo tso mía ŋu. (Dɔw. 28:22) Azɔ hã míele “ŋkeke mamlɛawo me” eye amewo “melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o”; wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã wɔa nu ‘adãtɔe.’—2 Tim. 3:​1, 3.

2. Nu ka tae wòle be míafa tu?

2 Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Nu kae akpe ɖe ŋunye be malé ɖokuinye kpoo aɖo nya ŋu ŋuɖɔɖotɔe ne ame aɖe di be yeahe nya kplim le nye dzixɔsewo ta?’ Nu si akpe ɖe ŋuwòe nye be nàfa tu. Ame si fa tu medoa dziku kabakaba o; etea ŋu léa eɖokui ne menya nu si wòawɔ le nɔnɔme aɖe me o gɔ̃ hã. (Lod. 16:32) Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Enya gblɔna gake menya wɔna o.’ Ke nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàfa tu geɖe wu? Aleke nàɖo nya ŋu le tufafa me ne ame aɖe di be yeahe nya kpli wò le wò dzixɔsewo ta? Ne dzilae nènyea, aleke nàkpe ɖe viwòwo ŋu woaʋli woƒe xɔse ta le tufafa me? Na míakpɔe ɖa.

NU SI AKPE ÐE ŊUWÒ BE NÀFA TU

3. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ne ame aɖe fa tua, menye gbɔdzɔgbɔdzɔe wònye o? (2 Timoteo 2:​24, 25)

3 Ne ame aɖe fa tua, menye gbɔdzɔgbɔdzɔe esia nye o. Ebia ɖokuidziɖuɖu blibo be ame nalé eɖokui le nɔnɔme sesẽ me. Tufafa nye “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” ƒe akpa aɖe. (Gal. 5:​22, 23) Wozã Helagbe me nya si gɔme woɖe le Biblia me be “tufafa” tsɔ ɖɔ sɔ wɔadã si womla. Togbɔ be womla sɔa wòfa tu hãa, ŋusẽ gakpɔtɔ le eŋu. Ke ɖe wòanya wɔ be mí amegbetɔwo míafa tu, evɔ míasẽ ŋua? Ɛ̃, anya wɔ, gake mímate ŋu awɔe le míaƒe ŋusẽ me o. Ele be míabia Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔa mí be míate ŋu atu nɔnɔme nyui sia ɖo. Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be ame geɖe te ŋu wɔ esia. Le kpɔɖeŋu me, mía nɔvi geɖe te ŋu wɔ nu le tufafa me esi amewo tsi tre ɖe wo ŋu alo di be yewoahe nya kpli wo. Esia wɔe be susu nyui va su ame geɖe si ɖe Ðasefowo ŋu. (Xlẽ 2 Timoteo 2:​24, 25; etenuŋɔŋlɔ.) Nu kae nàte ŋu awɔ be tufafa nanye wò amenyenye ƒe akpa vevi aɖe?

4. Tufafa ƒe kpɔɖeŋu nyui kae Isak ɖo, eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme?

4 Biblia me kpɔɖeŋu geɖe ɖe ale si gbegbe tufafa le veviea fia. Bu Isak ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi wònɔ Filistitɔwo ƒe du si nye Gerar mea, dua me tɔwo ʋã ŋui eye woxe vudo siwo fofoa ƒe subɔviwo ɖe. Isak mewɔ dzre kpli wo o, ke boŋ eʋu yi teƒe bubu eye wòɖe vudo bubuwo ɖe afi ma. (1 Mose 26:​12-18) Filistitɔwo gaʋli ema hã kplii be yewo tɔe. Gake Isak wɔ nu le ŋutifafa me. (1 Mose 26:​19-25) Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu fa tu togbɔ be woɖoe kplikpaa be yewoado dziku nɛ? Esrɔ̃ ale si wòawɔ nu kple amewo le ŋutifafa me tso fofoa Abraham gbɔ, eye wòsrɔ̃ ale si ‘wòafa tu anɔ anyi kpoo’ tso nɔa Sara gbɔ.—1 Pet. 3:​4-6; 1 Mose 21:​22-34.

5. Kpɔɖeŋu kae ɖee fia be dzilawo ate ŋu afia wo viwo ale si woafa tu?

5 Dzilawo, mika ɖe edzi be miate ŋu afia mia viwo ale si woafa tui. Bu Maxence si xɔ ƒe 17 ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Zi geɖea, edoa go ame siwo nye dzikumewo le suku kple gbeadzi siaa. Edzilawo gbɔ dzi ɖi kpe ɖe eŋu be wòasrɔ̃ ale si wòafa tu. Wogblɔ be, “Fifia Maxence va de dzesii be togbɔ be wɔɖenui wɔwɔe le bɔbɔe wu hãa, ame si ŋu ŋusẽ le vavã tea ŋu léa eɖokui ne wodo dziku nɛ gɔ̃ hã.” Maxence va zu ame fatu.

6. Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míafa tu geɖe wu?

6 Nu kae míate ŋu awɔ ne míedo go nɔnɔme aɖe si ate ŋu ana míado dziku, ɖewohĩ ame aɖe gblɔ nya manyomanyowo tso Yehowa alo Biblia ŋu? Ele be míado gbe ɖa na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔa kple nunya mí be míate ŋu aɖo nya ŋu le tufafa me. Ke ne míeva de dzesii be mímete ŋu ɖo nya ŋu le tufafa me o ɖe? Míagate ŋu ado gbe ɖa tso eŋu, eye míabu ale si míawɔe wòanyo wu ne nɔnɔme ma gado mo ɖa. Ne míewɔe alea, Yehowa ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí be míate ŋu aɖu mía ɖokui dzi eye míafa tu.

7. Vi kae wòaɖe na mí ne míelé mawunyakpukpui vevi aɖewo ɖe susu me? (Lododowo 15:​1, 18)

7 Mawunyakpukpui geɖe li siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo me ne wodo dziku na mí. Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku wo dzi. (Yoh. 14:26) Le kpɔɖeŋu me, gɔmeɖose siwo le Lododowo ƒe agbalẽa me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míafa tu. (Xlẽ Lododowo 15:​1, 18.) Susu siwo tae wònyo be míafa tu ne wowɔ nu wòve mí hã le Lododowo ƒe agbalẽa me.—Lod. 10:19; 17:27; 21:23; 25:15.

ALE SI NUGƆMESESE AKPE ÐE MÍA ŊU MÍAFA TU

8. Ne ame aɖe he nya kpli mí le míaƒe dzixɔsewo taa, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui?

8 Nugɔmesese ate ŋu akpe ɖe mía ŋu. (Lod. 19:11) Ame si sea nu gɔme ɖua eɖokui dzi ne wotsɔ nya ɖe eƒe dzixɔse ŋu. Zi geɖe ne amewo bia nya mía, womegblɔa susu si tututu tae wobia nyaa ɖo o. Eya ta hafi míaɖo nya ŋu na ame aɖea, ele be míaɖo ŋku edzi be mímenya susu si tae wòbia nyaa ɖo o.—Lod. 16:23.

9. Aleke Gideon ɖee fia be yese nu gɔme na Efrayim ŋutsuwo, eye aleke wòwɔ nu ɖe wo ŋu?

9 Bu ale si Gideon ɖo nya ŋu na Efrayim ŋutsuwo ŋu kpɔ. Wodo dziku ɖe eŋu vevie be meyɔ yewo esi wòyina aʋa kpe ge kple Israel ƒe futɔwo o. Gake susu ka koŋ tae wodo dziku nenema gbegbe ɖo? Ðe wòanye dada gbɔe wòtsoa? Ðewohĩ. Nu ka ke gbɔe wòɖatso o, Gideon ɖee fia be yese nu gɔme na wo eye wòɖo nya ŋu na wo le tufafa me. Nu kae do tso eme? Biblia gblɔ be “woƒe dzi fa.”—Ʋɔn. 8:​1-3.

10. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míaɖo nya ŋu na ame siwo bia nya mí tso míaƒe dzixɔsewo ŋu? (1 Petro 3:15)

10 Ðewohĩ wò dɔwɔhati alo sukuhati abia nya wò tso nu si tae Ðasefowo nɔa agbe le mɔ aɖe nu alo tsria nanewo ɖoa ŋu. Ele be míadze agbagba aɖe míaƒe dzixɔsewo me eye míade bubu amewo ƒe susuwo ŋu. (Xlẽ 1 Petro 3:15.) Ne amewo bia nya mía, mele be míabui be ɖe wotsi tre ɖe mía ŋu o, ke boŋ ele be míakpɔe be woƒe nyabiasewo akpe ɖe mía ŋu míanya nu siwo ŋu wotsi dzi ɖo. Susu ka ke tae amewo ɖabia nya mí o, míewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie eye míeɖoa nya ŋu na wo le tufafa me. Míaƒe nyaŋuɖoɖoa ate ŋu ana woabu nuwo ŋu nyuie. Ele be míaɖoe míaƒe taɖodzinu be ne amewo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o hãa, míawo ya míawɔ nu ɖe wo ŋu le tufafa me.—Rom. 12:17.

Ne èbu susu siwo tae ame aɖe le wò kpem na dzigbezãɖuɖua, esia ana be nàɖe nu me nɛ nyuie wu (Kpɔ memama 11-12 lia)

11-12. (a) Ne wobia nya sesẽ aɖe mía, nu kawo ŋue wòle be míabu hafi aɖo eŋu? (Kpɔ fotoa hã.) (b) Aleke nya siwo amewo biana mí ʋua dzeɖoɖo ƒe mɔnukpɔkpɔwo ɖi? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

11 Le kpɔɖeŋu me, ne wò dɔwɔhati aɖe bia wò be, nu ka tae mieɖua dzigbezã o hãa la, anyo be nàtɔ sẽe abia ɖokuiwò be: Nu ka tae wòbia nya siam? Ðe wòsusu be womeɖea mɔ na mí be míado dzidzɔ na mía ɖokui oa? Alo ɖe wòsusu be nye nuwɔnawo agblẽ amewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ mea? Ele be míakafu míaƒe dɔwɔhatia ɖe ale si wòtsɔ ɖe le eme na dɔwɔhati bubuawo ta eye míaka ɖe edzi nɛ be míawo hã míetsɔa ɖe le eme na wo vevie eye míedi be míawɔ dɔ kpli wo aduadu. Esia ate ŋu ana wòaɖe dzi ɖi eye wòaɖe mɔ miaɖo dze faa tso nu si Biblia ɖe fia tso dzigbezãɖuɖu ŋua ŋu.

12 Míate ŋu azã mɔnu ma tɔgbi ke ne amewo tsɔ nya sesẽwo tu mí. Le kpɔɖeŋu me, wò sukuhati aɖe ate ŋu agblɔ be ehiã be Yehowa Ðasefowo natrɔ ale si wobua ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu. Ne edzɔ alea, anyo be nàbia ɖokuiwò be, nu ka tae wògblɔ nya sia? Ðe wòanye be ese wobewobe aɖewo tso Ðasefowo ŋu taea? Ðe wòanye be exɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖe nye ŋutsu ŋutsugbɔdɔla alo nyɔnu nyɔnugbɔdɔla? Alo ɖe wòanye be esusu be míelé fu ame siwo wɔa nu mawoa? Anyo be míaka ɖe edzi nɛ be míetsɔa ɖe le eme na ame ƒomeviwo katã eye míedea bubu wo ŋu eye míenyae hã be gome le ame sia ame si be wòatia nu si wòawɔ. b (1 Pet. 2:17) Azɔ hã míate ŋu atsɔ nya si Biblia gblɔ tso agbe nyui nɔnɔ ŋu kple ale si wòaɖe vi na míi afiae.

13. Aleke nàwɔ akpe ɖe ame aɖe si susu be nunya mele eme be woaxɔ Mawu dzi se oa ŋu?

13 Ne ame aɖe melɔ̃ ɖe míaƒe nyawo dzi oa, mele be míaƒo nya ta enumake be míenya dzixɔse si le esi o. (Tito 3:2) Le kpɔɖeŋu me, ne wò sukuhati aɖe gblɔ be nunya mele eme be woaxɔ Mawu dzi ase oa, nu kae nàwɔ? Ðe nàƒo nya ta be exɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi se eye wònya nu geɖe tso eŋua? Anɔ eme be nya siwo wòse amewo gblɔ ko gblɔm eya hã le. Mègatsi dzi be yeaɖee afiae be nya ma menye nyateƒe o, ke boŋ gblẽ nya aɖe ɖe egbɔ si ŋu wòanɔ ŋugble dem le. Àte ŋu atsɔ nyati aɖe si ku ɖe nuwɔwɔwo ŋu le jw.org afiae alo aɖo eƒe link ɖee. Ne èwɔe alea, ate ŋu ava lɔ̃ be yeaɖo dze tso nyati alo video si wòkpɔ le afi ma ŋu. Ɛ̃, esia ate ŋu awɔe be wòalɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia.

14. Aleke Niall zã míaƒe nyatakakadzraɖoƒea tsɔ ɖɔ susu totro si le eƒe sukuhati aɖe si ɖe Ðasefowo ŋua ɖo?

14 Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Niall zã míaƒe nyatakakadzraɖoƒea tsɔ ɖɔ susu totro siwo le ame aɖewo si ɖe Yehowa Ðasefowo ŋua ɖo. Egblɔ be: “Nye sukuhati aɖe gblɔna nam zi geɖe be nye ya agbalẽ xoxo aɖe me nyawo dzie meka ɖo, evɔ dzɔdzɔmeŋutinunya siwo ŋu kpeɖodzi le ya megbe wo.” Esi Niall ƒe sukuhatia meɖe mɔ wòɖe nu me nɛ o taa, ehe eƒe susu yi jw.org ƒe akpa si nye “Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia” dzi. Emegbea, Niall va de dzesii be yeƒe sukuhatia xlẽ nyatia. Esia wɔe be wòte ŋu dzro ale si agbea wɔ va dzɔe me kplii. Ne wò hã ète mɔnu sia kpɔa, aɖe vi geɖe.

ƑOMEWO, MIDZRA ÐO ÐEKAE

15. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woaɖo nya ŋu le tufafa me ne amewo bia nya tso woƒe dzixɔsewo ŋu le suku?

15 Dzilawo ate ŋu afia wo viwo ale si woaɖo nya ŋu le tufafa me ne amewo bia nya wo tso woƒe dzixɔsewo ŋu. (Yak. 3:13) Dzila aɖewo wɔa esia ƒe wɔwɔfiawo le ƒometadedeagu me. Wodzroa nya siwo amewo ate ŋu abia wo le sukua me, wowɔa ale si ɖeviawo aɖo nya mawo ŋu ƒe wɔwɔfiawo, eye wofiaa ɖeviawo ale si woaƒo nu le tufafa me wòawɔ dɔ ɖe ame dzi.—Kpɔ aɖaka si nye “ Numedzodzro Ðekae Aɖe Vi Na Miaƒe Ƒomea.”

16-17. Ne ƒomewo wɔa ale si woaɖo nya ŋu ƒe wɔwɔfiawo la, aleke esia ɖea vi na sɔhɛwo?

16 Numedzodzro kple wɔwɔfia mawo ate ŋu akpe ɖe ƒomea me tɔwo ŋu woawo ŋutɔwo woaka ɖe woƒe dzixɔsewo dzi eye woate ŋu aɖe wo me na ame bubuwo. Le jw.org ƒe akpa si nye “Sɔhɛwo Biana Be” la, àkpɔ dɔwɔgbalẽviwo na sɔhɛwo. Wotrɔ asi le agbalẽvi mawo ŋu be wòakpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woado ŋusẽ woƒe xɔse eye woanya ale si woaɖo nya ŋu le woawo ŋutɔwo ƒe nyagbewo me. Ne míewɔ dɔwɔnu siawo ŋu dɔa, akpe ɖe mía ŋu míanya ale si míaɖo nya ŋu na amewo le tufafa me wòawɔ dɔ ɖe wo dzi.

17 Wɔwɔfia mawo tɔgbi ɖe vi na sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Matthew. Zi geɖea, eya kple edzilawo kua nu me tso nya siwo ate ŋu afɔ ɖe te le sukua ŋu le woƒe ƒometadedeagu me. Egblɔ be: “Míebua nya siwo tɔgbi amewo ate ŋu abiam ŋu, míekua nu me tso wo ŋu, eye míewɔa ale si maɖo wo ŋu ƒe wɔwɔfiawo. Esia wɔnɛ be nye dzixɔsewo me kɔna nam, dzi ɖoa ƒonye eye wònɔa bɔbɔe nam be maɖo nya ŋu na amewo le tufafa me.”

18. Aɖaŋu kae woɖo na mí le Kolosetɔwo 4:6?

18 Ne míeɖe nu me wòkɔ nyuie gɔ̃ hãa, menye ame sia amee alɔ̃ ɖe nya siwo míegblɔ dzi o. Gake ne míeɖe nu me na wo le ŋuɖɔɖo kple tufafa mea, esia ate ŋu ana woase nu gɔme. (Xlẽ Kolosetɔwo 4:6.) Míate ŋu atsɔ ale si míeƒoa nu tso míaƒe dzixɔsewo ŋu asɔ kple ale si woada bɔl na ame aɖe. Míate ŋu adae nɛ blewu alo adae nɛ sesĩe. Ne míedae nɛ blewua, anɔ bɔbɔe be wòalée eye míayi fefea dzi. Nenema kee, ne míeƒo nu na amewo le ŋuɖɔɖo kple tufafa mea, woalɔ̃ faa be míaɖo dze kpli yewo eye woaɖo to mí. Gake ne ɖeko amea di be yeahe nya kpli mí alo aɖu fewu le mía ŋua, mehiã be míayi dzeɖoɖoa dzi o. (Lod. 26:4) Ke hã, menye amewo katãe awɔ nu alea o; wo dometɔ geɖe adi be yewoaɖo to.

19. Nu ka tae wòle be míafa tu ne míele míaƒe dzixɔsewo me ɖem na amewo?

19 Nyateƒee, eɖea vi geɖe ne míesrɔ̃ ale si míafa tu. Eya ta ne wohe nya ɖe mía ŋu alo bia nya sesẽwo mí ku ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋua, ele be míado gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽ mí míaɖo nya ŋu le tufafa me. Ðo ŋku edzi be ne èwɔ nu le tufafa mea, màva nɔ nya hem kpli wo ne nyaa nagblẽ ɖe edzi o. Ne míede bubu amewo ŋu eye míeɖo nya ŋu le tufafa mea, ate ŋu ana ale si wo dometɔ aɖewo bua Ðasefowo kple Biblia me nyateƒea natrɔ. Eya ta ‘nɔ dzadzraɖoɖi ɣesiaɣi be nàʋli’ wò dzixɔsewo ta, gake ‘nàwɔe le tufafa kple bubu deto me.’ (1 Pet. 3:15) Neva eme be nàɖoe kplikpaa be yeafa tu ɣesiaɣi!

HADZIDZI 88 Na Manya Wò Mɔwo

a Le nyati sia mea, míadzro ale si míaɖo nya ŋu le tufafa me ne amewo he nya ɖe mía ŋu alo bia nya mí tso míaƒe dzixɔsewo ŋu.

b Àkpɔ ale si woɖo biabia si nye, “Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ŋutsu Kple Ŋutsu Ƒe Dɔdɔ Ŋu?” ŋu le ƒe 2016 ƒe Nyɔ!, Tata 4 lia me.

c Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui geɖe le jw.org ƒe akpa si nye “Sɔhɛwo Biana Be” kple “Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu.”