Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 38

HADZIDZI 25 Mawu Ƒe Nunɔamesi Tɔxɛ

Ðe Nèle Nuxlɔ̃ameawo Dzi Wɔma?

Ðe Nèle Nuxlɔ̃ameawo Dzi Wɔma?

“Woakplɔ ɖeka, eye woagblẽ ɖeka ɖi.”MAT. 24:40.

TAÐODZINUA

Míadzro Yesu ƒe lododo etɔ̃ aɖewo me le nyati sia me, eye míakpɔ ale si woku ɖe ʋɔnu si woadrɔ̃ le nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi ŋu.

1. Nu kae Yesu ava wɔ kpuie?

 MÍELE agbe le ɣeyiɣi ɖedzesi aɖe me! Eteƒe madidi o, Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔ ɖe sia ɖe. Ena míenya nu siwo adzɔ hafi ʋɔnudrɔ̃ɣia naɖo. Egblɔ eƒe anyinɔɣi kple “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi” ƒe “dzesi” na eƒe nusrɔ̃lawo. (Mat. 24:3) Biblia ƒo nu tso dzesi sia ŋu le Mateo ta 24 kple 25, eye nya mawo ke gadze le Marko ta 13 kple Luka ta 21 hã.

2. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me, eye aleke esia aɖe vi na míi?

2 Yesu do lo etɔ̃ aɖewo tsɔ xlɔ̃ nu mí. Woawoe nye alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa, ɖetugbui dzeaɖaŋu kple ɖetugbui tsibomeawo ŋuti lododoa, kpakple talentowo ŋuti lododoa. Lododo siawo kpe ɖe mía ŋu míede dzesii be Yesu anɔ te ɖe ale si amewo le nu wɔmee dzi adrɔ̃ ʋɔnu wo. Esi míele wo me dzrom la, na míade dzesi nufiameawo kple ale si míate ŋu awɔ wo dzii. Gbãtɔ si me míadzro ye nye alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa.

ALẼWO KPLE GBƆ̃WO

3. Ɣekaɣie Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo?

3 Le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa me la, Yesu ƒo nu tso nu eve siwo dzi wòanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu amewo ŋu. Gbã, ale si wowɔ nu ɖe nya nyuia ŋu. Evelia, ale si wowɔ nu ɖe nɔvia amesiaminawo ŋu. (Mat. 25:​31-46) Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo le “xaxa gã” la me do ŋgɔ teti na Armagedon. (Mat. 24:21) Abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo ɖa tso gbɔ̃wo gbɔe ene la, nenemae Yesu ama ame siwo kpe asi ɖe nɔvia amesiaminawo ŋu ɖa tso ame siwo mekpe asi ɖe wo ŋu o la gbɔ.

4. Le Yesaya 11:​3, 4 ƒe nya nu la, nu ka tae míeka ɖe edzi be Yesu adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe? (Kpɔ foto.)

4 Biblia me nyagblɔɖiwo na míekpɔe be Yehowa tia Yesu be wòadrɔ̃ ʋɔnu, eye kakaɖedzi li be adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe. (Xlẽ Yesaya 11:​3, 4.) Yesu le ŋku lém ɖe amewo ƒe nuwɔnawo, woƒe agbenɔnɔ kple nuƒoƒo ŋu kpakple ale si wole nu wɔm ɖe nɔvia amesiaminawo ŋu. (Mat. 12:​36, 37; 25:40) Anya ame siwo katã do alɔ nɔvia amesiaminawo hekpe asi ɖe wo ŋu le woƒe dɔa wɔwɔ me. a Gbeƒãɖeɖedɔa nye mɔ vevi aɖe si dzi ame siwo le abe alẽwo ene la tona kpena ɖe Kristo nɔviwo ŋu. Yesu adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo kpena ɖe wo ŋu alea be wonye “ame dzɔdzɔewo,” eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woakpɔ “agbe mavɔ” le anyigba dzi. (Mat. 25:46; Nyaɖ. 7:​16, 17) Teƒeɖoɖo ka gbegbee nye esi wòanye na ame siwo alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi! Ne woyi edzi wɔ nuteƒe le xaxa gãa me kple xaxa gãa megbe la, woƒe ŋkɔ anɔ “agbegbalẽa” me tegbee.—Nyaɖ. 20:15.

Eteƒe madidi o, Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo (Kpɔ memama 4)


5. Nu kae alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa de dzi ƒo na mí be míawɔ, eye ame kawoe wòyi na?

5 Wɔ nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe. Ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le koŋ ŋue alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa ku ɖo. Menye gbeƒãɖeɖedɔa koe ame siawo wɔna tsɔ kpea asi ɖe Kristo nɔviwo ŋu o, ke wobɔbɔa wo ɖokui ɖe amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si Yesu tia be woaxɔ ŋgɔ la ƒe kpɔkplɔ te hã. (Mat. 24:45) Ele be ame siwo si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le hã nawɔ ɖe nuxlɔ̃ame si le lododoa me dzi. Nu ka tae? Elabe Yesu dea dzesi woawo hã ƒe nuwɔnawo, woƒe agbenɔnɔ kple nuƒoƒo. Ele be woawo hã woayi edzi awɔ nuteƒe. Le nyateƒe me la, Yesu gado lo eve bubu siwo me nuxlɔ̃amewo le na amesiaminawo koŋ. Lododo siawo hã dze le Mateo ta 25 lia. Azɔ na míadzro lododo si ku ɖe ɖetugbui dzeaɖaŋuwo kple ɖetugbui tsibomewo ŋu me.

ÐETUGBUI DZEAÐAŊUWO KPLE ÐETUGBUI TSIBOMEWO

6. Nu kae ɖetugbui atɔ̃awo wɔ si fia be wodze aɖaŋu? (Mateo 25:​6-10)

6 Yesu ƒo nu tso ɖetugbui leaƒe ewo aɖewo siwo yi be yewoava do go ŋugbetɔsrɔ̃ aɖe ŋu. (Mat. 25:​1-4) Wo katã wole mɔ kpɔm be yewoawɔ ɖeka kple ŋugbetɔsrɔ̃a le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖoa me. Yesu gblɔ be wo dometɔ atɔ̃ ‘dze aɖaŋu,’ eye atɔ̃ bubuawo ‘tsi bome.’ Ðetugbui dzeaɖaŋuawo nɔ dzadzraɖoɖi eye wonɔ ŋudzɔ. Wonɔ klalo be yewoalala ŋugbetɔsrɔ̃a ɣeyiɣi didi, ne zãtiƒee wòava ɖo gɔ̃ hã. Eya ta wotsɔ akaɖiwo ɖe asi be yewoasi ne zã do. Wotsɔ ami ɖe goewo me hã be yewoazã ne ŋugbetɔsrɔ̃a tsi megbe. Esia fia be wodzra ɖo be yewoana yewoƒe akaɖiwo nayi edzi anɔ bibim. (Xlẽ Mateo 25:​6-10.) Esi ŋugbetɔsrɔ̃a va ɖo la, ɖetugbui dzeaɖaŋuawo te ŋu kplɔe ɖo yi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea. Nenema kee Kristotɔ amesiamina siwo ayi edzi anɔ ŋudzɔ eye woawɔ nuteƒe va se ɖe esime Kristo va la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo be wodze akplɔ ŋugbetɔsrɔ̃ Kristo Yesu ɖo ayi ɖe Dziƒofiaɖuƒea me. b (Nyaɖ. 7:​1-3) Ke ɖetugbui tsibomeawo ya ɖe?

7. Nu kae dzɔ ɖe ɖetugbui tsibome atɔ̃awo dzi, eye nu ka tae?

7 Ðetugbui tsibomeawo ya menɔ dzadzraɖo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe vava ŋu abe ɖetugbui dzeaɖaŋuawo ene o. Ðetugbui tsibomeawo ƒe akaɖiawo va nɔ tsitsim evɔ wometsɔ ami bubu aɖeke hã ɖe asi o. Esi wose be ŋugbetɔsrɔ̃a gbɔna hafi woyi be yewoadze ami. Gake wometrɔ gbɔ hafi ŋugbetɔsrɔ̃a va ɖo o. Ɣemaɣi la, “ɖetugbui siwo le dzadzraɖoɖi la yi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒea kplii; eye wotu ʋɔa.” (Mat. 25:10) Emegbe esi ɖetugbui tsibomeawo trɔ gbɔ eye wodi be yewoage ɖe eme la, ŋugbetɔsrɔ̃a gblɔ na wo be: “Nyemenya mi o.” (Mat. 25:​11, 12) Ðetugbui siawo medzra ɖo be yewoalala ŋugbetɔsrɔ̃a ɣeyiɣi didi ka kee esia abia o. Nufiame kae le eme na amesiaminawo?

8-9. Nufiame kae le ɖetugbui leaƒeawo ƒe lododoa me na amesiaminawo? (Kpɔ fotoa hã.)

8 Nɔ dzadzraɖoɖi eye nànɔ ŋudzɔ. Menye ɖe Yesu nɔ nya gblɔm ɖi be amesiaminawo ƒe hatsotso eve ye anɔ anyi o. Eye eƒe nyawo mefia hã be ƒuƒoƒo ɖeka anɔ ŋudzɔ va se ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi evɔ ƒuƒoƒo evelia ya manɔ ŋudzɔ o. Ke boŋ nu si adzɔ ɖe amesiaminawo dzi ne womele dzadzraɖoɖi hedo dzi wɔ nuteƒe va se ɖe nuwuwu o me ɖem wòle na wo. Ne edzɔ alea la, woƒe fetua ato wo ŋu. (Yoh. 14:​3, 4) Ŋkubiãnya gã aɖee nye esia. Ne míele mɔ kpɔm be míayi dziƒo alo anɔ anyigba dzi hã la, ele be mí katã míasrɔ̃ nu tso ɖetugbui leaƒeawo ƒe lododoa me. Ele be mí katã míanɔ ŋudzɔ anɔ dzadzraɖoɖi ahado dzi va se ɖe nuwuwu.—Mat. 24:13.

9 Esi Yesu do lo ku ɖe ɖetugbui leaƒeawo ŋu tsɔ te gbe ɖe ale si wòle vevie be míanɔ dzadzraɖoɖi ahanɔ ŋudzɔe ŋu vɔ la, edo lo ku ɖe talentowo hã ŋu. Lododo sia te gbe ɖe ale si wòle be míado vevie dɔ si wode mía si la dzi.

Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ nuxlɔ̃ame si le lododo si ku ɖe ɖetugbuiawo ŋu la vevie ale be míanɔ dzadzraɖoɖi, anɔ ŋudzɔ eye míado dzi va se ɖe nuwuwu (Kpɔ memama 8-9)


TALENTOAWO

10. Aleke kluvi eveawo ɖee fia be yewonye nuteƒewɔlawo? (Mateo 25:​19-23)

10 Le talentowo ŋuti lododoa me la, Yesu ƒo nu tso kluvi eve siwo wɔ nuteƒe na woƒe aƒetɔ kple kluvi ɖeka aɖe si mewɔ nuteƒe o ŋu. (Mat. 25:​14-18) Kluvi eveawo ɖee fia be yewonye nuteƒewɔlawo eye wowɔ dɔ sesĩe dzi woƒe aƒetɔ ƒe kesinɔnuwo ɖe edzi. Hafi woƒe aƒetɔa nazɔ mɔ la, etsɔ talentowo, si nye ga home gbogbo aɖe, de asi na wo. Kluvi wɔnuteƒe eveawo do vevie nu zã woƒe aƒetɔ ƒe gaa nyuie. Nu kae do tso eme? Esi woƒe aƒetɔ trɔ gbɔ la, ga si wòde wo si la dzi ɖe edzi teƒe eve. Woƒe aƒetɔa kafu wo, eye woyi ɖe eƒe “dzidzɔ la me.” (Xlẽ Mateo 25:​19-23.) Ke kluvi etɔ̃lia ya ɖe? Nu kae wòwɔ kple ga si eƒe aƒetɔ nae?

11. Nu kae dzɔ ɖe kluvi si nye “kuviatɔ” la dzi, eye nu ka tae?

11 Kluvi etɔ̃lia si wotsɔ talento ɖeka na ya nye “kuviatɔ.” Eƒe aƒetɔ nɔ mɔ kpɔm be wòazã talentoa nyuie. Gake mewɔe nenema o. Ke boŋ etsɔe yi ɖaɖi ɖe to me. Esi aƒetɔa trɔ gbɔ la, kluvi sia mekpɔ viɖe aɖeke ɖe nu si wòtsɔ de esi la dzi o. Meɖe nɔnɔme nyui aɖeke fia hã o. Le esi wòaɖe kuku na eƒe aƒetɔ teƒe la, egblɔ nɛ be eƒe “nya me sẽ,” evɔ nya ma mele eteƒe o. Kluvi sia ƒe nu medze eƒe aƒetɔ ŋu kura o. Eya ta eɖe gbe be woaxɔ talentoa le esi eye woanyae ado go le aƒea me.—Mat. 25:​24, 26-30.

12. Ame kawoe kluvi wɔnuteƒe eveawo le tsitre ɖi na egbea?

12 Kluvi wɔnuteƒe eveawo le tsitre ɖi na Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo. Woƒe Aƒetɔ, si nye Yesu, kpe wo be ‘woage ɖe yeƒe dzidzɔ la me.’ Esia fia be woaxɔ woƒe dziƒofetu, si nye tsitretsitsi gbãtɔ. (Mat. 25:​21, 23; Nyaɖ. 20:5b) Gake kluvi mawɔnuteƒea ƒe nuwɔna nye nuxlɔ̃ame na amesiaminawo. Le mɔ ka nu?

13-14. Nufiame kae le talentowo ŋuti lododoa me na amesiaminawo? (Kpɔ fotoa hã.)

13 Do vevie nu eye nàwɔ dɔ sesĩe. Abe ale si wònɔ le ɖetugbui leaƒeawo ƒe lododoa me ene la, menye ɖe Yesu nɔ egblɔm ɖi be amesiaminawo ava zu kuviatɔwo o. Ke boŋ nu si adzɔ ɖe wo dzi nenye be dzo si le wo me va tsi la me ɖem wòle na wo. Ne edzɔ alea la, ‘wo yɔyɔ kple wo tiatia la mali ke o,’ eye womaɖe mɔ na wo be woage ɖe Dziƒofiaɖuƒea me o.—2 Pet. 1:10.

14 Lo siwo Yesu do ku ɖe ɖetugbui leaƒeawo kple talentoawo ŋu la ɖee fia be ele be Kristotɔ amesiaminawo katã nanɔ dzadzraɖoɖi, woanɔ ŋudzɔ, eye woado vevie nu. Gake ɖe Yesu gagblɔ nya bubu aɖe si nye nuxlɔ̃ame na amesiaminawoa? Ɛ̃! Nuxlɔ̃ame mawo dze le nya siwo wògblɔ le Mateo 24:​40, 41 me.

Yesu di be amesiaminawo nado vevie nu awɔ dɔ sesĩe va se ɖe nuwuwu (Kpɔ memama 13-14) d


AME KAE “WOAKPLƆ” ADZOE?

15-16. Aleke Mateo 24:​40, 41 te gbe ɖe edzi be ele be amesiaminawo nanɔ ŋudzɔ?

15 Hafi Yesu nado lo etɔ̃ mawo la, eƒo nu tso ale si woadrɔ̃ ʋɔnu amesiaminawo atre wo nu zi mamlɛa si aɖee afia be wokpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu la ŋu. Eƒo nu tso ŋutsu eve siwo le dɔ wɔm le agble me kple nyɔnu eve siwo le wɔ tum le teƒo la ŋu. Edze be dɔ ɖeka wɔm ŋutsuawo le eye dɔ ɖeka wɔm nyɔnuawo hã le, gake Yesu gblɔ be “woakplɔ ɖeka, eye woagblẽ ɖeka ɖi.” (Xlẽ Mateo 24:​40, 41.) Eyome exlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la ava o.” (Mateo 24:42) Yesu gagblɔ ŋudzɔnɔnɔ ƒe nya mawo ke esi wòdo lo ku ɖe ɖetugbui leaƒeawo ŋu vɔ. (Mat. 25:13) Ðe ɖekawɔwɔ aɖe le eƒe nya siawo domea? Edze nenema. Efia be ame siwo nye amesiaminawo vavã eye wowɔ nuteƒe la koe “woakplɔ” adzoe be woanɔ Yesu ŋu le Dziƒofiaɖuƒea me.—Yoh. 14:3.

16 Yi edzi nànɔ ŋudzɔ. Womatsɔ amesiamina si meyi edzi nɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me o la akpe ɖe “ame tiatiawo” ŋu o. (Mat. 24:31) Ele be Mawu ƒe amewo katã, mɔkpɔkpɔ ka kee ɖale wo si o, nawɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amewo dzi, woayi edzi anɔ ŋudzɔ eye woawɔ nuteƒe.

17. Nu ka tae mele be míatsi dzi ɖe ɣeyiɣi si Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea si ami na ame aɖe ŋu o?

17 Míeva nya Yehowa nyuie eye míeka ɖe edzi be eƒe nyametsotsowo le eteƒe. Eya ta míetsia dzi ne Yehowa tiae be yeasi ami na nuteƒewɔla aɖewo le míaƒe ŋkekeawo me o. c Míeɖoa ŋku nya siwo Yesu gblɔ le waingble me dɔwɔlawo ƒe lododoa me dzi. Woƒe aƒetɔa kpe ame aɖewo le gaƒoƒo 11 lia dzi be woava wɔ dɔ. (Mat. 20:​1-16) Ame siwo wòkpe le gaƒoƒo mamlɛtɔ ma dzi la xɔ fetu ɖeka ma ke abe ame siwo dze dɔa gɔme xoxoxo ene. Nenema kee ɣeyiɣi ka kee woɖasi ami na ame aɖe o, axɔ dziƒofetu ma ke ne eyi edzi wɔ nuteƒe.

WƆ ÐE NUXLƆ̃AMEAWO DZI

18-19. Nu kae míesrɔ̃ le Yesu ƒe lododoawo me?

18 Nu kawo mee míedzro? Le ame siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee le anyigba dzi gome la, alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa te gbe ɖe edzi be ele vevie be woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa fifia kple le xaxa gã si gbɔna me. Ɣemaɣia, Yesu adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo wɔ nuteƒe la be wodze akpɔ “agbe mavɔ.”—Mat. 25:46.

19 Míedzro lododo eve bubu siwo nye nuxlɔ̃ame na amesiaminawo la me. Le Yesu ƒe lododo si ku ɖe ɖetugbui ewoawo ŋu mea, egblɔ be wo dometɔ atɔ̃ dze aɖaŋu. Wonɔ dzadzraɖoɖi eye wonɔ ŋudzɔ, wonɔ klalo be yewoalala ŋugbetɔsrɔ̃a ɣeyiɣi didi ka kee wòaxɔ o. Gake wo dometɔ atɔ̃ siwo nye bometsilawo ya menɔ dzadzraɖoɖi o. Eya ta ŋugbetɔsrɔ̃a meɖe mɔ na wo be woage ɖe srɔ̃ɖeƒea o. Ele be míasrɔ̃ ɖetugbui dzeaɖaŋuawo anɔ klalo be míalala ɣeyiɣi didi ka kee wòaxɔ o va se ɖe esime Yesu nahe nuɖoanyi sia ava nuwuwui. Azɔ hã le Yesu ƒe lododo si ku ɖe talentoawo ŋu mea, míesrɔ̃ nu tso kluvi eve siwo do vevie nu wɔ dɔ sesĩe la ŋu. Wowɔ nuteƒe na woƒe aƒetɔ si na woƒe nu dze eŋu. Gake kluvi si nye kuviatɔ ya ƒe nu medze eƒe aƒetɔ ŋu o. Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ele be míayi edzi ado vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me va se ɖe nuwuwu. Mlɔeba míesrɔ̃ nu tso ale si wòle be amesiaminawo nanɔ ŋudzɔ ale be Yesu ‘nakplɔ’ wo ayi dziƒo la ŋu. Amesiaminawo le mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me ‘woaƒo wo nu ƒu’ ɖe Yesu gbɔ le dziƒo. Le Armagedon-ʋaa megbea, woanye Yesu ƒe ŋugbetɔ le Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la me.—2 Tes. 2:1; Nyaɖ. 19:9.

20. Nu kae Yehowa awɔ na ame siwo wɔna ɖe eƒe nuxlɔ̃amewo dzi?

20 Togbɔ be ʋɔnudrɔ̃ŋkekea le aƒe tum hã la, mele be míavɔ̃ kura o. Ne míeyi edzi wɔ nuteƒe la, mía Fofo si le dziƒo ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la” mí ale be míate ŋu “atsi tsitre ɖe Amegbetɔvi la ŋkume.” (2 Kor. 4:7; Luka 21:36) Eɖanye dziƒoyiyi alo anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe le mía si o, ne míewɔ ɖe nuxlɔ̃ame siwo le Yesu ƒe lododoawo me dzi la, míaƒe nu adze mía Fofo la ŋu. Le Yehowa ƒe amenuveve mea, ‘woaŋlɔ míaƒe ŋkɔ ɖe agbegbalẽ la me.’—Dan. 12:1; Nyaɖ. 3:5.

HADZIDZI 26 Nyee Miewɔe Na

a Kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Nu Kae Míenya Tso Ale Si Yehowa Adrɔ̃ Ʋɔnu Amewo Le Etsɔme Ŋu?” si dze le May 2024 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

b Ne èdi nyatakaka geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ nyati si ƒe tanyae nye “Àyi Edzi ‘Anɔ Ŋudzɔa’?” si dze le March 15, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

d NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔvinyɔnu amesiamina aɖe le Biblia srɔ̃m kple nyɔnu aɖe si ŋu wòke ɖo le gbeadzi.