Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 37

HADZIDZI 118 “Na Xɔse Geɖe Mí”

Lɛta Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míado Dzi Awɔ Nuteƒe Va Se Ðe Nuwuwu

Lɛta Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míado Dzi Awɔ Nuteƒe Va Se Ðe Nuwuwu

“Míelé kakaɖedzi si le mía si le gɔmedzedzea me la me ɖe asi sesĩe va se ɖe nuwuwu.”HEB. 3:14.

TAÐODZINUA

Míasrɔ̃ nu vevi aɖewo tso lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Hebri nɔviawo me. Esia akpe ɖe mía ŋu míayi edzi ado dzi awɔ nuteƒe va se ɖe nuwuwu.

1-2. (a) Aleke nuwo nɔ le Yudea esi apostolo Paulo ŋlɔ lɛta na Hebri nɔviawo? (b) Aleke lɛta ma ɖe vi na woe?

 LE YESU ƒe ku megbe le ƒe 33 K.Ŋ. me la, Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kple Yudea nutowo me la to nɔnɔme sesẽ geɖe me. Le kpɔɖeŋu me, esi woɖo Kristo hamea teti la, yometiti gã aɖe va nɔviawo dzi. (Dɔw. 8:1) Azɔ le ƒe 20 aɖewo megbe la, dɔ gã aɖe si to le anyigba blibo la dzi wɔe be ganyawo va sesẽ na nɔviawo ale gbegbe. (Dɔw. 11:​27-30) Gake le ƒe 61 K.Ŋ. me lɔƒo la, nɔviawo nɔ ŋutifafa aɖe sinu me ne míetsɔe sɔ kple nu siwo me woava to. Le ɣeyiɣi ma me la, gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ lɛta aɖe na wo. Aɖaŋuɖoɖo siwo le lɛta ma me la nye nu si tututu adzra wo ɖo ɖe nu si le ŋgɔ na wo la ŋu.

2 Lɛta si Paulo ŋlɔ na Hebri nɔviawo la va ɖe ɣeyiɣi dzi, elabe ŋutifafa si me wonɔ la manɔ anyi ɖaa o. Eɖo aɖaŋu na wo le lɛta ma me si akpe ɖe wo ŋu woado dzi le xaxa siwo ava wo dzi kpuie la me. Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ si ŋu nya Yesu gblɔ ɖi la nɔ aƒe tum. (Luka 21:20) Le nyateƒe me la, Paulo kple nɔvi siwo nɔ Yudea siaa menya ɣeyiɣi si tututu tsɔtsrɔ̃ sia ava o. Gake Kristotɔ mawo ate ŋu azã ɣeyiɣi si susɔ la atsɔ atu woƒe xɔse ɖo eye woasrɔ̃ ale si woado dzi.—Heb. 10:25; 12:​1, 2.

3. Nu ka tae wòle vevie be Kristotɔ siwo li egbea nade asixɔxɔ lɛta si woŋlɔ na Hebri nɔviawo ŋu?

3 Madidi o, míawo hã míadze ŋgɔ xaxa aɖe si lolo wu esi me Hebri nɔviawo to. (Mat. 24:21; Nyaɖ. 16:​14, 16) Eya ta mina míadzro mɔfiame siwo Yehowa na Kristotɔ mawo siwo ɖe vi na wo la me ale be wòaɖe vi na míawo hã.

“MINA MÍAYI ŊGƆ AÐO TSITSINYENYE GBƆ”

4. Nɔnɔme sesẽ kawoe va Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo dzi? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

4 Tɔtrɔ aɖewo wɔwɔ menɔ bɔbɔe na Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo kura o. Ɣeaɖeɣi va yi la, Yehowa tia Yudatɔwo wonye eƒe dukɔ. Yerusalem va nye teƒe vevi aɖe elabe afi mae fia siwo nɔ Yehowa teƒe la ɖu dzi le, eye afi mae amewo yina ɖadea ta agu na Yehowa le gbedoxɔa me le. Yudatɔ wɔnuteƒewo léa Mose ƒe Sea me ɖe asi eye wowɔna ɖe se bubu siwo woƒe kplɔlawo de na wo hã dzi. Se mawo ku ɖe nuɖuɖu, aʋatsotso, kple ale si woawɔ nu ɖe ame siwo menye Yudatɔwo o ŋu la ŋu. Gake le Yesu ƒe ku megbe la, Yehowa megakpɔa ŋudzedze ɖe vɔ siwo wosana le gbedoxɔa me la ŋu o. Menɔ bɔbɔe na Yudatɔ siwo va zu Kristotɔwo be woaɖe asi le nanewo siwo Sea bia la ŋu o. (Heb. 10:​1, 4, 10) Menɔ bɔbɔe na Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔme gɔ̃ hã be woawɔ ɖe mɔfiame yeyeawo dzi o. Esia tɔgbi dzɔ ɖe apostolo Petro gɔ̃ hã dzi. (Dɔw. 10:​9-14; Gal. 2:​11-14) Yuda dukɔa ƒe nunɔlawo ti Kristotɔwo yome le woƒe dzixɔse yeye la ta.

Ehiã be Kristotɔwo nalé nyateƒea me ɖe asi sesĩe, eye woaƒo asa na Yudatɔwo ƒe alakpanufiafiawo (Kpɔ memama 4-5)


5. Ame kawo ŋue wòle be Kristotɔwo nanɔ ŋudzɔ ɖo?

5 Ame hatsotso evee tsi tre ɖe Hebri nɔviawo ŋu. Gbãtɔe nye Yuda subɔsubɔhakplɔlawo. Nu si tae nye be wobua Yudatɔ Kristotɔwo be wonye xɔsegbelawo. Eveliae nye Yudatɔ Kristotɔ aɖewo. Ame siawo tea tɔ ɖe edzi be ele be Kristotɔwo nawɔ ɖe Mose ƒe Sea ƒe nudidi aɖewo dzi. Anɔ eme be wowɔa esia kple susu be Yudatɔwo nagati yewo yome o. (Gal. 6:12) Nu kae akpe ɖe Kristotɔ vavãwo ŋu be woawɔ nuteƒe na Yehowa?

6. Nu kae Paulo de dzi ƒo na nɔviawo be woawɔ? (Hebritɔwo 5:14–6:1)

6 Le Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Hebri nɔviawo me la, ede dzi ƒo na wo be woaku Mawu ƒe Nyaa me tsitotsito. (Xlẽ Hebritɔwo 5:14–6:1.) Paulo yɔ nyawo tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me tsɔ ɖe eme be ale si Kristotɔwo le Yehowa subɔm la de ŋgɔ sãsãsã wu ale si wònɔ le Yudasubɔsubɔ me. a Paulo nyae be ne Kristotɔ mawo srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo tsitotsito eye wose nyateƒea gɔme nyuie la, akpe ɖe wo ŋu woade dzesi nufiafia siwo mesɔ o ahaƒo asa na wo.

7. Aleke ame aɖewo wɔa nu ɖe mía ŋu egbeae?

7 Egbea míawo hã míesea nyatakaka kple nya totro siwo tsi tre ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo ŋu, abe Hebri nɔviawo ke ene. Esi míeléa Biblia ƒe mɔfiame siwo ku ɖe gbɔdɔnyawo ŋu me ɖe asi ta, tsitretsiɖeŋulawo gblɔna be míaƒe nya me sẽ kpaɖii eye míesẽa tame. Xexea ƒe nuwɔna kple nuŋububu tra kura tso ale si Mawu di be nuwo nanɔ la gbɔ. (Lod. 17:15) Eya ta ele vevie be míade dzesi mɔnu siwo tsitretsiɖeŋulawo zãna be yewoatsɔ aɖe dzi le mía ƒo alo aflu mí, ale be míaƒo asa na wo.—Heb. 13:9.

8. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míayi ŋgɔ aɖo Kristotɔwo ƒe tsitsinyenye gbɔ?

8 Ele vevie be míawɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na Hebri nɔviawo be woayi ŋgɔ aɖo Kristotɔwo ƒe tsitsinyenye gbɔ la dzi. Esia fia be míasrɔ̃ Ŋɔŋlɔawo tsitotsito anɔ nuwo ŋu bum abe ale si Yehowa bua wo ŋui ene. Ne míeɖe adzɔgbe eye míexɔ nyɔnyrɔ gɔ̃ hã la, ele be míayi edzi awɔe nenema. Ɣeyiɣi didi ka kee míeɖale nyateƒea me o, ele be mí katã míayi edzi axlẽ Mawu ƒe Nyaa ahasrɔ̃e gbe sia gbe. (Ps. 1:2) Ðokuisinusɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be míatu xɔse ɖo, si nye nɔnɔme vevi si dzi Paulo te gbe ɖo.—Heb. 11:​1, 6.

“MÍENYE . . . AME SIWO SI XƆSE LE SI ANA WOAXƆ MÍ ÐE AGBE”

9. Nu ka tae Hebri nɔviawo hiã xɔse geɖe?

9 Ahiã be xɔse sẽŋu nanɔ Hebri nɔviawo si hafi woate ŋu atsi agbe le xaxa gã si ava Yudatɔwo dzi la me. (Heb. 10:​37-39) Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be ne wokpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ko la, ele be woasi ayi towo dzi. Eƒe nuxlɔ̃amea yi na Kristotɔwo katã, esiwo le dua me kple esiwo le agbletawo siaa. (Luka 21:​20-24) Ɣemaɣi la, ne futɔwo ho be yewoadze amewo dzi le agbleta la, amewo sina yia du siwo ŋu woɖo gli ƒo xlãe abe Yerusalem ene me be yewoanɔ dedie. Eya ta sisi yi towo dzi adze abe nu si me susu mele o ene. Wohiã xɔse geɖe be woate ŋu awɔ ɖe Yesu ƒe nuxlɔ̃amea dzi.

10. Nu kae xɔse sẽŋu aʋã Kristotɔwo be woawɔ? (Hebritɔwo 13:17)

10 Ehiã be Hebri nɔviawo naka ɖe ame siwo zãm Yesu le tsɔ le mɔ fiam hamea hã dzi. Abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene la, anɔ eme be ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm la fia mɔ nɔviawo ku ɖe ɣeyiɣi si me woasi kple ale si woawɔe ŋu. (Xlẽ Hebritɔwo 13:17.) Helagbe me nya “miɖo to” si wozã le Hebritɔwo 13:17 fia ale si ame nalɔ̃ faa aɖo to ame aɖe ahawɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi le esi wòka ɖe amea dzi ta. Esia mefia be ele be woaɖo to hamemetsitsiawo le esi wòdze be woaɖo to wo ta ko o, ke boŋ ele be woaɖo to wo le esi woka ɖe wo dzi ta. Eya ta hafi xaxa la nava Hebri nɔviawo dzia, ele be woasrɔ̃ ale si woaka ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm la dzi. Ne Kristotɔwo ɖoa to ame siwo le ŋgɔ xɔm eye wowɔna ɖe woƒe mɔfiamewo dzi le ɣeyiɣi deamedziwo me la, anɔ bɔbɔe na wo be woaɖo to wo le ɣeyiɣi sesẽwo me.

11. Nu ka tae Kristotɔwo hiã xɔse sẽŋu egbea?

11 Egbea míawo hã míehiã xɔse abe Hebri nɔviawo ke ene. Míele ɣeyiɣi si me ame geɖe mexɔe se be xexea ƒe nuwuwu gogo o, eye woɖua fewu le mí ame siwo xɔe se ŋu gɔ̃ hã. (2 Pet. 3:​3, 4) Azɔ hã, togbɔ be Biblia ƒo nu tso nu siwo adzɔ le xaxa gãa me ŋu hã la, nu geɖe li siwo míenya o. Ehiã be xɔse sẽŋu nanɔ mía si be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ava le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, eye míaka ɖe edzi be Yehowa alé be na mí ɣemaɣi.—Hab. 2:3.

12. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatsi agbe le xaxa gãa me?

12 Ele be míado ŋusẽ míaƒe xɔse, aka ɖe edzi be “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la zãm Yehowa le egbea tsɔ le mɔ fiam mí. (Mat. 24:45) Ne xaxa gãa dze egɔme la, woana mɔfiame siwo axɔ mí ɖe agbe la mí, abe ale si wònɔ na Hebri nɔviawo ene esime Roma-srafoawo ɖe to ɖe dua. Ele vevie fifia be míaka ɖe ame siwo le ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe habɔbɔa me dzi. Ne mímeka ɖe wo dzi wɔna ɖe woƒe mɔfiamewo dzi fifia o la, ke asesẽ na mí be míawɔ ɖe mɔfiame si woana mí le xaxa gãa me dzi.

13. Nu ka tae nuxlɔ̃ame si le Hebritɔwo 13:5 la sɔ ŋutɔ?

13 Esi Hebri nɔviawo nɔ dzesi si ana woasi lalam la, ehiã hã be woaƒo asa na “galɔlɔ̃” eye woaku ɖe Yehowa ŋu. (Xlẽ Hebritɔwo 13:5.) Wo dometɔ aɖewo to nɔnɔme sesẽwo abe dɔwuame kple hiãkamewo ene me. (Heb. 10:​32-34) Togbɔ be wodo dzi le nɔnɔme sesẽwo me le nya nyuia ta va yi hã la, anɔ eme be wo dometɔ aɖewo va nɔ kutri kum be yewoakpɔ ga geɖe ale be wòakpɔ yewo ta tso afɔkuwo alo hiãkamewo me. Gake ga home aɖeke mate ŋu akpɔ wo ta tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna me o. (Yak. 5:3) Nyateƒeae nye be ate ŋu asesẽ na ame si lɔ̃ ga be wòagblẽ eƒe nunɔamesiwo ɖi asi adzo.

14. Aleke xɔse sẽŋu akpe ɖe mía ŋu be míatso nya me nyuie le ŋutilãmenuwo ŋu?

14 Ne míexɔe se bliboe be Yehowa atsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia kpuie la, aʋã mí be míaƒo asa na ŋutilãmenuwo didi fũu akpa. Le xaxa gãa me la, ga magaɖi naneke o. Biblia gblɔ be amewo atsɔ “woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi.” Elabe woava kpɔe be “klosalo kple sika mate ŋu aɖe [yewo] le Yehowa ƒe dzikudogbe la o.” (Eze. 7:19) Eya ta mele be míaƒe susu naku ɖe ale si míawɔ akpɔ ga geɖe ŋu o, ke boŋ míatso nya me nyuie si ana míasubɔ Yehowa ale si dze, eye wòakpe ɖe mía ŋu hã be míakpɔ mía kple míaƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Esia bia be míaƒo asa na fenyinyi si mehiã o eye míagazã ɣeyiɣi fũu ɖe beléle na míaƒe nunɔamesiwo ŋu o. Azɔ hã, mele be míaƒe nunɔamesiwo nanye nu vevitɔ na mí o. (Mat. 6:​19, 24) Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, nu geɖe adzɔ siwo ado míaƒe xɔse kpɔ nenye be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu loo alo míaƒe dzi ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu.

“EHIÃ BE MIADO DZI”

15. Nu ka tae wòhiã vevie be Hebri nɔviawo nado dzi?

15 Ehiã be Kristotɔ siwo le Yudea nado dzi elabe eteƒe madidi o woato xɔse ƒe dodokpɔ sesẽwo me. (Heb. 10:36) Togbɔ be wo dometɔ aɖewo to yometiti sesẽwo me va yi hã la, ɖewo ya meto eme kpɔ o. Eya ta Paulo de dzi ƒo na wo be woadzra ɖo elabe yometiti geɖe le wo ŋgɔ eye woanɔ klalo be yewoawɔ nuteƒe va se ɖe ku me, abe ale si Yesu wɔe ene. (Heb. 12:4) Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, ame geɖe nɔ nyateƒea xɔm si na Yudatɔwo do dziku vevie eye wonɔ ŋuta sẽm le Kristotɔwo ŋu. Ƒe ʋɛ aɖewo hafi Paulo naŋlɔ agbalẽ sia na Hebritɔwo la, ameha aɖe va dze edzi esi wònɔ gbeƒã ɖem le Yerusalem. Yudatɔ siwo wu 40 “ɖo nugbe heka atam be, ne yewomewu Paulo o kpaa, yewomaɖu nu alo ano nu o.” (Dɔw. 22:22; 23:​12-14) Togbɔ be amewo lé fu Kristotɔwo vevie eye wonɔ wo yome tim kutɔkutɔe hã la, ehiã be woayi edzi anɔ kpekpeawo dem, anɔ gbeƒã ɖem eye woanɔ ŋusẽ dom woƒe xɔse.

16. Aleke lɛta si Paulo ŋlɔ na Hebri nɔviawo akpe ɖe mía ŋu be susu nyui nanɔ mía si ne wole mía yome tim? (Hebritɔwo 12:7)

16 Nu kae akpe ɖe Hebri nɔviawo ŋu be woado dzi le ɣeyiɣi sesẽ ma me? Paulo di be yeakpe ɖe wo ŋu be woakpɔ viɖe si dona tsoa dzidodo me. Eya ta eɖe eme be Mawu ate ŋu ato nɔnɔme sesẽ siwo me tom Kristotɔwo le dzi ana hehe wo. (Xlẽ Hebritɔwo 12:7.) Hehe sia akpe ɖe Kristotɔ ŋu wòatu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Ne Hebri Kristotɔwo ƒe susu le nu nyui siwo ado tso nɔnɔme sesẽ mawo me ŋu la, anɔ bɔbɔe be woado dzi.—Heb. 12:11.

17. Nu kae Paulo wɔ esi amewo nɔ eyome tim?

17 Paulo xlɔ̃ nu Hebri nɔviawo be woaɖoe kplikpaa ado dzi ne wole nɔnɔme sesẽwo me tom eye woagana ta o. Paulo te ŋu ɖo aɖaŋu nyui siawo na wo elabe hafi wòava zu Kristotɔ la, eti Kristotɔwo yome, eya ta enya ale si amewo wɔa nu ɖe wo ŋu. Enya ale si woado dzi le yometiti me elabe esi wòva zu Kristotɔ la, amewo ti eya ŋutɔ hã yome. (2 Kor. 11:​23-25) Paulo nya nu si wòbia be woado dzi, eya ta ete ŋu ƒo nu kakaɖedzitɔe. Eɖo ŋku edzi na Kristotɔ mawo be ne wole yometitiwo me tom la, mele be woaɖo ŋu ɖe wo ɖokuiwo ŋu o, ke boŋ ɖe Yehowa ŋu. Paulo ŋutɔ te ŋu wɔ esia eya ta wògblɔ kakaɖedzitɔe be: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o.”—Heb. 13:6.

18. Nu kae adzɔ ɖe mí katã dzi le etsɔme, eye aleke míadzra ɖo ɖe eŋu fifia?

18 Fifia gɔ̃ hã wole mía nɔvi aɖewo yome tim. Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe wo ta eye míakpɔ woƒe hiahiã aɖewo gbɔ na wo. Ne míewɔe alea, míaɖee afia be míelɔ̃ wo vevie. (Heb. 10:33) Biblia gblɔ be “ame siwo katã dina be yewoanɔ agbe ɖe ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (2 Tim. 3:12) Le esia ta la, ele be mí katã míadzra ɖo ɖe nu siwo le ŋgɔ gbɔna ŋu. Mina míayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe eye míaka ɖe edzi be nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava mía dzi o, akpe ɖe mía ŋu míado dzi. Le ɣeyiɣi si sɔ dzi la, ana esubɔla wɔnuteƒewo katã nakpɔ gbɔdzɔe.—2 Tes. 1:​7, 8.

19. Aleke míadzra ɖo ɖe xaxa gãa ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

19 Ðikeke mele eme o be Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Hebri nɔviawo le ƒe alafa gbãtɔ me la dzra wo ɖo ɖe xaxa si le wo ŋgɔ ŋu. Paulo xlɔ̃ nu nɔviawo be woasrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa tsitotsito ase egɔme nyuie. Esia ana woade dzesi nufiafia siwo ate ŋu ana woƒe xɔse nagbɔdzɔ ahagbe wo. Ede dzi ƒo na nɔviawo hã be woado ŋusẽ woƒe xɔse ale be woawɔ nu kpata awɔ ɖe Yesu kpakple ame siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me ƒe mɔfiafia dzi. Ekpe ɖe Kristotɔwo ŋu be susu nyui nanɔ wo si ne wole xaxawo me tom eye woabui be mía Fofo lɔ̃amea ate ŋu ato xaxa mawo dzi ana hehe yewo. Neva eme be míawo hã míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui mawo dzi. Ne míewɔe alea la, míate ŋu ado dzi nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe nuwuwu.—Heb. 3:14.

Yehowa yra Kristotɔ wɔnuteƒewo ɖe woƒe dzidodo ta. Esi wosi le Yudea gɔ̃ hã, woyi edzi ƒo ƒu ɖekae. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ? (Kpɔ memama 19)

HADZIDZI 126 Nɔ Ŋudzɔ, Nɔ Tsitre Sesĩe, Nàsẽ Ŋu

a Le ta gbãtɔ ko mea, Paulo yɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me zi adre sɔŋ tsɔ ɖo kpe edzi be ale si Kristotɔwo le Yehowa subɔm la de ŋgɔ sãsãsã wu Yudasubɔsubɔ.—Heb. 1:​5-13.