Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Afi kae nusrɔ̃la 70 siwo Yesu dɔ be woavae ɖe gbeƒã la nɔ esime wòɖo Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi? Ðe nusrɔ̃la mawo gblẽe ɖia?
Mele be míasusui be esi Yesu ƒe nusrɔ̃la 70-awo menɔ eteƒe esime wòɖo Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi o ta la, efia be woƒe nu megadze eŋu alo wotrɔ ɖa le eyome o. Ðeko Yesu di be yeƒe apostoloawo ɖeɖe nanɔ ye ŋu le gaƒoƒo ma me.
Ame 12-awo kple ame 70-awo siaa ƒe nu dzea eŋu. Esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔmea, etia ame 12 le eƒe nusrɔ̃lawo dome eye wòna ŋkɔ wo be apostolowo. (Luka 6:12-16) Galilea ye wònɔ esi ‘wòyɔ Ame Wuieveawo’ eye wòdɔ wo be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea eye woada dɔ na amewo. (Luka 9:1-6) Emegbe esi Yesu nɔ Yudea la, ‘etia ame blaadre bubuwo, eye wòdɔ wo eveeve.’ (Luka 9:51; 10:1) Esia wɔe be nusrɔ̃la geɖe nɔ Yesu si le nuto vovovowo me siwo nɔ gbeƒã ɖem tso eyama ŋu.
Yudatɔ siwo va zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo la ɖua Ŋutitotozãa ƒe sia ƒe, eye anɔ eme be woɖunɛ kple woƒe ƒometɔwo. (2 Mose 12:6-11, 17-20) Esi Yesu ƒe ku nɔ aƒe tum la, eya kple eƒe apostoloawo yi Yerusalem. Gake Yesu meyɔ eƒe nusrɔ̃la siwo katã nɔ Yudea, Galilea kple Perea be woava ƒo ƒu ne yewoaɖu Ŋutitotoa ɖekae o. Edze ƒãa be edi be ye kple yeƒe apostoloawo ɖeɖe yewoaƒo ƒu na wɔna sia. Egblɔ na wo be: “Medi vevie be maɖu Ŋutitoto sia kpli mi hafi makpe fu.”—Luka 22:15.
Susu vevi aɖe tae wòwɔ ɖoɖoa alea. Madidi o Yesu si nye “Mawu ƒe Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa” la aku. (Yoh. 1:29) Yerusalem ye esia ava eme le, elabe afi mae wosaa vɔ na Mawu le tso blema ke. Ŋutitotolẽvi la ɖoa ŋku edzi na Israel-viwo be Yehowa ɖe wo tso Egipte. Gake Yesu ƒe vɔsa ya awɔ nu si ade ŋgɔ wu ema, elabe eƒe vɔsae aɖe ameƒomea katã tso nu vɔ̃ kple ku si me. (1 Kor. 5:7, 8) Yesu ƒe vɔsa wɔe be apostolo wuieveawo zu Kristo-hamea ƒe gɔmeɖoanyi ƒe akpa aɖe. (Ef. 2:20-22) Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔ be “gɔmeɖokpe wuieve” ye li na du kɔkɔe Yerusalem la eye “woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo wuieveawo ƒe ŋkɔ wuieveawo” ɖe gɔmeɖokpeawo ŋu. (Nyaɖ. 21:10-14) Vavãe, apostolo wɔnuteƒeawo awɔ akpa vevi aɖe be Mawu ƒe tameɖoɖo nava eme. Esia na míekpɔ susu vevi si tae Yesu di be woanɔ ye ŋu le Ŋutitoto mamlɛ si yeaɖu kpli wo kple wɔna si yeaɖo anyi si nye Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu la me.
Nusrɔ̃la 70-awo kple nusrɔ̃la bubuawo menɔ afi ma ɖu Fiẽnuɖuɖua kple Yesu o. Ke hã, wɔna si Yesu ɖo anyi si nye Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖua le vi ɖe ge na nusrɔ̃la siwo katã ayi edzi awɔ nuteƒe. Kristotɔ siwo katã woava si ami na emegbe la, ava nɔ fiaɖuƒe ƒe nubabla si ŋu Yesu ƒo nu tsoe na eƒe apostolowo le zã ma me la me.—Luka 22:29, 30.