GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA November 2018

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso December 31, 2018 va se ɖe February 3, 2019 la le tata sia me.

“Ƒle Nyateƒe, Eye Mègatsɔe Dzra Gbeɖe O”

Nu kae wòfia be ame naƒle nyateƒe? Ne nyateƒea su mía si la, aleke míawɔ be wòakpɔtɔ anɔ mía si?

“Mazɔ Le Wò Nyateƒe La Me”

Aleke míawɔ ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míalé nyateƒe xɔasi siwo Yehowa fia mí la me ɖe asi?

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ne Nànɔ Agbe!

Habakuk ƒe agbalẽa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzeme togbɔ be míele kuxiwo me tom hã.

Ame Kae Le Wò Susu Mlam?

Aleke nàwɔ be Yehowa ƒe susu le nuwo ŋu namla wò ke menye amegbetɔwo tɔ o?

Ðe Nèle Ale Si Yehowa Bua Nuwo Ŋui Srɔ̃ma?

Nu kae wòfia be míawɔ míaƒe ‘tamesusu yeyee,’ eye aleke míate ŋu awɔ esiae?

Dɔmenyonyo—Enye Nɔnɔme Nyui Si Woɖena Fiana Le Nyagbɔgblɔ Kple Nuwɔna Me

Dɔmenyonyo nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ƒe akpa aɖe. Aleke míawɔ asrɔ̃ nɔnɔme nyui sia?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ame kawoe nye Dɔmenyolawo, siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le zã si do ŋgɔ na eƒe ku la me, eye nu ka tae amewo tsɔ ŋkɔ ma na wo?

Nu Kae Míate Ŋu Ana Yehowa?

Nu kawoe nye “nunɔamesi veviwo,” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo 3:9, eye aleke míate ŋu awɔ wo ŋu dɔ atsɔ ado subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ?