Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Ƒle Nyateƒe, Eye Mègatsɔe Dzra Gbeɖe O”

“Ƒle Nyateƒe, Eye Mègatsɔe Dzra Gbeɖe O”

“Ƒle nyateƒe, eye mègatsɔe dzra gbeɖe o, nenema kee nye nunya, amehehe kple gɔmesese hã.”—LOD. 23:23.

HADZIDZI: 94, 96

1, 2. (a) Nu kae nye míaƒe nunɔamesi vevitɔ kekeake? (b) Biblia me nyateƒe kawo ŋue míedea asixɔxɔe, eye nu ka tae? (Kpɔ foto siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

NU KAE nye wò nunɔamesi vevitɔ? Ðe nàlɔ̃ atsɔ nu bubu si ƒe asixɔxɔ mede enu o la aɖɔliia? Nya mawo ŋu ɖoɖo le bɔbɔe na Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo. Nu si le vevie na mí wu nu bubu ɖe sia ɖe ye nye ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome, eye míatsɔ nu bubu aɖeke aɖɔlii o. Míedea asixɔxɔ Biblia me nyateƒea hã ŋu, elabena ena míete ŋu va le ƒomedodo nyui me kple mía Fofo si le dziƒo la.—Kol. 1:9, 10.

2 Wò ya bu nu siwo katã míaƒe Nufiala Gãtɔ la fiana mí to eƒe Nya, Biblia, dzi ŋu kpɔ! Efia ale si gbegbe eƒe ŋkɔa le vevie la mí eye wòna míenya eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo. Ena míenya nu tso eƒe nunana wɔnuku si nye tafe, si wòxe ɖe mía ta lɔlɔ̃tɔe to Via, Yesu dzi la hã ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa na míenya nu tso Mesia Fiaɖuƒea ŋu, ena dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ amesiaminawo, eye wòna agbenɔnɔ le Paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ ‘alẽ bubuawo’ hã. (Yoh. 10:16) Efiaa ale si míanɔ agbee mí. Míedea asixɔxɔ nyateƒe siawo ŋu, elabena wokpena ɖe mía ŋu be mía kple mía Wɔla la dome nɔa kplikplikpli. Azɔ hã, wonana taɖodzinu nɔa míaƒe agbe ŋu.

3. Nu kae nyateƒe la ƒeƒle mefia o?

3 Yehowa nye Mawu dɔmenyotɔ. Metea nu nyui nyateƒea dilawo o. Yehowa tsɔ Via si gbɔ melɔ̃a nu le o la gɔ̃ hã ƒe agbe na ɖe mía ta faa. Mawu madi tso mía si gbeɖe be míana ga ɖe nyateƒea ta o. Gbe ɖeka, esi ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Simon di be yeana ga apostolo Petro ale be wòana ŋusẽ ye be yeate ŋu anɔ gbɔgbɔ kɔkɔea nam amewo la, Petro ka mo nɛ gblɔ be: “Wò kple wò klosalo la siaa miatsrɔ̃, elabena èbu xaa be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana faa la kple ga.” (Dɔw. 8:18-20) Ekema, nu kae nya si tso gbɔgbɔ me, si nye, “ƒle nyateƒe,” la fia?

NU KAE WÒFIA BE AME ‘NAƑLE’ NYATEƑE?

4. Nu kae míasrɔ̃ tso nyateƒe la ŋu le nyati sia me?

4 Xlẽ Lododowo 23:23. Nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me mesua mía si agbagbamadzemadzee o. Ele be míalɔ̃ faa atsɔ nu sia nu si hiã la asa vɔ be wòasu mía si. Abe ale si Lododowo ƒe agbalẽa gblɔe ene la, ne míenya “ƒle nyateƒe,” alo nyateƒea su mía si ko la, ele be míakpɔ nyuie be ‘míagatsɔe adzra’ alo ana wòado le mía si gbeɖe o. Gake nu kae wòfia be ‘woaƒle’ nyateƒe, eye nu kae wòahiã be míatsɔ asa vɔ ɖe eta? Nya siawo ƒe ŋuɖoɖowo akpe ɖe mía ŋu míade asixɔxɔ geɖe wu nyateƒe la ŋu, eye woana míaɖoe kplikpaa wu tsã be wòagado le mía si me o. Míava se nu si tae nyateƒe si tso Yehowa gbɔ la xɔ asi wu nu bubu ɖe sia ɖe la hã gɔme.

5, 6. (a) Aleke míate ŋu aƒle nyateƒe gake menye kple ga o? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Aleke nyateƒe la ɖea vi na mí?

5 Ne nane ate ŋu asu ame si femaxee gɔ̃ hã la, ate ŋu abia be wòatsɔ nanewo asa vɔ hafi wòasu esi. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le Lododowo 23:23 be “ƒle” la ate ŋu afia be nane “nasu” ame si. Nya evea siaa fia be ame nadze agbagba be nu xɔasi aɖe nasu esi alo wòatsɔ nane asa vɔ ɖe eta. Míate ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo si nye be míaƒle nyateƒe la ƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be wole akɔɖu mam femaxee le asi me. Ðe akɔɖuawo ava nɔ míaƒe kplɔ dzi nukutɔea? Ao. Ele be míayi asia me aɖaxɔe. Eya ta, togbɔ be míaxe fe ɖe akɔɖuawo ta o hã la, ele be míadze agbagba alo míadi ɣeyiɣi aɖaxɔe. Le mɔ ma ke nu la, mehiã be míaƒle nyateƒe kple ga o. Ke hã, ele be míadze agbagba hafi wòasu mía si.

6 Xlẽ Yesaya 55:1-3. Yehowa ƒe nya si wògblɔ to Yesaya dzi la gana míese nu si wòfia be woaƒle nyateƒe gɔme. Le ŋɔŋlɔ sia me la, Yehowa tsɔ eƒe nyawo sɔ kple tsi, notsi kple wain. Ale si ko tsi fafɛ si me kɔ nyuie la nana ame ƒe dzi dzea eme la, nyateƒe si le Mawu ƒe nya la me hã faa akɔ na ame. Azɔ hã, ale si ko notsi doa ŋusẽ mí eye wònana ɖeviwo tsina nyuie la, nenema kee Biblia me nyateƒea hã doa ŋusẽ mí eye wònana mía kple Yehowa dome nɔna kplikplikpli. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ƒe nyawo le abe wain ene. Le mɔ ka nu? Biblia gblɔ be wain doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi. (Ps. 104:15) Eya ta, esi Yehowa gblɔ na eƒe amewo be ‘woava dze wain’ la, ɖe wòle kakaɖedzi nam mí be ne míewɔ ɖe yeƒe nyawo dzi la, míakpɔ dzidzɔ. (Ps. 19:8) Yehowa to kpɔɖeŋu sia dzi kpe ɖe mía ŋu be míakpɔ ale si gbegbe wòaɖe vi na míi ne míesrɔ̃ nyateƒea henɔ agbe ɖe enu. Míate ŋu atsɔ agbagba siwo míedzena ɖe nyateƒea ta la asɔ kple fexexe ɖe eta. Azɔ, na míakpɔ nu vovovo atɔ̃ siwo míate ŋu atsɔ asa vɔ hafi aƒle nyateƒe la ɖa.

NU KAWOE NÈTSƆ SA VƆ HAFI ƑLE NYATEƑE LA?

7, 8. (a) Nu ka tae nyateƒe ƒeƒle bia ɣeyiɣi? (b) Nu ka gbegbee sukuvi aɖe lɔ̃ faa be yeatsɔ asa vɔ ɖe nyateƒe la ta, eye nu kae do tso eme?

7 Ɣeyiɣi. Ele be ame sia ame natsɔ ɣeyiɣi asa vɔ hafi ate ŋu anya nyateƒea. Ebia ɣeyiɣi be ame nase Fiaɖuƒegbedeasia, axlẽ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo, awɔ ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃, adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu eye wòade kpekpeawo. Nu siawo wɔwɔ bia be míatsɔ nanewo ‘asa vɔ,’ si fia be míazã ɣeyiɣi siwo míazã ɖe nu siwo mele vevie tututu o ŋu hafi la ɖe wo ŋu. (Xlẽ Efesotɔwo 5:15, 16 kple etenuŋɔŋlɔ.) Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae hiã be Biblia me nufiafiawo ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu mía si? Ale si nɔnɔmeawo le na mí ye aɖee afia. Seɖoƒe meli na nu siwo gbegbe míate ŋu asrɔ̃ tso Yehowa ƒe nunya, eƒe mɔwo kple eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o. (Rom. 11:33) Le Gbetakpɔxɔ ƒe tata gbãtɔ me la, wotsɔ nyateƒe la sɔ kple “seƒoƒo sue aɖe” eye wogblɔ be: “Mègana nyateƒea ƒe seƒoƒo ɖeka pɛ nadze ŋuwò o. Ne ɖeka koe hiã la, anye ne bubu geɖewo manɔ anyi o. Ƒo geɖe nu ƒu, di bubuwo kpee.” Eya ta, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be, ‘Nu nenie menya tso Yehowa ŋu?’ Ne míele agbe tegbee gɔ̃ hã la, nu geɖe aganɔ anyi míasrɔ̃ tso Yehowa ŋu. Egbea, nu si le vevie ye nye be míawɔ míaƒe ɣeyiɣia ŋu dɔ le nunya me ale be míate ŋu aƒle nyateƒea le ale si míaƒe nɔnɔmeawo aɖe mɔe nu. Bu ame aɖe si nɔ nyateƒea dim vevie la ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ.

8 Ðetugbui Japantɔ aɖe si ŋkɔe nye Mariko * ʋu yi New York City, le Amerika, be yeaɖade suku. Ɣemaɣi la, enɔ subɔsubɔha aɖe si woɖo anyi le Japan le ƒe 1950-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la me. Gbe ɖeka, nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe do go Mariko le tso aƒe me yi aƒe me dɔa me. Esi wòdze Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ gɔme la, ekpɔ dzidzɔ ale gbegbe, eye wòbia tso mɔɖelaa si be wòava nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye zi eve le kwasiɖaa me. Vovo menɔa Mariko ŋu kura o le eƒe sukudede kple ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ si wòwɔna ta, ke hã, edze hame ƒe kpekpewo dede gɔme enumake. Edzudzɔ gomekpɔkpɔ le hadomewɔna aɖewo hã me ale be wòate ŋu aƒle ɣeyiɣi atsɔ asrɔ̃ nyateƒea. Esi wòtsɔ nuwo sa vɔe alea ta la, ewɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Kaka wòade ƒe ɖeka la, exɔ nyɔnyrɔ. Le ɣleti ade megbe, le ƒe 2006 me la, edze mɔɖeɖedɔa gɔme, eye ekpɔtɔ le mɔɖeɖedɔa wɔm.

9, 10. (a) Aleke nyateƒea ƒeƒle nana míetrɔa ale si míebua ŋutilãmenuwoe? (b) Mɔnukpɔkpɔ kawo ŋue ɖetugbui aɖe ɖe asi le, eye aleke wòse le eɖokui me tso eŋu?

9 Ŋutilãmenuwo. Hafi míate ŋu aƒle nyateƒea la, ɖewohĩ ahiã be míaɖe asi le dɔ aɖe si me ga geɖe le la ŋu. Esi Yesu kpe Petro kple Andrea siwo nye tɔƒodelawo be woava zu ‘ameɖelawo’ la, “wogblẽ woƒe ɖɔawo ɖi.” (Mat. 4:18-20) Le nyateƒe me la, ame siwo srɔ̃ nyateƒea egbea la dometɔ akpa gãtɔ mate ŋu aɖe asi le woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu ko nenema o. Agba le wo dzi le Mawu ŋkume be woakpɔ woƒe ƒomewo dzi. (1 Tim. 5:8) Ke hã, zi geɖe la, ehiãna be ame siwo va srɔ̃ nyateƒea natrɔ ale si wobua ŋutilãmenuwoe eye woatsɔ nu siwo le vevie wu la aɖo nɔƒe gbãtɔ. Yesu na esia me kɔ nyuie esi wògblɔ be: “Midzudzɔ kesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu na mia ɖokuiwo ɖe anyigba dzi . . . Ke boŋ miƒo kesinɔnuwo nu ƒu na mia ɖokuiwo ɖe dziƒo.” (Mat. 6:19, 20) Bu ɖetugbui aɖe ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ.

10 Maria lɔ̃ golf-bɔlƒoƒo hafi dze sukudede gɔme gɔ̃ hã. Esime wònɔ sekɛndrisuku la, egakpɔtɔ nɔ bɔl sia ƒoƒo dzi eye wòva bi ɖe eƒoƒo me ale gbegbe be wona yunivɛsitidede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔe. Golf-ƒoƒo va zu nu vevi aɖe nɛ le agbe me, eye eƒe taɖodzinue nye be yeatsɔ golf-ƒoƒo si me ga geɖe le la aɖo dɔe koŋ eye yeava zu golf-ƒola bibiwo dometɔ ɖeka. Maria va dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme, eye wòlɔ̃ nyateƒe siwo srɔ̃m wònɔ. Tɔtrɔ siwo nyateƒea kpe ɖe eŋu wòwɔ le eƒe agbe me la do dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Egblɔ be: “Zi ale si metrɔ nye nɔnɔme kple agbenɔnɔ wòsɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu la, zi nenemae mekpɔa dzidzɔe.” Maria va kpɔe be asesẽ ŋutɔ be yeati gbɔgbɔme kple ŋutilãme kesinɔnuwo siaa yome. (Mat. 6:24) Eya ta, elɔ̃ faa tsɔ golf-ƒoƒo si wòɖo be yeatsɔ awɔ yeƒe agbemedɔe kple mɔnukpɔkpɔ si asu esi be wòakpɔ ga geɖe ahaxɔ ŋkɔ la sa vɔ ɖe nyateƒea ta. Egbea, Maria le mɔɖeɖedɔa wɔm eye egblɔ be yele “dzidzɔ kpɔm ale gbegbe, eye taɖodzinu nyuitɔ kekeake” le yeƒe agbe ŋu.

11. Ne míeƒle nyateƒe la, nu kae ate ŋu adzɔ ɖe ƒomedodo si le mía kple ame bubuwo dome dzi?

11 Ƒomedodo si le mía kple ame bubuwo dome. Ne míetiae be míanɔ agbe ɖe Biblia me nyateƒea nu la, esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ƒomedodo si le mía kple mía xɔlɔ̃wo kpakple ƒometɔwo dome la dzi. Nu ka tae? Yesu na míese nu si tae la gɔme esi wòdo gbe ɖa na Mawu tso eyomedzelawo ŋu be: “Kɔ wo ŋu to nyateƒe la me; wò nya la nye nyateƒe.” (Yoh. 17:17; etenuŋɔŋlɔ) Nyagbe si nye “kɔ wo ŋu” agate ŋu afia “ɖe wo ɖe vovo.” Ne míexɔ nyateƒea la, efia be woɖe mí ɖe vovo tso xexea gbɔ, elabena míaƒe agbenɔnɔ va toa vovo na xexea tɔ. Amewo kpɔnɛ be míeto vovo, elabe dzidzenu siwo nu míenɔa agbe ɖo la to vovo. Biblia me nyateƒea nue míenɔa agbe ɖo. Togbɔ be míedzea agbagba be mía kple amewo dome nanɔ nyuie hã la, mía xɔlɔ̃ alo ƒometɔ aɖewo ate ŋu ate wo ɖokuiwo ɖa le mía ŋu, alo woatsi tsitre ɖe míaƒe dzixɔse yeyeawo ŋu. Esia mewɔa nuku na mí o. Yesu gblɔ be: “Ɛ̃, ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒemetɔwo.” (Mat. 10:36) Yesu na kakaɖedzi mí hã be nu ka kee míeɖatsɔ sa vɔe o, teƒeɖoɖo siwo míakpɔ la aƒo eta sãsãsã.—Xlẽ Marko 10:28-30.

12. Nu kae ŋutsu aɖe si nɔ Yudasubɔsubɔ me la tsɔ sa vɔe be nyateƒea nasu ye si?

12 Aaron nye Yudasubɔsubɔha me tɔ kple asitsala, eye wofiae tso ɖevime ke be mele be ame nayɔ Mawu ƒe ŋkɔ o. Ke hã, nyateƒea ƒe tsikɔ nɔ Aaron wum. Dzi dzɔe ŋutɔ esi Ðasefo aɖe fiae be ne etsɔ ablɔɖegbeɖiɖi aɖewo de xaxagbeɖiɖi ene siwo le tsitre ɖi na Mawu ƒe ŋkɔa me la, ate ŋu ayɔe be “Yehowa.” Ekpɔ dzidzɔ ale gbegbe be eyi woƒe ƒuƒoƒea ɖagblɔ nu nyui si ŋu wòke ɖo la ŋu nya na woƒe rabiwo. Ale si wowɔ nui la wɔ nuku na Aaron ŋutɔ. Le esi teƒe be woakpɔ dzidzɔ kplii be eva nya nyateƒea ku ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ŋu la, woɖe ta ɖe eŋu eye wowɔ nu ɖe eŋu abe ame si menye woƒe ƒuƒoƒea me tɔ o ene. Eƒe ƒometɔwo hã megava wɔa nu ɖe eŋu nyuie o. Gake dzi meɖe le eƒo o, eyi edzi ƒle nyateƒea eye wòva zu Yehowa ƒe Ðasefo dzinɔameƒotɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Abe Aaron ene la, ele be míalɔ̃ ɖe edzi be ƒomedodo si le mía kple mía xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo dome la me ate ŋu agblẽ ne míesrɔ̃ nyateƒea.

13, 14. Tɔtrɔ kawoe wòahiã be míawɔ le míaƒe nuŋububu kple agbenɔnɔ gome be míate ŋu aƒle nyateƒe la? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Nuŋububu kple agbenɔnɔ siwo medzea Mawu ŋu o. Hafi míate ŋu axɔ nyateƒea ahanɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu la, ele be míalɔ̃ faa awɔ tɔtrɔ siwo hiã le míaƒe nuŋububu kple agbenɔnɔ gome. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Abe vi ɖotowo ene la, migana nudzodzro siwo ɖu mia dzi tsã le numanyamanya me la nayi edzi anɔ miaƒe nɔnɔme trɔm o, ke boŋ . . . minɔ kɔkɔe le miaƒe agbenɔnɔ katã me.” (1 Pet. 1:14, 15) Le ame siwo nɔ anyi le blema Korinto si nye dugã si me gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ xɔ aƒe ɖo me gome la, ehiã be woawɔ tɔtrɔ gãwo le woƒe agbenɔnɔ me hafi ate ŋu aƒle nyateƒea. (1 Kor. 6:9-11) Nenema kee egbea la, ame geɖe ɖe asi le agbenɔnɔ siwo medzea Mawu ŋu o la ŋu hafi te ŋu ƒle nyateƒea. Petro ɖo ŋku edzi na Kristotɔ siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la be: “Ɣeyiɣi si va yi la sɔ gbɔ be miewɔ dukɔwo ƒe lɔlɔ̃nu, esi mieƒo mia ɖokui ɖe ŋukpenanuwɔwɔ, dzodzro vɔ̃wo dzi maɖumaɖu, aha tsu nonowo, aglotutu siwo gbɔ eme, hoʋiʋli le ahanono me kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ me.”—1 Pet. 4:3.

14 Ŋutsu aɖe kple nyɔnu aɖe siwo ƒe ŋkɔwoe nye Devynn kple Jasmine la nye ahanoxewo ƒe geɖe. Togbɔ be Devynn nye gakɔntabula bibi aɖe hã la, eƒe aha tsu nonoa wɔe be sẽe kple sẽe ko dɔ ge le esi. Amewo nya Jasmine hã nyuie be enye ame si wɔa adã kple ŋutasẽnu. Gbe ɖeka, esi Jasmine mu aha la, edo go Ðasefo dutanyanyuigblɔla eve aɖewo le mɔ dzi. Dutanyanyuigblɔlaawo wɔ ɖoɖo kplii be yewoasrɔ̃ Biblia kplii, gake esi woyi woƒe aƒe me le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, Devynn kple Jasmine siaa mu aha. Womesusu be dutanyanyuigblɔlaawo atsɔ ɖe le eme na yewo ale gbegbe be woava yewo ƒe me o. Gake esi wogayi wo gbɔ ɣebubuɣi la, nɔnɔmeawo trɔ. Tso woƒe nusɔsrɔ̃ gbãtɔ dzi la, Devynn kple Jasmine tsɔ dzo ɖe Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ ŋu eye wote agbenɔnɔ ɖe nu si srɔ̃m wonɔ nu. Le ɣleti etɔ̃ pɛ ko me la, wotso nya me be yewoadzudzɔ aha sesẽ nono eye woɖe wo nɔewo le se nu. Woƒe kɔƒea me tɔ geɖe de dzesi tɔtrɔ siwo wowɔ, eye esia ʋã wo dometɔ geɖe wova srɔ̃ Biblia.

15. Nu ka ŋue wòate ŋu asesẽ ŋutɔ be ame naɖe asi le ɖe nyateƒea ta, eye nu ka tae?

15 Dekɔnu kple nuwɔna siwo medzea Mawu ŋu o. Asiɖeɖe le dekɔnu kple nuwɔna siwo medzea Mawu ŋu o ŋu nye nu siwo ate ŋu asesẽ ŋutɔ na ame si di be yeaƒle nyateƒea. Togbɔ be enɔa bɔbɔe na ame aɖewo be woase nu si tae nuwɔna mawo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o la gɔme ahaɖe asi le wo ŋu hã la, etea ŋu sesẽna na ame bubuwo ya be woaɖe asi le wo ŋu le ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo kple xɔlɔ̃ kplikplikpliwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo ta. Asiɖeɖe le kɔnu siwo do ƒome kple bubudede ƒometɔ siwo ku ŋu la koŋue sesẽna wu. (5 Mose 14:1) Ame siwo wɔ nu dzinɔameƒotɔe la ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tɔtrɔ siwo hiã. Bu afɔ si ƒe alafa gbãtɔ me Efeso dua me tɔ aɖewo ɖe dzinɔameƒotɔe la ŋu kpɔ.

16. Nu kae Efesotɔ aɖewo wɔ hafi te ŋu ƒle nyateƒea?

16 Efeso dua xɔ ŋkɔ ɖe afakaka me. Nu kae ame siwo va zu Kristotɔwo yeyee, siwo kaa afa tsã la wɔ hafi te ŋu ɖe asi le woƒe nuwɔna siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la ŋu heƒle nyateƒea? Biblia gblɔ be: “Afakalawo dometɔ gbogbo aɖewo tsɔ woƒe agbalẽwo katã vɛ, eye wotɔ dzo wo le amewo katã ŋkume. Wobu woƒe home, eye wokpɔe be ede klosalo akpe blaatɔ̃. Ale Yehowa ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem henɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi.” (Dɔw. 19:19, 20) Kristotɔ wɔnuteƒeawo gblẽ woƒe agbalẽ xɔasiawo dome eye Yehowa yra wo geɖe ɖe esia ta.

17. (a) Nu bubu kawo hãe wòahiã be míatsɔ asa vɔ be míate ŋu aƒle nyateƒea? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Nu kawoe nètsɔ sa vɔ hafi ƒle nyateƒea? Mí katã míeƒle ɣeyiɣi hafi te ŋu srɔ̃ nyateƒea. Mía dometɔ aɖewo hã ɖe asi le ŋutilãme nudzedzinamewo ŋu hafi te ŋu xɔ nyateƒea. Eye le nɔvi bubu aɖewo gome la, wo kple wo xɔlɔ̃wo kpakple ƒometɔwo dome megava le nyuie o le nyateƒea ta. Ehiã be ame aɖewo hã nawɔ tɔtrɔ le woƒe nuŋububu kple agbenɔnɔ gome ahaɖe asi le dekɔnu kple nuwɔna siwo mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o la ŋu. Ke hã, míeka ɖe edzi be Biblia me nyateƒea xɔ asi sãsãsã wu nu sia nu si ŋu míeɖe asi le ɖe nyateƒea ta. Biblia me nyateƒea ye wɔe be míaƒe nunɔamesi vevitɔ kekeake, si nye ƒomedodo kplikplikpli si le mía kple Yehowa dome la, va su mía si. Ne míebu yayra siwo kpɔm míele le esi míeva nya nyateƒea ta ŋu la, esesẽ ŋutɔ be míase nu si tae ame aɖe adi be yeatsɔe adzra la gɔme. Aleke esia ate ŋu adzɔe, eye nu kae míate ŋu awɔ be míaƒo asa na vodada gã sia? Míadzro biabia sia me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

^ mm. 8 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.