Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ne Nànɔ Agbe!

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ne Nànɔ Agbe!

“Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o.”—LOD. 3:5.

HADZIDZI: 3, 8

1. Nu ka tae mí katã míehiã na akɔfafa?

MÍ KATÃ míehiã na akɔfafa. Ðewohĩ, míaƒe agbe me yɔ fũu kple dzimaɖitsitsiwo, dzigbãnyawo kple fukpekpewo. Alo ɖewohĩ, tsitsimekuxiwo, dɔléle, alo ame vevi aɖe ƒe ku na míele nu xam. Amewo le nu madzɔmadzɔwo wɔm ɖe mía dometɔ aɖewo ŋu. Azɔ hã, ame siwo dome míele ƒe ŋutasẽnuwɔwɔ le dzidzim ɖe edzi. Ɛ̃, míeka ɖe edzi be ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ la nye kpeɖodzi be míele “ŋkeke mamlɛawo me,” eye ɣesiaɣi si ŋu yeye nya ke ko la, míegatena ɖe xexe yeyea ŋu wu. (2 Tim. 3:1) Ke hã, ɖewohĩ ɣeyiɣi didi aɖee nye esia míele lalam be Yehowa ƒe ŋugbedodowo nava eme, eye míaƒe fukpekpewo hã nu le sesẽm ɖe edzi. Eya ta, aleke míawɔ akpɔ akɔfafa?

2, 3. (a) Nu kae míenya tso Habakuk ŋu? (b) Nu ka tae míadzro Habakuk ƒe agbalẽa me ɖo?

2 Na míadzro Habakuk ƒe agbalẽa me ne míakpɔ ale si míawɔ akpɔ akɔfafa ɖa. Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso Habakuk ƒe agbemenyawo kple eƒe dɔwɔnawo ŋu tsitotsito o hã la, dzideƒonyawo le agbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le la me na mí. Anɔ eme be eƒe ŋkɔa gɔmee nye “Kukuɖeameŋu Vevie.” Esia ate ŋu afia ale si Yehowa faa akɔ na mí, abe ɖe wòlé mí ɖe akɔnu lɔlɔ̃tɔe ene, alo ate ŋu afia ale si esubɔlawo kuna ɖe eyama ŋu goŋgoŋ. Habakuk ɖe eƒe dzimenyawo gblɔ na Mawu hebia nya aɖewoe. Le mɔ aɖe nu la, ebia nyawo ɖe mía nu, elabe Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Habakuk wòŋlɔ dzeɖoɖo si yi edzi le woa kplii dome la me nyawo ɖi.—Hab. 2:2.

3 Dzeɖoɖo ma si yi edzi le nyagblɔɖila sia si dzi nu te ɖo la kple Mawu dome la koe nye nu si Ŋɔŋlɔawo ɖe fia mí tso Habakuk ŋu. Eƒe agbalẽa hã le “nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã” ɖe Mawu ƒe Nya, Biblia, me la dome. Mawu na woŋlɔ nya mawo ɖi “ale be to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔ tso Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.” (Rom. 15:4) Aleke Habakuk ƒe agbalẽa ate ŋu aɖe vi na mía dometɔ ɖe sia ɖe? Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si wòfia be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, Habakuk ƒe nyagblɔɖia na kakaɖedzi mí be kuxi alo nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míeɖale o, míate ŋu akpɔ akɔfafa kple dzidzeme. Esi esia le susu me na mí la, na míadzro Habakuk ƒe agbalẽa me ayi ŋgɔe.

DO GBE ÐA NA YEHOWA

4. Nu kae na nu te ɖe Habakuk dzi?

4 Xlẽ Habakuk 1:2, 3. Nɔnɔmeawo sesẽ ŋutɔ le Habakuk ŋɔli. Elé blanui vevie elabe ame siwo dome wònɔ la vɔ̃ɖi eye wosẽa ŋuta ŋutɔ. Habakuk nɔ eɖokui biam be: ‘Ɣekaɣie ŋutasẽnuwɔwɔ siawo katã nu ayi? Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ ɖe eŋu eteƒe didi alea gbegbe ɖo?’ Nu siwo teƒe wòkpɔna koe nye ale si wo detɔwo wɔa nu madzɔmadzɔ ɖe wo nɔewo ŋu kple ale si wotea wo nɔewo ɖe anyi. Ekpɔe be yemate ŋu awɔ naneke tso nɔnɔmea ŋu o. Eya ta, le ɣeyiɣi sesẽ ma me la, eƒo koko na Yehowa be wòawɔ nane tso eŋu. Ðewohĩ, Habakuk anya se le eɖokui me be Yehowa megatsɔ ɖeke le nu siwo le edzi yim le dukɔa me la me o. Ewɔ nɛ be Mawu le hehem ɖe megbe akpa. Ðe wò hã èse le ɖokuiwò me nenema kpɔa?

5. Nufiame vevi kae le Habakuk ƒe agbalẽa me na mí? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

5 Ðe Habakuk megaka ɖe Yehowa dzi oa? Ðe megaxɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se oa? Menye nenemae kura o! Nyateƒe si wònye be eɖe eƒe xaxawo kple nu siwo nɔ fu ɖem nɛ la gblɔ na Yehowa la ɖeɖe dzaa ɖee fia be mɔkpɔkpɔ mebu ɖee o, ke boŋ egakpɔtɔ nɔ ŋu ɖom ɖe Yehowa ŋu kokoko. Edze ƒãa be nu te ɖe Habakuk dzi eye wòtɔtɔ. Mese nu si tae Yehowa menɔ naneke wɔm tso nɔnɔmea ŋu o kple nu si tae Yehowa ɖe mɔ wòle fu kpem nenema gbegbe ɖo la gɔme o. Esi Yehowa na eƒe gbɔgbɔa ʋã Habakuk wòŋlɔ nu tso eƒe dzimaɖitsitsiawo ŋu la, edi be míasrɔ̃ nu vevi aɖe tso eme; eyae nye be: Mele be míavɔ̃ be míaɖe míaƒe dzimaɖitsitsiwo alo ɖikeke siwo le mía me la agblɔ na ye o. Le nyateƒe me la, Yehowa le mía kpem lɔlɔ̃tɔe be míado gbe ɖa agblɔ míaƒe dzimenyawo na ye faa. (Ps. 50:15; 62:8) Lododowo 3:5 hã de dzi ƒo na mí be ‘míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye míagaɖo ŋu ɖe míawo ŋutɔwo míaƒe gɔmesese ŋu o.’ Anɔ eme be Habakuk nya nya mawo eye wòwɔa wo dzi hã.

6. Nu ka tae gbedodoɖa le vevie?

6 Habakuk ɖe afɔ siwo hiã be wòate ɖe Yehowa, ame si nye Exɔlɔ̃ kple Fofoa si dzi wòka ɖo la ŋu kplikplikpli. Habakuk menɔ anyi ko henɔ konyi fam le nɔnɔmea ŋu alo nɔ agbagba dzem be ye ŋutɔ yeakpɔ kuxiawo gbɔ o. Ke boŋ, edo gbe ɖa hegblɔ eƒe seselelãmewo kple nu siwo ŋu wòtsi dzi ɖo la na Yehowa, eye wòto esia me gblẽ kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí. Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa, Gbedodoɖasela la, le mía kpem be míado gbe ɖa agblɔ nu siwo ŋu míetsi dzi ɖo la na ye atsɔ aɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe ye ŋu. (Ps. 65:2) Ne míewɔ esia la, míakpɔ ale si wòɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋui. Akɔfafa kple mɔfiame siwo míaxɔ tso egbɔ la ana míase le mía ɖokui me abe ɖe wòlé mí ɖe eƒe akɔnu ene. (Ps. 73:23, 24) Xaxa ka ke me tom míeɖale o, akpe ɖe mía ŋu míanya eƒe susuwo le nu si me tom míele ŋu. Míaƒe dzimenyawo gbɔgblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me nye mɔ nyuitɔ siwo dzi míetona ɖenɛ fiana be míeɖo ŋu ɖe eŋu la dometɔ ɖeka.

ÐO TO YEHOWA

7. Esi Habakuk gblɔ nu siwo ŋu wòtsi dzi ɖo na Yehowa la, nu kae Yehowa wɔ?

7 Xlẽ Habakuk 1:5-7. Esi Habakuk gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa vɔ la, ɖewohĩ enɔ eɖokui biam be nu kae Yehowa awɔ hã. Esi Yehowa nye Fofo si sea veve ɖe ame nu hesea nu gɔme na ame ta la, meka mo na Habakuk ɖe eƒe dzimenya siwo wòɖe gblɔ la ta o. Mawu nyae be ɖe wòle kuku ɖem be wòaxɔ na ye le yeƒe vevesesewo kple xaxawo ta. Eya ta, Yehowa na Habakuk nya nu siwo yeava tu kple Yudatɔ mawɔnuteƒeawo kpuie. Ate ŋu anye be Habakuk ye nye ame gbãtɔ si Yehowa gblɔ na be Yuda dukɔa ƒe ŋutasẽnuwɔwɔwo ƒe nuwuwu tu aƒe.

8. Nu ka tae ale si Yehowa ɖo nya ŋu na Habakuk la wɔ nuku nɛ?

8 Yehowa na Habakuk nyae be yele nane wɔ ge tso nɔnɔmea ŋu kpuie. Ɣeyiɣi si Mawu ɖo be yeahe to na dzidzime vɔ̃ɖi sẽŋuta ma tu aƒe. Esi Yehowa zã nyagbe si nye “le miaƒe ŋkekeawo me” la, eto esia me na nyagblɔɖilaa nyae be yeɖoe be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔa le eya ŋutɔ alo eŋɔlimetɔwo ƒe agbenɔɣi. Ale si Yehowa ɖo nya ŋu na Habakuk la to vovo kura na nu si wònɔ mɔ kpɔm na. Nya si Yehowa gblɔ nɛ la fia be Yuda dukɔ bliboa ƒe fukpekpewo agadzi ɖe edzi. * Kaldeatɔwo (alo Babilontɔwo) nye ŋutasẽla siwo mekpɔa nublanui na ame o, eye wovɔ̃ɖi wu Israel-viwo, elabe ne mede ɖeke o la, Israel-viwo ya nya Yehowa ƒe sewo kple dzidzenuwo. Nu ka tae Yehowa azã trɔ̃subɔdukɔ sẽŋuta sia atsɔ ahe to na eƒe amewo? Ne wòe le Habakuk teƒe la, aleke nàse le ɖokuiwò me?

9. Nya kawoe Habakuk anya bia eɖokui?

9 Xlẽ Habakuk 1:12-14, 17. Habakuk se egɔme be Babilontɔwo zã gee Yehowa le atsɔ adrɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖi siwo dome wònɔ la ahahe to na wo, gake esia wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Ke hã, ebɔbɔ eɖokui heɖoe kplikpaa be yeayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Egblɔ gɔ̃ hã be Yehowa kpɔtɔ nye yeƒe “Agakpe.” (5 Mose 32:4; Yes. 26:4) Habakuk ɖoe be yeayi edzi aɖo ŋu ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple eƒe dɔmenyonyo ŋu dzigbɔɖitɔe. Tame si nyagblɔɖilaa ɖo kplikpaa la na dzi ɖo eƒo wògabia nya bubuwo Yehowa abe esiawo tɔgbi ene: Nu ka tae Mawu aɖe mɔ nɔnɔmeawo nagavloe ɖe edzi le Yuda? Nu ka tae maɖe afɔ enumake o? Nu ka tae Ŋusẽkatãtɔ la aɖe mɔ be nɔnɔme sesẽwo nagado gã ɖe edzi? Nu ka tae ‘wòzia kpi’ esime vɔ̃ɖinyenye xɔ aƒe ɖi? Evɔ Yehowa ye nye “Kɔkɔetɔ” la; eƒe “ŋkuwo dza ale gbegbe be [mate] ŋu anɔ nu gbegblẽ wɔwɔ kpɔm o.”

10. Aleke wòate ŋu adzɔ be míase le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi abe Habakuk ene?

10 Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be míase le mía ɖokui me abe Habakuk ene. Míeɖoa to Yehowa. Esi míeɖoa ŋu ɖe eŋu bliboe ta la, míexlẽa eƒe Nya la hesrɔ̃nɛ, eye esia nana mɔkpɔkpɔ sua mía si. Míesea nu tso eƒe ŋugbedodowo ŋu to nu siwo eƒe habɔbɔa fiana mí la dzi. Gake ɖewohĩ míebiaa mía ɖokuiwo ɣeaɖewoɣi be, ‘Ɣekaɣie fukpekpewo nu ayi?’ Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si Habakuk gawɔ la me?

KPƆ MƆ NA YEHOWA

11. Esi Habakuk se Yehowa ƒe nyawo vɔ la, nu kae wòɖo kplikpaa be yeawɔ?

11 Xlẽ Habakuk 2:1. Habakuk ƒe dzi dze eme esi wòƒo nu kple Yehowa vɔ megbe. Eya ta, eɖoe kplikpaa be yeayi edzi anɔ Yehowa sinu kpɔm be wòaɖe afɔ. Habakuk gaɖe tame si wòɖo kplikpaa la gblɔ ake esi wògblɔ be: ‘Manɔ anyi kpoo alala xaxagbe la.’ (Hab. 3:16) Mawu subɔla wɔnuteƒe bubuwo hã yi edzi ɖo ŋu ɖe eŋu dzigbɔɖitɔe nenema ke, eye woƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na míawo hã be míayi edzi akpɔ mɔ na Yehowa.—Mika 7:7; Yak. 5:7, 8.

12. Nu kawoe míesrɔ̃ tso Habakuk gbɔ?

12 Nu kae míesrɔ̃ tso tame si Habakuk ɖo kplikpaa la me? Gbã la, xaxa ka kee ɖava mía dzi o, mele be míadzudzɔ gbedodoɖa na Yehowa gbeɖe o. Evelia, ele be míaɖo to nu siwo Yehowa gblɔna na mí to eƒe Nyaa kple eƒe habɔbɔa dzi. Etɔ̃lia, ele be míakpɔ mɔ na Yehowa dzigbɔɖitɔe ahaka ɖe edzi bliboe be ava ɖe míaƒe vevesesewo ɖa le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi. Ne míeyia edzi gblɔa míaƒe dzimenyawo na Yehowa eye míeɖoa to eyama esime míele esinu kpɔm dzigbɔɖitɔe abe ale si Habakuk wɔe ene la, míaƒe dzi adze eme, eye esia akpe ɖe mía ŋu míado dzi. Míaƒe mɔkpɔkpɔ la ana míagagbɔ dzi blewu geɖe wu, eye esia hã akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzidzɔ kpɔm aleke kee nɔnɔmeawo ɖasesẽe o. Mɔkpɔkpɔ nana míekana ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒo la ava ɖɔ nɔnɔmeawo ɖo godoo.—Rom. 12:12.

13. Akɔfanya kae le Habakuk 2:3 na mí?

13 Xlẽ Habakuk 2:3. Míeka ɖe edzi be edze Yehowa ŋu be Habakuk ɖoe be yeakpɔ ye sinu. Ŋusẽkatãtɔ la nya fu siwo kpem Habakuk nɔ la nyuie. Eya ta, Mawu fa akɔ na nyagblɔɖila la eye wòka ɖe edzi nɛ lɔlɔ̃tɔe be yeakpɔ nu siwo ŋu wòtsi dzi ɖo la gbɔ kpuie. Ðeko wònɔ abe ɖe Mawu nɔ gbɔgblɔm na Habakuk ene be: “Gbɔ dzi ɖi, ɖo ŋu ɖe ŋunye. Maɖo wò gbedodoɖaa ŋu na wò, ne edze abe ŋuɖoɖoa tsi megbe ene gɔ̃ hã!” Yehowa ɖo ŋku edzi nɛ be yeɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi na yeƒe ŋugbedodowo me vava. Eya ta, ede dzi ƒo na Habakuk be wòalala akpɔ ye sinu. Mlɔeba la, nu si wònɔ mɔ kpɔm na la ava eme godoo.

Nu ka tae míeɖoe kplikpaa be míazã míaƒe ŋutete katã atsɔ asubɔ Yehowa? (Kpɔ memama 14 lia)

14. Ne míele xaxawo me tom la, nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ?

14 Ne míawo hã míeyi edzi le Yehowa sinu kpɔm dzigbɔɖitɔe eye míeléa to ɖe nu siwo fiam wòle mí ŋu la, esia ana míaɖo ŋu ɖe eŋu eye míakpɔ dzidzeme, togbɔ be míanɔ xaxawo kple nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã. Yesu ka ɖe edzi na mí be míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa, ame si nye Gamedzinɔla Gãtɔ la ŋu, eye míagatsɔ míaƒe susu aɖo “ɣeyiɣi alo azãgbe” siwo Mawu meɖe fia mí o la ŋu o. (Dɔw. 1:7) Eya ta, migana míana ta o, ke boŋ, mina míabɔbɔ mía ɖokuiwo, míaxɔ Mawu dzi ase, míagbɔ dzi ɖi blewu, eye míawɔ ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie azã míaƒe ŋutete katã atsɔ asubɔ Yehowa.—Marko 13:35-37; Gal. 6:9.

ŊUÐOÐO ÐE YEHOWA ŊU HEA AGBE KPLE ETSƆME NYUI VANƐ

15, 16. (a) Mawu ƒe ŋugbedodo dodzidzɔname kawoe le Habakuk ƒe agbalẽa me na mí? (b) Nufiame kawoe le ŋugbedodo siawo me na mí?

15 Yehowa do ŋugbe na ame dzɔdzɔe siwo ɖoa ŋu ɖe eŋu la be: “Ame dzɔdzɔe ya ƒe nuteƒewɔwɔ ana wòanɔ agbe,” eye “Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ŋuti sidzedze axɔ anyigba la dzi.” (Hab. 2:4, 14) Ɛ̃, Mawu ana agbe ame siwo kpɔa esinu dzigbɔɖitɔe la.

16 Gbã la, awɔ na mí abe nya gbadza aɖe koe ŋugbedodo si dze le Habakuk 2:4 la nye ene. Ke hã, apostolo Paulo kpɔe be Yehowa ƒe ŋugbedodo sia le vevie ale gbegbe be eyɔ emenyawo zi etɔ̃ sɔŋ le eƒe lɛtawo me! (Rom. 1:17; Gal. 3:11; Heb. 10:38) Fukpekpe ka kee ɖava ame dzɔdzɔe dzi o, ne eyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa hexɔ edzi se la, akpɔ Eƒe ŋugbedodowo me vava teƒe. Yehowa di be míaƒe susu nanɔ míaƒe etsɔmemɔkpɔkpɔa ŋu.

17. Nu kae Yehowa ka ɖe edzi na mí be yeawɔ na mí ne míeɖo ŋu ɖe ye ŋu?

17 Nufiame vevi aɖe le Habakuk ƒe agbalẽa me na mí ame siwo katã le agbe le ŋkeke mamlɛ siawo me. Yehowa do ŋugbe be yeana agbe ame dzɔdzɔe ɖe sia ɖe si xɔ ye dzi se heɖoa ŋu ɖe ye ŋu. Nɔnɔme sesẽ kple xaxa ka kee ɖava mía dzi o, mina míayi edzi anɔ ŋusẽ dom míaƒe xɔse eye míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe. Yehowa to Habakuk dzi ka ɖe edzi na mí be yeakpe ɖe mía ŋu ahaxɔ na mí. Ebia tso mía si dɔmenyotɔe be míaɖo ŋu ɖe ye ŋu eye míakpɔ ye sinu dzigbɔɖitɔe va se ɖe yeƒe ɣeyiɣi ɖoɖia dzi, esime Yehowa subɔla kpɔdzidzɔ siwo nye ame fafawo la axɔ anyigba bliboa dzi le Mawu Fiaɖuƒea te.—Mat. 5:5; Heb. 10:36-39.

ÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU KPLE DZIDZƆ

18. Dɔ kae Yehowa ƒe nyawo wɔ ɖe Habakuk dzi?

18 Xlẽ Habakuk 3:16-19. Yehowa ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe Habakuk dzi vevie. Ede ŋugble le nu wɔnuku siwo Yehowa wɔ na eƒe amewo le blema la ŋu. Esia wɔe be wògado ŋusẽ eƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu. Eka ɖe edzi be Yehowa aɖe afɔ kpuie! Esia fa akɔ na nyagblɔɖila la, togbɔ be enyae be yeƒe fukpekpeawo ayi edzi hena ɣeyiɣi aɖe gɔ̃ hã. Habakuk meganɔ ɖi kem le eɖokui me azɔ o. Ke boŋ, exɔe se kple kakaɖedzi be Yehowa axɔ na ye. Le nyateƒe me la, nya si wògblɔ le kpukpui 18 lia me la va nye nya siwo amewo gblɔ tsɔ ɖe ale si gbegbe woɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋui fia, siwo wɔa dɔ ɖe ame dzi wu le Biblia me la dometɔ ɖeka. Biblia ŋuti nunyala aɖewo gblɔ be kpukpui ma gɔme ɖeɖe le nyagbeawo ŋutɔŋutɔ nu afia be: “Mati kpo kple dzidzɔ le Aƒetɔ la me; manɔ totrom kple dzidzɔ le Mawu ta.” Kakaɖedzinya dedziƒoname kae nye esi na mí katã! Menye ɖeko Yehowa do ŋugbe nyuiwo na mí ko evɔ o, ke boŋ, eka ɖe edzi na mí hã be yele dɔ dzi vevie be yeana yeƒe ŋugbedodowo nava eme.

19. Nu kae míawɔ be Yehowa nafa akɔ na míawo hã abe ale si wòfa akɔ na Habakuk ene?

19 Ðikeke mele eme o be, nu vevi si míesrɔ̃ le Habakuk ƒe agbalẽa mee nye be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Hab. 2:4) Hafi míate ŋu ayi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, ele be míado ŋusẽ ƒomedodo si le mía kplii dome. Eya ta, ele be (1) míanɔ gbedodoɖa dzi ahanɔ míaƒe dzimenyawo kple nu siwo ŋu míetsi dzi ɖo la gblɔm nɛ; (2) míanɔ Yehowa ƒe Nya la srɔ̃m veviedodotɔe eye míawɔ ɖe mɔfiame ɖe sia ɖe si wònana mí to eƒe habɔbɔa dzi la dzi; eye (3) míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ahanɔ esinu kpɔm dzigbɔɖitɔe be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme. Nu siawoe Habakuk wɔ. Togbɔ be konyifanyawoe wòtsɔ dze eƒe agbalẽa gɔme hã la, eva wu enu kple dzidzɔnyawo kpakple kakaɖedzinyawo. Mina míasrɔ̃ Habakuk ƒe kpɔɖeŋua be míakpɔ ale si gbegbe Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la, afa akɔ na mí, abe ɖe wòlé mí ɖe eƒe akɔnu ene! Akɔfafa kae ganyo wu esia le xexe doblukɔ sia me?

^ mm. 8 Ŋkɔteƒenɔnya ‘mi’ si dze le Habakuk 1:5 la ɖee fia be vɔ̃ sia ava Yuda dukɔ bliboa dzi.