Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Kae Le Wò Susu Mlam?

Ame Kae Le Wò Susu Mlam?

“Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu.”—ROM. 12:2.

HADZIDZI: 88, 45

1, 2. (a) Aleke Yesu wɔ nui esi Petro gblɔ nɛ be wòadi nyui na eɖokui? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka tae Yesu wɔ nu nenema?

YESU ƒe nusrɔ̃lawo ƒe mo wɔ yaa. Yesu si wonɔ mɔ kpɔm be ava ɖɔ fiaɖuƒea ɖo na Israel la gblɔ be madidi o yeakpe fu ahaku. Apostolo Petro ye nye ame si ƒo nu gbã. Egblɔ na Yesu be: “Aƒetɔ, di nyui na ɖokuiwò; esia madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o.” Yesu gbe nya nɛ esi wògblɔ nɛ be: “Te yi megbenye, Satana! Mɔxenu nènye nam, elabena menye Mawu tɔ susum nèle o, ke boŋ amegbetɔwo tɔ.”—Mat. 16:21-23; Dɔw. 1:6.

2 Yesu to nya mawo dzi ɖee fia be Mawu ƒe nuŋububu to vovo na xexe si le Satana ƒe ŋusẽ te la ƒe nuŋububu. (1 Yoh. 5:19) Petro nɔ gbɔgblɔm na Yesu be wòadi eɖokui tɔ abe ale si xexea me tɔ geɖe wɔnɛ ene. Gake Yesu nyae be ale si ye Fofo bua nuwo ŋui la to vovo. Enyae be Mawu di be yeanɔ dzadzraɖoɖi na fukpekpe kple ku si le ŋgɔ na ye. Yesu ƒe nyaŋuɖoɖoa ɖee fia be egbe ale si xexea bua nuwo ŋui, ke elɔ̃ ale si Yehowa bua nuwo ŋui.

3. Nu ka tae wòsesẽ be míagbe xexea ƒe nuŋububu ahabu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene?

3 Ke míawo ya ɖe? Ðe míebua nuwo ŋu abe ale si Mawu bua woe ene loo, alo abe ale si xexea bua woe ene? Esi míenye Kristotɔwo ta la, míedzea agbagba be míaƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu. Ke míaƒe nuŋububu ya ɖe? Ðe míele asi trɔm le míaƒe tamesusuwo kple nuŋububu ŋu be woasɔ ɖe Yehowa ƒe susuwo nua? Esia biaa agbagbadzedze blibo. Gake ele bɔbɔe ŋutɔ be míava nɔ nuwo ŋu bum abe xexea me tɔwo ene. Nu si tae nye be xexea ƒe gbɔgbɔ xɔ aƒe ɖe afi sia afi. (Ef. 2:2) Gakpe ɖe eŋu la, esi wònye be zi geɖe la, xexea dea ɖokuitɔdidi ƒe dzi ƒo ta la, ate ŋu anɔ bɔbɔe be míava nɔ nuwo ŋu bum abe xexea me tɔwo ene. Ɛ̃, esesẽ be míabu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene, gake ele bɔbɔe ŋutɔ be míabu nuwo ŋu abe ale si xexea bua woe ene.

4. (a) Ne míeɖe mɔ xexea kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi la, nu kae ado tso eme? (b) Aleke nyati sia akpe ɖe mía ŋui?

4 Gake ne míeɖe mɔ xexea kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi la, esia awɔe be míava zu ɖokuitɔdilawo eye míadi be míawo ŋutɔwo míatso nya me le nyui kple vɔ̃ ŋu. (Marko 7:21, 22) Eya ta, ele vevie ŋutɔ be míaƒe susuwo nawɔ ɖeka kple “Mawu tɔ,” ke menye “amegbetɔwo tɔ” o. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu le go sia me. Míadzro susu vovovo siwo tae nuwo ŋu bubu abe ale si Yehowa bua woe ene metea ablɔɖe mí o, ke boŋ eɖea vi na mí la me. Míadzro ale si míagaɖe mɔ xexea ƒe nuŋububu nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o hã me. Le nyati si akplɔ esia ɖo me la, míakpɔ ale si míawɔ anya Yehowa ƒe susu le nu vovovowo ŋu kple ale si míana míaƒe nuŋububu nawɔ ɖeka kple etɔ.

YEHOWA ƑE SUSU LE NUWO ŊU ÐEA VI NA MÍ

5. Nu ka tae ame aɖewo medina kura be ame bubu nakpɔ ŋusẽ ɖe yewo dzi o?

5 Ame aɖewo medina kura be ame bubu namla yewoƒe susu alo akpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Wogblɔna be, “Ame aɖeke meɖoa nu nam o.” Anɔ eme be nya si gblɔm wole ye nye be yewo ŋutɔwoe tsoa nya me le nuwo ŋu eye esɔ be yewoawɔe nenema. Womedina be ame aɖeke naɖo nu na yewo alo aƒoe ɖe yewo nu be yewoawɔ nu abe ame sia ame ko ene o. *

6. (a) Ablɔɖe kae Yehowa na mí? (b) Ablɔɖe si seɖoƒe meli na o ye wònyea?

6 Ke hã, enyo be míade dzesii be, ne míeva le nuwo ŋu bum abe ale si Yehowa bua woe ene gɔ̃ hã la, esia mefia be susu aɖeke mate ŋu anɔ míawo ŋutɔwo si le nuwo ŋu o. Abe ale si 2 Korintotɔwo 3:17 gblɔe ene la, “afi si Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la, afi mae ablɔɖe le.” Yehowa na ablɔɖe mí be míanye ame si ƒomevi míedi be míanye. Míate ŋu atia nu siwo ado dzidzɔ na mí eye míate ŋu atia nu siwo míelɔ̃na alo nu siwo wɔwɔ avivi mía nu. Le nyateƒe me la, aleae Yehowa wɔ mí. Gake esia mefia be seɖoƒe meli na míaƒe ablɔɖea o. (Xlẽ 1 Petro 2:16.) Le nu si nye nyui kple vɔ̃ gome la, Yehowa di be míana yeƒe Nya la nakpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie. Ðe esia tea ablɔɖe mía, alo ɖe wòɖea vi na mí?

7, 8. Ne míesrɔ̃ ale si Yehowa bua nuwo ŋui la, nu ka tae esia metea ablɔɖe mí o? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

7 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Dzilawo dzea agbagba be yewoaƒã nɔnɔme nyuiwo ɖe yewo viwo me. Wotea ŋu fiaa wo be woanye anukwareɖilawo, veviedolawo kple ame siwo bua ame ŋu. Esia metea ablɔɖe ɖeviawo o. Ke boŋ, ɖe dzilawo le hehe nam wo viawo be woava zu ame ɖɔʋuwo eye agbea nadze edzi na wo. Ne ɖeviawo tsi heva le wo ɖokui si la, ablɔɖe asu wo si be woawo ŋutɔwo natso nya me na wo ɖokuiwo. Ne wotiae be yewoanɔ agbe ɖe nu siwo wo dzilawo fia wo nu la, anɔ bɔbɔe na wo be woawɔ nyametsotso siwo mava ve wo emegbe o. Esia awɔe be womahe kuxiwo kple xaxawo ava wo ɖokuiwo dzi dzodzro o.

8 Abe dzila nyui ene la, Yehowa di be ye viwo nanɔ agbe si me dzidzeme vavãtɔ le. (Yes. 48:17, 18) Eya ta, efiaa gɔmeɖose kple agbe nyui nɔnɔ ŋuti sewo mí eye ekpena ɖe mía ŋu be míanya ale si wòle be míawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu. Ele mía kpem be míasrɔ̃ ale si yebua nuwo ŋu le nya siawo tɔgbi me eye míanɔ agbe ɖe yeƒe dzidzenuwo nu. Esia metea ablɔɖe mí o, ke boŋ, ɖe wòkpena ɖe mía ŋu míebua nuwo ŋu nyuie. (Ps. 92:5; Lod. 2:1-5; Yes. 55:9) Ne míewɔa esia la, míawɔ nyametsotso siwo ana míakpɔ dzidzɔ eye le ɣeyiɣi ma ke me la, míate ŋu awɔ nu siwo doa dzidzɔ na mí hã. (Ps. 1:2, 3) Ɛ̃, nuwo ŋu bubu abe ale si Yehowa bua woe ene ɖea vi na mí le mɔ geɖe nu!

YEHOWA ƑE NUŊUBUBU KƆ BOO WU XEXEA TƆ

9, 10. Aleke wòdze kɔtɛ be Yehowa ƒe nuŋububu kɔ boo wu xexea tɔe?

9 Susu bubu si tae Yehowa subɔlawo dina be yewoana yewoƒe nuŋububu nawɔ ɖeka kple Mawu tɔe nye be eƒe nuŋububu kɔ boo wu xexea ƒe nuŋububu. Xexea ɖoa aɖaŋu vovovowo tso agbe nyui nɔnɔ, ƒomegbenɔnɔ, dɔwɔɖui si naa dzidzeme ame kple agbemenya bubuwo ŋu. Aɖaŋuɖoɖo siawo dometɔ akpa gãtɔ mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe susuwo o. Le kpɔɖeŋu me, zi geɖe la, xexea dea dzi ƒo na amewo be woadi wo ɖokui tɔ. Enana amewo susuna hã be naneke megblẽ le gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋu o. Eye xexea ɖoa aɖaŋu na srɔ̃tɔwo ɣeaɖewoɣi be woaklã tso wo nɔewo gbɔ alo agbe wo nɔewo ɖe nya maɖinyawo ta kple susu be woakpɔ dzidzɔ geɖe wu. Aɖaŋuɖoɖo mawo tɔgbi mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o. Gake ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖo mawo dometɔ aɖewo ɖea vi egbea wu Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowoa?

10 Yesu gblɔ be: “Nunya ƒe dɔwɔwɔwo tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.” (Mat. 11:19) Togbɔ be xexea wɔ ŋgɔyiyi geɖe le mɔ̃ɖaŋununya gome hã la, womete ŋu kpɔ kuxi gãgã siwo gblẽa amegbetɔwo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me, abe aʋawɔwɔ, fuléle ame ƒomevi aɖewo, kple nu vlo wɔwɔ ene gbɔ o. Eye nu kae do tso woƒe mɔɖeɖe ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋu me? Ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be esia mekpɔa ƒomekuxiwo gbɔ o, ke boŋ, ɖe wògbãa ƒomewo, eye wòhea dɔléle kple kuxi bubuwo vanɛ. Gake Kristotɔ siwo bua nuwo ŋu abe ale si Mawu bua woe ene ya ƒe ƒomegbenɔnɔ nyo ɖe edzi, wole lãmesẽ nyui me le esi wonɔa agbe nyui ta, eye wole ŋutifafa me kple wo nɔewo le xexea me godoo. (Yes. 2:4; Dɔw. 10:34, 35; 1 Kor. 6:9-11) Ðe esia meɖee fia kɔtɛ be Yehowa ƒe nuŋububu de ŋgɔ sãsãsã wu xexea tɔ oa?

11. Ame ka ƒe susuwoe fia mɔ Mose, eye nu kae do tso eme?

11 Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema la kpɔe be Yehowa ƒe susuwo kɔ boo wu amegbetɔwo tɔ. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be wofia “Egiptetɔwo ƒe nunya blibo la katã” Mose hã la, ekpɔ Mawu sinu be wòana “dzi nyanu” ye. (Dɔw. 7:22; Ps. 90:12) Gakpe ɖe eŋu la, eɖe kuku na Yehowa be: “Na manya wò mɔwo.” (2 Mose 33:13) Esi wòna Yehowa ƒe susuwo fia mɔe ta la, ewɔ akpa vevi aɖe le Yehowa ƒe tameɖoɖo me vava me eye woƒo nu nyui tso eŋu le Ŋɔŋlɔawo me be eɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi.—Heb. 11:24-27.

12. Nu kae fia mɔ apostolo Paulo le eƒe nyametsotsowo me?

12 Apostolo Paulo nye ame aɖe si ƒe tagbɔ ɖa, enya agbalẽ, eye wòse Hebrigbe kple Helagbe. (Dɔw. 5:34; 21:37, 39; 22:2, 3) Ke hã, ne eva hiã be wòatso nya me le nu siwo ku ɖe nyui alo vɔ̃ ŋu la, eƒoa asa na xexemenunya eye wònana Mawu ƒe Nya la fiaa mɔe. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:2; 1 Korintotɔwo 2:6, 7, 13.) Esia wɔe be Paulo kpɔ dzidzedze le eƒe subɔsubɔdɔa me eye wònɔ mɔ kpɔm na teƒeɖoɖo mavɔ.—2 Tim. 4:8.

13. Ame ka ƒe agbae wònye be wòana míaƒe nuŋububu nawɔ ɖeka kple Yehowa tɔ?

13 Edze kɔtɛ be Mawu ƒe nuŋububu kɔ boo wu egbexexea tɔ. Ne míenɔa agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu la, míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ eye agbea adze edzi na mí. Gake Yehowa mazi eƒe susuwo ɖe mía dzi o. ‘Kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’ kpakple hamemetsitsiwo hã meƒonɛ ɖe mía nu be míana míaƒe nuŋububu nawɔ ɖeka kple Yehowa tɔ o. (Mat. 24:45; 2 Kor. 1:24) Ke boŋ, agba le Kristotɔ ɖe sia ɖe dzi be eya ŋutɔ nana eƒe nuŋububu nawɔ ɖeka kple Mawu tɔ. Aleke míate ŋu awɔ esiae?

MÈGANA XEXE SIA ƑE NUŊUBUBU NAKPƆ ŊUSẼ ÐE DZIWÒ O

14, 15. (a) Hafi míate ŋu abu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene la, nu ka ŋue wòle be míanɔ ŋugble dem le? (b) Le Romatɔwo 12:2 ƒe nya nu la, nu ka tae mele be míanɔ mɔ ɖem be xexea ƒe nuŋububu nage ɖe míaƒe susu me o? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

14 Biblia ɖo aɖaŋu na mí le Romatɔwo 12:2 be: “Midzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu, ke boŋ mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu wɔwɔ yeyee me, ne miawo ŋutɔwo miate ŋu akpɔ kakaɖedzi le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la ŋu.” Nya mawo siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la ɖee fia be nu ka kee ɖakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe susuwo dzi hafi míeva srɔ̃ nyateƒea o, míate ŋu ana míaƒe nuŋububu nava nɔ Mawu tɔ ɖim geɖe wu. Ele eme baa be, tso mía dziɣi ke la, nɔnɔme siwo ƒe dome míenyi tso mía dzilawo gbɔ kple nu siwo me míeto le agbe me la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe tamesusuwo dzi va se ɖe afi aɖe ya. Ke hã, míate ŋu ayi edzi anɔ asi trɔm le míaƒe nuŋububu ŋu. Nu si koŋ ate ŋu ana míawɔ asitɔtrɔ mae nye nu siwo míeɖea mɔ wogena ɖe míaƒe susu me kple nu siwo ŋu míebuna. Ne míedea ŋugble le ale si Yehowa bua nuwo ŋui ŋu la, esia awɔe be míawo ŋutɔwo míava kpɔ kakaɖedzi be eƒe susuwo le eteƒe. Esia ana wòava nɔ bɔbɔe na mí be míatrɔ míaƒe nuŋububu wòawɔ ɖeka kple etɔ.

15 Gake de dzesii be hafi míate ŋu atrɔ míaƒe tamesusuwo woawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe nuŋububu la, ehiã be ‘míadzudzɔ agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu.’ Esia fia be míadzudzɔ nu sia nu si doa nuŋububu siwo tsi tsitre ɖe Mawu ƒe susuwo ŋu ɖe ŋgɔ la kpɔkpɔ, wo sese kple wo xexlẽ. Míate ŋu atsɔ nuɖuɖu awɔ afɔɖeɖe vevi sia ƒe kpɔɖeŋui. Ðewohĩ ame aɖe atiae be yeanɔ nu siwo me nunyiame le ɖum ale be yeanɔ lãmesẽ me. Gake vi kae wòaɖe nɛ nenye be egaɖua nu siwo gblẽ la edziedzi? Nenema kee agbagba siwo katã míadze be míasrɔ̃ nu tso ale si Yehowa bua nuwo ŋui ŋu la anye dzodzro ne míeɖea mɔ xexea ƒe nuŋububu gena ɖe míaƒe susu me.

16. Nu kawo me wòle be míakpɔ mía ɖokui ta tsoe?

16 Ðe míate ŋu aƒo asa na xexea ƒe nuŋububu keŋkeŋua? Ao. Esi wònye be míate ŋu adzo le xexea me o ta la, míate ŋu aƒo asa na xexea ƒe nuŋububu aɖewo o. (1 Kor. 5:9, 10) Ne míele gbeƒãɖeɖedɔa wɔm gɔ̃ hã la, míesea nu tso amewo ƒe susu totrowo kple alakpadzixɔsewo ŋu. Gake togbɔ be míate ŋu aƒo asa na nuŋububu siwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe susuwo o la keŋkeŋ o hã la, mele be míanɔ wo ŋu bum alo alɔ̃ ɖe wo dzi o. Abe Yesu ene la, ele be míagbe nuŋububu ɖe sia ɖe si dea Satana ƒe tameɖoɖo dzi la enumake. Azɔ hã, míate ŋu akpɔ mía ɖokui ta ne míawo ŋutɔwo míetena ɖe nu siwo me xexea ƒe susuwo dzena le la ŋu madzemadzee o.—Xlẽ Lododowo 4:23.

17. Nu kae míawɔ be míakpɔ mía ɖokui ta be míagate ɖe nu siwo me xexea ƒe susuwo dzena le ŋu madzemadzee o?

17 Le kpɔɖeŋu me, ele be míakpɔ nyuie ne míele ame siwo anye mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwo tiam. Biblia xlɔ̃ nu mí be ne míeyi edzi le ha dem kple ame siwo mesubɔa Yehowa o la, woƒe nuŋububu ava kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi. (Lod. 13:20; 1 Kor. 15:12, 32, 33) Azɔ hã, míate ŋu aɖɔ ŋu ɖo ne míele dzidzɔdonamenuwo tiam. Ne míegbe modzakaɖenu siwo me wodoa amedzɔtsolãme ƒe nufiafiawo, ŋutasẽnuwɔwɔ, alo gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔnawo ɖe ŋgɔ le la, ekema, míaƒo asa na nuŋububu siwo “xea mɔ ɖe Mawu ŋuti sidzedze nu la” be woagagblẽ nu le míaƒe tamesusuwo ŋu o.—2 Kor. 10:5.

Ðe míekpena ɖe mía viwo ŋu be woagbe dzidzɔdonamenu gbegblẽwoa? (Kpɔ memama 18, 19 lia)

18, 19. (a) Nu ka tae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe xexea ƒe nuŋububu siwo wodona ɖe ŋgɔ le mɔ siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o nu la ŋu? (b) Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo, eye nu ka tae?

18 Ele hã be míade dzesi xexea ƒe nuŋububu siwo wodona ɖe ŋgɔ le mɔ siwo menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o nu la ahaƒo asa na wo. Le kpɔɖeŋu me, wotea ŋu gblɔa nyadzɔdzɔwo ŋuti nyatakaka aɖewo le mɔ aɖe nu be woade dunyaheha aɖe ƒe susuwo dzi. Azɔ hã, amewo ƒe ŋutinya siwo wogblɔna le nyadzɔdzɔwo me la dometɔ aɖewo doa xexea ƒe taɖodzinuwo kple nudzedziname siwo ŋu amewo dea asixɔxɔe la ɖe ŋgɔ. Wodoa susu siwo nye “tɔnye-ko-nenyo” kple “ƒomee nye nu vevitɔ” ɖe ŋgɔ le film kple agbalẽ aɖewo me wòdzroa ame eye wòdzena abe ɖe susu le wo me eye wòsɔ ene. Nuŋububu alea fia be woŋea aɖaba ƒua Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Gake Biblia na míenya be ne míelɔ̃ Yehowa wu nu sia nu ko hafi míawo ŋutɔwo kple míaƒe ƒomea míakpɔ dzidzɔ vavãtɔ. (Mat. 22:36-39) Azɔ hã, togbɔ be ŋutinya kple fefe siwo ŋu wotrɔ asi le na ɖeviwo la dzena abe ɖe wonyo ene gɔ̃ hã la, woate ŋu ana ɖeviwo nava nɔ susum be naneke megblẽ le gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔnawo ŋu o.

19 Esia mefia be nu gbegblẽe wònye be míakpɔ gome le dzidzɔdonamenu siwo tua ame ɖo me o. Ke hã, anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe metea ŋu dea dzesi xexea ƒe susuwo nenye be wole wo dom ɖe ŋgɔ le ayemɔwo nu gɔ̃ hã? Ðe mekpɔa vinyewo kple nye ŋutɔ ɖokuinye ta be míagakpɔ television dzi wɔna aɖewo alo axlẽ agbalẽ ƒomevi aɖewo oa? Ðe mezãa Biblia tsɔ kpena ɖe vinyewo ŋu wokpɔa Yehowa ƒe susu le nya siwo wose kple nu siwo wokpɔ ŋu ale be xexea ƒe nuŋububu nagakpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi oa?’ Ne míetea ŋu dea dzesi vovototo si le Mawu ƒe nuŋububu kple xexea tɔ dome la, ekema míaƒo asa na “agbenɔnɔ ɖe nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme nu.”

AME KAE LE WÒ MLAM FIFIA?

20. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanya nenye be Mawue le mía mlam loo alo xexea ye?

20 Ðo ŋku edzi be nyatakakatsoƒe eve koe li. Ðekae nye Yehowa, eye eveliae nye xexe si le Satana ƒe ŋusẽ te. Wo dometɔ kae le wò mlam? Ŋuɖoɖoa ye nye wo dometɔ si gbɔ nèxɔa nyatakakawo tsonae. Ne míexɔa xexea ƒe susuwo la, ekema, woawoe le míaƒe susu mlam, eye vivivi la, míava nɔ nuwo ŋu bum ahanɔ nu wɔm abe xexea me tɔwo ene. Esia tae wòle vevie ŋutɔ be míakpɔ nyuie le nu siwo míekpɔna, nu siwo míexlẽna, nu siwo míesena kple nu siwo ŋu míebuna la ŋu.

21. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

21 Abe ale si míeɖe eme va yi ene la, hafi míate ŋu abu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene la, ebia nu geɖe wu asaƒoƒo na ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ko. Ele hã be míanɔ ŋugble dem le Mawu ƒe susuwo ŋu ale be míate ŋu ava nɔ nuwo ŋu bum abe ale si Mawu bua woe ene. Míadzro ale si míate ŋu awɔ esiae la me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

^ mm. 5 Le nyateƒe me la, aleke kee ame aɖe ɖadina be yeawɔ nu le ye ɖokui sii o, mate ŋu aƒo asa na ame bubuwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi keŋkeŋ o. Míeɖale ŋugble dem le nya goglowo, abe afi si agbe dzɔ tso ene ŋu alo míele nya me tsom le awu si míado ŋu o, ame bubuwo kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi va se ɖe afi aɖe ya teti. Ke hã, míate ŋu atia ame si míadi be wòakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi.