Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ame kawoe nye Dɔmenyolawo, siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le zã si do ŋgɔ na eƒe ku la me, eye nu ka tae amewo tsɔ ŋkɔ ma na wo?

Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, exlɔ̃ nu eƒe apostolowo be woagadi ɖoƒe gãwo le woƒe haxɔsetɔwo dome o. Egblɔ na wo be: “Dukɔwo ƒe fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woyɔa ame siwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la be Dɔmenyolawo. Ke miawo ya miganɔ nenema o.”—Luka 22:25, 26.

Ame kawoe nye Dɔmenyolawo, siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe? Blemanuŋɔŋlɔ siwo woɖe ɖe kpe dzi, gakuwo, kple nuŋlɔɖi aɖewo ɖee fia be enye kɔnu le Helatɔwo kple Romatɔwo ƒe nutowo me be woayɔ ŋkɔ Euergetes, alo Dɔmenyola na ŋutsu xɔŋkɔwo kple dziɖulawo atsɔ ade bubu wo ŋu. Wode bubu sia tɔgbi ŋutsu siawo ŋu le esi wowɔ nane si ɖe vi na woƒe dukɔ me tɔwo ta.

Wotsɔ bubuŋkɔ sia na fia geɖe. Fia siawo dometɔ aɖewoe nye Egiptetɔwo ƒe fia siwo nye Ptolemy III Euergetes (ƒe 247-222 Do Ŋgɔ Na Yesu [D.Y.] lɔƒo) kple Ptolemy VIII Euergetes II (ƒe 147-117 D.Y. lɔƒo). Woyɔ ŋkɔ sia na Roma dziɖula siwo nye Julius Caesar (ƒe 48-44 D.Y.) kple Augusto hã (ƒe 31 D.Y.–14 Kristotɔwo Ŋɔli [K.Ŋ.]) kpakple Yudea fia, Herodes Gãtɔ. Le Herodes gome la, anɔ eme be wotsɔ bubuŋkɔ ma nɛ esi wòna wodɔ lu tso du bubu aɖe me vɛ na eƒe amewo le ɣeyiɣi si me dɔ to eye wòna awu hiãtɔwo.

Le Germanytɔwo ƒe Biblia ŋuti nunyala Adolf Deissmann ƒe nya nu la, enye nu si bɔ ɣemaɣi be woayɔ dzesideŋkɔ Dɔmenyola na amewo. Egblɔ be: “Ele bɔbɔe be nàke ɖe dzesideŋkɔ sia ŋu wu zi alafa ɖeka le blemanuŋlɔɖiwo me le ɣeyiɣi kpui aɖe me.”

Ekema, nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ke miawo ya miganɔ nenema o”? Ðe Yesu nɔ gbɔgblɔm na wo be woagadze agbagba be yewoakpe ɖe yewoƒe nutoa me tɔwo ŋu oa, alo woagatsɔ ɖe le eme na amewo oa? Kura o. Anɔ eme be nu si ŋu Yesu tsi dzi ɖoe nye nu si ta amewo wɔa dɔmenyonuwo na ame bubuwo.

Le Yesu ƒe ŋkekeawo me la, kesinɔtɔwo dea ga wɔna gãwo kple fefe aɖewo me le fefewɔƒewo, wotua tsaɖibɔwo kple gbedoxɔwo, kpakple esiawo tɔgbi kple susu be yewoawɔ ŋkɔ nyui na yewo ɖokuiwo. Ke hã, woƒe taɖodzinu koŋue nye be yewoƒe nu nalé dzi na amewo, yewoaxɔ ŋkɔ alo yewoaʋã amewo be woada akɔ na yewo. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Viɖe siwo woakpɔ le dunyahehe me tae wowɔa esia.” Ðoƒe gã didi kple ɖokuitɔdidi ƒe gbɔgbɔ sia tɔgbi ŋue Yesu nɔ nu xlɔ̃m eyomedzelawo le be woaƒo asa na.

Ƒe aɖewo megbe la, apostolo Paulo te gbe ɖe nyateƒenya vevi si nye be ele be susu nyui nanɔ megbe na míaƒe dɔmenyonuwɔnawo la dzi. Eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kristotɔ siwo le Korinto la be: “Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o, elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.”—2 Kor. 9:7.