Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mazɔ Le Wò Nyateƒe La Me”

“Mazɔ Le Wò Nyateƒe La Me”

“Oo Yehowa, fia wò mɔm. Mazɔ le wò nyateƒe la me.”​—PS. 86:11.

HADZIDZI: 31, 72

1-3. (a) Aleke wòle be míase le mía ɖokui me ɖe Biblia me nyateƒea ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ foto siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Biabia kawo me míadzro le nyati sia me?

EGBEA, enye nu si bɔ be amewo naƒle nu le fiase me agatrɔe ayi. Eye ame siwo ƒlea nu to Internet dzi ya gatrɔna nu siwo woƒle la ɖona ɖe edzralawo edziedzi wu. Ðewohĩ wova kpɔe be nua menyo abe ale si yewosusui ene o, alo nane gblẽ le eŋu. Eya ta, wodina be woaɖɔ li nua na yewo loo alo woagbugbɔ yewoƒe ga ana yewo.

2 Míadi gbeɖe be míawɔ esia le Biblia me nyateƒea gome o. Ne míenya “ƒle” nyateƒe, si fia be, míesrɔ̃e ko la, míadi gbeɖe be ‘míadzrae’ alo aɖe asi le eŋu o. (Xlẽ Lododowo 23:23; 1 Tim. 2:4) Abe ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ me ene la, míezã ɣeyiɣi geɖe tsɔ srɔ̃ nyateƒea hafi wòte ŋu su mía si. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖewohĩ míeɖe asi le dɔ si me ga geɖe le la ŋu, míewɔ tɔtrɔwo le míaƒe hadedewo kple míaƒe nuŋububu kpakple agbenɔnɔ gome, alo míeɖe asi le dekɔnu kple nuwɔna siwo medzea Mawu ŋu o la ŋu hafi míete ŋu ƒle nyateƒea. Ke hã, nu siwo míetsɔ sa vɔe la meɖi naneke o, ne míetsɔe sɔ kple yayra siwo gbegbe su mía si.

3 Ale si míesena le mía ɖokui me ɖe Biblia me nyateƒea ŋu la wɔ ɖeka kple ŋutsu aɖe si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le kpɔɖeŋu kpui aɖe si wòwɔ me la tɔ. Esi Yesu di be míakpɔ ale si gbegbe nyateƒe si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu nye nu xɔasi na ame siwo ke ɖe eŋu la, eƒo nu tso asitsala mɔzɔla aɖe si nɔ dzonu nyuiwo dim heva ke ɖe ɖeka ŋu la ŋu. Le nyateƒe me la, dzonu si ŋu wòke ɖo la xɔ asi ale gbegbe be ‘edzra’ nu sia nu si le esi la “enumake” eye wòƒlee. (Mat. 13:45, 46) Nenema kee nyateƒe si ŋu míeke ɖo, si nye nyateƒe si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu kple nyateƒe xɔasi bubu siwo míesrɔ̃ tso Mawu ƒe Nyaa me la, xɔ asi na mí ale gbegbe be míelɔ̃ faa tsɔ nuwo sa vɔe enumake be wòasu mía si. Zi ale si míedea asixɔxɔ nyateƒea ŋu la, ‘míadzrae gbeɖe o.’ Gake nublanuitɔe la, Mawu subɔla aɖewo megava dea asixɔxɔ nyateƒe si su wo si la ŋu o, eye woɖe asi le eŋu gɔ̃ hã. Esia negadzɔ ɖe mía dzi gbeɖe o! Mɔ si nu míaɖee afia le be míedea asixɔxɔ nyateƒea ŋu ale gbegbe be míadzrae gbeɖe o lae nye be, míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be, ‘míayi edzi anɔ zɔzɔm le nyateƒea me’ la dzi. (Xlẽ 3 Yohanes 2-4.) Zɔzɔ le nyateƒea me bia be míanɔ agbe ɖe nyateƒea nu, si fia be, míana nyateƒea nanye nu vevitɔ na mí le agbe me eye míanɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kple nyateƒea. Na míadzro biabia siawo me: Nu ka tae ame aɖewo ‘adzra’ nyateƒea, eye aleke esia ate ŋu adzɔe? Aleke míate ŋu aƒo asa na vodada gã ma? Aleke míate ŋu ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be ‘míayi edzi anɔ zɔzɔm le nyateƒea me’?

NU SI TAE AME AÐEWO ‘DZRAA’ NYATEƑEA KPLE ALE SI ESIA DZƆNA

4. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nu ka tae ame aɖewo ‘dzra’ nyateƒea ɖo?

4 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame siwo xɔ Yesu ƒe nufiafiawo nyuie le gɔmedzedzea me la dometɔ aɖewo meyi edzi zɔ le nyateƒea me o. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu na nuɖuɖu ameha gã aɖe nukutɔe vɔ la, ameha la dze eyome yi Galilea-ƒua ƒe go kemɛ dzi. Le afi ma la, Yesu gblɔ nya aɖe si wɔ moyaa na wo ŋutɔ. Egblɔ be: “Ne mieɖu Amegbetɔvi la ƒe ŋutilã, eye mieno eƒe ʋu o la, miakpɔ agbe o.” Le esi teƒe be woabia Yesu be wòaɖe nyaa me na yewo la, ɖe eƒe nyaa ɖia wo nu boŋ eye wogblɔ be: “Tsoo! Nya sesẽ kae nye esia; ame kae ate ŋu ado dzi anɔ nya sia sem?” Le esia ta, “nusrɔ̃lawo dometɔ geɖewo trɔ yi nu siwo le megbe la gbɔ, eye womegazɔna kplii o.”—Yoh. 6:53-66.

5, 6. (a) Nu ka tae ame aɖewo te wo ɖokui ɖa le nyateƒea ŋu egbea? (b) Aleke wòate ŋu adzɔe be ame aɖe nava nɔ tetem ɖa le nyateƒea ŋu vivivi?

5 Ewɔ nublanui ŋutɔ be egbea la, ame aɖewo va te wo ɖokui ɖa le nyateƒea ŋu. Ðewohĩ asitɔtrɔ aɖe si wowɔ le gɔmesese aɖe si nɔ mía si tsã le Biblia me nya aɖe ŋu alo nane si nɔvi aɖe si wonya nyuie la wɔ alo gblɔ la ɖia wo nu. Ame aɖewo ya ɖe asi le nyateƒea ŋu le esi wotsɔ Ŋɔŋlɔawo ɖo aɖaŋu na wo alo masɔmasɔ aɖe ɖo woa kple hati Kristotɔ aɖe dome ta. Ame aɖewo hã dze xɔsegbelawo kple ame bubu siwo tsi tsitre ɖe nyateƒea ŋu la ƒe alakpanufiafiawo yome. Esiawo katã wɔe be ame aɖewo va ‘nɔ tetem ɖa’ tso Yehowa kple hamea gbɔ. (Heb. 3:12-14) Aleke wòanyo wui ye nye esi ne ɖe woyi edzi lé xɔsea me ɖe asi heka ɖe Yesu dzi, abe ale si apostolo Petro wɔe ene! Esi Yesu bia apostoloawo be ɖe woawo hã wodi be yewoatrɔ le ye yome hã la, Petro ɖo eŋu enumake be: “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.”—Yoh. 6:67-69.

6 Ame aɖewo ya tra ɖa le nyateƒea gbɔ vivivi, ɖewohĩ woawo ŋutɔwo mede dzesii gɔ̃ hã o. Ame aɖe si tra ɖa le nyateƒea gbɔ vivivi la le abe tɔdziʋu aɖe si le tetem ɖa le go ŋu vivivi ene. Biblia xlɔ̃ nu mí be míakpɔ nyuie be “míagatra mɔ gbeɖe o.” (Heb. 2:1) Zi geɖe la, ame si le tatram ɖa le nyateƒea gbɔ la meɖoe be yeatra hafi o. Ke hã, ame sia tɔgbi nana ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome la me va gbɔdzɔna, eye mlɔeba, ƒomedodo ma me ate ŋu ava gblẽ kura. Nu kae míate ŋu awɔ be esia nagadzɔ ɖe mía dzi o?

NU KAE MÍATE ŊU AWƆ BE MÍAGADZRA NYATEƑEA O?

7. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagadzra nyateƒea o?

7 Hafi míate ŋu ayi edzi azɔ le nyateƒea me la, ele be míalɔ̃ ɖe nya siwo katã Yehowa gblɔ dzi ahawɔ wo dzi. Ele be míana nyateƒea nanye nu vevitɔ na mí le agbe me eye míanɔ agbe wòasɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu. Fia David do gbe ɖa na Yehowa be: “Mazɔ le wò nyateƒe la me.” (Ps. 86:11) David ɖoe kplikpaa be yeayi edzi azɔ le nyateƒea me. Ele be míawo hã míaɖoe kplikpaa be míayi edzi anɔ zɔzɔm le Mawu ƒe nyateƒe la me. Ne míeɖoe kplikpaa o la, míaƒe susu ava nɔ wɔwɔm eveveve le nu siwo míetsɔ sa vɔ ɖe nyateƒea ta la ŋu, eye ɖewohĩ adzro mí be nu mawo nagava su mía si ake. Gake ɖe ema teƒe la, míeléa nyateƒe bliboa me ɖe asi goŋgoŋ. Míenyae be míate ŋu atiae be míawɔ Biblia me nyateƒe aɖewo dzi ahagbe ɖewo dzi wɔwɔ o. Ele be míazɔ le ‘nyateƒe blibo la katã’ me. (Yoh. 16:13) Na míade ŋugble le nu atɔ̃ siwo ɖewohĩ míetsɔ sa vɔe ɖe nyateƒea ta la ŋu. Esia akpe ɖe mía ŋu míado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míagagbugbɔ ayi nu siwo míegblẽ ɖe megbe la gbɔ o.—Mat. 6:19.

8. Ne Kristotɔ mezãa eƒe ɣeyiɣi le nunya me o la, aleke esia ate ŋu ana wòatra ɖa le nyateƒea gbɔ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

8 Ɣeyiɣi. Ele be míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le nunya me ale be míagatra ɖa le nyateƒea gbɔ o. Ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu ava nɔ ɣeyiɣi zãm ɖe modzakaɖeɖe, modzakaɖedɔwo, Internet-zazã, alo television-kpɔkpɔ ŋu fũu akpa. Togbɔ be nu siawo megblẽ le wo ɖokui si o hã la, ɣeyiɣi si gbegbe míezãna ɖe wo ŋu la ate ŋu axɔ ɣeyiɣi si míezãna ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple gbɔgbɔmedɔ bubuwo ŋu tsã la le mía si. Bu nu si dzɔ ɖe nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Emma * dzi ŋu kpɔ. Sɔwo ƒe nu doa dzidzɔ na Emma tso esime wònye sɔhɛ. Ne mɔnukpɔkpɔa su esi ko la, eyina ɖadoa sɔ. Emegbe la, ɣeyiɣi si gbegbe wòzãna ɖe eƒe modzakaɖeɖea ŋu la va nɔ fu ɖem nɛ. Ewɔ tɔtrɔ siwo hiã, eye mlɔeba, eva da sɔ le ɣeyiɣi si wòzãna ɖe eƒe modzakaɖeɖea ŋu la me. Nɔvinyɔnu Cory Wells, si nye kamedefefewɔla si nɔa sɔ dom henɔa atsyã ɖem le edzi hafi va xɔ nyateƒea la ƒe nuteƒekpɔkpɔa hã de dzi ƒo nɛ. * Fifia, Emma va le ɣeyiɣi geɖe zãm ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu, eye ekpɔa vovo ɖe eƒe ƒomea kple exɔlɔ̃ siwo nye hati Kristotɔwo la ŋu. Ekpɔe be ye kple Yehowa dome va le kplikplikpli eye yeƒe dzi dze eme, elabe ele eƒe ɣeyiɣia zãm le nunya me.

9. Aleke wòate ŋu adzɔe be ŋutilãmenuwo nava nɔ vevie na mí wu ale si dze?

9 Ŋutilãmenuwo. Hafi míate ŋu ayi edzi anɔ zɔzɔm le nyateƒea me la, mele be míaɖe mɔ ŋutilãmenuwo naxɔ nɔƒe vevitɔ le míaƒe agbe me o. Esi míesrɔ̃ nyateƒea la, míeva kpɔe be Yehowa subɔsubɔ le vevie wu ŋutilãmenuwo. Enye dzidzɔ na mí be míetsɔ ŋutilãmenu aɖewo sa vɔe ale be míate ŋu azɔ le nyateƒea me. Gake esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ɖewohĩ míeva kpɔe be ame aɖewo le elektronikmɔ̃ siwo le tsia dzi alo ŋutilãmenu bubuwo ƒlem. Ate ŋu awɔ na mí be nu nyuiwo le mía ŋu tom. Agbemenu vevi siwo le mía si magava nɔ mía ŋu dzem o, eye ɖewohĩ míava lé fɔ ɖe ŋutilãmenuwo didi ŋu wu Yehowa subɔsubɔ. Esia na míaƒe susu yi Dema dzi. Esi “wòlɔ̃ fifi nuɖoanyi sia” ta la, esia wɔe be eɖe asi le subɔsubɔdɔ si wɔm wònɔ kple apostolo Paulo la ŋu. (2 Tim. 4:10) Nu ka tae Dema gblẽ Paulo ɖi? Ðewohĩ, Dema lɔ̃ ŋutilãmenuwo wu Mawu subɔsubɔ. Alo ɖewohĩ, megadi be yeatsɔ nuwo asa vɔe ale be yeayi edzi awɔ dɔ kple Paulo le subɔsubɔdɔa me o. Nufiame kae le eme na mí? Ðewohĩ, tsã la, míelɔ̃ ŋutilãmenuwo ŋutɔ. Ne míekpɔ nyuie o la, lɔlɔ̃ na nu mawo nu agava sẽ ɖe mía me ale gbegbe be avu atsyɔ míaƒe lɔlɔ̃ na nyateƒea dzi.

10. Hafi míate ŋu ayi edzi azɔ le nyateƒea me la, ŋusẽkpɔɖeamedzi ka dzie wòle be míaɖu?

10 Ƒomedodo si le mía kple ame bubuwo dome. Hafi míate ŋu ayi edzi anɔ zɔzɔm le nyateƒea me la, mele be míaɖe mɔ ame siwo mesubɔa Yehowa o la nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o. Esi míeva srɔ̃ nyateƒea la, esia he tɔtrɔwo va ƒomedodo si nɔ mía kple mía xɔlɔ̃wo kpakple míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o dome la me. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo se nu gɔme na mí, gake wo dometɔ aɖewo hã tsi tsitre ɖe mía ŋu. (1 Pet. 4:4) Togbɔ be míedzea agbagba be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple míaƒe ƒometɔwo dome eye míewɔa nu ɖe wo ŋu dɔmenyotɔe hã la, ele be míaɖɔ ŋu ɖo be míagaŋe aɖaba aƒu Yehowa ƒe sewo dzi kple susu be míadze wo ŋu o. Míayi edzi anɔ agbagba dzem be mía kple míaƒe ƒometɔwo dome nanɔ nyuie. Ke hã, le nuxlɔ̃ame si le 1 Korintotɔwo 15:33 ta la, ame siwo lɔ̃ Yehowa la koe anye mía xɔlɔ̃ kplikplikpliwo.

11. Aleke míate ŋu aƒo asa na nuwɔna siwo medzea Mawu ŋu o?

11 Nuŋububu kple agbenɔnɔ siwo medzea Mawu ŋu o. Ele be ame siwo katã zɔna le nyateƒea me la nanɔ kɔkɔe. (Yes. 35:8; xlẽ 1 Petro 1:14-16.) Esi míenɔ nyateƒea srɔ̃m la, míewɔ tɔtrɔ aɖewo ale be míaƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe Biblia ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu. Ehiã be ame aɖewo nawɔ tɔtrɔ gãwo. Tɔtrɔ ka kee míeɖawɔ hafi va xɔ nyateƒea o, mele be míaɖe asi le agbe dzadzɛ si nɔm míele fifia la ŋu ahaƒo mía ɖokui ɖe xexe sia ƒe agbe ƒaƒã nɔnɔ me gbeɖe o. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na agbe si mesɔ o nɔnɔ? De ŋugble le nu si gbegbe Yehowa na ɖe mía ta ale be míate ŋu anɔ kɔkɔe la ŋu: eyae nye Via, Yesu Kristo, ƒe ʋu xɔasi la. (1 Pet. 1:18, 19) Ele be míanɔ ŋku ɖom ale si gbegbe Yesu ƒe tafevɔsaa xɔ asii la dzi ɣesiaɣi ale be esia nakpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anɔ dzadzɛ le Yehowa ŋkume.

12, 13. (a) Nu ka tae wòle vevie be ale si Yehowa bua ŋkekenyuiwoe la nanɔ susu me na mí? (b) Nu kawo me míadzro azɔ?

12 Dekɔnu kple nuwɔna siwo medzea Mawu ŋu o. Míaƒe ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo kple sukuhatiwo adze agbagba be yewoana míawɔ ɖeka kpli yewo le yewoƒe azãwo ɖuɖu me. Ne wole nya ƒom ɖe mía nu be míakpɔ gome le dekɔnu kple ŋkekenyui siwo medea bubu Yehowa ŋu o me la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaɖu woƒe nyaƒoɖeamenuawo dzi? Nu si akpe ɖe mía ŋue nye be míana susu siwo tae Yehowa meda asi ɖe nuwɔna mawo dzi o la nanɔ susu me na mí nyuie. Anyo be míagbugbɔ ato míaƒe agbalẽ siwo ƒo nu tso afi si ŋkekenyui mawo dzɔ tso ŋu la me. Ne míede ŋugble le Ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe siwo tae mele be míakpɔ gome le ŋkekenyui mawo ɖuɖu me o ŋu la, míekpɔa kakaɖedzi blibo be míele zɔzɔm le mɔ si ‘dze Aƒetɔ la ŋu’ nu. (Ef. 5:10) Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa kple eƒe Nyaa ŋu la, esia akpɔ mía ta be “amegbetɔvɔvɔ̃” ƒe mɔ̃ nagaɖe mí o.—Lod. 29:25.

13 Zɔzɔ le nyateƒea me nye nu si míayi edzi anɔ wɔwɔm ɖaa, eye míele mɔ kpɔm be míayi edzi azɔ le nyateƒea me tegbee. Nu kae míawɔ atsɔ ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míayi edzi anɔ zɔzɔm le nyateƒea me? Na míadzro nu etɔ̃ aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu la me.

DO ŊUSẼ TAME SI NÈÐO KPLIKPAA BE YEAZƆ LE NYATEƑEA ME

14. (a) Ne míeyia edzi ƒlea nyateƒe la, aleke esia ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míagadzrae o? (b) Nu ka tae nunya, amehehe kple gɔmesese le vevie?

14 Gbã la, yi edzi nàsrɔ̃ nyateƒe xɔasi siwo le Mawu ƒe Nyaa me eye nàde ŋugble le wo ŋu. Ɛ̃, di ɣeyiɣi nànɔ nyateƒe xɔasi siwo le Mawu ƒe Nyaa me la srɔ̃m edziedzi ahato esia dzi aƒle nyateƒe la. Esia ana nàgade asixɔxɔ nyateƒea ŋu geɖe wu eye wòado ŋusẽ tame si nèɖo kplikpaa be yeagadzrae gbeɖe o. Tsɔ kpe ɖe nyateƒea ƒeƒle ŋu la, Lododowo 23:23 gblɔ be míaƒle “nunya, amehehe kple gɔmesese” hã. Sidzedze ɖeɖe mesu o. Ele be míanɔ agbe ɖe nyateƒea nu. Gɔmesese kpena ɖe mía ŋu míekpɔa kadodo si le nu siwo míenya xoxo kple nu siwo srɔ̃m míele la dome. Nunya ʋãa mí míewɔna ɖe nu siwo míenya dzi. Ɣeaɖewoɣi la, nyateƒea naa hehe mí le mɔ sia nu be ekpena ɖe mía ŋu míedea dzesi tɔtrɔ siwo wòle be míawɔ. Neva eme be míazɔ ɖe amehehe ma nu, elabe Biblia gblɔ be exɔ asi sãsãsã wu klosalo.—Lod. 8:10.

15. Aleke nyateƒe ƒe alidziblanu la kpɔa mía tae?

15 Evelia, ɖoe kplikpaa be yeanɔ agbe ɖe nyateƒea nu gbe sia gbe. Bla nyateƒe ƒe alidziblanu la ɖe ali. (Ef. 6:14) Le Biblia ŋlɔɣiwo la, asrafo ƒe alidziblanu kpɔa eƒe ali kple dɔmenuwo ta. Gake hafi alidziblanua nate ŋu akpɔ eta la, ele be wòablae ɖe ali goŋgoŋ. Ne alidziblanua gblɔ le eŋu la, mate ŋu akpɔ eta o. Aleke míaƒe gbɔgbɔ me alidziblanua kpɔa mía tae? Ne míebla Biblia me nyateƒea ɖe mía ɖokui ŋu goŋgoŋ abe alidziblanu ene le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, akpɔ mía ta tso nuŋububu totrowo me eye akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie. Ne míedo go tetekpɔwo alo míele xaxawo me tom la, Biblia me nyateƒea ado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míawɔ nu si sɔ. Abe ale si ko asrafo mate kpɔ be yeayi aʋagbedzi eƒe alidziblanu manɔmee o ene la, nenema kee wòle be míawo hã míaɖoe kplikpaa be míagana nyateƒe ƒe alidziblanua nagblɔ le mía ŋu alo míaɖee ada ɖi o. Ke boŋ, míewɔa míaƒe ŋutete katã be míablae ɖe mía ɖokui ŋu goŋgoŋ to ale si míanɔ agbe wòasɔ ɖe nyateƒea nu me. Mɔ bubu si nu asrafo gazãa eƒe alidziblanu lee nye be etea ŋu tsɔa eƒe yi kuna ɖe eŋu. Azɔ na míakpɔ ale si míawo hã míate ŋu awɔ nu si ɖi ema la ɖa.

16. Aleke nyateƒea gbɔgblɔ na amewo doa ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míayi edzi azɔ le nyateƒea me?

16 Etɔ̃lia, dze agbagba nàƒo ɖokuiwò ɖe Biblia me nyateƒea gbɔgblɔ na amewo me ale si nàte ŋui. Esia awɔe be nàte ŋu alé gbɔgbɔmeyi, si nye “Mawu ƒe nya” la ɖe asi goŋgoŋ. (Ef. 6:17) Mí katã míate ŋu ayi edzi anɔ agbagba dzem be míabi ɖe nufiafia me geɖe wu ale be míawɔ “nyateƒenya la ŋu dɔ pɛpɛpɛ.” (2 Tim. 2:15) Zi ale si míele Biblia zãm tsɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu be woaƒle nyateƒe ahagbe nu le aʋatsonufiafiawo gbɔ la, zi nenemae Mawu ƒe Nya la gatsia susu kple dzi me na mí geɖe wu. Esia nana míegadoa ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míayi edzi azɔ le nyateƒea me.

17. Nu ka tae nyateƒea nye nu xɔasi na wò?

17 Nyateƒe la nye nunana xɔasi aɖe tso Yehowa gbɔ na mí. Nunana siae wɔe be nu nyuitɔ kekeake si le mía si la su mía si, si nye ƒomedodo kplikplikpli si le mía kple mía Fofo si le dziƒo la dome. Yehowa fia nu geɖe mí xoxo, gake gɔmedzedzea koe nye esia! Edo ŋugbe be yeayi edzi anɔ nu fiam mí yi ɖe mavɔmavɔ me. Eya ta, de asixɔxɔ nyateƒea ŋu abe dzonu xɔasi ene. Yi edzi nàƒle “nyateƒe, eye mègatsɔe dzra gbeɖe o.” Ekema, abe David ene la, wò hã àdo ŋugbe na Yehowa be: “Mazɔ le wò nyateƒe la me.”—Ps. 86:11.

^ mm. 8 Míetrɔ ŋkɔa.

^ mm. 8 Yi JW Nyakakadɔwɔƒea, ƒe akpa si nye, GBEBIAMEWO KPLE NUTEƑEKPƆKPƆWO > NYATEƑEA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM (ele yevugbe me).