Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Míate Ŋu Ana Yehowa?

Nu Kae Míate Ŋu Ana Yehowa?

GBE ɖeka Yesu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔw. 20:35) Nyateƒenya sia wɔa akpa vevi aɖe le mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me. Le mɔ ka nu? Yehowa na nu geɖe siwo nana míekpɔa dzidzɔ la mí, gake míakpɔ dzidzɔ geɖe wu ne míenaa nu Yehowa. Nu kae míate ŋu ana Yehowa? Lododowo 3:9 gblɔ be: “Tsɔ wò nunɔamesi veviwo . . . de bubu Yehowa ŋu.” Míaƒe “nunɔamesi veviwo” dometɔ aɖewoe nye míaƒe ɣeyiɣi, míaƒe ŋutetewo, míaƒe ŋusẽ, míaƒe ga kple bubuawo. Ne míezãa nu siawo tsɔ doa subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ la, ke míele nu nam Yehowa, eye esia wɔwɔ nana míekpɔa dzidzɔ geɖe.

Le míaƒe nunɔamesiwo zazã atsɔ ado subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ gome la, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagaŋe aɖaba aƒu nunana Yehowa dzi o? Apostolo Paulo gblɔ na Korintotɔwo be ‘woadzra nane ɖo’ be woatsɔ adzɔ nui. (1 Kor. 16:2) Ne èdi be yeanya nu geɖe wu tso nudzɔdzɔ ƒe mɔnu siwo ŋu dɔ nàte ŋu awɔ le miaƒe nutoa me ŋu la, nu kae nàte ŋu awɔ? Taflatsɛ, kpɔ aɖaka si le ete.

Menye dukɔ ɖe sia ɖe mee woate ŋu adzɔ nu to Internet dzi le o. Ke hã, mɔ bubu siwo dzi woate ŋu ato adzɔ nu la ŋuti nyatakakawo le nudzɔdzɔwo ƒe teƒe si le jw.org. Le dukɔ aɖewo me la, teƒe aɖe le jw.org, si ɖo nya siwo amewo biana edziedzi tso nudzɔdzɔwo ŋu la ŋu.