Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Wò Nufiafiadɔ Le Abe Zãmu Enea?

Ðe Wò Nufiafiadɔ Le Abe Zãmu Enea?

MÍAƑE Biblia-fiafiadɔa le vevie eye wòxɔ asi ŋutɔ. Gake menye ame sia ame si míeɖea gbeƒã na lae nya nyateƒenya sia o. Togbɔ be amewo tsɔa ɖe le Biblia me nyawo me hã la, wo dometɔ aɖewo mekpɔe be ele vevie be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la kpli yewo o.

Bu Gavin ŋu kpɔ. Edea kpekpeawo le Fiaɖuƒe Akpataa me, gake medi be woasrɔ̃ Biblia kpli ye o. Gavin gblɔ be yemenya nu boo aɖeke tso Biblia ŋu o, eye yemedi be amewo nanya o. Enɔ vɔvɔ̃m be woabia tso ye si be yeaɖo subɔsubɔha aɖe me, eye medi be woatrɔ ye to eme o. Ke ɖe wòwɔ na wò be Gavin malɔ̃ gbeɖe be woasrɔ̃ Biblia kpli ye oa? Bu ŋusẽ nyui si Biblia ƒe nufiafia ate ŋu akpɔ ɖe ame dzi ŋu kpɔ. Yehowa gblɔ na Israel-viwo be: “Nye nya adza abe zãmu ene, abe tsie nyɔ́ ɖe gbe dzi ene.” (5 Mose 31:19, 30; 32:2) Na míasrɔ̃ nu ɖeka eve aɖewo tso zãmu ŋu, ne míatsɔe asɔ kple míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ale be míate ŋu akpe ɖe “amewo katã ƒomevi” ŋu.—1 Timoteo 2:3, 4.

ALEKE MÍAƑE NUFIAFIADƆA ANƆ ABE ZÃMU ENE?

Zãmu faa dzi na ame. Hafi zãmu alo ahũ nadza la, afu dona ne yame fa eye wòzua tsigege toŋtoŋ ɖe gbewo dzi. Aleke Yehowa ƒe nyawo ‘dza abe zãmu ene’? Eƒo nu na eƒe amewo tufafatɔe, eƒe nyawo fa dzi na wo, eye wòɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na wo. Míesrɔ̃a Yehowa ne míedea bubu amewo ƒe dzixɔsewo ŋu. Ele be míade dzi ƒo na wo be woabu nuwo ŋu nyuie ahatso nya me le wo ɖokui si. Ne míetsɔa ɖe le eme na amewo alea la, woalɔ̃ faa aɖo to mí eye míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa atse ku geɖe.

Zãmu naa dzidzeme ame. Míaƒe nufiafiadɔa ana amewo ƒe dzi nadze eme ne míebua mɔ vovovo siwo nu míate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woasrɔ̃ nu tso nyateƒea ŋu la ŋu. Esi Nɔviŋutsu Chris do Biblia sɔsrɔ̃ ɖe Gavin gbɔ zi gbãtɔ la, mezi edzi be wòalɔ̃ ɖe edzi o. Ke boŋ etoa mɔ vovovowo dzi nana Gavin ɖea dzi ɖi ne wole Biblia me dzrom. Chris gblɔ na Gavin be nya vevi aɖe dze le Biblia bliboa me, si me dzodzro ana wòagase nu siwo yia edzi le míaƒe kpekpeawo me gɔme ɖe edzi. Emegbe Chris gblɔ be nyagblɔɖi siwo le Biblia mee kpe ɖe ye ŋu yeva ka ɖe Biblia dzi. Esia wɔe be wodzro ale si nyagblɔɖi aɖewo va emee la me. Dzeɖoɖo siawo na Gavin ƒe dzi dze eme eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

Zãmu léa agbe ɖe te. Ne eɖo dzomeŋɔli le Israel la, exɔa ɣleti geɖe hafi tsi dzana. Ne zãmu medza o la, atiwo kple nu miemiewo ƒuna hekuna. Yehowa gblɔe ɖi be míaƒe ɣeyiɣia anɔ abe kuɖiɣi ene, si fia be tsikɔ awu amewo ɖe “Yehowa ƒe nyawo sese ŋu.” (Amos 8:11) Edo ŋugbe be amesiaminawo anɔ abe “zãmu tso Yehowa gbɔ” ene esime wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒeŋutinya nyuia, eye ‘alẽ bubuawo’ akpe asi ɖe wo ŋu. (Mika 5:7; Yohanes 10:16) Gbedeasi si míele gbeƒã ɖemee la nye ɖoɖo si Yehowa wɔ be yeana ame siwo nyateƒea ƒe tsikɔ le wuwum la nakpɔ agbe. Ðe nèdea asixɔxɔ gbedeasi sia ŋua?

Zãmu nye yayra tso Yehowa gbɔ. (5 Mose 33:13) Míaƒe nufiafiadɔa nye yayra na ame siwo ɖoa to mí. Le Gavin gome la, Biblia sɔsrɔ̃ nye yayra nɛ elabe ekpe ɖe eŋu wòkpɔ ŋuɖoɖo na eƒe biabiawo katã. Ewɔ ŋgɔyiyi kabakaba, xɔ nyɔnyrɔ, eye eya kple srɔ̃a Joyce wole gbeƒã ɖem Fiaɖuƒeŋutinya nyuia dzidzɔtɔe fifia.

Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒeŋutinya nyuia le anyigba katã dzi

DE ASIXƆXƆ WÒ NUFIAFIADƆA ŊU

Ne ètsɔ gbeƒãɖeɖedɔa sɔ kple zãmu la, àkpɔe be mía dometɔ ɖe sia ɖe tɔ wɔƒe le vevie ŋutɔ. Nu ka tae míegblɔe alea? Elabe tsigege toŋ ɖeka pɛ mate ŋu awɔ nu boo aɖeke o, gake ne zãmu dza le agbɔsɔsɔ me la, enana anyigba katã fana. Nenema ke nu siwo mía dometɔ ɖeka tea ŋu wɔna la medzena nu boo aɖeke o. Ke esi Yehowa subɔla miliɔn geɖe siwo li la katã kpea asi ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu ta la, enana míeɖia ɖase “na dukɔwo katã.” (Mateo 24:14) Ðe wò nufiafiadɔa anye yayra si tso Yehowa gbɔ na amewoa? Ɛ̃, ate ŋu anɔ abe zãmu ene, afa dzi na amewo, ana dzidzeme wo, eye wòalé woƒe agbe ɖe te!