Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae Yesu ƒe futɔwo tsi dzi ɖe asikɔklɔ ƒe nya ŋu vevie ɖo?

Asikɔklɔ nye nu geɖe siwo me Yesu ƒe futɔwo tsɔ nya ɖe eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le la dometɔ ɖeka ko. Le Mose ƒe Sea me la, woƒo nu tso nu siwo ana ame ŋu makɔ o ŋu, abe afuɖɔɖɔ kple asiɖoɖoanyi, anyidɔ alo kpodɔ, alo asikaka ame kuku alo lã kuku ŋu ene. Sea na mɔfiame siwo dzi ame si ŋu mekɔ o la azɔ ɖo be eŋu nakɔ. Ele be amea nasa vɔ, ale tsi alo anya awuwo, alo woahlẽ tsi ɖe eŋu.—3 Mose, ta 11-15; 4 Mose, ta 19.

Gake Yudatɔwo ƒe rabiwo tsɔ woawo ŋutɔwo ƒe se gbogbo aɖewo kpe ɖe eŋu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be rabi siawo de se bubuwo ku ɖe nu vovovo siwo ate ŋu ana ame ŋu makɔ o kple ale si ame si ŋu mekɔ o ate ŋu aƒo ɖi ame bubuwo ŋu. Wogade sewo le nuzazã siwo ate ŋu azu nu makɔmakɔ kple esiwo mate ŋu azui o kpakple kɔnu siwo wòle be ame nawɔ be eŋu nakɔ ŋu.

Yesu ƒe tsitretsiɖeŋulawo biae be: “Nu ka tae wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe blematɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi o, ke boŋ woɖua nu kple asi ƒoɖi?” (Marko 7:5) Menye dzadzɛnyenye, si nye asikɔklɔ hafi aɖu nu, ƒe nya gblɔm hakplɔla siawo le o. Ke boŋ rabiwo ƒe kɔnyinyi si bia be ame aɖe nade tsi asi na yewo yewoaklɔ asi kple abɔ ŋu hafi aɖu nu ye wowɔnɛ. Numekugbalẽa gblɔ yi edzi be: “Wohe nya le ze si ƒomevi me woaku tsia ɖo hafi atrɔ ɖe asi ŋu, tsi si tɔgbi woazã kple abɔa ƒe afi si tututu wòle be woaklɔ ase ɖo hã ŋu.”

Nya kpui aɖe koe Yesu gblɔ tso amewo ƒe sedede siawo katã ŋu. Egblɔ na Yuda subɔsubɔhakplɔla mawo be: “Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mi alakpanuwɔlawo ŋuti, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Dukɔ sia le buyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso [nye Yehowa gbɔ]. Dzodzroe wole subɔyem, elabena amegbetɔwo ƒe sededewoe wofiana.’ Mieɖe asi le Mawu ƒe se la ŋu, ke mielé amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ya me ɖe asi goŋgoŋ.”—Marko 7:6-8.