Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Di Nu Si Nyo Wu Sika

Di Nu Si Nyo Wu Sika

Èfɔ sikakɔ kpɔa? Ame ʋɛ aɖewo ŋutɔ koe fɔe kpɔ. Gake ame akpe teƒe akpe geɖe ke ɖe nane si nyo sãsãsã wu ŋu. Eyae nye nunya si tso Mawu gbɔ, si “womate ŋu atsɔ sika nyuitɔ aƒlee o.”—Hiob 28:12, 15.

MÍATE ŊU atsɔ ame siwo srɔ̃a Biblia kple dzi dzadzɛ la asɔ kple sikakulawo. Ele be nusrɔ̃la siawo naku kutri ayi edzi anɔ Ŋɔŋlɔawo me kum be woake ɖe nunya si ƒo sika ta ŋu. Mí Biblia srɔ̃lawo míate ŋu asrɔ̃ nu tso mɔ etɔ̃ aɖewo siwo dzi amewo tona kena ɖe sika ŋu me.

ÈFƆ SIKA!

Tsɔe be èzɔ to tɔ to va yina eye nèkpɔ kpe sue aɖe si le keklẽm le anyigba. Èbɔbɔ tsɔe, eye kaka nàkpɔ la, sika ye! Ele sue wu matsesita, gake enyo wu kpe xɔasi si nye lotamekpe, eye etɔgbi mebɔ o. Ètsa ŋku tsa ŋku be yeakpɔ be yeagakpɔ sikakɔ bubuwo mahã.

Nenema kee anɔ eme be gbe ɖeka la, Yehowa Ðasefo aɖe va ƒo ʋɔ na wò eye wògblɔ Biblia me gbedeasi aɖe na wò. Ðewohĩ èɖoa ŋku ɣeyiɣi si me nèke ɖe kpɔɖeŋusikakɔ gbãtɔ ŋu la dzi kple dzidzɔ. Esia ate ŋu anye zi gbãtɔ si nèkpɔ Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, le Biblia me. (Ps. 83:18) Alo ɖewohĩ esi nèva srɔ̃e be yeate ŋu azu Yehowa xɔlɔ̃. (Yak. 2:23) Ale nèkpɔe enumake be yeke ɖe nu si nyo wu sika ŋu! Eye ànya di vevie be gbɔgbɔmekesinɔnu bubu geɖewo nasu ye si.

ÈKE ÐE SIKA GEÐE ŊU!

Ɣeaɖewoɣi sikakui gbogbo aɖewo nɔa tɔsisiwo kple tɔbawo me. Le sikakuɣi aɖewo la, sikadila dovevienuwo tea ŋu kpɔa sika kilogram gbogbo aɖewo le afi siawo, siwo xɔa dɔlar akpe geɖe.

Esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wò la, ɖewohĩ èkpɔe be yele abe ame si tsɔ gagbavi le sika dim le tɔʋu me ene. Ŋugbledede le mawunyakpukpui vovovowo ŋu dzi wò sidzedze ɖe edzi eye wòtu wò ɖo. Esi nèyi edzi le Biblia me nyateƒe xɔasiawo srɔ̃m kpee la, èva nya nu si nàwɔ ate ɖe Yehowa ŋu ahanɔ eƒe lɔlɔ̃ la me be nàkpɔ agbe mavɔ.—Yak. 4:8; Yuda 20, 21.

Ðe nèkua kutri srɔ̃a Biblia me nyateƒe xɔasiwo abe ale si sikakula dia sika vevie enea?

Abe ale si sikakula nɔa tsatsam be yeake ɖe teƒe siwo sika sia ƒomevi xana ɖo ŋu ene la, ɖewohĩ wò hã èku kutri vevie be yeake ɖe Mawu ƒe nya la me kesinɔnuwo ŋu. Anɔ eme be Biblia ƒe gɔmedzenufiafia siwo nèsrɔ̃ la ʋã wò nèɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ.—Mat. 28:19, 20.

YI EDIDI DZI!

Sikakulawo tea ŋu kena ɖe sikakuiwo ŋu le agakpewo me. Wokaa kpe mawo, wogbãnɛ heɖea sika la le eme. Menɔa bɔbɔe be woakpɔ be sika le kpe mawo me o. Nu ka tae? Elabena zi geɖe la, sika gram 10 pɛ koe nɔa kpe abe kilogram 1,000 ene sɔŋ me. Gake le sikakulaa gome ya la, menya kpɔna gakpɔna ake o!

‘Ŋgɔgbee nye azɔli,’ eya ta ne “Kristo la ŋuti gɔmedzenufiafiawo” nya su mía si vɔ ko la, ehiã be míayi ŋgɔ. (Heb. 6:1, 2) Ele be nàku kutri adi nufiame kple aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu dɔ nàwɔ le wò agbenɔnɔ me to ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ dzi. Azɔ nu kae nàwɔ be wò ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ nayi edzi anɔ vi ɖem na wò togbɔ be èle Ŋɔŋlɔawo srɔ̃m ƒe geɖee nye esia gɔ̃ hã?

Di vevie be yeasrɔ̃ nu yeyewo. Ku nu me tsitotsito. Sẽ mo ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu, ekema Ŋɔŋlɔawo me kesinɔnu, si nye nunya kple mɔfiame si tso Mawu gbɔ, asu asiwò. (Rom. 11:33) Wɔ numekugbalẽ siwo le mia degbe me ŋu dɔ be nàdzi Ŋɔŋlɔawo me sidzedze si su asiwò ɖe edzi. Gbɔ dzi ɖi nàdi mɔfiafia kple Biblia me biabia siwo le asiwò ƒe ŋuɖoɖowo. Bia nɔvi bubuwo woagblɔ mawunyakpukpui kple nyati siwo tu wo ɖo hede dzi ƒo na wo etɔxɛ la na wò. Eye nàɖo dze tso nu dodzidzɔname siwo ŋu nèke ɖo esi nèle Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m ŋu na amewo.

Gake menye wò sidzedze koe nàdi be yeadzi ɖe edzi o. Elabena apostolo Paulo ɖo afɔ afɔta na mí be, “sidzedze nana ame doa eɖokui ɖe dzi.” (1 Kor. 8:1) Eya ta dze agbagba nàbɔbɔ ɖokuiwò eye nàli ke le xɔse la me. Ƒometadedeagu kple ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo nu, eye wòaʋã wò nàɖe lɔlɔ̃ afia amewo. Ƒo wo katã ta la, àkpɔ dzidzɔ geɖe, elabena èke ɖe nu si nyo wu sika ŋu!—Lod. 3:13, 14.