Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Menaa Nu Kple Dzidzɔ

Menaa Nu Kple Dzidzɔ

ESI mexɔ ƒe 12 la, mekpɔe be mate ŋu ana nu xɔasi aɖe amewo. Mede takpekpe aɖe eye nɔviŋutsu aɖe biam be madi be maɖe gbeƒã mahã. Nyemeɖe gbeƒã kpɔ o, gake meɖo eŋu be, “Ɛ̃, medi.” Ale nye kplii míeyi anyigbamamaa me eye wòtsɔ agbalẽvi aɖewo siwo ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu nam. Egblɔ be: “Yi nàƒo nu na ame siwo le mɔdodoa ƒe akpa kemɛ, nye hã mawɔ dɔ le akpa sia.” Mevɔ̃ vie, gake medze tso aƒe me yi aƒe me dɔa gɔme, eye nukutɔe la, amewo xɔ agbalẽviawo katã wòvɔ. Edze ƒãa be nu si nam mele amewo la dzɔ dzi na wo dometɔ geɖe.

Wodzim le ƒe 1923 me le Chatham, Kent, le England (Angleterre). Ɣemaɣi mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame akpa gãtɔ le xexea me le esi Xexemeʋa Gbãtɔ mehe nu vavã aɖeke vɛ o ta. Dzi ɖe le dzinyelawo hã ƒo elabe ewɔ na wo be ɖokuitɔdilawo koe Baptist-ha kplɔlawo nye. Esi mexɔ abe ƒe asieke ene la, nɔnye dze Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃vi siwo tsɔ ŋkɔ ɣemaɣi be Yehowa Ðasefowo la, ƒe kpekpewo dede gɔme. Nɔvinyɔnu aɖe zãa Biblia kple agbalẽ si nye Mawu Ƒe Saŋku, si le Eŋlisigbe me, tsɔ fiaa Biblia ŋutinyawo mí ɖeviwo. Nusɔsrɔ̃awo vivi nunye ŋutɔ.

MESRƆ̃ NU TSO NƆVI TSITSIWO GBƆ

Esi menye ɖekadzɛ la, mɔkpɔkpɔ si le Mawu ƒe Nya la me ŋu nya gbɔgblɔ na amewo dzɔa dzi nam ŋutɔ. Zi geɖe la, nye ɖekae yina tso aƒe me yi aƒe me, gake ɣesiaɣi si mezɔ kple nɔvi bubuwo la, mesrɔ̃a nu nyui aɖewo. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka esi nye kple nɔviŋutsu tsitsi aɖe míedo gasɔ yina anyigbamamaa me la, míeto subɔsubɔhakplɔla aɖe ŋu eye megblɔ be, “Gbɔ̃e nye ma yina ɖaa.” Nɔvi tsitsia tɔ eƒe gasɔa eye wògblɔ be míanɔ atikpo aɖe dzi vie. Egblɔ nam be: “Ame kae na ŋusẽa wò be nàdrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe be enye gbɔ̃? Wò ya na míatsɔ dzidzɔ agblɔ nya nyuia na amewo ne míagblẽ ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe Yehowa si.” Meva nya nu geɖe tso dzidzɔ si le nunana me ŋu ɣemaɣi.—Mat. 25:31-33; Dɔw. 20:35.

Nɔviŋutsu tsitsi bubu aɖe hã fiam be ɣeaɖewoɣi ele be míado dzi alala dzigbɔɖitɔe hafi akpɔ dzidzɔ si le nunana me. Srɔ̃a melɔ̃a Yehowa Ðasefowo ƒe nya kura o. Gbe ɖeka nɔviŋutsua kpem be míayi yeƒe aƒe me ne míade asi agba me. Esi míeɖo la, srɔ̃a do dziku ɖe eŋu helĩhelĩ le esi wòyi gbeƒãɖeƒe ta, eye wònɔ tii-ɖakagoewo dam ƒu mí. Nɔviŋutsua meblu ɖe srɔ̃a ta o, ɖeko wònɔ nu kom eye wòfɔ tii-ɖakagoeawo ɖo wo nɔƒe. Nu nyui aɖewo do tso nɔviŋutsua ƒe dzigbɔɖi me ƒe geɖe megbe esi srɔ̃a va xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo.

Didi si nɔ menye be mana mɔkpɔkpɔ nasu amewo si nu nɔ sesẽm ɖe edzi, eya ta le March 1940 me la, nye kple nɔnye míexɔ nyɔnyrɔ le Dover. Le September 1939 me la, Britain ho aʋa ɖe Germania ŋu, ɣemaɣi mexɔ ƒe 16. Le June 1940 me la, menɔ míaƒe agbo nu kpɔ asrafo akpe geɖe siwo lé blanui vevie, siwo wolɔ ɖe asrafoʋu gãwo me gbɔ tso aʋagbedzi. Woawoe tsi agbe le Dunkirk-ʋa dziŋɔ la me. Mekpɔe le mo na wo be mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo keŋ, eye Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia gbɔgblɔ na wo dzrom vevie. Emegbe le ƒe ma ke me la, Germaniatɔwo dze bɔmbwo dada ɖo ɖe Britain gɔme. Zã sia zã míekpɔa Germania-srafowo ƒe yameʋu siwo me bɔmbwo le la le yame. Míesea bɔmb mawo ŋkɔ le yame kple woƒe wówo sesĩe ne woge dze anyigba, si nana dzika tsoa mía ƒo vevie. Le ŋufɔke la, míekpɔa aƒe siwo gbã gudugudu le nuto bliboa me. Esia na wòdze ƒãa nam be Fiaɖuƒea koe nye amegbetɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ.

MEDZE NUNANA AMEWO ƑE DƆ AÐE KOŊ GƆME

Ƒe 1941 me koŋue medze agbemedɔ si ana makpɔ dzidzɔ vavã gɔme. Do ŋgɔ la, menɔ dɔ wɔm le Dukɔa Ƒe Tɔdziʋuwɔƒe, afi si mesrɔ̃ tɔdziʋukpakpa le. Enye dɔ si me ga geɖe le, si dzroa ame geɖe. Yehowa subɔlawo se egɔme xoxoxo be mele be Kristotɔwo nawɔ aʋa o. Le ƒe 1941 me la, eme va nɔ kɔkɔm na mí be mele be míawɔ dɔ le afi si wowɔa aʋawɔnuwo le o. (Yoh. 18:36) Esi wònye asrafowo ƒe ƒugɔmeʋu koŋue wowɔna le míaƒe dɔwɔƒea ta la, metso nya me be maɖe asi le dɔa ŋu ahadze ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme. Du si me habɔbɔa ɖom ɖo gbãe nye Cirenceste, si le Cotswolds ƒe nuto nyakpɔawo me.

Esime mexɔ ƒe 18 la, wodem gaxɔ me ɣleti asieke le esi megbe be nyemawɔ asrafodɔ o ta. Dzidzi ƒom esi wodo gaxɔa ƒe ʋɔtru ɖe nunye gblãm, eye nye ɖeka metsi afi ma! Gake eteƒe medidi o, gaxɔdzikpɔla kple gamenɔla bubuwo biaa nu si mewɔ hafi wokplɔm va afi ma, eye meɖea nye dzixɔsewo me na wo kple dzidzɔ.

Esi woɖe asi le ŋunye la, habɔbɔa gblɔ be makpe ɖe Nɔviŋutsu Leonard Smith * ŋu míaɖe gbeƒã le mía de, le Kent nuto me. Tso ƒe 1944 me la, yameʋu akpe ɖeka kple edzivɔ, siwo me bɔmbwo le la ge dze Kent dzi elabena afi siae Nazitɔwo ƒe yameʋuwo tona yia London. Nazitɔwoe nɔa yameʋu mawo siwo me amewo menɔ o la ɖom ɖa be woava gbã London hafi. Ne yameʋuawo va yina eye dzoa nya tsi le wo me ko la, dzi meganɔa dɔme na ame aɖeke o, elabe míenyae be woage adze anyi kpuie eye bɔmb la nawó. Ɣemaɣi míesrɔ̃a Biblia kple ƒome aɖe. Wole ame atɔ̃. Ɣeaɖewoɣi gakplɔ̃ aɖe tee míenɔna srɔ̃a nua ale be wòakpɔ mía ta ne edzɔ be xɔ si me míele la kaka. Ƒome ma me tɔwo katã xɔ nyɔnyrɔ emegbe.

METSƆ NYA NYUIA YI NA DUKƆ BUBUWO

Míele boblo dom takpekpe aɖe esime medze mɔɖeɖedɔa gɔme le Ireland

Le aʋaa megbe la, mewɔ mɔɖeɖedɔa ƒe eve le Ireland ƒe anyiehe. Míenya kura be Ireland to vovo tso England gbɔ nenema gbegbe o. Míenɔ tsatsam le aƒewo me nɔ xɔ dim henɔ gbɔgblɔm na amewo be míenye dutanyanyuigblɔlawo. Eye míenɔ míaƒe agbalẽwo hã mam le ablɔwo dzi. Gake nunya menɔ eme be míaɖe mía ɖokui afia gaglã alea le dukɔ si me tɔ akpa gãtɔ nye Katolikotɔwo me o! Esi ŋutsu aɖe do ŋɔdzi na mí be yeawɔ nu vevi mí la, meyi ɖasamae na kpovitɔ aɖe, gake nya si wògblɔe nye be, “Aa, esia koe wòle be miakpɔ mɔ nae!” Míenya gbeɖe be Katoliko fada siwo le afi ma kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi alea o. Wonana wonyaa amewo le dɔ me ne woxɔ míaƒe agbalẽwo, eye woɖea gbe na aƒetɔwo wonyaa mí le míaƒe dzeƒewo.

Míeva kpɔe be ne míeyi du aɖe me la, anyo wu be míado gasɔ ayi aɖadze gbeƒãɖeɖe gɔme le dua ƒe akpa si le fada bubu ƒe dzikpɔkpɔ te la me. Eyome míaɖe gbeƒã na ame siwo gogo míaƒe dzeƒea. Míesrɔ̃a nu kple ɖekakpui aɖe le Kilkenny zi etɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa togbɔ be amewo doa ŋɔdzi na mí hã. Biblia me nyateƒea fiafia amewo dzɔa dzi nam ale gbegbe be meɖoe be maxɔ hehe le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Sukua.

Sibia tɔdziʋu la mee míenɔ gblɔ nya nyuia le duta tso ƒe 1948 va ɖo 1953 me

Mede Gilead sukua le New York, eye le ɣleti atɔ̃ ƒe hehexɔxɔa megbe la, woɖo mí ame ene ɖe Karib-ƒukpowo dzi. Le November 1948 me la, míetsɔ tɔdziʋu sue aɖe si ŋu abala le, si ŋkɔe nye Sibia eye míeho tso New York Dugã heɖo ta afi ma. Dzi dzɔm ŋutɔ elabe esiae nye zi gbãtɔ si meɖo tɔdziʋu. Nɔviŋutsu Gust Maki si hã nɔ mía dome nye tɔdziʋukula bibi aɖe. Efia nu vevi aɖewo mí tso tɔdziʋu ma tɔgbi kuku ŋu, abe abaladodo, afi si míato le atsiaƒua dzi, kple ale si míaku ʋua akpe ya. Nɔviŋutsu Gust ku ʋua aɖaŋutɔe ŋkeke 30 sɔŋ to ahomya sesẽwo me va se ɖe esime míeɖo Bahamas.

“MIÐE GBEƑÃE LE ƑUKPO SIWO LE DIDIƑE ƲĨI LA DZI”

Esi míeɖe gbeƒã ɣleti ʋɛ aɖewo le Bahamas-ƒukpo sueawo dzi megbe la, míeɖo ta Leeward kple Windward Ƒukpowo dzi. Wonye ƒukpo suesue vovovo siwo le Puerto Rico kple Trinidad domee. Ƒe atɔ̃ sɔŋ míenɔ gbeƒã ɖem le ƒukpo tsoabo mawo dzi, afi si Ðasefo aɖeke menɔ o. Ɣeaɖewoɣi kwasiɖa geɖe va yina si míexɔa lɛta alo nyatakaka tso afi aɖeke o. Gake dzi dzɔa mí be míele gbeƒã ɖem tso Yehowa ŋu le “ƒukpo siwo le didiƒe ʋĩi la dzi”!—Yer. 31:10.

Dutanyanyuigblɔla siwo nɔ Sibia tɔdziʋua me (tso miame yi ɖusime): Ron Parkin, Dick Ryde, Gust Maki kple Stanley Carter

Ne míeɖi go la, kɔƒea me tɔwo lɔna hoo vaa ƒua ta kple dzidzɔ be yewoanya ame siwo amedzro siawo nye. Wo dometɔ aɖewo mekpɔ tɔdziʋu si tɔgbi zãm míele alo yevu kpɔ o. Ƒukpo mawo dzi tɔwo lɔ̃a ame, mawusubɔsubɔ dzɔa dzi na wo eye wonya Biblia hã. Zi geɖe la, wolɔa tɔmelã, peya kple azi vanɛ na mí. Togbɔ be míaƒe tɔdziʋua melolo o hã, eme koe míemlɔna, ɖaa nu henyaa nu le.

Míeyina ɖaɖea gbeƒã na amewo ŋkeke bliboa. Míegblɔna na wo be míaƒo Biblia me nuƒo, eya ta woneva see. Ne ɣe ɖo to la, míeƒoa ga tsɔ yɔa amewo. Enya kpɔna ŋutɔ ne kɔƒea me tɔwo lé woƒe gomekaɖiwo ɖe asi ɖi abu gbɔna. Edzena abe ɣletivi siwo le keklẽm ene. Ɣeaɖewoɣi ame alafa ɖeka vana, eye wonɔa nyawo biam kaka zã tsina. Wolɔ̃a hadzidzi ale gbegbe, eya ta míeŋlɔa míaƒe Fiaɖuƒehawo me nyawo hemanɛ na wo. Ne mí nɔviŋutsu eneawo míedze haa dzidzi gɔme ko la, woawo hã woxenɛ kple woƒe gbe viviawo. Nyateƒee, dzidzɔɣie wònyena!

Ne míesrɔ̃ Biblia kple nusrɔ̃vi aɖewo vɔ la, wodzea mía yome ne míeyina nu srɔ̃ ge kple ƒome bubu ale be yewoanɔ anyi asrɔ̃ wo tɔa hã. Ɣesiaɣi si míele dzodzom le wo gbɔ le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, míebiana tso ame siwo tsɔ ɖe le nusɔsrɔ̃a me vevie la si be woayi nusɔsrɔ̃a dzi kple ame bubuwo va se ɖe esime míatrɔ agbɔ. Ale si wo dometɔ aɖewo wɔa esia kple ŋkubiã la wɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ.

Egbea modzakaɖetsaɖila gbogbo aɖewo yia ƒukpo mawo dzi, gake tsã la, wonye teƒe tsoabo siwo tɔgba blɔwo, ƒuta siwo nye ke ɖeɖe sɔŋ kple detiwo sɔ gbɔ ɖo. Zi geɖe la, zã me koŋue míekua tɔdziʋua yia ƒukpo bubu dzi. Ƒumehawo nɔa fefem le tsia me kplɔa míaƒe tɔdziʋua ɖo, eye nu si nànɔ sesem koe nye ale si míaƒe tɔdziʋua le tsia dzem wòle ƒoƒom ɖe eŋu. Eye ne ɣleti le ɖiɖim la, eklẽna ɖe atsiaƒua dzi wònɔa dzo dam abe klosalo ene.

Esi míeɖe gbeƒã le ƒukpoawo dzi ƒe atɔ̃ megbe la, míeyi Puerto Rico be míaɖɔli míaƒe tɔdziʋu si ŋu abala le la kple esi mɔ̃ kuna. Medo go nɔvinyɔnu dutanyanyuigblɔla dzetugbe aɖe si woyɔna be Maxine Boyd le afi ma, eye eƒe nu lé dzi nam. Enye nya nyui gbeƒãɖela dovevienu tso eƒe ɖevime ke. Emegbe ewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Dominican Republic va se ɖe esime Katoliko dziɖuɖua nyae le dua me le ƒe 1950 me. Esi menye tɔdziʋukula ta la, ɣleti ɖeka pɛ ko ƒe agbalẽe wonam be manɔ Puerto Rico. Menɔ mɔ kpɔm be matrɔ ayi ƒukpoawo dzi kpuie ahanɔ afi ma ƒe ʋɛ aɖewo kpee. Eya ta megblɔ na ɖokuinye be, ‘Ronald, ne ɖetugbui sia ƒe nu dzɔ dzi na wò la, ke mègahe ɖe megbe kura o.’ Ale medi ahiãe le kwasiɖa etɔ̃ megbe, eye wòlɔ̃. Kaka kwasiɖa ade naɖo la, míeɖe mía nɔewo. Eyome wode dɔ asi na nye kple Maxine be míawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Puerto Rico, eya ta nyemete ŋu nɔ tɔdziʋu yeyea me o.

Le ƒe 1956 me la, míedze nutome sue dzikpɔkpɔdɔa gɔme. Nɔvi geɖe da ahe, gake wo gbɔ yiyi doa dzidzɔ na mí ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, le kɔƒe si nye Potala Pastillo me la, Ðasefowo ƒe ƒome eve siwo si vi geɖe le ye li, eye mekua dze na wo wosena. Mebia Hilda si nye nyɔnuvi sueawo dometɔ ɖeka ne edi be yeayi gbeƒãɖeƒe kpli mí. Eɖo eŋu be: “Edzɔ dzi nam, gake nyemate ŋu ayi o. Afɔkpa mele asinye o.” Míeƒle afɔkpa nɛ, eye wòyi kpli mí. Ƒe geɖe megbe le ƒe 1972 me, esi nye kple Maxine míeɖi tsa yi Brooklyn Betel la, nɔvinyɔnu aɖe si do le Gilead Sukua teti koe nye ema te ɖe mía ŋu. Ele mɔ dzem yina Ecuador, afi si woɖoe ɖo. Ebia mí be: “Miekpɔm dze siia? Nyee nye nyɔnuvi sue si nɔ Pastillo si si afɔkpa menɔ o.” Hilda ye! Ðeko míefa dzidzɔvi!

Le ƒe 1960 me la, wokpe mí be míava subɔ le Puerto Rico alɔdzedɔwɔƒea, si nye dziƒoxɔ tuɖedzi eve sue aɖe, le Santurce, San Juan. Le gɔmedzedzea la, nye kple Nɔviŋutsu Lennart Johnson koe wɔa dɔawo katã kloe. Eya kple srɔ̃ae nye Yehowa Ðasefo gbãtɔwo le Dominican Republic, eye wova Puerto Rico le ƒe 1957 me. Emegbe Maxine va nɔ dɔ wɔm tso agbalẽ siwo amewo dɔ ŋu, esɔa gbɔ wu akpe ɖeka kwasiɖa sia kwasiɖa. Dɔ sia vivia enu elabena ekpɔnɛ be ame gbogbo siawo katã le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu.

Betel subɔsubɔdɔa dzɔa dzi nam, elabe ena metsɔ ɖokuinye na le Yehowa subɔsubɔ me. Gake nu nyui wɔla fue wòkpena. Le kpɔɖeŋu me, esi míenɔ dukɔwo dome takpekpe gbãtɔ wɔm le Puerto Rico le ƒe 1967 me la, dɔwo sɔ gbɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Nɔviŋutsu Nathan Knorr si nɔ Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi kpɔm ɣemaɣi ɖi tsa va Puerto Rico. Ebui vodadatɔe be nyemewɔ ɖoɖo ɖe dutanyanyuigblɔla siwo gbɔna takpekpea ƒe ʋuɖoɖo ŋu o, evɔ wònye mewɔe hafi. Emegbe eyɔm ka mo nam be manɔ ɖoɖo wɔm ɖe nuwo ŋu nyuie, eye wògblɔ be mede ŋukpe mo na ye. Nyemedi be mahee kplii o, gake mekpɔe be ebu fɔm dzodzro, si na medo dziku ŋkeke geɖe. Emegbe esi nye kple srɔ̃nye Maxine míegado go Nɔviŋutsu Knorr la, ekpe mí yi eƒe xɔ me eye wòɖa nu na mí míeɖu.

Esi míenɔ Puerto Rico la, míeyi England zi geɖe ɖakpɔ nye ƒometɔwo ɖa. Papa mexɔ nyateƒea esime nye kple Dada míexɔe o. Gake Dada xɔa nuƒola siwo tso Betel ɖe mía ƒeme zi geɖe. Esia na Papa kpɔ vovototo gã si le dzikpɔla siwo tso Betel kple hakplɔla siwo do vloe ƒe aɖewo do ŋgɔ la dome. Mlɔeba exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1962 me zu Yehowa Ðasefo.

Ronald kple Maxine Parkin le woƒe srɔ̃ɖeɖe megbe kpuie kpakple woƒe srɔ̃ɖezã 50 lia ɖuɣi

Srɔ̃nye lɔlɔ̃a Maxine ku le ƒe 2011 me. Mele mɔ kpɔm vevie be makpɔe ne wofɔe ɖe tsitre. Dzidzɔ kae nye esi wòanye! Nye kple Maxine míenɔ anyi ɖekae ƒe 58, eye míekpɔ eteƒe Yehowa ƒe ame siwo le Puerto Rico dzi ɖe edzi tso Ðasefo 650 va ɖo 26,000 sɔŋ! Le ƒe 2013 me la, wotsiã Puerto Rico kple Amerika alɔdzedɔwɔƒeawo, eye woɖom ɖe Wallkill, New York. Esi menɔ ƒukpo mawo dzi ƒe 60 sɔŋ ta la, Puerto Rico nɔnɔ mam abe woƒe akpɔkplɔvi si nɔa ati me la ene. Woyɔnɛ be coquí, le esi wònɔa xɔxlɔ̃m ko-kii, ko-kii le fiẽ me ta. Gake ɣeyiɣia de be madzo.

“AME SI NAA NU KPLE DZIDZƆ LAE MAWU LƆ̃NA”

Megale vivi sem na Mawu subɔsubɔ le Betel. Mexɔ wu ƒe 90 fifia, eye nye dɔe nye be matsɔ Biblia ade dzi ƒo na Betel ƒomea me tɔwo. Wogblɔ nam be meɖi tsa yi nɔvi 600 kple edzivɔ gbɔ tso esime meva Wallkill. Ame siwo va kpɔam ɖa dometɔ aɖewo gblɔa nu siwo le fu ɖem na wo alo woƒe ƒomekuxiwo nam. Bubuwo biaam be maɖo aɖaŋu na yewo tso ale si yewoawɔ subɔsubɔdɔa le Betel dzidzedzetɔe ŋu. Eye wo dometɔ siwo ɖe srɔ̃ yeyee va biaa aɖaŋuɖoɖom ku ɖe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ŋu. Fifia woɖo Betel dɔwɔla aɖewo ɖe gbeadzi. Meɖoa to ame sia ame si va gbɔnye, eye ne ehiã la, megblɔna na wo be: “‘Ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.’ Eya ta wɔ wò dɔ kple dzidzɔ. Yehowae nèle ewɔm na.”—2 Kor. 9:7.

Nu si ana nàkpɔ dzidzɔ le Betel alo afi bubu ɖe sia ɖee nye be: Wò susu nanɔ nu si tae dɔ si wɔm nèle la le vevie ɖo ŋu. Dɔ sia dɔ si míewɔna le Betel nye dɔ kɔkɔe. Ekpena ɖe “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ŋu wònaa gbɔgbɔmenuɖuɖu nɔviwo ƒe habɔbɔ si le xexea me godoo. (Mat. 24:45) Azɔ hã mɔnukpɔkpɔ sua mía si míekafua Yehowa le afi sia afi si míele subɔsubɔm le. Eya ta mina míawɔ dɔ si wòde mía si la dzidzɔtɔe, elabena “ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.”

^ mm. 13 Leonard Smith ƒe agbemeŋutinya dze le April 15, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ me.